Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 34

Ale Si ‘Míaɖɔ Yehowa Ƒe Nyuiwɔwɔ Kpɔ’

Ale Si ‘Míaɖɔ Yehowa Ƒe Nyuiwɔwɔ Kpɔ’

“Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔe be Yehowa nyo; dzidzɔtɔe nye ame si sinɛ tsona.”—PS. 34:8.

HADZIDZI 117 Nyuiwɔwɔ Le Vevie

NYA VEVIAWO *

1-2. Le Psalmo 34:8 ƒe nya nua, aleke míawɔ akpɔe adze sii be Yehowa nyo?

TSƆE be wotsɔ nuɖuɖu aɖe si mèɖu kpɔ oa na wò be nàɖu, nu kae nàwɔ? Be nàkpɔe ɖa be nuɖuɖua avivi ye nua, ɖewohĩ àlé ŋku ɖe eŋu aʋẽe se, akpɔe ɖa be nu kawoe wotsɔ wɔe hã, alo àbia amewo ƒe susu tso eŋu. Ke hã le nyateƒe mea, ɖeko nàɖɔe kpɔ hafi anya nenye be evivi.

2 Míate ŋu asrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ŋu ne míexlẽa Biblia kple habɔbɔa ƒe agbalẽwo, eye míesee mía nɔviwo ƒo nu tso ale si Yehowa yra woe ŋu. Gake ne míawo ŋutɔwo míeɖɔ Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ kpɔ hafi ko míate ŋu aɖo kpe edzi na mía ɖokui be Yehowa nyo. (Xlẽ Psalmo 34:8.) Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ. Tsɔe be míedi be míawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa, gake hafi míate ŋu awɔea, ehiã be míanɔ agbe tsɛ. Ðewohĩ míeɖo ŋku ŋugbe si Yesu do be ne míetsɔ Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔa, Yehowa akpɔ míaƒe nuhiahiã veviwo gbɔ na mí la dzi, gake míekpɔe be ŋugbedodo ma meva eme na míawo ya kpɔ o. (Mat. 6:33) Ke hã, esi míexɔ ŋugbe si Yesu do dzi se taa, míeɖe míaƒe gazazãwo kple gaƒoƒo si míetsɔ wɔa dɔ la dzi kpɔtɔ ale be míakpɔ ɣeyiɣi atsɔ awɔ subɔsubɔdɔa. Ne míewɔe alea, míawo ŋutɔwo míava kpɔe kɔtɛ le míaƒe agbe me be Yehowa léa be na mí eye wòkpɔa míaƒe nuhiahiã veviwo gbɔ na mí. Esia fia be míawo ŋutɔwo ‘míeɖɔ’ Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ kpɔ.

3. Le Psalmo 16:1, 2 ƒe nya nua, ame kawoe Yehowa wɔa nyui na?

3 Yehowa “wɔa nyui na amewo katã,” ewɔa nyui na ame siwo mesubɔnɛ o gɔ̃ hã. (Ps. 145:9; Mat. 5:45) Gake vevietɔ wua, ewɔa nyui na ame siwo subɔnɛ kple dzi blibo eye wòyraa wo geɖe. (Xlẽ Psalmo 16:1, 2.) Na míade dzesi mɔ siwo nu Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ɖea vi na mí lea dometɔ aɖewo.

4. Aleke Yehowa wɔa nyui na ame siwo le nu srɔ̃m tso eŋu be yewoava zu exɔlɔ̃wo?

4 Esi míeva te nusrɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu eye míeva le wɔwɔm ɖe nu siwo srɔ̃m míele dzia, míekpɔe be wole vi ɖem na mí le míaƒe agbenɔnɔ me. Le kpɔɖeŋu me, esi míesrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu eye míeva lɔ̃e la, ekpe ɖe mía ŋu míeɖe asi le nuŋububu kple nuwɔna siwo medzea eŋu oa ŋu. (Kol. 1:21) Eye esi míetsɔ míaƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔa, egawɔ nyui na mí le mɔ ɖedzesi aɖe nu esi wòna dzitsinya nyui su mía si eye wòte mí ɖe eɖokui ŋu míeva zu exɔlɔ̃wo.—1 Pet. 3:21.

5. Aleke Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ɖea vi na mí le gbeƒãɖeɖedɔa me?

5 Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ɖea vi na mí le gbeƒãɖeɖedɔa hã me. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ŋu kpea wò abe ale si wònɔ le Ðasefo geɖe gome ene. Ðewohĩ tsãa, meva susu me na wò kpɔ be yeate ŋu ayi ɖe ame aɖe si yemedze si o ƒe aƒe me, aƒo nu tso Biblia ŋu nɛ o. Gake fifia, èva bi ɖe eme. Yehowa kpe ɖe ŋuwò be vivivia, gbeƒãɖeɖedɔa va le nuwò vivim. Azɔ hã, Yehowa kpe ɖe ŋuwò be nète ŋu léa ɖokuiwò ne amewo mexɔ wò nyuie le gbeadzi o hã. Eye ekpe ɖe ŋuwò be, ne ame aɖewo gbe be yewomaɖo to wò o hã, ema meɖea dzi le ƒowò o. Tsɔ kpe ɖe eŋua, ekpe ɖe ŋuwò be ne èdo go ame aɖe si tsɔ ɖe le nyaa mea, ètea ŋu ɖoa ŋku mawunyakpukpui si sɔ dzi tsɔ ɖea nu me nɛ.—Yer. 20:7-9.

6. Aleke Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ dzena le hehe si wònana mí me?

6 Azɔ hã, Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ dzena le ale si wònaa hehe mí be míawɔ gbeƒãɖeɖedɔa me. (Yoh. 6:45) Le míaƒe kwasiɖa domedome kpekpeawo mea, wozãa kpɔɖeŋudzeɖonya siwo ŋu wotrɔ asi le nyuie la tsɔ wɔa ale si míate ŋu aɖe gbeƒã na amewo ƒe wɔwɔfia na mí, eye wodea dzi ƒo na mí be míawo hã míawɔe nenema le gbeadzi. Gbãa, míate ŋu avɔ̃ be míate mɔnu yeye siawo akpɔ, gake ne míetee kpɔa, míava kpɔe be esɔ na míaƒe anyigbamamaa me tɔwo ŋutɔ. Nenema kee wodea dzi ƒo na mí le kpekpeawo kple takpekpewo me be míazã gbeƒãɖeɖemɔnu yeye aɖewo. Esi wònye be míezã wo kpɔ o taa, gbãa, míavɔ̃ vie gake ne míete wo zazã kpɔa, Yehowa ayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi. Azɔ míakpɔ mɔ siwo dzi míate ŋu ato asubɔ Yehowa le bliboe aleke kee míaƒe nɔnɔmewo ɖale o, kple ale si Yehowa ayra mí ne míewɔ esia. Eyome míadzro mɔ siwo dzi míato akeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu la hã me.

YEHOWA YRAA AME SIWO ÐOA ŊU ÐE EŊU BLIBOE

7. Aleke Yehowa yraa mí ne míekeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu?

7 Míegatena ɖe Yehowa ŋu geɖe wu. Bu hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Samuel * kple srɔ̃a siwo le Colombia ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Srɔ̃tɔ siawo nɔ mɔɖeɖedɔa wɔm kple dzidzɔ le woƒe hamea me, gake wodi be yewoakeke yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu avae kpe ɖe hame aɖe si me hiahiã geɖe lea ŋu. Ke hã, eva hiã be woatsɔ nanewo asa vɔ hafi ate ŋu awɔ esia. Samuel gblɔ be: “Míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Mateo 6:33 dzi eye míedzudzɔ nu siwo mehiã mí ŋutɔŋutɔ oa ƒeƒle. Gake nu si sesẽ na mí ŋutɔe nye be, míaʋu le míaƒe aƒea me elabe aƒea dze eme na mí ŋutɔ.” Le teƒe si wova nɔ subɔsubɔm lea, woƒe gazazã dzi ɖe kpɔtɔ zi gbɔ zi ade sɔŋ. Samuel gblɔ be: “Míekpɔe dze sii be Yehowa fia mɔ mí eye wòɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu. Fifia, míele sesem le mía ɖokuiwo me be Yehowa lɔ̃ mí eye ekpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu ŋutɔ. Do ŋgɔ na esia, míese le mía ɖokuiwo me alea kpɔ o.” Ðe wò hã àte ŋu akeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enua? Ne èwɔ esiaa, ana nàte ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli eye eya hã alé be na wò ale si dze.—Ps. 18:25.

8. Nu kae nèsrɔ̃ tso Ivan kple Viktoria gbɔ?

8 Míekpɔa dzidzɔ le subɔsubɔdɔa me. Ivan kple Viktoria, siwo nye srɔ̃tɔ mɔɖelawo siwo le subɔsubɔm le Kyrgyzstan la kpɔ dzidzɔ sia tɔgbi. Wodze agbagba be yewoanɔ agbe tsɛ ale be yewoate ŋu atsɔ yewo ɖokuiwo ana faa awɔ dɔ ɖe sia ɖe si habɔbɔa ade yewo si. Ivan gblɔ be: “Dɔ ka kee wode mía si o, míedzea agbagba be míaƒo mía ɖokui ɖe eme bliboe. Esia nana ɖeɖi tea mía ŋu ɣeaɖewoɣi, gake esi míenyae be Yehowa ye míele dɔ wɔm na ta, míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme le ewɔwɔ me. Xɔlɔ̃ geɖe hã va su mía si, eye ne míeɖo ŋku dɔ siwo mía kpli wo míewɔ ɖekae dzia, dzi dzɔa mí ŋutɔ.”—Marko 10:29, 30.

9. Nu kae nɔvinyɔnu tsitsi aɖe wɔ be wòkeke eƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu, eye nu kae do tso eme?

9 Ne tsitsi alo lãmesẽnyawo le fu ɖem na mí hã, míate ŋu akpɔ dzidzɔ le subɔsubɔdɔa me. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu ahosi aɖe si ŋkɔe nye Mirreh eye wònye ɖɔkta le Ɣetoɖoƒe Afrika la va xɔ dzudzɔ le dɔme hedze mɔɖeɖedɔa gɔme. Ke hã, ŋuɖuidɔ vɔ̃ɖi aɖe nɔ eŋu si wɔe be, gaƒoƒo ɖeka ko wòtea ŋu wɔna le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me. Eya ta, ezã dutoƒoɖaseɖiɖi ƒe kekevia be yeawɔ geɖe le gbeadzi. Esia wɔe be tɔtrɔyi kple nusrɔ̃vi geɖe va su esi, eye wòsrɔ̃a nu kple wo dometɔ geɖe le telefon dzi. Gake nu ka tututue ʋã Mirreh si wɔe be wòle agbagba dzem be yeawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me? Egblɔ be: “Mekpɔ ŋudzedze ɖe nu nyui si Yehowa kple Yesu Kristo wɔ nam la ŋu ŋutɔ, eye medoa gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye mawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me.”—Mat. 22:36, 37.

10. Abe ale si 1 Petro 5:10 ɖee fia enea, nu kae Yehowa wɔna na ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo nɛ faa?

10 Míegaxɔa hehe bubuwo tso Yehowa gbɔ. Esia va eme na Kenny si nye mɔɖela le Mauritius. Esi wòxɔ nyateƒea, edzudzɔ yunivɛsitidede va xɔ nyɔnyrɔ eye wòdze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme. Kenny gblɔ be, “Medzea agbagba be mawɔ nu abe nyagblɔɖila Yesaya si gblɔ be, ‘Nyee nye esi! Dɔm!’ la ene.” (Yes. 6:8) Kenny kpe asi ɖe habɔbɔa ƒe xɔtudɔ vovovowo ŋu, eye wòkpe asi ɖe eŋu hã be woɖe míaƒe agbalẽwo gɔme ɖe wo degbe me. Egblɔ be: “Mexɔ hehe siwo hiã be mate ŋu awɔ nye dɔdeasiawo nyuie.” Gake menye nu mawo koe Kenny srɔ̃ o. Egblɔ kpee be: “Hehe si mexɔa na meva de dzesi nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple ale si mawɔ atu nɔnɔme nyuiwo ɖo ale be nye nu nadze Yehowa ŋu.” (Xlẽ 1 Petro 5:10.) Ðe manyo be nàde ŋugble le wò nɔnɔmea ŋu akpɔe ɖa be, ɖe nàte ŋu atsɔ ɖokuiwò ana be Yehowa nana hehe bubuwo wò, ale be wòate ŋu azã wò le subɔsubɔdɔa me bliboe oa?

Atsu kple asi aɖe le gbeƒã ɖem le teƒe aɖe si Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe hiã le; nɔvinyɔnu sɔhɛ aɖe le asi kpem ɖe Fiaɖuƒe Akpata tutu dɔ aɖe ŋu; atsu kple asi aɖe siwo tsi le ƒe me la le ɖase ɖim to telefon dzi. Nɔvi siawo katã le dzidzɔ geɖe kpɔm le woƒe subɔsubɔdɔa me (Kpɔ memama 11 lia)

11. Nu kae nɔvinyɔnu tsitsi aɖewo siwo le South Korea la wɔ be wote ŋu ɖe gbeƒã, eye nu kae do tso eme? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

11 Yehowa ƒe hehenana ate ŋu aɖe vi na ame siwo le subɔsubɔdɔa wɔm ƒe geɖee nye esia hã, ne wodze agbagba be yewoate mɔnu yeyewo kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, le COVID-19 dɔvɔ̃a ƒe ɣeyiɣia mea, hame aɖe si le South Korea ƒe hamemetsitsiwo gblɔ be: “Nɔvi siwo susuna tsã be yewomate ŋu awɔ subɔsubɔdɔa o le yewoƒe lãmegbegblẽ taa va le gbeƒã ɖem fifia to videokadodo dzi. Nɔvinyɔnu tsitsi etɔ̃ aɖewo siwo xɔ ƒe 80 kple edzivɔ la srɔ̃ ale si woatsɔ kɔmpiuta ado ka kple amewo, eye woto mɔ sia dzi le gbeƒã ɖem gbe sia gbe kloe.” (Ps. 92:14, 15) Ðe wò hã àdi be yeakeke yeƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu ale be nàɖɔ Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ kpɔ geɖe wua? Na míadzro afɔɖeɖe ene aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia me.

AFƆ SIWO NÀTE ŊU AÐE BE NÀWƆ GEÐE LE YEHOWA SUBƆSUBƆ ME

12. Nu kae Yehowa ɖo be yeawɔ na ame siwo ɖoa ŋu ɖe ye ŋu?

12 Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Yehowa do ŋugbe na mí be ne míeɖo ŋu ɖe ye ŋu eye míesubɔ ye tso dzi blibo mea, yeadudu yayrawo akɔ ɖe mía dzi. (Mal. 3:10) Alea tututue wòva eme na nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Fabiola si le Colombia. Esi wònya xɔ nyɔnyrɔ koa, eɖoe be yeawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa. Ke hã, eyae wɔa dɔ kpɔa srɔ̃a kple via etɔ̃awo dzi. Eya ta, hafi wòaxɔ dzudzɔ le dɔmea, edo gbe ɖa na Yehowa vevie be wòakpe ɖe ye ŋu. Nɔvinyɔnua gblɔ be: “Ne amewo xɔ dzudzɔ le dɔmea, exɔa ɣeyiɣi didi aɖe hafi wodzea dzudzɔxɔxɔ le dɔme ƒe fetu xexe na wo, gake tɔnye ya te vava le ɣleti ɖeka pɛ ko megbe. Ewɔ nuku ŋutɔ!” Ɣleti eve megbea, Fabiola dze mɔɖeɖedɔa gɔme. Fifia, exɔ ƒe 70 kple edzivɔ eye wòle mɔɖeɖedɔa wɔm ƒe 20 kple edzivɔe nye esia. Ekpe ɖe ame enyi ŋu wova xɔ nyɔnyrɔ. Fabiola gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣia, nu tia kɔ nam, gake Yehowa kpena ɖe ŋunye gbe sia gbe be mayi mɔɖeɖedɔa dzi.”

Aleke Abraham kple srɔ̃a Sara, Yakob kpakple nunɔla siwo tso Yordan Tɔsisia ɖee fia be yewoɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe? (Kpɔ memama 13 lia)

13-14. Kpɔɖeŋu kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye míawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me?

13 Srɔ̃ nu tso ame siwo ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋua ƒe kpɔɖeŋuwo me. Biblia ƒo nu tso ame siwo ku kutri le Yehowa subɔsubɔ mea dometɔ geɖe ŋu. Le wo dometɔ geɖe gomea, woawo ŋutɔe ɖe afɔ gbã hafi Yehowa yra wo etɔxɛe. Le kpɔɖeŋu me, ‘togbɔ be Abraham menya afi si yim wònɔ o hã,’ esime wòɖe afɔ do go le eƒe me ko hafi Yehowa yrae. (Heb. 11:8) Nenema kee esi Yakob te kame kple mawudɔla aɖe vɔ megbe ko hafi woyrae etɔxɛe. (1 Mose 32:24-30) Eye hafi Israel dukɔa nage ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzia, esi nunɔlawo de afɔ Yordan Tɔsisia me ko hafi dukɔa te ŋu tso tɔa.—Yos. 3:14-16.

14 Mía nɔvi siwo ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye wole geɖe wɔm le subɔsubɔdɔa me egbea hã ƒe kpɔɖeŋuwo ate ŋu aɖe vi na wò. Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu Payton kple srɔ̃a Diana lɔ̃a nɔvi siwo keke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enua ƒe ŋutinyawo xexlẽ le míaƒe agbalẽwo me. Ŋutinya mawo dometɔ geɖe dze le nyati siwo ƒe tanyae nye “Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa” * la me. Nɔviŋutsu Payton gblɔ be: “Ne míele woƒe nuteƒekpɔkpɔwo xlẽm la, ɖeko wòwɔna na mí abe ɖe míele ame ɖe kpɔm wòle nu vivi aɖe ɖum ene. Ɣesiaɣi si míele nyati mawo xlẽm la, míegadina vevie be ‘míaɖɔe kpɔ, ne míakpɔe be Yehowa nyo’.” Emegbea, Payton kple Diana ʋu va subɔ le afi si hiahiã geɖe wu le. Ðe wò hã èxlẽ nyati siawo dometɔ aɖe kpɔa? Eye ɖe nèkpɔ video siwo nye Gbeƒãɖeɖe Le Nuto Saɖeaga Me—Australia kple Gbeƒãɖeɖe Le Nuto Saɖeaga Me—Ireland siwo le jw.org la hã kpɔa? Nyati kple video siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdi mɔ siwo dzi nàto akeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu.

15. Ne míetia xɔlɔ̃ nyuiwoa, aleke esia aɖe vi na mí?

15 Tia xɔlɔ̃ siwo akpe ɖe ŋuwò. Anɔ bɔbɔe be míaɖu nane si míeɖu kpɔ o ne míele ame siwo ɖunɛ xoxoa dome. Nenema kee ne míedea ha kple ame siwo tsɔ Yehowa subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe mea, anɔ bɔbɔe na mí be míakeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Aleae wònɔ na Kent kple Veronica. Kent gblɔ be: “Mía xɔlɔ̃wo kple míaƒe ƒometɔwo de dzi ƒo na mí be míate subɔsubɔmɔnu yeyewo kpɔ. Míekpɔe be esi míedea ha kple ame siwo tsɔ Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ ta, ekpe ɖe mía ŋu be míete ŋu te mɔnu yeyewo kpɔ.” Fifia, Kent kple srɔ̃a le subɔsubɔm le Serbia eye wonye mɔɖela veviwo.

16. Abe ale si lo si Yesu do le Luka 12:16-21 ɖee fia enea, nu ka tae wòle be míalɔ̃ faa atsɔ nanewo asa vɔe?

16 Tsɔ nuwo sa vɔ be nàwɔ subɔsubɔdɔa bliboe. Esia mefia kokoko be ele be míatsɔ nu sia nu si doa dzidzɔ na mí la asa vɔ hafi adze Yehowa ŋu o. (Nyagb. 5:19, 20) Ke hã, ne míete ŋu le subɔsubɔdɔa wɔm bliboe o, le esi mímedi be míaɖe asi le nu siwo doa dzidzɔ na mí ŋu o ta la, ema ate ŋu awɔe be míava ɖi ŋutsu aɖe si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe lododo aɖe me. Ŋutsua ku kutri wɔ dɔ vevie be yeakpɔ dzidzeme, gake metsɔ ɖeke le mawusubɔsubɔ me o. (Xlẽ Luka 12:16-21.) Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Christian si le France gblɔ be: “Tsãa, nyemekpɔa vovo ɖe nye ƒomea kple Yehowa subɔsubɔ ŋu o.” Christian kple srɔ̃a tso nya me be yewoawɔ mɔɖeɖedɔa. Gake esia bia be woaɖe asi le woƒe dɔwɔɖuiwo ŋu. Ke aleke woawɔ akpɔ wo ɖokuiwo dzi? Wova nɔ ɔfis kplɔm na amewo, eye wodze agbagba nɔ agbe ɖe ga sue si wokpɔ tso esia mea nu. Ðe nu siwo wotsɔ sa vɔe be yewoawɔ mɔɖeɖedɔa ɖe via? Christian gblɔ be: “Fifia míaƒe subɔsubɔdɔa le ku geɖe tsem eye míele dzidzɔ kpɔm hã, elabe míele kpekpem ɖe ame geɖewo ŋu be woava srɔ̃ nyateƒea.”

17. Nu kae ate ŋu axe mɔ na mí be míagate gbeƒãɖeɖemɔnu yeyewo kpɔ o?

17 Lɔ̃ faa nàte gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnu yeyewo kpɔ. (Dɔw. 17:16, 17; 20:20, 21) Le COVID-19 dɔvɔ̃a ƒe ɣeyiɣia mea, eva hiã be Shirley si nye mɔɖela le Amerika la natrɔ asi le mɔnu si dzi wòtona ɖea gbeƒã na amewoa ŋu. Tsãa, medina be yeaɖe gbeƒã na amewo to telefon dzi o. Gake esi nutome sue dzikpɔla va srã woƒe hamea kpɔ eye wòfia wo ale si woawɔea, eya hã va nɔ mɔnu ma zãm edziedzi. Shirley gblɔ be: “Gbãa, mevɔ̃ be manya wɔ nam o, gake fifia mele vivi sem nɛ ŋutɔ. Míekena ɖe ame geɖe ŋu to telefon dzi tsɔ wu esime míenɔ tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm!”

18. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaɖu kplamatsɛdonu siwo ate ŋu awɔe be mímawɔ geɖe na Yehowa o la dzi?

18 Ðo taɖodzinu eye nàdze agbagba nàɖo egbɔ. Zi geɖe ne míedo go kuxiwoa, míedoa gbe ɖa eye míebua nu siwo míawɔ atsɔ akpɔ kuxiawo gbɔ la ŋu. (Lod. 3:21) Nu siae Sonia si nye gbesiagbe mɔɖela eye wòle subɔsubɔm le Romanygbe dolawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si le Europa me la wɔ. Egblɔ be: “Meŋlɔa nu siwo medi be mawɔa ɖe pepa dzi dana ɖe ŋkukpɔƒe. Meda foto aɖe si me mɔ dzevee siwo ɖo ta teƒe vovovowo le la ɖe nye kplɔ̃ dzi. Ɣesiaɣi si wòhiã be matso nya me le nane ŋua, mebunɛ ko abe ɖe meva le mɔ dzevea nu ene, eye mebiana ɖokuinye be afi kae nyametsotso ma akplɔm ayi?” Sonia dzea agbagba be susu nyui nanɔ ye si ɖe yeƒe kuxiwo ŋu. Egblɔ be: “Ne medo go kplamatsɛdonu aɖea, ekpo ɖe nye ŋutɔ gbɔnye be mabui be enye gli aɖe si le mɔ xem nam be maɖo nye taɖodzinuwo gbɔ loo alo enye dzisasrã si akpe ɖe ŋunye be maɖo wo gbɔ.”

19. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míanɔ wɔwɔm?

19 Yehowa yraa mí le mɔ geɖe nu. Míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo wòwɔ na mí la ŋu ne míewɔa míaƒe ŋutete katã be míakafui. (Heb. 13:15) Míate ŋu awɔ esia ne míedzea agbagba be míate subɔsubɔmɔnu yeyewo kpɔ ale be Yehowa nagayra mí geɖe. Neva eme be gbe sia gbea, míawɔ nu siwo ana be ‘míaɖɔe kpɔ eye míakpɔe be Yehowa nyo.’ Esia afia be míele Yesu ƒe kpɔɖeŋua srɔ̃m esi wògblɔ be: “Nye nuɖuɖue nye be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu dɔ si wòde asi nam la nu.”—Yoh. 4:34.

HADZIDZI 80 “Miɖɔe Kpɔ, Eye Miakpɔe Be Yehowa Nyo”

^ mm. 5 Yehowa gbɔe nu nyuiwo katã tso. Ewɔa nyui na ame sia ame—ame vɔ̃ɖiwo gɔ̃ hã le eme. Gake vevietɔa, edzɔa dzi nɛ be yeawɔ nyui na ye subɔla wɔnuteƒewo. Le nyati sia mea, míadzro ale si Yehowa wɔa nyui na esubɔlawoa me. Azɔ hã, míadzro mɔ tɔxɛ siwo nu Yehowa wɔa nyui na ame siwo wɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me hã me.

^ mm. 7 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 14 Tsãa, wotaa nyati siawo ɖe míaƒe Gbetakpɔxɔ me, gake fifia, wole jw.org. Yi ɖe MÍA ŊU NYAWO > NUTEƑEKPƆKPƆWO > TAÐODZINUWO GBƆ ÐOÐO LE MAWU SUBƆSUBƆ ME.