Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 17

Yehowa Dea Asixɔxɔ Ŋuwò!

Yehowa Dea Asixɔxɔ Ŋuwò!

“Yehowa ƒe dukɔ ƒe nu nyoa eŋu.”—PS. 149:4.

HADZIDZI 108 Mawu Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃

NYA VEVIAWO *

Mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe “nu nyoa” mía Fofo si le dziƒo la ŋu (Kpɔ memama 1)

1. Nu kae Yehowa dea dzesi le eƒe amewo ŋu?

YEHOWA MAWU “ƒe dukɔ ƒe nu nyoa eŋu.” (Ps. 149:4) Esia nana dzi dzɔa mí ŋutɔ! Yehowa dea dzesi míaƒe nɔnɔme nyuiwo kple nu siwo míate ŋu awɔ eye wòtea mí ɖe eɖokui ŋu. Ne míeyi edzi wɔ nuteƒe nɛa, anɔ kpli mí tegbee!—Yoh. 6:44.

2. Nu ka tae wòsesẽna na ame aɖewo be woaxɔe ase be Yehowa lɔ̃ yewo?

2 Ame aɖewo agblɔ be, ‘Menya be Yehowa lɔ̃ eƒe amewo abe ƒuƒoƒo ene, gake aleke mawɔ aka ɖe edzi be elɔ̃m?’ Nu kae ana ame aɖe nabia nya ma? Oksana, * si kpe fu vevie le ɖevime la gblɔ be: “Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ ale gbegbe esi mexɔ nyɔnyrɔ eye medze mɔɖeɖedɔa gɔme. Gake ƒe 15 megbea, nu siwo me meto le ɖevime va yia, va nɔ fu ɖem nam. Meva ƒo nya ta be nye nu megadzea Yehowa ŋu o, eye melɔ̃m o.” Nɔvinyɔnu Yua, si nye gbesiagbe mɔɖela, si hã to nɔnɔme sesẽwo me le eƒe ɖevime la gblɔ be: “Metsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbe na Yehowa elabe medi be mado dzidzɔ nɛ. Gake meva ka ɖe edzi be Yehowa mate ŋu alɔ̃m o.”

3. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

3 Togbɔ be míelɔ̃ Yehowa vevie hãa, ɣeaɖewoɣi ate ŋu anɔ wɔwɔm na mí be, melɔ̃ mí o, abe ale si wònɔ le mía nɔvi wɔnuteƒe siawo gome ene. Nu ka tae wòle be nàka ɖe edzi be Yehowa léa be na wò? Eye nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne èsena le ɖokuiwò me be Yehowa melɔ̃ ye o? Na míadi nya siawo ƒe ŋuɖoɖowo.

NE EWƆNA NA MÍ BE YEHOWA MELƆ̃ MÍ O LA, EGBLẼA NU LE MÍA ŊU

4. Nu kae wòagblẽ le mía ŋu ne míesena le mía ɖokui me be Yehowa melɔ̃ mí o?

4 Lɔlɔ̃ dea dzo mía me, eye wòʋãa mí. Ne míeka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí eye wòkpena ɖe mía ŋua, míayi edzi asubɔe tso dzi blibo me, nɔnɔme sesẽ ka kee ɖava mía dzi o. Gake ne ewɔna na mí be Mawu metsɔa ɖeke le eme na mí o la, míaƒe “ŋusẽ dzi aɖe kpɔtɔ.” (Lod. 24:10) Nenema kee ne dzi ɖe le mía ƒo eye míesusu be Mawu melɔ̃ mí o la, ke anɔ bɔbɔe be Satana naɖu mía dzi.—Ef. 6:16.

5. Nu kae dzɔ ɖe nɔvi aɖewo siwo susu be Mawu melɔ̃ yewo o la dzi?

5 Nɔvi aɖewo siwo va nɔ sesem le wo ɖokuiwo me be Yehowa melɔ̃ yewo o eye metsɔ ɖeke le eme na yewo o la, ƒe xɔse va gbɔdzɔ. Hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye James gblɔ be: “Togbɔ be menɔ dɔ wɔm le Betel eye menɔ vivi sem na gbeƒãɖeɖedɔa le hame si me wodoa dutagbe le hãa, enɔ wɔwɔm nam be dɔ siwo mewɔna medzea Yehowa ŋu o. Ɣeaɖeɣi gɔ̃ hãa, eva nɔ wɔwɔm nam be Yehowa mesea nye gbedodoɖawo o.” Eva, si hã le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm la gblɔ be: “Meva kpɔe be ne míesena le mía ɖokui me be Yehowa melɔ̃ mí o la, egblẽa nu le mía ŋu. Elabe esia awɔe be dzi magadzɔ mí o, eye míagatsɔ dzo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o.” Michael si nye gbesiagbe mɔɖela kple hamemetsitsi gblɔ be: “Ne mèka ɖe edzi be Mawu léa be na wò o la, àtra ɖa le egbɔ.”

6. Nu kae wòle be míawɔ ne míeva le sesem le mía ɖokui me be Mawu melɔ̃ mí o?

6 Nɔvi siawo ƒe kpɔɖeŋuawo na míekpɔ ale si ɖikeke ate ŋu agblẽ nu le míaƒe xɔse ŋu. Gake nu kae wòle be míawɔ ne míeva le sesem le mía ɖokuiwo me be Mawu melɔ̃ mí o? Ele be míaɖe susu mawo ɖa enumake! Bia Yehowa be wòana eƒe ‘ŋutifafa nadzɔ wò dzi kple wò tamesusuwo ŋu’ ale be nàɖe nu siwo ‘le fu ɖem na wò susu’ la ɖa. (Ps. 139:23; etenuŋɔŋlɔ; Flp. 4:6, 7) Eye ɖo ŋku edzi be menye ye ɖeka koe le nɔnɔme sia me o. Nɔvi wɔnuteƒe aɖewo hã le avu wɔm kple seselelãme mawo. Yehowa subɔla aɖewo siwo nɔ anyi va yi gɔ̃ hã, se le wo ɖokuiwo me nenema. Na míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso apostolo Paulo gbɔ ɖa.

NU SI MÍESRƆ̃ TSO PAULO GBƆ

7. Kuxi kawoe nɔ Paulo dzi?

7 Ðe nèsena le ɖokuiwò me be dɔwo sɔ gbɔ ɖe ye dzi ale gbegbe be yemate ŋu awɔ wo katã oa? Ne nenemae la, ke àse Paulo ƒe nɔnɔmea gɔme. Etsi dzi, menye ɖe hame ɖeka ko ŋu o, ke boŋ ɖe “hameawo katã ŋu.” (2 Kor. 11:23-28) Ðe lãmesẽnyawo ɖea fu na wò enuenu si na mègale dzidzɔ kpɔm oa? “Ŋù aɖe” nɔ Paulo ƒe “ŋutilã me,” si anye dɔléle aɖe si nɔ fu ɖem nɛ vevie eye wòdi be yeavo tso eme. (2 Kor. 12:7-10) Ðe wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo nana dzi ɖena le ƒowòa? Paulo hã se le eɖokui me nenema ɣeaɖewoɣi. Eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na wògblɔ tso eɖokui ŋu be yeƒe “nu wɔ nublanui.”—Rom. 7:21-24.

8. Nu kae kpe ɖe Paulo ŋu wòdo dzi?

8 Togbɔ be Paulo to nɔnɔme sesẽ geɖe siwo ɖe dzi le eƒo me hãa, eyi edzi subɔ Yehowa. Nu kae kpe ɖe eŋu? Togbɔ be eɖoa ŋku eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi hãa, eka ɖe tafea dzi bliboe. Enya be Yesu do ŋugbe be ‘ame sia ame si xɔa Yesu dzi sena la akpɔ agbe mavɔ.’ (Yoh. 3:16; Rom. 6:23) Ðikeke mele eme o be, Paulo xɔ tafea dzi se. Enyae be Yehowa le klalo be yeatsɔe ake ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã ne wotrɔ dzi me.—Ps. 86:5.

9. Nu kae míesrɔ̃ tso Paulo ƒe nya siwo dze le Galatiatɔwo 2:20 me?

9 Paulo ka ɖe edzi be Mawu lɔ̃ ye vevie, elabe ena Via Yesu va ku ɖe ye ta. De dzesi nya si Paulo gblɔ. Egblɔ be: “Mawu ƒe Vi [la] lɔ̃m eye wòtsɔ eɖokui na ɖe tanye.” (Xlẽ Galatiatɔwo 2:20.) Paulo mese le eɖokui me be yeƒe nɔnɔmea gblẽ ale gbegbe be Mawu mate ŋu alɔ̃ ye o. Mesusu be ‘Mawu ate ŋu alɔ̃ nɔvi bubuawo, gake mate ŋu alɔ̃ ye ya o.’ Paulo ɖo ŋku edzi na nɔvi siwo nɔ Roma la be: “Esime míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.” (Rom. 5:8) Naneke mate ŋu axe mɔ na Mawu be wòagalɔ̃ mí o!

10. Nu kae míesrɔ̃ tso Romatɔwo 8:38, 39 me?

10 Xlẽ Romatɔwo 8:38, 39. Paulo ka ɖe ale si gbegbe Mawu lɔ̃ míi la dzi. Eŋlɔ bena naneke ‘mate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ la gbɔ o.’ Paulo nya ale si Yehowa gbɔ dzi ɖi na Israel-viwo. Azɔ hã, enya ale si gbegbe Mawu kpɔ nublanui na ye. Míate ŋu agblɔ Paulo ƒe nyaa kpokploe ale: ‘Esi Yehowa na eya ŋutɔ Via va ku ɖe tanye ɖe, ɖe susu aɖe li si ta make ɖi be elɔ̃ma?’—Rom. 8:32.

Nu si le vevie na Yehowa ye nye nu si míewɔna fifia kple nu siwo míawɔ le etsɔme, ke menye vo siwo míeda va yi o (Kpɔ memama 11 lia) *

11. Togbɔ be Paulo wɔ nu vɔ̃ geɖe abe esiwo ŋu woƒo nu tsoe le 1 Timoteo 1:12-15 ene hã la, nu ka tae wòka ɖe edzi be Mawu lɔ̃ ye?

11 Xlẽ 1 Timoteo 1:12-15. Anɔ eme be nu siwo Paulo wɔ va yia tena ɖe edzi ɣeaɖewoɣi. Egblɔ tso eɖokui ŋu be yee nye nu vɔ̃ wɔla “gãtɔ,” eye mewɔ nuku o! Hafi Paulo nava nya nyateƒea la, eti Kristotɔwo yome kutɔkutɔe tso du me yi du me, ede ɖewo gaxɔ me, eye wòda asi ɖe edzi wowu wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. (Dɔw. 26:10, 11) Bu ale si Paulo ase le eɖokui me ne edo go Kristotɔ sɔhɛ aɖe si dzilawo wòna wowu la ŋu kpɔ. Paulo se veve ɖe eƒe vodadawo ta, gake enya be yemate ŋu awɔ naneke tso nu siwo dzɔ va yia ŋu o. Elɔ̃ ɖe edzi be Kristo ku ɖe ye ta, eye wògblɔ kakaɖedzitɔe be: “Le Mawu ƒe amenuveve me la, mezu nu si menye egbea.” (1 Kor. 15:3, 10) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eme? Lɔ̃ ɖe edzi be Kristo ku ɖe tawò eye wòʋu mɔa ɖi be wò kple Yehowa dome nanɔ nyuie. (Dɔw. 3:19) Nu si le vevie na Yehowa ye nye nu si míewɔna fifia kple nu si míava wɔ le etsɔme, metsɔ le eme be míeda vo aɖewo va yi hafi va nye Ðasefo alo míeda voa esime míenye Ðasefo o.—Yes. 1:18.

12. Aleke 1 Yohanes 3:19, 20 ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míesena le mía ɖokui me be viɖe mele mía ŋu o eye Mawu mate ŋu alɔ̃ mí o?

12 Ne èbu ale si Yesu va ku ɖe wò nu vɔ̃wo ta ŋua, ɖewohĩ àgblɔ na ɖokuiwò be, ‘Nyemedze be woawɔ nu nyui sia gbegbe nam o.’ Nu ka tae nàse le ɖokuiwò me alea? Esi míede blibo o ta la, míaƒe dzi ate ŋu ana míasusui be viɖe mele mía ŋu o, eye mímedze be Mawu nalɔ̃ mí o. (Xlẽ 1 Yohanes 3:19, 20.) Ne edzɔ alea la, ele be míaɖo ŋku edzi be “Mawu nye gã wu míaƒe dziwo.” Togbɔ be míase le mía ɖokui me be Yehowa melɔ̃ mí o, eye matsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí o hã la, mía Fofo si le dziƒoa lɔ̃ mí eye atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. Ele be míaka ɖe edzi na mía ɖokuiwo be Yehowa lɔ̃ mí. Be míate ŋu awɔ esia la, ele be míanɔ eƒe Nyaa srɔ̃m edziedzi, anɔ gbe dom ɖa nɛ, eye míanɔ ha dem kple esubɔlawo edziedzi. Nu ka tae wòle vevie be míanɔ nu siawo wɔm?

BIBLIA SƆSRƆ̃, GBEDODOÐA, KPLE XƆLƆ̃ NYUIWO ATE ŊU AKPE ÐE MÍA ŊU

13. Aleke Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu? (Kpɔ aɖaka si nye “ Ale Si Mawu Ƒe Nyaa Le Kpekpem Ðe Wo Ŋu.”)

13 Srɔ̃ Mawu ƒe Nyaa gbe sia gbe. Esia ana nàgava nya Yehowa ƒe nɔnɔme lédzinameawo nyuie wu. Àva kpɔe be elɔ̃ wò vevie. Ne èxlẽa Mawu ƒe Nyaa eye nèdea ŋugble le eŋu gbe sia gbea, akpe ɖe ŋuwò nàbu nuwo ŋu nyuie, eye ‘nàɖɔ wò susuwo ɖo.’ (2 Tim. 3:16) Hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Kevin, si sena le eɖokui me tsã be viɖe aɖeke mele ye ŋu o, la gblɔ be: “Esi mexlẽ Psalmo 103 lia eye mede ŋugble le eŋua, ekpe ɖe ŋunye meɖɔ nye susu ɖo, eye meva kpɔ ale si tututu Yehowa buam la dzesii.” Eva, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Zã sia zãa, míedea ŋugble le nu siwo le vevie na Yehowa la ŋu tsɔ wua ŋkekea nu. Esia nana nye dzi dzea eme eye wònana nye xɔse sena ɖe edzi.”

14. Aleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

14 Nɔ gbe dom ɖa edziedzi. (1 Tes. 5:17) Ne xɔlɔ̃wo ɖoa dze edziedzi tso dzi mea, enana wo dome gava nɔa kplikplikpli wu. Nenema kee wòle le mí kple Yehowa dome xɔlɔ̃wɔwɔa me. Ne míedoa gbe ɖa gblɔa ale si míele sesem le mía ɖokui me, míaƒe susuwo kple nu siwo ŋu míetsi dzi ɖo nɛa, eɖenɛ fiana be míeka ɖe edzi eye míenya be elɔ̃ mí. (Ps. 94:17-19; 1 Yoh. 5:14, 15) Yua, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Ne medo gbe ɖaa, menye nu siwo dzɔ le ŋkekea me va yi ŋu koe meƒoa nu tsoe o. Megblɔa nye dzimenyawo na Yehowa. Esia wɔe be ʋɛʋɛʋɛa, meva bua Yehowa be enye Fofo si lɔ̃a viawo, ke menye abe dɔmemegã aɖe ene o.”—Kpɔ aɖaka si nye “ Ðe Nèxlẽea?

15. Aleke Yehowa ɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na mí?

15 Nɔ ha dem kple esubɔla bubuwo edziedzi; wonye nunana siwo tso Yehowa gbɔ. (Yak. 1:17) Mía Fofo si le dziƒo la na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo “lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi” la mí, tsɔ ɖee fia be yelɔ̃ mí. (Lod. 17:17) Le agbalẽ si Paulo ŋlɔ na Kolosetɔwo mea, eyɔ nɔvi aɖewo ŋkɔwo, eye wògblɔ be “ame siawo va zu akɔfafa gã aɖe [na ye.]” (Kol. 4:10, 11) Kristo Yesu gɔ̃ hã hiã na exɔlɔ̃ siwo nye mawudɔlawo kple amegbetɔwo ƒe kpekpeɖeŋu ɣeaɖewoɣi, eye ekpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si wonɛ la ŋu.—Luka 22:28, 43.

16. Aleke xɔlɔ̃ siwo le hamea me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be mí kpli Yehowa dome nanɔ kplikplikpli?

16 Ðe nèlɔ̃na faa biaa kpekpeɖeŋu tso nɔvi siwo le hamea me gbɔ alo xɔa kpekpeɖeŋu tso wo gbɔa? Ne míegblɔ nu siwo le fu ɖem na mí na nɔvi aɖe si tsi le xɔse mea, mefia be míaƒe xɔse gbɔdzɔ o; ke boŋ esia ate ŋu akpɔ mía ta. Se nya si James, si ŋu míeƒo nu tsoe va yia, gblɔ. Egblɔ be: “Esi medze xɔ̃ nɔvi siwo tsi le xɔse mea, ekpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Ne nu te ɖe dzinyea, nɔvi lɔlɔ̃ siawo gbɔa dzi ɖi ɖoa tom eye wokana ɖe edzi nam be yewolɔ̃m. Ale si wowɔa nu ɖe ŋunye nana mekpɔa ale si Yehowa lɔ̃m eye wòléa be nam.” Esia na míekpɔe be ele vevie be míadze xɔ̃ nɔvi siwo le hamea me, eye míana mí kpli wo dome nanɔ kplikplikpli!

YI EDZI NÀNƆ YEHOWA ƑE LƆLƆ̃ LA ME

17-18. Ame kae wòle be míaɖo toe, eye nu ka tae?

17 Satana di be míadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ. Edi be míase le mía ɖokui me be Yehowa melɔ̃ mí o, eye míedze be wòaxɔ na mí o. Gake abe ale si míeva kpɔe enea, menye nyateƒee o.

18 Yehowa lɔ̃ wò. Edea asixɔxɔ ŋuwò. Ne èɖo toea, ‘àyi edzi anɔ eƒe lɔlɔ̃ la me’ ɖaa, abe Yesu ene. (Yoh. 15:10) Eya ta mègaɖo to Satana o, eye mègaɖo to wò dzi si nɔa fɔ bum wò la hã o. Ke boŋ, ɖo to Yehowa, Ame si dea dzesi nɔnɔme nyui siwo le mía dometɔ ɖe sia ɖe si. Ka ɖe edzi be “Yehowa ƒe dukɔ ƒe nu nyoa eŋu,” eye wò hã èle wo dome!

HADZIDZI 141 Agbe Nye Nukunu

^ mm. 5 Esesẽna na mía nɔvi aɖewo be woaxɔe ase be Yehowa lɔ̃ yewo. Le nyati sia mea, míadzro nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mía dometɔ ɖe sia ɖe la me. Azɔ hã, míasrɔ̃ nu tso nu si míate ŋu awɔ ne ɖikeke ɖo mía me nenye be Yehowa lɔ̃ mí la ŋu.

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 67 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Tsãa, Paulo na wolé Kristotɔ geɖewo de gaxɔ me. Esi wòkpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yesu wɔ nɛ ŋu taa, etrɔ, eye wòde dzi ƒo na nɔvia Kristotɔwo, eye anɔ eme be, eti wo dometɔ aɖewo ƒe ƒometɔwo yome va yi.