Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 36

De Asixɔxɔ Mía Nɔvi Sɔhɛwo Ƒe Ŋutetewo Ŋu

De Asixɔxɔ Mía Nɔvi Sɔhɛwo Ƒe Ŋutetewo Ŋu

“Ðekakpuiwo ƒe atsyɔ̃e nye woƒe ŋusẽ.”—LOD. 20:29.

HADZIDZI 88 Na Manya Wò Mɔwo

NYA VEVIAWO *

1. Ne míele tsitsima, taɖodzinu kae míate ŋu aɖo na mía ɖokui?

NE MÍELE tsisima, míate ŋu avɔ̃ be ɖewohĩ Yehowa magazã mí abe tsã ene o. Ele eme be ŋusẽ meganɔa mía ŋu abe tsã ene o, gake míate ŋu azã míaƒe nunya kple nuteƒekpɔkpɔ atsɔ akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woawɔ woƒe ŋutete katã le Yehowa subɔsubɔ me, eye woaxɔ agbanɔamedziwo. Hamemetsitsi aɖe si subɔ ƒe geɖea gblɔ be: “Esi tsitsi wɔe be nyemegatea ŋu wɔa geɖe oa, meda akpe ŋutɔ be ɖekakpui siwo dze la li awɔ dɔa.”

2. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Le nyati si do ŋgɔ mea, míesrɔ̃e be ne sɔhɛwo dea ha kple nɔvi tsitsiwoa, eɖea vi na sɔhɛawo. Le nyati sia mea, míava kpɔe be, ne nɔvi tsitsiwo bɔbɔa wo ɖokui, nya afi si woƒe ŋutete se ɖo, kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu, eye wonyoa dɔmea, ana wòanɔ bɔbɔe na wo be woawɔ dɔ aduadu kple sɔhɛwo, eye esia aɖe vi na hame bliboa.

MIBƆBƆ MIA ÐOKUI

3. Le Filipitɔwo 2:3, 4 ƒe nya nua, aleke Kristotɔ si bɔbɔa eɖokui la wɔa nui, eye aleke esia aɖe vi nɛ?

3 Ehiã be nɔvi tsitsiwo nabɔbɔ wo ɖokui hafi ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu. Ame si bɔbɔa eɖokui la bua ame bubuwo be wonye gã wu ye. (Xlẽ Filipitɔwo 2:3, 4.) Ne nɔvi tsitsiwo bɔbɔa wo ɖokuia, woalɔ̃ ɖe edzi be, mɔ geɖe li si dzi woato akpɔ dɔdeasi aɖe gbɔ wòasɔ le Ŋɔŋlɔawo nu. Eya ta womate tɔ ɖe edzi kokoko be woawɔ nuwo abe ale si yewowɔnɛ tsã ene o. (Nyagb. 7:10) Eye togbɔ be woadi be sɔhɛwo nasrɔ̃ nu tso yewoƒe nuteƒekpɔkpɔwo me hã, woɖoa ŋku edzi be “xexe sia ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm,” eye ahiã be yewoatrɔ ɖe mɔnu yeyewo ŋu.—1 Kor. 7:31.

Nɔvi tsitsiwo lɔ̃na faa gblɔa woƒe nuteƒekpɔkpɔwo na ame bubuwo (Kpɔ memama 4-5 lia) *

4. Aleke nutome sue dzikpɔlawo wɔa nu abe Lewi-vi siwo nɔ anyi le blema ene?

4 Nɔvi tsitsi siwo bɔbɔa wo ɖokui la lɔ̃na ɖe edzi be esi yewotsi taa, yewomagate ŋu awɔ geɖe abe tsã ene o. Le kpɔɖeŋu me, bu nutome sue dzikpɔlawo ŋu kpɔ. Ne woxɔ ƒe 70 la, wodea dɔ bubu wo si. Esia ate ŋu ate ɖe wo dzi, elabena edzɔa dzi na wo be yewoasubɔ yewo nɔviwo. Wolɔ̃ dɔdeasi ma ale gbegbe, eye edzroa wo vevie be yewoayi edzi hafi. Gake woɖea mɔ be ɖekakpuiwo nava yi edzi. Woƒe nuwɔna sia sɔ kple Lewi-vi siwo nɔ blema Israel la tɔ. Sea bia be ne Lewi-viwo xɔ ƒe 50 la, woagasubɔ le avɔgbadɔa me azɔ o. Gake esi wònye be menye subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ ma kokokoe ana Lewi-vi tsitsiawo nakpɔ dzidzɔ o ta, wodzea agbagba be yewoawɔ dɔ bubu ɖe sia ɖe si wode yewo si, atsɔ akpe asi ɖe sɔhɛawo ŋu. (4 Mose. 8:25, 26) Nenema kee egbea, nɔvi siwo nye nutome sue dzikpɔla tsã hafi va dzudzɔ le tsitsi ta, eye wole subɔsubɔm le hame aɖe me la nyea yayra gã aɖe na nɔviawo.

5. Nu kae nèsrɔ̃ tso Dan kple Katie ƒe kpɔɖeŋua me?

5 Bu nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Dan, si wɔ nutome sue dzikpɔla ƒe dɔa hena ƒe 23 sɔŋ ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esi wòxɔ ƒe 70 la, woɖo eya kple srɔ̃a, Katie, mɔɖela veviwoe. Aleke wotrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu le woƒe dɔdeasi yeyea me? Dan gblɔ be yele dɔ geɖe wɔm fifia wu tsã! Ekpɔa dɔ siwo wode esi le hamea me la gbɔ eye wòkpena ɖe nɔviŋutsu siwo le hamea me ŋu be woava zu subɔsubɔdɔwɔlawo. Ena hehe nɔvi siwo le hamea me be woawɔ dugã me dutoƒoɖaseɖiɖidɔa eye woaɖe gbeƒã le gaxɔwo me. Nɔvi tsitsiwo, mieɖanye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla alo mieɖanyee o, miate ŋu akpe ɖe nɔvi bubuwo ŋu. Ne nɔvi tsitsie nènyea, aleke nàte ŋu awɔ esiae? Trɔ ɖe nɔnɔmea ŋu, minya taɖodzinu yeyewo, eye nàtsɔ susu aɖo nu siwo nàte ŋu awɔ ŋu, ke menye nu siwo màte ŋu awɔ o ŋu o.

MINYA AFI SI MIAƑE ŊUTETE SE ÐO

6. Ne míenya afi si míaƒe ŋutete se ɖoa, aleke wòaɖe vi na míi? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

6 Biblia de dzi ƒo be míanya afi si míaƒe ŋutete se ɖo. (Lod. 11:2) Ame si nya afi si eƒe ŋutete se ɖo la medzea agbagba be yeawɔ nu wòagbɔ yeƒe ŋutete ŋu o, ke boŋ ewɔa nu si wòate ŋui, eye esia nana wòkpɔa dzidzɔ. Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Tsɔe be ame aɖe le ʋu kum le to kɔkɔ aɖe liam. Ehiã be wòaɖɔ ŋu ɖo aku ʋua ɖɔɖɔɖɔ. Togbɔ be esia awɔe be maɖo kaba o hã, anɔ ŋgɔ yim vivivi ava ɖo dedie. Nenema kee ame si nya afi si eƒe ŋutete se ɖo la nyaa ɣeyiɣi si me wòhiã be wòagbɔ dzi ɖi, atrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu, ale be wòate ŋu ayi edzi asubɔ Yehowa, eye wòakpe ɖe ame bubuwo hã ŋu.—Flp. 4:5.

7. Nu kae ɖee fia be Barzilai nya afi si eƒe ŋutete se ɖo?

7 Bu Barzilai ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Exɔ ƒe 80 esime Fia David kpee be wòava nɔ fia ƒe me kpli ye. Gake Barzilai gbe. Enya afi si eƒe ŋutete se ɖo, eye enya be yemagate ŋu awɔ geɖe o le tsitsi ta. Eya ta egblɔ na Fia David be wòaxɔ ɖekakpui Kimham boŋ ɖe ye teƒe. (2 Sam. 19:35-37) Abe Barzilai enea, edzɔa dzi na nɔvi tsitsiwo be yewoana mɔnukpɔkpɔ ɖekakpuiwo le hamea me be woasubɔ.

Fia David lɔ̃ ɖe nya me si Yehowa tso be viae atu gbedoxɔa dzi (Kpɔ memama 8 lia)

8. Nu kae ɖee fia be Fia David nya afi si eƒe ŋutete se ɖo?

8 Fia David hã wɔ nu ɖedzesi aɖe si ɖee fia be enya afi si eƒe ŋutete se ɖo. Edi vevie be yeatu xɔ na Yehowa, gake Yehowa gblɔ nɛ be via Salomo ye atu xɔ na ye. Nu kae David wɔ? Elɔ̃ ɖe Yehowa ƒe nyametsotsoa dzi, eye wòkpe asi ɖe dɔa ŋu tso dzi blibo me. (1 Kron. 17:4; 22:5) David mesusu be, esi wònye Salomo “nye ɖekakpui dzaa ko, eye nuteƒekpɔkpɔ boo mesu esi o” ta, yee dze wu be yeawɔ dɔa o. (1 Kron. 29:1) David nyae be, menye ame siwo le ŋgɔ xɔm, ƒe si woxɔ, alo nuteƒekpɔkpɔ si su wo si, ye ana xɔtudɔa nadze edzi o, ke boŋ Yehowa ƒe yayrae. Abe David enea, nɔvi tsitsi siwo le hamea mea yia edzi kpea asi ɖe subɔsubɔdɔa ŋu, ne woƒe dɔdeasiwo trɔ gɔ̃ hã. Eye woka ɖe edzi bliboe be Yehowa ayra ɖe sɔhɛ siwo va xɔ ɖe yewo teƒe la ƒe dɔwo dzi.

9. Aleke Alɔdzekɔmiti me tɔ aɖe ɖee fia be yenya afi si yeƒe ŋutete se ɖo?

9 Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Shigeo ɖee fia be yenya afi si yeƒe ŋutete se ɖo. Le ƒe 1976 me, esi wòxɔ ƒe 30 la, woɖoe Alɔdzekɔmiti me tɔ. Le ƒe 2004 mea, eva zu Alɔdzekɔmitia ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla. Emegbe eva kpɔe be ŋusẽ vɔ le ye ŋu, eye yemegatea ŋu wɔa yeƒe dɔdeasiwo kaba ale si dze o. Eya ta edo gbe ɖa tso nɔnɔmea ŋu, eye wòkpɔe be anyo be yeaɖe asi le yeƒe dɔdeasia ŋu na nɔvi bubu. Togbɔ be Nɔviŋutsu Shigeo meganye Alɔdzekɔmitia ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla fifia o hã, egakpɔtɔ le dɔ wɔm kple nɔviawo ɖekae le Alɔdzekɔmitia me. Abe ale si míekpɔe le Barzilai, Fia David, kple Shigeo ƒe kpɔɖeŋuawo me enea, nɔvi tsitsi siwo bɔbɔ wo ɖokui eye wonya afi si woƒe ŋutete se ɖo la tsɔa woƒe susu ɖoa nu siwo sɔhɛwo ate ŋu awɔ ŋu, ke menye nu siwo womate ŋu awɔ o ŋu o. Womebua sɔhɛwo be wodi be yewoaxɔ ɖoƒe le yewo si o, ke boŋ be wonye yewoƒe hadɔwɔlawo.—Lod. 20:29.

MIKPƆ ŊUDZEDZE ÐE NU ŊU

10. Aleke nɔvi tsitsiwo bua sɔhɛ siwo le hamea me?

10 Nɔvi tsitsiwo kpɔa ŋudzedze ɖe sɔhɛ siwo le hamea me ŋu, eye wobua wo be wonye nunana tso Yehowa gbɔ. Esi ŋusẽ meganɔa nɔvi tsitsiwo ŋu abe tsã ene o ta, edzɔa dzi na wo ŋutɔ be sɔhɛ siwo ŋu ŋusẽ le la tsɔ wo ɖokuiwo na faa be yewoawɔ dɔ na Yehowa asubɔ nɔviawo.

11. Aleke Rut 4:13-16 ɖee fia be ne nɔvi tsitsiwo lɔ̃ xɔ kpekpeɖeŋu tso sɔhɛwo gbɔa, esia aɖe vi ŋutɔ?

11 Naomi si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí. Ekpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si wòxɔ tso lɔ̃xoyɔvia Rut gbɔ ŋu ŋutɔ. Gbãa, Naomi de dzi ƒo na Rut si nye ahosi la be wòatrɔ ayi eƒe ƒometɔwo gbɔ. Ke hã, Rut melɔ̃ o, ke boŋ enɔ Naomi ŋu esime wòtrɔ yi Betlehem. Naomi kpɔ ŋudzedze ɖe ale si Rut kpe ɖe eŋui ŋu. (Rut 1:7, 8, 18) Eye nu nyui geɖe va do tso eme na wo ame evea siaa! (Xlẽ Rut 4:13-16.) Nɔvi tsitsi siwo bɔbɔa wo ɖokui la srɔ̃a Naomi ƒe kpɔɖeŋua.

12. Aleke apostolo Paulo ɖee fia be yekpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu siwo nɔviwo na ye ŋu?

12 Apostolo Paulo da akpe ɖe ale si nɔviwo kpe ɖe eŋui ta. Le kpɔɖeŋu me, eda akpe na Kristotɔ siwo nɔ Filipi ɖe nunana siwo woɖo ɖee ta. (Flp. 4:16) Eda akpe ɖe ale si Timoteo hã kpe ɖe eŋui ta. (Flp. 2:19-22) Eye esi wode ga Paulo hekplɔe yina Roma la, eda akpe na Mawu ɖe nɔvi siwo va de dzi ƒo nɛ ta. (Dɔw. 28:15) Togbɔ be ŋusẽ geɖe nɔ Paulo ŋu, eye wòzɔ mɔ legbeewo vae ɖe gbeƒã na amewo hedo ŋusẽ hamewo hãa, eya ŋutɔ hã bɔbɔ eɖokui lɔ̃ faa nɔviwo kpe ɖe eŋu.

13. Aleke nɔvi tsitsiwo ate ŋu aɖee afia be yewokpɔa ŋudzedze ɖe sɔhɛ siwo le hamea me ŋu?

13 Nɔvi tsitsiwo, mɔ geɖe li siwo dzi miate ŋu ato aɖee afia be miekpɔa ŋudzedze ɖe sɔhɛ siwo le miaƒe hamea me ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne wodi be yewoava kɔ wò yi kpekpeawo alo teƒe bubu aɖe, alo aɖi asi na wò, alo awɔ nu bubu aɖe atsɔ akpe ɖe ŋuwòa, lɔ̃ faa woakpe ɖe ŋuwò, eye nàda akpe ɖe eta. Bui be Yehowae to wo dzi le lɔlɔ̃ ɖem fia ye. Esia ate ŋu awɔe be mia kpli wo miava zu xɔlɔ̃wo. Kpe ɖe wo ŋu woalé fɔ ɖe subɔsubɔdɔa ŋu. Gblɔ ale si dzi dzɔa wò ne èkpɔe be wo sɔhɛwo wole geɖe wɔm le subɔsubɔdɔa me la na wo. Kpɔ vovo ɖe wo ŋu, eye nàgblɔ wò nuteƒekpɔkpɔwo na wo. Ne èwɔa nu siawo la, àɖee afia be ‘yedaa akpe’ ɖe sɔhɛ siwo le hamea me, siwo Yehowa he va eɖokui gbɔ la ta.—Kol. 3:15; Yoh. 6:44; 1 Tes. 5:18.

MINYO DƆME

14. Aleke Fia David ɖe dɔmenyonyo fia?

14 Le Fia David ƒe kpɔɖeŋua mea, míede dzesi nɔnɔme nyui bubu aɖe si wòhiã be nɔvi tsitsiwo naɖe afia; eyae nye dɔmenyonyo. Edzɔ nu gbogbo aɖe tsɔ kpe asi ɖe xɔtudɔa ŋu. (1 Kron. 22:11-16; 29:3, 4) Ewɔ esia togbɔ be enyae be ye vi Salomo ye amewo ava kafu be eyae tu gbedoxɔa gɔ̃ hã. Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Ne ŋusẽ megale mía ŋu be míakpe asi ɖe teokrasi xɔtudɔwo ŋu o hã, míate ŋu adzɔ nu ale si míate ŋui atsɔ akpe asi ɖe dɔa ŋu, eye míate ŋu agblɔ míaƒe nuteƒekpɔkpɔwo na nɔviwo be wòaɖe vi na wo.

15. Aleke apostolo Paulo nyo dɔme na Timoteo?

15 Le kpɔɖeŋu me, bu ale si apostolo Paulo nyo dɔme na Timoteo ŋu kpɔ. Paulo kpe Timoteo si nye ɖekakpui be wòava kpe ɖe ye ŋu le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me, eye elɔ̃ faa fia eƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia mɔnu vovovowoe. (Dɔw. 16:1-3) Hehe sia kpe ɖe Timoteo ŋu wòva bi ɖe nya nyui gbɔgblɔ dɔa me. (1 Kor. 4:17) Emegbe Timoteo hã zã nu siwo wòsrɔ̃ tso Paulo gbɔ tsɔ na hehe ame bubuwo.

16. Nu ka tae Shigeo na hehe nɔvi bubuwo?

16 Nɔvi tsitsi siwo li egbea megblɔna be ta menɔa anyi klo ɖɔa kuku o, ke boŋ wolɔ̃na faa naa hehe sɔhɛwo togbɔ be esia ate ŋu awɔe be woava xɔ woƒe dɔdeasiwo awɔ gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, Shigeo, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la zã ƒe geɖe tsɔ na hehe Alɔdzekɔmitia me tɔ siwo nye ɖekakpuiwo. Ewɔ esia be yeatsɔ ado Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ le woƒe dukɔa me. Esia wɔe be esi ŋutete megava nɔ eŋu be wòanye Alɔdzekɔmitia ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla oa, nɔviŋutsu bubu si xɔ hehe nyuie xɔ ɖe eteƒe. Shigeo nye Alɔdzekɔmiti me tɔ ƒe 45 kple edzivɔe nye esia, eye ele eƒe nuteƒekpɔkpɔwo zãm tsɔ le kpekpem ɖe ɖekakpuiawo ŋu. Nɔvi siawo tɔgbi nye yayra gã aɖe na Mawu ƒe amewo!

17. Le Luka 6:38 ƒe nya nua, nu kae nɔvi tsitsiwo ate ŋu awɔ na ame bubuwo?

17 Nɔvi tsitsiwo, miaƒe kpɔɖeŋuwo ɖoa kpe edzi na mí be nu vevitɔ si míatsɔ míaƒe agbe awɔe nye be míasubɔ Yehowa. Miaƒe nuwɔnawo na míekpɔe be ne míesrɔ̃ Biblia ƒe mɔfiamewo, eye míewɔ wo dzi le míaƒe agbenɔnɔ mea, aɖe vi na mí. Nuteƒekpɔkpɔ geɖe su mia si, gake miedzea agbagba be yewoatrɔ ɖe ale si wowɔa nuwoe fifia ŋu. Mi nɔvi tsitsi siwo xɔ nyɔnyrɔ nyitsɔ laa hã miate ŋu akpe ɖe nɔviwo ŋu le mɔ vovovowo nu. Miate ŋu agblɔ ale si Yehowa nyanya na mieva le dzidzɔ kpɔm le agbe me la na wo. Miaƒe nuteƒekpɔkpɔwo sese ado dzidzɔ na sɔhɛwo ŋutɔ, eye woasrɔ̃ nu tso wo me. Ne ‘mieyi edzi na nu amewo,’ le mɔ sia nu be miegblɔa miaƒe nuteƒekpɔkpɔwo na wo be woasrɔ̃ nu tso emea, Yehowa ayra mi geɖe.—Xlẽ Luka 6:38.

18. Ne nɔvi tsitsiwo kple sɔhɛwo wɔ dɔ ɖekae la, aleke esia ɖea vii?

18 Ne mi nɔvi tsitsiwo miedzea agbagba dea ha kple sɔhɛwo la, esia awɔe be miatu mia nɔewo ɖo. (Rom. 1:12) Sɔhɛwo ƒe ŋutetewo to vovo na ame tsitsiwo tɔ. Nunya kple nuteƒekpɔkpɔ geɖe su ame tsitsiwo si; nenema kee ŋusẽ geɖe le sɔhɛwo ŋu. Ne nɔvi tsitsiwo kple sɔhɛwo wɔ dɔ ɖekae la, esia hea kafukafu vanɛ na mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo, eye wònyea yayra gã aɖe na hamea.

HADZIDZI 90 Mide Dzi Ƒo Na Mia Nɔewo

^ mm. 5 Míekpɔa dzidzɔ be sɔhɛ geɖe le asi kpem ɖe subɔsubɔdɔa ŋu le Yehowa ƒe habɔbɔa me. Aleke kee míaƒe dekɔnuwo ɖale o, nɔvi tsitsi siwo le hamea me ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woawɔ woƒe ŋutete katã le Yehowa subɔsubɔ me.

^ mm. 55 NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Esi nutome sue dzikpɔla sia xɔ ƒe 70 la, wode dɔ asi nɛ be eya kple srɔ̃a woava subɔ le hame aɖe me. Wole nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si la zãm tsɔ le hehe nam nɔviawo le woƒe hame yeyea me.