Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Sia Ame Di Be Etsɔme Nanyo Na Ye

Ame Sia Ame Di Be Etsɔme Nanyo Na Ye

Etsɔme kae nèle mɔ kpɔm na? Abe ame sia ame enea, wò hã àdi godoo be etsɔme nanyo na wò kple wò ƒomea, mianɔ lãmesẽ kple ŋutifafa me, anɔ dzidzɔ kpɔm eye nu nadze edzi na mi.

Gake ame geɖe mekana ɖe edzi be etsɔme si dim yewolea asu yewo si o. Elabe wokpɔa ale si nya vɔ̃wo dzɔna le vo me wògblẽa nu le ame ŋu vevie, si nana amewo da ahe alo kuna kura gɔ̃ hã. Eƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye corona dɔvɔ̃a. Nu siawo nana amewo kpɔnɛ be etsɔme nyui aɖeke meli na yewo o.

Esi wònye kakaɖedzi mele agbea ŋu o ta, amewo le nu si ana woƒe etsɔme nanyoa dim vevie. Ame aɖewo ka ɖe vivime ŋusẽwo abe dzɔgbese ene dzi. Ame geɖe vu ɖe suku kɔkɔ dede kple kesinɔnuwo didi ŋu, elabe wosusu be nu siawo ana agbea nadze edzi na yewo. Ame aɖewo hã susu be ne èwɔa nu nyui koa, wò etsɔme anyo.

Ðe nu siawo dometɔ aɖe ana etsɔme si dim nèlea nasu asiwòa? Be nàkpɔ ŋuɖoɖoa, ele be nàbu biabia siawo ŋu:

  • Nu ka tututu dzie wò etsɔme nɔ te ɖo?

  • Ðe ga kple suku kɔkɔ dede ate ŋu ana wò etsɔme nanyoa?

  • Ðe nu nyui wɔwɔ ate ŋu ana wò etsɔme nanyoa?

  • Afi kae nàte ŋu akpɔ nu si ana wò etsɔme nanyoa le?

Gbetakpɔxɔ sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ŋuɖoɖoawo.