Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 20

Mègana Ta Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me O—Yi Edzi Kple Dzidzɔ

Mègana Ta Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me O—Yi Edzi Kple Dzidzɔ

“Ƒã wò nukuwo . . . eye wò alɔ megadzudzɔ o.”—NYAGB. 11:6.

HADZIDZI 70 Midi Ame Siwo Dze

NYA VEVIAWO *

Esi Yesu yi dziƒo megbea, eƒe nusrɔ̃lawo ɖe gbeƒã le Yerusalem kple teƒe bubuwo dzonɔamemetɔe (Kpɔ memama 1)

1. Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi na eyomedzelawo, eye aleke wowɔ nui? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

LE YESU ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi katã la, susu nyui nɔ esi ɖe amewo ŋu, eye edi be susu nyui ma ke nanɔ eyomedzelawo hã si ɖe subɔsubɔdɔa ŋu. (Yoh. 4:35, 36) Esi Yesu nɔ eƒe nusrɔ̃lawo gbɔa, dzo nɔ wo me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu. (Luka 10:1, 5-11, 17) Gake esi wolé Yesu eye wowui la, dzo si nɔ nusrɔ̃lawo me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu nu tsi. (Yoh. 16:32) Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre la, ede dzi ƒo na wo be woayi subɔsubɔdɔa dzi. Eye esi wòdzo yi dziƒo vɔ megbe la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe ale gbegbe be woƒe futɔwo gblɔ be: “Miena miaƒe nufiafia xɔ Yerusalem katã kpe ɖo.”—Dɔw. 5:28.

2. Aleke Yehowa yra ɖe gbeƒãɖeɖedɔa dzi?

2 Yesu fia mɔ Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me wowɔ gbeƒãɖeɖedɔa, eye Yehowa na wodzi ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, ame siwo anɔ abe 3,000 ene ye xɔ nyɔnyrɔ. (Dɔw. 2:41) Eye tso ɣemaɣia, ame geɖewo va zu nusrɔ̃lawo. (Dɔw. 6:7) Yesu gblɔe ɖi hã be gbeƒãɖeɖedɔa akeke ta wu le ŋkeke mamlɛawo me.—Yoh. 14:12; Dɔw. 1:8.

3-4. Nu ka tae gbeƒãɖeɖedɔa sesẽna le teƒe aɖewo, eye nu ka mee míadzro le nyati sia me?

3 Mí katã míedi be míayi edzi aɖe gbeƒã kple dzidzɔ. Esia nɔa bɔbɔe le dukɔ aɖewo me. Nu ka tae? Elabena ame geɖe dina be yewoasrɔ̃ Biblia ale gbegbe be ahiã be wo dometɔ aɖewo nalala va se ɖe esime woakpɔ Ðasefo si asrɔ̃ nua kpli wo! Gake le dukɔ aɖewo mea, gbeƒãɖeɖedɔa menɔa bɔbɔe o; gbeƒãɖelawo mekena ɖe amewo ŋu le aƒe me o, eye ame siwo ŋu woke ɖo hã metsɔa ɖeke le Biblia me o.

4 Ne èle nuto si me gbeƒãɖeɖedɔa sesẽna le mea, ke aɖaŋuɖoɖo siwo dze le nyati sia me aɖe vi na wò. Míadzro nu siwo nɔvi aɖewo wɔ si kpe ɖe wo ŋu woke ɖe ame geɖewo ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me la me. Eye míakpɔ nu si akpe ɖe mía ŋu míayi edzi akpɔ dzidzɔ ne amewo ɖo to míaƒe gbedeasia alo womeɖo toe o hã.

SUSU NYUI NEKPƆTƆ NƆ ASIWÒ NE ELE SESẼM BE NÀKE ÐE AMEWO ŊU

5. Kuxi kawoe mía nɔvi geɖe doa goe?

5 Tso ŋkeke yi ŋkekea, ele sesẽm na gbeƒãɖela geɖe be woake ɖe amewo ŋu le aƒe me. Aƒe gãgã aɖewo, alo nuto siwo ŋu wotɔ kpɔ ɖo hede agbowo wo nu la le gbeƒãɖela aɖewo ƒe anyigbamamawo me. Eye zi geɖea, agbonudzɔlawo nɔa teƒe mawo eye womeɖea mɔ na ame bubu aɖeke be wòage ɖe eme o, negbe ɖe wokpe wo. Gake le nuto bubu aɖewo mea, gbeƒãɖelawo tea ŋu wɔa tso aƒe me yi aƒe me dɔa faa gake womekena ɖe ame geɖe ŋu le aƒewo me o. Gbeƒãɖela bubuwo le kɔƒenutowo me alo teƒe siwo saɖeaga siwo ame ʋɛwo ko le. Ahiã be woazɔ gaƒoƒo geɖe hafi ake ɖe aƒe aɖe ŋu, evɔ ame aɖeke mele aƒea me o! Ne míedoa go kuxi siawo la, mele be dzi naɖe le mía ƒo o. Nu kae míawɔ be míaɖu kuxi siawo dzi ale be míake ɖe ame geɖewo ŋu?

6. Mɔ kawo nue gbeƒãɖelawo sɔ kple tɔƒodelawo le?

6 Yesu tsɔ míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa sɔ kple tɔƒodede. (Marko 1:17) Tɔƒodela aɖewo dea tɔƒo ŋkeke geɖe evɔ womekpɔa lã aɖeke o. Gake womenaa ta o; wotrɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu. Wotrɔa asi le gamea, afi si wodea tɔƒoa le, kple mɔnu si wozãna la ŋu. Míawo hã míate ŋu awɔ nu mawo tɔgbi le míaƒe subɔsubɔdɔa me. Bu aɖaŋuɖoɖo siawo ŋu kpɔ.

Ne èle gbeƒã ɖem le nuto si me amewo menɔa aƒe me o mea, dze agbagba nàyi le ɣeyiɣi bubuwo me, nàyi wo gbɔ le teƒe vovovowo, eye nàzã mɔnu vovovowo (Kpɔ memama 7-10 lia) *

7. Nu kae ado tso eme ne míeɖea gbeƒã le ɣeyiɣi vovovowo me?

7 Dze agbagba nàyi amewo gbɔ le ɣeyiɣi bubuwo me. Míake ɖe ame geɖe ŋu ne míeyia wo gbɔ le ɣeyiɣi siwo me wonɔa aƒe me. Nya lae nye be, ame sia ame gbɔna vaa aƒe me godoo! Nɔvi geɖe kpɔe be edea yewo dzi wu ne yewoɖe gbeƒã le ŋdɔwo me kple ɣetrɔwo me, elabe ɣemaɣie wokena ɖe ame geɖe ŋu. Azɔ hã, le ɣeyiɣi mawo mea, amewo ɖea dzi ɖi wu eye wodina be yewoaɖo dze kple amewo. Alo ɖewohĩ aɖaŋu si hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye David ɖo la aɖe vi na wò. Egblɔ be ne yewoɖe gbeƒã le nuto aɖe me evɔ yewomeke ɖe ame aɖewo ŋu o la, le gaƒoƒo aɖewo megbe la, yewogatrɔna vaa teƒe mawo. Egblɔ be, “Ame siwo gbegbe ŋu míekena ɖo evɔ míeke ɖe wo ŋu va yi oa wɔa nuku nam.” *

Ne èle gbeƒã ɖem le nuto si me amewo menɔa aƒe me o mea, dze agbagba nàyi le ɣeyiɣi bubuwo me (Kpɔ memama 7-8 lia)

8. Aleke míate ŋu awɔ ɖe Nyagblɔla 11:6 me nyawo dzi le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me?

8 Mele be míana ta o. Esia dzie mawunyakpukpui si dzi wotu nusɔsrɔ̃a ɖo la te gbe ɖo. (Xlẽ Nyagblɔla 11:6.) David, si ŋu míeƒo nu tsoe va yia mena ta o. Le aƒe aɖe si me mekena ɖe ame aɖeke ŋu le gbeɖe o mea, eva ke ɖe ame aɖe ŋu mlɔeba. Ŋutsua kpɔ dzidzɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃a ŋu ale gbegbe be wògblɔ be, “Ƒe enyie nye esia mele nuto sia me, gake Yehowa Ðasefo aɖeke meva gbɔnye kpɔ o.” David gblɔ be, “Ne èva ke ɖe ame aɖe ŋu le aƒea me mlɔeba la, zi geɖe la, wodina be yewoase nya nyuia.”

Ne èle gbeƒã ɖem le nuto si me amewo menɔa aƒe me o mea, dze agbagba nàyi wo gbɔ le teƒe vovovowo (Kpɔ memama 9 lia)

9. Aleke gbeƒãɖela aɖewo wɔ ke ɖe ame siwo ŋu wòsesẽna be woake ɖo la ŋu?

9 Di amewo le teƒe bubuwo. Gbeƒãɖela aɖewo ɖea gbeƒã le teƒe bubuwo be yewoake ɖe ame siwo yewometuna le aƒe me o la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖaseɖiɖi le ablɔwo dzi, kple kekeviwo zazã wɔe be gbeƒãɖelawo ke ɖe ame geɖe siwo le aƒe gã siwo me womeɖea mɔ be gbeƒãɖelawo nawɔ tso aƒe me yi aƒe me dɔa le o la ŋu. Esia wɔe be wote ŋu ɖoa dze kple ame siwo anye ne womate ŋu ake ɖe wo ŋu o la ŋkume kple ŋkume. Azɔ hã, gbeƒãɖela geɖe de dzesii be amewo lɔ̃na faa be yewoaɖo dze alo axɔ agbalẽwo le modzakaɖebɔwo me, le asiwo me kple dɔwɔƒewo. Floiran, si nye nutome sue dzikpɔla le Bolivia gblɔ be: “Míevae ɖea gbeƒã le asiwo me kple dɔwɔƒewo tso ŋdɔ ga ɖeka va se ɖe ga etɔ̃, elabe ameawo kpɔa vovo vie le ɣeyiɣi mawo me. Míeɖoa dze kpli wo faa eye míesrɔ̃a Biblia kpli wo gɔ̃ hã.”

Ne èle gbeƒã ɖem le nuto si me amewo menɔa aƒe me o mea, dze agbagba nàzã mɔnu vovovowo (Kpɔ memama 10 lia)

10. Mɔnu kawoe nàte ŋu azã ale be nàke ɖe amewo ŋu?

10 Te mɔnu bubuwo kpɔ. Tsɔe be ètee kpɔ zi geɖe be yeake ɖe ame aɖe ŋu. Èyi aƒea me le ɣeyiɣi vovovowo me, gake mèke ɖe eŋu o. Ðe mɔ bubuwo li, siwo dzi nàto ake ɖe eŋua? Katarína gblɔ be, “Meŋlɔa lɛta na ame siwo ŋu nyemekena ɖo o. Nya siwo magblɔ ne ɖe meke ɖe amea ŋua ye nɔa lɛtaa me.” Nufiameae nye eka? Dze agbagba nàto mɔ vovovowo dzi ake ɖe ame sia ame ŋu le wò anyigbamamaa me.

DZI MEGAÐE LE ƑOWÒ NE AMEWO METSƆ ÐEKE LE GBEDEASIA ME O

11. Nu ka tae ame aɖewo medina be yewoase míaƒe gbedeasia o?

11 Ame aɖewo medina be yewoase míaƒe gbedeasia o. Womekpɔnɛ be ehiã be yewoanya Mawu alo asrɔ̃ Biblia o. Womexɔ Mawu dzi se o, elabe wokpɔe be fukpekpe bɔ ɖe xexea me. Womedina be yewoasrɔ̃ Biblia o, elabe wokpɔnɛ be subɔsubɔhakplɔla geɖe menɔa agbe ɖe Biblia nu o. Bubuwo tsia dzi ɖe woƒe dɔwo, ƒomewo, alo woawo ŋutɔwo ƒe kuxiwo ŋu ale gbegbe be womekpɔnɛ be Biblia ate ŋu akpe ɖe yewo ŋu o. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ne ame siwo míeɖea gbeƒã na mekpɔe be míaƒe gbedeasia aɖe vi na yewo o?

12. Ne míewɔ ɖe Filipitɔwo 2:4 me nyawo dzi la, aleke wòakpe ɖe mía ŋu le subɔsubɔdɔa me?

12 Tsɔ ɖe le eme na ameawo. Ame geɖe siwo medina be yewoaɖo to míaƒe gbedeasia o la, va ɖoa to elabe wode dzesii be gbeƒãɖelaa tsɔ ɖe le eme na yewo vevie. (Xlẽ Filipitɔwo 2:4.) Le kpɔɖeŋu me, David si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be, “Ne ame aɖe gblɔ be yemedi be yeaɖo to nyaa o la, míedea míaƒe Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo akplo me eye míebiana be: ‘Oo, nanee dzɔ si na nèle sesem le ɖokuiwò me nenemaa?’” Amewo dea dzesii ne míetsɔ ɖe le eme na wo. Ðewohĩ womaɖo ŋku nya si nègblɔ dzi o, gake woaɖo ŋku ale si nèwɔ nu ɖe wo ŋu nyuie ya dzi. Ne ameawo meɖe mɔ na mí be míaƒo nu o gɔ̃ hãa, míate ŋu ato ale si míeɖo moe kple ale si míawɔ nui dzi aɖee afia be míetsɔ ɖe le eme na wo.

13. Aleke míate ŋu atrɔ asi le míaƒe gbedeasia ŋu be wòasɔ na aƒemenɔla ɖe sia ɖe?

13 Ne míetrɔ asi le míaƒe gbedeasia ŋu be wòasɔ ɖe amewo ƒe nɔnɔmewo nu la, ke míele eɖem fia be míetsɔ ɖe le eme na wo. Le kpɔɖeŋu me, ɖe míekpɔ nane si ɖee fia be ɖeviwo le aƒea mea? Ne nenemae la, ke adzɔ dzi na dzilawo be yewoakpɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo aɖewo siwo akpe ɖe yewo ŋu yewoahe yewo viwo alo ana yewoakpɔ dzidzɔ le ƒomea me. Ðe wode ga gãgãwo agboa nua? Ne nenemae la, míate ŋu aƒo nu tso ale si nu vlo wɔwɔ na ame geɖe le vɔvɔ̃m le xexea me la ŋu, eye esia awɔe be amea nadi be yease nu si ava kpɔ kuxia gbɔ keŋkeŋ. Aleke kee nɔnɔmea ɖale o, kpe ɖe wo ŋu woakpɔ ale si Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu aɖe vi na wo. Katarína si ŋu míeƒo nu tsoe va yia gblɔ be, “Meɖoa ŋku ale si Biblia kpe ɖe ŋunye nye agbenɔnɔ va nyo ɖe edzi la dzi.” Esia wɔe be Katarína ƒoa nu kple kakaɖedzi, eye ame siwo wòƒoa nu kplii la, dea dzesi esia.

14. Le Lododowo 27:17 ƒe nya nua, aleke gbeƒãɖelawo ate ŋu akpe ɖe wo nɔewo ŋu?

14 Na ame bubuwo nakpe ɖe ŋuwò. Le ƒe alafa gbãtɔ mea, Paulo fia gbeƒãɖeɖemɔnu siwo wòzãna la Timoteo, eye wòde dzi ƒo nɛ be eya hã nazã mɔnu mawo eye wòafia ame bubuwo. (1 Kor. 4:17) Abe Timoteo enea, míawo hã míate ŋu asrɔ̃ nu tso gbeƒãɖela kpɔnuteƒe siwo le hamea me la gbɔ. (Xlẽ Lododowo 27:17.) Bu nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Shawn ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Ame siwo nɔ eƒe anyigbamamaa mea, kpɔa dzidzɔ ɖe subɔsubɔha si me wole la ŋu ŋutɔ, gake ete ŋu wɔ mɔɖeɖedɔa le afi ma hena ɣeyiɣi aɖe. Nu kae kpe ɖe eŋu wòyi edzi nɔ dzidzɔ kpɔm? Egblɔ be, “Zi geɖea, mewɔa dɔ kple gbeƒãɖela bubuwo. Ne míetso le aƒe aɖe me yina bubu me la, míezãa ɣeyiɣi mawo tsɔ kpena ɖe mía nɔewo ŋu be míagabi ɖe nufiafia me. Le kpɔɖeŋu me, míeɖoa dze tso ale si míeɖi ɖase na ame aɖe va yi ŋu. Emegbe míeɖoa dze tso ale si míagawɔ nu ne míedo go nɔnɔme ma ke la ŋu.”

15. Nu ka tae gbedodoɖa le vevie le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me?

15 Do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò. Do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò ɣesiaɣi si nèle gbeadzi. Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea manɔmee la, míate ŋu awɔ naneke o. (Ps. 127:1; Luka 11:13) Ne èle gbe dom ɖa na Yehowa la, na wòaku ɖe nane koŋ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu ado gbe ɖa nɛ be wòakpe ɖe ye ŋu yeake ɖe ame aɖe si si dzi nyui le si alɔ̃ faa aɖo to la ŋu. Eyome wɔ nu wòasɔ kple wò gbedodoɖaa eye nàdze agbagba aɖe gbeƒã na ame sia ame.

16. Nu ka tae ɖokuisinusɔsrɔ̃ le vevie be míagabi ɖe edzi le subɔsubɔdɔa me?

16 Di ɣeyiɣi nàtsɔ awɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃. Mawu ƒe Nyaa gblɔ be: ‘Kpɔ kakaɖedzi le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la ŋu.’ (Rom. 12:2) Míaƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ akpe ɖe mía ŋu míagava nya Mawu ɖe edzi, eye esia akpe ɖe mía ŋu míaƒo nu kple kakaɖedzi na amewo. Katarína si ŋu míeƒo nu tsoe va yia gblɔ be: “Ɣeaɖeɣi va yia, meva de dzesii be ehiã be magaku nu me tso Biblia ƒe nufiafia aɖewo ŋu, ale be magase wo gɔme nyuie wu. Meva srɔ̃ nu tsitotsito tso nu siwo ɖo kpe edzi be Wɔla aɖe li, eƒe Nyae Biblia nye, eye habɔbɔ aɖe le esi si zãm wòle egbea la ŋu.” Katarína gblɔ be ɖokuisinusɔsrɔ̃ ma do ŋusẽ yeƒe xɔse eye wòna yegava le dzidzɔ geɖe wu kpɔm le subɔsubɔdɔa me.

NU SI TA MÍENAA TA LE GBEƑÃÐEÐEDƆA ME O

17. Nu ka tae Yesu mena ta le subɔsubɔdɔa me o?

17 Togbɔ be amewo medi be yewoaɖo to Yesu ƒe gbedeasia o hãa, mena ta o, eyi edzi ɖe gbeƒã. Nu ka tae? Enya be ehiã be amewo nanya nyateƒea, eye edi be yeakpe ɖe ame geɖe ale si nu yeate ŋui ŋu be woase Fiaɖuƒegbedeasia. Enyae hã be ame aɖewo siwo medi be yewoaɖo to gbedeasia o la, ava ɖo toe emegbe. Bu nu si dzɔ le eya ŋutɔ ƒe ƒomea me ŋu kpɔ. Le ƒe etɔ̃ kple afã siwo katã Yesu tsɔ wɔ subɔsubɔdɔa mea, nɔviawo dometɔ aɖeke meva zu eƒe nusrɔ̃la o. (Yoh. 7:5) Gake le eƒe tsitretsitsi megbea, wova zu Kristotɔwo.—Dɔw. 1:14.

18. Nu ka tae míeyia edzi ɖea gbeƒã?

18 Míenya ame siwo tututu ava zu Yehowa subɔlawo o. Ame aɖewo xɔa nyateƒea kaba, le ame bubuwo gomea, exɔa ɣeyiɣi. Ame siwo medina be yewoaɖo to mí o gɔ̃ hãa, dea dzesi míaƒe nɔnɔme nyuiwo, eye emegbea, woate ŋu ava ‘kafu Mawu.’—1 Pet. 2:12.

19. Le 1 Korintotɔwo 3:6, 7 ƒe nya nua, nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí?

19 Esi míele gbeƒã ɖem eye míele nu fiam amewo la, ele be míaɖo ŋku akpa si Mawu wɔna la dzi. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 3:6, 7.) Nɔviŋutsu Getahun, si le Ethiopia gblɔ be: “Le saɖeaganuto si me menɔ ƒe 20 kple edzivɔ mea, nye ɖeka koe nye Ðasefo. Gake gbeƒãɖela 14 sɔŋ ye li fifia. Wo dometɔ wuietɔ̃ xɔ nyɔnyrɔ eye srɔ̃nye kple vinye etɔ̃awo hã le wo dome. Ame 32 ye dea kpekpeawo ɣleti sia ɣleti.” Dzi dzɔ Getahun be yeyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi eye yelala kpɔ Yehowa sinu dzigbɔɖitɔe be wòahe ame siwo si dzi nyui le la ava eƒe habɔbɔa me!—Yoh. 6:44.

20. Mɔ ka nue míele abe ameɖelawo ene le?

20 Yehowa dea asixɔxɔ amewo katã ŋu. Ena mɔnukpɔkpɔa mí be míawɔ dɔ kple ye Via aƒo amewo nu ƒu tso dukɔ sia dukɔ me hafi nuwuwua nava. (Hag. 2:7) Míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa le abe ameɖelawo ƒe dɔ ene. Eye wodɔ mí be míavae ɖe ame aɖewo siwo tsi to me. Togbɔ be ame ʋɛ aɖewo ko ŋue ameɖelawo ake ɖo hãa, ameɖelawo katã wɔ dɔ vevie. Nenema kee wòle le míaƒe subɔsubɔdɔa hã gome. Míenya ame siwo gbegbe míate ŋu aɖe tso Satana ƒe nuɖoanyi sia me o. Gake Yehowa ate ŋu ato mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi aɖe wo. Andreas si le Bolivia gblɔ be, “Ne ame aɖe va srɔ̃ nyateƒea eye wòva xɔ nyɔnyrɔa, menya be ame geɖee kpe ɖe eŋu.” Mina susu ma ke nanɔ mía si le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ne míewɔe alea, Yehowa ayra mí eye míakpɔ dzidzɔ le subɔsubɔdɔa me.

HADZIDZI 66 Miɖe Gbeƒã Nya Nyui Mavɔ La

^ mm. 5 Nu kae akpe ɖe mía ŋu be susu nyui nakpɔtɔ anɔ mía si ɖe subɔsubɔdɔa ŋu ne mímetua ame geɖe le aƒe me o alo edze abe wometsɔ ɖeke le míaƒe gbedeasia me o ene? Le nyati sia me la, míakpɔ aɖaŋuɖoɖo aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu míayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi kple dzidzɔ.

^ mm. 7 Ele be gbeƒãɖelawo nawɔ gbeadzisubɔsubɔdɔ vovovo siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me la wòawɔ ɖeka kple ameŋunyatakaka xɔxɔ ƒe se siwo le dukɔa me.

^ mm. 60 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: (tso dzi va anyime): Atsu kple asi aɖe le gbeƒã ɖem le nuto si me wòsesẽna le be woake ɖe amewo ŋu le aƒe me la me. Ame gbãtɔ yi dɔ me, evelia yi kɔdzi, eye etɔ̃lia yi asime. Woke ɖe ame gbãtɔ ŋu esi woyi egbɔ le ɣeyiɣi bubu me le ŋkekea me. Woke ɖe ame evelia ŋu esime wonɔ dutoƒoɖaseɖiɖidɔa wɔm le teƒe aɖe si te ɖe kɔadzi ŋu. Woke ɖe ame etɔ̃lia ŋu esi woyɔe le telefon dzi.