Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 33

Kpɔ Dzidzɔ Ðe Subɔsubɔdɔ Si Wɔm Nèle Fifia Ŋu

Kpɔ Dzidzɔ Ðe Subɔsubɔdɔ Si Wɔm Nèle Fifia Ŋu

“Enyo be woakpɔ dzidzɔ ɖe nu si ame ƒe ŋku kpɔ ŋu wu be woanɔ nudzodzrowo yome.”—NYAGB. 6:9.

HADZIDZI 111 Nu Si Ta Míekpɔa Dzidzɔ Ðo

NYA VEVIAWO *

1. Aleke nɔvi geɖe le agbagba dzem be yewoakeke yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu?

 DƆ GEÐE le mía dzi míawɔ esi xexe sia ƒe nuwuwu le aƒe tum. (Mat. 24:14; Luka 10:2; 1 Pet. 5:2) Mí katã míedi be míawɔ míaƒe ŋutete katã na Yehowa. Mía nɔvi geɖe le woƒe subɔsubɔdɔa kekem ɖe enu. Ðewo hã di be yewoawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa. Bubuwo di be yewoasubɔ le Betel alo yewoakpe asi ɖe habɔbɔa ƒe xɔtudɔwo ŋu. Azɔ hã, nɔviŋutsu geɖewo le agbagba dzem be yewoadze anye subɔsubɔdɔwɔlawo alo hamemetsitsiwo. (1 Tim. 3:1, 8) Yehowa kpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne ekpɔ ale si eƒe amewo tsɔa wo ɖokuiwo nana faa be yewoawɔ dɔ nɛ.—Ps. 110:3; Yes. 6:8.

2. Aleke míate ŋu ase le mía ɖokui me ne míete ŋu ɖo míaƒe taɖodzinu aɖewo gbɔ le Yehowa subɔsubɔ me o?

2 Gake ne ɣeyiɣi geɖe va yi evɔ míete ŋu ɖo míaƒe taɖodzinu aɖewo gbɔ le Yehowa subɔsubɔ me oa, esia ate ŋu ate ɖe mía dzi. Ne le ƒe si míexɔ alo le susu aɖewo ta subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖewo mate ŋu asu mía si oa, dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo. (Lod. 13:12) Aleae wònɔ le Melissa * gome. Edzroe vevie be yeawɔ dɔ le Betel, alo ade Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua hafi, gake egblɔ be: “Le ƒe si mexɔ taa, subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ mawo mate ŋu asu asinye o. Eya ta ɣeaɖewoɣia, dzi ɖena le ƒonye.”

3. Nu kawoe wòahiã be ame aɖewo nawɔ hafi woadze axɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖewo?

3 Ne nɔvi aɖewo nye sɔhɛwo eye wole lãmesẽ me hã la, ate ŋu ahiã be woatsi le xɔse me eye woatu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui aɖewo ɖo hafi woadze axɔ agbanɔamedzi bubuwo. Ate ŋu anye be woƒe tagbɔ ɖa, wotea ŋu tsoa nya me kaba, eye wotsɔa dzo ɖe dɔ ŋu ya. Gake ate ŋu ahiã be woasrɔ̃ ale si woagbɔ dzi ɖi geɖe wu, woawɔ dɔ wòade edeƒe, alo woade bubu amewo ŋu geɖe wu. Ne èdze agbagba be nɔnɔme nyui siwo hiã nasu asiwò la, kaka nàkpɔ la, subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ nyui aɖe ava su asiwò esime mèle mɔ kpɔm nɛ o. Wò ya kpɔ ale si wòdzɔ le Nick gome ɖa. Esime wòxɔ ƒe 20 la, ete ɖe edzi ŋutɔ be womeɖo ye subɔsubɔdɔwɔla o. Egblɔ be, “Mesusu be ɖewohĩ kuxi aɖe nɔ ŋunye.” Gake Nick mena ta o. Eyi edzi wɔ eƒe ŋutete katã le Yehowa subɔsubɔ me. Egbea, enye Alɔdzekɔmiti aɖe me tɔ.

4. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

4 Ðe dzi ɖe le ƒowò le esi mète ŋu ɖo taɖodzinu aɖe gbɔ le Yehowa subɔsubɔ me o ta? Ne nenemae la, ke gblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me la na Yehowa. (Ps. 37:5-7) Bia nɔvi siwo tsi le xɔse me la woagblɔ nu siwo nàte ŋu awɔ be wò subɔsubɔdɔa naganyo ɖe edzi wu la na wò, eye dze agbagba nàwɔ ɖe aɖaŋu si woɖo na wò la dzi. Ne èwɔe alea la, subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ si dim nèle la ate ŋu asu asiwò alo àɖo wò taɖodzinua gbɔ. Gake abe ale si wònɔ le Melissa gome ene la, ɖewohĩ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ si dim nèle la mate ŋu asu asiwò fifia o. Ke nu kae nàwɔ? Nu kae nàte ŋu awɔ be nàyi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm? Be míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia sia la, nu siwo me míadzro le nyati sia mee nye (1) nu si nàwɔ be nàkpɔ dzidzɔ, (2) nu siwo nàwɔ be nàkpɔ dzidzɔ geɖe wu, kple (3) taɖodzinu siwo tɔgbi nàte ŋu aɖo na ɖokuiwò be nàkpɔ dzidzɔ geɖe wu.

NU KAE NÀWƆ BE NÀKPƆ DZIDZƆ?

5. Nu kae wòle be míawɔ be míakpɔ dzidzɔ? (Nyagblɔla 6:9)

5 Nyagblɔla 6:9 kpe ɖe mía ŋu míenya nu si míate ŋu awɔ be míakpɔ dzidzɔ. (Xlẽe.) Ame si kpɔa dzidzɔ ɖe ‘nu si eƒe ŋku kpɔ ŋu’ la kpɔa ŋudzedze eƒe ŋutetewo kple nu si le esi fifia ŋu. Gake ame si nɔa eƒe nudzodzrowo yome la tsɔa eƒe susu ɖoa nu siwo mate ŋu asu esi o la ŋu. Nufiame kae le eme na mí? Nu si míawɔ be míakpɔ dzidzɔe nye be, míatsɔ míaƒe susu aɖo nu si le mía si kple taɖodzinu siwo gbɔ míate ŋu aɖo la ŋu.

6. Lododo ka mee míadzro fifia, eye nu kae míasrɔ̃ tso eme?

6 Ðe wòanya wɔ nyateƒe be míayi edzi anɔ ŋudzedze kpɔm ɖe nu si le mía si la ko ŋua? Ame geɖe susu be manya wɔ o le esi le dzɔdzɔme nu la míedina be míasrɔ̃ nu yeyewo ta. Gake anya wɔ. Ɛ̃, míate ŋu akpɔ dzidzɔ ɖe nu siwo míaƒe “ŋku kpɔ” la ŋu. Aleke míate ŋu awɔ esia? Na míakpɔ lo si Yesu do ku ɖe talentowo ŋu si dze le Mateo 25:14-30 ne míakpɔ ale si esia anya wɔe ɖa. Ne míele lododoa me dzrom la, akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu si míawɔ be míakpɔ dzidzɔ ɖe nu si le mía si la ŋu kple nu si míawɔ be míagakpɔ dzidzɔ geɖe wu.

NU SIWO NÀWƆ BE NÀKPƆ DZIDZƆ GEÐE WU

7. Gblɔ Yesu ƒe lododo si ku ɖe talentoawo ŋu la kpuie.

7 Le lododoa me la, ŋutsu aɖe ɖoe be yeazɔ mɔ. Gake hafi wòadzo la, eyɔ eƒe kluviwo eye wòtsɔ talentowo na wo be woatsɔ atsa asi. * Esi wònya wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋutete ta la, etsɔ talento atɔ̃ na kluvi ɖeka, etsɔ eve na kluvi bubu, eye wòtsɔ ɖeka na kluvi etɔ̃lia. Kluvi eve gbãtɔawo ku kutri tsɔ woƒe talentoawo tsa asi hekpɔ viɖe ɖe edzi. Gake kluvi etɔ̃lia ya metsɔ eƒe talentoa wɔ naneke o, eya ta eƒe aƒetɔa xɔ dɔ le esi.

8. Susu ka tae kluvi gbãtɔa anya kpɔ dzidzɔ ɖo?

8 Kluvi gbãtɔa anya kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be yeƒe aƒetɔ tsɔ talento atɔ̃ na ye be yeatsɔ atsa asi. Ga gbogbo aɖe ŋutɔe nye ema, eye eɖe ale si gbegbe eƒe aƒetɔa ka ɖe edzi la fia! Ke kluvi evelia ya ɖe? Dzi ate ŋu aɖe le eƒo be talento siwo yexɔ la mede kluvi gbãtɔ tɔ nu o. Gake aleke wòwɔ nui?

Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso kluvi evelia si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe lododoa me la gbɔ? (1) Eƒe aƒetɔa tsɔ talento eve nɛ. (2) Etsɔ eƒe aƒetɔa ƒe talentoawo tsa asi hekpɔ viɖe ɖe wo dzi. (3) Ekpɔ talento eve kpe eve siwo eƒe aƒetɔa tsɔ nɛ (Kpɔ memama 9-11 lia)

9. Nya kae Yesu megblɔ tso kluvi evelia ŋu o? (Mateo 25:22, 23)

9 Xlẽ Mateo 25:22, 23. Yesu megblɔ be kluvi evelia do dziku le esi wotsɔ talento eve pɛ ko nɛ ta o. Eye Yesu megblɔ be kluvi evelia to nyatoƒoe o. Kluvia megblɔ be: ‘Ga sia koe mexɔa? Mate ŋu awɔ dɔ abe kluvi gbãtɔa ene hafie! Ne nye aƒetɔ meka ɖe dzinye o la, ke maɖi eƒe talento eveawo ɖe do me eye makpɔ nye ŋutɔ nye dɔ gbɔ mawɔ.’

10. Nu kae kluvi evelia tsɔ eƒe talentoawo wɔ?

10 Kluvi evelia hã do vevie nu wɔ dɔ dzi talento si eƒe aƒetɔ tsɔ nɛ la ɖe edzi zi gbɔ zi eve. Aƒetɔa ɖo eteƒe na kluvia ɖe eƒe dɔ sesẽ wɔwɔ ta. Menye ɖeko aƒetɔa kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu ko evɔ o, ke boŋ egade dɔ geɖe asi nɛ!

11. Nu kae nàwɔ be nàkpɔ dzidzɔ geɖe wu?

11 Nenema kee míawo hã míakpɔ dzidzɔ geɖe wu ne míelé fɔ ɖe dɔ ɖe sia ɖe si wode asi na mí le Yehowa subɔsubɔ me la ŋu. Lé fɔ ɖe nya nyui gbɔgblɔ dɔa ŋu eye nàkpe asi ɖe hamea me dɔwo ŋu bliboe. (Dɔw. 18:5; Heb. 10:24, 25) Dzra ɖo nyuie hafi nàde kpekpeawo kple susu be nàɖo nya ŋu atsɔ ade dzi ƒo na ame bubuwo. Ne wobia tso asiwò be nàkpe asi ɖe dɔ aɖewo ŋu le hamea me la, wɔe ɖe ɣeyiɣi dzi eye nànye ame si dzi woate ŋu aka ɖo. Mègabu dɔ si wode asi na wò la be mele vevie o alo be ele ɣeyiɣi gblẽm na wò o. Dze agbagba be nàbi ɖe dɔa wɔwɔ me. (Lod. 22:29) Ne èlé fɔ ɖe subɔsubɔdɔwo kple wò dɔdeasiwo ŋu la, àyi ŋgɔ kabakaba eye ànɔ dzidzɔ geɖe wu kpɔm. (Gal. 6:4) Azɔ hã, anɔ bɔbɔe na wò be nàkpɔ dzidzɔ kple nɔvi siwo wode dɔ aɖe si nàdi be yeaxɔ hafi la asi na.—Rom. 12:15; Gal. 5:26.

12. Nu kawoe Melissa kple Nick wɔ si wɔe be wokpɔ dzidzɔ geɖe wu?

12 Èɖo ŋku nɔvinyɔnu Melissa, si di be yeawɔ dɔ le Betel alo ade Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Suku la dzia? Togbɔ be eƒe didia meva eme nɛ o hã, egblɔ be: “Meƒo ɖokuinye ɖe gbesiagbe mɔɖeɖedɔa me bliboe, eye mete gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnu vovovoawo katã hã kpɔ. Esia na mekpɔ dzidzɔ geɖe.” Eye nu kae Nick, si nɔ mɔ kpɔm be woaɖo ye subɔsubɔdɔwɔla evɔ eƒe didia meva eme nɛ ɣemaɣi o la, wɔ be dzi meɖe le eƒo o? Egblɔ be, “Melé fɔ ɖe nu siwo mate ŋu awɔ ɣemaɣi ŋu; eyae nye be meƒo ɖokuinye ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe eye meɖoa nya ŋu le kpekpewo me tsɔ dea dzi ƒo na ame bubuwo. Azɔ hã, meva de asi agbalẽ te be mawɔ dɔ le Betel eye le ƒe si kplɔe ɖo me la, wokpem be mava wɔ dɔ le afi ma.”

13. Ne èlé fɔ ɖe subɔsubɔdɔ si wɔm nèle fifia ŋu la, nu kae ado tso eme? (Nyagblɔla 2:24)

13 Ne èlé fɔ ɖe subɔsubɔdɔ si wɔm nèle fifia ŋu la, ɖe subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ bubuwo ava su asiwòa? Ate ŋu ava eme nenema, abe ale si wònɔ le Nick gome ene. Gake ne meva eme alea o hã la, abe Melissa enea, dzi adzɔ wò ɖe dɔ si wɔm nèle na Yehowa fifia ŋu, eye wò dzi adze eme. (Xlẽ Nyagblɔla 2:24.) Azɔ hã, àkpɔ dzidzɔ ŋutɔ be míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo kpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo dzem nèle la ŋu.

TAÐODZINU SIWO ATE ŊU ANA NÀKPƆ DZIDZƆ GEÐE WU

14. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe taɖodzinuwo ɖoɖo ŋu?

14 Ne míeléa fɔ ɖe subɔsubɔdɔ siwo wɔm míele fifia ŋu la, ɖe esia fia be mehiã be míagawɔ geɖe wu na Yehowa oa? Mefia nenema kura o! Ele be míaɖo taɖodzinu siwo akpe ɖe mía ŋu be míagabi ɖe edzi le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me eye míakpe ɖe mía nɔvi Kristotɔwo ŋu. Ne míebɔbɔ mía ɖokui eye mímetsɔ susu ɖo míawo ŋutɔwo ɖokui dzi o, ke boŋ míetsɔ susu ɖo ale si míasubɔ ame bubuwo ŋua, míaɖo taɖodzinu mawo gbɔ.—Lod. 11:2; Dɔw. 20:35.

15. Taɖodzinu kawoe nàte ŋu aɖo na ɖokuiwò si awɔe be nàkpɔ dzidzɔ geɖe?

15 Taɖodzinu kawoe nàte ŋu aɖo na ɖokuiwò? Bia Yehowa wòakpe ɖe ŋuwò nànya taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo bɔbɔe. (Lod. 16:3; Yak. 1:5) Ðe nàte ŋu aɖo taɖodzinu siwo ŋu míeƒo nu tsoe le  memama gbãtɔ me la dometɔ aɖewo gbɔa? Ðewohĩ àte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu alo gbesiagbe mɔɖeɖedɔa, alo asubɔ le Betel loo alo akpe asi ɖe habɔbɔa ƒe xɔtudɔwo ŋu. Ðewohĩ àte ŋu asrɔ̃ gbe bubu aɖe alo aʋu avae ɖe gbeƒã le nuto bubu aɖe me. Àte ŋu aku nu me tso taɖodzinu mawo ŋu le agbalẽ si nye Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ ƒe ta 10 lia me alo àte ŋu aɖo dze kple miaƒe hamemetsitsiwo tso wo ŋu. * Ne èle agbagba dzem be yeaɖo taɖodzinu mawo gbɔa, wò ŋgɔgbedede adze ƒãa eye àkpɔ dzidzɔ geɖe.

16. Ne màte ŋu aɖo taɖodzinu aɖe gbɔ fifia oa, nu kae nàte ŋu awɔ?

16 Ke ne màte ŋu aɖo taɖodzinu siwo ŋu míeƒo nu tsoe la dometɔ aɖeke gbɔ o ɖe? Nu vevitɔe nye be nàɖo taɖodzinu aɖe si gbɔ nàte ŋu aɖo la na ɖokuiwò. Bu esiwo gbɔna la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

Taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo la dometɔ aɖe ɖe? (Kpɔ memama 17 lia) *

17. Le 1 Timoteo 4:13, 15 ƒe nya nua, nu kawoe nɔviŋutsu aɖe ate ŋu awɔ be wòava bi ɖe nufiafia me?

17 Xlẽ 1 Timoteo 4:13, 15. Ne nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔe nènyea, àte ŋu aɖoe be yeagabi ɖe nuƒoƒo kple nufiafia me. Nu ka tae? Elabe ne èlé fɔ ɖe nuxexlẽ, nuƒoƒo kple nufiafia ŋua, aɖe vi na wò nyaselawo. Dze agbagba nàsrɔ̃ nuƒoƒo ƒe nudidi ɖe sia ɖe si le Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia gbalẽ gbadzaa me eye nàwɔ wo ŋu dɔ. Ne èsrɔ̃ nudidi aɖe vɔ la, dze agbagba nàwɔ eŋu dɔ le aƒe me wòama wò, eye nàzãe le wò dɔdeasiwo me le hamea me. Xɔ aɖaŋuɖoɖo tso aɖaŋuɖola kpeɖeŋutɔ alo hamemetsitsi bubu siwo doa vevie nu le nuƒoƒo kple nufiafia me la gbɔ. * (1 Tim. 5:17) Wò susu meganɔ nuƒoƒo ƒe nudidiawo gɔmesese ɖeɖe ko ŋu o, ke boŋ nenɔ ale si nàzã wo atsɔ ado ŋusẽ wò nyaselawo ƒe xɔse alo aʋã wo woaɖe afɔ la hã ŋu. Ne èwɔe alea, wò kpli wo siaa miakpɔ dzidzɔ geɖe.

Taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo la dometɔ aɖe ɖe? (Kpɔ memama 18 lia) *

18. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagabi ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me nyuie wu?

18 Wode dɔ asi na mí katã be míaɖe gbeƒã nya nyuia eye míawɔ amewo nusrɔ̃lawo. (Mat. 28:19, 20; Rom. 10:14) Ðe nàdi be yeagabi ɖe dɔ sia si le vevie wu bubu ɖe sia ɖe la mea? Srɔ̃ Nufiafia ƒe agbalẽ gbadzaa eye nàɖoe wò taɖodzinu be nàwɔ ɖe nu siwo nèsrɔ̃ la dzi. Àte ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui bubuwo le Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ kple kpɔɖeŋudzeɖonya ƒe video siwo míekpɔna le kwasiɖa domedome kpekpea me la me. Te mɔnu vovovo siwo ɖea vi la kpɔ. Ne èwɔe alea la, kakaɖedzi li be àva bi ɖe subɔsubɔdɔa me nyuie eye àkpɔ dzidzɔ geɖe.—2 Tim. 4:5.

Taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo la dometɔ aɖe ɖe? (Kpɔ memama 19 lia) *

19. Nu kae nàte ŋu awɔ be nàsrɔ̃ Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo?

19 Ne èle taɖodzinu siwo nàɖo na ɖokuiwò ŋu bum la, mègaŋlɔ nu vevi ɖeka aɖe ya be o. Eyae nye be nàsrɔ̃ Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo. (Gal. 5:22, 23; Kol. 3:12; 2 Pet. 1:5-8) Aleke nàte ŋu awɔ esiae? Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be èdi be yeado ŋusẽ yeƒe xɔse. Ðewohĩ àxlẽ nyati aɖewo le míaƒe agbalẽwo me be nàkpɔ aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe ŋuwò be nàdo ŋusẽ wò xɔse. Ne èkpɔ JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔnaa ƒe video aɖewo siwo ɖe ale si nɔvi aɖewo ɖo kpɔɖeŋu nyui esime wonɔ nɔnɔme sesẽwo me tom la fia, aɖe vi na wò. Eyome de ŋugble le ale si nàte ŋu asrɔ̃ woƒe xɔse le wò agbenɔnɔ me la ŋu.

20. Nu kae míawɔ be míakpɔ dzidzɔ geɖe eye míaɖe nu siwo wɔnɛ be dzi ɖena le mía ƒo la dzi akpɔtɔ?

20 Ðikeke mele eme o be, mí katã míedi be míagawɔ geɖe na Yehowa wu esi wɔm míele fifia. Le Mawu ƒe xexe yeyea me la, míate ŋu asubɔe bliboe ale si míedi. Gake fifia, ne míewɔa mɔnukpɔkpɔ siwo su mía si ŋu dɔ nyuie la, míate ŋu akpɔ dzidzɔ geɖe, eye míaɖe nu siwo wɔnɛ be dzi ɖena le mía ƒo la dzi akpɔtɔ. Esi gale vevie wue nye be, míade bubu Yehowa, mía “Mawu dzidzɔtɔ” la ŋu, eye míakafu eƒe ŋkɔ. (1 Tim. 1:11) Eya ta mina míakpɔ dzidzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ siwo su mía si fifia la ŋu!

HADZIDZI 82 “Mina Miaƒe Kekeli Naklẽ”

^ mm. 5 Míelɔ̃ Yehowa vevie eye míedina be míawɔ míaƒe ŋutete katã le eƒe subɔsubɔdɔa me. Le esia ta, míedina be míawɔ geɖe le míaƒe subɔsubɔdɔa me alo míedzea agbagba be míadze axɔ agbanɔamedzi bubuwo le hamea me. Ke ne míedze agbagba ʋuu evɔ míete ŋu ɖo míaƒe taɖodzinu aɖewo gbɔ o ɖe? Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi míaƒe subɔsubɔdɔa dzi eye míanɔ dzidzɔ kpɔm? Míakpɔ ŋuɖoɖoawo le lo si Yesu do ku ɖe talentowo ŋu la me.

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 7 NYAMEÐEÐE: Talento ɖeka nye ga home si apaɖila akpɔ ne ewɔ dɔ ƒe 20.

^ mm. 15 Wode dzi ƒo na nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔwo be woaʋli vevie be woadze anye subɔsubɔdɔwɔlawo kple hamemetsitsiwo. Àkpɔ nudidi siwo gbɔ wòle be woaɖo la le Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ gbalẽa ƒe ta 5 kple 6 lia me.

^ mm. 17 NYAMEÐEÐE: Aɖaŋuɖola kpeɖeŋutɔ nye hamemetsitsi aɖe si wode dɔ asi na be ne hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo wɔ dɔdeasi aɖe le hamea me vɔ la, wòaɖo aɖaŋu na wo ɣebubuɣi ne ehiã.

^ mm. 64 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Esi nɔviŋutsu aɖe ɖoe eƒe taɖodzinu be yeazu nufiala bibi ta la, ele nu me kum le míaƒe agbalẽwo me.

^ mm. 66 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvinyɔnu aɖe si ɖoe be yeagabi ɖe vomeɖaseɖiɖi me la tsɔ kadodogbalẽvi aɖe le nudzrala aɖe nam le nuɖuɖudzraƒe.

^ mm. 68 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvinyɔnu aɖe si ɖoe be yeaganyo dɔme na amewo geɖe wu la tsɔ nunana aɖe yi na nɔvinyɔnu aɖe.