Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 29

Kpɔ Dzidzɔ Le Agbagba Siwo Dzem Nèle Le Yehowa Subɔsubɔ Me Ta!

Kpɔ Dzidzɔ Le Agbagba Siwo Dzem Nèle Le Yehowa Subɔsubɔ Me Ta!

‘Ame sia ame nakpɔ susu si ta wòatso aseye le eya ŋutɔ ɖokui ɖeɖe ŋu, ke menye le eɖokui tsɔtsɔ sɔ kple ame bubu me o.’—GAL. 6:4.

HADZIDZI 34 Zɔ Le Fɔmaɖimaɖi Me

NYA VEVIAWO *

1. Nu ka tae Yehowa metsɔa mí sɔna kple ame bubuwo o?

YEHOWA wɔ nuwo wole hamehame, eye ɖe sia ɖe to vovo tso nɔvia gbɔ. Eye edii nenema. Eya ta metsɔa wò sɔna kple ame bubuwo o. Edzroa wò dzi me, eye wònya ame si tututu nènye. (1 Sam. 16:7) Enya nu siwo nàte ŋu awɔ kple nu siwo màte ŋu awɔ o, ale si wohe wò kple nu siwo me nèto. Eya ta mebiaa nu si màte ŋu awɔ o la tso asiwò o. Ne míebua mía ɖokuiwo abe ale si Yehowa bua mí enea, ‘míanɔ ŋute le susu me’ eye míabu mía ɖokuiwo ŋu fũu akpa alo asusu be míele ɖeke me o.—Rom. 12:3.

2. Nu ka tae menyo be míatsɔ mía ɖokui anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo o?

2 Míate ŋu asrɔ̃ nu nyui geɖe tso mía nɔviwo gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu asrɔ̃ ale si nɔvi aɖe wɔa subɔsubɔdɔa. (Heb. 13:7) Esia akpe ɖe míawo hã ŋu míabi ɖe subɔsubɔdɔa me. (Flp. 3:17) Gake vovototo le ame aɖe ƒe kpɔɖeŋu nyui sɔsrɔ̃ kple mía ɖokui tsɔtsɔ sɔ kple amea dome. Ðeko mía ɖokui tsɔtsɔ sɔ kple amea ana míava nɔ ŋu ʋãmee, dzi naɖe le mía ƒo alo míasusu be míele ɖeke me o. Abe ale si míesrɔ̃e le nyati si va yi me enea, ne míeva le ho ʋlim kple mía nɔewoa, agblẽ nu le hamea ŋu. Ema tae Yehowa xlɔ̃ nu mí be: “Ame sia ame nadzro eya ŋutɔ ƒe nuwɔnawo me kpɔ, ekema akpɔ susu si ta wòatso aseye le eya ŋutɔ ɖokui ɖeɖe ŋu, ke menye le eɖokui tsɔtsɔ sɔ kple ame bubu me o.”—Gal. 6:4.

3. Agbagba kawoe nèdze le mawusubɔsubɔ me si na nèva kpɔa dzidzɔ wu?

3 Yehowa di be nàkpɔ dzidzɔ le agbagba siwo dzem nèle le ye subɔsubɔ mea ta. Le kpɔɖeŋu me, ne èxɔ nyɔnyrɔa, ele be nàkpɔ dzidzɔ be yeɖo taɖodzinu ma gbɔ. Lɔlɔ̃ si le asiwò na Yehowa ye na nèxɔ nyɔnyrɔ. Bu agbagba siwo nèdze va se ɖe fifia ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wò Biblia xexlẽ kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ va nyo ɖe edzia? Ðe wò gbedodoɖawo va nyo ɖe edzia? (Ps. 141:2) Ðe nègava bi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa kple dɔwɔnuawo zazã me nyuie wua? Ne ƒome le asiwòa, ɖe Yehowa kpe ɖe ŋuwò nègava nye srɔ̃ŋutsu, srɔ̃nyɔnu alo dzila nyui ɖe edzi wua? Ðe dzi medzɔ wò be yedze agbagba siawo oa?

4. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

4 Míate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu woakpɔ dzidzɔ le agbagba siwo dzem wole le Yehowa subɔsubɔ me la ta. Míate ŋu akpe ɖe wo ŋu woakpɔe hã be mele be woatsɔ wo ɖokuiwo anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo o. Le nyati sia mea, míaƒo nu tso ale si dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu, ale si srɔ̃tɔwo ate ŋu akpe ɖe wo nɔewo ŋu, kple ale si hamemetsitsiwo kple mí katã míate ŋu akpe ɖe mía nɔewo ŋu. Eye mlɔebaa, míadzro ŋɔŋlɔ aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu míaɖo taɖodzinu siwo gbɔ míate ŋu aɖo le míaƒe ŋutetewo nu la me.

NU SI DZILAWO KPLE SRƆ̃TƆWO ATE ŊU AWƆ

Dzilawo, mikpɔ dzidzɔ ɖe agbagba siwo dzem mia viwo le la ŋu (Kpɔ memama 5-6 lia) *

5. Le Efesotɔwo 6:4 ƒe nya nua, nu kae mele be dzilawo nanɔ wɔwɔm o?

5 Ele be dzilawo nakpɔ nyuie be woagatsɔ wo viwo anɔ sɔsɔm kple wo nɔewo alo abia tso ɖevi aɖe si be wòawɔ nane si gbɔ eƒe ŋutete ŋu o. Ne wowɔe alea, ate ŋu ana dzi naɖe le ɖevi aɖe ƒo. (Xlẽ Efesotɔwo 6:4.) Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Sachiko * gblɔ be: “Nye sukunufialawo gblɔna nam be ele be madze agbagba wu sukuvi bubuawo katã. Nɔnye hã gblɔna be mawɔe nenema, ale be madze nye nufiala kple tɔnye si menye Ðasefo o la ŋu. Nɔnye di be malé gbã le nye sukudodokpɔwo me, evɔ mekpɔe be manya wɔ o. Togbɔ be ƒe aɖewoe nye esia medo le suku hã, egawɔna nam kokoko be, ɖe mele nye ŋutete katã wɔm na Yehowa?”

6. Nu kae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso Psalmo 131:1, 2?

6 Dzilawo ate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe le Psalmo 131:1, 2. (Xlẽe.) Fia David gblɔ be ‘yemekplɔ nu gã nu gãwo’ alo nu siwo gbɔ yeƒe ŋutete ŋu la ɖo o. Esi David bɔbɔ eɖokui taa, eƒe dzi ‘dze eme,’ eye wòkpɔ tomefafa. Nu kae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso David ƒe nyawo me? Ne dzilawo bɔbɔa wo ɖokuiwoa, womadi nu geɖe fũu akpa tso wo ɖokuiwo si loo alo tso wo viwo gbɔ o. Dzilawo ate ŋu ade dzi ƒo na wo viwo ne wonya woƒe ŋutetewo, eye woakpe ɖe ɖeviawo ŋu be woaɖo taɖodzinu siwo gbɔ woate ŋu aɖo. Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Marina gblɔ be: “Nɔnye metsɔam sɔna kple nɔvinye etɔ̃ mamlɛawo alo ɖevi bubuwo o. Efiam be míaƒe ŋutetewo le vovovo, eye mía dometɔ ɖe sia ɖe le vevie na Yehowa. Esia wɔe be nyemetsɔa ɖokuinye sɔna kple ame bubuwo o.”

7-8. Aleke srɔ̃ŋutsu ate ŋu ade bubu srɔ̃a ŋu?

7 Ele be srɔ̃ŋutsu Kristotɔ nade bubu srɔ̃a ŋu. (1 Pet. 3:7) Le kpɔɖeŋu me, ne srɔ̃ŋutsu aɖe ɖenɛ fiana be yesrɔ̃ le vevie na yea, efia be edea bubu eŋu. Mebiaa nu geɖe wu tso esi o. Eye metsɔnɛ nɔa sɔsɔm kple nyɔnu bubuwo o. Nu kae ate ŋu adzɔ ne etsɔna srɔ̃a sɔna kple nyɔnu bubuwo? Nɔvinyɔnu Rosa si srɔ̃ menye Ðasefo o la, tsɔnɛ sɔna kple nyɔnu bubuwo. Eƒe nya veamewo wɔe be Rosa megava kana ɖe eɖokui dzi be wolɔ̃ ye o. Egblɔ be: “Ele be woanɔ ŋku ɖom edzi nam be Yehowa lɔ̃m.” Ke hã, míenya be srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo ya dea bubu wo srɔ̃wo ŋu, elabe wonyae be ema ana be ƒomedodo si le yewo kple yewo srɔ̃ kpakple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli. *

8 Srɔ̃ŋutsu si dea bubu srɔ̃a ŋu la, kafunɛ, ekana ɖe edzi nɛ be yelɔ̃e eye wòle vevie na ye. (Lod. 31:28) Nu ma tututue Katerina, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si va yi mea, srɔ̃ wɔ. Ekpe ɖe eŋu wòkpɔe be asixɔxɔ le eŋu. Esime Katerina nye ɖevi la, nɔa hea nya ɖe eŋu eye wòtsɔnɛ sɔna kple etɔ nyɔnuvi bubuwo. Esia wɔe be Katerina va tsɔa eɖokui nɔa sɔsɔm kple ame bubuwo esi wòva xɔ nyateƒea vɔ megbe gɔ̃ hã. Ke hã srɔ̃a kpe ɖe eŋu wòɖu nɔnɔme ma dzi eye susu nyui va le esi. Egblɔ be: “Srɔ̃nye lɔ̃am, kafuam ɖe nu nyui siwo mewɔna ta, eye wòdoa gbe ɖa kplim. Eɖoa ŋku Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiwo dzi nam eye wòkpe ɖe ŋunye be maɖɔ susu manyomanyo mawo ɖo.”

NU SI HAMEMETSITSI LƆLƆ̃AWO KPLE AME BUBUWO ATE ŊU AWƆ

9-10. Aleke hamemetsitsi lɔlɔ̃awo kpe ɖe nɔvinyɔnu aɖe ŋu be wòagatsɔ eɖokui anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo madzemadzee o?

9 Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe nɔvi siwo tsɔa wo ɖokuiwo nɔa sɔsɔm kple ame bubuwo la ŋu? Bu Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Hanuni ŋu kpɔ. Esime wònye ɖevia, ƒãa hafi wokafunɛ. Egblɔ be: “Ŋu kpeam, eye mesusuna be ɖevi bubuwo nyo wum. Tso keke ɖevime kee metsɔa ɖokuinye sɔna kple ame bubuwo.” Esi Hanuni va xɔ nyateƒea gɔ̃ hã, egatsɔa eɖokui sɔna kple ame bubuwo. Esia wɔe be wòva susuna be viɖe aɖeke mele ye ŋu le hamea me o. Gake fifia, enye gbesiagbe mɔɖela, eye wòle dzidzɔ kpɔm. Nu kae kpe ɖe eŋu wòtrɔ ale si wòbua eɖokui?

10 Hanuni gblɔ be hamemetsitsi lɔlɔ̃awoe kpe ɖe ye ŋu. Hamemetsitsiawo kafunɛ eye wogblɔa ale si woka ɖe edzi la nɛ. Egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣia, hamemetsitsiwo biana tso asinye be made dzi ƒo na nɔvinyɔnu aɖewo. Esia nana mesena le ɖokuinye me be mele vevie. Meɖo ŋku ale si hamemetsitsi lɔlɔ̃awo da akpe nam ɖe ale si mede dzi ƒo na nɔvinyɔnu ɖetugbui aɖewo ta. Woxlẽ 1 Tesalonikatɔwo 1:2, 3 nam.” Esia wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ! Hamemetsitsi lɔlɔ̃ siawo kpe ɖe ŋunye meva kpɔe be mele vevie le hamea me.

11. Abe ale si wogblɔe le Yesaya 57:15 enea, aleke míate ŋu akpe ɖe “ame siwo wogbã gudugudu kple ɖokuibɔbɔlawo ŋu?”

11 Xlẽ Yesaya 57:15. Yehowa léa be na “ame siwo wogbã gudugudu kple ɖokuibɔbɔlawo.” Mí katã míate ŋu ade dzi ƒo na nɔvi lɔlɔ̃ siawo; menye hamemetsitsiwo ko o. Mɔ ɖeka aɖe si dzi míate ŋu ato ade dzi ƒo na woe nye ne míetsɔa ɖe le eme na wo. Yehowa di be míana woakpɔe be woxɔ asi na ye. (Lod. 19:17) Azɔ hã, míate ŋu akpe ɖe mía nɔviwo ŋu, ne míebɔbɔa mía ɖokuiwo eye míedana sɔna. Mímadi be míahe susu ava mía ɖokuiwo dzi si awɔe be woava nɔ ŋu ʋãm mí o. Ke boŋ míazã míaƒe ŋutetewo atsɔ ade dzi ƒo na mía nɔewo.—1 Pet. 4:10, 11.

Enɔ bɔbɔe na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be woate ɖe eŋu elabe mebu eɖokui be yenyo wu wo o. Wo gbɔ nɔnɔ dzɔa dzi nɛ (Kpɔ memama 12 lia)

12. Nu ka tae wòle bɔbɔe na ɖokuibɔbɔlawo be wote ŋu tena ɖe Yesu ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

12 Míate ŋu asrɔ̃ ale si míawɔ nu ɖe amewo ŋu ne míelé ŋku ɖe ale si Yesu wɔ nu ɖe eyomedzelawo ŋu la ŋu. Eyae nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ. Ke hã, ‘efa tu, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le dzi me.’ (Mat. 11:28-30) Metsɔ eƒe nunya kple nu siwo gbegbe wònya la ƒo adegbee o. Le eƒe nufiafiawo mea, ezã nya bɔbɔewo kple kpɔɖeŋu siwo wɔ dɔ ɖe ɖokuibɔbɔlawo dzi. (Luka 10:21) Yesu mena amewo se le wo ɖokuiwo me gbeɖe be, viɖe mele wo ŋu le Mawu gbɔ abe ale si subɔsubɔhakplɔla dadalawo wɔnɛ ene o. (Yoh. 6:37) Ke boŋ ede bubu ame tsɛwo ŋu.

13. Aleke ale si Yesu wɔ nu ɖe eyomedzelawo ŋu ɖe eƒe dɔmenyonyo kple eƒe lɔlɔ̃ fia?

13 Ale si Yesu wɔ nu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu ɖe eƒe dɔmenyonyo kple eƒe lɔlɔ̃ fia. Enya be woƒe ŋutetewo kple nɔnɔmewo le vovovo. Eya ta enyae be woƒe agbanɔamedziwo, alo dɔ siwo wowɔna le subɔsubɔdɔa me la, masɔ o. Ke hã, ekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo wowɔna tso dzi blibo mea ŋu. Esia dze le talentowo ƒe kpɔɖeŋu si wòwɔ la me. Le kpɔɖeŋua me la, aƒetɔa na dɔ kluviawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe ŋutete nu. Kluvi eve siwo wɔ dɔ sesĩe dometɔ ɖeka kpɔ viɖe wu evelia. Ke hã, aƒetɔa zã nya siwo nye: “Kluvi nyui kple nuteƒewɔla, wòe wɔ dɔ kakaka!” tsɔ kafu wo ame evea.—Mat. 25:14-23.

14. Aleke míate ŋu asrɔ̃ ale si Yesu wɔ nu ɖe amewo ŋu?

14 Yesu ƒe dɔme nyo eye wòwɔa nu ɖe amewo ŋu le lɔlɔ̃ me. Enya be míaƒe ŋutetewo kple nɔnɔmewo le vovovo, eye ekpɔa ŋudzedze ɖe míatɔ sinua si míewɔna ŋu. Ele be míasrɔ̃ Yesu. Mele be míana nɔvi aɖe nase le eɖokui me be viɖe mele ye ŋu alo ana ŋu nakpee le esi metea ŋu wɔa geɖe abe ame bubuwo ene o ta o. Ke boŋ, ele be míadze agbagba akafu mía nɔviwo ɖe agbagba siwo dzem wole le Yehowa subɔsubɔ mea ta.

ÐO TAÐODZINUWO SIWO GBƆ NÀTE ŊU AÐO

Ðo taɖodzinuwo eye nàdze agbagba aɖo wo gbɔ eye esia ana nàkpɔ dzidzɔ (Kpɔ memama 15-16 lia) *

15-16. Esi nɔvinyɔnu aɖe ɖo taɖodzinu siwo gbɔ wòate ŋu aɖo la, aleke wòɖe vi nɛ?

15 Ne míeɖo taɖodzinuwo le mawusubɔsubɔ me la, enana taɖodzinu nɔa míaƒe agbe ŋu. Ke hã, nu vevitɔe nye be míaɖo taɖodzinu mawo le míaƒe ŋutetewo kple nɔnɔmewo nu, ke menye be míadze ame bubuwo yome o. Elabe ne míewɔe nenema la, dzi koe ava ɖe le mía ƒo. (Luka 14:28) Bu nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Midori ŋu kpɔ.

16 Esi Midori nye ɖevia, tɔa si menye Ðasefo o la doa ŋukpee eye wòtsɔnɛ sɔna kple nɔviawo kple eƒe sukuhatiwo. Midori gblɔ be: “Ema na mekpɔe be viɖe mele ŋunye o.” Gake Midori gblɔ be esi yenɔ tsitsim la, nɔnɔmeawo va ka ɖe eme. Egblɔ be: “Mexlẽa Biblia gbe sia gbe be nye dzi nadze eme, eye ena mekpɔe be Yehowa lɔ̃m.” Tsɔ kpe ɖe eŋua, eɖo taɖodzinu siwo gbɔ wòate ŋu aɖo, eye edoa gbe ɖa tso nu siwo akpe ɖe eŋu wòaɖo taɖodzinu mawo gbɔ la ŋu. Esia wɔe be Midori va le dzidzɔ kpɔm le etɔ sinu si wɔm wòle na Yehowa ta.

YI EDZI NÀNƆ WÒ ŊUTETE KATÃ WƆM NA YEHOWA

17. Nu kae akpe ɖe mía ŋu ‘míanɔ míaƒe tamesusu ƒe nɔnɔme si kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi wɔm yeyee,’ eye nu kae ado tso eme?

17 Ale si míesena le mía ɖokui me be míele ɖeke me o la, madzo le gbe ɖeka kple eƒe zãdodo me o. Eya ta Yehowa de dzi ƒo na mí be: ‘Míanɔ míaƒe tamesusu ƒe nɔnɔme si kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi wɔm yeyee.’ (Ef. 4:23, 24) Be míate ŋu awɔ esia, ele be míado gbe ɖa na Mawu, asrɔ̃ Biblia, eye míade ŋugble le eŋu. Eya ta, nɔ nu siawo wɔm eye nàbia Yehowa be wòado ŋusẽ wò. Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàgatsɔ ɖokuiwò anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo o. Azɔ hã, Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàde dzesi ne ŋuʋaʋã alo dada ƒe nɔnɔme aɖe be yeage ɖe mewò, eye nàwɔ nane tso eŋu kaba.

18. Aleke nya siwo dze le 2 Kronika 6:29, 30 ate ŋu afa akɔ na wò?

18 Xlẽ 2 Kronika 6:29, 30. Yehowa nya nu siwo le míaƒe dzi me. Enya avu siwo míewɔna be míaɖu xexea kple míawo ŋutɔwo míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi. Ne Yehowa kpɔ avu siwo gbegbe míewɔna be míanɔ te ɖe nu siawo nua, egalɔ̃a mí ɖe edzi wu.

19. Kpɔɖeŋu kae Yehowa wɔ tsɔ ɖe ale si wòsena le eɖokui me tso mía ŋu fia?

19 Yehowa zã ale si vidada kple via dome nɔna tsɔ wɔ kpɔɖeŋu tso ale si wòsena le eɖokui me tso mía ŋu. (Yes. 49:15) Bu vidada aɖe si ŋkɔe nye Rachel ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Vinye Stephanie ƒe ŋkeke mede hafi medzii o. Esi mekpɔea, enɔ nyaŋui, eye wɔna aɖeke menɔ eŋu o. Togbɔ be enɔ mɔ̃ me hã, ɖɔktawo na mekɔnɛ gbe sia gbe le ɣleti gbãtɔ me. Esia na nye kplii dome va nɔ kplikplikpli. Fifia exɔ ƒe ade, gake ne èkpɔea, ele sue wu eƒe ƒe. Togbɔ be ele alea hã, melɔ̃e ŋutɔ, elabe avu kple kɔ hafi wòtsi agbe. Gake enana mekpɔa dzidzɔ!” Efaa akɔ na mí ŋutɔ elabe míenyae be nenema tɔgbie Yehowa lɔ̃ mí le avu siwo wɔm míele be míasubɔe tso dzi blibo me la ta!

20. Esi nènye Yehowa subɔla taa, nu ka tae nàte ŋu akpɔ dzidzɔ?

20 Esi nèle Yehowa subɔm taa, èle vevie nɛ, eye edea asixɔxɔ ŋuwò ŋutɔ le eƒe ƒome gã la me. Menye esi nènyo wu ame bubuwo tae wòhe wò va eɖokui gbɔ o, ke boŋ ede dzesi nu nyui aɖe le wò dzi me kple ale si nèbɔbɔa ɖokuiwò, eye wòkpɔe be yeate ŋu atrɔ asi le ŋuwò. (Ps. 25:9) Eya ta ka ɖe edzi be ekpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo katã dzem nèle le esubɔsubɔ me ta la ŋu. Wò dzidodo kple nuteƒewɔwɔ ɖoa kpe edzi be “dzi nyui si nyo” le asiwò. (Luka 8:15) Eya ta yi edzi nàwɔ wò ŋutete katã na Yehowa. Ekema àkpɔ susu si ta nàtso aseye ‘le wò ŋutɔ ɖokuiwò ɖeɖe ŋu.’

HADZIDZI 38 Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu

^ mm. 5 Yehowa metsɔa mí sɔna kple ame bubuwo o. Ke hã, ate ŋu adzɔ be míawo ŋutɔwo míava tsɔ mía ɖokuiwo anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo eye míanɔ fɔ bum mía ɖokuiwo. Le nyati sia mea, míadzro nu si wòate ŋu agble ne míetsɔa mía ɖokui sɔna kple ame bubuwo la me. Azɔ hã, míakpɔ ale si míakpe ɖe míaƒe ƒomea me tɔwo kple ame siwo le hamea me ŋu be woabu wo ɖokuiwo abe ale si Yehowa bua woe ene.

^ mm. 5 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 7 Togbɔ be srɔ̃ŋutsuwoe nya siawo yi na hã, aɖe vi na srɔ̃nyɔnuwo hã.

^ mm. 58 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Le ƒometadedeagu wɔɣia, dzilawo kpɔ dzidzɔ ɖe nu si wo viawo dometɔ ɖe sia ɖe wɔ be woatsɔ ade Noa ƒe aɖakaa me la ŋu.

^ mm. 62 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Vidada dzilaɖekɛ aɖe si si ɖevi sue aɖe le la le ɖoɖo wɔm be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa, eye esi wòte ŋu wɔea, ekpɔ dzidzɔ.