Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 26

Ðe Nàte Ŋu Awɔ Amewo Woanye Nusrɔ̃lawoa?

Ðe Nàte Ŋu Awɔ Amewo Woanye Nusrɔ̃lawoa?

‘Mawue naa didia kple ŋusẽ la mi be miawɔ nu si dzea eŋu.’—FLP. 2:13.

HADZIDZI 64 Kpɔ Gome Le Nuŋeŋedɔa Me Dzidzɔtɔe

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae Yehowa wɔ na wò?

ALEKE nèwɔ va zu Yehowa Ðasefo? Ðewohĩ dziwòlawo, sukuhati, alo dɔwɔhati aɖee gblɔ “nya nyui la” na wò, loo alo Ðasefo aɖee va ɖe gbeƒã na wò le aƒe me. (Marko 13:10) Eyome amea wɔ ɖoɖo mieva nɔ Biblia srɔ̃m. Le nusɔsrɔ̃a mea, èva de dzesii be Yehowa lɔ̃ wò, eye wò hã nèva lɔ̃e. Esia wɔe be Yehowa he wò va nyateƒea me, nèva zu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la, eye àte ŋu ava kpɔ agbe mavɔ. (Yoh. 6:44) Ðe màda akpe na Yehowa ŋutɔ be eto ame aɖe dzi fia nyateƒea wò eye nèva le esubɔm oa?

2. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Fifia si nèva nya nyateƒea, mɔnukpɔkpɔ su wò hã si be nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu woava nɔ agbemɔa dzi. Ðewohĩ, enɔa bɔbɔe na wò be nàɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me, gake esesẽna na wò be nàsrɔ̃ Biblia kple amewo. Ðe nèsena le ɖokuiwò me alea? Ne èsena le ɖokuiwò me alea, ke aɖaŋuɖoɖo siwo le nyati sia me la akpe ɖe ŋuwò. Míadzro nu siwo aʋã wò be nàwɔ nusrɔ̃lawo, kple nu siwo nana wòsesẽna na wò be nàwɔ Biblia nusɔsrɔ̃ la me. Gbã, na míadzro susu vevi siwo tae wòle be míafia Biblia amewo, ke menye be míaɖe gbeƒã na wo ko o la me.

YESU DE SE NA MÍ BE MÍAÐE GBEƑÃ EYE MÍAFIA NU AMEWO

3. Nu ka tae míeɖea gbeƒã?

3 Yesu de dɔ eve asi na eyomedzelawo esime wònɔ anyigba dzi. Gbãtɔe nye be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nya nyuia, eye efia mɔ si dzi woato awɔe la wo. (Mat. 10:7; Luka 8:1) Azɔ hã, Yesu dzra eyomedzelawo ƒe susu ɖo ɖe ale si amewo awɔ nu ne wole dɔa wɔm ŋu. (Luka 9:2-5) Ena wonya hã be dɔa akeke ta, elabe egblɔ be ‘woaɖi ɖase na dukɔwo katã.’ (Mat. 24:14; Dɔw. 1:8) Amewo ɖaɖo to alo womeɖaɖo to o, ele be Yesu yomedzelawo nayi edzi aɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea kple nu siwo wòava wɔ.

4. Le Mateo 28:18-20 ƒe nya nua, dɔ bubu kae Yesu gade asi na eyomedzelawo tsɔ kpe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu?

4 Dɔ evelia si Yesu de asi na eyomedzelawoe nye ka? Eyae nye be woafia nu amewo be woawɔ ɖe yeƒe sededewo dzi. Gake Yesu ƒe ŋkekea me koe woaɖe gbeƒã afia nu amewo lea? Ao. Nu ka tae? Elabe Yesu gblɔ be woawɔ dɔ vevi sia “va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” (Xlẽ Mateo 28:18-20.) Anɔ eme be, esi Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃la siwo ade 500 ye wòde se ma na wo. (1 Kor. 15:6) Eye le ŋutega si wòɖe fia Yohanes mea, ena eme kɔ be ele be yeƒe nusrɔ̃lawo nakpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu.—Nyaɖ. 22:17.

5. Kpɔɖeŋu kae Paulo wɔ le 1 Korintotɔwo 3:6-9 si na míekpɔ kadodo si le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia amewo dome?

5 Apostolo Paulo tsɔ nusrɔ̃lawɔwɔdɔa sɔ kple agbledede tsɔ ɖee fia be ebia dɔ geɖe. Eɖo ŋku edzi na Korintotɔwo be: “Medo nu, Apolo de tsii . . . Miawoe nye Mawu ƒe agble si dem wòle.” (Xlẽ 1 Korintotɔwo 3:6-9.) Esi míenye dɔwɔlawo le “Mawu ƒe agble” me taa, menye ɖeko míeƒãa nukuwo ko o, míedea tsi wo eye míekpɔa ale si wole tsitsimee. (Yoh. 4:35) Gake míenyae be, Mawue nana nukuawo tsina.

6. Ne míele nu fiam amewo la, nu kae wòle be míakpe ɖe wo ŋu woawɔ?

6 “Ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ” la dimee míele. (Dɔw. 13:48) Be míakpe ɖe wo ŋu woava zu nusrɔ̃lawo la, ele be (1) woase nu si srɔ̃m wole le Biblia me gɔme, (2) woalɔ̃ ɖe edzi, eye (3) woawɔ ɖe edzi. (Yoh. 17:3; Kol. 2:6, 7; 1 Tes. 2:13) Mí ame siwo katã le hamea me la míate ŋu akpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu ne míelɔ̃ wo eye míena woɖe dzi ɖi ne wova kpekpeawo. (Yoh. 13:35) Eye abia ɣeyiɣi geɖe be ame si le nu srɔ̃m kple nusrɔ̃via nakpe ɖe eŋu wòamu dzixɔse siwo “li ke sesĩe la” aƒu anyi. (2 Kor. 10:4, 5) Ne ewɔ esia, aɖe vi nɛ, eye wòadze ava xɔ nyɔnyrɔ.

LƆLƆ̃ ƲÃA MÍ MÍEWƆA NUSRƆ̃LAWO

7. Nu kae ʋãa mí míeɖea gbeƒã eye míewɔa amewo nusrɔ̃lawo?

7 Nu ka tae míeɖea gbeƒã eye míefiaa nu amewo? Gbã, esi míelɔ̃ Yehowa tae. Eya ta, ne míeɖoa to se si nye be míaɖe gbeƒã eye míawɔ nusrɔ̃lawoa, ke efia be míelɔ̃ Mawu. (1 Yoh. 5:3) Lɔlɔ̃ si le asiwò na Yehowa ye ʋã wò nèɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me. Eye anɔ eme be, èvɔ̃ esi nèyi gbeadzi zi gbãtɔ be yeaɖe gbeƒã. Gake esi nènya be Yesue de sea ta, vivivia, ète ŋu va ɖea gbeƒã. Ke Biblia nusɔsrɔ̃wɔwɔ kple amewo ya ɖe? Ðewohĩ, èvɔ̃na. Gake ne èdo gbe ɖa na Yehowa be wòado ŋusẽ wò la, akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu awɔe.

8. Le Marko 6:34 ƒe nya nua, nu bubu kae aʋã mí míafia nu amewo?

8 Susu evelia si ta míefiaa Biblia amewoe nye be míelɔ̃ mía haviwo. Gbe ɖeka, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo vae ɖe gbeƒã eye ɖeɖi te wo ŋu eye wodi teƒe aɖe be yewoaɖi ɖe eme. Gake ameha gbogbo aɖe va ke ɖe wo ŋu. Woƒe nu wɔ nublanui na Yesu, eya ta, ete “nu geɖe” fiafia wo. (Xlẽ Marko 6:34.) Togbɔ be ɖeɖi te Yesu ŋu hã, nu ka tae wòfia nu ameawo? Elabe etsɔ eɖokui ɖo ameawo ƒe nɔnɔmea me. Ekpɔ ale si wonɔ fu kpem eye wohiã na mɔkpɔkpɔ, eya ta edi be yeakpe ɖe wo ŋu. Amewo le nɔnɔme ma ke me egbea togbɔ be adze le wo ŋu be nu sia nu le edzi dzem na wo hã. Wole abe alẽ siwo tra, siwo nu kplɔla aɖeke mele o ene. Paulo gblɔ tso wo ŋu be womenya Mawu o eye mɔkpɔkpɔ mele wo si o. (Ef. 2:12) Ame siawo le “mɔ si kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me” la dzi! (Mat. 7:13) Ne míebu nɔnɔme sia si me amewo le la ŋua, míaƒe dɔme atrɔ ɖe wo ŋu eye lɔlɔ̃ aʋã mí míakpe ɖe wo ŋu. Aleke míakpe ɖe wo ŋui? Eyae nye be míasrɔ̃ Biblia kpli wo.

9. Le Filipitɔwo 2:13 ƒe nya nua, aleke Yehowa akpe ɖe ŋuwòe?

9 Ðewohĩ, esesẽna na wò be nàdo Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe amewo gbɔ elabe èkpɔnɛ be abia nu geɖe be woasrɔ̃ nu kple ame aɖe. Ne nenemae nèsena le ɖokuiwò mea, ekema do gbe ɖa tso eŋu na Yehowa. Biae be wòakpe ɖe ŋuwò eye wòana didia wò be nàte ŋu asrɔ̃ Biblia kple amewo. (Xlẽ Filipitɔwo 2:13.) Apostolo Yohanes ka ɖe edzi na mí be nu sia nu si míabia Mawu wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nua, aɖo to mí. (1 Yoh. 5:14, 15) Eya ta ka ɖe edzi be, Yehowa akpe ɖe ŋuwò eye wòana didia wò be nàwɔ nusrɔ̃lawo.

KUXI BUBU SIWO NANA WÒSESẼNA NA MÍ BE MÍAFIA NU AMEWO

10-11. Nu kawoe ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míasrɔ̃ Biblia kple amewo?

10 Menɔa bɔbɔe na mí ɣesiaɣi be míasrɔ̃ Biblia kple amewo o. Togbɔ be ele alea hã, míebua dɔ sia, dɔ vevii. Na míadzro nu siwo nana wòsesẽna na mí be míasrɔ̃ Biblia kple amewo, kple ale si míawɔ aɖu wo dzi la me.

11 Ne míaƒe nɔnɔmea wɔe be míate ŋu awɔ geɖe o. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nènye gbeƒãɖela si tsi le ƒe me, alo lãmegbegblẽ le fu ɖem na wòa? Ne nenemaea, bu nu siwo míesrɔ̃ le Corona dɔvɔ̃ɣia ŋu kpɔ. Míete ŋu le Biblia srɔ̃m kple amewo to mɔ̃ dzi! Eya ta, àte ŋu anɔ wò aƒe me asrɔ̃ Biblia kple amewo faa. Bubue nye be, ame aɖewo adi be yewoasrɔ̃ Biblia, gake ɣeyiɣi siwo me nɔviwo ɖea gbeƒã la mesɔ na wo o. Ke hã, wo dometɔ aɖewo kpɔa asinu ŋdikanya alo le zã me. Ðe nàte ŋu awɔ ɖoɖo asrɔ̃ nu kple ame siawo tɔgbia? Nu ma tɔgbie Yesu wɔ. Efia nu Nikodemo le zã me, elabe emae sɔ na Nikodemo wu.—Yoh. 3:1, 2.

12. Nu kawoe na nèka ɖe edzi be ye hã yeate ŋu asrɔ̃ Biblia kple amewo?

12 Ne ewɔna na mí be míawo ya, míate ŋu asrɔ̃ Biblia kple amewo o. Ne ewɔna na wò be yemebi afia Biblia amewo oa, ekema de ŋugble tso nu etɔ̃ siawo ŋu kpɔ. Gbã, Yehowa bua wò be èdze afia nu amewo. (2 Kor. 3:5) Evelia, Yesu si wotsɔ “ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba dzi la katã” de asi na ye de dɔ sia asi na wò be nàfia nu amewo. (Mat. 28:18) Eye etɔ̃lia, àte ŋu abia nɔvi bubuwo be woakpe ɖe ŋuwò, elabe Yesu gɔ̃ hã, nu siwo wòfia la, Fofoa gbɔe wòsrɔ̃ wo le. (Yoh. 8:28; 12:49) Azɔ hã, àte ŋu abia wò gbeadziƒuƒoƒo dzi kpɔla, mɔɖela, alo gbeƒãɖela bibi aɖe be wòakpe ɖe ŋuwò nàte ŋu adze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple amewo. Nu bubu si akpe ɖe ŋuwòe nye be nàkplɔ nɔvi siawo dometɔ aɖe ɖo ne eyina Biblia nusɔsrɔ̃ wɔ ge.

13. Nu ka tae wòle be míatrɔ ɖe mɔnu yeyewo ŋu?

13 Ne esesẽna na mí be míatrɔ ɖe dɔwɔnu yeyewo kple mɔnu yeyewo ŋu. Ale si míesrɔ̃a Biblia kple amewo fifia trɔ. Agbalẽ si koŋ míezãna fifia ye nye, Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! Ale si míezãa agbalẽ sia tsɔ srɔ̃a nu kple amewo la to vovo na ale si míewɔnɛ tsã. Eya ta, ahiã be nàdzra ɖo nyuie do ŋgɔ. Memamawo le ʋɛ kple susu be nufialaa kple nusrɔ̃via nate ŋu adzro nu me geɖe. Míezãa videowo kple dɔwɔnu bubu siwo le mɔ̃ dzi, abe JW Library® ene. Ne esesẽna na wò be nàzã dɔwɔnu siawo la, àte ŋu abia nɔvi aɖe be wòakpe ɖe ŋuwò. Esesẽna na mí amegbetɔwo be míatrɔ ɖe nu yeyewo ŋu. Gake Yehowa kple mía nɔvi bubuwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatrɔ ɖe mɔnu yeye siawo ŋu be míate ŋu asrɔ̃ nu kple amewo. Mɔɖela aɖe gblɔ be, nusɔsrɔ̃ ƒe mɔnu sia “vivia nufialaa kple nusrɔ̃via siaa nu.”

14. Nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui ne amewo meɖoa to le míaƒe nutoa me o, eye aleke 1 Korintotɔwo 3:6, 7 dea dzi ƒo na mí?

14 Ne esesẽna na mí be míake ɖe amewo ŋu asrɔ̃ Biblia kpli wo. Ne amewo meɖoa to míaƒe gbedeasia o alo tsia tre ɖe mía ŋua, nu kae akpe ɖe mía ŋu be míagana ta o? Nenɔ susu me na wò be xexea ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm kabakaba, eya ta wo dometɔ aɖewo adi be yewoava ɖo to. (Mat. 5:3) Ame aɖewo siwo melɔ̃na be yewoaxɔ míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo tsã o la va lɔ̃ wole Biblia srɔ̃m kpli wo fifia. Ðo ŋku edzi be Yehowae nye nuŋeŋewo ƒe Aƒetɔ la. (Mat. 9:38) Eye edi be míayi edzi anɔ nukuwo ƒãm, anɔ tsi dem wo, gake eya ŋutɔe ana woatsi. (1 Kor. 3:6, 7) Ne edzɔ be míele Biblia srɔ̃m kple ame aɖeke fifia o hã, míenya be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo míedzena ŋu, ke menye ame agbɔsɔsɔme si ŋu míekpe ɖo o. Eye esia dea dzi ƒo na mí! *

KPƆ DZIDZƆ LE NUSRƆ̃LAWƆWƆDƆA ME

Míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa ate ŋu ana amewo natrɔ (Kpɔ memama 15-17 lia) *

15. Ne ame aɖe le Biblia srɔ̃m eye wòle wɔwɔm ɖe nu siwo srɔ̃m wòle dzi la, aleke Yehowa sena le eɖokui me?

15 Yehowa kpɔa dzidzɔ ne ame aɖe va srɔ̃ Biblia me nyateƒea eye eya hã le egblɔm na ame bubuwo. (Lod. 23:15, 16) Eya ta, kpɔ dzidzɔ si gbegbe kpɔm Yehowa le egbea ɖa! Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be Corona dɔvɔ̃a do le xexea me katã hã, le ƒe 2020 subɔsubɔƒea mea, ame 7,705,765 sɔŋ ye wosrɔ̃ Biblia kplii, eye ame 241,994 sɔŋ tsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa eye woxɔ nyɔnyrɔ. Eye nusrɔ̃la yeye siawo hã le Biblia srɔ̃m kple amewo eye wole nusrɔ̃la gbogbo aɖewo wɔm. (Luka 6:40) Ðikeke mele eme o be, nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔ sia si wɔm míele la nana Yehowa kpɔa dzidzɔ.

16. Taɖodzinu kae nàte ŋu aɖo?

16 Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa mele bɔbɔe o, gake Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawo hã míafia nu ame yeyewo be woava lɔ̃ mía Fofo si le dziƒo la. Ðe nàte ŋu aɖoe wò taɖodzinu be yeadze Biblia sɔsrɔ̃ kple ame ɖeka aɖe ya tetia? Do Biblia sɔsrɔ̃ ɖe ame siwo nèdoa goe la gbɔ, eye awɔ nuku na wò be wo dometɔ aɖewo alɔ̃ be yewoasrɔ̃ nu. Eye ka ɖe edzi be, Yehowa ayra ɖe wò agbagbadzedzewo dzi.

17. Ne míesrɔ̃ Biblia kple ame aɖea, aleke míesena le mía ɖokui me?

17 Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe wònye na mí be míaɖe gbeƒã eye míafia nyateƒea amewo! Eya nana míekpɔa dzidzɔ ŋutɔ. Apostolo Paulo si hã kpe ɖe ame geɖe ŋu le Tesalonika wova zu nusrɔ̃lawo la gblɔ be: “Nu kae nye míaƒe mɔkpɔkpɔ alo dzidzɔ alo aseyetsotso ƒe dziɖuɖukuku le mía Aƒetɔ Yesu ŋkume le eƒe anyinɔɣi la? Alo menye miawoe oa? Ɛ̃, miawoe nye míaƒe bubu kple dzidzɔ.” (1 Tes. 2:19, 20; Dɔw. 17:1-4) Mía dometɔ geɖe kpɔa dzidzɔ ma ke egbea. Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Stéphanie si eya kple srɔ̃a wokpe ɖe ame geɖe ŋu wova xɔ nyateƒea la gblɔ be, “Ne míekpe ɖe ame aɖe ŋu wòva ɖe adzɔgbe na Yehowa, míekpɔa dzidzɔ wu nu bubu ɖe sia ɖe.”

HADZIDZI 57 Míaɖe Gbeƒã Na Ame Ƒomeviwo Katã

^ mm. 5 Yehowa na mɔnukpɔkpɔ gã aɖe mí be míawɔ ɖe se si Yesu de la dzi aɖe gbeƒã eye míafia nu amewo. Nu kae ʋãa mí míedina be míafia nu amewo? Nu kawoe nana wòsesẽna na mí be míaɖe gbeƒã eye míafia nu amewo? Aleke míawɔ anɔ te ɖe kuxi siawo nu? Woaɖo nya siawo ŋu le nyati sia me.

^ mm. 14 Be nàkpɔ akpa si mía dometɔ ɖe sia ɖe wɔna le nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me la, kpɔ nyati si nye, “Mina Mí Katã Míakpe Ðe Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Wòayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ,” si dze le March 2021 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 53 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Kpɔ ale si Biblia sɔsrɔ̃ kpe ɖe aƒetɔ aɖe ŋu wòwɔ tɔtrɔe ɖa: Gbã, taɖodzinu aɖeke menɔ esi o, eye menya Yehowa o. Emegbe Ðasefowo va ke ɖe eŋu, eye wòlɔ̃ be yeasrɔ̃ Biblia. Nu siwo wòsrɔ̃ le Biblia me la kpe ɖe eŋu wòɖe adzɔgbe eye wòxɔ nyɔnyrɔ. Emegbea, eya hã le kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu. Mlɔeba, wo katã wole dzidzɔ kpɔm le Paradiso me.