Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do le ƒe sia me la beléletɔea? Ekema, kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Esi Yakobo 5:11 gblɔ be, Yehowa ƒe “dɔme trɔna ɖe ame ŋu geɖe,” eye “wòkpɔa nublanui na ame” la, kakaɖedzi kae esia na mí?

Míenya be esi Yehowa kpɔa nublanui ta la, elɔ̃na faa be yeatsɔ míaƒe vodadawo ake mí. Yakobo 5:11 ka ɖe edzi na mí be edi vevie hã be yeakpe ɖe mía ŋu. Ele be míasrɔ̃e.—w21.01, axa 21.

Nu ka tae Yehowa wɔ tanyenye ƒe ɖoɖoa?

Ewɔ esia le esi wòlɔ̃ mí ta. Tanyenye ƒe ɖoɖo sia nana wònɔa bɔbɔe na eƒe ƒomea me tɔ wɔnuteƒewo be woawɔ nu le ɖoɖo nu le ŋutifafa me. Ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe si wɔna ɖe ɖoɖo sia dzi la, nya ame si wòle be wòatso nya me mamlɛa eye wòaxɔ ŋgɔ woawɔ ɖe nyametsotsoa dzi.—w21.02, axa 3.

Nu ka tae wòle be Kristotɔwo naɖɔ ŋu ɖo ne wole elektrɔnikmɔ̃ siwo dzi woate ŋu ato aɖo text message ɖa zãm?

Ne ame ɖe di be yeazã mɔnu sia la, ele be wòanɔ ŋudzɔ le ame siwo wòatia be woanye ye xɔlɔ̃wo la ŋu. Esia menɔa bɔbɔe ne amewo sɔgbɔ le ƒuƒoƒoa me o. (1 Tim. 5:13) Wo kakaa nya siwo ŋu kpeɖodzi aɖeke mele o eye wogblɔa asitsanya siwo meku ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o hã.—w21.03, axa 31.

Nu ka tae Mawu ɖe mɔ Yesu kpe fu eye wòku?

Susu gbãtɔe nye be, wohe Yesu ɖe ati ŋu be wòaɖe Yudatɔwo tso fiƒode me. (Gal. 3:10, 13) Eveliae nye be, Yehowa nɔ Yesu dzram ɖo be wòava nye Nunɔlagã le etsɔme. Eye etɔ̃liae nye be, esi Yesu wɔ nuteƒe va se ɖe ku mea, amegbetɔwo ate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe ne wole dodokpɔ sesẽwo me tom hã. (Hiob 1:9-11)—w21.04, axa 16-17.

Nu kae nàte ŋu awɔ ne mèkena ɖe amewo ŋu le aƒe me le gbeƒãɖeɖedɔa me o?

Dze agbagba nàyi wo gbɔ le ɣeyiɣi siwo me wonɔa aƒe me. Dze agbagba nàɖe gbeƒã le teƒe bubuwo hã. Eye dze agbagba nàte mɔnu bubuwo, abe lɛta ŋɔŋlɔ ene hã kpɔ.—w21.05, axa 15-16.

Nu kae apostolo Paulo wɔnɛ esi wògblɔ be: “Meto se la me ku na se la”? (Gal. 2:19)

Mose ƒe Se la na amegbetɔwo ƒe blibomademadea dze eye wòkplɔ Israel yi Kristo la gbɔ. (Gal. 3:19, 24) Esia na Paulo va xɔ Kristo dzi se. Tso ema dzi la, Paulo “ku na se la”; si fia be megale Sea te o.—w21.06, axa 31.

Aleke Yehowa ɖo dzidodo ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí?

Yehowa do dzi le vlododo si wohe va eƒe ŋkɔ dzi, ale si ame geɖe gbe eƒe dziɖuɖu, ale si eƒe vi aɖewo dze aglã ɖe eŋu, alakpa siwo dam Satana le ɖe esi, ale si esubɔlawo le fu kpem, exɔlɔ̃wo ƒe ku, ale si ame vɔ̃ɖiwo le amewo tem ɖe anyi kple ale si amewo le anyigbaa gblẽm la me.—w21.07, axa 9-12.

Aleke Yosef ɖo dzigbɔɖi ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí?

Edo dzi esi nɔviawo wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe eŋu. Esia na wotso enu alakpatɔe eye wodee gaxɔ me le Egipte ƒe gbogbo aɖewo.—w21.08, axa 12.

Nuwo ʋuʋu ka ŋue woƒo nu tsoe le Hagai 2:6-9, 20-22?

Ame geɖe mewɔa nu ɖe Fiaɖuƒe si míele gbeƒã ɖemee la ŋu nyuie o, ke hã ame geɖe le nyateƒea xɔm. Eteƒe madidi o woaʋuʋu dukɔwo zi mamlɛtɔ eye woatsrɔ̃ wo.—w21.09, axa 15-19.

Nu ka tae mele be míana ta le subɔsubɔdɔa me o?

Yehowa kpɔa míaƒe agbagbadzedzewo eye wodzea eŋu. Ne míena ta o la, míakpɔ agbe mavɔ.—w21.10, axa 25-26.

Aleke 3 Mose ta 19 kpe ɖe mía ŋu be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si gblɔ be, “Minɔ kɔkɔe le miaƒe agbenɔnɔ katã me,” la dzi? (1 Pet. 1:15)

Anɔ eme be woyɔ kpukpui ma me nyawo tso 3 Mose 19:2. Ta 19 lia ƒo nu tso mɔ vovovo siwo nu míate ŋu awɔ ɖe 1 Petro 1:15 me nyawo dzi le míaƒe agbe me la ŋu.—w21.12, axa 3-4.