Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 2

Srɔ̃ Nu Tso Yesu Nɔvi Gbɔ

Srɔ̃ Nu Tso Yesu Nɔvi Gbɔ

“Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe kluvi.”—YAK. 1:1.

HADZIDZI 88 Na Manya Wò Mɔwo

NYA VEVIAWO *

1. Ƒome ka tɔgbi mee Yakobo dzɔ tso?

 YESU nɔvi Yakobo nɔ ƒome aɖe si doa vevie Yehowa subɔsubɔ me tsi. * Yosef kple Maria, siwo nye edzilawo, lɔ̃ Yehowa vevie, eye wosubɔe nuteƒewɔwɔtɔe. Nu bubu aɖe gade Yakobo dzi: foa ye tsi va zu Mesia si ŋugbe wodo. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na Yakobo be wòdzɔ tso ƒome ma me!

Yakobo gava nya foa Yesu ɖe edzi wu esime wonɔ tsitsim (Kpɔ memama 2 lia)

2. Nu kawoe Yakobo ate ŋu asrɔ̃ tso foa gbɔ?

2 Nu geɖe li Yakobo ate ŋu asrɔ̃ tso foa Yesu gbɔ. (Mat. 13:55) Le kpɔɖeŋu me, Yesu nya Ŋɔŋlɔawo ale gbegbe be, kaka wòaxɔ ƒe 12 la, eƒe nugɔmesese wɔ nuku na agbalẽnyala siwo nɔ Yerusalem gɔ̃ hã. (Luka 2:46, 47) Anɔ eme be, Yakobo kple Yesu wowɔ kapitadɔ ɖekae. Ne wowɔ dɔ ɖekae alea, ke mɔnukpɔkpɔ su esi hã be wòanya foa nyuie. Eye abe ale si Nɔviŋutsu Nathan H. Knorr gblɔnɛ zi geɖe enea, “ne èwɔa dɔ kple ame aɖea, àva nyae ɖe edzi.” * Eya ta ɖikeke mele eme o be, Yakobo anya de dzesi ale si “Yesu [ƒe] nunya [nɔ] dzidzim ɖe edzi, eye eƒe nu nyo Mawu kple amewo siaa ŋu” esime wònɔ tsitsim. (Luka 2:52) Eya ta míasusu be Yakobo anɔ Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo dome. Gake menye nenemae wòva yi o.

3. Aleke Yakobo wɔ nui esime Yesu nɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm?

3 Esime Yesu nɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzia, Yakobo meva dze eyome o. (Yoh. 7:3-5) Anɔ eme gɔ̃ hã be, Yakobo nɔ ƒometɔ siwo nɔ susum be Yesu ƒe “tagbɔ le gbegblẽm” la dome. (Marko 3:21) Eye naneke meɖee fia be Yakobo nɔ wo nɔ Maria ŋu esime Yesu nɔ fuwɔametia ŋu o.—Yoh. 19:25-27.

4. Nu kawo mee míadzro?

4 Gake emegbea, Yakobo va xɔ Yesu dzi se, eye wòva wɔ akpa vevi aɖe le Kristo-hamea me. Le nyati sia mea, míadzro nu eve siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Yakobo gbɔ la me: (1) nu si tae wòle be míabɔbɔ mía ɖokui, (2) ale si míagabi ɖe míaƒe nufiafiawo me.

BƆBƆ ÐOKUIWÒ ABE YAKOBO ENE

Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre, eye wòɖe eɖokui fia Yakobo la, ebɔbɔ eɖokui, eye wòva zu Yesu ƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒe (Kpɔ memama 5-7 lia)

5. Aleke Yakobo wɔ nui esi Yesu si wofɔ ɖe tsitre la ɖe eɖokui fiae?

5 Ɣekaɣie Yakobo va zu Yesu yomedzela wɔnuteƒe? Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre tso ku me megbea, “eɖe eɖokui fia Yakobo, eyome eɖe eɖokui fia apostoloawo katã.” (1 Kor. 15:7) Kpekpe mae wɔe be, Yakobo va trɔ eƒe susu. Yakobo hã nɔ eteƒe esime apostoloawo nɔ lalam le dziƒoxɔ aɖe me le Yerusalem be woakɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe yewo dzi. (Dɔw. 1:13, 14) Le ɣeyiɣi aɖe megbea, eva zu dɔdzikpɔha si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ mea me tɔ. (Dɔw. 15:6, 13-22; Gal. 2:9) Eye do ŋgɔ na ƒe 62 K.Ŋ. la, gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ lɛta na Kristotɔ amesiaminawo, eye lɛta ma le vi ɖem na mí egbea, míeɖale mɔ kpɔm be míava nɔ agbe le dziƒo alo anyigba dzi o. (Yak. 1:1) Yudatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be, Yudatɔwo ƒe nunɔlagã Anania Ðevitɔ na wowu Yakobo. Gake Yakobo wɔ nuteƒe na Yehowa va se ɖe ku me.

6. Aleke Yakobo ƒe nuwɔna to vovo na subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi ɣemaɣi la tɔ?

6 Yakobo bɔbɔ eɖokui. Nu ka tae míegblɔe nenema? Ale si Yakobo va wɔ nu ɖe Yesu ŋu mlɔeba la to vovo na ale si subɔsubɔhakplɔlawo dometɔ geɖe wɔ nu ɖe Yesu ŋu. Esi Yakobo va kpɔ kpeɖodzi siwo dze ƒãa be Yesu nye Mawu ƒe Vi la, ebɔbɔ eɖokui lɔ̃ ɖe edzi. Gake nunɔla siwo nɔ Yerusalem ya mewɔe nenema o. Le kpɔɖeŋu me, wonyae nyuie be Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre tso ku me. Gake wogbe be yewomalɔ̃ ɖe edzi be Yesue nye ame si Yehowa dɔ ɖa la o, ke boŋ woɖoe be yewoawu Yesu kple Lazaro siaa. (Yoh. 11:53; 12:9-11) Eye esi Mawu fɔ Yesu ɖe tsitre tso ku me megbe gɔ̃ hã, woɖo nugbe be yewoablu afɔ na nya ma. (Mat. 28:11-15) Esi subɔsubɔhakplɔla mawo mebɔbɔ wo ɖokuiwo o taa, wogbe Mesia la.

7. Nu ka tae wòle be míatsri dada?

7 Nufiamea: Tsri dada, eye nàlɔ̃ Yehowa nafia nu wò. Abe ale si ko dɔléle ate ŋu awɔe be míaƒe dzi mawɔ dɔ nyuie o enea, nenema kee dada hã ate ŋu awɔe be míasẽ dzi me, eye míaɖo to Yehowa ƒe mɔfiamewo o. Nu ma tɔgbie dzɔ ɖe Farisitɔwo dzi. Wosẽ dzi me ale gbegbe be, wogbe be yewomalɔ̃ ɖe kpeɖodzi siwo dze ƒãa be Yesue nye Mawu ƒe Via dzi o. (Yoh. 12:37-40) Woƒe dada sia gblẽ nu le wo ŋu, elabe ewɔe be womakpɔ agbe mavɔ o. (Mat. 23:13, 33) Esia na míekpɔe be ele vevie be míana Mawu ƒe Nyaa kple eƒe gbɔgbɔa nakpe ɖe mía ŋu míatrɔ míaƒe agbenɔnɔ kple nuŋububu, eye míatso nya me nyuie! (Yak. 3:17) Esi Yakobo bɔbɔ eɖokui taa, eɖe mɔ Yehowa fia nui. Eye abe ale si míava kpɔe enea, eƒe ɖokuibɔbɔa kpe ɖe eŋu wòva zu nufiala nyui.

FIA NU ABE YAKOBO ENE

8. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míava nye nufiala nyuiwo?

8 Yakobo mede suku kɔkɔ o, eye anɔ eme be, subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi ɣemaɣi bui be ‘menya agbalẽ o, eye wònye ame tsɛ,’ abe ale si wobu apostolo Petro kple Yohanes ene. (Dɔw. 4:13) Gake Yakobo va nye nufiala nyui, eye Biblia gbalẽ si wòŋlɔ la ɖo kpe esia dzi. Abe Yakobo enea, togbɔ be mía dometɔ geɖe mede suku kɔkɔ o hã, Yehowa ƒe gbɔgbɔa kple hehe si míexɔna le eƒe habɔbɔa gbɔ la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míava nye nufiala nyuiwo. Azɔ na míakpɔ ale si Yakobo fia nui kple nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ ɖa.

9. Nya kae nàgblɔ tso ale si Yakobo fia nui ŋu?

9 Yakobo mezã nyagãnyagãwo alo nya siwo gɔme sese asesẽ o. Esia wɔe be, enɔ bɔbɔe na eƒe nyaselawo be woakpɔ nu siwo wòle be woawɔ kple ale si wòle be woawɔe. Le kpɔɖeŋu me, esime Yakobo nɔ nu ƒom tso ale si wòle be Kristotɔwo nado dzi ne wole nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe wo ŋu, eye woagalé dziku ɖe dɔme oa, ezã nya siwo gɔme sese le bɔbɔe. Egblɔ be: “Míeyɔa ame siwo doa dzi la be dzidzɔtɔwo. Miese Hiob ƒe dzidodo ŋu nya, eye miekpɔ ale si Yehowa na nuwo va wu enu nɛ, be Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu geɖe, eye wòkpɔa nublanui na ame.” (Yak. 5:11) De dzesii be, Yakobo tu eƒe nufiafiawo ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi. Ezã Mawu ƒe Nyaa tsɔ kpe ɖe eƒe nyaselawo ŋu wokpɔe be, Yehowa ɖoa eteƒe na esubɔla wɔnuteƒewo ɣesiaɣi, abe ale si wòwɔe na Hiob ene. Esi Yakobo zã nya siwo gɔme sese le bɔbɔe taa, eƒe nyaselawo se nu siwo wòfia gɔme. Esia na wokpɔe be nu siwo fiam wòle la tso Yehowa gbɔ.

10. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yakobo ne míele nu fiam amewo?

10 Nufiamea: Zã nya siwo le bɔbɔe, eye nàtu wo ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi. Ne míele nu fiam amewoa, mele be míadze agbagba be míana woakpɔ nu siwo gbegbe míenya o, ke boŋ míana woakpɔ nunya si gbegbe le Yehowa si kple ale si gbegbe wòléa be na woe. (Rom. 11:33) Míate ŋu aɖo taɖodzinu ma gbɔ ne míetua míaƒe nufiafia ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi ɣesiaɣi. Le esi míagblɔ na míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo be: “Ne nyee wònyea, ale si mawɔe nye esi” teƒea, ele be míakpe ɖe wo ŋu boŋ woade ŋugble le Biblia me kpɔɖeŋuwo ŋu, eye woabu ale si Yehowa susuna kple ale si wòsena le eɖokui me tso nɔnɔmea ŋu. Ne míewɔe alea, aʋã wo woadi be yewoawɔ nu siwo srɔ̃m yewole la dzi adze Yehowa ŋu, ke menye míawo ŋu o.

11. Kuxi kawoe nɔ nɔvi aɖewo ŋu le Yakobo ƒe ŋkekeawo me, eye aɖaŋu kae wòɖo na wo? (Yakobo 5:13-15)

11 Yakobo nya nɔnɔmeawo nyuie, eye wòyi nyaa gbɔ tẽe. Le agbalẽ si Yakobo ŋlɔ mea, edze ƒãa be ede dzesi kuxi siwo me tom nɔvia Kristotɔwo nɔ, eye wòɖo aɖaŋu na wo tẽe tso ale si woawɔ aɖu kuxiawo dzii ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nɔvi aɖewo mewɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo dzi kaba o. (Yak. 1:22) Bubuwo wɔa nu ɖe kesinɔtɔwo ŋu nyuie wu. (Yak. 2:1-3) Bubuwo hã metea ŋu léa woƒe aɖe o. (Yak. 3:8-10) Edze ƒãa be kuxi gãwo nɔ nɔviawo ŋu, gake Yakobo ka ɖe edzi be woate ŋu atrɔ. Eɖo aɖaŋu na wo tẽe ameŋububutɔe, eye wòde dzi ƒo na ame siwo hiã kpekpeɖeŋu la be woate ɖe hamemetsitsiwo ŋu.—Xlẽ Yakobo 5:13-15.

12. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele kpekpem ɖe míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu?

12 Nufiamea: Yi nyaa gbɔ tẽe, gake susu nyui nenɔ asiwò ɖe amewo ŋu. Ate ŋu asesẽ na ame siwo míesrɔ̃a Biblia kplii la be woawɔ ɖe nu siwo srɔ̃m wole dzi. (Yak. 4:1-4) Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi hafi woaɖe asi le nu siwo Mawu lé fui ŋu ava nɔ Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ɖem fia. Abe Yakobo enea, ahiã be dzi nanɔ míawo hã mía ƒo míagblɔ nu siwo ŋu wòahiã be míaƒe nusrɔ̃viwo natrɔ asi lea na wo. Azɔ hã, ele be susu nyui nanɔ mía si ɖe wo ŋu, eye míaka ɖe edzi be Yehowa ahe ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la ɖe eɖokui ŋu, eye wòado ŋusẽ wo be woawɔ tɔtrɔ siwo hiã.—Yak. 4:10.

13. Le Yakobo 3:2 ƒe nya nua, aleke Yakobo bu eɖokui?

13 Yakobo mebui be yenyo wu ame bubuwo o. Yakobo mesusui be ƒome si me yetso kple subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siwo su ye si wɔe be yenyo wu ye nɔvi bubuwo o. Eyɔ nɔvia Kristotɔwo be “nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo.” (Yak. 1:16, 19; 2:5) Mena ame bubuwo susui be yede blibo o. Ke boŋ etsɔ eɖokui de eme, eye wògblɔ be: “Mí katã míedaa vo zi geɖe.”—Xlẽ Yakobo 3:2.

14. Nu ka tae mele be míawɔ nu abe ɖe vodada mele mía ŋu o ene?

14 Nufiamea: Ðo ŋku edzi be mí katã míedaa vo. Mele be míasusui be míenyo wu ame siwo míefiaa nui o. Nu ka tae? Ne míena míaƒe nusrɔ̃viwo susui be vodada mele mía ŋu oa, dzi ate ŋu aɖe le wo ƒo, eye woasusui be yewomate ŋu awɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo dzi gbeɖe o. Ne míelɔ̃ ɖe edzi be menɔa bɔbɔe na míawo ŋutɔwo ɣesiaɣi be míawɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiamewo dzi o, eye míeɖe ale si Yehowa kpe ɖe mía ŋu míeɖu kuxi aɖewo dzi me na woa, akpe ɖe wo ŋu woakpɔe be, yewo hã yewoate ŋu asubɔ Yehowa.

Yakobo zã kpɔɖeŋu siwo le bɔbɔe, wo me kɔ, eye wosɔ (Kpɔ memama 15-16 lia) *

15. Nya kae nàgblɔ tso kpɔɖeŋu siwo Yakobo zã ŋu? (Yakobo 3:2-6, 10-12)

15 Yakobo zã kpɔɖeŋu siwo wɔ dɔ ɖe amewo dzi. Ðikeke mele eme o be, gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe eŋu, gake anɔ eme hã be, esrɔ̃ nu geɖe tso ale si foa Yesu zã kpɔɖeŋuwoe me. Kpɔɖeŋu siwo Yakobo zã le eƒe agbalẽa me la le bɔbɔe, eye nufiame siwo le wo me la hã me kɔ.—Xlẽ Yakobo 3:2-6, 10-12.

16. Nu ka tae wòle be míazã kpɔɖeŋu siwo sɔ?

16 Nufiamea: Zã kpɔɖeŋu siwo sɔ. Ne èzã kpɔɖeŋu siwo sɔa, menye ɖeko nusrɔ̃viawo ase nu si srɔ̃m wolea gɔme ko evɔ o, ke boŋ woakpɔ nufiame si le eme la ɖaa le susu me hã. Esia awɔe be woaɖo ŋku nya veviawo dzi. Yesu bi ɖe ale si woazã kpɔɖeŋu nyuiwo atsɔ afia nui me, eye nɔvia Yakobo srɔ̃e. Azɔ na míadzro Yakobo ƒe kpɔɖeŋuawo dometɔ ɖeka me, ne míakpɔ nu si tae kpɔɖeŋu ma sɔ ŋutɔ ɖo.

17. Nu ka tae kpɔɖeŋu si Yakobo zã le Yakobo 1:22-25 la sɔ nyuie ŋutɔ?

17 Xlẽ Yakobo 1:22-25. Ahuhɔ̃e si Yakobo zã tsɔ wɔ kpɔɖeŋua sɔ ŋutɔ le susu vovovowo ta, elabe nane koŋue nɔ susu me nɛ. Edi be nyaselawo nakpɔe be, menye ɖeko míaxlẽ Biblia ko evɔ o, ke boŋ míawɔ ɖe nu siwo xlẽm míele le Mawu ƒe Nyaa me dzi hã. Yakobo zã ame aɖe si le ahuhɔ̃e me kpɔm, eye eƒe nyaselawo ate ŋu ase kpɔɖeŋu ma gɔme bɔbɔe. Nu kae wòdi be yeafia wo? Viɖe aɖeke manɔ eŋu be ame aɖe nakpɔ ahuhɔ̃e me, eye wòakpɔ nu siwo wòhiã be wòaɖɔ ɖo, gake mawɔ naneke tso wo ŋu o. Nenema kee viɖe aɖeke manɔ eŋu ne míexlẽ Mawu ƒe Nyaa, eye míede dzesi tɔtrɔ siwo wòhiã be míawɔ, gake míewɔ naneke tso wo ŋu o.

18. Nu vevi etɔ̃ kawoe wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele kpɔɖeŋuwo zãm?

18 Ne èdi be yeazã kpɔɖeŋu atsɔ afia nu amewoa, àte ŋu asrɔ̃ Yakobo le nu etɔ̃ siawo me: (1) Kpɔ egbɔ be kpɔɖeŋu si zãm nèlea sɔ ɖe nu si fiam nèlea nu. (2) Zã kpɔɖeŋu si gɔme nyaselawo ate ŋu ase bɔbɔe. (3) Na nufiame si le kpɔɖeŋua me nadze ƒãa. Ne ele sesẽm na wò be nàwɔ kpɔɖeŋu siwo sɔa, ke àte ŋu aku nu me le Watch Tower Publications Index (Index des publications des Témoins de Jéhovah) me. Le tanya si nye “Kpɔɖeŋuwo” [“Illustrations”] tea, àkpɔ kpɔɖeŋu nyui geɖe siwo nàte ŋu azã. Gake ɖo ŋku edzi be kpɔɖeŋuwo le abe nuƒomɔ̃ ene. Wonana nya vevi siwo fiam nèlea me kɔna. Eya ta zã kpɔɖeŋuwo nàtsɔ aɖe nya veviawo ko me. Le ye katã mea, susu vevi si tae míezãa kpɔɖeŋuwo ye nye be, míakpe ɖe amewo ŋu woava nye Yehowa ƒe ƒome kpɔdzidzɔa me tɔwo, ke menye be míahe susu ava mía ɖokuiwo dzi o.

19. Nu kawoe míawɔ wòafia be míelɔ̃ mía nɔviwo?

19 Mɔnukpɔkpɔ su Yakobo si wòsrɔ̃ nu tso foa si de bliboa gbɔ, gake mele míawo ya gome nenema o. Ke hã, mɔnukpɔkpɔ su mía si be, mía kple mía nɔviwo míasubɔ Yehowa ɖekae le eƒe ƒome gã la me. Míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo ne míedea ha kpli wo, ne míesrɔ̃a nu tso wo gbɔ, eye míewɔa gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa kpli wo ɖekae. Eya ta ne míesrɔ̃ ale si Yakobo bɔbɔ eɖokui, ale si wòwɔ nui, kple ale si wòfia nuia, míahe kafukafu vɛ na Yehowa, eye míakpe ɖe ame siwo si dzi nyui lea ŋu be woava subɔ mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo.

HADZIDZI 114 “Migbɔ Dzi Ði”

^ Yakobo kple Yesu nɔ aƒe ɖeka me tsi. Yakobo nya nu tso Mawu ƒe Vi deblibo sia ŋu wu ame akpa gãtɔ siwo nɔ anyi le woƒe ŋkekea me. Yakobo sia si nye Yesu nɔvi la wɔ akpa vevi aɖe le Kristo-hame si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ mea me. Le nyati sia mea, míadzro nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe agbenɔnɔ kple eƒe nufiafiawo me la me.

^ Le nyati sia mea, míayɔ Yakobo be Yesu nɔvi. Yakobo, si kple Yesu nye nɔ ɖeka viwo, ye ŋlɔ Yakobo ƒe agbalẽa.

^ Nathan H. Knorr nye Dɔdzikpɔhaa me tɔ. Ewu eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa nu le ƒe 1977 me.

^ NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Yakobo zã dzo sue aɖe—si nye nane si gɔme eƒe nyaselawo ate ŋu ase bɔbɔe—tsɔ wɔ kpɔɖeŋu ku ɖe ale si wòate ŋu agblẽ nu ne míezã míaƒe aɖe nyuie o ŋu.