Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 48

“Minɔ Kɔkɔe”

“Minɔ Kɔkɔe”

“Minɔ kɔkɔe le miaƒe agbenɔnɔ katã me.”—1 PET. 1:15.

HADZIDZI 34 Zɔ Le Fɔmaɖimaɖi Me

NYA VEVIAWO *

1. Aɖaŋu kae apostolo Petro ɖo na nɔvia Kristotɔwo, eye nu ka tae wòadze abe aɖaŋuɖoɖo ma dzi manya wɔ o ene?

MÍEÐALE mɔ kpɔm be míava nɔ agbe le anyigba dzi alo dziƒo le etsɔme o, ne míedzro aɖaŋu si apostolo Petro ɖo na Kristotɔ amesiamina siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la mea, aɖe vi na mí. Petro gblɔ be: “Miawo hã minɔ kɔkɔe le miaƒe agbenɔnɔ katã me abe Kɔkɔetɔ si yɔ mi la ke ene, elabena woŋlɔ ɖi be: ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye la, mele kɔkɔe.’” (1 Pet. 1:15, 16) Nya siawo na míekpɔe be, míate ŋu asrɔ̃ Yehowa, Ame si ɖo kɔkɔenyenye ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ ɖi na mí, eye míate ŋu anɔ kɔkɔe le míaƒe agbenɔnɔ me. Esi míede blibo o taa, esia adze abe manya wɔ o ene. Petro ŋutɔ da vo aɖewo; ke hã, eƒe kpɔɖeŋu fia mí be míate ŋu ‘anɔ kɔkɔe.’

2. Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Le nyati sia mea, míadzro biabia siawo me: Nu kae wòfia be woanɔ kɔkɔe? Nu kae Biblia fia mí tso Yehowa ƒe kɔkɔenyenye ŋu? Aleke míanɔ kɔkɔe le míaƒe agbenɔnɔ me? Eye ne míele kɔkɔea, aleke esia ana mí kple Yehowa dome naganyo ɖe edzi?

NU KAE WÒFIA BE WOANƆ KƆKƆE?

3. Ne amewo se be ame aɖe le kɔkɔea, nu kae vaa susu me na wo, gake nya kae Biblia gblɔ?

3 Ne amewo se be ame aɖe le kɔkɔea, nu si vaa susu me na ame akpa gãtɔe nye ame si li kpoo, si doa tsɔtsiwu, eye ɣesiaɣia, eɖo mo vevi. Gake nya ma mele eme o. Woɖɔ Yehowa, Ame si le kɔkɔe la, be enye “Mawu dzidzɔtɔ.” (1 Tim. 1:11) Eye woyɔ esubɔlawo be “dzidzɔtɔwo.” (Ps. 144:15) Yesu bu fɔ ame siwo doa subɔsubɔwu glodzowo, eye wowɔa wo ɖokuiwo ame dzɔdzɔewo le amewo ŋkume. (Mat. 6:1; Marko 12:38) Mí Kristotɔ vavãwo míenya nu si wòfia be ame nanɔ kɔkɔe le nu si Biblia fia mí ta. Eye míeka ɖe edzi be, mía Mawu lɔ̃ame si le kɔkɔe la made se si dzi míate ŋu awɔ ɖo o la na mí o. Eya ta esi Yehowa gblɔ be: “Minɔ kɔkɔe” la, míeka ɖe edzi be míate ŋu anɔ kɔkɔe. Ke hã, hafi míate ŋu anɔ kɔkɔe le míaƒe agbenɔnɔ mea, ele be míase nu si wòfia be ame nanɔ kɔkɔe la gɔme.

4. Nu kae nya siwo nye “kɔkɔe” kple “kɔkɔenyenye” fia?

4 Nu kae wòfia be woanɔ kɔkɔe? Le Biblia mea, nya “kɔkɔe” kple “kɔkɔenyenye” fia be ame nanɔ dzadzɛ le agbenɔnɔ kple mawusubɔsubɔ me. Agate ŋu afia be ame natsɔ eɖokui ana be yeasubɔ Mawu. Azɔ hã, ne míenɔa agbe dzadzɛ, míesubɔa Yehowa wòdzea eŋu, eye mía kplii dome le kplikplikplia, woate ŋu abu mí be míele kɔkɔe. Ewɔa nuku na mí be togbɔ be míede blibo o, eye Yehowa ya le kɔkɔe le go sia go me hãa, edi be míava nye ye xɔlɔ̃wo.

“KƆKƆE, KƆKƆE, KƆKƆE NYE . . . YEHOWA”

5. Nu kae mawudɔla wɔnuteƒeawo na míede dzesi tso Yehowa ŋu?

5 Yehowa le kɔkɔe, eye wòle dzadzɛ le goawo katã me. Míede dzesi esia le nya siwo serafi siwo nye mawudɔla siwo ƒo xlã eƒe fiazikpuia godoo gblɔ la me. Wodoa ɣli gblɔna be: “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye aʋakɔwo ƒe Yehowa.” (Yes. 6:3) Ke hã, hafi mawudɔla siawo kple woƒe Mawu si le kɔkɔe la dome nanɔ kplikplikplia, ele be woanɔ kɔkɔe—eye wole kɔkɔe hã. Le nyateƒe mea, ne Yehowa ƒe dɔla aɖe va teƒe aɖe le anyigba dzia, teƒea va zua teƒe kɔkɔe. Nu mae dzɔ le ŋuve si nɔ bibim, si Mose kpɔ la gbɔ.—2 Mose 3:2-5; Yos. 5:15.

Woŋlɔ ɖe sikaga falɛ si le nunɔlagã la ƒe tablanua ŋu dzi be “Kɔkɔenyenye nye Yehowa tɔ” (Kpɔ memama 6-7 lia)

6-7. (a) Aleke Mose te gbe ɖe Mawu ƒe kɔkɔenyenye dzi le 2 Mose 15:1, 11? (b) Nu kae ɖoa ŋku edzi na Israel-viwo be Mawu le kɔkɔe? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

6 Esi Mose kplɔ Israel-viwo tso Ƒudzĩa vɔa, ete gbe ɖe edzi na wo be woƒe Mawu, Yehowa, le kɔkɔe. (Xlẽ 2 Mose 15:1, 11.) Alakpamawu siwo Egiptetɔwo subɔna la na be womele kɔkɔe o. Kanaantɔwo hã subɔa alakpamawuwo. Wotsɔa wo viwo kura gɔ̃ hã saa vɔe, eye wowɔa gbɔdɔnuwɔna nyɔŋuwo. (3 Mose 18:3, 4, 21-24; 5 Mose 18:9, 10) Gake Yehowa ya mebia tso esubɔlawo si be woawɔ nane si ana womanɔ kɔkɔe o. Yehowa le kɔkɔe le goawo katã me. Esia gadze ƒãa le sikaga falɛ si le nunɔlagã ƒe tablanua ŋu la ŋu. Woŋlɔ ɖe edzi be: “Kɔkɔenyenye nye Yehowa tɔ.”—2 Mose 28:36-38.

7 Nya ma si le ga falɛa dzi ɖoa ŋku edzi na ame sia ame be Yehowa le kɔkɔe. Ke ne Israel-vi aɖe mate ŋu ate ɖe nunɔlaa ŋu akpɔ nya ma si le ga falɛa dzi o ɖe? Ðe manya be Yehowa le kɔkɔe oa? Anya! Israel-viwo, siwo dome ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo le, sea nya ma ne woxlẽ Mawu ƒe Sea na wo. (5 Mose 31:9-12) Ne èle dukɔa domea, nya si nàsee nye esi: “Nyee nye Yehowa mia Mawu, . . . minɔ kɔkɔe, elabena mele kɔkɔe.” “Minɔ kɔkɔe nam, elabena nye, Yehowa, mele kɔkɔe.”—3 Mose 11:44, 45; 20:7, 26.

8. Nu kae míeva de dzesi le 3 Mose 19:2 kple 1 Petro 1:14-16?

8 Na míatrɔ ɖe nya aɖe si Yehowa gblɔ na Israel-viwo, si dze le 3 Mose 19:2 lia ŋu. Yehowa gblɔ na Mose be: “Gblɔ na Israel ƒe ha blibo la katã be, ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye, Yehowa mia Mawu la, mele kɔkɔe.’” Petro anya he susu yi nya ma dzi esi wòde dzi ƒo na Kristotɔwo be: “Minɔ kɔkɔe.” (Xlẽ 1 Petro 1:14-16.) Egbea, míele Mose ƒe Sea te o. Ke hã, nya ma si Petro gblɔ ɖo kpe edzi be, míesrɔ̃ nu vevi aɖe le 3 Mose 19:2, si nye, Yehowa le kɔkɔe, eye ele be ame siwo lɔ̃e hã nadze agbagba anɔ kɔkɔe. Esia le vevie, míeɖale mɔ kpɔm be míava nɔ agbe le dziƒo alo le paradiso me le anyigba dzi o.—1 Pet. 1:4; 2 Pet. 3:13.

“MINƆ KƆKƆE . . . LE MIAƑE AGBENƆNƆ KATÔ ME

9. Ne míedzro Mose Etɔ̃lia ta 19 lia mea, aleke wòaɖe vi na míi?

9 Esi míedi be míaƒe nu nadze mía Mawu si le kɔkɔe ŋu taa, míedi vevie be míawɔ nu siwo ana míanɔ kɔkɔe. Yehowa ɖo aɖaŋu ŋutɔŋutɔ aɖewo na mí, siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia. Aɖaŋuɖoɖo siawo ƒe ɖewo dze le Mose Etɔ̃lia ta 19 lia me. Aƒetɔ Marcus Kalisch, si nya Hebrigbe nyuie la gblɔ be: “Anɔ eme be, Mose Etɔ̃lia ta 19 ye nye agbalẽ vevitɔ le Mose Etɔ̃lia kple Mose Ƒe Agbalẽ Atɔ̃awo katã dome.” Azɔ na míadzro kpukpui aɖewo me le ta sia me, ne míakpɔ nufiame vevi siwo ate ŋu aɖe vi na mí le míaƒe agbe me. Ne míele wo me dzroma, ɖo ŋku edzi be, nya siwo dze ta sia gɔmee nye: “Minɔ kɔkɔe.”

Nu kae wòle be nya siwo dze le 3 Mose 19:3 naʋã mí míawɔ? (Kpɔ memama 10-12 lia) *

10-11. Nu kae 3 Mose 19:3 gblɔ be míawɔ, eye nu ka tae esia le vevie?

10 Esi Yehowa gblɔ na Israel-viwo be woanɔ kɔkɔe megbea, egblɔ kpee be: “Mia dometɔ ɖe sia ɖe nade bubu dadaa kple fofoa ŋu . . . Nyee nye Yehowa, mia Mawu.”—3 Mose 19:2, 3.

11 Ele vevie be míawɔ ɖe se si Mawu de be míade bubu mía dzilawo ŋu la dzi. Ðo ŋku edzi be, gbe ɖeka aƒetɔ aɖe va bia Yesu be: “Nu nyui kae wòle be mawɔ be makpɔ agbe mavɔ?” Nya siwo Yesu gblɔ tsɔ ɖo nya ŋu nɛ ƒe akpa aɖe gblɔ be, ele be wòabu fofoa kple dadaa. (Mat. 19:16-19) Yesu gbe nya na Farisitɔ kple agbalẽfiala siwo ɖoe koŋ gbe be yewomade bubu yewo dzilawo ŋu o. Woto woƒe nuwɔna siawo me na “Mawu ƒe nya la zu dzodzro.” (Mat. 15:3-6) Se Ewoawo ƒe atɔ̃lia kple nya siwo míexlẽ le 3 Mose 19:3 hã le “Mawu ƒe nya” la me. (2 Mose 20:12) De dzesii be esi Yehowa gblɔ be: “Minɔ kɔkɔe, elabena nye, Yehowa mia Mawu la, mele kɔkɔe” teti koe wòde se si dze le 3 Mose 19:3 be ame nade bubu dadaa kple fofoa ŋu.

12. Aleke míate ŋu awɔ ɖe se si dze le 3 Mose 19:3 dzi, eye nya kae míate ŋu abia mía ɖokui?

12 Ne míebu se si Yehowa de na mí be míade bubu mía dzilawo ŋua, míate ŋu abia mía ɖokui be:‘Ðe mele tɔnye sinua wɔmaa?’ Ne èse le ɖokuiwò me be, yemewɔ geɖe va yi oa, àte ŋu aɖoe tso fifia dzi be, yeawɔ geɖe wu. Màte ŋu atrɔ nu siwo dzɔ va yi o, ke hã, àte ŋu aɖoe be yeawɔ ye tɔ sinua atsɔ akpe ɖe ye dzilawo ŋu tso fifia. Ðewohĩ àte ŋu aɖoe be yeakpɔ vovo ɖe wo ŋu geɖe wu. Alo ɖe nàte ŋu akpe ɖe wo ŋu le ŋutilã me, akpe ɖe wo ŋu woayi Yehowa subɔsubɔ dzi, alo afa akɔ na woa? Ne èwɔe alea, ke èle wɔwɔm ɖe nya siwo dze le 3 Mose 19:3 dzi.

13. (a) Aɖaŋuɖoɖo bubu kae dze le 3 Mose 19:3? (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu egbea, abe ale si wòdze le Luka 4:16-18 ene?

13 Mose Etɔ̃lia 19:3 fia nu bubu si wòle be míawɔ be míanɔ kɔkɔe la mí. Wogblɔ le afi ma be: “Milé nye sabat ƒe seawo me ɖe asi.” Kristotɔwo mele Sea te o, eya ta mehiã be míawɔ ɖe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat sea dzi o. Ke hã, míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso ale si Israel-viwo wɔna ɖe Sabat sea dzi, kple ale si wòɖea vi na wo la me. Sabat la ƒe taɖodzinue nye be, woagbɔ ɖe eme tso woƒe hloloetsotsowo me, eye woadi ɣeyiɣi na gbɔgbɔmenuwo. * Eya ta mewɔ nuku o be, Yesu yia ƒuƒoƒe si le wo de, eye wòxlẽa Mawu ƒe Nyaa. (2 Mose 31:12-15; xlẽ Luka 4:16-18.) Ele be Mawu ƒe nya si dze le 3 Mose 19:3, si gblɔ be, “[Míalé eƒe] sabat ƒe seawo me ɖe asi” naʋã mí míadi ɣeyiɣi tso míaƒe gbesiagbe dɔwo me ade ŋugble tso gbɔgbɔmenuwo ŋu. Ðe nèkpɔe be ehiã be yeagawɔ asitɔtrɔ aɖewo le go sia mea? Ne èdia ɣeyiɣi edziedzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋua, ana be wò kple Yehowa dome nava nɔ kplikplikpli, eye ànɔ kɔkɔe le eŋkume.

NA WÒ KPLE YEHOWA DOME NAGANƆ KPLIKPLIKPLI WU

14. Nyateƒenya vevi ka dzie wote gbe ɖo le Mose Etɔ̃lia ta 19 bliboa me?

14 Nyateƒenya vevi aɖe dze enuenu le Mose Etɔ̃lia ta 19 lia si akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ kɔkɔe. Kpukpui 4 lia wu enu kple nya siwo nye: “Nyee nye Yehowa, mia Mawu.” Nya ma tɔgbi dze zi gbɔ zi 16 sɔŋ le ta sia me. Esia na míeɖo ŋku Mawu ƒe sedede gbãtɔ si nye, “Nyee nye Yehowa wò Mawu . . . Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o” la dzi. (2 Mose 20:2, 3) Esi mí Kristotɔwo míedi be míanɔ kɔkɔe le Mawu ŋkume taa, mele be míana naneke nagblẽ mí kplii dome o. Eye esi míenye Yehowa Ðasefowo, eye eƒe ŋkɔ le mía ŋu taa, míadi be míawɔ naneke si aƒo ɖi eƒe ŋkɔ o.—3 Mose 19:12; Yes. 57:15.

15. Nu kae wòle be kpukpui siwo le Mose Etɔ̃lia ta 19, siwo ƒo nu tso vɔsawo ŋu la, naʋã mí míawɔ?

15 Israel-viwo ɖenɛ fiana be Yehowa nye yewoƒe Mawu ne wowɔa eƒe sewo dzi. Mose Etɔ̃lia 18:4 gblɔ be: “Miwɔ nye ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo dzi, eye milé nye sewo me ɖe asi, ne miazɔ ɖe wo dzi. Nyee nye Yehowa mia Mawu.” Ta 19 lia ƒo nu tso “se” siwo dzi wòhiã be Israel-viwo nawɔ ɖo dometɔ aɖewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, kpukpui 5-8, 21, 22 ƒo nu tso lãwo ƒe vɔsawo ŋu. Ele be woasa vɔa le mɔ si awɔe be ‘womagblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe nu kɔkɔewo o’ nu. Ne míexlẽ kpukpui mawo la, ele be woaʋã mí míadi be míawɔ nu wòadze Yehowa ŋu, eye míasa vɔ siwo ahe kafukafu vɛ nɛ, abe ale si Hebritɔwo 13:15 de dzi ƒo na mí ene.

16. Nya kae le Mose Etɔ̃lia ta 19, si ɖoa ŋku vovototo si le ame siwo subɔa Mawu kple ame siwo mesubɔnɛ o dome dzi na mí?

16 Be míanɔ kɔkɔe la, ele be míalɔ̃ faa awɔ nu wòato vovo na ame siwo mesubɔa Mawu o la tɔ. Esia ate ŋu asesẽ. Ɣeaɖewoɣia, sukuhatiwo, dɔmetɔwo, míaƒe ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o, kple ame bubuwo ate ŋu aƒoe ɖe mía nu be míawɔ nanewo siwo ado kplamatsɛ míaƒe subɔsubɔ. Ne edzɔ alea, nyametsotso vevi aɖe dzea ŋgɔ mí. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ tiatia nyui? Na míadzro mɔfiame vevi aɖe si dze le 3 Mose 19:19 me. Afi ma gblɔ be: “Mègado awu si wotsɔ ka eve ƒomevi tsaka lɔ̃ la o.” Se ma na Israel-viwo to vovo tso dukɔ siwo ƒo xlã wo gbɔ. Egbea, míegbea awu siwo wotsɔ ka ƒomevi vovovowo lɔ̃ la dodo o. Ke hã, mímewɔa ɖeka kple ame siwo ƒe agbenɔnɔ mewɔ ɖeka kple nu si Biblia fia o, ne wonye míaƒe sukuhatiwo, dɔmetɔwo, alo ƒometɔwo gɔ̃ hã. Togbɔ be míelɔ̃ míaƒe ƒometɔwo kple amewo katã hã, ne eva hiã be míatso nya me le nu vevi aɖewo ŋu le agbe mea, míelɔ̃na faa be míato vovo awɔ nu si adze Yehowa ŋu. Esia le vevie, elabe ne míedi be míanɔ kɔkɔe le Mawu ŋkumea, mele be míawɔ nu si wɔm ame akpa gãtɔ le o.—2 Kor. 6:14-16; 1 Pet. 4:3, 4.

Nu kae wòle be Israel-viwo nasrɔ̃ tso nya siwo dze le 3 Mose 19:23-25 me, eye nu kawoe míawo hã míesrɔ̃ tso kpukpui mawo me? (Kpɔ memama 17-18 lia) *

17-18. Nu vevi kawoe míesrɔ̃ le 3 Mose 19:23-25?

17 Ele be nyagbɔgblɔ si nye, “Nyee nye Yehowa, mia Mawu” nakpe ɖe Israel-viwo ŋu woatsɔ Yehowa subɔsubɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ. Aleke woawɔ esia? Mose Etɔ̃lia 19:23-25 na wokpɔ mɔ aɖe si dzi woate ŋu ato awɔ esia. (Xlẽe.) Bu nu si nya sia afia na Israel-viwo ne woɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi ŋu kpɔ. Ne wodo ati si ƒe tsetse woɖunaa, mele be woaɖu eƒe tsetse o ƒe etɔ̃. Eye le ƒe enelia mea, ele be woatsɔ eƒe tsetsewo ava Mawu ƒe aƒea me. Ƒe atɔ̃lia me koe woawo ŋutɔwo ate ŋu aɖu eƒe tsetse. Se sia kpe ɖe Israel-viwo ŋu wose egɔme be, mele be woadi woƒe nyonyo gbã o. Ele be woaka ɖe edzi be Yehowa akpɔ yewoƒe nuhiahiãwo gbɔ na yewo ne yewotsɔ esubɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ. Mawu ana nuɖuɖu si asu na wo la wo. Eye ede dzi ƒo na wo be woalɔ̃ faa atsɔ woƒe nunanawo ava gbedoxɔa me.

18 Se si le 3 Mose 19:23-25 ɖoa ŋku Yesu ƒe nya siwo dze le Todzimawunyaa me la dzi na mí. Yesu gblɔ be: “Midzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe . . . nu si miaɖu alo nu si miano ŋuti.” Egblɔ kpee be: “Mia Fofo si le dziƒo la nyae be nu siawo katã hiã mi.” Mawu akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí, abe ale si wòwɔnɛ na xeviwo ene. (Mat. 6:25, 26, 32) Míeka ɖe edzi be Yehowa alé be na mí. Eye ele be míawo hã míana nu amewo, gake mele be míanɔ gbeƒã ɖemee o. Eye edzɔa dzi na mí be míadzɔ nu atsɔ akpe asi ɖe hamea ƒe gazazãwo ŋu. Yehowa dea dzesi esiawo katã, eye aɖo eteƒe na mí. (Mat. 6:2-4) Ne míewɔ esiawo la, míeɖenɛ fiana be míese nufiame siwo le 3 Mose 19:23-25 la gɔme.

19. Esi míedzro Mose Etɔ̃lia ta 19 lia mea, vi kawoe wòɖe na wò?

19 Mose Etɔ̃lia ta 19 ƒe akpa aɖewo me ko míedzro. Ke hã, wokpe ɖe mía ŋu míede dzesi ale si míate ŋu asrɔ̃ mía Mawu si le kɔkɔe la. Ne míewɔe alea, ‘míanɔ kɔkɔe le míaƒe agbenɔnɔ katã me.’ (1 Pet. 1:15) Ame geɖe siwo mesubɔa Yehowa o dea dzesi míaƒe agbenɔnɔ nyuiwo, eye esia ʋãa wo dometɔ aɖewo wokafua Yehowa. (1 Pet. 2:12) Gake nu vevi geɖewo li míagasrɔ̃ le Mose Etɔ̃lia ta 19 lia me. Le nyati si kplɔ esia ɖo mea, míadzro kpukpui bubuwo me, eye woakpe ɖe mía ŋu míakpɔ mɔ bubu siwo nu ‘míanɔ kɔkɔe’ le le míaƒe agbenɔnɔ me, abe ale si Petro de dzi ƒo na mí ene.

HADZIDZI 80 “Miɖɔe Kpɔ, Eye Miakpɔe Be Yehowa Nyo”

^ mm. 5 Míelɔ̃ Yehowa vevie, eye míedi be míaƒe nu nadze eŋu. Yehowa le kɔkɔe, eye edi be ye subɔlawo hã nanɔ kɔkɔe. Gake ɖe wòanya wɔ be amegbetɔ madeblibowo nanɔ kɔkɔea? Ɛ̃, anya wɔ. Ne míedzro aɖaŋu si apostolo Petro ɖo na nɔvia Kristotɔwo kple mɔfiame siwo Yehowa na Israel-viwo le blema me nyuiea, akpe ɖe mía ŋu be míanɔ kɔkɔe le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa.

^ mm. 13 Wodzro Sabat sea kple nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso eme la me le nyati si nye, “‘Ɣeyiɣi Li Na’ Dɔwɔwɔ Kple Ðiɖiɖeme,” si dze le December 2019 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 57 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Viŋutsu aɖe va srã edzilawo kpɔ. Ekplɔ srɔ̃a kple via ɖe asi, eye wòɖoe be yeanɔ ka ƒom na ye dzilawo edziedzi.

^ mm. 59 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Israel ŋutsu aɖe si nye agbledela le ŋku lém ɖe eƒe atikutsetsewo ŋu.