Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 27

Srɔ̃ Yehowa Ƒe Dzidodo

Srɔ̃ Yehowa Ƒe Dzidodo

“Ne miedo dzi la, miaɖe miaƒe agbewo.”—LUKA 21:19.

HADZIDZI 114 “Migbɔ Dzi Ði”

NYA VEVIAWO *

1-2. Aleke Yehowa ƒe nya siwo dze le Yesaya 65:16, 17 la dea dzi ƒo na mí be míagana ta o?

ƑE 2017 takpekpe gãa ƒe tanyae nye “Mègana Ta O!” Takpekpe ma kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ale si wòle be míado dzi le nɔnɔme sesẽ siwo vaa míadzi la me. Tso ɣemaɣia, ƒe ene va yi xoxo, eye míegakpɔtɔ le dzi dom le xexe sia me.

2 Kuxi kawo me tom nèle fifia? Wò ƒometɔ aɖe alo xɔ̃wò aɖe ƒe ku yea? Dɔléle sesẽ aɖe yea? Tsitsimekuxi yea? Dzɔdzɔmefɔku, alo yometiti yea? Ame aɖe wɔ ŋutasẽnu ɖe ŋuwòa? Alo Corona dɔvɔ̃a yea? Míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me nu siawo katã azu gbe aɖe gbe nyawo!—Xlẽ Yesaya 65:16, 17.

3. Nu kae wòle be míayi edzi anɔ wɔwɔm, eye nu ka tae?

3 Agbea mele bɔbɔe kura le xexe sia me o, eye nuwo agate ŋu asesẽ ɖe edzi le etsɔme. (Mat. 24:21) Eya ta, ele be míayi edzi ado dzi geɖe wu. Nu ka tae? Elabe Yesu gblɔ be: “Ne miedo dzi la, miaɖe miaƒe agbewo.” (Luka 21:19) Ne míede ŋugble tso ale si amewo le dzi dom le nɔnɔme siwo tɔgbi me tom míele me ŋua, akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi ado dzi.

4. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yehowa ye le dzi dom wu?

4 Ame kae doa dzi wu? Yehowa Mawu ye. Ðe esia wɔ nuku na wòa? Wó ya bu eŋu kpɔ. Xexe blibo sia le Abosam ƒe kpɔkplɔ te, eye kuxiwo bɔ ɖe eme fũu. Yehowa ate ŋu atɔ te nu sia nu hafi, gake ele lalam be yeawɔe le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (Rom. 9:22) Eyi edzi le dzi dom va se ɖe ɣemaɣi. Azɔ, mina míadzro nu asieke siwo me Yehowa le dzi dom le la me.

NU KAWO MEE YEHOWA LE DZI DOM LE?

5. Aleke wodo vlo Mawu ƒe ŋkɔe, eye aleke esia nana nèsena le ɖokuiwò me?

5 Vlododo si wohe va eƒe ŋkɔ dzi. Yehowa lɔ̃ eƒe ŋkɔa, eye edi be ame sia ame nade bubu eŋu. (Yes. 42:8) Gake ƒe akpe ade kple edzivɔ ye nye esia, amewo le vlo dom eƒe ŋkɔa. (Ps. 74:10, 18, 23) Eden-bɔa me kee esia dze egɔme le, esime Abosam (si gɔmee nye “Amegɔmezɔla”) tso Mawu nu be ele nu nyui aɖe tem Adam kple Xawa. (1 Mose 3:1-5) Tso ɣemaɣia, amewo bua fɔ Mawu be ele nu nyui aɖe tem amegbetɔwo. Esia te ɖe Yesu dzi. Eya ta efia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.”—Mat. 6:9.

6. Nu kae Yehowa wɔ be yeatsɔ akpɔ nya si amewo tsɔ ɖe eƒe dziɖuɖu ŋu la gbɔ?

6 Ame geɖe gbe Mawu ƒe dziɖuɖu. Yehowa ɖeka koe dze be wòaɖu dziƒo kple anyigba dzi, eye eƒe dziɖuɖue nye nyuitɔ kekeake. (Nyaɖ. 4:11) Gake Abosam dze agbagba ble mawudɔlawo kple amegbetɔwo wosusui be Mawu ƒe dziɖuɖu menyo o. Nya gãe nya sia nye, eye womate ŋu akpɔ egbɔ gbe ɖeka kple eƒe zãdodo o. Esi Yehowa di be yeakpɔ nya sia gbɔ le mɔ nyuitɔ nu ta, eɖe mɔ na amegbetɔwo be woaɖu wo ɖokuiwo dzi, eye amegbetɔwo nakpɔe be yewomate ŋu afia mɔ yewo ɖokuiwo ye manɔmee o. (Yer. 10:23) Esi Mawu gbɔ dzi ɖi alea ta, akpɔ nya sia gbɔ zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu, eye wòaɖee afia be yeƒe Fiaɖuƒea koe ahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ ava anyigba dzi.

7. Ame kawoe dze aglã ɖe Yehowa ŋu, eye nu kae wòava wɔ na wo?

7 Mawu ƒe vi aɖewo dze aglã ɖe eŋu. Yehowa wɔ mawudɔlawo kple amegbetɔwo wode blibo. Gake mawudɔlawo dometɔ ɖeka si wova yɔ be Satana (si gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula”) na Adam kple Xawa va dze aglã ɖe Yehowa ŋu. Nublanuitɔea, mawudɔla aɖewo kple amegbetɔ bubuwo hã va dze aglã. (Yuda 6) Emegbe, Israel-viwo, siwo Mawu na wova zu eƒe dukɔ la gɔ̃ hã dze aglã ɖe eŋu eye wova nɔ trɔ̃wo subɔm. (Yes. 63:8, 10) Kpɔ ale si esia agbã dzi na Yehowae ɖa. Ke hã edo dzi, eye ayi edzi ado dzi va se ɖe esime ɣeyiɣia de be wòatsrɔ̃ aglãdzelawo katã. Ne eva tsrɔ̃ aglãdzelaawo la, ana esubɔla wɔnuteƒe siwo hã le dzi dom le xexe sia me la nakpɔ gbɔdzɔe!

8-9. Alakpa kawoe wodana ɖe Yehowa si, eye nu kae míate ŋu awɔ tso eŋu?

8 Alakpa siwo dam Abosam le. Satana tsɔ nya ɖe Hiob kple Yehowa subɔla wɔnuteƒewo katã ŋu be, nu nyui siwo Mawu wɔna na wo tae wosubɔnɛ ɖo. (Hiob 1:8-11; 2:3-5) Satana gale edzi va se ɖe egbe. (Nyaɖ. 12:10) Nu si míawɔ atsɔ aɖee afia be Satana ƒe nya mawo nye alakpae nye be míayi edzi ado dzi le nɔnɔme sesẽ siwo vaa mía dzi me, eye míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa atsɔ aɖee afia be míelɔ̃e. Ne míewɔe nenema, Yehowa ayra mí abe ale si wòyra Hiob ene.—Yak. 5:11.

9 Satana toa hakplɔla siwo fia alakpanuwo dzi gblɔna be Yehowa ƒe tagbɔ sẽ, eye eyae nana míekpea fu. Hakplɔla siawo fiaa nu gɔ̃ hã be ne ɖevi aɖe kua, Mawu di be wòava nye dɔla na ye le dziƒo. Busunya kae nye esi! Gake míawo ya míenya be menye nyateƒee o. Ne míaƒe ame vevi aɖe dze dɔ alo kua, míebua fɔ Mawu o. Ke boŋ, míeka ɖe edzi be gbe ɖeka, Mawu aɖɔ nuwo ɖo. Eye míefiaa nu amewo be Yehowa Mawu ƒe tame mesẽ o, ke boŋ elɔ̃a ame. Esia wɔnɛ be Yehowa ɖoa nya ŋu na ame si le alɔme ɖem le eŋu.—Lod. 27:11.

10. Nu kae Psalmo 22:23, 24 na míenya be Yehowa awɔ?

10 Ne esubɔlawo le fu kpem. Yehowa nye Mawu si sea veve ɖe ame nu. Etena ɖe Yehowa dzi ŋutɔ ne ekpɔ be wole ye subɔlawo yome tim, wodze dɔ, alo wole fu kpem le woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta. (Xlẽ Psalmo 22:23, 24.) Yehowa sea veve ɖe mía nu, edi be yeana míakpɔ gbɔdzɔe, eye awɔe hã. (Tsɔe sɔ kple 2 Mose 3:7, 8; Yesaya 63:9.) Ɣeyiɣi aɖe ava la, “atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le [míaƒe] ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.”—Nyaɖ. 21:4.

11. Aleke Yehowa le sesem le eɖokui me tso esubɔla wɔnuteƒe siwo ku la ŋu?

11 Ne exɔlɔ̃wo ku. Aleke Yehowa le sesem le eɖokui me tso esubɔla wɔnuteƒe siwo ku la ŋu? Edi vevie be yeagakpɔ wo ake! (Hiob 14:15) Ènya ale si gbegbe Yehowa le exɔlɔ̃ Abraham susuma? (Yak. 2:23) Ke Mose si wòƒo nu kplii “ŋkume kple ŋkume” ya ɖe? (2 Mose 33:11) Eye bu ale si manɔ tsɔtsɔm na Yehowa be yeagase David kple hakpala bubuwo ƒe ha viviwoe o ŋu kpɔ! (Ps. 104:33) Togbɔ be Yehowa xɔlɔ̃ siawo ku hã, meŋlɔ wo be o. (Yes. 49:15) Eɖoa ŋku nu sia nu si ku ɖe wo ŋu la dzi. Ðeko wòle abe “wo katã wole agbe nɛ” ene. (Luka 20:38) Gbe ɖeka la, afɔ wo ɖe tsitre eye wòagase woƒe gbedodoɖawo ake eye woasubɔe. Ne wò ame vevi aɖe kua, ke na nya siawo nafa akɔ na wò eye woade dzi ƒo na wò.

12. Nu ka koŋue tena ɖe Yehowa dzi le ŋkeke mamlɛ siawo me?

12 Ale si ame vɔ̃ɖiwo le amewo tem ɖe anyii. Abe ale si míenyae enea, ne nane ge dze anyigba ko la, aƒo ke godoo. Yehowa nyae be nuwo agblẽ ɖe edzi hafi woava ɖɔ ɖo. Yehowa lé fu nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, kple ŋutasesẽ siwo yia edzi egbea. Esea veve ɖe ame siwo ŋu wɔna aɖeke mele o, abe tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ene nu. (Zak. 7:9, 10) Eye vevietɔ, esea veve ɖe esubɔla siwo tem wole ɖe anyi kple esiwo dem wole gaxɔ me la nu. Ka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ wò eye eya hã le dzi dom kpli wò le nɔnɔme si me nèle la me.

13. Nu nyɔŋu kawoe Mawu kpɔ amewo wole wɔwɔm, eye nu kae wòawɔ tso eŋu?

13 Ale si agbe nyui nɔnɔ yi to kura. Mawu wɔ ame ɖe eƒe nɔnɔme nu, gake Satana na wole nu nyɔŋuwo wɔm. Esi Mawu “kpɔ ale si gbegbe amegbetɔ ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ do agbogbo” le Noa ƒe ŋkekea mea, “ete ɖe Yehowa dzi be yewɔ amegbetɔ ɖe anyigba la dzi, eye wòɖu dzi nɛ.” (1 Mose 6:5, 6, etenuŋɔŋlɔ, 11) Ðe nuwo ka ɖe eme fifia? Kura koŋ o! Ale si gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒomevi ɖe sia ɖe va bɔ egbea dzɔa dzi na Satana ŋutɔ; nuwɔna siawo dometɔ aɖewoe nye ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ, alo ŋutsu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ siwo mele se nu o! (Ef. 4:18, 19) Edzɔa dzi na Satana ŋutɔ ne ete ŋu na Yehowa subɔla aɖe va wɔ nu vɔ̃ gã. Gake eteƒe madidi o, Yehowa atsrɔ̃ ame siwo katã nɔa agbe sia tɔgbi.

14. Nu kae amegbetɔ le wɔwɔm na anyigbaa kple lãwo?

14 Ale si amegbetɔwo le anyigbaa gblẽm. Amegbetɔwo le ‘fia ɖum ɖe wo nɔviwo dzi hena woƒe gbegblẽ,’ eye wole anyigbaa kple lã siwo Yehowa wɔ be woalé be na la dome gblẽm. (Nyagb. 8:9; 1 Mose 1:28) Esia tae ame siwo srɔ̃a nu tso anyigbaa ŋu gblɔ be, ne amegbetɔwo mekpɔ nyuie o la, le ƒe ʋɛ siwo gbɔna mea, atiwo kple lã ƒomevi gbogbo aɖewo magava nɔ anyi o. Gake dzidzɔ nya lae nye be Yehowa do ŋugbe be ‘yeatsrɔ̃ ame siwo le anyigbaa gblẽm,’ eye yeatrɔ anyigba bliboa wòazu paradiso.—Nyaɖ. 11:18; Yes. 35:1.

NU SI MÍESRƆ̃ TSO YEHOWA ƑE DZIDODO ME

15-16. Nu kae aʋã mí be míado dzi abe Yehowa ene? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

15 Bu kuxi siwo me Yehowa le dzi dom le ƒe akpe geɖe ye nye esia la ŋu kpɔ. (Kpɔ aɖaka si nye, “ Nu Siwo Me Yehowa Le Dzi Dom Le.”) Yehowa ate ŋu ahe nu sia nu ava nuwuwui. Gake egbɔ dzi ɖi, eye eƒe dzigbɔɖia le vi ɖem na mí! Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Tsɔe be wogblɔ na atsu kple asi aɖe be vi si dzi ge wole la manɔ lãmesẽ me o eye matsi hafi aku o. Togbɔ be wose nya sia hã, wolɔ̃ be yewoadzi ɖevia. Esi wolɔ̃ ɖevia ta, wodo dzi wɔ wo tɔ sinua lé be na ɖevia nyuie.

16 Le mɔ ma ke nua, mí Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo katã míenye ame madeblibowo. Togbɔ be ele alea hã, Yehowa lɔ̃ mí eye wòléa be na mí. (1 Yoh. 4:19) Togbɔ be atsu kple asia mate ŋu awɔ naneke tso wo via ƒe nɔnɔmea ŋu o hã, Yehowa ya ate ŋu awɔ nane tso míaƒe nɔnɔmea ŋu. Esia tae, wòɖo ɣeyiɣi be yeava ɖɔ nu siwo katã le fu ɖem na mí la ɖo. (Mat. 24:36) Ðe eƒe lɔlɔ̃ sia meʋã wò be nàdo dzi ale si wòanya wɔe abe eya ŋutɔ ke ene oa?

17. Aleke nya siwo wogblɔ tso Yesu ŋu le Hebritɔwo 12:2, 3 akpe ɖe mía ŋu míayi edzi ado dzi?

17 Yehowae ɖo dzidodo ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi na mí. Yesu hã srɔ̃ dzidodo sia tso Fofoa gbɔ. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, amewo gblɔ nya vlowo ɖe eŋu, wodo ŋukpee, eye wohee ɖe ati ŋu, gake edo dzi le wo me. (Xlẽ Hebritɔwo 12:2, 3.) Ðikeke mele eme o be, Yehowa ƒe dzidodoa ye kpe ɖe Yesu ŋu wòte ŋu yi edzi do dzi. Eye akpe ɖe míawo hã ŋu míayi edzi ado dzi.

18. Aleke 2 Petro 3:9 kpe ɖe mía ŋu míeva se nu siwo le dodom tso Yehowa ƒe dzigbɔɖi me la gɔme?

18 Xlẽ 2 Petro 3:9. Yehowa nya ɣeyiɣi nyuitɔ si dzi wòatsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia. Eƒe dzigbɔɖia wɔe be ame miliɔn geɖe va le esubɔm eye wole ekafum. Ame siawo katã kpɔa dzidzɔ be Yehowa yi edzi le dzi dom; esiae na mɔnukpɔkpɔ yewo be wova dzi yewo, yewova srɔ̃ nu tso eŋu, eye yewoɖe adzɔgbe nɛ. Ale si Yehowa gbɔ dzi ɖi la me ava kɔ na ame miliɔn siwo yi edzi do dzi va se ɖe nuwuwu, eye aɖo eteƒe na wo!

19. Nu kae míeɖo kplikpaa be míawɔ, eye nu kae ado tso eme na mí?

19 Míesrɔ̃e tso Yehowa gbɔ be míate ŋu ayi edzi ado dzi kple dzidzɔ. Togbɔ be kuxiwo kple fukpekpewo bɔ ɖe Satana ƒe xexe sia me hã, Yehowa kpɔtɔ nye ‘dzidzɔ ƒe Mawu.’ (1 Tim. 1:11) Míawo hã míate ŋu ayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ne míegbɔ dzi ɖi kpɔ Yehowa si nu be wòakɔ eƒe ŋkɔ ŋu, aʋli eƒe dziɖuɖu ta, aɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ɖa eye wòahe xexe sia ava nuwuwui. Mina míaɖoe kplikpaa be míayi edzi ado dzi, eye nefa akɔ na mí be mía Fofo si le dziƒo hã le dzi dom kpli mí. Ne míewɔe alea, nya siawo ava eme na mí, si nye: “Dzidzɔtɔe nye ame si doa dzi le tetekpɔ me, elabena ne wokpɔ ŋudzedze ɖe eŋu la, axɔ agbefiakuku si ŋugbe Yehowa do na ame siwo lɔ̃nɛ la.”—Yak. 1:12.

HADZIDZI 139 Kpɔ Ðokuiwò Le Xexe Yeyea Me

^ mm. 5 Mí katã míele kuxiwo me tom. Eye le kuxi aɖewo mea, míate ŋu awɔ naneke tso eŋu o; ɖeko wòle be míado dzi. Gake menye míawo ɖeɖe koe le dzia dom o. Yehowa ŋutɔ hã le dzi dom le nu geɖe me. Le nyati sia mea, míakpɔ nu asieke siwo me Yehowa le dzi dom le. Eye míadzro nu nyui siwo do tso eƒe dzidodoa me, kple nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso eme la hã me.