Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 50

Se Alẽkplɔla Nyui La Ƒe Gbe

Se Alẽkplɔla Nyui La Ƒe Gbe

“Woase nye gbe.”—YOH. 10:16.

HADZIDZI 3 Wòe Nye Míaƒe Ŋusẽ Kple Míaƒe Mɔkpɔkpɔ

NYA VEVIAWO *

1. Gblɔ susu aɖe si tae Yesu anya tsɔ eƒe nusrɔ̃lawo sɔ kple alẽwo.

YESU tsɔ kadodo si le eya kple eyomedzelawo dome la sɔ kple kadodo si nɔa alẽkplɔla kple eƒe alẽwo dome. (Yoh. 10:14) Esia sɔ ŋutɔ. Alẽwo nya wo kplɔla, eye wosea eƒe gbe. Tsaɖila aɖe kpɔ esia teƒe. Egblɔ be: “Míedi be míaɖe foto alẽ aɖewo. Eya ta míedze agbagba be woate ɖe mía ŋu, gake gbeɖegbeɖea koe, elabena womenya míaƒe gbe o. Ke hã, esi ŋutsuvi sue aɖe si kplɔa wo la va eye wòyɔ woa, wokplɔe ɖo enumake.”

2-3. (a) Aleke Yesu yomedzelawo ate ŋu aɖee afia be yewosea eƒe gbe? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia kple esi akplɔe ɖo me?

2 Nu si teƒe tsaɖila ma kpɔa na míeɖo ŋku nya si Yesu gblɔ tso eƒe alẽwo, si fia eƒe nusrɔ̃lawo, ŋu la dzi. Egblɔ be: “Woase nye gbe.” (Yoh. 10:16) Gake esi wònye Yesu le dziƒoa, aleke míate ŋu ase eƒe gbe? Mɔ vevi aɖe si dzi míato aɖee afia be míesea mía Aƒetɔa ƒe gbe ye nye be, míawɔ eƒe nufiafiawo dzi le míaƒe agbenɔnɔ me.—Mat. 7:24, 25.

3 Le nyati sia kple esi kplɔe ɖo mea, míadzro Yesu ƒe nufiafia aɖewo me. Abe ale si míava kpɔe enea, Yesu fia mí be, míadzudzɔ nanewo wɔwɔ, eye efia mí hã be míawɔ nanewo. Gbãa, míadzro nu eve aɖewo siwo alẽkplɔla nyui la fia mí be míadzudzɔ wɔwɔ la me.

“MIDZUDZƆ DZIMAÐITSITSI FŨU AKPA”

4. Le Luka 12:29 ƒe nya nua, nu kawoe ate ŋu ana ‘míatsi dzimaɖi’?

4 Xlẽ Luka 12:29. Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be ‘woadzudzɔ dzimaɖitsitsi’ ɖe woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo ŋu “fũu akpa.” Míenya be nunya le Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖowo me, eye wowɔa dɔ ɣesiaɣi. Míedina be míawɔ wo dzi, gake ɣeaɖewoɣia, esesẽna na mí. Nu ka tae?

5. Nu kawoe ate ŋu awɔe be ame aɖewo natsi dzimaɖi ɖe woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo ŋu?

 5 Ame aɖewo ate ŋu atsi dzimaɖi le ŋutilãmenuhiahiãwo, abe nuɖuɖu, nudodo, kple mlɔƒe ene ŋu. Ate ŋu anye be ganyawo le sesẽm le woƒe dukɔa me. Alo ɖewohĩ ele sesẽm na wo be woakpɔ ga atsɔ akpɔ woƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Alo ate ŋu anye be ame si wɔa dɔ kpɔa ƒomea dzi la ku, eye esia wɔe be ganyawo va le sesẽm na ƒomea. Azɔ hã, Corona dɔvɔ̃a wɔe be dɔ ge le ame geɖe si. (Nyagb. 9:11) Ne míele nɔnɔme siawo alo bubuwo me tom la, aleke míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋu si Yesu ɖo be míadzudzɔ dzimaɖitsitsi la dzi?

Dzimaɖitsitsi ɖe ŋutilãmenuhiahiãwo ŋu ana míayi to le kpɔɖeŋumɔ nu; eya ta, ele be míayi edzi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe (Kpɔ memama 6-8 lia) *

6. Ƒo nu tso nu si dzɔ ɖe Petro dzi gbe ɖeka ŋu.

6 Gbe ɖeka apostolo Petro kple apostolo bubuawo nɔ Galilea-ƒua dzi, eye ya nɔ ƒoƒom sesĩe. Gake wokpɔ Yesu wònɔ ƒua dzi zɔm gbɔna. Petro gblɔ be: “Aƒetɔ, nenye wòe la, ekema na mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.” Yesu gblɔ na Petro be: “Va.” Petro ɖi le tɔdziʋua me, eye “wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ.” Azɔ de dzesi nu si dzɔ kplɔe ɖo. “Esi wòkpɔ ale si ya la le ƒoƒom sesĩe la, evɔ̃, eye esi wòde asi toyiyi me la, edo ɣli be: ‘Aƒetɔ, xɔ nam!’” Yesu do asi ɖa lée, eye wòɖee. Ele vevie be míade dzesii be, zi ale si Petro ƒe susu nɔ Yesu ŋua, Petro te ŋu zɔ le atsiaƒu dzeagboa dzi. Gake esi wòva kpɔ ale si ya le ƒoƒom sesĩea, evɔ̃, eye wòde asi toyiyi me.—Mat. 14:24-31.

7. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe Petro dzi me?

7 Míate ŋu asrɔ̃ nu tso nu si dzɔ ɖe Petro dzia me. Esi Petro ɖi le tɔdziʋua mea, menɔ mɔ kpɔm be ƒutsotsoeawo ana yeavɔ̃ ahade asi toyiyi me o. Eƒe didi koe nye be, yeazɔ tsia dzi ava ɖo Yesu gbɔ. Gake ʋɛʋɛʋɛa, eƒe susu va dzo le Yesu dzi. Nu si dzɔ ɖe Petro dzi la ate ŋu adzɔ ɖe míawo hã dzi egbea. Togbɔ be míate ŋu azɔ tsi dzi o hã, míetoa nɔnɔme vovovo siwo doa míaƒe xɔse kpɔna la me. Ne míaƒe susu dzo le Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo dzia, míaƒe xɔse ate ŋu agbɔdzɔ. Eya ta ne kuxi siwo me tom míele la sesẽ abe ahom ene hã, ele be míana míaƒe susu nanɔ Yehowa ŋu, eye míaka ɖe edzi bliboe be akpe ɖe mía ŋu. Aleke míate ŋu awɔ esiae?

8. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míadzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu fũu akpa?

8 Ele be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe tsɔ wu be míatsi dzimaɖi ɖe míaƒe nuhiahiãwo ŋu. Ðo ŋku edzi be mía Fofo lɔ̃ame Yehowa do ŋugbe be yeakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ ne míetsɔ esubɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. (Mat. 6:32, 33) Eye Yehowa wɔa ŋugbedodo ma dzi ɣesiaɣi. (5 Mose 8:4, 15, 16; Ps. 37:25) Ne Yehowa léa be na xeviwo kple seƒoƒowo la, ke mele be míatsi dzimaɖi ɖe nu si míaɖu alo nu si míado ŋu o ɖe! (Mat. 6:26-30; Flp. 4:6, 7) Ale si ko lɔlɔ̃ ʋãa dzila nyuiwo woléa be na wo viwoa, nenema kee lɔlɔ̃ ʋãa mía Fofo si le dziƒo la wòléa be na eƒe amewo, eye wòkpɔa woƒe nuhiahiã veviwo gbɔ na wo. Ɛ̃, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa alé be na mí!

9. Nu kae nèsrɔ̃ tso nɔviŋutsu aɖe kple srɔ̃a ƒe nuteƒekpɔkpɔ me?

9 Bu kpɔɖeŋu sia si ɖo kpe edzi be Yehowa kpɔa míaƒe nuhiahiã veviwo gbɔ la ŋu kpɔ. Nɔviŋutsu aɖe kple srɔ̃a, siwo wɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa, ku woƒe ʋu xoxoea gaƒoƒo ɖeka kple edzivɔ sɔŋ yi sitsoƒedilawo ƒe nɔƒe aɖe. Wova kɔ nɔvinyɔnu aɖewo le afi ma yi hame ƒe kpekpe. Nɔviŋutsua gblɔ be: “Le kpekpea megbea, míekpe nɔvinyɔnuawo be woava ɖu nu kpli mí. Gake esi míenɔ mɔ dzi yina aƒe mea, míeɖo ŋku edzi be nuɖuɖu aɖeke menɔ mía si o.” Ke nu kae va dzɔ? Nɔviŋutsua yi edzi be: “Esi míeva ɖo aƒe mea, míekpɔ akpete gã eve siwo nuɖuɖu yɔ fũu la le míaƒe ʋɔtru nu. Míenya ame si tsɔ wo va da ɖi o. Yehowa kpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí.” Ɣebubuɣia, nane gblẽ le atsu kple asia ƒe ʋua ŋu. Wohiã ʋua be woatsɔ ayi gbeadzi, gake ga menɔ wo si woadzrae ɖo o. Wotsɔe yi ʋudzraɖoƒe aɖe be yewoabia be nenie edzadzraɖo axɔ hã. Esi wonɔ afi maa, ŋutsu aɖe va bia be: “Ame ka ƒe ʋue ma?” Nɔviŋutsua ɖo eŋu be ye tɔe, gake nanewo gblẽ le eŋu siwo wòhiã be woadzra ɖo. Ŋutsua gblɔ be: “Oo, meɖe fu o. Srɔ̃nye le ʋu sia ƒomevi dim, eye amadede sia tututu dim wòle be wòanɔ eŋu. Ho nenie nàdzrae nam?” Nɔviŋutsua dzra ʋua nɛ, eye wòkpɔ ga si na wòte ŋu ƒle ʋu bubu. Egblɔ be: “Gbe ma gbea, dzi dzɔ mí ŋutɔ. Míenya be menye nudogoɖenunue o. Yehowae kpe ɖe mía ŋu.”

10. Aleke Psalmo 37:5 de dzi ƒo na mí be míagatsi dzimaɖi ɖe míaƒe nuhiahiãwo ŋu o?

10 Ne míeɖo to míaƒe alẽkplɔla nyui la eye míedzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu fũu akpaa, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa alé be na mí. (Xlẽ Psalmo 37:5; 1 Pet. 5:7) Bu nɔnɔme sesẽ siwo ŋu míeƒo nu tsoe le  memama 5 lia me ŋu kpɔ. Ðewohĩ va se ɖe fifia, Yehowa to ƒomea ƒe ta alo míaƒe dɔtɔ dzi le míaƒe nuhiahiã veviwo gbɔ kpɔm na mí gbe sia gbe. Ke ne eva dzɔ be ƒomea ƒe ta magate ŋu akpɔ ƒomea dzi o, alo dɔ ge le mía si ɖe? Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa magblẽ mí ɖi o; ato mɔ aɖe dzi kokoko akpe ɖe mía ŋu. Azɔ mina míadzro nu bubu aɖe si alẽkplɔla nyui la di be míadzudzɔ wɔwɔ la me.

“MIDZUDZƆ ƲƆNUDƆDRƆ̃”

Míate ŋu adzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo ne míetsɔa susu ɖoa woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu, ke menye woƒe vodadawo ŋu o (Kpɔ memama 11, 14-16 lia) *

11. Le Mateo 7:1, 2 ƒe nya nua, nu kae Yesu gblɔ be míadzudzɔ wɔwɔ, eye nu ka tae esia ate ŋu asesẽ na mí?

11 Xlẽ Mateo 7:1, 2. Yesu nyae be amegbetɔwo mede blibo o, eye zi geɖea, woƒe susu nɔa ame bubuwo ƒe vodadawo ŋu. Eya tae wògblɔ be: “Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃.” Míedzea agbagba be míagadrɔ̃ ʋɔnu mía nɔvi Kristotɔwo o. Gake mía dometɔ aɖeke mede blibo o. Ne míede dzesii be ɣeaɖewoɣia, míedia vodada le amewo ŋua, nu kae wòle be míawɔ? Ehiã be míaɖo to Yesu, eye míadze agbagba adzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo.

12-13. Aleke Yehowa wɔ nu ɖe Fia David ŋu, eye aleke eƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo?

12 Yehowa ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí le esia me, eye ŋugbledede le eŋu aɖe vi na mí. Eƒe susu nɔa amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Esia dze le ale si wòwɔ nu ɖe Fia David ŋu me. Fia David wɔ vodada gãwo. Le kpɔɖeŋu me, ewɔ ahasi kple Bat-Seba, eye wòna wowu srɔ̃a gɔ̃ hã. (2 Sam. 11:2-4, 14, 15, 24) Esia gblẽ nu le David ŋutɔ, srɔ̃a bubuawo, kple eƒemetɔwo ŋu vevie. (2 Sam. 12:10, 11) Ɣebubuɣia, David wɔ nane si ɖee fia be meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe o. Ena woxlẽ Israel ƒe asrafowo, evɔ Yehowa megblɔ nɛ be wòawɔ nu sia hafi o. Anye be dadae na David wɔ nu sia, alo anya nɔ ŋu ɖom ɖe Israel-ʋakɔa ƒe lolome ŋu. Nu kae do tso eƒe nuwɔnaa me? Dɔvɔ̃ wu Israel-vi 70,000 sɔŋ!—2 Sam. 24:1-4, 10-15.

13 Ne ènɔ Israel ɣemaɣia, nu kae nàsusu tso David ŋu? Ðe nàgblɔ be medze be Yehowa nakpɔ nublanui nɛ oa? Ðewohĩ. Gake Yehowa ya mebui nenema o. Ke boŋ eƒe susu nɔ nu nyui siwo David wɔ le eƒe agbe me katã kple ale si gbegbe wòtrɔ dzi me vavã ŋu. Eya ta Yehowa tsɔ David ƒe nu vɔ̃ gã mawo kee. Yehowa nyae be David lɔ̃ ye vevie, eye wòdi be yeawɔ nu si sɔ. Dzi dzɔa mí ŋutɔ be Yehowa léa ŋku ɖe míaƒe nɔnɔme kple nuwɔna nyuiwo ŋu.—1 Fia 9:4; 1 Kron. 29:10, 17.

14. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo?

14 Esi Yehowa media blibodede tso mía si o taa, mele be míawo hã míadii tso mía nɔviwo si o. Ke boŋ míana míaƒe susu nanɔ woƒe nɔnɔme kple nuwɔna nyuiwo ŋu. Ele bɔbɔe be míade dzesi amewo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye míabu fɔ wo. Gake ne míesrɔ̃a Yehowa la, míawɔ dɔ aduadu kple mía nɔviwo, togbɔ be míenya woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo hã. Ne èkpɔ lotamekpe aɖe si ŋu wometrɔ asi le oa, àsusu be viɖe aɖeke mele eŋu o. Gake ne èkpɔa nu yia ŋgɔa, wò susu anɔ ale si gbegbe wòanya kpɔ eye wòaxɔ asii ne wova trɔ asi le eŋua ŋu. Nenema kee míedi be míasrɔ̃ Yehowa kple Yesu, aɖe susu ɖa le amewo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu, eye míatsɔ susu aɖo woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu.

15. Ne míebu nu siwo me tom amewo anya nɔ le agbe me ŋua, aleke wòakpe ɖe mía ŋu be míagabu fɔ wo o?

15 Nu ka hãe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagadrɔ̃ ʋɔnu amewo ahabu fɔ wo o? Eyae nye be míadze agbagba abu nu siwo me tom woanya nɔ le agbe me la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka, Yesu kpɔ ahosi dahe aɖe wòtsɔ gaku sue eve siwo ƒe home le sue ŋutɔ la va de nudzɔɖaka me le gbedoxɔa me. Gake ɖe Yesu gblɔ be: “Nu sue ma ko wòdzɔa?” Ao, Yesu metsi dzi ɖe ga home si ahosia dzɔ ŋu o, ke boŋ eƒe susu nɔ nu si ta ahosia dzɔ nua kple ale si agbea anya nɔ nɛ ŋu. Esia ʋã Yesu wòkafui ɖe nu si wòte ŋu dzɔ la ta.—Luka 21:1-4.

16. Nu kae míesrɔ̃ tso Veronica gbɔ?

16 Nu si nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Veronica va dze dzesii la na míekpɔ nu si ta wòle vevie be míabu nu siwo me tom amewo anya nɔ le agbe me ŋu. Nɔvinyɔnu aɖe si nye dzilaɖekɛ kple viaŋutsu nɔ hame ɖeka me kple Veronica. Veronica gblɔ be: “Mekpɔe be womedea kpekpea kple gbeadzi edziedzi o. Eya ta mebua fɔ wo le susu me. Ke hã, gbe ɖeka nye kple nɔvinyɔnua míeyi gbeadzi. Eɖe eme nam be, ye viŋutsua le tagbɔdɔ lém; esia ta, nuwo mele bɔbɔe na yewo kura o. Enɔ etɔ sinua wɔm be yeakpɔ ye kple ye via ƒe nuhiahiãwo gbɔ, eye yewoayi edzi asubɔ Yehowa. Ɣeaɖewoɣia, via ƒe dɔlélea wɔnɛ be eva hiãna be wòade hame bubu ƒe kpekpe.” Veronica ƒo nya ta be: “Nyemenya be nu siawo gbegbe me tom nɔvinyɔnua le o. Fifia melɔ̃e, eye medea asixɔxɔ eŋu le agbagba siwo dzem wòle be yeasubɔ Yehowa ta.”

17. Nu kae Yakobo 2:8 de dzi ƒo na mí be míawɔ, eye aleke míate ŋu awɔe?

17 Ne míede dzesii be míedrɔ̃a ʋɔnu mía nɔvi aɖea, nu kae wòle be míawɔ? Ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa de se na mí be míalɔ̃ mía nɔviwo. (Xlẽ Yakobo 2:8.) Azɔ hã, ele be míado gbe ɖa na Yehowa vevie, aɖe kuku nɛ be wòakpe ɖe mía ŋu míadzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo. Eye be míawɔ ɖe míaƒe gbedodoɖa dzia, míate ŋu ate ɖe nɔvia ŋu, ade ha kplii. Esia awɔe be míava nyae nyuie. Míate ŋu akpee be wòayi gbeadzi kpli mí alo míaɖu nu ɖekae. Esi míeva le mía nɔvia nyam nyuiea, ele be míadze agbagba asrɔ̃ Yehowa kple Yesu, eye míana míaƒe susu nanɔ eƒe nɔnɔme kple nuwɔna nyuiwo ŋu. Esia aɖee fia be míele se si alẽkplɔla nyui la de na mí be míadzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo la dzi wɔm.

18. Aleke míate ŋu aɖee fia be míele alẽkplɔla nyui la ƒe gbe sem?

18 Ale si ko alẽwo sea wo kplɔla ƒe gbea, nenema kee Yesu yomedzelawo hã sea eƒe gbe. Ne míedzea agbagba be míadzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe míaƒe nuhiahiã veviwo ŋu, eye míadzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ amewoa, Yehowa kple Yesu ayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi. Míeɖanye “alẽha sue” alo ‘alẽ bubuawo’ me tɔwo o, mina mí katã míayi edzi ase alẽkplɔla nyui la ƒe gbe, eye míawɔ edzi. (Luka 12:32; Yoh. 10:11, 14, 16) Le nyati si kplɔe ɖo mea, míasrɔ̃ nu tso nu eve siwo Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be woawɔ la ŋu.

HADZIDZI 101 Mina Míawɔ Dɔ Le Ðekawɔwɔ Me

^ mm. 5 Esi Yesu gblɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo ase yeƒe gbea, nu si wòwɔnɛ ye nye be woase yeƒe nufiafiawo, eye woawɔ wo dzi le woƒe agbenɔnɔ me. Le nyati sia mea, míaƒo nu tso Yesu ƒe nufiafia ɖedzesi eve ŋu. Woawoe nye be, míadzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu, eye míadzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo. Míadzro ale si míate ŋu awɔ aɖaŋuɖoɖo mawo dzi me.

^ mm. 51 NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Dɔ ge le nɔviŋutsu aɖe si, ga mele esi wòatsɔ akpɔ ƒomea dzi o, eye ehiã be wòahaya xɔ bubu ne woaʋu ayi eme. Ne mekpɔ nyuie oa, ate ŋu ava tsi dzimaɖi ale gbegbe be wòava ɖe susu ɖa le Yehowa subɔsubɔ ŋu.

^ mm. 53 NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔviŋutsu aɖe tsi megbe va kpekpe. Ke hã, eɖea nɔnɔme nyuiwo fiana; le kpɔɖeŋu me, ele vomeɖase ɖim, ele kpekpem ɖe nɔvi tsitsi aɖe ŋu, eye ele asi kpem ɖe Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo ŋu.