Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 49

Nufiame Siwo Le Mose Etɔ̃lia Me Ku Ðe Ale Si Míawɔ Nu Ðe Amewo Ŋu

Nufiame Siwo Le Mose Etɔ̃lia Me Ku Ðe Ale Si Míawɔ Nu Ðe Amewo Ŋu

“Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”—3 MOSE 19:18.

HADZIDZI 109 Milɔ̃ Mia Nɔewo Vevie Tso Dzi Me Ke

NYA VEVIAWO *

1-2. Nu ka mee míedzro le nyati si do ŋgɔ me, eye nu ka mee míadzro le nyati sia me?

LE NYATI si do ŋgɔ mea, míedzro aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo, siwo dze le Mose Etɔ̃lia ta 19 lia me. Le kpɔɖeŋu me, míede dzesii le kpukpui 3 lia me be, Yehowa de se na Israel-viwo be woade bubu wo dzilawo ŋu. Eye míekpɔ ale si míate ŋu awɔ ɖe mɔfiame ma dzi egbea, akpɔ mía dzilawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo, afa akɔ na wo, eye míakpe ɖe wo ŋu woayi Yehowa subɔsubɔ dzi. Le kpukpui ma ke mea, woɖo ŋku nu si tae wòle vevie na Mawu ƒe amewo be woawɔ ɖe Sabat la dzi na wo. Míesrɔ̃e be togbɔ be míegale Sabat sea te o hã, ele be míadi ɣeyiɣi gbe sia gbe akpɔ vovo ɖe mawusubɔsubɔ ŋu. Ne míewɔe alea, míaɖee afia be míedi be míanɔ kɔkɔe, abe ale si 3 Mose 19:2 kple 1 Petro 1:15 gblɔe ene.

2 Le nyati sia mea, míayi Mose Etɔ̃lia ta 19 lia me dzodzro dzi. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ta sia me ku ɖe ale si míawɔ nu ɖe nuwɔametɔwo ŋu, ale si míaɖi anukware le míaƒe asitsanyawo me, kple ale si míalɔ̃ mía haviwo ŋu? Míedi be míanɔ kɔkɔe, elabe Mawu le kɔkɔe. Azɔ mina míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso ta sia me.

WƆ NU ÐE NUWƆAMETƆWO ŊU NYUIE

Nya kae 3 Mose 19:14 gblɔ ku ɖe ale si wòle be míawɔ nu ɖe tokunɔwo kple ŋkunɔwo ŋu? (Kpɔ memama 3-5 lia) *

3-4. Le 3 Mose 19:14 ƒe nya nua, aleke wòle be woawɔ nu ɖe tokunɔwo kple ŋkunɔwo ŋu?

3 Xlẽ 3 Mose 19:14. Yehowa di tso eƒe amewo si be woawɔ nu ɖe nuwɔametɔwo ŋu nyuie. Le kpɔɖeŋu me, mele be Israel-viwo nado ɖiŋu na tokunɔ o. Ðiŋudodo ma fia be, woado ŋɔdzi na nuwɔametɔa alo aƒo fi adee. Ewɔ nublanui ŋutɔ be woawɔ nu ɖe tokunɔ ŋu alea! Elabena mate ŋu ase nya si wogblɔ tso eŋu alo aʋli eɖokui ta hã o.

4 Míegasrɔ̃ nu vevi bubu aɖe le kpukpui 14 lia me. Mele be Mawu ƒe amewo ‘nada nu ɖe ŋkuagbãtɔ ŋgɔ wòakli o.’ Agbalẽ aɖe gblɔ tso nuwɔametɔwo ŋu be: “Le blema Israel ƒe nutowo mea, amewo mewɔa nu ɖe nuwɔametɔwo ŋu nyuie o, eye wosẽa tame le wo ŋu.” Ðewohĩ ame si mesea veve ɖe ame nu o ate ŋu ada nu ɖe mɔ me na ŋkunɔ be wòakli ne nu vevi nawɔe, alo atsɔ akoe. Tagbɔsesẽ kae nye esi! Gake Yehowa de se sia be yeato edzi akpe ɖe yeƒe amewo ŋu woase veve ɖe nuwɔametɔwo nu.

5. Aleke míate ŋu ase veve ɖe nuwɔametɔwo nu?

5 Yesu se veve ɖe nuwɔametɔwo nu. Ðo ŋku nya si wògblɔ na ame siwo Yohanes Amenyrɔɖetsimela dɔ ɖo ɖe egbɔ la dzi. Egblɔ be: “Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, bunɔwo le zɔzɔm, anyidɔlélawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, [eye] wole ame kukuwo fɔm ɖe tsitre.” Esi amewo kpɔ nukunu siwo Yesu wɔ la, “wokafu Mawu.” (Luka 7:20-22; 18:43) Edzɔa dzi na mí Kristotɔwo be míasrɔ̃ Yesu, eye míase veve ɖe nuwɔametɔwo nu. Eya ta míewɔa nu ɖe wo ŋu nyuie, bua wo ŋu, eye míegbɔa dzi ɖi na wo. Míenya be Yehowa mena ŋusẽ mí be míawɔ nukunu abe Yesu ene o. Ke hã, mɔnukpɔkpɔa su mía si be míagblɔ nya nyuia na ame siwo nye ŋkunɔwo alo siwo ƒe ŋku gbã le gbɔgbɔ me, be Yehowa ava ɖɔ nu mawo katã ɖo le paradiso me. (Luka 4:18) Nya nyui sia ɖeɖe wɔe be ame geɖe va le Mawu kafum.

ÐI ANUKWARE LE ASITSANYAWO ME

6. Aleke Mose Etɔ̃lia ta 19 na míegava se Se Ewoawo gɔme ɖe edzi?

6 Mose Etɔ̃lia ta 19 lia ƒe kpukpui aɖewo na míegava se Se Ewoawo gɔme ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, se enyilia gblɔ kpuie ko be: “Mègafi fi o.” (2 Mose 20:15) Ame aɖe ate ŋu anɔ susum be ne yemenya tsɔ nane si nye ame bubu tɔ o koa, ke yele wɔwɔm ɖe se ma dzi. Ke hã, ate ŋu anɔ fi fim le mɔ bubuwo nu.

7. Aleke asitsala aɖe ate ŋu ada se enyilia si ku ɖe fififi ŋu dzi?

7 Ate ŋu anye dada na asitsala aɖe be yemefi fi o, elabe yemetsɔ ame bubu aɖeke ƒe nu o. Gake aleke wòtsɔ le eƒe asia tsamee? Abe ale si wòdze le 3 Mose 19:35, 36 ene la, Yehowa gblɔ be: “Migazã nudzidzenu, nudanu, alo nudonu amebatɔ o. Nudanu siwo de pɛpɛpɛ, nudakpe siwo de pɛpɛpɛ, nudogba blibo, kple nudotre blibo nanɔ mia si.” Asitsala si zãa nudanu alo nudogba amebatɔ la ate ŋu anɔ eƒe asisiwo fim le aye me. Kpukpui bubu siwo me míagadzro le Mose Etɔ̃lia ta 19 lia me ana nya sia me nagakɔ.

Le 3 Mose 19:11-13 la, nya kae Kristotɔ ate ŋu abia eɖokui tso eƒe asitsanyawo ŋu? (Kpɔ memama 8-10 lia) *

8. Aleke 3 Mose 19:11-13 kpe ɖe Yudatɔwo ŋu wokpɔ nu si gbegbe se enyilia fia, eye aleke wòaɖe vi na míawo hã?

8 Xlẽ 3 Mose 19:11-13. Nya siwo dze 3 Mose 19:11 gɔmee nye: “Migafi fi o.” Le kpukpui 13 lia la, wotsɔ nuwɔna siwo nye anukwaremaɖimaɖi la sɔ kple fififi. Afi ma gblɔ be: “Mègatafa hawòvi o.” Eya ta ame siwo meɖia anukware le asitsanyawo me o la le fi fim alo le adzo dam amewo. Se enyilia gblɔ tẽe be, “Mègafi fi o.” Gake ale si wova gba eme le Mose Etɔ̃lia na Yudatɔwo kpɔ ale si woate ŋu awɔ mɔfiame siwo le se ma me dzi, si nye be woaɖi anukware le nuwo katã me. Aɖe vi na mí ne Yehowa ƒe susu le anukwaremaɖimaɖi kple fififi ŋu le mía si. Míate ŋu abia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe mele nu siwo dze le 3 Mose 19:11-13 la dometɔ aɖe wɔmaa? Ðe wòahiã be matrɔ asi le ale si metsaa asi alo wɔa dɔ ŋua?’

9. Aleke se si le 3 Mose 19:13 kpɔa dɔwɔlawo tae?

9 Anukwareɖiɖi ƒe akpa bubu aɖe li si wòle be Kristotɔ si xɔ ame bubuwo ɖe dɔ me la nanya. Mose Etɔ̃lia 19:13 ƒe akpa mamlɛa gblɔ be: “Dɔwɔla ƒe fetu megatsi gbɔwò ŋu nake ɖe edzi o.” Le Israel la, woxea fe na apadɔwɔlawo le ŋkekea ƒe nuwuwu. Eya ta ne wogbe fexexe na apadɔwɔla la, efia be mate ŋu akpɔ nuɖuɖu na eƒe ƒomea gbe ma gbe o. Yehowa ɖe eme be: “Ame dahee, eye eƒe fetue lé eƒe agbe ɖe te.”—5 Mose 24:14, 15; Mat. 20:8.

10. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso 3 Mose 19:13 me?

10 Egbea, woxea fe na dɔwɔla aɖewo dzinukukui, alo zi eve le ɣletia me, menye gbe sia gbe o. Ke hã, mɔfiame si le 3 Mose 19:13 la kpɔtɔ le agbe. Dɔtɔ aɖewo zãa dɔwɔlawo wowɔa dɔ na wo, evɔ ga vi aɖe koe woxena na wo. Dɔtɔawo nya be, esi dɔ meli o taa, ne fetua mesɔ gbɔ o hã, woayi edzi anɔ dɔa wɔm. Ne míagblɔea, dɔtɔ mawo na dɔwɔlawo ƒe fetu ‘le wo gbɔ tsim.’ Ele be Kristotɔ si xɔ amewo wowɔa dɔ nɛ la natsɔ nya siawo nya vevii. Azɔ mina míakpɔ nu bubu siwo míagate ŋu asrɔ̃ le Mose Etɔ̃lia ta 19 lia me ɖa.

LƆ̃ HAWÒVI ABE WÒ ŊUTƆ ÐOKUIWÒ ENE

11-12. Esi Yesu yɔ nya tso 3 Mose 19:17, 18 la, nu vevi ka dzie wòte gbe ɖo?

11 Menye ɖeko Mawu di be míagawɔ nu wòave mía nɔviwo ko evɔ o; ebia nu geɖe wu ema. Míekpɔ esia le 3 Mose 19:17, 18. (Xlẽe.) Sea gblɔe eme kɔ be: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” Ele be Kristotɔ nawɔ esia ne edi be yeƒe nu nadze Mawu ŋu.

12 De dzesi ale si Yesu te gbe ɖe se vevi si dze le 3 Mose 19:18 dzii. Gbe ɖeka Farisitɔ aɖe bia Yesu be: “Sedede kae nye gãtɔ le Se la me?” Yesu gblɔ be “sedede gãtɔ kple gbãtɔ” ye nye be míalɔ̃ Yehowa kple míaƒe dzi blibo, míaƒe luʋɔ blibo kple míaƒe tamesusu blibo. Emegbe Yesu yɔ nya tso 3 Mose 19:18 me be: “Evelia si ɖii lae nye esi: ‘Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’” (Mat. 22:35-40) Mɔ geɖewo li, siwo dzi míato alɔ̃ mía haviwo, eye míate ŋu asrɔ̃ wo dometɔ aɖewo le Mose Etɔ̃lia ta 19 lia me.

13. Aleke Yosef ƒe ŋutinyaa na míegase 3 Mose 19:18 gɔme ɖe edzi?

13 Mɔ aɖe si dzi míato alɔ̃ mía haviwoe nye be, míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le 3 Mose 19:18 dzi. Afi ma gblɔ be: “Mègawɔ wɔɖenui alo alé wò dukɔmeviwo ɖe dɔme o.” Mía dometɔ geɖe anya se ale si ame aɖe lé eƒe dɔwɔhati, sukuhati, alo ƒometɔ aɖe ɖe dɔme ƒe geɖe la ŋu nya kpɔ. Ðo ŋku edzi be Yosef nɔvi ewoawo lée ɖe dɔme, si na wova sẽ tame le eŋu. (1 Mose 37:2-8, 25-28) Gake Yosef ya mewɔ nu ɖe wo ŋu nenema o! Esi wòva zu amegã gɔ̃ hã, mewɔ wɔɖenui o. Etsɔe ke nɔviawo, eye wòkpɔ nublanui na wo. Yosef melé wo ɖe dɔme o, ke boŋ ewɔ ɖe se si wova ŋlɔ emegbe ɖe 3 Mose 19:18 la dzi.—1 Mose 50:19-21.

14. Nu kae ɖee fia be mɔfiame si le 3 Mose 19:18 la metrɔ o?

14 Esi Yosef melé dziku ɖe dɔme o, ke boŋ wòtiae be yeatsɔ ake ye nɔviwo la, eɖo kpɔɖeŋu ɖi na Kristotɔ siwo di be yewoƒe nu nadze Mawu ŋu. Esia wɔ ɖeka kple kpɔɖeŋugbedodoɖa, si me Yesu de dzi ƒo na mí le be, míatsɔe ake ame siwo dze agɔ le mía dzi la. (Mat. 6:9, 12) Nenema kee apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na nɔvia Kristotɔwo be: “Lɔlɔ̃tɔwo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o.” (Rom. 12:19) Ede dzi ƒo na wo hã be: “Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu.” (Kol. 3:13) Yehowa ƒe mɔfiamewo metrɔna o. Mɔfiame siwo le 3 Mose 19:18 la gakpɔtɔ le dɔ wɔm va se ɖe egbe.

Ale si ko mesɔ be míanɔ abi aɖe fom zi ewo zi ewo be míakpɔe ɖa oa, manyo be míanɔ agɔ aɖe si wodze le mía dzi la ŋu bum o. Ele be míadze agbagba aɖe asi le nyaa ŋu (Kpɔ memama 15 lia) *

15. Kpɔɖeŋu kae kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be ele be míaɖe asi le nya ŋu atsɔ ake?

15 Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Míate ŋu atsɔ agɔ aɖe si ame aɖe dze le mía dzi asɔ kple abi. Abi aɖewo le sue, ɖewo hã nye abi gã. Le kpɔɖeŋu me, ne míele fe kpam la, ate ŋu adzɔ be míaxɔ abi vi aɖe. Míate ŋu ase veve, gake vevesese ma manɔ anyi ɖaa o. Le ŋkeke ɖeka alo eve megbea, abia aku, eye míaŋlɔ be be míexɔ abi gɔ̃ hã. Nenema kee agɔdzedze aɖewo le sue. Le kpɔɖeŋu me, mía xɔlɔ̃ aɖe ate ŋu awɔ nane alo agblɔ nya aɖe wòave mí, ke hã, míetsɔnɛ kenɛ faa. Gake ne abi gã yea, ahiã be ɖɔktawo natɔ abia, eye woablae na mí. Ne míeyi edzi le abia fom zi ewo zi ewo be míakpɔe ɖa la, míate ŋu awɔ nu vevi mía ɖokui. Nublanuitɔea, nenemae ame aɖewo wɔa nu ne amewo dze agɔ le wo dzi wòve wo. Woyia edzi nɔa nu siwo wowɔ ɖe wo ŋu wòve wo alo te ɖe wo dzi la ŋu bum edziedzi. Gake ame siwo léa dziku ɖe dɔme la le nu vevi wɔm woawo ŋutɔwo ɖokuiwo. Ðe manyo be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si dze le 3 Mose 19:18 dzi oa?

16. Le 3 Mose 19:33, 34 la, aleke wòle be Israel-viwo nawɔ nu ɖe amedzroviwo ŋu, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eme?

16 Esi Yehowa de se na Israel-viwo be woalɔ̃ wo haviwo la, menye woƒe dukɔmeviwo koe wòle be woalɔ̃ o. Ele be woalɔ̃ amedzrovi siwo le wo dome la hã. Ema dze ƒãa le 3 Mose 19:33, 34. (Xlẽe.) Ele be Israel-viwo nawɔ nu ɖe amedzrovi ŋu “abe dumevidzidzi ke ene,” eye ‘woalɔ̃’ wo abe wo ɖokuiwo ene. Le kpɔɖeŋu me, Sea gblɔ na Israel-viwo be woaɖe mɔ na amedzroviwo kple ame dahewo be woafɔ nukuwo le woƒe agble me. (3 Mose 19:9, 10) Ele be Kristotɔwo hã nawɔ ɖe mɔfiame ma dzi egbea. (Luka 10:30-37) Le mɔ ka nu? Amedzrovi gbogbo aɖewo le mía dome. Ele vevie be míade bubu amedzrovi siwo nye ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo siaa ŋu.

DƆ VEVI AÐE SI ŊU WOMEƑO NU TSOE O LE MOSE ETƆ̃LIA TA 19

17-18. (a) Nu kae 3 Mose 19:2 kple 1 Petro 1:15 de dzi ƒo na mí be míawɔ? (b) Dɔ vevi kae apostolo Petro de dzi ƒo na mí be míawɔ?

17 Mose Etɔ̃lia 19:2 kple 1 Petro 1:15 de dzi ƒo na Mawu ƒe amewo be woanɔ kɔkɔe. Kpukpui geɖe siwo dze le 3 Mose ta 19 lia kpe ɖe mía ŋu míekpɔ nu siwo wòle be míawɔ be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu. Míedzro kpukpui geɖe me siwo kpe ɖe mía ŋu míekpɔ nu siwo wòle be míawɔ kple nu siwo mele be míawɔ o. * Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo hã gblɔ ale si míate ŋu awɔ mɔfiame mawo ŋu dɔ le míaƒe agbe me. Ke hã, apostolo Petro gagblɔ nya aɖe kpee.

18 Togbɔ be míesubɔa Yehowa, eye míewɔa nyui na amewo hãa, Petro gade dzi ƒo na mí be míawɔ nu vevi aɖe. Hafi Petro nagblɔ be míanɔ kɔkɔe le míaƒe agbenɔnɔ katã mea, ede dzi ƒo na mí be: “Midzra miaƒe susuwo ɖo hena dɔwɔwɔ.” (1 Pet. 1:13, 15) Dɔ kae nye ema? Petro gblɔ na Kristotɔ amesiaminawo be ‘woaɖe gbeƒã Ame si yɔ wo la ƒe nɔnɔme nyuiwo.’ (1 Pet. 2:9) Le nyateƒe mea, ele be Kristotɔ siwo katã li egbea nawɔ dɔ vevi ma, si ɖea vi na amewo wu dɔ bubu ɖe sia ɖe. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí Mawu ƒe ame siwo le kɔkɔe la be míaɖe gbeƒã, eye míafia nu amewo dzonɔamemetɔe! (Marko 13:10) Ne míewɔ mía tɔ sinua wɔ ɖe mɔfiame siwo le Mose Etɔ̃lia ta 19 lia me dzia, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ mía Mawu kple mía haviwo. Eye míeɖenɛ fiana hã be míedi be ‘míanɔ kɔkɔe’ le míaƒe agbenɔnɔ katã me.

HADZIDZI 111 Nu Si Ta Míekpɔa Dzidzɔ Ðo

^ mm. 5 Kristotɔwo mele Mose ƒe Sea te o. Ke hã, Sea ƒo nu tso nu geɖe siwo wòle be míawɔ alo mele be míawɔ o ŋu. Ne míenya wo la, woakpe ɖe mía ŋu míalɔ̃ amewo, be míaƒe nu nadze Mawu ŋu. Le nyati sia me la, míadzro nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Mose Etɔ̃lia ta 19 lia me la me.

^ mm. 17 Le nyati sia kple esi do ŋgɔ mea, mímedzro kpukpui siwo ƒo nu tso ameŋkumekpɔkpɔ, ameŋugbegblẽ, ʋuɖuɖu, akunyawɔwɔ, nukaka, kple gbɔdɔdɔ manɔsenu ŋu me o.—3 Mose 19:15, 16, 26-29, 31.—Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” le nyati sia me.

^ mm. 52 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvi aɖe le kpekpem ɖe nɔvi aɖe si nye tokunɔ ŋu be wòaƒo nu na ɖɔkta.

^ mm. 54 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe si nye dɔtɔ aŋɔsila le fe xem na eƒe dɔwɔvi aɖe.

^ mm. 56 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvi aɖe matsi dzi ɖe abi sue aɖe si wòxɔ ŋu o. Ðe wòawɔ esia ne abia nye abi gã?