Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Gbedodoɖa Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò

Ale Si Gbedodoɖa Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò

Esi Pamela nɔ kansadɔ lém la, eyi kɔdzi be ɖɔkitawo nawɔ atike na ye. Gake edo gbe ɖa hã be Mawu nado ŋusẽ ye le nɔnɔme sesẽ ma me. Ðe gbedodoɖa kpe ɖe eŋua?

Pamela gblɔ be: “Nu siwo me metona ne wòle kansatike wɔm nam la, nana mevɔ̃na ŋutɔ. Gake ne medo gbe ɖa na Yehowa Mawu la, nye dzi dzea eme eye nyemegavɔ̃na o. Megasea veve kokoko ya, gake gbedodoɖa kpe ɖe ŋunye metsɔ susu ɖo nu nyuiwo ŋu. Ne amewo biam be aleke mefɔe hã la, megblɔna be ‘Nyemefɔ nyuie ya o, gake dzi le dzɔyem!’”

Mele be míalala kuxi sesẽ aɖe nava mía dzi alo míadze dɔ vevie hafi ado gbe ɖa o. Kuxiwo vaa mí katã mía dzi, gãwo kple sueawo, eye zi geɖea míekpɔnɛ be míehiã kpekpeɖeŋu be míanɔ te ɖe wo nu. Ðe gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋua?

Biblia gblɔ be: “Dro wò agba ɖe Yehowa dzi, ekema alé wò ɖe te. Mana ame dzɔdzɔe nadze anyi akpɔ o.” (Psalmo 55:22) Nya mawo fa akɔ na ame ŋutɔ! Eya ta aleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò? Ne èdo gbe ɖa na Mawu le mɔ nyuitɔ nua, akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe wò kuxiwo nu.—Kpɔ aɖaka si nye “ Ale Si Gbedodoɖa Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò.”