Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 15

Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Nya Mamlɛ Siwo Yesu Gblɔ Me

Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Nya Mamlɛ Siwo Yesu Gblɔ Me

“Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye. Miɖo toe.”—MAT. 17:5.

HADZIDZI 17 “Melɔ̃”

NYA VEVIAWO *

1-2. Nɔnɔme ka mee Yesu nɔ hafi gblɔ eƒe nya mamlɛawo?

NISAN 14, ƒe 33 K.Ŋ. ƒe ŋkeke mee. Esi wotso Yesu nu alakpatɔe, drɔ̃ ʋɔnui madzemadzee ɖe nu vlo aɖe si mewɔ o ta vɔ megbea, woɖu fewu le eŋu, wowɔ fui, eye woklãe ɖe ati ŋu. Gatagbadzɛwo ƒo ɖe eƒe asiwo kple afɔwo me. Ne egbɔ alo ƒo nua, esea veve vevie. Gake ele be wòaƒo nu, elabe nya vevi aɖewo le esi wòagblɔ.

2 Mina míadzro nya siwo Yesu gblɔ esime wònɔ kukum le fuwɔametia ŋu kple nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso wo me la me. Ne míagblɔe bubuia, mina “míaɖo toe.”—Mat. 17:5.

“FOFO, TSƆE KE WO”

3. Esi Yesu gblɔ be, “Fofo, tsɔe ke wo” la, ame kawoe wòwɔnɛ?

3 Nya kae Yesu gblɔ? Esime Yesu nɔ fuwɔametia ŋu la, edo gbe ɖa gblɔ be: “Fofo, tsɔe ke wo.” Woatsɔe ake ame ka? Nya siwo Yesu gblɔ kplɔe ɖo na míenya ame siwo wòwɔnɛ. Egblɔ be: “Womenya nu si wɔm wole o.” (Luka 23:33, 34) Anɔ eme be Roma-srafo siwo ƒo gatagbadzɛwo ɖe Yesu ƒe asiwo kple afɔwo me ƒe nya gblɔmee Yesu nɔ. Womenya ame si tututu Yesu nye o. Anɔ eme hã be ame aɖewo siwo nɔ amehawo dome, siwo na wowui, siwo ava xɔ edzi se emegbe hã nɔ susu me nɛ. (Dɔw. 2:36-38) Yesu meɖe mɔ be nu madzɔmadzɔ si wowɔ ɖe eŋu kple fu siwo wòkpea na wòlé amewo ɖe dɔme o. (1 Pet. 2:23) Ke boŋ ebia Yehowa be wòatsɔe ake ame siwo nɔ ye wum la.

4. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu lɔ̃ faa tsɔe ke ame siwo tsi tre ɖe eŋu la me?

4 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe nyawo me? Ele be míalɔ̃ faa atsɔe ake amewo abe Yesu ene. (Kol. 3:13) Ame aɖewo siwo dome míaƒe ƒometɔwo lea, ate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu elabe womese míaƒe dzixɔsewo kple nuwɔnawo gɔme o. Woate ŋu ada alakpa ɖe mía si, ado ŋukpe mí le amewo ŋkume, atsɔ míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo aƒu gbe alo ado ŋɔdzi na mí gɔ̃ hã be yewoawɔ nu vevi mí. Mele be míado dziku ɖe wo ŋu o, ke boŋ ele be míado gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe wo ŋu be gbe ɖekaa woava dze si nyateƒea. (Mat. 5:44, 45) Ɣeaɖewoɣia, ate ŋu asesẽ be míatsɔ ake, vevietɔ ne wowɔ nu wòve mí kaɖikaɖi. Gake ne míelé dziku ɖe dɔmea, agblẽ nu le míawo ŋutɔ mía ŋu. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Ne metsɔe kea, mefia be meda asi ɖe nu gbegblẽa dzi alo edzɔ dzi nam be wowɔ nu ɖe ŋunye nenema o. Ðeko medina be matsɔe ake eye magalé dziku ɖe dɔme o.” (Ps. 37:8) Eya ta ne míeɖoe be míatsɔe akea, ke efia be míetiae be míagalé dziku ɖe dɔme o.—Ef. 4:31, 32.

“ÀNƆ PARADISO ME KPLIM”

5. Ŋugbe kae Yesu do na nu vlo wɔla si woklã ɖe eƒe axadzi la, eye nu ka tae wòdo ŋugbe ma?

5 Nya kae Yesu gblɔ? Wohe nu vlo wɔla eve ɖe ati ŋu le Yesu xa. Gbãa, wo ame evea wonɔ fewu ɖum le eŋu. (Mat. 27:44) Gake wo dometɔ ɖeka va dzudzɔ. Eva de dzesii be Yesu “mewɔ nu tovo aɖeke o.” (Luka 23:40, 41) Azɔ hã, eɖee fia be yexɔe se be woafɔ Yesu ɖe tsitre tso ku me eye wòava zu fia gbe ɖeka. Egblɔ na Yesu si nye Ðela, si nɔ kukum la be: “Yesu, ɖo ŋku dzinye ne èva ɖo wò Fiaɖuƒe la me.” (Luka 23:42) Xɔse ka gbegbee nye esi ŋutsu sia ɖe fia! Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Vavã mele egblɔm na wò egbea be, ànɔ [menye Fiaɖuƒea me o, ke boŋ] Paradiso me kplim.” (Luka 23:43) De dzesii be Yesu do ŋugbe na ŋutsua tẽe esi wòzã nya siwo nye “mele,” “ànɔ” kple “kplim.” Yesu nya be ye Fofo kpɔa nublanui, eya ta egblɔ nya siwo na mɔkpɔkpɔ la na nu vlo wɔla si nɔ kukum la.—Ps. 103:8.

6. Nu kae míesrɔ̃ tso nya siwo Yesu gblɔ na nu vlo wɔlaa me?

6 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe nyawo me? Yesu ɖea Fofoa ƒe nɔnɔmewo fiana pɛpɛpɛ. (Heb. 1:3) Ne míese veve ɖe nu vɔ̃ siwo míewɔ va yi la ta, eye míedzudzɔ, eye míexɔ Yesu Kristo ƒe vɔsaa dzi sea, ekema Yehowa alɔ̃ faa akpɔ nublanui na mí eye wòatsɔe ake mí. (1 Yoh. 1:7) Ate ŋu asesẽ na ame aɖewo be woaxɔe ase be Yehowa atsɔ nu vɔ̃ siwo yewowɔ va yia ake yewo. Ne èsena le ɖokuiwò me nenema ɣeaɖewoɣia, ke bu nya sia ŋu kpɔ: Ɣeyiɣi kpui aɖe hafi Yesu nakua, ekpɔ nublanui na nu vlo wɔla si wotso kufia na, si xɔ edzi se teti koe nye ema. Eya ta, ɖe Yehowa makpɔ nublanui na esubɔla wɔnuteƒe siwo le wo tɔ sinua wɔm be yewoawɔ eƒe sededewo dzi geɖe wu oa?—Ps. 51:1; 1 Yoh. 2:1, 2.

“KPƆ ÐA! VIWÒE NYE ESI! . . . KPƆ ÐA! DAWÒE NYE ESI!”

7. Le Yohanes 19:26, 27 ƒe nya nua, nya kae Yesu gblɔ na Maria kple Yohanes, eye nu ka tae wògblɔ nya ma?

7 Nya kae Yesu gblɔ? (Xlẽ Yohanes 19:26, 27.) Yesu tsi dzi ɖe nɔa si anya zu ahosi ɣemaɣi la ŋu vevie. Yesu nɔviwo ate ŋu akpɔ wo nɔ dzi. Gake ame kae akpe ɖe eŋu wòayi edzi asubɔ Yehowa? Naneke meɖee fia be Yesu nɔviwo nye eƒe nusrɔ̃lawo ɣemaɣi o. Gake Yohanes ya nye apostolo wɔnuteƒe kple Yesu xɔlɔ̃ vevi. Yesu bu ame siwo subɔa Yehowa kplii la be wonye yeƒe ƒometɔwo. (Mat. 12:46-50) Eya ta, esi Yesu lɔ̃ Maria eye wòtsɔ ɖe le eme nɛ taa, etsɔe de asi na Yohanes, elabe enya be alé be nɛ, eye wòakpe ɖe eŋu be wòayi edzi asubɔ Yehowa. Yesu gblɔ na nɔa be: “Kpɔ ɖa! Viwòe nye esi!” Eye egblɔ na Yohanes be: “Kpɔ ɖa! Dawòe nye esi!” Tso gbe ma gbea, Yohanes tsɔ Maria abe nɔa ene eye wòlé be nɛ. Lɔlɔ̃ gã ka gbegbee nye esi Yesu ɖe fia nyɔnu si lé be nɛ lɔlɔ̃tɔe tso edziɣi eye wònɔ eŋu ʋuu va se ɖe eƒe kuɣi la!

8. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya siwo Yesu gblɔ na Maria kple Yohanes la me?

8 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe nyawo me? Kadodo si le mí kple mía nɔvi Kristotɔwo dome la nu ate ŋu asẽ wu esi le mí kple míaƒe ƒometɔwo dome. Míaƒe ƒometɔwo ate ŋu atsi tre ɖe mía ŋu alo agbe mí, gake Yesu do ŋugbe be, ne míeku ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋua, míakpɔ nu si bú na mí la “teƒe alafa ɖeka.” Mía nɔvi geɖewo ava zu mía viŋutsuwo, mía vinyɔnuwo, mía tɔwo kple mía nɔwo. (Marko 10:29, 30) Aleke nèsena le ɖokuiwò me esi nèle nɔvi siwo wɔ ɖeka, siwo si xɔse le, eye wolɔ̃ wo nɔewo ƒe ƒome gã la me?—Kol. 3:14; 1 Pet. 2:17.

“NYE MAWU, NU KA ŊUTI NÈGBLẼM ÐI?”

9. Nu kae Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Mateo 27:46 fia na mí?

9 Nya kae Yesu gblɔ? Esi wòsusɔ vie Yesu nakua, edo ɣli gblɔ be: “Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi?” (Mat. 27:46) Biblia megblɔ nu si tae Yesu gblɔ nya mawo ɖo o. Gake, bu nu si nya mawo fia mí ŋu kpɔ. Gbãa, nya mawo siwo Yesu gblɔa na nya si le nyagblɔɖi si le Psalmo 22:1 * va eme. Azɔ hã, nya mawo na eme kɔ nyuie be Yehowa metɔ “kpɔ ɖe” Via ŋu o. (Hiob 1:10) Yesu se egɔme be ye Fofo ɖe mɔ be futɔwo nado ye kpɔ bliboe le mɔ si womedo amegbetɔ aɖeke le kpɔ o nu. Azɔ hã, nya mawo ɖee fia be mewɔ nu vlo aɖeke si ta woawui ɖo o.

10. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso nya siwo Yesu gblɔ na Fofoa me?

10 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe nyawo me? Nu ɖeka si míate ŋu asrɔ̃ tso eme ye nye be, mele be míakpɔ mɔ be Yehowa naxe mɔ be nɔnɔme sesẽwo nagava mía dzi o. Abe ale si wodo Yesu kpɔ bliboe enea, ele be míawo hã míanɔ klalo be míawɔ nuteƒe va se ɖe ku me. (Mat. 16:24, 25) Ke hã, míeka ɖe edzi be Mawu maɖe mɔ woate mí akpɔ wu esi nu míate ŋu anɔ te ɖo o. (1 Kor. 10:13) Nu bubu si míesrɔ̃e nye be, abe Yesu enea, míakpe fu ɣeaɖewoɣi, evɔ míedze agɔ aɖeke o. (1 Pet. 2:19, 20) Ɣeaɖewoɣia, ame aɖewo tsia tsitre ɖe mía ŋu, menye le esi míewɔ nu gbegblẽ aɖe ta o, ke boŋ le esi míenye xexea ƒe akpa aɖeke o, eye míeɖea gbeƒã nyateƒea ta. (Yoh. 17:14; 1 Pet. 4:15, 16) Yesu nya susu si tae Yehowa ɖe mɔ be wòakpe fu. Gake Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo toa nɔnɔme sesẽwo me la biaa ɣeaɖewoɣi be, nu ka tae Yehowa ɖea mɔ be yewokpea fu hã. (Hab. 1:3) Mía Mawu si kpɔa nublanui eye wògbɔa dzi ɖi la, se egɔme be menye xɔsee mele ye subɔla siwo bia nya mawo si o, ke boŋ wohiã akɔfafa tso ye gbɔ.—2 Kor. 1:3, 4.

“TSIKƆ LE WUYEM”

11. Nu ka tae Yesu gblɔ nya siwo dze le Yohanes 19:28?

11 Nya kae Yesu gblɔ? (Xlẽ Yohanes 19:28.) Nu ka tae Yesu gblɔ be: “Tsikɔ le wuyem”? Egblɔ nya ma ale be “ŋɔŋlɔ” si le Psalmo 22:15, si nye nyagblɔɖi, si gblɔ be, “Wɔna vɔ le ŋunye abe ze gbagbã ene; nye aɖe lé ɖe nye nyéwo ŋu,” la “nava eme.” Azɔ hã, esi Yesu kpe fu eye wòse veve vevie le fuwɔametia ŋua, tsikɔ anya nɔ ewum. Ahiã be ame aɖe nana tsii wòano.

12. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe nya siwo nye “tsikɔ le wuyem” la me?

12 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe nyawo me? Yesu mesusui be egblẽ be yeagblɔ ale si yele sesem le ye ɖokui me o; eye mele be míase le mía ɖokui me nenema o. Mía dometɔ aɖewo medina be míagblɔ nu siwo le fu ɖem na mí la na amewo o. Gake ne míeva kpɔe be míehiã kpekpeɖeŋua, mele be míahe ɖe megbe be míabia ame bubuwo be woakpe ɖe mía ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, ne míetsi alo lãmesẽnyawo mede mía dzi o la, ahiã be míabia be ame aɖe nakplɔ mí ayi asi me alo kɔdzi. Ne dzi ɖe le mía ƒoa, ahiã be míabia hamemetsitsi aɖe alo nɔvi aɖe si tsi le xɔse me be wòaɖo to mí alo agblɔ “nya nyui” aɖe si ade dzi ƒo na mí. (Lod. 12:25) Mina míaɖo ŋku edzi be mía nɔviwo lɔ̃ mí eye wodi be yewoakpe ɖe mía ŋu le “xaxagbe.” (Lod. 17:17) Gake womate ŋu anya nu siwo le susu me na mí o. Womanya be míehiã kpekpeɖeŋu o, negbe ɖe míegblɔe na wo.

“WOWU ENU!”

13. Esi Yesu wɔ nuteƒe va se ɖe ku mea, nu ka dzie wòɖo kpee?

13 Nya kae Yesu gblɔ? Le Nisan 14 lia, esi wòƒo ɣetrɔ ga etɔ̃ lɔƒoa, Yesu do ɣli gblɔ be: “Wowu enu!” (Yoh. 19:30) Yesu ƒe nyawo na míekpɔe be, esi wòsusɔ vie wòakua, ede dzesii be yewu dɔ siwo katã Yehowa de asi na yea nu. Esi Yesu wɔ nuteƒe va se ɖe ku me taa, eɖo kpe nu geɖe dzi. Gbãa, eɖo kpe edzi be Satana nye alakpatɔ. Yesu ɖee fia be nu ka kee Satana awɔ o, amegbetɔ deblibo ate ŋu awɔ nuteƒe. Evelia, Yesu tsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta. Eƒe vɔsakua wɔe be amegbetɔ madeblibowo kple Mawu dome ate ŋu ava nɔ nyuie eye mɔnukpɔkpɔ nasu wo si be woava nɔ agbe tegbee. Etɔ̃lia, eɖo kpe edzi be Yehowa ƒe dziɖuɖue nye nyuitɔ kekeake eye wòkɔ Fofoa ƒe ŋkɔ ŋu.

14. Aleke wòle be míaɖoe kplikpaa be míanɔ agbe gbe sia gbee? Ðe eme.

14 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe nyawo me? Ele be míaɖoe be míawɔ nuteƒe gbe sia gbe. Bu nya si Nɔviŋutsu Maxwell Friend, si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku nufialawo dometɔ ɖeka gblɔ ŋu kpɔ. Esi Nɔviŋutsu Friend nɔ nuƒo aɖe si ku ɖe nuteƒewɔwɔ ŋu ƒom le dukɔwo dome takpekpe aɖe mea, egblɔ be: “Nu si nàte ŋu awɔ egbea alo agblɔ egbea, mègagblɔ be mawɔe etsɔ alo agblɔe etsɔ o. Ðe nènya ne ànɔ agbe etsɔa? Nu sia nu si nàte ŋu awɔ egbea, wɔe wòafia be ne Paradiso va etsɔa, àtsi agbe.” Eya ta mina míanɔ agbe gbe sia gbe wòafia be emae nye mɔnukpɔkpɔ mamlɛtɔ na mí be míawɔ nuteƒe! Eye ne edzɔ be míaku gɔ̃ hã, míate ŋu agblɔ be, “Yehowa, mewɔ tɔnye sinua wɔ nuteƒe, meɖo kpe edzi be Satana nye alakpatɔ, meʋli wò ŋkɔa ta, eye meɖee fia be wò dziɖuɖue nye nyuitɔ kekeake!”

“ASIWÒ MEE METSƆ NYE GBƆGBƆ DE”

15. Le Luka 23:46 ƒe nya nua, nu ka dzie Yesu ka ɖo?

15 Nya kae Yesu gblɔ? (Xlẽ Luka 23:46.) Yesu gblɔ kple kakaɖedzi blibo be: “Fofo, asiwò mee metsɔ nye gbɔgbɔ de.” Yesu nyae be yeƒe agbe le ye Fofo Yehowa si me eye aɖo ŋku ye dzi.

16. Nu kae nèsrɔ̃ tso Ðasefo aɖe si xɔ ƒe 15 la gbɔ?

16 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe nyawo me? Lɔ̃ faa nàtsɔ wò agbe ade Yehowa si me. Hafi nàte ŋu awɔ esia la, ele be “[nàɖo] ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me.” (Lod. 3:5) Bu Joshua, si nye Ðasefo aɖe si xɔ ƒe 15, eye wòle dɔmavɔleameŋu aɖe lém ŋu kpɔ. Melɔ̃ be woazã dɔdamɔnu siwo ana yeada le Mawu ƒe sewo dzi na ye o. Esi wòsusɔ vie wòakua, egblɔ na nɔa be: “Dada, mele Yehowa si me. . . . Dada megblɔe alea, elabe meka ɖe edzi be Yehowa afɔm ɖe tsitre godoo. Enya nu si le nye dzi me, eye melɔ̃e vevie.” * Ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be, ‘Ne medze ŋgɔ ku le nye xɔse taa, ɖe matsɔ nye agbe ade Yehowa si me eye maka ɖe edzi be aɖo ŋku dzinyea?’

17-18. Nu kawoe míesrɔ̃? (Kpɔ aɖaka si nye “ Nu Si Míesrɔ̃ Tso Nya Mamlɛ Siwo Yesu Gblɔa Me.”)

17 Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso nya mamlɛ siwo Yesu gblɔa me! Woɖo ŋku edzi na mí be míatsɔe ake amewo eye míaka ɖe edzi be Yehowa atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. Enye dzidzɔ na mí be nɔvi siwo tsi le xɔse me le hamea me eye wole klalo be yewoakpe ɖe mía ŋu. Gake ne míehiã kpekpeɖeŋua, ele be míate ɖe wo ŋu abia. Míenya be Yehowa akpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme ɖe sia ɖe si ava mía dzi la me. Eye míekpɔ nu si tae wòle vevie be míanɔ agbe gbe sia gbe wòafia be emae nye mɔnukpɔkpɔ mamlɛtɔ si míatsɔ awɔ nuteƒe, eye míaka ɖe edzi be míele dedie le Yehowa si me.

18 Le nyateƒe mea, nya siwo Yesu gblɔ esime wònɔ kukum le fuwɔametia ŋua fia nu geɖe mí! Ne míewɔ ɖe nu siwo míesrɔ̃ dzia, míanɔ wɔwɔm ɖe nya si Yehowa ŋutɔ gblɔ tso Via ŋu be, “Miɖo toe,” la dzi.—Mat. 17:5.

HADZIDZI 126 Nɔ Ŋudzɔ, Nɔ Tsitre Sesĩe, Nàsẽ Ŋu

^ mm. 5 Abe ale si Mateo 17:5 gblɔe enea, Yehowa di be míaɖo to ye Via. Le nyati sia mea, míadzro nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso nya siwo Yesu gblɔ esime wònɔ kukum le fuwɔametia ŋu la me.

^ mm. 9 Be nàkpɔ susu vovovo siwo tae Yesu anya yɔ Psalmo 22:1 me nyawoa, kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le tata sia me.

^ mm. 16 Kpɔ nyati si nye “Joshua’s Faith—A Victory for Children’s Rights” (La foi de Joshua: une victoire pour les droits de l’enfant) si le January 22, 1995 ƒe Nyɔ! me. (Ele yevugbe me.)