Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Le Biblia ŋlɔɣiwo la, ɖe wozãa aƒlawo tsɔ wɔa tɔdziʋuwoea?

Aƒla

AME geɖe nya be aƒlagbalẽwo koŋ dzie woŋlɔa nu ɖo le blema Egipte. Helatɔwo kple Romatɔwo hã ŋlɔa nu ɖe aƒlagbalẽwo dzi. * Gake ame geɖe menya be wogazãa aƒlawo tsɔ wɔa tɔdziʋuwoe o.

Aƒlatɔdziʋu eve siwo wokpɔ le Egiptetɔwo ƒe yɔdo aɖe me

Ƒe 2,500 aɖewoe nye esi va yi la, nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ bena, ame siwo nɔ ‘Etiopia-tɔsisiwo ƒe nuto me dɔa amewo ɖa to atsiaƒu dzi, eye wonɔa aƒlaʋuwo me toa tɔwo dzi.’ Emegbe nyagblɔɖila Yeremiya gblɔe ɖi be ne Mediatɔwo kple Persiatɔwo va dze Babilon dzi la, woatɔ dzo Babilon ƒe “aƒlatɔdziʋuwo” ale be woaganɔ wo me asi o.—Yes. 18:1, 2; Yer. 51:32.

Esi Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ Biblia ta la, mewɔ nuku na ame siwo srɔ̃a Biblia be tomenukulawo va ke ɖe eŋu be wozãa aƒlawo tsɔ wɔa tɔdziʋuwo le Biblia ŋlɔɣiwo o. (2 Tim. 3:16) Nu kawo ŋue woke ɖo? Tomenukulawo va ke ɖe nu siwo ɖo kpe edzi kɔtɛ be wozãa aƒlawo tsɔ wɔa tɔdziʋuwo le Egipte la ŋu.

ALEKE WOWƆA AƑLATƆDZIƲU SIAWOE?

Woke ɖe nutatawo kple nu siwo woɖe ɖe gli ŋu la ŋu le Egipte ƒe yɔdowo me, eye le nutata mawo mea, amewo nɔ aƒlawo fɔm nɔ tɔdziʋuwo wɔm. Wotsoa aƒlawo ɖe agu nu, blaa wo tatata, eye emegbe woblaa tatatawo ɖe du mimina ɖe wo nɔewo ŋu. Aƒlawo nɔa dzogoe etɔ̃ me. Eya ta ne wobla wo ɖe du la, wosesẽna. Agbalẽ aɖe (A Companion to Ancient Egypt) gblɔ be, aƒlatɔdziʋuwo te ŋu didina afɔ 55 eye kuɖɔɖoti 10 alo 12 nɔa eƒe axa ɖeka dzi.

Nu siwo woɖe ɖe gli ŋu si ɖe ale si wowɔa aƒlatɔdziʋuwo le Egipte la fia

NU KA TAE TƆDZIƲUWƆLAAWO ZÃA AƑLAWO?

Aƒlawo bɔ ɖe Nil-tɔsisia me. Azɔ hã, aƒlatɔdziʋuwo wɔwɔ le bɔbɔe. Togbɔ be wova dze atiwo ŋutɔ zazã na tɔdziʋu gãwo wɔwɔ hãa, edze abe tɔƒodelawo kple adelawo gazãa aƒlawo tsɔ wɔa tɔdziʋu suewo ene.

Amewo ganɔ blema aƒlaʋuwo zãm hena ɣeyiɣi didi aɖe. Helatɔwo ƒe agbalẽŋlɔla Plutarch, si nɔ anyi le apostoloawo ƒe ŋkekea me la gblɔ be, amewo gazã tɔdziʋu siwo wotsɔ aƒla wɔ la ɣemaɣiwo.

^ mm. 3 Zi geɖea, tɔbawo kple tɔ siwo sina blewuu mee aƒlawo wɔna ɖo. Aƒla te ŋu kɔna afɔ 16, eye eƒe titrime nyea sentimeta 15 le eƒe agunu gbɔ.