Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu kae Paulo wɔnɛ esi wògblɔ be: “Meto se la me ku na se la”?—Gal. 2:19.

Paulo gblɔ be: “Meto se la me ku na se la, be magbɔ agbe na Mawu.”—Gal. 2:19.

Nya mawo siwo Paulo gblɔ la sɔ kple nya siwo wòŋlɔ na hame siwo le Roma ƒe nuto si nye Galatia me. Alakpanufiala siwo nɔ nuto mawo me la nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe Kristotɔ siwo nɔ afi ma la dzi. Alakpanufiala mawo gblɔna be hafi ame nakpɔ ɖeɖea, ele be wòawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi, vevietɔ ele be woatso aʋa nɛ. Gake Paulo nyae be Mawu megadi tso esubɔlawo si be woatso aʋa o. Eɖe nu me na wo wokpɔe be nufiafia ma mele eteƒe o, eye wòdo ŋusẽ nɔviawo be woayi edzi axɔ Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa dzi ase geɖe wu.—Gal. 2:4; 5:2.

Biblia gblɔe eme kɔ be ne ame ku la, meganyaa nu siwo le dzɔdzɔm ƒo xlãe o. (Nyagb. 9:5) Esi Paulo gblɔ be, ‘Meku na se la’ la, nya si gbɔm wòlee nye be yemegale Mose ƒe Sea te o. Paulo ka ɖe edzi be esi yexɔ Yesu ƒe tafevɔsaa dzi se ta la, yeva le “agbe na Mawu.”

Se lae na tɔtrɔ ma va le Paulo gome. Le mɔ ka nu? Do ŋgɔa, Paulo gblɔ be “womebua ame be ele dzɔdzɔe to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ to Yesu Kristo dzi xɔxɔ se me ko.” (Gal. 2:16) Le nyateƒe me la, Se la wɔ dɔ vevi aɖe. Paulo ɖe eme na Galatiatɔwo be: “Wotsɔe kpe ɖe eŋuti, ne wòana vodadawo nadze, va se ɖe esime dzidzimevi si ŋu ŋugbedodoa ku ɖo la nava ɖo.” (Gal. 3:19) Sea na wòdze ƒãa be amegbetɔ madeblibo siwo nye nu vɔ̃ mewo mate ŋu awɔ ɖe Sea dzi le mɔ deblibo nu o, eya ta wohiã na vɔsa deblibo aɖe. Eya ta Sea kplɔ amewo yi “dzidzimevi” si nye Kristo la gbɔ. Ne ame aɖe xɔa Yesu Kristo dzi sena la, Mawu ate ŋu abui ame dzɔdzɔe. (Gal. 3:24) Mawu bu Paulo ame dzɔdzɔe elabe Paulo to Se la dzi va xɔ Yesu dzi se. Tso ema dzi la, Paulo “ku na se la,” eye wògbɔ “agbe na Mawu,” si fia be Paulo megale Sea te o, koŋ be ele Mawu te.

Paulo gblɔ nya ma tɔgbi le lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo la me. Egblɔ be: “Nɔvinyewo, wona miawo hã miezu ame kukuwo le Se la gome to Kristo la ƒe ŋutilã me . . . Wotu mí tso Se la me, elabena míeku na nu si de ga mí la.” (Rom. 7:4, 6) Le Paulo ƒe nya siwo dze le ŋɔŋlɔa sia me kple esiwo dze le Galatiatɔwo 2:19 nu la, menye ale si wòaku abe nu vɔ̃ wɔla si wotso kufia na le Sea te ƒe nya gblɔmee wònɔ o. Ke boŋ enɔ nu ƒom tso ale si wona ablɔɖee la ŋu. Eya ta, Paulo ŋutɔ kple Kristotɔ bubuawo, siwo xɔ Kristo ƒe tafevɔsaa dzi se eye wona ablɔɖe wo la, megale Sea te o.