Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Meva Ke Ðe Agbe Si Ŋu Taɖodzinu Vavã Le Ŋu

Meva Ke Ðe Agbe Si Ŋu Taɖodzinu Vavã Le Ŋu

ESI meku tɔdziʋu nɔ Mediterranea Ƒua dzi yina, kaka makpɔa, tɔdziʋua ŋɔ, eye tsi nɔ gegem ɖe ʋua me. Eyome ya te ƒoƒo sesĩe. Mevɔ̃ ŋutɔ, eye medo gbe ɖa enumake. Ƒe gbogbo aɖewoe nye ema nyemegado gbe ɖa kpɔ o. Aleke wòdzɔe be meva ɖo nɔnɔme sia me? Na magblɔ nye ŋutinyaa tso gɔmedzedzea.

Esime mexɔ ƒe adre, eye míenɔ Brazil

Wodzim le Netherlands (Pays-Bas) le ƒe 1948 me. Ƒe si kplɔe ɖoa, míaƒe ƒomea ʋu yi São Paulo, le Brazil. Dzinyelawo mefena kple sɔlemedede kura o. Eye fiẽ sia fiẽ, ne míeɖu nu vɔa, ƒome bliboa xlẽa Biblia ɖekae. Le ƒe 1959 mea, míeʋu le Brazil hã, eye míevae nɔ Massachusetts, le Amerika.

Mí katã míele ame enyi, eye Papa wɔa dɔ vovovowo be yeakpɔ ƒomea dzi. Etsana dzraa nu, ewɔ dɔ kple mɔdolawo hã kpɔ, eye ɣeaɖeɣia, ewɔ dɔ kple yameʋudɔwɔƒe aɖe hã. Esi Papa kpɔ dɔ le yameʋudɔwɔƒea, ƒome bliboa kpɔ dzidzɔ, elabe ewɔe be míetea ŋu zɔa mɔ edziedzi.

Esime menɔ sekɛndrisuku (lycée) la, mebiaa ɖokuinye be: ‘Dɔ kae mawɔ ne metsi?’ Nye sukuhati aɖewo tiae be yewoade yunivɛsiti, eye ɖewo hã tiae be yewoazu asrafo. Gake nye ya nyemedi be mawɔ asrafodɔ kura o, elabena nyahehe medzɔa dzi nam o, kaka wòava nye aʋawɔwɔ o. Eya ta metiae be mayi yunivɛsiti, ale be nyemawɔ asrafodɔ o. Gake le nyateƒe mea, nu si medi vevie be mawɔe nye be makpe ɖe amewo ŋu; emae mesusu be ana taɖodzinu vavã nanɔ nye agbe ŋu.

ALE SI MENƆ AGBEE ESIME MENƆ YUNIVƐSITI

Mezã ƒe geɖe tsɔ nɔ taɖodzinu si le agbe ŋu dim

Esi medi be manya nu tso afi si agbe dzɔ tso ŋu taa, metiae be masrɔ̃ nu tso nu ma ŋu le yunivɛsiti. Míaƒe nufialawo fia nu mí be míaxɔe ase be ɖeko nu gbagbewo dzɔ le wo ɖokuiwo si. Gake mekpɔe be susu mele woƒe numeɖeɖe aɖewo me o, eye kpeɖodzi mele wo ŋu hã o.

Womefiaa nu mí tso agbe nyui nɔnɔ ŋu le sukua o, ke boŋ ale si míawɔ agbea nadze edzi na mí koe. Medea kplɔ̃ɖoƒewo kple aglotuƒewo, eye mezãa atike vɔ̃ɖiwo hã, be makpɔ dzidzɔ. Gake womenana mekpɔa dzidzɔ eteƒe didina o. Mebiaa ɖokuinye be: ‘Taɖodzinu ka koŋue le nye agbe ŋu?’

Meyi Boston dugãa me hete yunivɛsiti dede le afi ma hã. Mewɔ dɔ le dzomeŋɔli be mate ŋu axe nye sukufea. Nye dɔwɔhati ɖeka nye Yehowa Ðasefo. Eyae nye Ðasefo gbãtɔ si medo goe. Eɖe nyagblɔɖi si le Daniel ta 4 lia me ku ɖe “ɣeyiɣi adre” ŋu, la me nam, eye wògblɔ nam be míele ŋkeke mamlɛawo me. (Dan. 4:13-17) Mede dzesii enumake be, ne meyi numedzodzroa dzia, ava hiã be matrɔ nye agbenɔnɔ. Eya ta medze agbagba ɖe sia ɖe be maƒo asa na nye dɔwɔhati ma.

Le yunivɛsitia, mesrɔ̃ nu siwo ate ŋu akpe ɖe ŋunye be mavae wɔ kpekpeɖeŋunadɔ le Anyiehe Amerika. Mesusui be ne mekpe ɖe ame siwo hiã tu ŋua, ana taɖodzinu vavã nanɔ nye agbe ŋu. Ke hã, meva de dzesii be mele nenema kura o. Dzi ɖe le ƒonye, eye esi míexɔ mɔkeke gbãtɔ le ƒea me koa, medzudzɔ yunivɛsitia dede.

MEZƆ MƆ YI XEXEA ƑE AKPA VOVOVOWO KPƆ BE MATE ŊU AKE ÐE AGBE SI ŊU TAÐODZINU VAVÃ LE ŊU HÃ

Le May 1970 mea, meʋu yi Amsterdam, le Netherlands, be mavae wɔ dɔ na yameʋudɔwɔƒe si fofonye wɔ dɔ na va yi. Dɔ sia wɔe be mete ŋu zɔ mɔ enuenu yi Afrika, Europa, Asia, kple Amerika nutowo me. Mede dzesii be, dukɔ ɖe sia ɖe si me meyia, kuxi sesẽwo le fu ɖem na amewo, siwo womele ta kpɔm na o. Esia na megaɖoe kplikpaa be mawɔ nane atsɔ akpe ɖe amewo ŋu. Eya ta metrɔ yi Amerika, eye megate yunivɛsiti si mede va yi le Boston la dede ake.

Ke hã, eteƒe medidi o mede dzesii be, nu siwo srɔ̃m míenɔ la menɔ kpekpem ɖe ŋunye be makpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevi siwo nɔ asinye ku ɖe agbea ŋu o. Metɔtɔ ŋutɔ. Eye mebia aɖaŋuɖoɖo tso míaƒe nufialagã ɖeka gbɔ. Egblɔ nam be: “Ne mèle kekem ɖe nu si dim nèle ŋu le afi sia oa, ke dzudzɔ edidi le afi sia.” Nyemenɔ mɔ kpɔm be wòagblɔ nya ma o. Ke hã, edzɔ dzi nam, eye medzudzɔ yunivɛsitia dede enumake.

Ke hã, megakpɔtɔ nɔ sesem le ɖokuinye me be, taɖodzinu vavã mele nye agbe ŋu o. Eya ta meƒo ɖokuinye ɖe habɔbɔ aɖe si tsi tsitre ɖe aʋawɔwɔ ŋu, eye wogblɔna be yewodoa lɔlɔ̃ kple ŋutifafa ɖe ŋgɔ la me. Nye kple xɔ̃nye aɖewo míezɔ mɔ yi Amerika ƒe teƒe vovovowo, eye míekekee ɖe enu va do ɖe Acapulco, le Mexico. Le nuto si me míenɔa, gbevuvi siwo metsɔ ɖeke le naneke me o la sɔŋue nɔ afi ma. Mede dzesii le wo ŋu be, viɖe mele woƒe agbe ŋu o, eye mana woakpɔ dzidzɔ ɖaa o. Azɔ hã, wometoa nyateƒe o, eye womewɔa nuteƒe hã o.

MEYI AGBE SI ŊU TAÐODZINU VAVÃ LE DIDI DZI ESI MEZƆ MƆ LE ATSIAƑU DZI

Nye kple xɔ̃nye míezɔ mɔ nɔ ƒukpo si le abe paradiso ene dim

Ɣemaɣia, meva nɔ ŋugble dem le nu si meɖo le ɖevime be mava wɔ ne metsi la ŋu. Eyae nye be, maku tɔdziʋu le atsiaƒu dzi atsa le xexea me. Esia bia be tɔdziʋu nanɔ nye ŋutɔ asinye. Xɔ̃nye aɖe si ŋkɔe nye Tom hã di be yeawɔ nu ma ke. Eya ta míeɖoe be míazɔ mɔa ɖekae. Menɔ mɔ kpɔm be make ɖe ƒukpo aɖe si dzi anɔ abe paradiso ene ŋu, afi si makpɔ tomefafa le, eye amegbetɔwo ƒe nuwɔna aɖeke maɖe fu nam o.

Nye kple Tom míezɔ mɔ yi Arenys de Mar, si te ɖe Barcelona ŋu, le Spain (Espagne). Míeƒle tɔdziʋu si didi meta asieke kple afã kloe, si ŋkɔe nye Llygra, le afi ma. Míegbugbɔ trɔ asi le eŋu be míate ŋu akui ato atsiaƒu dzi. Gake esi wònye mímetsi dzi be míaɖo afi si yim míele o taa, míeɖe mɔ̃a ɖa le tɔdziʋua me, be míate ŋu akpɔ teƒe afɔ tsinono geɖe akɔ ɖo. Míede kuɖɔɖoti eve, siwo dometɔ ɖe sia ɖe didi meta 5 la ʋua ŋu, be míate ŋu akui ato melidzeƒe suewo hã. Mlɔebaa, míedze mɔ ɖo ta Seychelles, si nye ƒukpo aɖe le India Ƒua me. Míeɖoe be míaku ʋua to Ɣetoɖoƒe Afrika ƒe ƒuta lɔƒo, eye míava to Cape of Good Hope (Cap de Bonne-Espérance) le South Africa (Afrique du Sud). Míezã ɣletiviwo, anyigbatatawo, agbalẽwo, kple mɔfianu aɖewo, wokpe ɖe mía ŋu míenya afi si tututu míeɖo. Esia wɔ nuku nam ŋutɔ.

Eteƒe medidi o míeva de dzesii be, míaƒe tɔdziʋu xoxoea mate ŋu akplɔ mí to atsiaƒua dzi dedie o. Eŋɔ, eye le gaƒoƒo ɖe sia ɖe mea, tsi si ade galɔn ade (alo lita 22) gena ɖe eme. Eyome ya te ƒoƒo sesĩe, eye abe ale si megblɔe va yi enea, nu siawo wɔe be mevɔ̃ ŋutɔ, eye medo gbe ɖa na Mawu hedo ŋugbe nɛ be, ne míetsi agbea, madze agbagba be manyae. Nukutɔea, yaa tɔ te, eye mewɔ ɖe nye ŋugbedodoa dzi.

Medze Biblia xexlẽ gɔme esi míenɔ atsiaƒua dzi. Kpɔ ale si dzi adzɔ wòe ɖa, be nànɔ tɔdziʋu me le Mediterranea Ƒua dzi, anɔ lã vovovowo kpɔm le atsiaƒua me, eye nànɔ ƒukpowo kple dziŋgɔlia kpɔm ɖaa le adzɔge. Le zã mea, mekpɔa ɣletivi gbogbo aɖewo le dziƒo. Wonya kpɔna nam ŋutɔ, eye wona megava ka ɖe edzi geɖe wu be Mawu li, eye be etsɔ ɖe le eme na mí.

Kwasiɖa aɖewo megbea, míeva ɖo Alicante melidzeƒea le Spain, eye míeɖoe be míadzra míaƒe tɔdziʋua aƒle bubu. Esesẽ be míakpɔ ame wòaƒle tɔdziʋu xoxoe si ŋɔ, si me mɔ̃ mele o. Gake ɣemaɣi si míenɔ ame dim wòaƒleea, mewɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ tsɔ xlẽ Biblia.

Esi meyi edzi nɔ Biblia xlẽma, meva de dzesii be, aɖaŋuɖoɖo geɖe le eme, siwo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzɔ le agbe me. Biblia ƒe mɔfiame siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu me kɔ, eye wowɔ dɔ ɖe dzinye hã. Gake ewɔ nuku nam be, ame geɖe siwo gblɔna be yewonye Kristotɔwo, abe nye ke enea, mewɔna ɖe emenyawo dzi o.

Meɖoe kplikpaa be matrɔ nye agbenɔnɔ kura, be manɔ agbe nyui. Eya ta medzudzɔ atike vɔ̃ɖiwo zazã. Azɔ hã, mekpɔe be, anye be ame aɖewo li kokoko, siwo wɔna ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi, eye medi be mado go wo, ne made ha kpli wo. Eya ta medo gbe ɖa na Mawu zi evelia, be wòakpe ɖe ŋunye make ɖe ame siawo ŋu.

MEDI SUBƆSUBƆHA VAVÃTƆ

Be make ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋua, meɖoe be malé ŋku ɖe subɔsubɔhawo katã ŋu ɖekaɖeka. Esi metsa le Alicante dua mea, meke ɖe sɔlemexɔ geɖe ŋu. Gake esi nutatawo le wo dometɔ geɖe ŋu taa, mekpɔe be womenye subɔsubɔha vavãtɔ o.

Kwasiɖagbe ŋdɔ aɖea, menɔ to aɖe dzi nɔ melidzeƒea kpɔm ɖaa, eye menɔ Yakobo 2:1-5 xlẽm. Kpukpui ma xlɔ̃ nu mí be míagawɔ nu ɖe ame aɖe ŋu nyuie le esi wònye kesinɔtɔ ta o. Esi metrɔ yina melidzeƒea, mekpɔ xɔ aɖe si me wonɔ subɔsubɔwɔna aɖe wɔm le. Woŋlɔ ɖe edzi be: “Yehowa Ðasefowo Ƒe Fiaɖuƒe Akpata.”

Megblɔ be: ‘Mado ame siawo kpɔ be aleke woawɔ nu ɖe ŋunye hã.’ Ɣemaɣia, nyemedo afɔkpa o, meɖo ge ʋlayaa, eye jeans xoxoe aɖe ko medo. Gake menɔ nenema ge ɖe xɔa me. Anyinɔƒegbɔkpɔlaa kplɔm mevae nɔ anyi ɖe nyɔnu tsitsi aɖe gbɔ. Nyɔnua kpe ɖe ŋunye meke ɖe mawunyakpukpui siwo woyɔ be woaxlẽa ŋu. Esi wokpã vɔa, amewo va do gbe nam hedo vivi ɖe ŋunye. Esia wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Ŋutsu aɖe kpem be mava ye ƒe me ne míadzro Biblia me. Gake esi nyemewu Biblia xexlẽ nu o ta, megblɔ nɛ be: “Ne mesɔ gbe koa, mana nànya.” Ke hã, mete kpekpeawo katã dede.

Kwasiɖa geɖe megbea, meyi ŋutsua gbɔ le aƒe me, eye ezã Biblia tsɔ ɖo nye biabiawo ŋu nam. Kwasiɖa ɖeka megbea, ena akpete aɖem, si me awu nyuiwo le. Egblɔ nam be nɔvi si tɔ awuawo nye la le gaxɔ me. Wolée de gaxɔ me le esi wòɖoe kplikpaa be yeawɔ ɖe Biblia ƒe se si nye be míalɔ̃ mía nɔewo, eye míagasrɔ̃ aʋawɔwɔ o, dzi ta. (Yes. 2:4; Yoh. 13:34, 35) Mekpɔe be meke ɖe nu si dim menɔ ŋu azɔ—ɛ̃, mekpɔ ame siwo wɔna ɖe Biblia ƒe mɔfiame siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu dzi. Meɖe asi le ƒukpo si le abe paradiso ene didi ŋu, eye fifia nye taɖodzinue nye be masrɔ̃ Biblia ase egɔme. Eya ta metrɔ yi Netherlands.

MEVA TE DƆDIDI

Mezɔ mɔ ŋkeke ene sɔŋ hafi va ɖo Groningen dugãa me le Netherlands. Ehiã be madi dɔ aɖe awɔ atsɔ akpɔ ɖokuinye dzi. Meva di dɔ le atikpadɔwɔƒe aɖe. Eye le dɔbiagbalẽ si wotsɔ nam be makpe ɖo dzia, wobia be subɔsubɔha ka mee mele hã. Meŋlɔ ɖe afi ma be, menye Yehowa Ðasefo. Esi dɔtɔa kpɔea, eƒe mo trɔ, eye wògblɔ be: “Mayɔ wò emegbe.” Gake meyɔ kpɔ o.

Meyi atikpaƒe bubu, eye mebia be wohiã kpekpeɖeŋu hã. Dɔtɔa bia be matsɔ nye ɖaseɖigbalẽ vɛ. Meɖe eme nɛ be, metrɔ asi le tɔdziʋu aɖe ŋu be matsɔe azɔ mɔ le atsiaƒu dzi kpɔ. Nukutɔea, ŋutsua gblɔ nam be: “Àte ŋu adze dɔ gɔme ŋdɔ sia. Gake kpɔ egbɔ be màgawɔ naneke le dɔwɔƒea si adem nya me o, elabe Yehowa Ðasefoe menye, eye mewɔna ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi.” Ewɔ nuku nam ŋutɔ, eye megblɔ be: “Nye hã Ðasefoe menye!” Gake enya be menye Ðasefoe menye o, elabena nye ge kple nye ɖa to ʋlayaa. Eya ta egblɔ be: “Ke masrɔ̃ Biblia kpli wò!” Melɔ̃ enumake. Azɔ meva kpɔ susu si ta atikpala gbãtɔa meyɔm o. Yehowae na, ale be nye didiwo nava eme nam. (Ps. 37:4) Mewɔ dɔ le nɔviŋutsu sia ƒe dɔwɔƒea ƒe ɖeka. Ɣemaɣia, esrɔ̃ Biblia kplim, emegbe mexɔ nyɔnyrɔ le January 1974 me.

MEKE ÐE AGBE SI ŊU TAÐODZINU VAVÃ LE ŊU MLƆEBA!

Ɣleti ɖeka megbea, medze mɔɖeɖedɔa gɔme, eye ena mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Ɣleti si kplɔe ɖo mea, meʋu yi Amsterdam, be mavae kpe asi ɖe Spaingbe dolawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si woɖo teti ŋu. Dzi dzɔm ŋutɔ esi mesrɔ̃ Biblia kple amewo le Spaingbe kple Portugalgbe me! Le May 1975 mea, woɖom mɔɖela vevi.

Gbe ɖekaa, nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Ineke, si hã nye mɔɖela vevi, la kplɔ eƒe Biblia-nusrɔ̃vi aɖe si nye Boliviatɔ va míaƒe kpekpe be wòa dzesi nɔvi siwo doa Spaingbe. Nye kple Ineke míeɖoe be míanya mía nɔewo nyuie. Eya ta míeŋlɔa lɛta na mía nɔewo, eye míede dzesii be, taɖodzinu ɖekae le mía si. Míeɖe mía nɔewo le ƒe 1976 me, eye míeyi mɔɖela vevi ƒe dɔa dzi va se ɖe ƒe 1982 me, esime wokpe mí be míava de Gilead Suku ƒe klas 73 lia. Ewɔ nuku na mí ŋutɔ esime wode dɔ asi na mí be míavae subɔ le Ɣedzeƒe Afrika, gake edzɔ dzi na mí hã. Míesubɔ le Mombasa le Kenya ƒe atɔ̃! Le ƒe 1987 mea, woɖo mí ɖe Tanzania. Ɣemaɣia, woɖe mɔ ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu le Tanzania. Míesubɔ le afi ma ƒe 26 sɔŋ; emegbe wogaɖo mí ɖe Kenya.

Nye kple srɔ̃nye míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi míenɔ Biblia me nyateƒewo fiam amewo le Ɣedzeƒe Afrika

Kpekpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu be woava srɔ̃ Biblia me nyateƒea na taɖodzinu vavã va le míaƒe agbe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esime menɔ dutoƒoɖaseɖiɖidɔa wɔm ye meke ɖe Biblia nusrɔ̃vi gbãtɔ ŋu le Mombasa. Mena magazine evee, eye wòbiam be: “Ne mexlẽ wo vɔa, nu kae mawɔ?” Kwasiɖa si kplɔe ɖoa, mete Biblia sɔsrɔ̃ kplii. Míezã agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi, si woɖe ɖe go le Swahiligbe me koe ma. Ƒe ɖeka megbea, exɔ nyɔnyrɔ, eye wòva zu gbesiagbe mɔɖela. Tso ema dzia, eya kple srɔ̃a wokpe ɖe ame siwo ade 100 ŋu wova ɖe adzɔgbe na Yehowa eye woxɔ nyɔnyrɔ.

Nye kple srɔ̃nye, Ineke, míeva de dzesii be Yehowa kpena ɖe eƒe amewo ŋu be taɖodzinu vavã nanɔ woƒe agbe ŋu

Zi gbãtɔ si meva nya taɖodzinu si le agbe ŋua, mese le ɖokuinye me abe asitsala si va ke ɖe dzonu xɔasi aɖe ŋu, eye medi be wòado le ye si o ene. (Mat. 13:45, 46) Medi be mazã nye agbe katã atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã woava de dzesi tameɖoɖo si le agbe ŋu. Nye kple srɔ̃nye lɔlɔ̃a míeva de dzesii be, Yehowa kpena ɖe eƒe amewo ŋu be taɖodzinu vavã nanɔ woƒe agbe ŋu.