Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nu Nyui Wɔwɔ Ate Ŋu Ana Wò Etsɔme Nanyoa?

Ðe Nu Nyui Wɔwɔ Ate Ŋu Ana Wò Etsɔme Nanyoa?

Ƒe alafa geɖee nye esia amewo sena le wo ɖokuiwo me be ne ènyoa dɔme eye nènɔa agbe nyuia, wò etsɔme anyo. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe siwo le Asia lɔ̃ ɖe nya aɖe si xexemenunyala Konfusio (551-479 B.C.E.) gblɔ dzi. Egblɔ be: “Nu si mèdi be woawɔ ɖe ye ŋu oa, mègawɔe ɖe ame bubu ŋu o.” *

NU SI AME GEÐE WƆNA

Ame geɖe xɔe se be ne yewonɔ agbe nyuia, ana yewoƒe etsɔme nanyo. Eya ta wodzea agbagba dea bubu amewo ŋu, ɖea nɔnɔme nyuiwo fiana, tsɔa woƒe agbanɔamedziwo, eye woléa dzitsinya nyui me ɖe asi. Nyɔnu aɖe si le Vietnam, si ŋkɔe nye Linh, gblɔ be, “Mexɔe se be ne mekɔa dzi me eye meɖia anukware ɣesiaɣia, makpɔ yayrawo.”

Ame aɖewo hã dzea agbagba wɔa nu nyui le woƒe dzixɔsewo ta. Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Hsu-Yun, si le Taiwan, gblɔ be, “Wofiam be ne ame wɔa nu nyui hafi kua, ava kpɔ dzidzɔ, gake ne ewɔa nu gbegblẽa, akpe fu le eƒe ku megbe.”

NU KAWOE DO TSO EME?

Nyateƒee wònye be ne míewɔ nyui na amewoa, eɖea vi na míawo ŋutɔwo. Ke hã, ame siwo kɔa dzi me wɔa nyui na amewoa, va kpɔnɛ be yewoƒe agbagbadzedzewo medzea ameawo ŋu ɣesiaɣi o. Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Shiu Ping, si le Hong Kong, gblɔ be, “Nu siwo dzɔ ɖe dzinye na mekpɔe be menye ɣesiaɣie ame nyuiwo kpɔa yayrawo ɖe nu nyui siwo wowɔna ta o. Medze agbagba lé be na nye ƒomea eye mewɔa nyui na amewo. Gake nye srɔ̃ɖeɖe me gblẽ, eye srɔ̃nye kple vinyeŋutsua dzo le gbɔnye.”

Ame geɖe kpɔe be menye mawusubɔla ɖe sia ɖee nye ame nyui o. Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Etsuko, si le Japan, gblɔ be, “Mege ɖe subɔsubɔha aɖe me eye meva zu sɔhɛwo ƒe ŋgɔnɔla. Gake esi mekpɔ ale si hamevi aɖewo le agbe gbegblẽ nɔm, ɖewo le ho ʋlim vevie le ɖoƒe dim eye wole asi blum ɖe ga siwo míedzɔna mea, nye nu koe ku.”

“Medze agbagba lé be na nye ƒomea eye mewɔa nyui na amewo. Gake nye srɔ̃ɖeɖe me gblẽ, eye srɔ̃nye kple vinyeŋutsua dzo le gbɔnye.”—SHIU PING, HONG KONG

Dzi va ɖena le ame aɖewo siwo doa vevie mawusubɔsubɔ ƒo, ne nya vɔ̃ aɖe dzɔ ɖe wo dzi. Aleae nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Van, si le Vietnam, se le eɖokui me. Egblɔ be, “Meƒlea atikutsetsewo, seƒoƒowo kple nuɖuɖu eye metsɔa wo vae dana ɖe tɔgbui kukuwo ƒe yɔdowo dzi gbe sia gbe kple susu be makpɔ yayrawo le etsɔme. Togbɔ be mewɔ nu nyui siawo katã eye mewɔ subɔsubɔkɔnuwo ƒe geɖe hã, srɔ̃nye va dze dɔ vevie. Eyome vinyenyɔnu, si nɔ suku dem le duta, ku kpata esi wòxɔ ƒe blaeve.”

Ne nu nyui wɔwɔ ɖeɖe mate ŋu ana ame ƒe etsɔme nanyo oa, ke nu kae ana? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa, míehiã nane si ŋu kakaɖedzi le, si aɖo míaƒe biabiawo ŋu eye wòafia mí nu si tututu ana míaƒe etsɔme nanyo. Afi kae míate ŋu akpɔ nu ma le?

^ mm. 2 Ne èdi be yeanya nu geɖe tso Konfusio ƒe nufiafiawo ŋua, kpɔ agbalẽ si nye Ale Si Ameƒomea Le Mawu Dimee ƒe ta 7, memama 31-35. Yehowa Ðasefowoe tae, àkpɔe le Internet dzi le www.pr418.com.