Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Do Vevie Nu Le Wò Dɔdeasia Me!

Do Vevie Nu Le Wò Dɔdeasia Me!

ALEKE nèsena le ɖokuiwò me ne èxɔ lɛta lédziname aɖe tso xɔ̃wò vevi aɖe gbɔ? Timoteo xɔ lɛta ma tɔgbi tso apostolo Paulo gbɔ. Lɛta mae míeyɔna egbea be Timoteo Ƒe Agbalẽ Evelia le Biblia me. Ðikeke mele eme o be Timoteo di teƒe aɖe si ɖoɖoezizi le be yeaxlẽ lɛta si wòxɔ tso exɔlɔ̃a gbɔ. Timoteo anya nɔ susum be: ‘Paulo fɔa? Ðe aɖaŋuɖoɖo aɖewo le lɛtaa me siwo akpe ɖe ŋunye le nye dɔdeasia mea? Ðe lɛtaa akpe ɖe ŋunye mawɔ nye subɔsubɔdɔa nyuie eye makpe ɖe ame bubuwo ŋua?’ Abe ale si míava kpɔe ene la, Timoteo kpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo kple bubuwo le lɛta vevi ma me. Gake na míalé ŋku ɖe aɖaŋuɖoɖo vevi aɖewo ŋu le lɛtaa me.

“MEYI EDZI LE DZI DOM LE NU SIA NU ME”

Esi Timoteo te lɛtaa xexlẽ ko la, ede dzesi ale si gbegbe Paulo tsɔ ɖe le eme nɛ. Paulo yɔe be “vinye lɔlɔ̃a.” (2 Tim. 1:2) Timoteo xɔ lɛta sia le ƒe 65 K.Ŋ. me lɔƒo. Ɣemaɣia, anya nɔ eƒe ƒe 30-awo me, eye wònye hamemetsitsi si tsi le xɔse me. Eya kple Paulo wowɔ dɔ ɖekae ƒe geɖe eye wòsrɔ̃ nu geɖe tso egbɔ.

Anya de dzi ƒo na Timoteo ŋutɔ be Paulo le dzi dom nuteƒewɔwɔtɔe. Ɣemaɣia, Paulo nɔ ga me le Roma, eye eteƒe madidi o woawui. (2 Tim. 1:15, 16; 4:6-8) Timoteo anya de dzesii be dzi nɔ Paulo ƒo esi Paulo gblɔ be: “Meyi edzi le dzi dom le nu sia nu me.” (2 Tim. 2:8-13) Paulo ƒe dzidodoa ate ŋu ado ŋusẽ míawo hã abe ale si wòdo ŋusẽ Timoteo ene.

‘DE DZO NUNANA SI NÈXƆ LA ME’

Paulo de dzi ƒo na Timoteo be wòabu eƒe dɔdeasia nu vevii. Paulo di be Timoteo ‘nade dzo Mawu ƒe nunana si le eme si wòxɔ la me.’ (2 Tim. 1:6) Nya si Paulo zã na “nunana” ye nye khaʹri·sma le Helagbe me. Helagbe me nya ma fia nane si ame medze na o si wove enu nɛ faa. Timoteo xɔ nunana sia esime woɖoe hamemetsitsi be wòawɔ dɔ vevi aɖe le hamea me.—1 Tim. 4:14.

Nu kae Paulo di be Timoteo natsɔ nunana sia awɔ? Esi Timoteo xlẽ nya siwo nye, ‘de dzo nunana si nèxɔ la mea,’ eƒe susu anya yi aka alo nake dzo dzi. Ehiãna be woanɔ dzoa tum ɖo be wòaxɔ nyuie. Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be Helagbe me nya si Paulo zã la fia be “woatu dzo ɖo, wogbɔ dzo, woaguglu dzo me wòalé,” si le fiafiam be “woatsɔ dzo ɖe dɔ ŋu awɔe kple dzidzɔ.” Eya ta, aɖaŋu si Paulo nɔ ɖoɖom na Timoteo ye nye be: ‘Do vevie nu le wò dɔdeasia me!’ Ele be míawo hã míawɔe nenema ke egbea, ado vevie nu le míaƒe subɔsubɔdɔa me.

‘DZRA NU NYUI SIA ÐO NYUIE’

Esi Timoteo yi lɛtaa xexlẽ dzia, eva de dzesi nya bubu aɖe si akpe ɖe eŋu be wòawɔ eƒe subɔsubɔdɔa nyuie. Paulo gblɔ be: “Dzra nu nyui sia si míetsɔ de asi na wò to gbɔgbɔ kɔkɔe si le mía me dzi la ɖo nyuie.” (2 Tim. 1:14) Nu kae wotsɔ de esi? Le kpukpui si do ŋgɔ me la, Paulo ƒo nu tso “nya siwo le blibo,” siwo nye nyateƒe siwo le Ŋɔŋlɔawo me ŋu. (2 Tim. 1:13) Esi Timoteo nye nyanyuigblɔla ta la, ele be wòafia nyateƒea nɔvi siwo le hamea me kple ame bubuwo. (2 Tim. 4:1-5) Azɔ hã, woɖo Timoteo hamemetsitsii be wòakplɔ Mawu ƒe alẽhaa. (1 Pet. 5:2) Timoteo ate ŋu adzra nu si wotsɔ de esi, si nye nyateƒe si wòafia amewo la ɖo nyuie ne eɖoa ŋu ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kple eƒe Nya Biblia ŋu.—2 Tim. 3:14-17.

Wodee asi na míawo hã egbea be míafia nyateƒea amewo. (Mat. 28:19, 20) Ne míedoa gbe ɖa edziedzi eye míesrɔ̃a Biblia veviedodotɔe la, míato esia dzi aɖee afia be míedaa akpe ɖe dɔ vevi si wode mía si la ta. (Rom. 12:11, 12; 1 Tim. 4:13, 15, 16) Azɔ hã, mɔnukpɔkpɔ bubu ate ŋu asu mía si be míanye hamemetsitsi alo awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Ele be mɔnukpɔkpɔ siawo nana míabɔbɔ mía ɖokuiwo eye míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu. Eya ta míate ŋu adzra nu si wotsɔ de asi na mí la ɖo alo akpɔ eta ne míeyi edzi ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu be míalé be nɛ.

“TSƆ NU SIAWO DE ASI NA NUTEƑEWƆLAWO”

Dɔ si wode Timoteo si la bia hã be wòana hehe ame bubuwo. Esia tae Paulo gblɔ na Timoteo be: ‘Nu siwo nèse le gbɔnye la, tsɔ wo de asi na nuteƒewɔlawo, ekema woawo hã woadze nyuie afia nu ame bubuwo.’ (2 Tim. 2:2) Eya ta ele be Timoteo nasrɔ̃ nu tso nɔvia Kristotɔwo gbɔ eye wòana hehe wo. Ele be hamemetsitsi siwo le hameawo me la hã nawɔe nenema ke. Hamemetsitsi nyui lɔ̃na faa fiaa nu sia nu ame si wòle hehe namee tso dɔ aɖe ŋu ale be amea nate ŋu asu te awɔ dɔa. Mevɔ̃na be ne yefia nu sia nu amea la ava nya dɔa wu ye o. Eya ta hamemetsitsi nyui meɣlaa nanewo ɖe ame si wòle hehe namee la o. Edina be yeakpe ɖe amea ŋu be wòabi eye wòate ŋu atso nya me nyuie le nuwo ŋu. Ne ewɔe alea la, ‘nuteƒewɔla’ siwo wòna hehee la ƒe dɔwo aɖe vi geɖe na hamea.

Ðikeke mele eme o be, Timoteo de asixɔxɔ lɛta si Paulo ŋlɔ nɛ la ŋu. Míate ŋu akpɔ ale si Timoteo anɔ lɛtaa xlẽm edziedzi anɔ ŋugble dem le aɖaŋuɖoɖo vevi mawo kple ale si wòawɔ wo dzi le eƒe dɔdeasia me la ŋu ɖaa le susu me.

Míawo hã míedi be míawɔ aɖaŋuɖoɖo mawo dzi. Aleke míawɔe? Míate ŋu awɔ esia ne míede dzo nunana si wotsɔ de asi na mí la me, míedzrae ɖo nyuie, eye míenaa hehe ame bubuwo. Ne míewɔe alea la, míawo hã míate ŋu ‘awɔ míaƒe subɔsubɔdɔa bliboe,’ abe ale si Paulo gblɔe na Timoteo ene.—2 Tim. 4:5.