Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 4

Yi Edzi Nàɖe Dadavilɔlɔ̃ Afia

Yi Edzi Nàɖe Dadavilɔlɔ̃ Afia

“Miaƒe nɔvilɔlɔ̃ nade to abe dadavilɔlɔ̃ ene.”—ROM. 12:10.

HADZIDZI 109 Milɔ̃ Mia Nɔewo Vevie Tso Dzi Me Ke

NYA VEVIAWO *

1. Nu kawoe na be lɔlɔ̃ megale ƒomewo me egbea o?

BIBLIA gblɔ be le ŋkeke mamlɛawo me la, amewo ‘malɔ̃ ame ƒe nya o.’ (2 Tim. 3:1, 3) Eye nenemae wòle egbea hã. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃gbegbe na ƒome geɖe gbã, si wɔe be dzilawo doa dziku ɖe wo nɔewo ŋu, eye ɖeviawo hã sena le wo ɖokui me be ame aɖeke melɔ̃ yewo o. Ƒome aɖewo siwo le aƒe ɖeka me gɔ̃ hã dome mele kplikplikpli o. Aɖaŋuɖola aɖe gblɔ be: “Papa, dada kple ɖeviwo megaɖoa dze o, le esi wozãa woƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ ɖe kɔmpiuta, tablɛt, fon kple videofefewo ŋu ta. Togbɔ be ƒome siawo le aƒe ɖeka me hã, womenya wo nɔewo o.”

2-3. (a) Le Romatɔwo 12:10 ƒe nya nu la, ame kawoe wòle be míalɔ̃ abe dadaviwo ene? (b) Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

2 Mímedi be ame siwo si lɔlɔ̃ aɖeke mele o la ƒe nuwɔnawo nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. (Rom. 12:2) Ke boŋ, míedi be míalɔ̃ míaƒe ƒometɔwo kple mía nɔvi Kristotɔwo tso dzi me ke. (Xlẽ Romatɔwo 12:10.) Nu kae nye dadavilɔlɔ̃? Enye lɔlɔ̃ si nɔa ƒometɔ kplikplikpliwo dome. Lɔlɔ̃ siae wòle be wòanɔ mía si na mía nɔvi Kristotɔwo. Ne míewɔe alea la, ana ɖekawɔwɔ nanɔ hamea me eye míayi edzi asubɔ Yehowa kple dzidzɔ.—Mika 2:12.

3 Be míate ŋu aɖe dadavilɔlɔ̃ afia, mina míadzro Biblia me kpɔɖeŋu aɖewo me.

“YEHOWA ƑE DƆME TRƆNA ÐE AME ŊU GEÐE”

4. Aleke Yakobo 5:11 na míese ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ míi la gɔme?

4 Biblia ƒo nu tso Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yoh. 4:8) Nya ma ɖeɖe tea mí ɖe eŋu. Gake Biblia gblɔ hã be Yehowa ƒe “dɔme trɔna ɖe ame ŋu geɖe.” (Xlẽ Yakobo 5:11.) Esia fia be Yehowa lɔ̃ mí vevie ŋutɔ!

5. Aleke Yehowa kpɔa nublanui, eye aleke míasrɔ̃ eyama?

5 Yakobo 5:11 na míekpɔ kadodo si le ale si Yehowa lɔ̃ mí vevie kple eƒe nɔnɔme bubu si nye nublanuikpɔkpɔ dome. (2 Mose 34:6) Mɔ ɖeka aɖe si nu wòkpɔa nublanui na mí lee nye be etsɔa míaƒe vodadawo kea mí. (Ps. 51:1) Le Biblia mea, nublanuikpɔkpɔ mefia ko be woatsɔ vodadawo ake o. Nublanuikpɔkpɔ nye nu si ʋãa ame tso ememe wòadi be yeakpe ɖe ame aɖe si le nɔnɔme aɖe me la ŋu. Yehowa ɖɔ didi si le eme be yeakpe ɖe mía ŋu la be eƒo esi le vidada si na via tɔ la ta sãsãsã. (Yes. 49:15) Ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom la, Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ʋãnɛ wòkpena ɖe mía ŋu. (Ps. 37:39; 1 Kor. 10:13) Míate ŋu akpɔ nublanui na mía nɔviwo ne míetsɔa woƒe vodadawo kea wo, eye míeléa wo ɖe dɔme ne wodze agɔ le mía dzi o. (Ef. 4:32) Mɔ vevi bubu si dzi míate ŋu ato akpɔ nublanui na mía nɔviwoe nye be míakpe ɖe wo ŋu ne wole kuxiwo me tom. Ne lɔlɔ̃ ʋã mí míekpɔ nublanui na amewo la, ke míele Yehowa, ame si ɖo lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake ɖi na mí la srɔ̃m.—Ef. 5:1.

YONATAN KPLE DAVID ƑE NU ‘LÉ DZI NA WO NƆEWO’

6. Aleke Yonatan kple David ɖe dadavilɔlɔ̃ fia wo nɔewo?

6 Biblia ƒo nu tso amegbetɔ madeblibo siwo ɖe dadavilɔlɔ̃ fia wo nɔewo la ŋu. Bu Yonatan kple David ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be: “David ƒe nu lé dzi na Yonatan, eye Yonatan lɔ̃e abe eɖokui ene.” (1 Sam. 18:1) Wosi ami na David be wòaɖu fia ɖe Saul teƒe. Ema na Saul lé fu David eye wòdi be yeawui. Gake Saul vi Yonatan ya mewɔ ɖeka kple tɔa le nugbe si wòɖo ɖe David ŋu la me o. Yonatan kple David do ŋugbe na wo nɔewo be yewoayi edzi anye xɔlɔ̃wo, akpe ɖe yewo nɔewo ŋu.—1 Sam. 20:42.

Yonatan kple David nye xɔlɔ̃ kplikplikpliwo togbɔ be Yonatan tsi boo wu David gɔ̃ hã (Kpɔ memama 6-9 lia)

7. Nu kae ate ŋu agblẽ Yonatan kple David ƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me hafi?

7 Dadavilɔlɔ̃ si nɔ Yonatan kple David dome la ɖe dzesi ŋutɔ, vevietɔ ne míebu nu siwo ate ŋu agblẽ woƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me hafi la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yonatan anya tsi wu David ƒe 30 sɔŋ. Yonatan ate ŋu agblɔ be David menye ye gbɔ hawo o. Gake Yonatan mewɔ nu ɖe David ŋu nenema o.

8. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yonatan nye xɔlɔ̃ nyui na David?

8 Yonatan ate ŋu aʋã ŋu David hafi. Esi Yonatan ye nye Fia Saul vi taa, ate ŋu agblɔ be yee dze aɖu fia ɖe ye tɔ teƒe. (1 Sam. 20:31) Gake Yonatan bɔbɔ eɖokui eye wòwɔ nuteƒe na Yehowa. Eya ta ekpe asi ɖe David, ame si Yehowa tia be wòava nye fia la ŋu tso dzi me. Togbɔ be esia na tɔa do dziku ɖe eŋu hã, eyi edzi wɔ nuteƒe na David.—1 Sam. 20:32-34.

9. Ðe Yonatan bu David be enye yeƒe futɔa? Ðe eme.

9 Yonatan lɔ̃ David tso dzi me, eya mebu David eƒe futɔ o. Yonatan nye aŋutrɔdala kple aʋawɔla bibi. Wogblɔ tso eya kple tɔa Saul ŋu be “woɖea abla wu hɔ̃” eye “wosesẽ wu dzata.” (2 Sam. 1:22, 23) Eya ta Yonatan ate ŋu aƒo adegbe le nu mawo ta hafi. Ke hã, Yonatan mewɔe nenema alo do dziku ɖe David ŋu o. Ðe ema teƒe la, ekafu David ɖe ale si dzi le eƒo eye wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ta. Le nyateƒe me la, esi David wu Goliat vɔ megbee Yonatan va lɔ̃e vevie. Aleke míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ ma tɔgbi afia mía nɔviwo?

ALEKE MÍATE ŊU AÐE DADAVILƆLƆ̃ AFIA EGBEAE?

10. Nu kae wòfia be ‘míalɔ̃ mía nɔewo vevie tso dzi me ke’?

10 Biblia gblɔ na mí be, “milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke.” (1 Pet. 1:22) Yehowa ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí. Elɔ̃ mí ale gbegbe be ne míewɔ nuteƒe nɛ la, naneke mate ŋu ama mí kplii dome o. (Rom. 8:38, 39) Helagbe me nya “vevie” si wozã le afi sia, fia be ame naku kutri aɖe lɔlɔ̃ afia. Ɣeaɖewoɣia, ahiã be “míaku kutri” hafi míayi edzi alɔ̃ mía nɔvi Kristotɔwo. Ne wowɔ nu wòve mí la, ele be míayi edzi ‘ado dzi anɔ anyi kple mía nɔewo le lɔlɔ̃ me, eye míadze agbagba vevie alé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi le ŋutifafa ƒe nublanu la me.’ (Ef. 4:1-3) Ne míedze agbagba be ‘míanɔ ŋutifafa me’ kple mía nɔviwo la, míatsɔ míaƒe susu aɖo woƒe vodadawo ŋu o. Míawɔ mía tɔ sinua abu wo abe ale si Yehowa bua woe ene.—1 Sam. 16:7; Ps. 130:3.

Paulo xlɔ̃ nu Ewodia kple Sintike be woƒe susu nawɔ ɖeka. Ɣeaɖewoɣia, esesẽna na mí be míase nu gɔme na mía nɔvi Kristotɔwo (Kpɔ memama 11 lia)

11. Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na mí ɣeaɖewoɣi be míalɔ̃ mía nɔviwo?

11 Menɔa bɔbɔe be míalɔ̃ mía nɔviwo ɣesiaɣi o, vevietɔ ne míenya woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Esia nye kuxi na nɔvi aɖewo le ƒe alafa gbãtɔ me. Le kpɔɖeŋu me, mesesẽ na Ewodia kple Sintike be woawɔ dɔ ‘aduadu le nya nyuia gbɔgblɔ me kple Paulo o.’ Gake le susu aɖewo taa, esesẽ na wo ame evea be woase nu gɔme na wo nɔewo. Eya ta Paulo xlɔ̃ nu wo be “woƒe tamesusu nawɔ ɖeka le Aƒetɔ la me.”—Flp. 4:2, 3.

Hamemetsitsi siwo tsi le ƒe me kple hamemetsitsi sɔhɛwo ate ŋu anye xɔlɔ̃ kplikplikpliwo (Kpɔ memama 12 lia)

12. Aleke míate ŋu aɖe dadavilɔlɔ̃ afia mía nɔviwo?

12 Aleke míate ŋu aɖe dadavilɔlɔ̃ afia mía nɔviwo egbea? Ne míenya mía nɔviwo nyuiea, anɔ bɔbɔe be míase nu gɔme na wo, eye míaɖe dadavilɔlɔ̃ afia wo. Eye mele be míaƒe ƒexɔxɔwo nanye kuxi le esia me o. Ðo ŋku edzi be Yonatan anya tsi wu David ƒe 30, ke hã, wonye xɔlɔ̃ veviwo. Ðe wò hã àte ŋu adze xɔlɔ̃ ame aɖe si nètsi wu alo si tsi wu wòa? Ne èwɔe alea, àɖee afia be yelɔ̃ “nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã.”—1 Pet. 2:17.

Kpɔ memama 12 lia *

13. Nu ka tae mate ŋu adzɔ be míalɔ̃ ame siwo katã le hamea me la sɔsɔe o?

13 Be míalɔ̃ mía nɔviwo abe dadaviwo ene la, ɖe wòfia be míalɔ̃ ame siwo katã le hamea me sɔsɔea? Ao, ema manya wɔ o. Etea ŋu dzɔna be mí kple ame aɖewo dome nɔa kplikplikpli wu ame bubuwo. Yesu yɔa eƒe apostoloawo be ‘ye xɔlɔ̃wo,’ ke hã, eya kple Yohanes dome nɔ kplikplikpli wu. (Yoh. 13:23; 15:15; 20:2) Gake Yesu mewɔ nu ɖe Yohanes ŋu etɔxɛe wu apostolo mamlɛawo o. Le kpɔɖeŋu me, esi Yohanes kple nɔvia Yakobo va bia Yesu be wòana yewoanɔ ɖoƒe tɔxɛwo le Mawu Fiaɖuƒea me la, Yesu gblɔ na wo be: “Anyinɔnɔ ɖe nye ɖusime alo miame ya la, menye tɔnye be mana o.” (Marko 10:35-40) Ele be míasrɔ̃ Yesu be míagawɔ nu ɖe mía xɔlɔ̃wo ŋu etɔxɛe fũu akpa o. (Yak. 2:3, 4) Ne menye nenema o la, ahe mama ava hamea me.—Yuda 17-19.

14. Le Filipitɔwo 2:3 ƒe nya nu la, nu kae akpe ɖe mía ŋu be mímasusu be míenyo wu mía nɔviwo o?

14 Ne míeɖea dadavilɔlɔ̃ fiaa mía nɔewo la, ekpɔa hamea ta, eye awɔe be míasusu be míenyo wu ame bubuwo o. Ðo ŋku edzi be Yonatan mebui be yenyo wu David, eya ta yeaʋli fianyenyea kplii o. Mí katã míate ŋu asrɔ̃ Yonatan. Mègaʋã ŋu nɔviwòwo le woƒe ŋutetewo ta o, ke boŋ tsɔ ‘ɖokuibɔbɔ bu ame bubuwo be wonye gã wu ye.’ (Xlẽ Filipitɔwo 2:3.) Nenɔ susu me na wò be ame sia ame wɔa akpa aɖe le hamea me. Ne míebɔbɔa mía ɖokuiwo la, míekpɔa mía nɔviwo ƒe nyuiƒewo, eye míesrɔ̃a woƒe nuteƒewɔwɔ.—1 Kor. 12:21-25.

15. Nu kae nèsrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe Tanya kple viawo dzi me?

15 Ne kuxi aɖewo ɖe kpe na mí la, Yehowa toa mía nɔviwo dzi faa akɔ na mí eye wokpena ɖe mía ŋu. Bu nu si dzɔ ɖe mía nɔvinyɔnu Tanya kple viawo dzi le Amerika esi wotso ƒe 2019 “Lɔlɔ̃ Nu Metsina Gbeɖe O!” Dukɔwo Dome Takpekpe aɖe gbɔna le Memleɖagbe ŋu kpɔ. Tanya, si si vi etɔ̃ le gblɔ be: “Míenɔ ʋu me yina afi si míedze eye le mɔa dzia, ʋu aɖe tra va lɔ míaƒe ʋua ɖe eme. Ame aɖeke mexɔ abi ya o, míedo le ʋua me va tɔ mɔa ƒe axadzi eye míaƒe nu ku. Míekpɔ ame aɖe tɔ ɖe mɔa ƒe akpa kemɛ nɔ asi wɔm na mí be míava ɖo yeƒe ʋua. Sigbeɖe mía nɔvi aɖe si hã tso takpekpeae. Gake menye eya ɖeka koe tɔ ɖe mía ŋu o. Nɔvi atɔ̃ aɖewo siwo tso Sweden va takpekpea hã tɔ ɖe mía ŋu. Nɔvinyɔnu siwo le wo domea wɔ atuu na nye kple vinyeawo, esia na míaƒe dzi dze eme! Megblɔ na wo be womegatsi dzi o, gake wogbe be yewomadzo le mía gbɔ o. Wonɔ mía ŋu va se ɖe esime ɖɔktawo va teƒea, eye nɔviawo kpɔ egbɔ be wokpɔ mía gbɔ nyuie. Le ɣeyiɣi sesẽ sia mea, míekpɔ ale si Yehowa lɔ̃ míi. Esia na míegava lɔ̃ mía nɔviawo ɖe edzi wu, eye míeda akpe na Yehowa eye míegalɔ̃e wu.” Ðe nèɖo ŋku ɣeyiɣi aɖe si me nènɔ nɔnɔme sesẽ aɖe me tom eye nɔviwò Kristotɔ aɖe ɖe dadavilɔlɔ̃ fia wò la dzia?

16. Susu kawo tae wòle be míalɔ̃ mía nɔviwo abe dadaviwo ene?

16 Bu nu siwo dona tsoa eme ne míelɔ̃ mía nɔviwo abe dadaviwo ene ŋu kpɔ. Míefaa akɔ na wo ne wole kuxiwo me tom. Enana ɖekawɔwɔ yia edzi nɔa Mawu ƒe amewo dome. Eɖoa kpe edzi be míenye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo, eye esia hea ame siwo si dzi nyui le la vaa nyateƒea me. Ƒo wo katã taa, míekafua Yehowa, ‘dɔmetɔtrɔwo Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu’ la. (2 Kor. 1:3) Neva eme be mí katã míayi edzi alɔ̃ mía nɔviwo abe dadaviwo ene!

HADZIDZI 130 Lɔ̃ Tsɔtsɔke

^ mm. 5 Yesu gblɔ be lɔlɔ̃ si anɔ yeƒe nusrɔ̃lawo domee ana amewo nakpɔe be wonye ye yomedzelawo. Mí katã míedina be míaɖe lɔlɔ̃ ma afia. Míate ŋu ana lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔviwo nade to abe esi nɔa dadaviwo dome ene. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míagalɔ̃ mía nɔviwo geɖe wu.

^ mm. 55 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Hamemetsitsi si tsi le ƒe me la ƒe kpekpeɖeŋu le vi ɖem na hamemetsitsi bubu si nye sɔhɛ. Nɔviŋutsu tsitsia kpe nɔviŋutsu sɔhɛa va eƒe me. Wo kple wo srɔ̃wo le amedzro wɔm na wo nɔewo.