Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míehiã Xexe Yeye!

Míehiã Xexe Yeye!

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã António Guterres gblɔ be: “Xexe si me míele fifia yɔ fũu kple kuxiwo.” Ðe eƒe nyaa mele eme oa?

Nya vɔ̃wo le agbogbo dom ɖe edzi

  • Dɔléle kple dɔvɔ̃wo

  • Dzɔdzɔmefɔkuwo

  • Ahedada kple dɔwuame

  • Xexea ƒe dzoxɔxɔ kple eƒe ɖiƒoƒo

  • Ŋutasesẽ, nu vlo kple nu fitifiti wɔwɔ

  • Aʋawɔwɔwo

Eme kɔ keŋ be míehiã xexe yeye. Le xexe yeyea mea . . .

  • Míanɔ lãmesẽ blibo me

  • Ame sia me anɔ dedie eye wòaɖe dzi ɖi

  • Nuɖuɖu abɔ

  • Ðinu alo ɖiƒoƒo aɖeke manɔ anyi o

  • Nu madzɔmadzɔ wɔwɔ nu ayi

  • Ŋutifafa axɔ aƒe ɖi

Gake xexe yeye ka ƒe nya gblɔmee míele?

Nu kae ava dzɔ ɖe xexe si me míele fifia dzi?

Nu kae míate ŋu awɔ be míanɔ xexe yeyea me?

Ale si Biblia ɖo nya siawo kple bubuwo ŋu le Gbetakpɔxɔ sia mea afa kɔ na wò ŋutɔ.