Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 47

Ðe Wò Xɔse Asẽ Le Dodokpɔ Mea?

Ðe Wò Xɔse Asẽ Le Dodokpɔ Mea?

‘Migana dzika natso mia ƒo o. Xɔse nenɔ mia si.’—YOH. 14:1.

HADZIDZI 119 Ele Be Xɔse Nanɔ Mía Si

NYA VEVIAWO *

1. Nya kae míate ŋu abia mía ɖokuiwo?

NE ÈBU nu siwo ava dzɔ le etsɔme kpuie—ale si woatsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo, ale si woadze Gog si tso Magog dzi, kple Armagedon-ʋaa ŋua, ɖe wònana nètsia dzimaɖia? Ðe nèbia ɖokuiwò kpɔ be: ‘Ðe mayi edzi awɔ nuteƒe ne nu dziŋɔ siawo le dzɔdzɔma?’ Ne nya mawo va susu me na wò kpɔa, ke nya si Yesu gblɔ le mawunyakpukpui si dzi wotu nusɔsrɔ̃ sia ɖo la, me dzodzro akpe ɖe ŋuwò. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: ‘Migana dzika natso mia ƒo o. Xɔse nenɔ mia si.’ (Yoh. 14:1) Xɔse sẽŋu akpe ɖe mía ŋu be míate ŋu anɔ te ɖe nu siwo ava dzɔ le etsɔmea nu.

2. Aleke míate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse, eye nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Ale si míewɔa nu fifia ne nɔnɔme sesẽ siwo doa míaƒe xɔse kpɔ va mía dzi la akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu siwo míawɔ be míado ŋusẽ míaƒe xɔse. Ne míebu eŋu alea, míakpɔ nu si tututu me wòle be míado ŋusẽ míaƒe xɔse le. Ɣesiaɣi si míedo dzi le nɔnɔme sesẽ aɖe mea, míaƒe xɔse gasẽna ɖe edzi, eye akpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme sesẽ siwo ava le etsɔmea me. Le nyati sia mea, míadzro nɔnɔme ene siwo va Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dzi, siwo ɖee fia be wogahiã xɔse geɖe wu la me. Emegbe míadzro nu siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme sesẽ mawo tɔgbi, siwo vaa mía dzi egbea me, kple ale si woadzra mí ɖo ɖe nu siwo ava dzɔ le etsɔme ŋu.

XƆSE ANA MÍAKA ÐE EDZI BE MAWU AKPƆ MÍAƑE NUHIAHIÃWO GBƆ

Ganyawo ate ŋu asesẽ na mí, gake xɔse akpe ɖe mía ŋu míatsɔ Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ (Kpɔ memama 3-6 lia)

3. Kadodo kae le Yesu ƒe nya siwo dze le Mateo 6:30, 33 kple xɔse dome?

3 Esɔ be ƒome ƒe ta nadi be yeadi nuɖuɖu, nudodo, kple mlɔƒe na ye srɔ̃ kple ye viwo. Ke hã, esia menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o, vevietɔ le ɣeyiɣi sesẽ siawo me. Le nɔvi aɖewo gomea, dɔ ge le wo si, eye wodi bubu ʋuu gake gbeɖegbeɖea koe. Bubuwo kpɔ dɔ, evɔ dɔ ma mesɔ na Kristotɔwo o, eya ta wogbee. Le nɔnɔme mawo katã mea, ele be xɔse sẽŋu nanɔ mía si, eye míaka ɖe Yehowa dzi be akpɔ míaƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí. Yesu na esia me kɔ na eƒe nusrɔ̃lawo le eƒe Todzimawunyaa me. (Xlẽ Mateo 6:30, 33.) Ne míeka ɖe edzi bliboe be Yehowa magblẽ mí ɖi o la, míayi edzi asubɔ Yehowa. Eye ne míekpɔ ale si Yehowa yi edzi le míaƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔm na mí la, míagava te ɖe eŋu wu, eye esia doa ŋusẽ míaƒe xɔse.

4-5. Nu kae kpe ɖe ƒome aɖe ŋu esime wotsi dzi ɖe ale si woakpɔ woƒe nuhiahiã veviwo gbɔ ŋu?

4 Bu ale si Yehowa kpe ɖe ƒome aɖe si le Venezuela, si tsi dzi ɖe ale si woakpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔe ŋu la ŋu kpɔ. Tsãa, anyigba aɖe si nye Castro ƒe ƒomea tɔ dzie wodea agble ɖo tsɔna kpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔe. Gake adzoha aɖe va xɔ anyigbaa le wo si, eye wonya wo ɖa le edzi. Wo fofo, Miguel, gblɔ be: “Míeva haya anyigba sue aɖe nɔ agble dem ɖe edzi. Gbe sia gbea, medoa gbe ɖa na Yehowa be wòana nu si hiã le ŋkeke ma dzi la mí.” Agbea menɔ bɔbɔe na ƒome ma kura o, ke hã, woyi edzi ka ɖe wo Fofo lɔ̃ame si le dziƒoa dzi be akpɔ yewoƒe nuhiahiãwo gbɔ na yewo gbe sia gbe. Castro ƒe ƒomea medzudzɔ kpekpeawo kple gbeadzi dede o. Wotsɔ Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me, eye Yehowa lé be na wo.

5 Le nɔnɔme sesẽ mawo katã mea, Miguel kple srɔ̃a, Yurai, tsɔ woƒe susu ɖoa ale si Yehowa lé be na woe ŋu. Ɣeaɖewoɣia, Yehowa toa mía nɔviwo dzi kpena ɖe wo ŋu, eye wokpe ɖe Miguel ŋu wòkpɔ dɔ aɖe. Ɣebubuɣiwoa, Yehowa toa alɔdzedɔwɔƒea dzi kpena ɖe wo ŋu. Yehowa megblẽ wo ɖi o. Esia wɔe be ƒomea ƒe xɔse gava sẽ ɖe edzi. Esi wonɔ nu ƒom tso nɔnɔme aɖe koŋ si me Yehowa kpe ɖe wo ŋu le ŋua, wo vinyɔnu tsitsitɔ, Yoselin, gblɔ be: “Ewɔ dɔ ɖe mía dzi esi míekpɔ ale si Yehowa tso mí xɔ. Mekpɔe be, enye xɔ̃nye, si akpe ɖe ŋunye ɣesiaɣi.” Egblɔ kpee be: “Nu siwo katã me míeto la dzra míaƒe ƒomea ɖo ɖe nɔnɔme sesẽ siwo ava va le etsɔme ŋu.”

6. Ne ganyawo le sesẽm na wòa, aleke nàte ŋu ado ŋusẽ wò xɔse?

6 Ðe ganyawo le sesẽm na wòa? Ne nenemae la, ke agbea manɔ bɔbɔe na wò kura o. Ke hã, àte ŋu ato nɔnɔme sesẽ mawo dzi ado ŋusẽ wò xɔse. Do gbe ɖa nàxlẽ Yesu ƒe nya siwo dze le Mateo 6:25-34, eye nàde ŋugble tso wo ŋu. Bu nɔvi siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom egbea, gake woyi edzi le Yehowa subɔm kple ale si wòle kpekpem ɖe wo ŋu la ŋu. (1 Kor. 15:58) Ne èwɔe alea, agado ŋusẽ wò nàka ɖe Fofowò si le dziƒo la dzi be akpe ɖe wò hã ŋuwò le nɔnɔme si me tom nèlea me. Enya nu siwo hiã wò kple ale si wòakpɔ wo gbɔe na wò. Ne èkpɔ ale si Yehowa le kpekpem ɖe ŋuwòa, awɔe be wò xɔse nagasẽ ɖe edzi, ale be nàte ŋu ado dzi le nɔnɔme sesẽ siwo ava le etsɔmea me.—Hab. 3:17, 18.

XƆSE NANA MÍEDOA DZI LE NƆNƆME SESẼ SIWO LE ABE AHOM ENE ME

Xɔse sẽŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe ahom ŋutɔŋutɔwo kple kuxi siwo le abe ahom ene nu (Kpɔ memama 7-11 lia)

7. Le Mateo 8:23-26 ƒe nya nua, aleke “ya sesẽ aɖe” si ƒo la do nusrɔ̃lawo ƒe xɔse kpɔ?

7 Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ tɔ dzi gbe ɖekaa, ya sesẽ aɖe ƒo va kpe wo, eye Yesu zã nɔnɔme ma tsɔ kpe ɖe wo ŋu wokpɔ afi si wòhiã be woado ŋusẽ woƒe xɔse le. (Xlẽ Mateo 8:23-26.) Esi tsia va nɔ tɔdziʋua lɔm nɔ kɔkɔm ɖe emea, Yesu ya nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Vɔvɔ̃ ɖo eƒe nusrɔ̃lawo wonyɔe, eye wobiae be wòaxɔ na yewo. Yesu bia wo be: “Mi xɔseʋɛtɔwo, nu ka tae vɔvɔ̃ ɖo mi alea?” Ele be nusrɔ̃la mawo, siwo vɔvɔ̃ ɖo la, nakpɔe be Yehowa akpɔ Yesu kple yewo ta hafi. Nufiame kae le eme na mí? Xɔse sẽŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe ahom ŋutɔŋutɔwo kple nɔnɔme siwo le abe ahom ene nu.

8-9. Nu kawoe do Anel ƒe xɔse kpɔ, eye nu kae kpe ɖe eŋu?

8 Bu ale si nɔnɔme sesẽ aɖe na nɔvinyɔnu tre aɖe si ŋkɔe nye Anel, si tso Puerto Rico, na eƒe xɔse gava sẽ ɖe edzi ŋu kpɔ. Ahom ŋutɔŋutɔ aɖe si woyɔ be Maria va gbã eƒe aƒe le ƒe 2017 me. Azɔ hã, dɔ gblẽ nɛ. Anel gblɔ be: “Le ɣeyiɣi sesẽ mawo mea, metsi dzimaɖi ŋutɔ, gake medoa gbe ɖa na Yehowa, eye esia na nu mete ŋunye o.”

9 Anel gblɔ nu bubu aɖe si kpe ɖe eŋu le nɔnɔme ma me—eyae nye toɖoɖo. Egblɔ be: “Esi mewɔ ɖe mɔfiame siwo tso habɔbɔa gbɔ dzia, nye dzi dze eme. Mekpɔe be Yehowa ye nɔ dzi dem ƒo nam eye wòto nɔviwo hã dzi na ŋutilã me kpekpeɖeŋu aɖewom.” Egblɔ kpee be: “Yehowa na num wògbɔ nu siwo mebiae ŋu, eye esia gado ŋusẽ nye xɔse ɖe edzi.”

10. Ne nɔnɔme siwo le abe “ahom” ene va dziwòa, nu kae nàte ŋu awɔ?

10 Ðe nèle nɔnɔme sesẽ siwo le abe ahom ene me tomaa? Ate ŋu anye dzɔdzɔmefɔku aɖe, alo dɔléle aɖe si le abe ahom ene, si na nètsi dzodzodzoe eye mènya nu si nàwɔ o. Esia ate ŋu ana nàtsi dzimaɖi ɣeaɖewoɣi, gake mègana esia nana ale si nèka ɖe Yehowa dzi me nagbɔdzɔ o. Do gbe ɖa na Yehowa vevie tso dzi me. De ŋugble tso ale si Yehowa kpe ɖe ŋuwò va yi ŋu, eye esia ana nàgado ŋusẽ wò xɔse. (Ps. 77:11, 12) Eye ka ɖe edzi be magblẽ ye ɖi akpɔ gbeɖegbeɖe o.

11. Nu ka tae wòle be míaɖoe kplikpaa aɖo to nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm?

11 Nu bubu kae agakpe ɖe mía ŋu míado dzi? Abe ale si Anel gblɔe enea, toɖoɖoe. Yehowa kple Yesu ka ɖe nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm la dzi, eya ta wò hã dze agbagba nàka ɖe wo dzi. Ɣeaɖewoɣia, nɔvi siawo ana mɔfiame aɖewo wòadze na mí abe susu mele wo me o ene. Ke hã, Yehowa yraa ame siwo ɖoa to. Eƒe Nyaa kple mía nɔviwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo na míekpɔe be toɖoɖo xɔa ame ɖe agbe. (2 Mose 14:1-4; 2 Kron. 20:17) De ŋugble tso kpɔɖeŋu mawo ŋu. Ne èwɔe alea, ana nàɖoe kplikpaa be yeawɔ ɖe mɔfiame siwo atso habɔbɔa gbɔ fifia kple le etsɔmea dzi. (Heb. 13:17) Esia awɔe be màvɔ̃ nɔnɔme sesẽ siwo le abe ahom ene, siwo ava le etsɔme kpuie la akpɔ o.—Lod. 3:25.

XƆSE NANA MÍEDOA DZI NE WOWƆ NU MADZƆMADZƆ ÐE MÍA ŊU

Ne míedoa gbe ɖa tso dzi me la, míaƒe xɔse asẽ (Kpɔ memama 12 lia)

12. Le Luka 18:1-8 ƒe nya nua, aleke xɔse akpe ɖe mía ŋu míado dzi ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu?

12 Yesu nya be, nu madzɔmadzɔ siwo le edzi yim la ado yeƒe nusrɔ̃lawo ƒe xɔse kpɔ. Be wòakpe ɖe wo ŋu woate ŋu anɔ te ɖe wo nua, ewɔ kpɔɖeŋu aɖe si dze le Luka ƒe agbalẽa me. Yesu gblɔ ŋutinya aɖe, si ku ɖe ahosi aɖe si yi edzi nɔ kuku ɖem na ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔ aɖe be wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ye la ŋu. Ahosia ka ɖe edzi be, ne yemena ta oa, woava tso afia dzɔdzɔe na ye. Mlɔebaa, ʋɔnudrɔ̃laa va tso afia dzɔdzɔe nɛ. Nufiameae nye ka? Yehowa mewɔa nu madzɔmadzɔ o. Eya tae Yesu gblɔ be: “Ekema ɖe Mawu mana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na eƒe ame tiatia siwo le ɣli dom nɛ zã kple keli . . . oa?” (Xlẽ Luka 18:1-8.) Yesu gblɔ kpee be: “Ne Amegbetɔvi la va ɖo la, ɖe wòakpɔ xɔse sia tɔgbi le anyigba dzi vavãa?” Ne míele fu kpem le nu madzɔmadzɔ aɖe ta, eye míegbɔ dzi ɖi, eye míena ta o la, míaɖee afia be xɔse sẽŋu le mía si abe ahosia ene. Ne xɔse ma le mía sia, míaka ɖe edzi be eteƒe madidi o, Yehowa axɔ na mí. Azɔ hã, mele be míaŋlɔ gbedodoɖa be o, elabe Yehowa aɖo wo ŋu le mɔ siwo míesusui o nu.

13. Aleke gbedodoɖa kpe ɖe ƒome aɖe si ŋu wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖo la ŋu?

13 Bu nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Vero, si le Democratic Republic of the Congo (République démocratique du Congo) ŋu kpɔ. Eya kple srɔ̃a si menye Ðasefo o kpakple wo vi nyɔnuvi si xɔ ƒe 15 la si le woƒe kɔƒea me, esi asrafo aɖewo va dze woƒe kɔƒea dzi ta. Esi wonɔ mɔa dzia, wova ɖo teƒe aɖe si asrafowo xe mɔa le, eye wolé wo hedo ŋɔdzi na wo be yewoawu wo. Esi Vero wó avia, via dze agbagba be yeafa akɔ nɛ. Eya ta enɔ gbe dom ɖa wònɔ ɖiɖim nɔ Yehowa ƒe ŋkɔ yɔm enuenu le gbedodoɖaa me. Esi wòwu gbedodoɖaa nua, amegã si le asrafoawo nu biae be: “Nyɔnuvi, ame kae fia gbedodoɖa wò?” Eɖo eŋu be: “Nɔnyee. Ezã nya siwo dze le Mateo 6:9-13 tsɔ fia gbedodoɖam.” Amegãa ɖo eŋu be: “Nyɔnuvi, wò kple dziwòlawo midzo yi le ŋutifafa me, eye mia Mawu Yehowa nenɔ anyi kpli mi!”

14. Nu kae ate ŋu ado míaƒe xɔse kpɔ, eye nu kae akpe ɖe mía ŋu míado dzi?

14 Nudzɔdzɔ mawo tɔgbi na míekpɔe be, mele be míabu gbedodoɖa nu tsɛ gbeɖe o. Ke ne womeɖo míaƒe gbedodoɖa aɖe ŋu kaba o, alo ɖo eŋu le mɔ ɖedzesi aɖe nu o ɖe? Abe ahosi si le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me enea, nɔ gbe dom ɖa, eye ka ɖe edzi be Mawu magblẽ wò ɖi o. Aɖo wò gbedodoɖaa ŋu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, le mɔ nyuitɔ nu. Yi edzi nàbia Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wò. (Fil. 4:13) Ðo ŋku edzi be eteƒe madidi o, Yehowa ayra wò geɖe, eye àŋlɔ fu siwo katã nèkpe va yi la be. Ne èyi edzi le dzi dom le esi Yehowa yi edzi le kpekpem ɖe ŋuwò taa, ado ŋusẽ wò be nàdo dzi le nɔnɔme sesẽ siwo ava le etsɔme la me.—1 Pet. 1:6, 7.

XƆSE NANA MÍEÐUA KUXIWO DZI

15. Le Mateo 17:19, 20 ƒe nya nua, kuxi kae Yesu ƒe nusrɔ̃lawo do goe?

15 Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be ne xɔse le wo sia, woate ŋu aɖu kuxiwo dzi. (Xlẽ Mateo 17:19, 20.) Gbe ɖeka, womete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe do goe o, evɔ wote ŋu nya ɖewo do goe va yi. Nu kae nye kuxia? Yesu ɖe eme be, wohiã xɔse geɖe. Egblɔ na wo be ne xɔse geɖe le wo sia, woate ŋu aɖu kuxi siwo le abe towo ene dzi! Egbea, míawo hã míedoa go kuxi siwo le abe towo ene.

Dzigbãnya sesẽwo ate ŋu ava mía dzi, gake xɔse akpe ɖe mía ŋu míayi Yehowa subɔsubɔ dzi (Kpɔ memama 16 lia)

16. Aleke xɔse kpe ɖe Geydi ŋu wònɔ te ɖe dzigbãnya gã aɖe nu?

16 Bu nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Geydi, si tso Guatemala ŋu kpɔ. Wowu srɔ̃a, Edi, esi eya kplii wotso hame ƒe kpekpe aɖe gbɔna. Aleke xɔse kpe ɖe Geydi ŋu wòdo dzi le dzigbãnya gã ma me? Egblɔ be: “Medo gbe ɖa na Yehowa dro nye agbawo ɖe edzi. Esia na mekpɔ tomefafa. Mekpɔ ale si Yehowa to nye ƒomea kple xɔ̃nye siwo le hamea me dzi kpe ɖe ŋunye. Meyi edzi do vevie Yehowa subɔsubɔ. Esia na nye vevesesewo dzi ɖiɖi, eye wòkpe ɖe ŋunye nyemetsi dzi fũu ɖe etsɔ ŋu o. Nu sia si me meto na meva ka ɖe edzi be, nɔnɔme sesẽ ka kee ɖava le etsɔme o, Yehowa, Yesu, kple habɔbɔa li nam.”

17. Nu kae akpe ɖe mía ŋu ne míedo go kuxi siwo le abe towo ene?

17 Ðe wò ame vevi aɖe ku, si na nèle nu xamaa? Ekema di ɣeyiɣi nàsrɔ̃ nu tso ame siwo wofɔ ɖe tsitre ƒe ŋutinyawo ŋu le Biblia me be nàdo ŋusẽ wò xɔse. Ðe woɖe wò ƒometɔ aɖe le hamea me, si na nèle nu xamaa? Ekema ku nu me nàkpɔ kpeɖodzi siwo ɖee fia be, Yehowa ƒe amehehee nye nyuitɔ kekeake. Kuxi ka ke me tom nèɖale o, zã mɔnukpɔkpɔ ma nàtsɔ ado ŋusẽ wò xɔse. Gblɔ wò dzimenyawo na Yehowa. Mègaɖe ɖokuiwò ɖe aga o, ke boŋ nɔ nɔviawo ŋu kplikplikpli. (Lod. 18:1) Wɔ nu siwo nèwɔna gbe sia gbe, be woakpe ɖe ŋuwò nàdo dzi, ne esia ana nàɖo ŋku wò ame vevia dzi kple aɖatsiwo gɔ̃ hã. (Ps. 126:5, 6) Nɔ kpekpeawo kple gbeadzi dem, eye nànɔ Biblia xlẽm. Tsɔ wò susu katã ɖo yayra siwo Yehowa dzra ɖo ɖi na wò ŋu. Eye ne èkpɔ ale si Yehowa le kpekpem ɖe ŋuwòa, wò xɔse agasẽ ɖe edzi.

“NA MÍAƑE XƆSE NADZI ÐE EDZI”

18. Ne ède dzesii be wò xɔse le gbɔdzɔgbɔdzɔm la, nu kae nàte ŋu awɔ?

18 Ne nɔnɔme sesẽ aɖe si me nèto va yi, alo si me tom nèle fifia, na nèkpɔe be, wò xɔse le gbɔdzɔgbɔdzɔm la, dzi megaɖe le ƒowò o. Wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ nàtsɔ ado ŋusẽ wò xɔse. Bia Yehowa be wòana wò “xɔse nadzi ɖe edzi” abe ale si Yesu ƒe apostoloawo biae ene. (Luka 17:5) Azɔ hã, de ŋugble tso ame siwo ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me ŋu. Abe Miguel kple Yurai enea, ɖo ŋku ɣeyiɣi siwo katã me Yehowa kpe ɖe ŋuwò dzi. Abe Vero vinyɔnuvia kple Anel enea, do gbe ɖa na Yehowa tso dzi me, vevietɔ ne èle nɔnɔme sesẽa me tom. Eye abe Geydi enea, de dzesii ale si Yehowa toa wò ƒomea kple xɔ̃wòwo dzi kpena ɖe ŋuwò. Eye ne èna Yehowa kpe ɖe ŋuwò nèdo dzi le nɔnɔme sesẽ siwo me tom nèle fifia mea, àka ɖe edzi be akpe ɖe ye ŋu yeado dzi le nɔnɔme sesẽ siwo ava va le etsɔmea me.

19. Nu ka dzie Yesu ka ɖo, eye nu ka dzie wò hã nàte ŋu aka ɖo?

19 Yesu kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu wokpɔ afi si wohiã xɔse geɖe wu le. Eye eka ɖe edzi be, Yehowa akpe ɖe wo ŋu woado dzi le nɔnɔme sesẽ siwo ava wo dzi le etsɔmea me. (Yoh. 14:1; 16:33) Eye eka ɖe edzi hã be, xɔse sẽŋu akpe ɖe ameha gã aɖe ŋu woatsi agbe le xaxa gã si gbɔna me. (Nyaɖ. 7:9, 14) Ànɔ agbetsilawo domea? Le Yehowa ƒe amenuveve mea, ànɔ wo dome ne èwɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ fifia tsɔ do ŋusẽ wò xɔse!—Heb. 10:39.

HADZIDZI 118 “Na Xɔse Geɖe Mí”

^ mm. 5 Mí katã míedi be xexe vɔ̃ɖi sia na wu enu. Ke hã, ɣeaɖewoɣia, míanɔ mía ɖokui biam be ɖe míaƒe xɔse ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me va se ɖe nuwuwua? Le nyati sia mea, míadzro kpɔɖeŋu aɖewo kple nu ŋutɔŋutɔ siwo míate ŋu asrɔ̃ tso wo me, siwo ado ŋusẽ míaƒe xɔse la me.