Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nane Li Si Ana Míaƒe Etsɔme Nanyoa?

Ðe Nane Li Si Ana Míaƒe Etsɔme Nanyoa?

Abe ale si míedzro eme le nyati siwo do ŋgɔ me enea, ame aɖewo xɔe se be dzɔgbese, suku kɔkɔ dede, kesinɔnuwo, alo nu nyui wɔwɔe ana yewoƒe etsɔme nanyo. Gake nu siawo le ko abe ale si nànɔ teƒe aɖe yim evɔ nèva lé mɔ gbegblẽ tsɔ ene. Ðe ema fia be naneke meli si akpe ɖe mía ŋu míaƒe etsɔme nanyo oa? Mefia nenema o!

MƆFIAME SI TSO NUNYALA GÃTƆ KEKEAKE GBƆ

Zi geɖea, míebia aɖaŋuɖoɖo tso ame si tsi wu mí alo nya nu wu mí gbɔ hafi tsoa nya me. Nenema kee ne míedi be míakpɔ aɖaŋuɖoɖo vevi siwo ana míaƒe etsɔme nanyoa, anyo be míatrɔ ɖe Ame aɖe si nya nu wu mí sãsãsã ŋu. Míate ŋu ake ɖe Ame ma ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu le agbalẽ kɔkɔe aɖe si woŋlɔ ƒe 3,500 aɖewoe nye esi va yia me. Agbalẽ mae nye Biblia.

Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe Biblia dzi? Elabe Ame si gbɔ wòtso lae nye nunyala gãtɔ kekeake le xexea me. Woɖɔe be enye “Ame Si Li Tso Gbe Aɖe Gbe Ʋĩi Ke” eye wòli “tso mavɔ me yi mavɔ me.” (Daniel 7:9; Psalmo 90:2) Eyae nye “dziƒowɔla, eya, ame si nye Mawu vavã la, anyigba la mèla.” (Yesaya 45:18) Ena míenya be yeƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.

Esi wònye Ame si wɔ amegbetɔwo katã gbɔe Biblia tso ta, mebua dukɔ aɖe me tɔwo be wonyo wu bubuawo o. Eƒe mɔfiamewo ɖea vi na ame sia ame ɣeawokatãɣi, metsɔ le afi si amea tso me o. Biblia le gbegbɔgblɔ geɖe me eye eyae woma wu agbalẽ bubu ɖe sia ɖe. * Eya ta ele bɔbɔe be ame sia ame nakpɔe axlẽ eye wòafia mɔe. Nya siawo wɔ ɖeka kple nya si Biblia ŋutɔ gblɔ be:

“Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.”—DƆWƆWƆWO 10:34, 35.

Abe ale si ko dzila lɔ̃ame fiaa mɔ viawo enea, Yehowa Mawu nye Fofo lɔ̃ame si fiaa mɔ mí to eƒe Nya, Biblia dzi. (2 Timoteo 3:16) Àte ŋu aka aɖe eƒe Nyaa dzi, elabe eyae wɔ mí eye enya nu si ana míakpɔ dzidzɔ

Nu kae wòle be nàwɔ be etsɔme nyui ma nàsu asiwò? Xlẽ nyati si kplɔe ɖo.

^ mm. 6 Ne èdi be yeanya nu geɖe tso ale si woɖe Biblia gɔme kple ale si womae ŋua, ʋu www.pr418.com eye nàyi BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > ŊUTINYA KPLE BIBLIA.

^ mm. 16 Ne èdi numekɔkɔ geɖea, xlẽ agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? (La Bible: Parole de Dieu ou des hommes?) ƒe ta 9. Yehowa Ðasefowoe tae. Ele Internet dzi le www.pr418.com. Àkpɔe le AGBALẼWO KPLE NU BUBUWO > AGBALẼWO KPLE AGBALẼ GBADZAWO.