Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 38

Na Wò Lɔlɔ̃ Na Yehowa Kple Nɔviwò Kristotɔwo Nagasẽ Ðe Edzi

Na Wò Lɔlɔ̃ Na Yehowa Kple Nɔviwò Kristotɔwo Nagasẽ Ðe Edzi

“Meyina Fofonye kple mia Fofo . . . la gbɔ.”—YOH. 20:17.

HADZIDZI 3 Wòe Nye Míaƒe Ŋusẽ Kple Míaƒe Mɔkpɔkpɔ

NYA VEVIAWO *

1. Aleke amegbetɔ wɔnuteƒewo ate ŋu ayɔ Yehowae?

YEHOWA subɔlawo ƒe ƒomea lolo ŋutɔ! Yesu, si nye “nuwɔwɔwo katã ƒe gbãtɔ” le eme, eye mawudɔla gbogbo siwo le dziƒo hã le eme. (Kol. 1:15; Ps. 103:20) Esime Yesu nɔ anyigba dzia, eɖee fia be amegbetɔ siwo wɔa nuteƒe la ate ŋu ayɔ Yehowa be yewo Fofo. Esi wònɔ nu ƒom na eƒe nusrɔ̃lawo la, eyɔ Yehowa be ‘ye Fofo kple wo Fofo.’ (Yoh. 20:17) Ne míeɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔa, míeva wɔa ɖeka kple mía nɔviwo heva zua Yehowa ƒe ƒome si me lɔlɔ̃ le la me tɔwo.—Marko 10:29, 30.

2. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

2 Esesẽna na ame aɖewo be woabu Yehowa be enye Fofo lɔ̃ame. Eye esesẽna na ame aɖewo hã be woaɖee afia wo nɔvi Kristotɔwo be yewolɔ̃ wo. Le nyati sia mea, míade dzesi ale si Yesu kpe ɖe mía ŋu be, míabu Yehowa be enye mía Fofo si lɔ̃ mí, si ŋu míate ŋu ate ɖo. Azɔ hã, míade dzesi ale si míate ŋu asrɔ̃ Yehowa awɔ nu ɖe mía nɔviwo ŋu le lɔlɔ̃ me.

YEHOWA DI BE NÀTE ÐE YE ŊU KPLIKPLIKPLI

3. Aleke Yesu yɔ Yehowa le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me, eye aleke esia tea mí ɖe Yehowa ŋu?

3 Yehowa nye Fofo si lɔ̃ mí ŋutɔ. Yesu di be míabu Yehowa abe ale si yebunɛ ene—be enye dzila lɔ̃ame si ŋu míate ŋu ate ɖo bɔbɔe, ke menye ame si ƒe nya me sẽ, eye wòɖua aƒetɔ ɖe ame dzi o. Esia dze le kpɔɖeŋugbedodoɖa si Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo la me. Edze eƒe gbedodoɖaa gɔme be: “Mía Fofo.” (Mat. 6:9) Yesu ate ŋu agblɔ na mí be míayɔ Yehowa be “Ŋusẽkatãtɔ,” ‘Wɔla,’ alo “Fia mavɔmavɔtɔ” hafi, elabe wozã dzesideŋkɔ mawo na Mawu le Biblia me. (1 Mose 49:25; Yes. 40:28; 1 Tim. 1:17) Gake Yesu zã “Fofo,” si ɖe lɔlɔ̃kadodo fia.

4. Aleke míewɔ nya be Yehowa di be míate ɖe ye ŋu?

4 Ðe wòsesẽna na wò be nàbu Yehowa be enye Fofowò eye wòlɔ̃ wòa? Esia sesẽna na ame aɖewo le esi wo fofo si dzi wo mewɔ nu ɖe wo ŋu nyuie o ta. Ke hã, efaa akɔ na mí be míanyae be Yehowa sea nu gɔme na mí bliboe! Edi be míate ɖe ye ŋu. Eƒe Nyaa de dzi ƒo na mí be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” (Yak. 4:8) Yehowa lɔ̃ mí vevie, eye edi be yeanye Fofo nyuitɔ kekeake na mí.

5. Le Luka 10:22 ƒe nya nua, aleke Yesu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míate ɖe Yehowa ŋu?

5 Yesu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míate ɖe Yehowa ŋu. Yesu nya Yehowa nyuie, eye eɖea eƒe nɔnɔmewo fiana pɛpɛpɛ ale gbegbe be egblɔ be: “Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.” (Yoh. 14:9) Ale si ko vi tsitsitɔ kpena ɖe nɔviawo ŋu woɖoa to wo fofoa, nenema kee Yesu si le abe mía fo enea kpena ɖe mía ŋu be míade bubu mía Fofo Yehowa ŋu, aɖo toe, awɔ nu siwo dzea eŋu, eye míaƒo asa na nu siwo medzɔa dzi nɛ o. Ke hã, ale si Yesu nɔ agbe le anyigba dzi koŋue ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple eƒe dɔmenyonyo fia wu. (Xlẽ Luka 10:22.) Bu kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

Abe ale si vifofo si lɔ̃ via awɔ enea, Yehowa to mawudɔla aɖe dzi do ŋusẽ Via (Kpɔ memama 6 lia) *

6. Gblɔ kpɔɖeŋu siwo ɖee fia be Yehowa ɖo to Yesu ƒe gbedodoɖawo.

6 Yehowa ɖoa to viawo ƒe gbedodoɖawo. Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye ale si wòɖo to eƒe Ŋgɔgbevia. Esi Yesu nɔ anyigba dzia, edo gbe ɖa zi gbɔ zi geɖe, eye Yehowa se wo katã. (Luka 5:16) Esi Yesu do gbe ɖa tso nyametsotso veviwo, abe eƒe apostolo 12-awo tiatia ene ŋua, Yehowa see. (Luka 6:12, 13) Nenema kee esi Yesu ɖo xaxa me, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa, esee. Eye do ŋgɔ teti hafi Yuda nade Yesu asia, Yesu do gbe ɖa na Yehowa vevie tso dodokpɔ sesẽ siwo me wòava to ŋu. Yehowa se Via malɔ̃nugbɔa ƒe gbedodoɖaa, eye wòdɔ mawudɔla aɖe ɖa be wòava de dzi ƒo nɛ.—Luka 22:41-44.

7. Aleke ale si Yehowa ɖoa esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo ŋu nana nèsena le ɖokuiwò me?

7 Egbea hã, Yehowa ɖoa to esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo, eye wòɖoa wo ŋu le mɔ nyuitɔ nu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (Ps. 116:1, 2) Aleae wònɔ le nɔvinyɔnu aɖe si le India gome. Etsia dzimaɖi vevie ŋutɔ; eya ta edo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu. Eŋlɔ bena: “May 2019 JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔna si ƒo nu tso ale si míawɔ anɔ te ɖe dzimaɖitsitsi nu ŋu la fa akɔ nam ŋutɔ. Yehowa to edzi ɖo nye gbedodoɖawo ŋu.”

8. Mɔ kawo nue Yehowa ɖee fia le be yelɔ̃ Yesu?

8 Yehowa lɔ̃ mí, eye wòléa be na mí, abe ale si ko wòlɔ̃ Via, eye wòlé be nɛ esime wònɔ anyigba dzi ene. (Yoh. 5:20) Yehowa kpe ɖe Yesu ŋu wòyi edzi sẽ ŋu le xɔse me, ede dzi ƒo nɛ esime wòɖo xaxa me, eye ena nu sia nu si wòhiã be wòanɔ agbe lae. Azɔ hã, Yehowa gblɔ na Yesu be yelɔ̃e, eye be eƒe nu dzea ye ŋu. (Mat. 3:16, 17) Yesu ka ɖe Fofoa si le dziƒo la dzi be anɔ kpli ye ɣesiaɣi, eye wòakpe ɖe ye ŋu. Esia na Yesu metsi akogo kpɔ o.—Yoh. 8:16.

9. Nu kawoe ɖee fia be Yehowa lɔ̃ mí?

9 Abe Yesu enea, mí katã míede dzesii be Yehowa ɖenɛ fiana le mɔ vovovowo nu be yelɔ̃ mí. Bu eŋu kpɔ: Yehowa te mí va eɖokui gbɔ míeva zu exɔlɔ̃wo, eye ena nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe siwo lɔ̃ mí henana míekpɔa dzidzɔ, eye wodea dzi ƒo na mí ne míedo go kuxiwo, la mí. (Yoh. 6:44) Azɔ hã, Yehowa naa nu siwo ana míado ŋusẽ míaƒe xɔse la mí ɣesiaɣi. Eye enaa nu siwo míehiã be míanɔ agbe la mí gbe sia gbe. (Mat. 6:31, 32) Ne míebu ale si Yehowa lɔ̃ mí ŋua, awɔe be míagalɔ̃e geɖe wu.

LƆ̃ NƆVIWÒ KRISTOTƆWO ABE ALE SI YEHOWA LƆ̃A WO ENE

10. Ne esesẽna na mí be míaɖe lɔlɔ̃ afiaa, nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa ƒe kpɔɖeŋua me?

10 Yehowa lɔ̃ mía nɔvi Kristotɔwo. Gake ate ŋu asesẽ na mí ɣeaɖewoɣi be míalɔ̃ mía nɔviwo, eye míaɖee afia wo be míelɔ̃ wo. Nya lae nye be, míetso teƒe vovovowo, eye míaƒe dekɔnuwo hã le vovovo. Eye mí katã míedaa vo eye míedzea agɔ le mía nɔewo dzi. Ke hã, mí katã míate ŋu adze agbagba atu lɔlɔ̃ ɖo le Mawu ƒe ƒomea me. Aleke míawɔ esiae? Eyae nye míasrɔ̃ mía Fofoa ƒe kpɔɖeŋu aɖe lɔlɔ̃ afia mía nɔvi Kristotɔwo. (Ef. 5:1, 2; 1 Yoh. 4:19) Kpɔɖeŋu kae Yehowa ɖo na mí, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eme?

11. Aleke Yesu ɖee fia be yeƒe ‘dɔme trɔna’ ɖe ame ŋu abe Yehowa ene?

11 Yehowa ƒe ‘dɔme trɔna’ ɖe ame ŋu. (Luka 1:78) Ne wogblɔ be ame aɖe ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu la, efia be amea dea dzesi kuxi siwo me tom amewo le, esia tena ɖe edzi, eye wòʋãnɛ wòdina be yeawɔ nane atsɔ akpe ɖe wo ŋu ahafa akɔ na wo. Ale si Yesu wɔ nu ɖe amewo ŋu la ɖe ale si Yehowa tsɔa ɖe le eme na amewoe fia. (Yoh. 5:19) Esi Yesu kpɔ ameha aɖea, “woƒe nu wɔ nublanui nɛ, elabena wowɔ fu wo, eye wotsi yame abe alẽ siwo nu kplɔla mele o la ene.” (Mat. 9:36) Ke hã, menye ɖeko Yesu se veve ɖe wo ko nu o, ke eda dɔ na wo hã, eye wòkpe ɖe ame siwo “le dagbadagbam, eye agba le [wo] wum” la ŋu wokpɔ gbɔdzɔe.”—Mat. 11:28-30; 14:14.

Abe Yehowa enea, wò dɔme netrɔ ɖe nɔviwò Kristotɔwo ŋu, eye nàna nu wo faa (Kpɔ memama 12-14 lia) *

12. Aleke míate ŋu aɖee afia mía nɔviwo be míaƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu?

12 Hafi míaƒe dɔme nate ŋu atrɔ ɖe mía nɔviwo ŋu la, ehiã be míabu kuxi siwo me tom wole ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu aɖe ƒe lãme ate ŋu agblẽ vevie, gake maƒo nu tso eŋu akpɔ o, evɔ ɖewohĩ adi be nɔviwo nakpe ɖe ye ŋu hafi. Míate ŋu abia mía ɖokui be, Ðe wòte ŋu le eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔma? Ðe wòahiã be míakpe ɖe eŋu, aɖa nu nɛ, alo awɔ aƒemedɔ aɖewo nɛa? Alo ɖewohĩ dɔ ge le nɔviŋutsu aɖe si. Míate ŋu abia mía ɖokui be, Ðe míate ŋu ato mɔ aɖe dzi ana ga vi aɖee, evɔ míana wòanya be mía gbɔ wòtso o, ne wòatsɔ anɔ nu ɖeka eve aɖewo gbɔ kpɔmee hafi ava kpɔ dɔ bubua?

13-14. Nu kae ɖee fia be Yehowa naa nu faa, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua?

13 Yehowa naa nu faa. (Mat. 5:45) Mele be míalala mía nɔviwo nabia mí hafi míakpe ɖe wo ŋu o. Abe Yehowa enea, míate ŋu akpe ɖe wo ŋu hafi woayi mía bia ge gɔ̃ hã! Yehowa nana ɣe dzena na mí gbe sia gbe, evɔ míebianɛ gɔ̃ hã o! Eye esia ɖea vi na ame sia ame, ame vɔ̃ɖiwo hã. Yehowa naa nu siwo hiã la mí, eye esia ɖo kpe edzi be elɔ̃ mí. Míelɔ̃ Yehowa vevie le eƒe dɔmenyo ta!

14 Mía nɔvi Kristotɔ geɖe srɔ̃a mía Fofo si le dziƒo ƒe kpɔɖeŋu, eye wonaa nu faa. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2013 mea, Haiyan Ahomya Sesẽ, si tu le Philippines dukɔa me, la gblẽ nu eteƒe mekɔ o. Nɔvi geɖe ƒe aƒe kple nunɔamesiwo dome gblẽ. Mía nɔvi siwo le xexea me godoo la wɔ nu kpata. Nɔvi geɖewo dzɔ ga, eye nɔvi aɖewo hã yi dukɔ ma me va kpe asi ɖe eŋu be wotu xɔ yeyewo alo trɔ asi le xoxoawo ŋu na nɔviawo. Xɔ yeyeawo kple xɔ xoxo siwo ŋu wotrɔ asi le la katã le 750, eye wowɔ esia le ɣleti ʋɛ aɖewo ko me! Nenema kee le Corona dɔvɔ̃ ƒe ɣeyiɣia mea, Ðasefowo kpe ɖe wo nɔvi Kristotɔwo ŋu. Ne míetsona kaba kpena ɖe mía nɔvi Kristotɔwo ŋua, eɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo.

15-16. Nu vevi kae Luka 6:36 gblɔ be míawɔ be míasrɔ̃ mía Fofo si le dziƒo?

15 Yehowa kpɔa nublanui na ame, eye wòtsɔna kena faa. (Xlẽ Luka 6:36.) Yehowa kpɔa nublanui na mí gbe sia gbe. (Ps. 103:10-14) Yesu ƒe nusrɔ̃lawo mede blibo o; ke hã, Yesu kpɔ nublanui na wo, eye wòtsɔ ke wo faa. Elɔ̃ faa tsɔ eƒe agbe sa vɔ ɖe mía ta gɔ̃ hã, ale be woate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. (1 Yoh. 2:1, 2) Ðe ale si Yehowa kple Yesu kpɔa nublanui na mí, eye wotsɔna kena mí faa la meʋãa wò be nàgate ɖe wo ŋu kplikplikpli oa?

16 Lɔlɔ̃ si le mía kple mía nɔvi Kristotɔwo dome la me gasẽna ɖe edzi ne míetsɔna ‘kea mía nɔewo faa.’ (Ef. 4:32) Esia mele bɔbɔe ya o, gake ele be míadze agbagba awɔe. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be nyati si ƒe tanyae nye “Mitsɔ Ke Mia Nɔewo Faa,” si míesrɔ̃ le Gbetakpɔxɔ aɖe me va yi la, kpe ɖe ye ŋu ŋutɔ. * Eŋlɔ bena: “Nyati ma kpe ɖe ŋunye meva se nu si tsɔtsɔke fia kple ale si wòaɖe vi nam la gɔme nyuie. Woɖe eme be, ne èlɔ̃ faa tsɔ amewo ƒe vodada ke wo la, mefia be èlɔ̃ ɖe woƒe nɔnɔme gbegblẽa dzi o, eye mefia hã be, èle gbɔgblɔm be woƒe nuwɔnaa medo vevesese na ame bubuwo o. Ke boŋ nu si tsɔtsɔke fiae nye be nàɖe dziku ɖe sia ɖe kple vevesese si ame aɖe ƒe nuwɔna do na wò la ɖa le dɔme, eye wò ŋutifafa nakpɔtɔ anɔ dziwò.” Ne míetsɔna kea mía nɔvi haxɔsetɔwo faa, eɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo, eye míele mía Fofo, Yehowa, ƒe kpɔɖeŋua srɔ̃m.

DZI NEDZƆ WÒ BE NÈLE YEHOWA ƑE ƑOMEA ME

Míeɖanye ɖevi alo ame tsitsi o, míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia mía nɔviwo katã (Kpɔ memama 17 lia) *

17. Le Mateo 5:16 ƒe nya nua, nu kae wòle be míawɔ be míade bubu mía Fofo si le dziƒo la ŋu?

17 Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe wònye be míenye nɔviwo ƒe habɔbɔ si le xexea me katã la me tɔwo. Eye míaƒe didie nye be ame geɖe nava wɔ ɖeka kpli mí míasubɔ Yehowa. Eya ta ele be míakpɔ nyuie be míagawɔ naneke si aƒo ɖi habɔbɔa alo Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la, ƒe ŋkɔ o. Ke boŋ, míanɔ agbe nyui, si aʋã amewo woava subɔ Yehowa.—Xlẽ Mateo 5:16.

18. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be dzi nanɔ mía ƒo míaɖe gbeƒã?

18 Ɣeaɖewoɣia, ame aɖewo ate ŋu ado ŋukpe mí alo ati mía yome le esi míedi be míaɖo to mía Fofo si le dziƒo ta. Ke ne míele vɔvɔ̃m be míaɖe míaƒe dzixɔsewo me na amewo ɖe, nu kae míate ŋu awɔ? Ele be míaɖo ŋu ɖe Yehowa kple Yesu ŋu. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woagatsi dzimaɖi le ale si woaƒo nu alo nya si woagblɔ ŋuti o. Nu ka tae? Yesu ɖe eme be: “Woatsɔ nya si miagblɔ la ana mi le gaƒoƒo ma me, elabena menye miawo ɖeɖee aƒo nu o, ke boŋ mia Fofo ƒe gbɔgbɔ la aƒo nu to mia dzi.”—Mat. 10:19, 20.

19. Aleke nɔvi aɖe ɖi ɖase dzinɔameƒotɔe?

19 Bu Robert ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esi wòte Biblia sɔsrɔ̃ megbe kpuie, eye mekpɔ nya Biblia ƒe nufiafia geɖe o la, wokplɔe yi ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe le South Africa (Afrique du Sud) be wòaɖe susu si tae medi be yeawɔ asrafodɔ o la me. Eɖe eme na ʋɔnudrɔ̃laa dzinɔameƒotɔe be esi yelɔ̃ ye nɔvi Kristotɔwo tae yemedi be yeawɔ aʋa o. Robert de asixɔxɔ nɔviaŋutsu kple nɔvianyɔnu siwo le xexea me godoo la ŋu. Ʋɔnudrɔ̃laa biae le vo me be: “Ame kawoe nye nɔviwòwo?” Robert menɔ mɔ kpɔm be woabia nya ma ye o, gake enumake eɖo ŋku gbe ma gbe ƒe mawunyakpukpuia dzi. Eyae nye Mateo 12:50, afi si gblɔ be: “Ame sia ame si wɔa Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu la, eyae nye nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu kpakple danye.” Togbɔ be Robert nye Biblia nusrɔ̃vi yeye hãa, Yehowa ƒe gbɔgbɔa kpe ɖe eŋu wòte ŋu ɖo nyabiase ma kple nyabiase bubu siwo wobiae, siwo menɔ mɔ kpɔm na kura o, la ŋu. Yehowa anya kpɔ dzidzɔ ɖe Robert ŋu ŋutɔ! Eye Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe míawo hã ŋu ne míeɖe mɔ wòkpe ɖe mía ŋu míeɖi ɖase dzinɔameƒotɔe le nɔnɔme sesẽwo me.

20. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ? (Yohanes 17:11, 15)

20 Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe wònye na mí be míeva le Yehowa ƒe ƒome si me lɔlɔ̃ le la me. Mina míayi edzi ade asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋu. Fofo nyuitɔ kekeakee le mía si, eye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe hã le mía si, siwo lɔ̃ mí vevie. Ele be míada akpe ɖe wo ta. Satana kple eyomedzela vɔ̃ɖiwo medi be míaxɔe ase be mía Fofo si le dziƒo la lɔ̃ mí o, eye wodina be yewoagblẽ míaƒe ɖekawɔwɔa me. Gake Yesu do gbe ɖa na mía Fofo Yehowa be wòakpɔ mía ta be míayi edzi awɔ ɖeka. (Xlẽ Yohanes 17:11, 15.) Yehowa le gbedodoɖa ma ŋu ɖom. Abe Yesu enea, mina míaxɔ mía Fofo si le dziƒo la dzi se be elɔ̃ mí, eye akpe ɖe mía ŋu. Eye mina míana lɔlɔ̃ si le mía kple Yehowa kpakple mía nɔviwo dome la nanɔ sesẽm ɖe edzi ɖaa.

HADZIDZI 99 Nɔvi Akpeakpewo

^ mm. 5 Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be míele Yehowa ƒe ƒome si me lɔlɔ̃ le la me. Mí katã míedi be míatu lɔlɔ̃ ma ɖo be enu nagatsi o. Aleke míate ŋu awɔ esia? Eyae nye be míasrɔ̃ ale si Yehowa ɖea lɔlɔ̃ fia mí, eye míasrɔ̃ Yesu kpakple mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo hã ƒe kpɔɖeŋu.

^ mm. 57 NU SIWO LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Yehowa dɔ mawudɔla aɖe ɖa be wòava do ŋusẽ Yesu le Getsemane-bɔa me.

^ mm. 59 NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Le Corona dɔvɔ̃a ƒe ɣeyiɣia mea, mía nɔvi geɖe ƒle nuɖuɖu ma na nɔvi bubuwo.

^ mm. 61 NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvinyɔnu aɖe le kpekpem ɖe vianyɔnuvi si metsi ate ŋu aŋlɔ nu o la ŋu be wòata nu ɖe pepa dzi woaɖo ɖe nɔvi aɖe si le gaxɔ me atsɔ ade dzi ƒo nɛ.