Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Siwo Amewo Gblɔna Tso Gbedodoɖa Ŋu

Nya Siwo Amewo Gblɔna Tso Gbedodoɖa Ŋu

“Ne nyemenya nu si mawɔ o eye medo gbe ɖa la, mesena le ɖokuinye me be Mawu le nye axa dzi, elé nye asi eye wòle mɔ fiamem.”—MARÍA.

“Kansa ɖe fu na srɔ̃nye ƒe wuietɔ̃ sɔŋ eye wòva ku mlɔeba. Meɖo ŋku edzi be medoa gbe ɖa na Mawu gbe sia gbe, eye mese le ɖokuinye me be enɔ to ɖom nya siwo gblɔm menɔ nɛ esi menɔ veve sem. Esia na nye dzi dze eme.”—RAÚL.

“Gbedodoɖa nye nu nyui aɖe si Mawu na amegbetɔwo.”—ARNE.

Le María, Raúl, Arne kple ame geɖe gome la, gbedodoɖa nye nunana tɔxɛ aɖe. Wokpɔe be yewoate ŋu ato gbedodoɖa dzi aƒo nu na Mawu, ada akpe nɛ eye yewoabia eƒe kpekpeɖeŋu. Woxɔe se bliboe be nya si Biblia gblɔ tso gbedodoɖa na Mawu ŋu la nye nyateƒe be: “Kakaɖedzi sia le mía si le eya amea me be, nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.”—1 Yohanes 5:14.

Gake esesẽna na ame bubuwo ya be woaxɔ nya si Biblia gblɔ tso gbedodoɖa ŋu dzi ase. Steve gblɔ ale si wòse le eɖokui me tso gbedodoɖa ŋu. Egblɔ be: “Esi mexɔ ƒe wuiadrea, afɔku dzɔ ɖe xɔ̃nye etɔ̃ aɖewo dzi woku. Ame ɖeka ku le ʋufɔku me, eye atsiaƒu lé eve susɔeawo.” Nu kae Steve wɔ? Egblɔ be: “Medo gbe ɖa na Mawu biae be wòagblɔ nu si tae nu siawo katã dzɔ la nam, gake meɖo eŋu nam o. Ta mebia ɖokuinye be, ‘Ðe wòhiã be maganɔ gbe dom ɖa?’” Ame geɖe se le wo ɖokui me be Mawu meɖo yewoƒe gbedodoɖawo ŋu o, eya ta megahiã be yewoanɔ gbe dom ɖa o.

Susu bubuwo hã li siwo tae ame aɖewo se le wo ɖokui me be mehiã be yewoado gbe ɖa o. Ame aɖewo gblɔna be esi wònye Mawu nya nuwo katã taa, enya míaƒe hiahiãwo kple kuxiwo xoxo, eya ta mehiã be míagagblɔ wo nɛ o.

Ame aɖewo hã xɔe se be ɖe Mawu gbe yewoƒe gbedodoɖawo sese le vodada siwo yewowɔ va yi la ta. Jenny gblɔ be: “Nye kuxi gãtɔe nye be mesena le ɖokuinye me be asixɔxɔ aɖeke mele ŋunye o. Mewɔ nu gbegblẽ aɖewo va yi, ta megblɔna na ɖokuinye be nyemedze be Mawu nase nye gbedodoɖawo o.”

Aleke nèsena le ɖokuiwò me tso gbedodoɖa ŋu? Ne èse le ɖokuiwò me abe ame siawo dometɔ aɖe ene kpɔa, ke Biblia ate ŋu ana nàkpɔ ŋuɖoɖo fakɔname siwo ana wò dzi nadze eme. Míate ŋu aka ɖe nya siwo Biblia gblɔ tso gbedodoɖa ŋu la dzi. * Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ŋuɖoɖo na nyabiasewo abe:

  • Ðe Mawu sea míaƒe gbedodoɖawo ŋutɔŋutɔa?

  • Nu ka tae Mawu meɖoa gbedodoɖa aɖewo ŋu o?

  • Aleke nàdo gbe ɖa be Mawu nasee?

  • Aleke gbedodoɖa ate ŋu aɖe vi na wòe?

^ mm. 9 Woŋlɔ Yesu Kristo kple mawusubɔla bubu geɖe ƒe gbedodoɖawo ɖe Biblia me. Gbedodoɖa siwo wu 150 ye woŋlɔ ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo, si ame geɖe yɔna be Nubabla Xoxoa me.