Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 43

Mègana Ta O!

Mègana Ta O!

“Migana míadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ o.”—GAL. 6:9.

HADZIDZI 68 Fiaɖuƒea Ƒe Nukuwo Wuwu

NYA VEVIAWO *

1. Nu ka tae wònye dada na mí be míenye Yehowa Ðasefo?

 DZIDZƆ kple dadae wònye na mí be míenye Yehowa Ðasefowo! Mawu ƒe ŋkɔ le mía ŋu, míenɔa agbe ɖe ŋkɔ ma nu, míeɖea gbeƒã eye míewɔa amewo nusrɔ̃lawo. Ne míekpe ɖe “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ” dometɔ aɖe ŋu wòva zu xɔsetɔa, dzi dzɔa mí. (Dɔw. 13:48) Míesena le mía ɖokui me abe Yesu ene, “etso aseye” esi eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ va gblɔ nɛ be yewokpɔ dzidzedze le gbeƒãɖeɖedɔa me.—Luka 10:1, 17, 21.

2. Nu kawoe míawɔ wòafia be gbeƒãɖeɖedɔa nye dɔ vevi na mí?

2 Dɔ vevi aɖee gbeƒãɖeɖedɔa nye na mí. Apostolo Paulo de dzi ƒo na Timoteo be: “Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia dzi nyuie ɣeawokatãɣi.” Paulo gblɔ kpee be: “Ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple ame siwo ɖoa to wò la siaa ɖe agbe.” (1 Tim. 4:16) Gbeƒãɖeɖedɔa xɔa amewo ɖe agbe. Esi míenye Mawu Fiaɖuƒea teviwo ta, míedoa vevie gbeƒãɖeɖedɔa. Míenɔa agbe ɖe nya nyui si míeɖea gbeƒã la nu ɣesiaɣi be wòahe kafukafu vɛ na Yehowa. (Flp. 1:27) Ne míedzrana ɖo nyuie hafi yia gbeadzi, eye míebiaa Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu la, míele eɖem fia be míale míaƒe nufiafia dzi kpɔm nyuie.

3. Aleke ame aɖewo ate ŋu awɔ nu ɖe Fiaɖuƒegbedeasia ŋu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

3 Togbɔ be míawɔ mía tɔ sinua hã, ɣeaɖewoɣia, amewo metsɔa ɖeke le Fiaɖuƒegbedeasia me o. Bu Nɔviŋutsu Georg Lindal, ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Eɖe gbeƒã le Iceland bliboa tso ƒe 1929 va se ɖe ƒe 1947 me. Ena agbalẽ akpewo, gake ame kui ɖeka hã meva xɔ nyateƒea o. Egblɔ be: “Ame aɖewo tsi tre ɖe nyateƒea ŋu eye ame akpa gãtɔ metsɔ ɖeke le eme o.” Esi wova ɖo dutanyanyuigblɔla siwo xɔ hehe le Gilead ɖe teƒea hã, ƒe asieke sɔŋ va yi hafi wote ŋu kpe ɖe ame aɖewo ŋu wova ɖe adzɔgbe na Yehowa eye woxɔ nyɔnyrɔ. *

4. Aleke míate ŋu ase le mía ɖokui me ne amewo medi be yewoasrɔ̃ Biblia o?

4 Etena ɖe míadzi ne amewo metsɔ ɖeke le Biblia sɔsrɔ̃ me o. Míate ŋu ase le mía ɖokui me abe Paulo ene. Esi Yudatɔwo gbe be menye Yesue nye Mesia si ŋugbe wodo o la, Paulo se ‘veve vevie eye woxa nu ɖaasi.’ (Rom. 9:1-3) Ke ne míewɔ mía tɔ sinua do gbe ɖa, gake nusrɔ̃via mele ŋgɔ yim o, eye wòva hiã be míadzudzɔ nua sɔsrɔ̃ kplii ya ɖe? Ke ne míawo ŋutɔwo míete ŋu kpe ɖe nusrɔ̃vi aɖe ŋu wòva xɔ nyɔnyrɔ o ya ɖe? Ðe wòle be míana esia naɖe fu na mí eye míasusu be Yehowa mele yayram ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa dzi oa? Le nyati sia mea, míaɖo nyabiase eve siawo ŋu: (1) Nu kawoe ɖenɛ fiana be míekpɔ dzidzedze le subɔsubɔdɔa me? (2) Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele gbeƒã ɖem na amewo?

NU KAWOE ÐENƐ FIANA BE MÍEKPƆ DZIDZEDZE LE SUBƆSUBƆDƆA ME?

5. Nu ka tae dɔ siwo míewɔna na Yehowa la, meva yina ɣesiaɣi abe ale si míedii ene o?

5 Biblia gblɔ tso ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu be: “Nu sia nu si wòwɔna la adze edzi.” (Ps. 1:3) Ke hã, mefia be nu sia nu si míewɔna le Yehowa subɔsubɔ mea, adze edzi abe ale si míedii ene o. Blibomademade wɔe be amegbetɔ ƒe agbe ‘yɔ fũu kple fukpekpe,’ na míawo kple amewo siaa. (Hiob 14:1) Azɔ hã, ame siwo tsi tre ɖe mía ŋu la, tea ŋu xea mɔ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu. (1 Kor. 16:9; 1 Tes. 2:18) Eya ta nu ka dzie Yehowa nɔa te ɖo gblɔna be míaƒe subɔsubɔdɔa le dzidzedze kpɔm? Na míade ŋugble tso Biblia ƒe mɔfiame aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu míaɖo nya ma ŋu.

Yehowa dea asixɔxɔ míaƒe agbagbadzedzewo ŋu, míeɖa ɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me, to lɛta ŋɔŋlɔ alo to telefon dzi o (Kpɔ memama 6 lia)

6. Nu ka dzie Yehowa nɔa te ɖo gblɔna be míaƒe subɔsubɔdɔa le dzidzedze kpɔm?

6 Míaƒe agbagbadzedze kple dzidodoe Yehowa dea dzesii. Le Yehowa gbɔ la, lɔlɔ̃ si le mía si nɛ, kple ale si míedoa vevie nu le gbeƒãɖeɖedɔa me ye dzea eŋu, ne amewo meɖo to o gɔ̃ hã. Paulo gblɔ be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ, be wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta, esi miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm la be o.” (Heb. 6:10) Yehowa ɖoa ŋku míaƒe agbagbadzedze kple míaƒe lɔlɔ̃ dzi, ne mímete ŋu kpe ɖe ame aɖeke ŋu wòva xɔ nyɔnyrɔ o gɔ̃ hã. Eya ta nya si Paulo gblɔ na Korintotɔwo la ka míawo hã. Egblɔ be: “Miaƒe agbagbadzedze le Aƒetɔ la me menye dzodzro o.” Eya ta ne nuwo meva yi abe ale si míekpɔ mɔe ene o gɔ̃ hã, edzea Mawu ŋu.—1 Kor. 15:58.

7. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya si apostolo Paulo gblɔ tso eƒe subɔsubɔdɔa ŋu me?

7 Apostolo Paulo nye dutanyanyuigblɔla bibi, eye wòɖo hame geɖe le nuto vovovowo me. Ke hã, esi ame aɖewo tsɔ nya ɖe Paulo ŋu be menye nufiala nyui o la, mehe susu yi ame agbɔsɔsɔ siwo ŋu wòkpe ɖo wova zu xɔsetɔwo la dzi o. Ke boŋ egblɔ be: “Mewɔ geɖe wu.” (2 Kor. 11:23) Abe Paulo enea, ele be míaɖo ŋku edzi be míaƒe agbagbadzedzewo kple dzidodo ŋue Yehowa dea asixɔxɔe wu.

8. Nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui tso míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu?

8 Míaƒe subɔsubɔdɔa dzea Yehowa ŋu. Yesu dɔ nusrɔ̃la 70 ɖa be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nya nyuia eye woyi “trɔ gbɔ kple dzidzɔ.” Nu kae na wonɔ dzidzɔ kpɔm? Wogblɔ be: “Gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã naa ta mí ne míeyɔ wò ŋkɔ la.” Ke hã, Yesu ɖɔ woƒe nuŋububua ɖo. Egblɔ na wo be: “Migakpɔ dzidzɔ be gbɔgbɔawo naa ta mi o, ke boŋ mikpɔ dzidzɔ le esi woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖe dziƒowo ta.” (Luka 10:17-20) Yesu nyae be nuteƒekpɔkpɔ nyui mawo masu wo si ɣesiaɣi o. Le nyateƒe mea, mímenya ame siwo ɖo to la dometɔ nenie va zu xɔsetɔwo emegbe o. Ele be nusrɔ̃lawo nakpɔ dzidzɔ ɖe agbagba kple kutri si woku le subɔsubɔdɔa me si na woƒe nu dze Yehowa ŋu la ta, ke menye nu siwo do tso woƒe subɔsubɔdɔa me ŋu o.

9. Le Galatiatɔwo 6:7-9 ƒe nya nua, ne míedo dzi le subɔsubɔdɔa mea, nu kae míakpɔ?

9 Ne míedo dzi le subɔsubɔdɔa me la, míakpɔ agbe mavɔ. Ne míewɔ mía tɔ sinua ɖe gbeƒã eye míefia nu amewo eye míeɖe mɔ na Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe be wòafia mɔ mí la, ke míawo hã míele “nu ƒãm na gbɔgbɔ la.” Yehowa do ŋugbe be ne ‘mímedzudzɔ’ alo na ‘ɖeɖi te mía ŋu’ o la, míakpɔ agbe mavɔ, metsɔ le eme be míekpe ɖe ame aɖe ŋu wòva xɔ nyɔnyrɔ alo mexɔ nyɔnyrɔ o.—Xlẽ Galatiatɔwo 6:7-9.

NU KAE WÒLE BE WÒANƆ SUSU ME NA MÍ NE MÍELE GBEƑÃ ÐEM NA AMEWO?

10. Nu kae nana amewo ɖoa to alo meɖoa to nya nyuia o?

10 Ne amewo aɖo to la, dzi ƒe nɔnɔme si le wo si gbɔe wòatso. Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ ɖe nya sia me. Eƒo nu tso nukuwula aɖe si wu nuku ɖe anyigba vovovowo dzi la ŋu. Gake esi ge ɖe anyigba nyui dzi koe wɔ. (Luka 8:5-8) Yesu gblɔ be anyigba vovovoawo le tsitre ɖi na amewo ƒe dzi kple ale si wowɔa nu ɖe “Mawu ƒe nya la” ŋu. (Luka 8:11-15) Abe nukuwulaa enea, míawo hã mímate ŋu ana Fiaɖuƒe ƒe nuku siwo míeƒã la natsi le amewo ƒe dzi me o, ekpo ɖe ameawo ŋutɔwo gbɔ. Míatɔ koe nye be míanɔ Fiaɖuƒea ƒe nukuwo ƒãm. Eye abe ale si apostolo Paulo gblɔe ene la, “ame sia ame axɔ eya ŋutɔ ƒe fetu le eƒe agbagbadzedze nu,” ke menye le nu siwo do tso eme nu o.—1 Kor. 3:8.

Togbɔ be Noa ɖe gbeƒã nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe hã, ame bubu aɖeke meyi aɖakaa me kpe ɖe eŋu o, negbe srɔ̃a, viaŋutsuawo kple wo srɔ̃wo ko. Ke hã, Noa ɖo to Mawu eye wòwɔ dɔ siwo katã wode esi la! (Kpɔ memama 11 lia)

11. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Noa kpɔ dzidzedze le gbeƒãɖeɖedɔa me togbɔ be amewo meɖo to o hã? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

11 Yehowa ƒe ɖasefo siwo nɔ anyi va yi la ɖe gbeƒã na amewo, gake ameawo sẽ dzi me. Le kpɔɖeŋu me, Noa nye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” eye wòɖe gbeƒã ƒe geɖe. (2 Pet. 2:5) Noa anya nɔ mɔ kpɔm be amewo aɖo to, gake Yehowa megblɔ nɛ be amewo aɖo to alo womaɖo to o. Ke boŋ egblɔ na Noa be wòakpa aɖakaʋu. Mawu gblɔ nɛ be: “Wò ŋutɔ kple viwòŋutsuwo, kple srɔ̃wò kpakple viwòŋutsuawo srɔ̃wo miayi ɖe aɖakaʋu la me.” (1 Mose 6:18) Ne Noa bu aɖakaʋu si Mawu gblɔ be wòakpa ŋu la, anya de dzesii be menye ame geɖe ye aɖo to o. (1 Mose 6:15) Abe fefe enea, ame kui ɖeka pɛ hã meɖo to le xexe gblẽku ma me o. (1 Mose 7:7) Ðe Yehowa bu Noa be edo kpo nua? Kura o! Le Mawu gbɔ la, Noa kpɔ dzidzedze le eƒe gbeƒãɖeɖedɔa me elabe ewɔ nuteƒe le dɔ si Yehowa bia tso esi la me.—1 Mose 6:22.

12. Nu kae kpe ɖe nyagblɔɖila Yeremiya ŋu wòkpɔ dzidzɔ le eƒe subɔsubɔdɔa me, togbɔ be amewo tsi tre ɖe eŋu eye wometsɔ ɖeke le eme o hã?

12 Nyagblɔɖila Yeremiya hã ɖe gbeƒã ƒe geɖe, gake amewo tsi tre ɖe eŋu eye wometsɔ ɖeke le eme o. Le amewo ƒe “dzu kple vlododo” ta la, dzi va ɖe le eƒo eye wòdi be yeana ta. (Yer. 20:8, 9) Gake mena ta o! Nu kae kpe ɖe eŋu wòɖu susu ma dzi eye wòva nɔ dzidzɔ kpɔm le eƒe subɔsubɔdɔa me? Etsɔ susu ɖo nu vevi eve aɖewo dzi. Gbãtɔ, gbedeasi si Mawu gblɔ be Yeremiya nagblɔ la, ‘ana mɔkpɔkpɔ amewo eye wòana etsɔme nanyo na wo.’ (Yer. 29:11) Evelia, Yehowa ƒe ŋkɔ le Yeremiya ŋu. (Yer. 15:16) Míawo hã míegblɔa gbedeasi si naa mɔkpɔkpɔ amewo, eye Yehowa ƒe ŋkɔ le mía ŋu be míenye yeƒe Ðasefowo. Ne míetsɔ susu ɖo nu vevi eve siawo dzi la, ana míakpɔ dzidzɔ, ne amewo meɖo to o gɔ̃ hã.

13. Nu kae míesrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋu si dze le Marko 4:26-29 me?

13 Amewo tsina le xɔse me vivivi. Yesu na esia dze le nukuwula si wu nuku eye woyi ɖadɔ alɔ̃ la ƒe kpɔɖeŋua me. (Xlẽ Marko 4:26-29.) Nukuwulaa ƒe agbagbadzedzea va dze vivivi emegbe, evɔ eya ŋutɔ mewɔ naneke tso eŋu o. Wò hã, made dzesi nu siwo le dodom tso nusrɔ̃la wɔwɔ dɔa me o, elabe axɔ ɣeyiɣi hafi nusrɔ̃via nawɔ ɖe nu siwo srɔ̃m wòle la dzi vivivi. Abe ale si ko agbledela mate ŋu azi nuku aɖe dzi be wòatsi abe ale si yedi ene o la, míawo hã míate ŋu azi Biblia nusrɔ̃vi aɖe dzi be wòatsi le xɔse me abe ale si míedii ene o. Eya ta dzi megaɖe le ƒowò alo nàna ta, ne nusrɔ̃via mele ŋgɔ yim abe ale si nèkpɔ mɔe ene o. Nusrɔ̃lawo wɔwɔ bia dzigbɔɖi abe ale si wòle le agbledede me ene.—Yak. 5:7, 8.

14. Kpɔɖeŋu kae ɖee fia be ate ŋu axɔ ɣeyiɣi hafi nu nyuiwo nado tso míaƒe subɔsubɔdɔa me?

14 Le teƒe aɖewo la, axɔ ɣeyiɣi hafi ame aɖe nava xɔ nyɔnyrɔ. Bu nu si me Gladys Allen kple nɔvia Ruby to ŋu kpɔ. Woɖo wo ɖe Quebec si nye Canada ƒe nutowo me le ƒe 1959 me be woanye gbesiagbe mɔɖelawo. * Esi Katolikotɔwoe kpɔ ŋusẽ le nuto mawo me ta, amewo melɔ̃na ɖoa to fiaɖuƒe nya nyuia o. Gladys gblɔ be: “Míeɖe gbeƒã tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu gaƒoƒo enyi gbe sia gbe hena ƒe eve, gake ame aɖeke medo ɖe mía ŋu o. Ðeko amewo zɔna va ʋɔtrua nu gatrɔna dzona. Gake míena ta o.” Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, amewo ƒe nɔnɔme va trɔ eye wonɔ to ɖom. Fifia hame etɔ̃ ye le nuto ma me.—Yes. 60:22.

15. Nu kae 1 Korintotɔwo 3:6, 7 fia mí tso nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ŋu?

15 Menye ame ɖeka ƒe dɔe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa nye o. Ame siwo katã le hamea me la wɔa akpa aɖe be nusrɔ̃via nayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 3:6, 7.) Gbeƒãɖela aɖe na trakt alo magazine ame aɖe. Esi gbeƒãɖelaa mate ŋu akpɔ vovo atrɔ yi egbɔ o ta, ena gbeƒãɖela bubu aɖe yi egbɔ. Gbeƒãɖela sia dze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kple amea. Emegbe ekplɔ nɔvi vovovowo yi nusrɔ̃via gbɔ eye wo dometɔ ɖe sia ɖe de dzi ƒo nɛ le mɔ vovovowo nu. Nɔvi ɖe sia ɖe si gbeƒãɖelaa kplɔ yi nusrɔ̃via gbɔ la, hã kpe asi ɖe eŋu wode tsi nyateƒe ƒe nuku si woƒã la. Abe ale si Yesu gblɔe enea, ne míewɔe alea, nyateƒea ƒe nukua ƒãla kple ame siwo katã de tsii la, akpɔ dzidzɔ.—Yoh. 4:35-38.

16. Nu ka tae nàte ŋu akpɔ dzidzɔ ne wò lãmesẽ nyawo wɔe be mègate ŋu le geɖe wɔm le subɔsubɔdɔa me o?

16 Ne lãmesẽ nyawo wɔe be mègate ŋu le geɖe wɔm le gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔa me o ya ɖe? Àte ŋu akpɔ dzidzɔ ɖe tɔwò sinu si wɔm nèle la ŋu. Bu Fia David kple eŋume siwo va xɔ na woƒe ƒome si dzi Amalekitɔwo ƒe adzoha aɖe va dze la ŋu kpɔ. Ðeɖi te ŋutsuawo dometɔ alafa eve ŋu ale gbegbe be womate ŋu ayi aʋaa o. Gake esi woyi aʋa gbɔa, David gblɔ be ame siwo yi aʋa kple ame siwo tsi agbawo gbɔa nama nuawo sɔsɔe. (1 Sam. 30:21-25) Nenema kee wòle le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa hã me egbea. Ne mí katã míewɔ míatɔ sinua kpe ɖe ame aɖe ŋu wòva le agbemɔa dzi la, míekpɔa dzidzɔ.

17. Susu kawo tae míate ŋu ada akpe na Yehowa ɖo?

17 Míedaa akpe be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe akpa si míewɔna le subɔsubɔdɔa me ŋu. Enya be míate ŋu azi amewo dzi be woaɖo to o. Ke hã, edea dzesi míaƒe kutrikuku kple ale si míelɔ̃e eye wòɖoa eteƒe na mí. Azɔ hã, ekpe ɖe mía ŋu míekpɔe be akpa ka ke wɔm míele le gbeƒãɖeɖedɔ gã sia me o, míate ŋu akpɔ dzidzɔ. (Yoh. 14:12) Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be ne mímena ta le gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔa me o la, míaƒe nu dzea eŋu!

HADZIDZI 67 “Ðe Gbeƒã Nya La”

^ mm. 5 Dzi dzɔa mí ne amewo lɔ̃ be yewoasrɔ̃ Biblia, gake dzi ɖena le mía ƒo ne wogbe be yewomasrɔ̃e o. Ke ne èle nu srɔ̃m kple ame aɖe evɔ mele ŋgɔ yim o ɖe? Alo ne wò ŋutɔ mekpe ɖe ame aɖe ŋu tẽe wòva xɔ nyɔnyrɔ o ɖe? Ðe wòle be nàƒo nya ta be yedo kpo nua? Le nyati sia mea, míakpɔ nu si tae míate ŋu agblɔ be míekpɔ dzidzedze le míaƒe subɔsubɔdɔa me, amewo ɖo to alo womeɖo to mí o.

^ mm. 3 Kpɔ ƒe 2005 Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒegbalẽ, axa 205-211 (ele yevugbe me).

^ mm. 14 Kpɔ Gladys Allen ƒe agbemeŋutinya si ƒe tanyae nye “Nyematrɔ Naneke O!” si dze le September 1, 2002 ƒe Gbetakpɔxɔ me.