Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 51

Yi Edzi ‘Nàɖo To’ Yesu

Yi Edzi ‘Nàɖo To’ Yesu

“Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye. Miɖo toe.”—MAT. 17:5.

HADZIDZI 54 “Mɔ Lae Nye Esi”

NYA VEVIAWO *

1-2. (a) Nu kae Mawu de se na Yesu ƒe apostolo etɔ̃ aɖewo be woawɔ, eye aleke wowɔ nui? (b) Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

LE ƑE 32 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia megbea, apostolo Petro, Yakobo, kple Yohanes kpɔ ŋutega wɔnuku aɖe. Esi wonɔ to kɔkɔ aɖe, si anya nye Hermon Toa ƒe togbɛ aɖe dzia, Yesu ƒe dzedzeme trɔ le wo ŋkume. “Eƒe mo klẽ abe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene.” (Mat. 17:1-4) Le ŋutegaa ƒe nuwuwu lɔƒoa, apostoloawo see Mawu gblɔ be: “Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye. Miɖo toe.” (Mat. 17:5) Apostolo etɔ̃ mawo nɔ agbe wòɖee fia be woɖo to Yesu vavã. Míedi be míasrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua.

2 Le nyati si do ŋgɔ mea, míesrɔ̃e be toɖoɖo Yesu bia be míadzudzɔ nanewo wɔwɔ. Le nyati sia mea, míadzro nu eve aɖewo siwo Yesu gblɔ be ele be míawɔ la me.

“MITO AGBO XAXƐ LA NU YI ÐE EME”

3. Le Mateo 7:13, 14 ƒe nya nua, nu kae wòle be míawɔ?

3 Xlẽ Mateo 7:13, 14. De dzesii be Yesu ƒo nu tso agbo kple mɔ vovovo eve ŋu. Gbãtɔ keke, eye eƒe mɔa le “gbadza.” Evelia le xaxɛ, eye eƒe mɔa “xaxa.” Mɔ eve ŋu koe Yesu ƒo nu tsoe; ɖeke megakpe ɖe eŋu o. Ehiã be mía ŋutɔwo míatia mɔ si dzi míazɔ. Emae nye nu vevitɔ si ŋu míatso nya me le le agbe me, elabe eyae ana míakpɔ agbe mavɔ loo alo míakpɔe o.

4. Nu kae míenya tso mɔ “gbadza” la ŋu?

4 Ehiã vevie be ale si mɔ eveawo to vovoe la nanɔ susu me na mí. Le kpɔɖeŋu me, nu kae míenya tso mɔ “gbadza” la ŋu? Míenya be ame geɖewo le edzi, elabe edzi zɔzɔ le bɔbɔe. Nublanuitɔea, ame geɖewo tiae be yewoakpɔtɔ anɔ mɔ ma dzi eye yewoanɔ agbe abe edzizɔla bubuwo ke ene. Womenya be Satana Abosam ye le amewo kplɔm to mɔ ma dzi, eye be mɔ ma akplɔ yewo ayi ku me o.—1 Kor. 6:9, 10; 1 Yoh. 5:19.

5. Agbagba kae ame aɖewo dze hafi va kpɔ mɔ ‘xaxɛ’ la hele edzi zɔm?

5 To vovo na mɔ ‘gbadzaa,’ mɔ evelia ya “xaxa,” eye Yesu gblɔ be ame ʋɛ aɖewo koe kpɔnɛ. Nu ka tae? Àde dzesii be le kpukpui si kplɔe ɖo mea, Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo tso aʋatsonyagblɔɖilawo ŋu. (Mat. 7:15) Ame aɖewo bu akɔnta be, subɔsubɔha akpe geɖe ye li, eye wo dometɔ akpa gãtɔ gblɔna be yewoe fiaa nyateƒea. Esia wɔe be, dzi ɖe le ame miliɔn geɖe ƒo, wotɔtɔ, eye womegadzea agbagba gɔ̃ hã be yewoadi agbe mavɔ mɔ la o. Evɔ mɔ sia mele ɣaɣla hafi o. Yesu gblɔ be: “Ne mieyi edzi lé nye nya la me ɖe asi la, ekema nye nusrɔ̃lawo mienye vavã, eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.” (Yoh. 8:31, 32) Wò ya èdze na kafukafu, elabe mèdze amehawo yome o, ke boŋ èdi nyateƒea. Èsrɔ̃ Biblia veviedodotɔe be yeakpɔ nu si Mawu di tso mía si, eye èɖo to Yesu ƒe nufiafiawo. Esia na nèva de dzesi nu geɖe le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, èsrɔ̃e be Yehowa di be míagbe alakpasubɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo, eye míadzudzɔ azã siwo dzɔ tso alakpasubɔsubɔ me la ɖuɖu. Èsrɔ̃e hã be, manɔ bɔbɔe be yeadzudzɔ nu siwo Yehowa lé fui la wɔwɔ eye yeava wɔ nu siwo wòdi o. (Mat. 10:34-36) Ðewohĩ esesẽ na wò be nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã. Gake mèna ta o, ke boŋ èku kutri, elabe èlɔ̃ Fofowò si le dziƒo, eye èdi be yeƒe nu nadze eŋu. Èna Yehowa ƒe dzi le dzidzɔ kpɔm ŋutɔ!—Lod. 27:11.

NU KAE AKPE ÐE MÍA ŊU BE MÍAKPƆTƆ ANƆ MƆ XAXƐA DZI?

Mawu ƒe sewo kple mɔfiamewo kpena ɖe mía ŋu be míakpɔtɔ anɔ mɔ ‘xaxɛ’ la dzi (Kpɔ memama 6-8 lia) *

6. Le Psalmo 119:9, 10, 45, 133, ƒe nya nua, nu kae akpe ɖe mía ŋu be míakpɔtɔ anɔ mɔ xaxɛa dzi?

6 Ne míeva le mɔ xaxɛa dzi zɔma, nu kae akpe ɖe mía ŋu be míakpɔtɔ anɔ edzi? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Ne wodo mɔ to tɔsisi aɖe dzi alo to to aɖe xaa, wotsɔa gakpowo tɔa kpɔ ɖe mɔa xa, be wòakpɔ ʋukulawo kple woƒe ʋuwo ta. Esia wɔnɛ be, ʋukulawo mekua ʋua vaa mɔa toga fũu o, ale be woagage le mɔa dzi o. Ame aɖeke metoa nyatoƒoe be kpɔtɔtɔ ma le mɔ xem na ye be yeaku ʋu to mɔa dzi ale si yedi o! Yehowa ƒe se siwo le Biblia me la le abe kpɔtɔtɔ ma ene. Wokpena ɖe mía ŋu be míakpɔtɔ anɔ mɔ xaxɛa dzi.—Xlẽ Psalmo 119:9, 10, 45, 133.

7. Aleke wòle be sɔhɛwo nabu mɔ xaxɛ lae?

7 Sɔhɛwo, ɖe miesena le mia ɖokui me ɣeaɖewoɣi be Yehowa ƒe sewo mimi yewo ɖo akpaa? Satana di be miasusui nenema. Edina be miatsɔ susu aɖo ame siwo le mɔ gbadzaa dzi zɔm la ƒe nuwɔnawo ŋu, elabe edzena abe ɖe wole vivi sem na agbea ene. Ate ŋu ato nu siwo amewo wɔna miekpɔna le Internet dzi kple nu siwo miaƒe sukuhatiwo wɔna la dzi ana miasusui be nu geɖe le yewo ŋu tom. Satana di be miasusui be yewomele vivi sem na agbea bliboe o. * Ke hã, miɖo ŋku edzi be, Satana medi be ame siwo le yeƒe mɔa dzi zɔm la nanya afi si mɔa ɖo tae o. Gake Yehowa ya na mienya ale si gbegbe miava se vivi na agbea le etsɔme, ne mieyi edzi zɔ mɔ xaxɛa dzi.—Ps. 37:29; Yes. 35:5, 6; 65:21-23.

8. Nu kae sɔhɛwo ate ŋu asrɔ̃ tso Olaf gbɔ?

8 Sɔhɛwo, miate ŋu asrɔ̃ nu tso sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Olaf ƒe kpɔɖeŋua me. * Eƒe sukuhatiwo ƒoe ɖe enu be wòaɖo ahiãvi eye wòanɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ. Eɖe eme be Yehowa Ðasefoe yenye, eye yewowɔna ɖe Biblia ƒe se siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu dzi. Ke hã, nyɔnuvi aɖewo, siwo nɔ eƒe klas la ɖoe be yewoawɔ nu sia nu si yewoate ŋui be wòadɔ kpli yewo. Gake Olaf tɔ afɔ to sesĩe hewɔ ɖe Biblia ƒe se dzi. Gake menye esia koe nye kuxi si Olaf dze ŋgɔe le suku o. Egblɔ be: “Nye nufialawo ƒoe ɖe nunye be made yunivɛsiti, elabe ana amewo nade bubu ŋunye. Wogblɔ be ne nyemede yunivɛsiti oa, nyemakpɔ dɔ awɔ o, eye nyemakpɔ dzidzɔ le agbe me hã o.” Nu kae kpe ɖe Olaf ŋu wònɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu sia nu? Egblɔ be: “Medze xɔlɔ̃ nɔvi siwo le hamea me. Wova zu abe nye ƒome ene. Azɔ hã, melé fɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu. Esi meyi edzi nɔ Biblia srɔ̃ma, ena megaka ɖe nyateƒea dzi wu. Eye meɖoe kplikpaa be masubɔ Yehowa.”

9. Nu kae wòle be míawɔ ne míedi be míakpɔtɔ anɔ mɔ xaxɛa dzi?

9 Satana di be nàdzo le mɔ si kplɔa ame yia agbe me la dzi, eye nàva wɔ ɖeka kple ame gbogbo siwo le mɔ gbadza “si kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me” la dzi. (Mat. 7:13) Eya ta ele be míaʋli vevie be míakpɔtɔ anɔ mɔ xaxɛa dzi. Míate ŋu awɔ esia ne míeyi edzi ɖo to Yesu, eye míebu mɔ sia be enye takpɔkpɔ na mí. Azɔ míadzro nu bubu aɖe si Yesu gblɔ be míawɔ la me.

WƆ ŊUTIFAFA KPLE NƆVIWÒ

10. Le Mateo 5:23, 24 ƒe nya nua, nu kae Yesu gblɔ be ele be míawɔ?

10 Xlẽ Mateo 5:23, 24. Yesu nɔ nu ƒom tso nane si Yudatɔ siwo nɔ to ɖomee la buna nu vevii ŋu. Kpɔe ɖa le susu me be, ame aɖe tsɔ lã va vɔ sa ge le gbedoxɔa me, eye wòva ɖo nunɔlaa gbɔ. Ne eɖo ŋku edzi le ɣeyiɣi ma me be, nya aɖe le ye nɔvi si ɖe ye ŋua, ele be wòagblẽ vɔsaa ɖe afi ma, eye ‘wòadzo.’ Nu ka tae? Nu kae agate ŋu anɔ vevie wu vɔsasa na Yehowa? Yesu gblɔe eme kɔ nyuie be: “Wɔ ŋutifafa kple nɔviwòa gbã.”

Yakob bɔbɔ eɖokui, eye wòwɔ ŋutifafa kple nɔvia. Ðe nàsrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua? (Kpɔ memama 11-12 lia) *

11. Afɔ kawoe Yakob ɖe be wòte ŋu wɔ ŋutifafa kple Esau?

11 Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo ku ɖe ale si míawɔ ŋutifafa ŋu tso blemafofo Yakob gbɔ. Esi Yakob dzo le wo de ƒe 20 megbea, Mawu to eƒe dɔla aɖe dzi gblɔ nɛ be wòatrɔ ayi afi ma. (1 Mose 31:11, 13, 38) Ke hã, kuxi aɖe nɔ anyi. Eƒe vedzɔ, Esau, ɖoe be yeawui. (1 Mose 27:41) Yakob “vɔ̃” be ɖewohĩ ye fo Esau gado dziku ɖe ye ŋu kokoko, eye esia na ‘wòtsi dzodzodzoe.’ (1 Mose 32:7) Afɔ kawoe Yakob ɖe be yeawɔ ŋutifafa kple Esau? Gbãa, edo gbe ɖa na Yehowa vevie tso nyaa ŋu. Eyome eɖo nunanawo ɖe Esau. (1 Mose 32:9-15) Mlɔeba, esi Yakob kple Esau va do go ŋkume kple ŋkumea, Yakob ɖe afɔ gbã wɔ nane tsɔ de bubu Esau ŋu. Etsyɔ mo anyi, menye zi ɖeka alo zi eve o, ke boŋ zi gbɔ zi adre sɔŋ! Ale si Yakob bɔbɔ eɖokui, eye wòde bubu foa ŋu wɔe be wòte ŋu wɔ ŋutifafa kplii.—1 Mose 33:3, 4.

12. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yakob ƒe kpɔɖeŋua me?

12 Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso ale si Yakob dzra ɖo hafi vae do go Esau, kple ale si wòwɔ nu ɖe eŋui me. Yakob bɔbɔ eɖokui, eye wòdo gbe ɖa bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Le ɖekawɔwɔ me kple eƒe gbedodoɖaa, ewɔ nu sia nu si wòate ŋui be yeawɔ ŋutifafa kple ye foa. Esi wodo goa, Yakob meʋli nya kple foa be yewoakpɔe ɖa be ame ka ƒe nyae dzɔ alo ame kae dze agɔ o. Yakob ƒe taɖodzinu koŋue nye be, yeawɔ ŋutifafa kple ye foa. Aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua?

ALE SI MÍAWƆ ŊUTIFAFA KPLE AMEWO

13-14. Ne míedze agɔ le nɔvi aɖe dzia, nu kae wòle be míawɔ?

13 Ne míedi be míakpɔtɔ anɔ mɔ si kplɔa ame yia agbe me dzia, ele be míanɔ ŋutifafa me kple mía nɔewo. (Rom. 12:18) Ne míede dzesii be míedze agɔ le nɔvi aɖe dzia, nu kae wòle be míawɔ? Abe Yakob enea, ele be míado gbe ɖa na Yehowa vevie, abiae be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ ŋutifafa kple mía nɔvia.

14 Azɔ hã, ehiã be míadi ɣeyiɣi adzro mía ɖokui me. Míate ŋu abia nya siawo tɔgbi mía ɖokui: ‘Ðe malɔ̃ faa abɔbɔ ɖokuinye agblɔ be tɔnye medzɔ o, eye maɖe kuku na nɔvia, awɔ ŋutifafa kpliia? Ne meɖe afɔ gbã wɔ ŋutifafa kple nɔvia, aleke esia ana Yehowa kple Yesu nase le wo ɖokui me?’ Ale si míaɖo biabia mawo ŋui la aʋã mí be míaɖe afɔ bubu, si nye be míaɖo to Yesu, abɔbɔ mía ɖokui ate ɖe nɔvia ŋu awɔ ŋutifafa kplii. Le go sia hã mea, míate ŋu asrɔ̃ Yakob ƒe kpɔɖeŋua.

15. Aleke aɖaŋuɖoɖo si le Efesotɔwo 4:2, 3 akpe ɖe mía ŋu be míawɔ ŋutifafa kple mía nɔvi?

15 Nu kae nèsusu be adzɔ ne ɖe Yakob vae ʋli nya kple foa dadatɔe? Anye ne nuwo mayi nyuie kura o. Ne míeyi mía nɔvi aɖe gbɔ be míawɔ ŋutifafa kpliia, ehiã be míabɔbɔ mía ɖokui. (Xlẽ Efesotɔwo 4:2, 3.) Lododowo 18:19 gblɔ be: “Nɔvi si ŋu woda vo ɖo la tri akɔ wu du sesẽ, eye dzre aɖewo le abe mɔ́ sesẽ ƒe gameti ene.” Ke hã, ne míebɔbɔ mía ɖokui eye míeɖe kuku na nɔvia la, alɔ̃ míawɔ ŋutifafa kplii, wòafia be míege ɖe “du sesẽ” ma me.

16. Nu ka hã ŋue wòle be míabu, eye nu ka tae?

16 Azɔ hã, ehiã be míabu nya siwo míagblɔ na mía nɔvia kple ale si míagblɔ woe ŋu. Ne míeyi mía nɔvia gbɔa, ele be míaƒe nyawo kple ale si míagblɔ woe naɖee afia be míaƒe taɖodzinue nye be, mía kplii míagawɔ ɖeka. Ðewohĩ gbãa, nɔvia agblɔ nya siwo ave mí, eye ema ate ŋu awɔe be míado dziku, alo míadze agbagba be míaʋli mía ɖokui ta. Gake ɖe ema ahe ŋutifafa vɛa? Kura o. Ðo ŋku edzi be, ŋutifafawɔwɔ kple mía nɔvia le vevie wu be míanɔ agbagba dzem be míakpɔe ɖa be ame ka ƒe nyae dzɔ alo medzɔ o.—1 Kor. 6:7.

17. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Gilbert gbɔ?

17 Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Gilbert ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí le ŋutifafawɔwɔ me. Egblɔ be: “Kuxi aɖewo va ɖo nye kple ƒonyemetɔ kplikplikpli aɖe dome. Ƒe eve sɔŋ medze agbagba be míakpɔ nyaa gbɔ, eye ŋutifafa naganɔ mía dome. Ne míedo goa, medzea agbagba be magblɔ nu si mesusu la nɛ faa tufafatɔe.” Nu ka hãe Gilbert wɔ? Egblɔ be: “Hafi mado go kpliia, medoa gbe ɖa na Yehowa, eye meɖoa ŋku edzi na ɖokuinye be, ne egblɔ nya aɖe wòvem hã, mele be mado dziku o. Ehiã be malɔ̃ faa atsɔ ake. Mede dzesii be, mele be mate tɔ ɖe nye nya dzi o, ke boŋ mawɔ ŋutifafa. Emae le vevie.” Nu kae do tso Gilbert ƒe agbagbadzedzewo me? Egblɔ be: “Egbea, mele dzidzɔ kpɔm ŋutɔ, elabe ŋutifafa le nye kple nye ƒometɔwo katã dome.”

18-19. Ne míedze agɔ le ame aɖe dzia, nu kae wòle be míaɖoe kplikpaa be míawɔ, eye nu ka tae?

18 Ne ède dzesii be èdze agɔ le nɔvi Kristotɔ aɖe dzia, nu kae wòle be nàɖoe kplikpaa be yeawɔ? Eyae nye be nàwɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi, awɔ ŋutifafa kplii. Do gbe ɖa na Yehowa tso nyaa ŋu, eye nàna eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe ŋuwò nàwɔ ŋutifafa. Esia ana nàkpɔ dzidzɔ, eye aɖee afia be èle to ɖom Yesu.—Mat. 5:9.

19 Míedaa akpe na Yehowa be eto ‘hamea ƒe ta,’ Yesu Kristo, dzi le mɔ fiam mí lɔlɔ̃tɔe. (Ef. 5:23) Mina míaɖoe kplikpaa ‘aɖo to’ Yesu, abe ale si apostolo Petro, Yakobo, kple Yohanes wɔe ene. (Mat. 17:5) Abe ale si míesrɔ̃e enea, míate ŋu aɖo to Yesu ne míewɔa ŋutifafa kple mía nɔvi siwo dzi míedze agɔ le. Ne míewɔ esia, eye míeyi edzi zɔ le mɔ xaxɛ si kplɔa ame yia agbe me dzia, Yehowa ayra mí fifia, eye míava kpɔ dzidzɔ geɖe le etsɔme.

HADZIDZI 130 Lɔ̃ Tsɔtsɔke

^ mm. 5 Yesu de dzi ƒo na mí be míato agbo xaxɛ la nu, eye míazɔ mɔ si kplɔa ame yia agbe mea dzi. Exlɔ̃ nu mí hã be míawɔ ŋutifafa kple mía nɔviwo. Kuxi kawoe míedoa goe ne míele agbagba dzem be míawɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖoawo dzi, eye aleke míate ŋu aɖu kuxi mawo dzi?

^ mm. 7 Kpɔ agbalẽ gbadzaa si nye Nya 10 Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖowo, ƒe nyabiase 6 lia, si ƒe tanyae nye: “Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu Nu?” kple nutata ƒe video si nye, Nɔ Te Ðe Hawòtiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenuwo Nu! le www.pr418.com. (Àkpɔe le BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > SƆHƐWO.)

^ mm. 8 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 56 NU SIWO LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Ale si ko gakpɔtɔtɔ kpɔa ʋukulawo taa, nenema kee Mawu ƒe sewo kpɔa mía ta be míayi edzi azɔ agbemɔ ‘xaxɛ’ la dzi eye míaƒo asa na nuwɔna siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me, hadede gbegblẽwo, kple ne amewo le nya ƒom ɖe mía nu be míade suku kɔkɔ.

^ mm. 58 NU SIWO LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Esi Yakob di be yeawɔ ŋutifafa kple Esau taa, etsyɔ mo anyi ɖe eŋkume zi gbɔ zi geɖe.