Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 16

Yi Edzi Nànɔ Akpe Dam Ðe Tafea Ta

Yi Edzi Nànɔ Akpe Dam Ðe Tafea Ta

‘Amegbetɔvi la va be yeatsɔ yeƒe agbe ana wòanye tafe na ame geɖewo.’—MARKO 10:45.

HADZIDZI 18 Akpedada Ðe Tafea Ta

NYA VEVIAWO *

1-2. Nu kae nye tafea, eye nu ka tae míehiãe?

ESI ame deblibo Adam wɔ nu vɔ̃a, mɔnukpɔkpɔ si nɔ esi be wòanɔ agbe tegbeea to eya kple vi siwo wòava dzi la ŋu. Adam mate ŋu ado taflatse ɖe nu si wòwɔ la ta o. Ðe wòɖoe koŋ wɔ nu vɔ̃. Ke viawo ya ɖe? Menye woawoe wɔ nu vɔ̃a o. (Rom. 5:12, 14) Ðe nane anya wɔ be Adam ƒe viwo nava nɔ agbe tegbeea? Ɛ̃! Esi Adam wɔ nu vɔ̃ megbe teti koa, Yehowa ɖe ale si wòava xɔ na Adam ƒe dzidzimevi miliɔn gbogbo tso nu vɔ̃ kple ku si me la gblɔ vivivi. (1 Mose 3:15) Le Yehowa ƒe ɣeyiɣi dzia, adɔ Via tso dziƒo be ‘wòatsɔ eƒe agbe ana wòanye tafe na ame geɖewo.’—Marko 10:45; Yoh. 6:51.

2 Nu kae nye tafea? Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo mea, nya tafea fia fe si Yesu xe be woagbugbɔ aƒle nu si Adam bú la. (1 Kor. 15:22) Nu ka tae míehiã tafea? Elabe Yehowa ƒe Se dzɔdzɔeawo bia be woaxe agbe ɖe agbe teƒe. (2 Mose 21:23, 24) Adam bu agbe deblibo. Be Mawu nawɔ ɖe eƒe se dzɔdzɔeawo dzia, Yesu tsɔ eƒe agbe debliboa sa vɔe. (Rom. 5:17) Esia wɔe be Yesu va nye “Fofo Mavɔ” na ame siwo katã xɔa tafea dzi se.—Yes. 9:6; Rom. 3:23, 24.

3. Le Yohanes 14:31 kple 15:13 ƒe nya nua, nu ka tae Yesu lɔ̃ faa be yeatsɔ yeƒe agbe debliboa asa vɔe?

3 Yesu lɔ̃ faa tsɔ eƒe agbe sa vɔ elabe elɔ̃ Fofoa si le dziƒo la ŋutɔ, eye elɔ̃ míawo hã. (Xlẽ Yohanes 14:31; 15:13.) Lɔlɔ̃ sia wɔe be Yesu ɖoe kplikpaa be yeawɔ nuteƒe va se ɖe nuwuwu, eye yeawɔ ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu. Eye ewɔ nuteƒe va se ɖe ku me hã. Le esia ta, tame si Yehowa ɖo ɖe amegbetɔwo kple anyigba ŋu ava eme. Le nyati sia mea, míadzro nu si tae Yehowa ɖe mɔ Yesu kpe fu nenema gbegbe hafi ku la me. Azɔ hã, míaƒo nu tso Biblia ŋlɔla aɖe si kpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu vevie la ŋu. Eye mlɔebaa, míadzro ale si míada akpe ɖe tafea ta kple ale si míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yehowa kple Yesu wɔ na mí la ŋu la me.

NU KA TAE WÒHIÃ BE YESU NAKPE FU?

Bu nu siwo gbegbe me Yesu to hafi xe tafea ɖe mía ta ŋu kpɔ! (Kpɔ memama 4 lia)

4. Ƒo nu tso nu siwo me Yesu to hafi ku la ŋu.

4 Bu ale si nuwo anya nɔ na Yesu le ŋkeke mamlɛtɔ si dzi wòaku la ŋu kpɔ. Togbɔ be Yesu ate ŋu aɖe gbe be mawudɔlawo ƒe aʋakɔwo nakpɔ ye ta hãa, eɖe mɔ Roma-srafowo lée eye woƒoe vɔɖivɔ̃ɖi. (Mat. 26:52-54; Yoh. 18:3; 19:1) Nu si wotsɔ ƒoea, na eƒe ŋutilã vuvu ʋayaʋaya. Emegbe wodro atikpo kpekpe aɖe ɖe eƒe dzime si wɔ abi la. Yesu te atikpoa hehe ɖo ta afi si woahee ɖe atia ŋu le la. Gake eteƒe medidi o, wozi ame aɖe dzi be wòatsɔe akpee. (Mat. 27:32) Esi wòɖo afi maa, asrafoawo ƒo gatagbadzɛwo ɖe eƒe asiwo kple afɔwo me mimi ɖe atia ŋu. Esi wofɔ atia ɖe tsitrenua, Yesu ƒe ametia ƒe kpekpe he eƒe abiawo me. Exɔlɔ̃wo nɔ nu xam, nɔa nɔ avi fam, gake Yuda-dumegãwo ya nɔ fewu ɖum le eŋu. (Luka 23:32-38; Yoh. 19:25) Yesu se veve helĩhelĩ gaƒoƒo geɖe. Eƒe dzi kple eƒe dzitodzitowo me he, eye megate ŋu nɔ gbɔgbɔm nyuie o. Hafi eƒe gbɔgbɔ nu natsoa, edo gbe ɖa na Yehowa zi mamlɛtɔ. Eyomea, ede mo to eye wòku. (Marko 15:37; Luka 23:46; Yoh. 10:17, 18; 19:30) Woɖi gbɔ Yesu wòse veve vevie hafi ku mlɔeba!

5. Nu kae te ɖe Yesu dzi wu ale si wowui?

5 Le Yesu gomea, menye ale si woawui ŋue wòtsi dzi ɖo o. Nya si wotsɔ ɖe eŋu si tae wodi be woawui la ŋue wòtsi dzi ɖo. Wotso enu alakpatɔe be enye busunyagblɔla, ame si medea bubu Mawu kple Mawu ƒe ŋkɔa ŋu o. (Mat. 26:64-66) Ema ɖeɖe na nu te ɖe Yesu dzi ale gbegbe be edi be ye Fofo nana vlodoame sia nato ye ŋu ayi. (Mat. 26:38, 39, 42) Nu ka tae Yehowa ɖe mɔ Via lɔlɔ̃a kpe fu eye wòku? Na míadzro susu etɔ̃ aɖewo me.

6. Nu ka tae wòhiã be woahe Yesu ɖe fuwɔameti ŋu?

6 Gbãa, ehiã be woahe Yesu ɖe ati ŋu, be wòaɖe Yudatɔwo tso fiƒode me. (Gal. 3:10, 13) Wodo ŋugbe na Mawu be yewoawɔ ɖe eƒe Se dzi, gake womewɔe o. Esia wɔe be tsɔ kpe ɖe ku si dome wonyi tso Adam gbɔ ŋua, wogazu fiƒodemewo. (Rom. 5:12) Se si Mawu de na Israel-viwo la gblɔ be, ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ si dze kua, ele be woawui. Eye ne amea ku vɔa, ɣeaɖewoɣia, wohea eƒe kukua ɖe ati ŋu. * (5 Mose 21:22, 23; 27:26) Eya ta esi wohe Yesu ɖe ati ŋua, eɖe dukɔ sia si gbee la tso fiƒodea me be eƒe vɔsaa naɖe vi na wo.

7. Nu kae nye susu evelia si ta Mawu ɖe mɔ Via va kpe fu?

7 Bu susu evelia si ta Mawu ɖe mɔ Via kpe fu la ŋu kpɔ. Enɔ edzram ɖo be wòava nye míaƒe Nunɔlagã le etsɔme. Yesu ŋutɔ to nɔnɔme sesẽwo me si na wòkpɔ ale si wòsesẽ be ame naɖo to Mawu le nɔnɔme sesẽwo me. Nu te ɖe edzi ale gbegbe be “etsɔ ɣlidodo sesĩwo kple aɖatsiwo” do gbe ɖa na Yehowa. Esi Yesu to nɔnɔme sesẽ siawo gbegbe me taa, esea míaƒe nɔnɔmewo gɔme eye ate ŋu ‘akpe ɖe mía ŋu ne wote mí kpɔ.’ Míeda akpe na Yehowa be wòɖo Nunɔlagã, si kpɔa nublanui, si ate ŋu “ase veve ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu” la na mí!—Heb. 2:17, 18; 4:14-16; 5:7-10.

8. Susu etɔ̃lia si ta Mawu ɖe mɔ wodo Yesu kpɔ nenema gbegbe lae nye eka?

8 Etɔ̃lia, Yehowa ɖe mɔ Yesu kpe fu vevie nenema gbegbe ale be woaɖo biabia vevi aɖe ŋu. Biabia mae nye: Ðe amegbetɔwo ate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa ne woto dodokpɔ sesẽwo mea? Satana be amegbetɔ aɖeke mate ŋui o! Satana gblɔ be nu siwo amegbetɔwo akpɔ tso Mawu gbɔ tae wosubɔnɛ ɖo. Eye eka ɖe edzi be amegbetɔwo melɔ̃ Yehowa o, abe wo tɔgbui Adam ke ene. (Hiob 1:9-11; 2:4, 5) Esi Yehowa ka ɖe Via Yesu dzi be awɔ nuteƒe taa, eɖe mɔ wodoe kpɔ le goawo katã me. Yesu wɔ nuteƒe hã nyateƒe, eye wòɖo kpe edzi be Satana nye alakpatɔ.

BIBLIA ŊLƆLA AÐE SI DE ASIXƆXƆ TAFEA ŊU VEVIE

9. Kpɔɖeŋu kae apostolo Yohanes ɖo ɖi na mí?

9 Tafea doa ŋusẽ Kristotɔ geɖewo ƒe xɔse. Woyi edzi ɖea gbeƒã togbɔ be wotsia tre ɖe wo ŋu hã, eye wodoa dzi le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe si vaa wo dzi le agbe me la me. Bu apostolo Yohanes ŋu kpɔ. Eɖe gbeƒã nyateƒe si ku ɖe Kristo kple tafea ŋu nuteƒewɔwɔtɔe hena ƒe 60 kple edzivɔ aɖewo. Esi wòsusu vie wòaxɔ ƒe alafa ɖekaa, Roma Dziɖuɖua bui be eƒe nuwɔnawo le fu ɖem na yewo, eya ta wolée yi Patmo ƒukpowo dzi. Agɔ kae wòdze? Le “nuƒoƒo tso Mawu ŋu kple ɖaseɖiɖi le Yesu ŋu ta.” (Nyaɖ. 1:9) Xɔse kple dzidodo ƒe kpɔɖeŋu nyui kae nye esi!

10. Aleke Yohanes ƒe nuŋlɔɖiwo ɖee fia be eda akpe ɖe tafea ta?

10 Le agbalẽ siwo Yohanes ŋlɔ mea, eŋlɔ nu tso ale si gbegbe wòlɔ̃ Yesu kple ale si wòda akpe ɖe eƒe vɔsaa ta ŋu. Eƒo nu tso tafea ŋu wu zi 100 sɔŋ, kple vi siwo tafea aɖe na mí la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yohanes ŋlɔ bena: “Ne edzɔ be ame aɖe wɔ nu vɔ̃ la, kpeɖeŋutɔ le mía si le Fofo la gbɔ, si nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la.” (1 Yoh. 2:1, 2) Yohanes ƒe nuŋlɔɖiwo te gbe ɖe ale si wòle vevie be ‘míaɖi ɖase tso Yesu ŋu’ la dzi. (Nyaɖ. 19:10) Eme kɔ be, Yohanes da akpe ɖe tafea ta ŋutɔ. Aleke míawo hã míate ŋu aɖee afia be míeda akpe ɖe tafea ta?

ALEKE MÍATE ŊU AÐEE AFIA BE MÍEDA AKPE ÐE TAFEA TA?

Ne èdaa akpe ɖe tafea ta tso dzi mea, àdze agbagba aɖu tetekpɔ dzi (Kpɔ memama 11 lia) *

11. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu tetekpɔ dzi?

11 Ðu ɖokuiwò dzi be màgawɔ nu vɔ̃ ne wote wò kpɔ o. Ne míedea asixɔxɔ tafea ŋua, mímanɔ susum be: ‘Mele be madze agbagba be maɖu tetekpɔ dzi ne wotem kpɔ o. Mate ŋu awɔ nu vɔ̃, emegbe mabia tsɔtsɔke.’ Ke boŋ, ne wote mí kpɔ be míawɔ nu gbegblẽ aɖea, ele be míagblɔ be: ‘Gbeɖe! Le nu si gbegbe Yehowa kple Yesu wɔ nam taa, nyemate ŋu awɔ nu sia gbeɖe o.’ Be tetekpɔa nagaɖu mía dzi oa, míate ŋu abia Yehowa be wòado ŋusẽ mí, aɖe kuku nɛ be: ‘Mègana mana ta le tetekpɔ me o.’—Mat. 6:13.

12. Aleke míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si dze le 1 Yohanes 3:16-18 dzi?

12 Lɔ̃ nɔviwòwo. Ne míelɔ̃a mía nɔviwo la, eɖenɛ fiana be míedaa akpe ɖe tafea ta. Nu ka tae? Elabe menye míawo ɖeɖe ta koe Yesu ku ɖo o; eku ɖe mía nɔviwo hã ta. Ne eku ɖe woawo hã taa, ke edze ƒãa be woxɔ asi nɛ ŋutɔ. (Xlẽ 1 Yohanes 3:16-18.) Ale si míewɔa nu ɖe mía nɔviwo ŋue ɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo. (Ef. 4:29, 31–5:2) Le kpɔɖeŋu me, míekpena ɖe wo ŋu ne wodze dɔ, alo le dzi dom le nɔnɔme sesẽ aɖe me, alo dzɔdzɔmefɔku aɖe dzɔ ɖe wo dzi. Gake nu kae wòle be míawɔ ne nɔvi aɖe gblɔ nya aɖe alo wɔ nane wòve mí?

13. Nu ka tae wòle be míatsɔ ake?

13 Ðe wòsesẽna na wò be nàtsɔ ake nɔvi aɖea? (3 Mose 19:18) Ne nenemaea, ekema wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi. Egblɔ be: “Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu. Ale si ko Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.” (Kol. 3:13) Ɣesiaɣi si míetsɔ ke mía nɔvi aɖe la, míeɖenɛ fiana mía Fofo si le dziƒo la be míedaa akpe ɖe tafea ta. Aleke míate ŋu ayi edzi aɖee afia be míedaa akpe ɖe nunana sia si Mawu na mí la ta geɖe wu?

ALEKE MÍAÐEE AFIA BE MÍEDAA AKPE ÐE TAFEA TA GEÐE WU?

14. Mɔ ɖeka ka dzie míato aɖee afia be míedaa akpe ɖe tafea ta geɖe wu?

14 Da akpe na Yehowa ɖe tafea ta. Nɔvinyɔnu Joanna, si xɔ ƒe 83, si le India gblɔ be: “Mekpɔe be ele be mada akpe na Yehowa ɖe tafea ta le nye gbedodoɖawo me gbe sia gbe.” Ne èle gbe dom ɖaa, de dzesi vodada aɖewo siwo nèwɔ le ŋkekea me eye nàbia Yehowa be wòatsɔe ake wò. Gake ne nu vɔ̃ gãea, ke anyo be nàbia hamemetsitsiwo hã ne woakpe ɖe ŋuwò. Woaɖo to wò eye woazã Mawu ƒe Nyaa atsɔ aɖo aɖaŋu na wò lɔlɔ̃tɔe. Woado gbe ɖa kpli wò, eye woabia Yehowa be wòatsɔe ake wò be ‘nàhaya’ ale be mí kplii dome naganɔ nyuie.—Yak. 5:14-16.

15. Nu ka tae wòle be míadi ɣeyiɣi axlẽ nu tso tafea ŋu eye míade ŋugble tso eŋu?

15 De ŋugble tso tafea ŋu. Nɔvinyɔnu Rajamani si xɔ ƒe 73 gblɔ be: “Ne mexlẽ nu tso Yesu ƒe fukpekpewo ŋua, aɖatsi koe lolona ɖe nye ŋkuwo dzi.” Ne wò hã èbu nu siwo me Mawu ƒe Via to ŋua, ate ɖe dziwò godoo. Gake ne èdea ŋugble tso Yesu ƒe vɔsaa ŋua, àgava lɔ̃ eya kple Fofoa ɖe edzi wu. Be nàte ŋu ade ŋugble tso tafea ŋua, ɖe manyo be nàsrɔ̃ nu tso eŋu oa?

Yesu to wɔna bɔbɔe aɖe dzi fia eyomedzelawo ale si woanɔ ŋku ɖom yeƒe kua dzi ƒe sia ƒe (Kpɔ memama 16 lia)

16. Ne míefiaa nu amewo tso tafea ŋua, vi kae wòɖena na mí? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

16 Fia nu amewo tso tafea ŋu. Ɣesiaɣi si míefia nu amewo tso tafea ŋua, míegadaa akpe ɖe eta geɖe wu. Dɔwɔnu nyui aɖewo le mía si míazã atsɔ afia nu amewo tso nu si tae Yesu ku la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu azã agbalẽ gbadzaa si nye, Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! ƒe nusɔsrɔ̃ 4 lia. Nusɔsrɔ̃ ma ƒe tanyae nye, “Ame Kae Nye Yesu Kristo?” Alo míate ŋu azã agbalẽ si nye Nu Kae Biblia Fia Mí? ƒe ta 5 lia. Ta ma ƒe tanyae nye, “Tafe La—Mawu Ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake.” Eye ƒe sia ƒe, ne míedea Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia, eye míekpea amewo be woade kpli mía, míegadaa akpe ɖe tafea ta geɖe wu. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi Yehowa na mí be míafia nu amewo tso ye Via ŋu!

17. Nu ka tae tafe lae nye Mawu ƒe nunana gãtɔ kekeake na mí?

17 Ðikeke mele eme o be, susu nyuiwo li siwo tae wòle be míayi edzi anɔ akpe dam ɖe tafea ta. Tafea wɔe be mí kpli Yehowa dome ate ŋu anɔ kplikplikpli togbɔ be míede blibo o hã. Tafea wɔe be woagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me kura. (1 Yoh. 3:8) Le tafea ta, tame si Yehowa ɖo ɖe anyigbaa ŋu tso gɔmedzedzea me, ava eme. Anyigba bliboa azu paradiso. Ame sia ame si anɔ anyi ɣemaɣia, alɔ̃ Yehowa eye wòasubɔe. Eya ta mina míadi mɔ siwo dzi míato gbe sia gbe ada akpe ɖe tafea, si nye Mawu ƒe nunana gãtɔ kekeake si wòna mí, la ta!

HADZIDZI 20 Ètsɔ Viwò Lɔlɔ̃a Na

^ mm. 5 Nu ka tae wowɔ fu Yesu vevie eye wowui? Woaɖo biabia sia ŋu le nyati sia me. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míagada akpe ɖe tafea ta geɖe wu.

^ mm. 6 Enye nu si Romatɔwo wɔna be woaklã nu vlo wɔla si wotso kufia na la ɖe ati ŋu alo ablae ɖe ati ŋu, eye Yehowa ɖe mɔ wowu Via le mɔ ma nu.

^ mm. 55 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔviŋutsu aɖewo le tetekpɔ dzi ɖum: Gbãtɔ gbe be yemakpɔ nu si mesɔ o, bubu gbe be yemano atama o, eye bubu gbe be yemaxɔ zãnu o.