Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hadɔwɔla Nyui Ye Nènyea?

Hadɔwɔla Nyui Ye Nènyea?

“MENYE dɔwɔla bibi nɔ egbɔ. . . . Metsoa aseye le eŋkume ɣeawokatãɣi.” (Lod. 8:30) Nenemae Biblia ɖɔ Mawu ƒe Via esi wòwɔ dɔ kple Fofoa ƒe gbogbowo hafi va anyigba dzi. Azɔ hã, de dzesii be kpukpuia gblɔ be Yesu ‘tso aseye’ esime wònɔ dɔ wɔm kple Mawu.

Nɔnɔme nyui mawo siwo Yesu srɔ̃ le Fofoa gbɔ wɔe be, esi wòva anyigba dzi la, enye hadɔwɔla nyui. Aleke kpɔɖeŋu si wòɖo la aɖe vi na míi? Ne míedzro wo mea, míakpɔ mɔfiame etɔ̃ siwo ana be míawo hã míava nye hadɔwɔla nyuiwo. Eye woakpe ɖe mía ŋu hã be, míawɔ dɔ asi le asi me kple amewo.

Ðo ŋku Yehowa kple Yesu ƒe kpɔɖeŋuwo dzi, eye nàlɔ̃ faa agblɔ nu siwo nènya la na ame siwo nèwɔa dɔ kplii

MƆFIAME 1: ‘MIDE BUBU MIA NƆEWO ŊU’

Hadɔwɔla nyui bɔbɔa eɖokui, edea bubu ame siwo wòwɔa dɔ kplii la ŋu, eye medzea agbagba be amewo nakpɔe be ye koe o. Nɔnɔme nyui mae Yesu srɔ̃ le Fofoa gbɔ. Togbɔ be Yehowa ɖeka koe nye Wɔla hãa, ehe susu yi akpa si Via hã wɔ dzi. Esia dze le nya si Mawu gblɔ me. Egblɔ be: “Na míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme nu.” (1 Mose 1:26) Esi Yehowa gblɔ nya mawo la, ena Yesu kpɔe be ye Fofo bɔbɔa eɖokui.—Ps. 18:35.

Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eya hã bɔbɔ eɖokui. Esi amewo kafui ɖe nane si wòwɔ taa, etsɔ kafukafua na Mawu. (Marko 10:17, 18; Yoh. 7:15, 16) Yesu wɔ dɔ kple eƒe nusrɔ̃lawo le ŋutifafa me. Ebu wo be wonye ye xɔlɔ̃wo, ke menye kluviwo o. (Yoh. 15:15) Eklɔ afɔ na wo gɔ̃ hã tsɔ fia ɖokuibɔbɔ wo. (Yoh. 13:5, 12-14) Ele be míawo hã míade bubu ame siwo míewɔa dɔ kplii ŋu, ke menye be míanɔ míaƒe nyonyo ko dim o. Ne ‘míedea bubu mía nɔewo ŋu,’ eye míetsia dzi ɖe ame si axɔ kafukafua ŋu o la, míawɔ geɖe.—Rom. 12:10.

Ame si bɔbɔa eɖokui nya hã be, “afi si aɖaŋuɖola geɖewo le la, nuwo dzea edzi.” (Lod.15:22) Nuteƒekpɔkpɔ ka kee ɖasu mía si alo ŋutete ka kee ɖale mía si o, ele be míaɖo ŋku edzi be amegbetɔ aɖeke menya nu sia nu o. Yesu gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be yemenya nanewo o. (Mat. 24:36) Edina be yeanya yeƒe nusrɔ̃la madeblibowo ƒe susu le nanewo ŋu. (Mat. 16:13-16) Eya ta mewɔ nuku o be ame siwo wòwɔa dɔ kplii la ɖea dzi ɖi le egbɔ! Nenema kee ne míawo hã míebɔbɔa mía ɖokui, míenya afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo, eye míelɔ̃na xɔa ame bubuwo ƒe susuwo la, míawɔ dɔ asi le asi me kpli wo, eye ‘nuwo adze edzi.’

Ele be hamemetsitsiwo koŋ nasrɔ̃ Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ awɔ dɔ ɖekae. Ele be hamemetsitsiwo naɖo ŋku edzi be, ne wole nya aɖe lém kpɔ la, Kristo ate ŋu ato gbɔgbɔ kɔkɔea dzi azã hamemetsitsi ɖe sia ɖe wòagblɔ nya aɖe si akpe ɖe wo ŋu woatso nya me nyuie. Ne hamemetsitsiwo le woƒe kpekpewo me, eye wona ame sia ame ɖe dzi ɖi te ŋu gblɔ eƒe susu faa la, awɔe be woatso nya me nyuie, eye aɖe vi na hamea.

MƆFIAME 2: MINA ‘AMEWO NANYAE BE NUGƆMESELAWO MIENYE’

Hadɔwɔla nyui sea nu gɔme na amewo ne ele dɔ wɔm kpli wo. Eƒe nya me mesẽna o, elɔ̃na xɔa ame bubuwo ƒe susu. Mɔnukpɔkpɔ su Yesu si wòkpɔ ale si Fofoa sea nu gɔme. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be amegbetɔwo dze na ku hã, Yehowa to Yesu dzi ɖe wo.—Yoh. 3:16.

Yesu lɔ̃na faa xɔa amewo ƒe susu ne ehiã. Togbɔ be Israel ƒe aƒe la gbɔe wodɔe ɖo hã, ɖo ŋku edzi be, elɔ̃ faa wɔ nu si Foinike-nyɔnu aɖe biae la nɛ. (Mat. 15:22-28) Yesu mebia nu geɖe fũu tso eƒe nusrɔ̃lawo si o. Esi exɔlɔ̃ kplikplikpli Petro gbe nu le egbɔ le amewo domea, Yesu lɔ̃ faa tsɔe kee. Emegbe ede dɔ vevi aɖewo asi nɛ. (Luka 22:32; Yoh. 21:17; Dɔw. 2:14; 8:14-17; 10:44, 45) Yesu ƒe kpɔɖeŋua fia mí be, ne míelɔ̃na faa xɔa amewo ƒe susu la, míana “amewo katã nanyae be nugɔmeselawo [míenye.]”—Fil. 4:5.

Ne míesea nu gɔmea, míate ŋu awɔ dɔ kple ame sia ame asi le asi me faa. Yesu wɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie ale gbegbe be, eƒe futɔwo tso enu be enye ‘adzɔxɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla’ siwo ɖoa toe la “xɔlɔ̃.” (Mat. 11:19) Ðe míawo hã míate ŋu asrɔ̃ Yesu awɔ dɔ kple ame sia ame faa? Nɔviŋutsu Louis, si wɔ dɔ kple ame vovovowo esime wònye dzikpɔla mɔzɔla kple esime wòwɔ dɔ le Betel la, gblɔ be: “Metsɔ ame siwo mewɔ dɔ kplii la sɔ kple kpe siwo ƒe lolome le vovovo, siwo wotsɔna ɖoa gli. Esi kpeawo ƒe lolome le vovovo taa, ele be woawɔ asitɔtrɔ aɖewo, aɖo wo nyuie, be glia nadzɔ. Eya ta nye hã mesrɔ̃e be, mawɔ asitɔtrɔ aɖewo, ale be mate ŋu awɔ dɔ kple amewo le ŋutifafa me be míawu dɔa nu.” Nɔnɔme nyui aɖee nye ema!

Hadɔwɔla nyui meɣlaa nu siwo wònya la ɖe ame siwo wòwɔa dɔ kplii, be wòadze be ye koe nya nu sia nu o

Ɣekaɣie míate ŋu aɖee afia be míesea nu gɔme na amewo le hamea me? Mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu mía si be míawɔ ema le míaƒe gbeadziƒuƒoƒowo me. Ate ŋu adzɔ be míawɔ dɔ kple gbeƒãɖela siwo dzi ƒomegbanɔamedzi vovovowo le wu mí, alo ame siwo xɔ ƒe vovovowo. Ðe míate ŋu atrɔ asi le míaƒe nɔnɔmewo ŋu awɔ dɔ kpli wo, ale be woawo hã woase vivi na gbeƒãɖeɖedɔa?

MƆFIAME 3: ‘LƆ̃ FAA NÀNA NU AME’

Hadɔwɔla nyui ‘lɔ̃na faa naa nu ame.’ (1 Tim. 6:18) Esi Yesu nɔ dɔ wɔm kple Fofoa la, eva de dzesii be Yehowa meɣlaa nuwo o. Esime Yehowa ‘nɔ dziƒowo dzram ɖo’ la, Yesu ‘nɔ eteƒe,’ eye wòsrɔ̃ nu tso egbɔ. (Lod. 8:27) Emegbe Yesu tsɔ dzidzɔ gblɔ ‘nu siwo wòse’ tso Fofoa gbɔ la na eƒe nusrɔ̃lawo. (Yoh. 15:15) Míawo hã míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ne míegblɔa nu siwo míenya la na ame siwo míewɔa dɔ kplii. Le nyateƒe mea, hadɔwɔla nyui meɣlaa nu siwo wònya la ɖe ame siwo wòwɔa dɔ kplii, be wòadze be ye koe nya nu sia nu o. Ke boŋ elɔ̃na faa be yeagblɔ nu siwo yenya la na ame bubuwo.

Míawo hã míate ŋu agblɔ nyawo atsɔ ade dzi ƒo na ame siwo míewɔa dɔ kplii. Ne ame aɖe de dzesi míaƒe agbagbadzedzewo, eye wòkafu mí tso dzi mea, ɖe esia medzɔa dzi na mí oa? Yesu di ɣeyiɣi kafu ame siwo wòwɔ dɔ kplii. (Tsɔe sɔ kple Mateo 25:19-23; Luka 10:17-20.) Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo gɔ̃ hã be woawɔ “dɔ siwo lolo wu” ye tɔ. (Yoh. 14:12) Le zã si do ŋgɔ na eƒe ku mea, ekafu eƒe apostolo wɔnuteƒeawo, eye wògblɔ na wo be: “Miawoe nye ame siwo ku ɖe ŋunye le nye tetekpɔwo me.” (Luka 22:28) Kpɔ ale si gbegbe nya ma awɔ dɔ ɖe wo dzi, eye wòade dzo wo me ɖe dɔ ŋui ɖa! Ne míawo hã míedia ɣeyiɣi kafua ame siwo míewɔa dɔ kplii la, dzi adzɔ wo, eye woawɔ geɖe.

ÀTE ŊU ANYE HADƆWƆLA NYUI

Nɔviŋutsu si ŋkɔe nye Kayode gblɔ be: “Mehiã be hadɔwɔla nyui nade blibo o, ke boŋ ele be wòana amewo naɖe dzi ɖi ne wole dɔ wɔm kplii, eye woakpɔ dzidzɔ.” Hadɔwɔla ma tɔgbie nènyea? Nu ka tae màbia nɔvi aɖewo, ne woagblɔ hadɔwɔla si tɔgbi nènye na wò o? Ne amewo sea vivi wɔa dɔ kpli wò, abe ale si Yesu ƒe nusrɔ̃lawo se vivi wɔ dɔ kpliia, ke wò hã àte ŋu agblɔ nya siwo apostolo Paulo gblɔ be: “Míenye hadɔwɔlawo hena miaƒe dzidzɔ.”—2 Kor. 1:24.