Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 7

‘Se Nunyalawo Ƒe Nyawo’

‘Se Nunyalawo Ƒe Nyawo’

“Ƒu to anyi, ne nàse nunyalawo ƒe nyawo.”​—LOD. 22:17.

HADZIDZI 123 Ðokuibɔbɔ Nuteƒewɔwɔtɔe Ðe Teokrasiɖoɖowo Te

NYA VEVIAWO *

1. Mɔ kawo dzie aɖaŋuɖoɖo ate ŋu ato ava na mí, eye nu ka tae mí katã míehiã aɖaŋuɖoɖo?

 MÍ KATÃ míehiã na aɖaŋuɖoɖo tso ŋkeke yi ŋkeke. Ɣeaɖewoɣia, míetea ŋu biaa aɖaŋuɖoɖo tso ame aɖe si ŋu míedea bubui gbɔ. Eye ɣeaɖewoɣi hã, nɔvi aɖe si tsɔ ɖe le eme na mí ate ŋu aɖo afɔ afɔta na mí, ne ede dzesii be míeyina “afɔ baɖa” aɖe ɖe ge. (Gal. 6:1) Alo woate ŋu aɖo aɖaŋu na mí alo ahe to na mí gɔ̃ hã, ne míewɔ nu gbegblẽ aɖe. Aleke kee wòɖale o, ele be míalɔ̃ axɔ aɖaŋuɖoɖo. Elabe esia aɖe vi na mí eye ate ŋu axɔ mí ɖe agbe!—Lod. 6:23.

2. Le ɖekawɔwɔ me kple Lododowo 12:15 la, nu ka tae wòhiã be míaxɔ aɖaŋuɖoɖo?

2 Mawunyakpukpui si dzi wotu míaƒe nusɔsrɔ̃ sia ɖo la de dzi ƒo na mí be ‘míase nunyalawo ƒe nyawo.’ (Lod. 22:17) Nunyaa adidoe asi metunɛ o, eya ta ame aɖe li si nya nane wu mí alo kpɔ nuteƒe wu mí godoo. (Xlẽ Lododowo 12:15.) Eya ta ne míexɔ aɖaŋuɖoɖo la, efia be míebɔbɔ mía ɖokui. Eɖenɛ fiana hã be míenya afi si míaƒe ŋutete se ɖo eye míenyae be míehiã ame bubuwo ƒe kpekpeɖeŋu. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã fia nyanu Salomo wògblɔ be: “Afi si aɖaŋuɖola geɖewo le la, nuwo dzea edzi.”—Lod. 15:22.

Aɖaŋuɖoɖo eve siawo dometɔ kae sesẽna na wò be nàxɔ? (Kpɔ memama 3-4 lia)

3. Mɔ eve kawo nue míate ŋu axɔ aɖaŋuɖoɖo le?

3 Míate ŋu axɔ aɖaŋuɖoɖo le mɔ eve nu. Gbãtɔe nye eka? Tsɔe be èxlẽ nane le Biblia alo míaƒe agbalẽ aɖe me eye esia ʋã wò nètɔ de ŋugble eye nèwɔ tɔtrɔ le wò agbenɔnɔ me. (Heb. 4:12) Míate ŋu ayɔ ema be aɖaŋuɖoɖo si yi na mí katã. Ke eveliae nye eka? Tsɔe be hamemetsitsi alo nɔvi aɖe he wò susu yi nane si wòhiã be nàɖɔ ɖo la dzi. Míate ŋu ayɔ ema be aɖaŋuɖoɖo si yi na wò ɖeɖe tẽe. Ne ame aɖe lɔ̃ mí vevie eye wòɖo aɖaŋu na mí tso Biblia mea, ele be míada akpe nɛ, aɖo toe eye míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi.

4. Le Nyagblɔla 7:9 ƒe nya nua, nu kae wòle be míaƒo asa na ne woɖo aɖaŋu na mí?

4 Ke hã, ne ame aɖe yɔ mí ɖo aɖaŋu na mí la, ate ŋu asesẽ na mí be míaxɔe. Ðewohĩ míate ŋu ado dziku gɔ̃ hã. Nu ka tae? Susu si tae nye be togbɔ be míelɔ̃na ɖe edzi be míede blibo o hã, ate ŋu asesẽ na mí be míalɔ̃ axɔ aɖaŋuɖoɖo ne ame aɖe he míaƒe susu yi vodada aɖe si míewɔ dzi. (Xlẽ Nyagblɔla 7:9.) Ðewohĩ míaɖe mía ɖokui nu alo ado dziku ɖe nɔvia ŋu be meɖo aɖaŋu na mí nyuie o. Alo agblɔ be susu nyui mele esi ɖe mía ŋu o. Alo míate ŋu ava nɔ vodada dim le nɔvia ŋutɔ ŋu agblɔ be: ‘Mɔ kae wòkpɔ aɖo aɖaŋu nam? Ðe eya ya medaa vo oa?’ Nya lae nye be, ne aɖaŋuɖoɖo aɖe mevivi mía nu o la, ɖewohĩ míaŋe aɖaba aƒu edzi eye míatrɔ ɖe ame bubu ŋu be wòaɖo aɖaŋu na mí, elabe míenya be eya aɖo aɖaŋu na mí ale si míedi.

5. Nu ka me míadzro le nyati sia me?

5 Le nyati sia me la, míakpɔ ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe siwo gbe aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ kple esiwo lɔ̃ faa xɔ aɖaŋuɖoɖo la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo. Azɔ hã, míadzro nu siwo akpe ɖe mía ŋu be míalɔ̃ faa axɔ aɖaŋuɖoɖo be wòaɖe vi na mí la me.

AME SIWO GBE AÐAŊUÐOÐO XƆXƆ

6. Nu kae míesrɔ̃ tso nu si Fia Rehabeam wɔ la me?

6 Bu Rehabeam ŋu kpɔ. Esi woɖoe Israel-fia la, dukɔa me viwo va egbɔ eye wobia tso esi be wòaɖe agba kpekpe si fofoa, Salomo, ɖo yewo dzi la dzi akpɔtɔ. Nunyatɔea, Rehabeam de adaŋu kple Israel metsitsiwo be yeanya ale si yeaɖo nya ŋu na dukɔa. Ametsitsiawo ɖo aɖaŋu nɛ be ne ewɔ nu si dukɔa bia dzi na wo la, ekema woasubɔe ɖaa. (1 Fia. 12:3-7) Edze be aɖaŋuɖoɖo ma medze Rehabeam ŋu o, eya ta evae de adaŋu kple ɖekakpui siwo nye ehatiwo. Ðekakpui mawo anya xɔ abe ƒe 40 ene, eya ta nuteƒekpɔkpɔ aɖewo su wo si le agbe me. (2 Kron. 12:13) Ke hã, womeɖo aɖaŋu nyui na Rehabeam le nya sia ŋu o. Woɖo aɖaŋu nɛ be wòagado agba akpee na dukɔa. (1 Fia. 12:8-11) Esi wònye be aɖaŋuɖoɖoa dze evea, ɖe wòle be Rehabeam nado gbe ɖa na Yehowa abia esi wòle be wòatsɔ hafi. Gake mewɔe nenema o, ke boŋ eya ŋutɔ tia aɖaŋuɖoɖo si dze eŋu, si nye esi ɖekakpuiawo ɖo nɛ. Eye esia he vɔ̃ va Rehabeam ŋutɔ kple Israel bliboa dzi. Nenema kee egbea, menye aɖaŋu ɖe sia ɖe si woaɖo na mí ye adze mía ŋu o. Ke hã, ne Mawu ƒe Nyaa dzie wotu aɖaŋuɖoɖoa ɖoa, ele be míalɔ̃ axɔe.

7. Nu kae míesrɔ̃ tso Fia Uziya ƒe nuwɔnaa me?

7 Fia Uziya gbe aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ. Ege ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔa ƒe akpa si womeɖe mɔ na ame aɖeke be wòage ɖo o, negbe nunɔlawo ko la, be yeasa vɔ. Yehowa ƒe nunɔlawo gblɔ nɛ be: “Oo Uziya, menye wò dɔe wònye be nàdo dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa o! [Nunɔlawo] koe wòle be woado dzudzɔ ʋeʋĩ.” Aleke Uziya wɔ nui? Ne ɖe wòbɔbɔ eɖokui xɔ aɖaŋuɖoɖoa eye wòdzo le gbedoxɔa me enumakea, anye ne ɖewohĩ Yehowa atsɔe akee. Gake mewɔe nenema o, ke boŋ, ‘edo dziku vevie.’ Nu ka tae wògbe aɖaŋuɖoɖoa xɔxɔ? Edze ƒãa be Uziya se le eɖokui me be esi yenye fia taa, yeate ŋu awɔ nu sia nu si yedi. Gake Yehowa ya mekpɔe nenema o. Le esia taa, Yehowa na anyidɔ ƒo ɖe Uziya ŋu eye wòzu “anyidɔléla va se ɖe eƒe kugbe.” (2 Kron. 26:16-21) Nu si dzɔ ɖe Uziya dzi la na míekpɔe be, ame ka kee míenye o, ne míegbe aɖaŋuɖoɖo si wotu ɖe Biblia dzia, míaƒe nu magadze Yehowa ŋu o.

AME SIWO LƆ̃ FAA XƆ AÐAŊUÐOÐO

8. Aleke Hiob wɔ nu esi woɖo aɖaŋu nɛ?

8 To vovo na ame siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi fifia la, Biblia ƒo nu tso ame aɖewo siwo lɔ̃ faa xɔ aɖaŋuɖoɖo eye Yehowa yra wo la ŋu. Wo dometɔ ɖekae nye Hiob. Togbɔ be Hiob lɔ̃ Mawu hã, Hiob mede blibo o. Esi nu te ɖe edzi vevie la, egblɔ nya aɖewo siwo mesɔ o. Esia wɔe be Elihu ɖo aɖaŋu nɛ, eye Yehowa hã ɖo aɖaŋu nɛ tẽe. Aleke Hiob wɔ nui? Ebɔbɔ eɖokui xɔ aɖaŋuɖoɖoawo. Egblɔ be: “Meƒo nu, esi nyemese nuwo gɔme o . . . Melɔ̃ ɖe edzi be nyemegblɔe nyuie o, eye metrɔ dzi me le ke kple afi me.” Yehowa yra Hiob le esi wòbɔbɔ eɖokui alea ta.—Hiob 42:3-6, 12-17.

9. Kpɔɖeŋu nyui kae Mose ɖo ɖi na mí?

9 Mose hã nye ame aɖe si lɔ̃ faa xɔ aɖaŋuɖoɖo. Gbe ɖekaa, nane dzɔ si na wòdo dziku vevie eye esia wɔe be mede bubu Yehowa ŋu o. Le esia ta la, Yehowa gblɔ nɛ be mayi Ŋugbedodonyigbaa dzi o. (4 Mose 20:1-13) Esia te ɖe Mose dzi eye wòɖe kuku na Yehowa. Gake Yehowa gblɔ nɛ be: “Mègaƒo nu kplim tso nya sia ŋu azɔ o.” (5 Mose 3:23-27) Mose mebi dzi o. Ke boŋ elɔ̃ ɖe Yehowa ƒe nyametsotsoa dzi, eye Yehowa yi edzi zãe wòkplɔ Israel-viwo. (5 Mose 4:1) Hiob kple Mose lɔ̃ xɔ aɖaŋuɖoɖo eye woɖo kpɔɖeŋu nyui si míate ŋu asrɔ̃. Hiob meɖe eɖokui nu o, ke boŋ elɔ̃ faa ɖɔ eƒe susu ɖo. Mose hã lɔ̃ faa Yehowa ɖɔe ɖo eye wòyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa togbɔ be mɔnukpɔkpɔ aɖe si ŋu wòdea asixɔxɔe la to eŋu hã.

10. (a) Le Lododowo 4:10-13 ƒe nya nua, aleke wòɖea vi na mí ne míelɔ̃ xɔ aɖaŋuɖoɖo? (b) Aleke nɔvi aɖewo wɔ nui esi woɖo aɖaŋu na wo?

10 Ne míesrɔ̃ nuteƒewɔlawo abe Hiob kple Mose ene ƒe kpɔɖeŋu la, aɖe vi na mí. (Xlẽ Lododowo 4:10-13.) Mía nɔvi geɖewo srɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua eye wolɔ̃ faa xɔ aɖaŋuɖoɖo. Le kpɔɖeŋu me, Nɔviŋutsu Emmanuel, si le Congo, gblɔ tso aɖaŋu aɖe si woɖo nɛ va yi ŋu be: “Esi menɔ afɔ aɖe si agblẽ nye kple Yehowa dome ɖema, nɔvi tsitsiawo de dzesii eye woɖo aɖaŋu nam. Mewɔ ɖe woƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi eye esia kpe ɖe ŋunye meƒo asa na kuxi geɖe.” * Nɔvinyɔnu Megan, si nye mɔɖela le Canada gblɔ tso aɖaŋu aɖewo siwo woɖo nɛ ŋu be: “Womevivia to me nam ɣesiaɣi ya o, gake aɖaŋuɖoɖo mawo tututue mehiã.” Eye Nɔviŋutsu Marko si tso Croatia gblɔ be: “Esi subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖe ge le asinyea, nɔvi tsitsiawo ɖo aɖaŋu nyuiwo nam, eye mekpɔe be emae na nye kple Yehowa dome va le nyuie.”

11. Nu kae Nɔviŋutsu Karl Klein va de dzesii ku ɖe aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ ŋu?

11 Nɔviŋutsu bubu aɖe si woɖo aɖaŋu na eye wòɖe vi nɛ ye nye Nɔviŋutsu Karl Klein, si nye Dɔdzikpɔhaa me tɔ va yi. Le eƒe agbemeŋutinyaa me la, egblɔ be gbe ɖekaa, ye xɔlɔ̃ kplikplikpli si nye Nɔviŋutsu Joseph F. Rutherford gbe nya na ye vevie. Gbãa, aɖaŋuɖoɖoa medzɔ dzi na Nɔviŋutsu Klein o. Egblɔ be: “Emegbe Nɔviŋutsu Rutherford do gbe nam vividoɖeameŋutɔe be, ‘Karl, èfɔ nyuiea?’ Gake esi dzi gakpɔtɔ nɔ nye kum taa, ɖeko meɖo eŋu ɖewoɖewoe. Ta egblɔ nam be, ‘Karl, kpɔ nyuie be Abosam ƒe asi nagasu dziwò o!’ Ŋu kpem, eye meɖo eŋu be ‘Oo, Nɔviŋutsu Rutherford, menye nanekee o.’ Gake Nɔviŋutsu Rutherford nya be melé dziku ɖe dɔme, ta egagblɔ ake be, ‘Enyo. Gake kpɔ nyuie be Abosam ƒe asi nagasu dziwò o!’ Nyateƒee wòto! Ne míelé nɔvi aɖe ɖe dɔme, vevietɔ le esi wògblɔ nya aɖe si wòle be wòagblɔ ta la, ke míele mía ɖokui dem Abosam ƒe mɔ̃ me.” * (Ef. 4:25-27) Nɔviŋutsu Klein wɔ ɖe Nɔviŋutsu Rutherford ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi eye wo ame evea woyi edzi nye xɔlɔ̃ kplikplikpliwo.

NU KAWOE AKPE ÐE MÍA ŊU MÍALƆ̃ FAA AXƆ AÐAŊUÐOÐO?

12. Aleke ɖokuibɔbɔ akpe ɖe mía ŋu míalɔ̃ axɔ aɖaŋuɖoɖo? (Psalmo 141:5)

12 Nu kae akpe ɖe mía ŋu míalɔ̃ faa axɔ aɖaŋuɖoɖo? Ele be míabɔbɔ mía ɖokui eye míaɖo ŋku edzi be míede blibo o, eye míewɔa bometsinu ɣeaɖewoɣi. Abe ale si míegblɔe va yi ene la, Hiob mebu nuwo ŋu nyuie le gɔmedzedzea me o. Gake emegbea, eva ɖɔ eƒe nuŋububu ɖo eye Yehowa yrae. Nu ka tae? Elabe Hiob bɔbɔ eɖokui. Eɖe ɖokuibɔbɔ fia esi wòlɔ̃ faa xɔ aɖaŋuɖoɖo tso Elihu gbɔ, togbɔ be etsi wu Elihu ƒe geɖe hã. (Hiob 32:6, 7) Nenema kee ɖokuibɔbɔ akpe ɖe míawo hã ŋu be míalɔ̃ faa axɔ aɖaŋuɖoɖo ne míesusu be míedze nɛ o alo míetsi wu ame si le aɖaŋua ɖom na mí gɔ̃ hã. Hamemetsitsi aɖe si le Canada gblɔ be: “Esi wònye be zi geɖea, ale si míesusuna tso mía ɖokui ŋu toa vovo na ale si amewo bua míi taa, mí katã míehiã aɖaŋuɖoɖo be míate ŋu ayi ŋgɔ.” Mía dometɔ ɖe sia ɖe alɔ̃ ɖe edzi be ehiã be míayi ŋgɔ le ale si míeɖea gbɔgbɔa ƒe kutsetsea fiana kple ale si míewɔa subɔsubɔdɔae me.—Xlẽ Psalmo 141:5.

13. Aleke wòle be míabu aɖaŋuɖoɖoe?

13 Bu aɖaŋuɖoɖo be enye mɔ si dzi Yehowa to le lɔlɔ̃ ɖem fia ye. Yehowa di be eme nanyo na mí. (Lod. 4:20-22) Esia tae wòtoa Biblia, Biblia-srɔ̃gbalẽwo kple nɔvi siwo tsi le xɔse me la dzi ɖoa aɖaŋu na mí, eye esia nye mɔ aɖe si dzi wòtona ɖenɛ fiana be yelɔ̃ mí. Hebritɔwo 12:9, 10 gblɔ be “míaƒe viɖe ta” wòwɔa esia ɖo.

14. Ne wole aɖaŋu ɖom na mí la, nu ka ŋue wòle be míaƒe susu nanɔ?

14 Wò susu nenɔ aɖaŋuɖoɖoa ŋu, ke menye ale si woɖo aɖaŋuae o. Ɣeaɖewoɣia, míate ŋu ase le mía ɖokui me be ale si woɖo aɖaŋu na mí la mesɔ o. Enye nyateƒe be ele na ame si le aɖaŋua ɖom be wòadze agbagba awɔe le mɔ si ana wòanya xɔ bɔbɔe nu. * (Gal. 6:1) Ke hã, ne míawoe wole aɖaŋua ɖom naa, ne ewɔ na mí be ale si woɖo aɖaŋua mesɔ tututu o hã, anyo be míaƒe susu nanɔ nufiame si le eme na mí la dzi. Àte ŋu abia ɖokuiwò be: ‘Ne mɔ si nu woɖo aɖaŋua nam le medzɔ dzi nam o hã, ɖe nane li mate ŋu asrɔ̃ tso emea? Ðe mate ŋu aɖe susu ɖa le ame si le aɖaŋua ɖom nam ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi eye matsɔe aɖo nufiamea boŋ dzia?’ Nunya anɔ eme be míadze agbagba asrɔ̃ nu tso aɖaŋu ɖe sia ɖe si woaɖo na mí la me.—Lod. 15:31.

BIA AÐAŊUÐOÐO NE WÒAÐE VI NA WÒ

15. Nu ka tae wònyo be míabia aɖaŋuɖoɖo?

15 Biblia de dzi ƒo na mí be míabia aɖaŋuɖoɖo. Lododowo 13:10 gblɔ be: “Nunya tso aƒe ɖe ame siwo dia aɖaŋuɖoɖo gbɔ.” Nya mawo nye nyateƒe vavã! Zi geɖe la, ame siwo biaa aɖaŋuɖoɖo tsɔ wu be woalala ame aɖe nate ɖe wo ŋu aɖo aɖaŋu na wo la yia ŋgɔ kabakaba. Eya ta, lɔ̃ faa nàbia aɖaŋuɖoɖo.

Nu ka tae nɔvinyɔnu ɖetugbuia le aɖaŋuɖoɖo biam tso nɔvinyɔnu tsitsia gbɔ? (Kpɔ memama 16 lia)

16. Ɣekaɣiwoe míate ŋu abia aɖaŋuɖoɖo?

16 Ɣekaɣiwoe míate ŋu abia aɖaŋuɖoɖo tso mía nɔviwo gbɔ? Bu kpɔɖeŋu siawo ŋu kpɔ. (1) Nɔvinyɔnu aɖe bia gbeƒãɖela bibi aɖe be wòakpe ɖe ye ŋu yeasrɔ̃ Biblia kple ame aɖe. Eyome ebiae be wòaɖo aɖaŋu aɖewo na ye siwo akpe ɖe ye ŋu be yeƒe nufiafia naganyo ɖe edzi. (2) Nɔvinyɔnu tre aɖe di be yeaƒle awu aɖewo, eya ta ebia tso nɔvinyɔnu aɖe si tsi le xɔse me la si be wòakpe ɖe ye ŋu yeatia esiwo sɔ. (3) Wode dɔ asi na nɔviŋutsu aɖe be wòaƒo dutoƒonuƒo zi gbãtɔ. Ebia tso nuƒola bibi aɖe si be yeaƒo nuƒoa wòase ne wòaɖo aɖaŋu aɖewo na ye siwo akpe ɖe ye ŋu. Anyo be nɔviŋutsu si ƒo nuƒo ƒe geɖe hã nabia aɖaŋuɖoɖo tso nuƒola bibi bubuwo gbɔ.

17. Nu kae míawɔ be aɖaŋuɖoɖowo naɖe vi na mí?

17 Le kwasiɖa kple ɣleti siwo gbɔna mea, woaɖo aɖaŋu na mí katã; le ɖewo gomea, woayɔ mí agblɔe na mí tẽe, eye ɖewo hã ayi na mí kata. Ne edzɔ alea la, ɖo ŋku nu siwo me míedzro fifia la dzi. Bɔbɔ ɖokuiwò. Wò susu nenɔ nufiamea ŋu, ke menye ale si woɖo aɖaŋuae la ŋu o. Eye nàwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi. Womedzi mía dometɔ aɖeke nunyalae o. Gake Mawu ƒe Nyaa do ŋugbe be, ‘Ne míese aɖaŋuɖoɖo, eye míexɔ amehehea, míadze nunya.’—Lod. 19:20.

HADZIDZI 124 Míawɔ Nuteƒe Ðaa

^ mm. 5 Mí Yehowa ƒe amewo míenyae be ele vevie be míaxɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo eye míawɔ wo dzi. Ke hã, esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe na mí ɣesiaɣi o. Nu ka tae? Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míalɔ̃ faa axɔ aɖaŋuɖoɖo?

^ mm. 10 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 11 Kpɔ October 1, 1984 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 21-28, si le Eŋlisigbe me (alo May 1, 1985 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 20-27, si le Fransegbe me).

^ mm. 14 Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míaƒo nu tso ale si ame siwo le aɖaŋu ɖom la awɔe le ŋuɖɔɖo me la ŋu.