Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 44

Vi Kawoe Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O Ðena Na Wò?

Vi Kawoe Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O Ðena Na Wò?

“[Yehowa ƒe] lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee.”—PS. 136:1.

HADZIDZI 108 Mawu Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae Yehowa de dzi ƒo na mí be míawɔ?

LƆLƆ̃ si nu metsina o, alo lɔlɔ̃ vavã, le vevie na Yehowa. (Hos. 6:6) Eye edi be wòanɔ vevie na míawo hã. Eto nyagblɔɖila Mika dzi xlɔ̃ nu mí be ‘míalɔ̃ lɔlɔ̃ vavã.’ (Mika 6:8, etenuŋɔŋlɔ.) Gake hafi míate ŋu awɔ esia la, ele be míanya nu si lɔlɔ̃ si nu metsina o, alo lɔlɔ̃ vavã, nye.

2. Nu kae nye lɔlɔ̃ si nu metsina o?

2 Nu kae nye lɔlɔ̃ si nu metsina o? Nya “lɔlɔ̃ si nu metsina o,” si gɔme wogaɖe le teƒe aɖewo be “lɔlɔ̃ vavã,” “amenuveve,” alo “dɔmenyonyo,” dze zi gbɔ zi 230 kloe le Xexe Yeye gɔmeɖeɖe Bibliaa me. Woɖe egɔme le “Biblia Me Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea” wòfia “ɖokuitsɔtsɔna ƒe lɔlɔ̃, nuteƒewɔwɔ kple kukuɖeameŋu vevie. Wozãnɛ enuenu wòkuna ɖe ale si Mawu lɔ̃ amegbetɔwoe ŋu. Gake eganye lɔlɔ̃ si amewo ɖena fiana le wo nɔewo dome.” Yehowa ye ɖo lɔlɔ̃ si nu metsina o ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ ɖi. Le nyati sia mea, míadzro ale si wòɖe lɔlɔ̃ ma fia amegbetɔwoe la me. Eye le nyati si kplɔe ɖo mea, míadzro ale si mawusubɔlawo ate ŋu asrɔ̃ Yehowa, eye woaɖe lɔlɔ̃ ma afia wo nɔewo la me.

YEHOWA ƑE “LƆLƆ̃ SI NU METSINA O. . . SƆ GBƆ”

3. Nya kae Yehowa gblɔ tso eɖokui ŋu na Mose?

3 Esi Israel-viwo ʋu le Egipte megbe kpuiea, Yehowa ɖe nane fia Mose tso eƒe ŋkɔ kple eƒe nɔnɔmewo ŋu. Yehowa gblɔ be: “Yehowa, Yehowa, Mawu nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula, ame si medoa dziku kabakaba o, eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kple eƒe nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, ame si ɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiaa ame akpeakpewo, eye wòtsɔa vodada, dzidada kple nu vɔ̃ kena.” (2 Mose 34: 6, 7) Yehowa to nya wɔdɔɖeamedzi siawo dzi ɖe nu vevi aɖe fia Mose tso eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o ŋu. Nu kae?

4-5. (a) Aleke Yehowa ɖɔ eɖokui? (b) Biabia kawo mee míadzro?

4 Menye ɖeko Yehowa ɖɔ eɖokui be yeƒe lɔlɔ̃ nu metsina o ko evɔ o, ke boŋ egblɔ be yeƒe “lɔlɔ̃ si nu metsina o . . . sɔ gbɔ.” Woƒo nu tso lɔlɔ̃ sia ŋu zi geɖe le Biblia me. (4 Mose 14:18; Neh. 9:17; Ps. 86:15; 103:8; Yoel 2:13; Yona 4:2) Eye le nɔnɔme siwo katã me wozãe le la, eku ɖe Yehowa ŋu, ke menye amegbetɔwo o. Meɖe dzesi ŋutɔ be Yehowa ɖɔ eɖokui nenema le Biblia me oa? Esia na míekpɔe be lɔlɔ̃ si nu metsina o le vevie nɛ. * Mewɔ nuku o be esia wɔ dɔ ɖe Fia David dzi wògblɔ be: “Oo Yehowa, wò amenuveve kɔ yi ɖatɔ dziƒo ke . . . Oo Mawu, wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la xɔ asi loo! Wò aʋalawo ƒe vɔvɔli tee amegbetɔviwo dia sitsoƒe le.” (Ps. 36:5, 7) Ðe Mawu ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o le vevie na mí abe ale si wònɔ vevie na David enea?

5 Be míagase Mawu ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o gɔme ɖe edzia, mina míadzro nyabiase eve siawo me: Ame kawoe Yehowa ɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiana? Eye vi kae wòɖena na mí ne Yehowa ɖe lɔlɔ̃ sia fia mí?

AME KAWOE YEHOWA ÐEA LƆLƆ̃ SI NU METSINA O FIANA?

6. Ame kawoe Yehowa ɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiana?

6 Ame kawoe Yehowa ɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiana? Biblia gblɔ be míate ŋu alɔ̃ nuwo abe “agbledede,” “ami kple wain,” “amehehe,” “sidzedze,” “nunya,” kple bubuawo ene. (2 Kron. 26:10; Lod. 12:1; 21:17; 29:3) Ke hã, amegbetɔwo koe woɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o la fiana. Gake Yehowa meɖea lɔlɔ̃ sia fiaa ame sia ame ko o. Eɖea lɔlɔ̃ sia fiaa ame siwo woa kplii dome le kplikplikpli ko. Mía Mawu la wɔa nuteƒe na exɔlɔ̃wo. Eɖo tame nyui aɖe ɖe wo ŋu, eye wòyia edzi lɔ̃a wo.

Yehowa naa nu nyui geɖe amegbetɔwo katã, ame siwo mesubɔnɛ o gɔ̃ hã (Kpɔ memama 7 lia) *

7. Aleke Yehowa ɖee fia be yelɔ̃ amegbetɔwo katã?

7 Yehowa lɔ̃ amegbetɔwo katã. Yesu gblɔ na Nikodemo be: “Mawu lɔ̃ xexea [alo amegbetɔwo] ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yoh. 3:1, 16; Mat. 5:44, 45.

Nya siwo Fia David kple nyagblɔɖila Daniel gblɔ ɖee fia be Yehowa ɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiaa ame siwo nyae, vɔ̃nɛ, lɔ̃nɛ eye wowɔa eƒe sewo dzi (Kpɔ memama 8-9 lia)

8-9. (a) Nu ka tae Yehowa ɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiaa esubɔlawo? (b) Nu ka mee míadzro azɔ?

8 Abe ale si míekpɔe va yi ene la, Yehowa ɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiaa ame siwo woa kplii dome le kplikplikpli, siwo nye esubɔlawo. Esia ɖe dzesi le nya si Fia David kple nyagblɔɖila Daniel gblɔ me. Le kpɔɖeŋu me, David gblɔ be: “Na wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la nanɔ kple ame siwo nya wò.” “Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tso mavɔ me yi mavɔ me na ame siwo vɔ̃nɛ.” Daniel hã gblɔ be: “Oo Yehowa, Mawu vavã, . . . [ame si vea] ame siwo lɔ̃nɛ kple ame siwo léa eƒe sededewo me ɖe asi la nu.” (Ps. 36:10; 103:17; Dan. 9:4) Nya siawo na míekpɔe be Yehowa ɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiaa esubɔlawo elabe wonyae, wovɔ̃nɛ, wolɔ̃e, eye wowɔna ɖe eƒe sededewo dzi. Ame siwo subɔa Yehowa le mɔ nyuitɔ nu koe wòɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o la fiana.

9 Yehowa lɔ̃ mí katã hafi míeva dze esubɔsubɔ, eye elɔ̃ mí le mɔ geɖewo nu. (Ps. 104:14) Gake esi míeva le esubɔm la, egalɔ̃ mí le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Le nyateƒe me la, Yehowa ka ɖe edzi na esubɔlawo be: “Nye amenuveve [alo lɔlɔ̃ si nu metsina o la] mate ɖa le ŋuwò o.” (Yes. 54:10) Abe ale si David va de dzesii enea, “Yehowa awɔ nu ɖe ame si wɔa nuteƒe nɛ la ŋu etɔxɛe.” (Ps. 4:3) Nu kae wòle be esia naʋã mí míawɔ? Psalmo ŋlɔla aɖe gblɔ be: “Ame si nye nunyala alé ŋku ɖe nu siawo ŋu eye wòade ŋugble le Yehowa ƒe amenuveve geɖeawo ŋu nyuie.” (Ps. 107:43) Esi Biblia ƒe nya mawo le susu me na mía, mina míadzro mɔ etɔ̃ siwo nu Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la ɖea vi na esubɔlawo le la me.

VI KAE WÒÐENA NA MÍ NE YEHOWA ÐE LƆLƆ̃ SI NU METSINA O FIA MÍ?

Yehowa yraa ame siwo subɔnɛ la le mɔ bubuwo nu (Kpɔ memama 10-16 lia) *

10. Vi kae wòɖena na mí esi míenya be Mawu ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o li tegbee? (Psalmo 31:7)

10 Mawu ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o nɔa anyi tegbee. Wote gbe ɖe nya vevi sia dzi zi 26 sɔŋ le Psalmo 136 lia me. Wogblɔ le kpukpui gbãtɔ me be: “Mida akpe na Yehowa, elabena eya amea nyo; eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee.” (Ps. 136:1) Wozã nya si nye “eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee” tso kpukpui 2 va se ɖe 26 lia. Ne míexlẽ Psalmo sia la, míakpɔ ale si Yehowa ɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiaa eƒe amewo madzudzɔmadzudzɔe. Nya si nye “eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee” na míeka ɖe edzi be Mawu madzudzɔ eƒe amewo lɔlɔ̃ o. Edea dzi ƒo na mí ŋutɔ be Yehowa medzudzɔa mía lɔlɔ̃ o, ke boŋ eyia edzi lɔ̃a mí, vevietɔ ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom. Ale si wòɖea vi na míi: Ne míenya be Yehowa yia edzi lɔ̃a mía, míekpɔa dzidzɔ, eye wònana míedoa dzi le nɔnɔme sesẽwo me, eye esia kpena ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ agbemɔa dzi.—Xlẽ Psalmo 31:7.

11. Le Psalmo 86:5 ƒe nya nua, nu kae ʋãa Yehowa wòtsɔna kena?

11 Mawu ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o ʋãnɛ wòtsɔna kena. Ne Yehowa de dzesii be nu vɔ̃ wɔla aɖe ɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu eye wòtrɔ dzi me la, eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o ʋãnɛ wòtsɔna kena. Psalmo ŋlɔla David gblɔ tso Yehowa ŋu be: “Mewɔa nu ɖe mía ŋu ɖe míaƒe nu vɔ̃wo nu o, eye meɖoa eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o.” (Ps. 103:8-11) David ŋutɔ nya agba kpekpe si nɔa ame dzi ne eƒe dzitsinya le fɔ bumee. Gake eva nyae be, Yehowa ‘lɔ̃a tsɔtsɔke.’ Nu kae ʋãa Yehowa wòtsɔna kena? Ŋuɖoɖoa dze le Psalmo 86:5. (Xlẽe.) Abe ale si David ŋutɔ gblɔe le gbedodoɖa me enea, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o ye ʋãnɛ wòtsɔna kea ame siwo trɔ ɖe eŋu.

12-13. Ne vodada aɖe si míewɔ va yi na míaƒe dzi le fɔ bum mí la, nu kae akpe ɖe mía ŋu?

12 Ne míewɔ nu vɔ̃a, esɔ be míase veve ɖe nu si míewɔa ta. Esia akpe ɖe mía ŋu be míawɔ tɔtrɔ siwo hiã. Ke hã, vodada siwo mawusubɔla aɖewo wɔ va yi nana woƒe dzitsinya bua fɔ wo. Eye wonɔa sesem le wo ɖokuiwo me be Yehowa matsɔe ake yewo aleke kee yewotrɔ dzi me o. Ne èsena le ɖokuiwò me alea, gake èva nyae be Yehowa di be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o afia wòa, awɔe be màgase le ɖokuiwò me alea o.

13 Ale si wòɖea vi na míi: Togbɔ be míede blibo o hã, míate ŋu asubɔ Yehowa kple dzitsinya dzadzɛ, eye míate ŋu akpɔ dzidzɔ, elabe “Via Yesu ƒe ʋu klɔa nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋu.” (1 Yoh. 1:7) Ne dzi ɖe le ƒowò le nu vɔ̃ aɖe si nèwɔ taa, ɖo ŋku edzi be Yehowa le klalo eye wòdi vevie be yeatsɔe ake wò ne ètrɔ dzi me. De dzesi kadodo si David gblɔ be ele lɔlɔ̃ si nu metsina o kple tsɔtsɔke dome. Egblɔ be: “Ale si dziƒo kɔ boo wu anyigbae la, nenemae eƒe amenuveve hã sɔ gbɔ na ame siwo vɔ̃nɛ. Ale si ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe la, nenemae wòte míaƒe dzidadawo ɖa boo tso mía gbɔe.” (Ps. 103:11, 12) Ɛ̃, Yehowa di vevie be ‘yeatsɔ ake geɖe.’—Yes. 55:7.

14. Aleke David ɖɔ ale si Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kpɔa mía tae?

14 Mawu ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kpɔa mía ta le gbɔgbɔ me. David do gbe ɖa na Yehowa be: “Bebeƒe nènye nam; àkpɔ tanye tso xaxa me. Àtsɔ ɖeɖe ƒe aseyetsotso aƒo xlãm. . . . Ame si ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ya la, eƒe amenuveve ƒoa xlãe.” (Ps. 32:7, 10) Abe ale si ko glikpɔ kpɔa blemaduwo kple wo me nɔlawo tae ene la, nenemae Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kpɔa mía ta tso nu siwo ate ŋu agbɔdzɔ míaƒe xɔse mea me. Azɔ hã, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o ʋãnɛ wòtena ɖe mía ŋu.—Yer. 31:3.

15. Aleke Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kpɔa mía ta?

15 David zã nya bubu tsɔ ɖɔ ale si Mawu kpɔa eƒe amewo ta. Egblɔ be: “Mawue nye nye mɔ́ sesẽ, Mawu si lɔ̃am vevie.” David gagblɔ tso Yehowa ŋu be: “Amenuvela gã kple mɔ́ sesẽ wònye nam, nye sitsoƒe kple nye xɔnametɔ, nye akpoxɔnu kple ame si gbɔ mebe ɖo.” (Ps. 59:17; 144:2) Nu ka tae David tsɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o sɔ kple mɔ́ sesẽ kple sitsoƒe? Anyigbaa ƒe akpa ka kee míeɖale o, ne míekpɔtɔ yi edzi le Yehowa subɔm la, akpɔ xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kplii dome ta. Kakaɖedzinya mawo ke dze le Psalmo 91 lia. Psalmo ma ŋlɔla gblɔ be: “Magblɔ na Yehowa be: ‘Nye sitsoƒe kple nye mɔ́ sesẽ nènye.’”(Ps. 91:1-3, 9, 14) Mose hã zã nya mawo ke. (Ps. 90:1, etenuŋɔŋlɔ) Esi wòsusɔ vie Mose nakua, egblɔ nya wɔdɔɖeamedzi aɖe. Egblɔ be: “Sitsoƒee Mawu nye tso blema ke, eƒe alɔ mavɔwo le tewò.” (5 Mose. 33:27) Nu kae nya si nye “eƒe alɔ mavɔwo le tewò” fia mí tso Yehowa ŋu?

16. Aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋui? (Psalmo 136:23)

16 Ne Yehowa nye míaƒe Sitsoƒea, míesena le mía ɖokui me be míele dedie. Ke hã ɣeaɖewoɣia, míakpɔe be agbaa wu tsɔtsɔ na mí. Le ɣeyiɣi mawo mea, nu kae Yehowa wɔna na mí? (Xlẽ Psalmo 136:23.) Edea asi mía te, eye wòkpena ɖe mía ŋu ɖɔɖɔɖɔ be míagatso ɖe míaƒe afɔwo dzi. (Ps. 28:9; 94:18) Ale si wòɖea vi na míi: Ne míeɖo ŋu ɖe Mawu ŋua, ekpena ɖe mía ŋu le mɔ eve aɖewo nu. Gbã, afi ka kee míeɖale o, míenya be Yehowa kpɔa mía ta. Evelia, míenya be mía Fofo si le dziƒo la léa be na mí vevie.

MAWU ƑE LƆLƆ̃ SI NU METSINA O NANA MÍEKANA ÐE EDZI

17. Esi Mawu ƒe lɔlɔ̃ nu metsina o taa, nu ka dzie míate ŋu aka ɖo? (Psalmo 33:18-22)

17 Abe ale si míesrɔ̃e enea, ɣesiaɣi si míele nɔnɔme sesẽwo me tom la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ado ŋusẽ mí be míayi edzi awɔ nuteƒe nɛ. (2 Kor. 4:7-9) Nyagblɔɖila Yeremiya gblɔ be: “Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o tae míetsrɔ̃ o ɖo, elabena eƒe nublanuikpɔkpɔ nu meyina gbeɖe o.” (Kony. 3:22) Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi aɖe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o afia mí, elabena Psalmo ŋlɔla aɖe gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋku le ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu, ame siwo kpɔa mɔ na eƒe amenuveve [alo lɔlɔ̃ si nu metsina o].”—Xlẽ Psalmo 33:18-22.

18-19. (a) Nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

18 Nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui? Ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa lɔ̃ mí katã hafi míeva dze esubɔsubɔ, eye elɔ̃ mí le mɔ geɖewo nu. Gake esi míeva le esubɔm taa, egaɖea eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o fiaa mí. Lɔlɔ̃ sia ʋãa Yehowa wòkpɔa mía ta. Lɔlɔ̃ sia kee ʋãa Yehowa wòtena ɖe mía ŋu, eye awɔ ŋugbe siwo wòdo na mí la dzi. Edi be míanye ye xɔlɔ̃wo tegbee. (Ps. 46:1, 2, 7) Eya ta nɔnɔme sesẽ ka kee ɖava mía dzi o, Yehowa ado ŋusẽ mí be míayi edzi awɔ nuteƒe.

19 Míeva kpɔ ale si Yehowa ɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiaa esubɔlawo. Eye edi be míawo hã míaɖe lɔlɔ̃ si nu metsina o afia mía nɔewo. Aleke míawɔ esiae? Míadzro nya vevi sia me le nyati si kplɔe ɖo me.

HADZIDZI 136 Àxɔ “Fetu Blibo” Tso Yehowa Gbɔ

^ mm. 5 Nu kae nye lɔlɔ̃ si nu metsina o? Ame kawoe Yehowa ɖea lɔlɔ̃ sia fiana, eye aleke wòɖea vi na woe? Woaɖo biabia siawo ŋu le nyati sia me.

^ mm. 4 Wogaƒo nu tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o ŋu le kpukpui bubuwo me.—Kpɔ Nehemiya 13:22; Psalmo 69:13; 106:7; kple Konyifahawo 3:32.

^ mm. 54 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Yehowa lɔ̃ amegbetɔwo katã, esubɔlawo hã le eme. Nutata nogonogoeawo ɖe mɔ vovovo siwo nu wòlɔ̃ mí le fia. Vevietɔe nye ale si wòna Via Yesu va ku ɖe mía ta.

^ mm. 62 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Yehowa ƒe lɔlɔ̃ sia ɖea vi na ame siwo va zu esubɔlawo, eye woxɔ Yesu ƒe vɔsaa dzi se la le mɔ tɔxɛ aɖe nu. To vovo na lɔlɔ̃ si wòɖena fiana amegbetɔwo katã la, egaɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiaa esubɔlawo. Eƒe ɖewoe dze le nutata nogonogoeawo me.