Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 28

Mèganɔ Ho Ʋlim Kple Nɔviwòwo O, Ke Boŋ Ti Ŋutifafa Yome

Mèganɔ Ho Ʋlim Kple Nɔviwòwo O, Ke Boŋ Ti Ŋutifafa Yome

“Migana míanɔ bubu dzodzro dim, anɔ ho ʋlim kple mía nɔewo, ahanɔ ŋu biãm mía nɔewo o.”—GAL. 5:26.

HADZIDZI 101 Mina Míawɔ Dɔ Le Ðekawɔwɔ Me

NYA VEVIAWO *

1. Ne amewo le ho ʋlim kple wo nɔewo la, nu kae ate ŋu ado tso eme?

LE XEXEA me egbea, ame geɖe ʋlia ho kple wo nɔewo. Le kpɔɖeŋu me, asitsala aɖe ate ŋu ana amewo nakpɔe be yenyo wu asitsala bubuwo. Bɔlƒola aɖe ate ŋu aɖoe koŋ awɔ nu vevi bɔlƒoha bubu me tɔ kple susu be yewoaɖu dzi. Sukuvi aɖe ate ŋu afi dodokpɔ kple susu be yeakpɔ mɔ le suku xɔŋkɔ aɖe. Gake mí Kristotɔwo míenyae be nuwɔna mawo mesɔ o, elabe wonye “ŋutilã la ƒe dɔwɔwɔwo.” (Gal. 5:19-21) Ke hã, ɖe wòate ŋu adzɔ be Yehowa subɔla aɖewo nava nɔ ho ʋlim kple wo nɔewo, evɔ womanya oa? Nyabiase vevi aɖee nye ema, elabe ne míeʋlia ho kple mía nɔewo la, agblẽ ɖekawɔwɔ si le hamea me la me.

2. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Le nyati sia mea, míadzro nu siwo gbɔ wòate ŋu atso be míava nɔ ho ʋlim kple mía nɔewo la me. Azɔ hã, míaƒo nu tso ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe, siwo meʋli ho kple ame bubuwo o la ŋu. Gbãa, na míaƒo nu tso ale si míadzro míawo ŋutɔwo mía ɖokuiwo me.

DZRO ÐOKUIWÒ ME

3. Nya kawoe wòle be míabia mía ɖokuiwo?

3 Anyo be míanɔ mía ɖokuiwo me dzrom edziedzi. Míate ŋu abia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe metsɔa ɖokuinye nɔa sɔsɔm kple ame bubuwo eye mekpɔnɛ be menyo wu woa? Ðe mekua kutri wɔa dɔ siwo mewɔna le hamea me kple susu be nɔviwo nakpɔe be menyo wu ame bubuwoa? Alo ɖe mewɔnɛ kple susu be nye nu nadze Yehowa ŋua?’ Nu ka tae wòle be míabia nya siawo? De dzesi nya si Biblia gblɔ.

4. Abe ale si Galatiatɔwo 6:3, 4 gblɔe enea, nu ka tae mele be míatsɔ mía ɖokuiwo anɔ sɔsɔm kple amewo o?

4 Biblia xlɔ̃ nu mí be mele be míatsɔ mía ɖokuiwo anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo o. (Xlẽ Galatiatɔwo 6:3, 4.) Nu ka tae? Elabe ne míesusuna be míenyo wu ame bubuwo la, ate ŋu ana míava nɔ dadam. Alo, ne míetsɔa mía ɖokuiwo sɔna kple ame bubuwo la, ate ŋu ana dzi naɖe le mía ƒo. Nu eve siawo siaa made mía dzi o. (Rom. 12:3) Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Katerina * si tso Greece la gblɔ be: “Metsɔ ɖokuinye nɔa sɔsɔm kple nɔvinyɔnu siwo mesusu be wodze tugbe wum eye wotea ŋu wɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me eye wotea ŋu dzea xɔlɔ̃wo bɔbɔe wu. Esia wɔe be meva kpɔe be nyemele ɖeke me o.” Ele be míaɖo ŋku edzi be menye míaƒe tugbedzedze alo ɖekadzedze, míaƒe agbalẽnyanya alo ale si míexɔ ŋkɔ, ye na Yehowa he mí va eɖokui gbɔ o, ke boŋ ale si míelɔ̃e eye míelɔ̃ faa be míaɖo to Via ye.—Yoh. 6:44; 1 Kor. 1:26-31.

5. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso nɔviŋutsu Hyun gbɔ?

5 Nya bubu si míagate ŋu abia mía ɖokui ye nye, ‘Ðe mewɔa ŋutifafaa, alo ɖe mehea nya kple amewo ɣesiaɣia?’ Tsã, nɔviŋutsu Hyun si le South Korea la bua nɔvi aɖewo siwo le agbanɔamedzinɔƒewo be wole ho ʋlim kpli ye. Egblɔ be, “Media vodada le wo ŋu, eye nyemelɔ̃na ɖe woƒe nya aɖeke dzi o.” Nu kae va do tso eme? Egblɔ be, “Nye nuwɔna wɔe be mama va ɖo hamea me.” Hyun xɔlɔ̃wo kpe ɖe eŋu wòva de dzesi eƒe kuxia, ewɔ tɔtrɔ siwo hiã eye fifia, eyi edzi le eƒe hamemetsitsi dɔa wɔm nyuie. Ne ède dzesii be yeva le ho ʋlim kple nɔviwo la, wɔ nane tso eŋu kaba.

TSRI ŊUBIÃ EYE MÈGADI BUBU DZODZRO O

6. Le Galatiatɔwo 5:26 ƒe nya nua, nu kawoe ate ŋu ana míava nɔ ho ʋlim kple mía nɔewo?

6 Xlẽ Galatiatɔwo 5:26. Nu kawoe ate ŋu ana be míava nɔ ho ʋlim kple mía nɔewo? Gbãtɔe nye bubu dzodzro didi. Eye eveliae nye ŋubiabiã. Ame si dia bubu dzodzro la nye ɖokuitɔdila kple dadala; ame si nye ŋubiãla la, menye ɖeko wòdina be nu si nye ame bubuwo tɔ la nasu ye si ko o, ke boŋ edina hã be wòabɔ́ wo. Ne míagblɔea, ne ame aɖe biã ŋu nɔvia la, ke elé fui. Eya ta, ele be míaƒo asa na nɔnɔme gbegblẽ mawo abe ale si míaƒo asa na dɔvɔ̃ ene!

7. Gblɔ nu si ŋubiabiã kple bubu dzodzro didi ate ŋu agblẽ le ame ŋu ƒe kpɔɖeŋu.

7 Míate ŋu atsɔ bubu dzodzro didi kple ŋubiabiã asɔ kple ale si baba anɔ atixɔ ɖum vivivi. Ne womewɔ naneke tso eŋu o la, xɔa ate ŋu ava mu mlɔeba. Nenema kee, ame aɖe ate ŋu anɔ Yehowa subɔm ya, gake ne bubu dzodzro didi kple ŋuʋaʋã le emea, ate ŋu ava dze anyi alo adzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. (Lod. 16:18) Esia agblẽ nu le eya ŋutɔ kple ame bubuwo ŋu. Nu kae míawɔ be míagava nye ŋubiãlawo alo anɔ bubu dzodzro dim o?

8. Nu kae míawɔ be míagava nɔ bubu dzodzro dim o?

8 Míate ŋu aɖu bubu dzodzro didi dzi ne míewɔna ɖe aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo na Filipitɔwo dzi. Egblɔ be: “Migawɔ naneke le dzrehehe alo bubu dzodzro didi ta o, ke boŋ mitsɔ ɖokuibɔbɔ bu ame bubuwo be wonye gã wu mi.” (Flp. 2:3) Ne míebua ame bubuwo be wonye gã wu mí la, mímaʋli ho kpli wo le woƒe ŋutetewo alo nu siwo wote ŋu wɔna ta o. Ke boŋ, míakafu wo, vevietɔ, ne wole ŋutete mawo zãm le Yehowa subɔsubɔ me. Nenema kee, ne nɔvi siwo si ŋutetewo le la wɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzia, woade dzesi nɔnɔme nyui siwo le míawo hã si. Esia awɔe be, ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ hamea me.

9. Nu kawoe míawɔ be míagaʋã ŋu mía nɔviwo o?

9 Ne míebɔbɔa mía ɖokuia, mímaʋã ŋu mía nɔviwo o eye mímaɖee afia be míenyo wu wo hã o. Ke boŋ, míadi be míasrɔ̃ nu tso nɔvi siwo dzea agbagba wu mí la gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne nɔviŋutsu aɖe nye nuƒola bibia, míate ŋu ate ɖe eŋu abia ale si wòwɔna dzrana ɖo ɖe eƒe nuƒowo ŋu. Ne nɔvinyɔnu aɖe ɖaa nu wòléa aɖea, míate ŋu ate ɖe eŋu abia ale si wòwɔnɛ. Nenema kee, ne esesẽna na sɔhɛ aɖe be wòadze xɔlɔ̃wo la, ate ŋu ate ɖe nɔvi aɖe si dzea xɔlɔ̃wo bɔbɔe la ŋu be wòakpe ɖe eŋu. Ne míewɔnɛ alea, míaƒe ŋutetewo anyo ɖe edzi, eye míabiã ŋu mía nɔviwo o.

SRƆ̃ NU TSO AME SIWO ŊU BIBLIA ƑO NU TSOE LA GBƆ

Esi Gideon bɔbɔ eɖokui ta, ewɔ ŋutifafa kple Efrayimtɔwo (Kpɔ memama 10-12 lia)

10. Kuxi kae Gideon do goe?

10 Bu nu si dzɔ le Gideon si tso Manase-toa me, kple Efrayim ŋutsuwo dome la ŋu kpɔ. Edzɔ be Gideon kple eŋume 300-awo kpe aʋa kple Mawu ƒe futɔwo, eye Yehowa kpe ɖe wo ŋu woɖu aʋa dzi; ke hã esia mena wova nɔ dadam o. Esi Gideon mekpe Efrayim ŋutsuwo be woakpe ɖe yewo ŋu esime woyina aʋaa wɔ ge o ta, esia ku dzi na wo. Eye wova wɔ dzre kple Gideon le esi teƒe be woakafui. Efrayim ŋutsuwo mete ŋu de dzesii be nu si Gideon wɔ la kɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu hekpɔ eƒe amewo ta o, elabe woƒe susu katã le ale si woadi bubu na wo ɖokuiwo la ŋu.—Ʋɔn. 8:1.

11. Aleke Gideon ɖo nya ŋu na Efrayim ŋutsuawo?

11 Gideon bɔbɔ eɖokui, eye wògblɔ na Efrayim ŋutsuawo be: “Nu kae mewɔ fifia si de mia tɔ nu?” Eye wòna wokpɔ mɔ siwo nu Yehowa yra wo le. Esia wɔe be “woƒe dzi fa.” (Ʋɔn. 8:2, 3) Gideon lɔ̃ faa bɔbɔ eɖokui be ŋutifafa nanɔ anyi.

12. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu si dzɔ le Efrayimtɔwo kple Gideon dome la me?

12 Nu kae míesrɔ̃ tso nudzɔdzɔ sia me? Míesrɔ̃e be mele be míadi bubu na mía ɖokuiwo abe ale si Efrayimtɔwo wɔe ene o, ke boŋ míatsɔ kafukafua katã na Yehowa. Ƒome ƒe tawo kple hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso Gideon gbɔ. Ne míaƒe nuwɔna aɖe do dziku na ame aɖea, ele be míatsɔ mía ɖokui aɖo amea teƒe eye míase nu gɔme nɛ. Eye míadze agbagba akafui ɖe nu nyui siwo eya hã wɔna ta. Ebia ɖokuibɔbɔ hafi míate ŋu awɔ esia, vevietɔ, ne amea tɔ medzɔ o. Nu vevitɔe nye be míana ŋutifafa nanɔ mía kple mía nɔviwo dome tsɔ wu be míanɔ agbagba dzem be míaɖee afia wo be mía tɔ dzɔ.

Esi Hana ka ɖe Yehowa dzi be akpɔ nyaa gbɔ ta, esia na eƒe dzi dze eme (Kpɔ memama 13-14 lia)

13. Nɔnɔme sesẽ ka mee Hana to, eye aleke wòwɔ nɔ te ɖe enu?

13 Bu Hana hã ŋu kpɔ. Eɖe Lewitɔ aɖe si ŋkɔe nye Elkana, eye Elkana lɔ̃e vevie. Gake srɔ̃ bubu aɖe nɔ Elkana si si ŋkɔe nye Penina. Elkana lɔ̃ Hana wu Penina; ke hã, “Penina dzi vi, ke Hana ya medzi vi aɖeke o.” Le esia ta, Penina ɖea alɔme le Hana ŋu “atraɖii tsɔ nɔa dziku dom nɛ.” Aleke Hana wɔ nui? Ete ɖe edzi vevie. Eye ‘wònɔa avi dzi hegbea nuɖuɖu.’ (1 Sam. 1:2, 6, 7) Ke hã, nuŋlɔɖi aɖeke meɖee fia be Hana wɔ wɔɖenui o. Ke boŋ, egblɔ eƒe dzimenyawo na Yehowa eye wòka ɖe edzi be Yehowa ava ɖɔ nuwo ɖo. Ðe Penina va trɔ eƒe nɔnɔme ɖe Hana ŋua? Biblia megblɔe o. Gake míenya be Hana ƒe dzi va dze eme, eye “megaɖo nublanuimo azɔ o.”—1 Sam. 1:10, 18.

14. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Hana gbɔ?

14 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Hana gbɔ? Ne ame aɖe be yeaʋli ho kpli wò la, mahiã kura be wò hã nàʋli ho kplii o. Mègaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o, ke boŋ dze agbagba nàwɔ ŋutifafa kple amea. (Rom. 12:17-21) Ne amea metrɔ eƒe nɔnɔme ɖe ŋuwò o hã, magaɖe fu na wò o, eye wò dzi adze eme.

Apolo kple Paulo nyae be Yehowae nɔ yayram ɖe dɔa dzi, eya ta womeʋli ho kple wo nɔewo o (Kpɔ memama 15-18 lia)

15. Nu kawoe ɖe dzesi le Apolo kple Paulo ŋu?

15 Bu Apolo kple apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋu hã ŋu kpɔ. Wo ame evea wonya Ŋɔŋlɔawo nyuie. Ame geɖewo nya wo. Wonye nufiala bibiwo, eye wokpe ɖe ame geɖewo ŋu wova zu nusrɔ̃lawo. Gake womeʋli ho kple wo nɔewo o.

16. Ame kae nàgblɔ be Apolo nye?

16 Apolo nye “Aleksandria vidzidzi.” Aleksandria nye du si me suku xɔŋkɔwo nɔ. Apolo nye nuƒola bibi “eye wònya Ŋɔŋlɔawo nyuie.” (Dɔw. 18:24) Esime Apolo nɔ subɔsubɔm le Korinto la, nɔviawo ɖee fia be yewolɔ̃e wu nɔvi bubuwo, siwo dome Paulo hã le. (1 Kor. 1:12, 13) Ðe Apolo de nya ma dzia? Ao. Le nyateƒe mea, le ɣeyiɣi aɖe megbea, Paulo va dɔ Apolo be wòatrɔ ayi Korinto. (1 Kor. 16:12) Ðe Paulo adɔ Apolo be wòayi Korinto ne ese le eɖokui me be ele mama dem hamea mea? Eme kɔ ƒãa be, Apolo zã ŋutete siwo le esi tsɔ gblɔ nya nyuia eye wòdo ŋusẽ nɔviawo. Míate ŋu aka ɖe edzi hã be Apolo bɔbɔ eɖokui. Le kpɔɖeŋu me, naneke mele Ŋɔŋlɔawo me si ɖee fia be esi Akwila kple Priskila “woɖe Mawu ƒe mɔ la me nɛ nyuie wu” la, ete ɖe edzi o.—Dɔw. 18:24-28.

17. Nu kae Paulo wɔ si na ŋutifafa va?

17 Apostolo Paulo nya dɔ nyui siwo gbegbe Apolo wɔ. Gake Paulo mebui be Apolo le ho ʋlim kpli ye o. Le aɖaŋu si wòɖo na Korinto nɔviawo tso nya ma ŋu mea, edze ƒãa be Paulo bɔbɔa eɖokui eye wòbua nuwo ŋu nyuie. Mena nya si nɔviawo nɔ gbɔgblɔm be “Paulo tɔe menye” la na eƒe ta te o, ke boŋ, ena wose egɔme be Yehowa Mawu kple Yesu Kristo tɔe wonye.—1 Kor. 3:3-6.

18. Nu kawoe míesrɔ̃ tso Apolo kple Paulo gbɔ le 1 Korintotɔwo 4:6, 7?

18 Nu kawoe míesrɔ̃ tso Apolo kple Paulo gbɔ? Míate ŋu akpe ɖe ame geɖe ŋu woava xɔ nyɔnyrɔ. Gake ele be míalɔ̃ ɖe edzi be Yehowa ƒe yayrae na míete ŋu wɔ esia. Nu bubu si míesrɔ̃ tso Apolo kple Paulo gbɔe nye be, ne subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖewo su mía sia, ele be míazãe atsɔ ado ŋutifafa ɖe ŋgɔ le hamea me. Aleke gbegbee wòdzɔa dzi na mí ye nye esi ne nɔviŋutsu siwo le ŋgɔ xɔm la zãa Biblia be woatsɔ akpe ɖe mía ŋu be ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ mía dome! Womehea susu vaa wo ɖokuiwo dzi o, ke boŋ wokpena ɖe nɔviawo ŋu be woasrɔ̃ Yesu Kristo.—Xlẽ 1 Korintotɔwo 4:6, 7.

19. Nu kae mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ? (Kpɔ aɖaka si nye, “ Mègawɔ Naneke Si Ana Nɔviwo Nava Nɔ Ho Ʋlim O.”)

19 Mawu na ŋutete aɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe. Míate ŋu azã nunana ma ‘atsɔ asubɔ mía nɔviwo.’ (1 Pet. 4:10) Míate ŋu ase le mía ɖokui me be akpa si míewɔna la le sue. Gake nu suesuesue siwo míewɔna be míatsɔ ado ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ la le abe ka si wotsɔna tɔa avɔ kpenae ene. Eya ta, mina míaɖoe kplikpaa be míagawɔ naneke si aɖee afia be míele ho ʋlim kple mía nɔewo o. Ke boŋ, míayi edzi ado ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ le hamea me.—Ef. 4:3.

HADZIDZI 80 “Miɖɔe Kpɔ, Eye Miakpɔe Be Yehowa Nyo”

^ mm. 5 Ne anyize aɖe fe keŋ la, awɔe be ŋusẽ manɔ eŋu o. Nenema kee ne míeʋlia ho kple mía nɔewo le hamea mea, awɔe be mamawo nanɔ anyi. Ne mamawo lia, míate ŋu awɔ ɖeka o, eye míate ŋu asubɔ Yehowa le ŋutifafa me o. Le nyati sia mea, míadzro nu si tae mele be míaʋli ho kple mía nɔewo o, kple nu siwo míate ŋu awɔ be ŋutifafa nayi edzi anɔ hamea me la me.

^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔawo.