Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 8

Ðe Wò Aɖaŋuɖoɖowo ‘Doa Dzidzɔ Na Dzia’?

Ðe Wò Aɖaŋuɖoɖowo ‘Doa Dzidzɔ Na Dzia’?

“Ale si ami kple lifi doa dzidzɔ na dzii la, nenemae aɖaŋuɖoɖo si tso dzi me nana wozua xɔlɔ̃ veviwoe.”​—LOD. 27:9.

HADZIDZI 102 Míakpe Ðe Ame Siwo Gbɔdzɔ Ŋu

NYA VEVIAWO *

1-2. Nu kae nɔviŋutsu aɖe srɔ̃ tso aɖaŋuɖoɖo na amewo ŋu?

 ƑE GEÐEWOE nye esi va yia, hamemetsitsi eve vae srã nɔvinyɔnu aɖe si megade kpekpeawo kpɔ o la kpɔ. Hamemetsitsi si xɔ ŋgɔ le dzeɖoɖoa me la dzro ŋɔŋlɔa aɖewo siwo ku ɖe kpekpeawo dede ŋu la me kple nɔvinyɔnua. Hamemetsitsia susu be yewoƒe sasrãkpɔa de dzi ƒo na nɔvinyɔnua. Gake esi wonɔ dzodzom la, nɔvinyɔnua gblɔ be, “Mienya naneke tso nye kuxiwo ŋu o tae.” Hamemetsitsiawo ɖo aɖaŋu na nɔvinyɔnua, evɔ womedze agbagba be yewoanya nu si me tom wòle o. Eya ta aɖaŋu si woɖoa meɖe vi na nɔvinyɔnua o.

2 Hamemetsitsi si xɔ ŋgɔ le dzeɖoɖoa me la gblɔ be: “Ɣemaɣia, mesusu be nɔvinyɔnua mede bubu mía ŋu o. Gake esi mebu eŋu yi ŋgɔa, meva de dzesii be le esi madzra ɖo ɖe mawunyakpukpui siwo maxlẽ nɛ ŋu teƒea, ɖe wòle be made ŋugble le nyabiase siwo mate ŋu abiae ŋu boŋ. Nyabiasewo abe esiawo ene: ‘Nu kawo me tom nèle?’ ‘Aleke mate ŋu akpe ɖe ŋuwò?’” Hamemetsitsia srɔ̃ nu vevi aɖe tso nudzɔdzɔ ma me. Eye esia wɔe be fifia, eva nye alẽkplɔla si sea veve ɖe ame nu eye wòkpena ɖe ame ŋu.

3. Ame kawoe ate ŋu aɖo aɖaŋu?

 3 Abe alẽkplɔlawo ene la, hamemetsitsiwo ƒe agbanɔamedzie wònye be woaɖo aɖaŋu ne ehiã. Ke hã, eva hiãna ɣeaɖewoɣi be nɔvi siwo le hamea me la hã naɖo aɖaŋu. Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe ate ŋu azã Biblia atsɔ aɖo aɖaŋu na exɔlɔ̃. (Ps. 141:5; Lod. 25:12) Alo nɔvinyɔnu tsitsiwo ate ŋu aɖo aɖaŋu na ɖetugbuiwo abe ale si wòdze le Tito 2:3-5 ene. Nenema kee ele na dzilawo be woaɖo aɖaŋu na wo viwo eye woaɖɔ wo ɖo enuenu. Eya ta togbɔ be hamemetsitsiwo koŋue nyati sia yi na hã, ate ŋu akpe ɖe mí katã ŋu be míaɖo aɖaŋu si sɔ eye wòade dzi ƒo.—Lod. 27:9.

4. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

4 Le nyati sia me la, míadzro biabia ene aɖewo me: (1) Nu kae wòle be wòaʋã ame be wòaɖo aɖaŋu? (2) Ðe wòhiã kokoko be woaɖo aɖaŋua? (3) Ame kae wòle be wòaɖo aɖaŋua? (4) Nu kae nàte ŋu awɔ be nàɖo aɖaŋu wòaɖe vi?

NU KAE WÒLE BE WÒAƲÃ AME BE WÒAÐO AÐAŊU?

5. Ne lɔlɔ̃e ʋã hamemetsitsi wòɖo aɖaŋua, aleke esia ate ŋu awɔe be wòanya xɔ bɔbɔe? (1 Korintotɔwo 13:4, 7)

5 Hamemetsitsiwo lɔ̃ nɔviawo vevie. Mɔ aɖe si dzi wotona ɖena esia fiana ye nye be woaɖo aɖaŋu na ame aɖe si yina afɔ gbegblẽ aɖe ɖe ge. (Gal. 6:1) Gake hafi hamemetsitsi naɖo aɖaŋu na ame aɖe la, anyo be wòade ŋugble le nya siwo apostolo Paulo gblɔ tso lɔlɔ̃ ŋu la ŋu. Egblɔ be: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme. . . . Enɔa te ɖe nuwo katã nu, exɔa nuwo katã dzi sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me.” (Xlẽ 1 Korintotɔwo 13:4, 7.) Ŋugbledede le mawunyakpukpui mawo ŋu akpe ɖe hamemetsitsia ŋu wòade dzesi nu si le eʋãm be wòaɖo aɖaŋu na nɔvia. Akpe ɖe eŋu hã be wòakpɔ mɔ si dzi wòato aɖo aɖaŋu na nɔvia wòasɔ. Ne nɔvi si hamemetsitsia le aɖaŋua ɖom na de dzesii be etsɔ ɖe le eme na yea, anɔ bɔbɔe nɛ be wòaxɔe.—Rom. 12:10.

6. Kpɔɖeŋu nyui kae apostolo Paulo ɖo ɖi na mí?

6 Apostolo Paulo si hã nye hamemetsitsi la ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí. Esi nɔvi siwo nɔ Tesalonika hiã aɖaŋuɖoɖoa, Paulo mehe ɖe megbe le esia ŋu o. Ke hã, hafi Paulo naɖo aɖaŋu na woa, ekafu wo ɖe woƒe xɔsedɔwo, woƒe lɔlɔ̃ kple woƒe dzidodo ta. Azɔ hã, ekafu wo be wolé xɔse me ɖe asi togbɔ be wole nɔnɔme sesẽwo me tom eye wole wo yome tim vevie hã. (1 Tes. 1:3; 2 Tes. 1:4) Egblɔ na wo gɔ̃ hã be wonye kpɔɖeŋu nyui na Kristotɔ bubuwo. (1 Tes. 1:8, 9) Kpɔ ale si gbegbe Paulo ƒe kafukafunyawo anya na dzi dzɔ woe ɖa! Ðikeke mele eme o be, Paulo lɔ̃ Tesalonika nɔviawo ŋutɔ. Esia tae wòɖo aɖaŋu na wo wòɖo woƒe dzi gbɔ le lɛta siwo wòŋlɔ na wo la me.—1 Tes. 4:1, 3-5, 11; 2 Tes. 3:11, 12.

7. Nu kae ate ŋu awɔe be ame aɖe nagbe aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ?

7 Ne mímeɖo aɖaŋu le mɔ si sɔ nu o la, nu kae ado tso eme? Hamemetsitsi kpɔnuteƒe aɖe gblɔ be: “Ame aɖewo melɔ̃na xɔa aɖaŋuɖoɖo o, gake menye le esi kuxi le aɖaŋuɖoɖoa ŋu tae o, ke boŋ le esi womeɖo aɖaŋua na wo le lɔlɔ̃ me o ta.” Nu kae esia fia mí? Eyae nye be ne woɖo aɖaŋu le lɔlɔ̃ me la, enya xɔna bɔbɔe wu, tsɔ wu be woawɔe le dziku me.

ÐE WÒHIÃ KOKOKO BE WOAÐO AÐAŊU NA AMEA?

8. Hafi hamemetsitsi aɖe naɖo aɖaŋu na nɔvi aɖe la, nya kawoe wòle be wòabia eɖokui?

8 Mele be hamemetsitsiwo nayɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo na amewo ŋu o. Hafi hamemetsitsi naɖo aɖaŋu na ame aɖea, ele be wòabia eɖokui be: ‘Ðe wòhiã kokoko be woaɖo aɖaŋu nɛa? Ðe meka ɖe edzi be nu si wɔm wòle la nye nu gbegblẽa? Ðe wòda le Biblia ƒe se aɖe dzia? Alo nye koe le ekpɔm be nu si wɔm wòle la mesɔ o?’ Nunya le eme be hamemetsitsiwo nagbɔ dzi ɖi abu nuwo ŋu nyuie hafi aƒo nu. (Lod. 29:20) Ne hamemetsitsi aɖe meka ɖe edzi tututu be ehiã be woaɖo aɖaŋu na ame aɖe o la, ate ŋu ate ɖe hamemetsitsi bubu aɖe ŋu ne woakpɔe ɖa be ɖe amea da le Biblia ƒe mɔfiame aɖe dzi si ta wòhiã be woaɖo aɖaŋu nɛ hã.—2 Tim. 3:16, 17.

9. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Paulo ɖo aɖaŋu ku ɖe awudodo kple dzadzraɖo ŋu la me? (1 Timoteo 2:9, 10)

9 Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be hamemetsitsi aɖe de dzesi kuxi le nɔvi aɖe ƒe awudodo alo dzadzraɖo ŋu. Hamemetsitsia ate ŋu abia eɖokui be, ‘Ðe nɔvia ƒe awudodo da le Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiame aɖe dzi si tae wòle be woaɖo aɖaŋu nɛa?’ Be hamemetsitsia nada asɔa, ate ŋu abia hamemetsitsi bubu alo nɔvi tsitsi bubu aɖe ƒe susu le nyaa ŋu. Wo ame evea woate ŋu adzro aɖaŋu si Paulo ɖo ku ɖe awudodo kple dzadzraɖo ŋu la me. (Xlẽ 1 Timoteo 2:9, 10.) Le Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa mea, egblɔ be ele be Kristotɔ nado awu si sɔ eye wòadzra ɖo ɖe nɔnɔme nyui me. Gake Paulo mede se gbogbowo ku ɖe nu siwo sɔ kple nu siwo mesɔ be Kristotɔ nado o ŋu o. Enyae be Kristotɔ ɖe sia ɖe ŋutɔ ate ŋu atia nu si wòdi be yeado ne meda le Ŋɔŋlɔawo dzi o ko. Eya ta hafi hamemetsitsiwo natso nya me be yewoaɖo aɖaŋu na nɔvia, ele be woakpɔe ɖa be, ɖe eƒe awudodowo sɔnaa eye ɖe wòdzrana ɖo le ŋuɖɔɖo mea?

10. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míade bubu mía nɔviwo ƒe tiatiawo ŋu?

10 Ele vevie be míaɖo ŋku edzi be, ate ŋu adzɔ be tiatia si Kristotɔ aɖe nawɔ nato vovo na nɔvia tɔ, gake evea siaa nasɔ le Ŋɔŋlɔawo nu. Eya ta, mele be míazi míaƒe susu ɖe mía nɔviwo dzi o.—Rom. 14:10.

AME KAE WÒLE BE WÒAÐO AÐAŊUA?

11-12. Ne hamemetsitsi aɖe kpɔe be ehiã be woaɖo aɖaŋu na nɔvi aɖe la, nya kawoe wòle be wòabia eɖokui, eye nu ka tae?

11 Ne edze ƒãa be ehiã be woaɖo aɖaŋu na ame aɖe la, ke nyabiaseae nye, Ame kae wòle be wòaɖo aɖaŋua? Hafi hamemetsitsi naɖo aɖaŋu na ɖevi alo nɔvinyɔnu srɔ̃tɔ aɖea, anyo be wòagblɔe na ƒomea ƒe ta, elabe ɖewohĩ ƒomea ƒe ta ŋutɔ adi be yeakpɔ nyaa gbɔ, alo ɖewohĩ adi be yeanɔ eteƒe ne hamemetsitsia le aɖaŋua ɖom. * Azɔ hã, abe ale si wòdze le  memama 3 lia me enea, le nɔnɔme aɖewo mea asɔ wu be nɔvinyɔnu tsitsi naɖo aɖaŋu na nɔvinyɔnu sɔhɛ.

12 Nu bubu aɖe li si ŋu wòle be hamemetsitsi nabu ne edi be yeaɖo aɖaŋu na ame aɖe. Ate ŋu abia eɖokui be, ‘Ekae aɖe vi wu, be maɖo aɖaŋua nɛ loo alo nɔvi bubu aɖe naɖo aɖaŋua nɛ?’ Le kpɔɖeŋu me, anɔ bɔbɔe na ame aɖe si sena le eɖokui me be yemele ɖeke me o la be wòalɔ̃ faa axɔ aɖaŋuɖoɖo tso hamemetsitsi si to nɔnɔme ma me kpɔ la gbɔ. Elabe anɔ eme be hamemetsitsi ma ase eƒe nɔnɔmea gɔme nyuie wu, eye eƒe nyawo awɔ dɔ ɖe edzi wu. Ke hã, hamemetsitsiwo katã ƒe dɔe wònye be woade dzi ƒo na nɔviawo eye woakpe ɖe wo ŋu woawɔ tɔtrɔwo wòasɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu. Eya ta ne hamemetsitsiawo meto nɔnɔme ma me kpɔ o hã la, nu vevitɔe nye be woaɖo aɖaŋua.

NU KAE NÀTE ŊU AWƆ BE NÀÐO AÐAŊU WÒAÐE VI?

Nu ka tae wòle be hamemetsitsiwo “naɖe abla le nusese me”? (Kpɔ memama 13-14 lia)

13-14. Nu ka tae wòle vevie be hamemetsitsi naɖo to nyuie?

13 Ðo to amea nyuie. Hafi hamemetsitsi naɖo aɖaŋu na ame aɖe la, ele be wòadzra ɖo nyuie. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu abia eɖokui be: ‘Nu kae menya tso nɔvia ƒe nɔnɔmea ŋu? Nu kawo me tom wòle le agbe me? Ðe wòanye be ele kuxi aɖewo me tom siwo ŋu nyemenya nu tsoe oa? Kpekpeɖeŋu ka ƒomevie wòhiã fifia?’

14 Ele be ame sia ame si aɖo aɖaŋu la nawɔ ɖe nya siwo dze le Yakobo 1:19 dzi. Afi ma gblɔ be: “Ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu le dziku me.” Hamemetsitsi aɖe ate ŋu asusui be yenya nu sia nu tso nya aɖe ŋu, gake ɖe wònyae nyateƒea? Lododowo 18:13 ɖo ŋku edzi na mí be: “Ne ame aɖe ɖo nya ŋu hafi va se eŋu nyateƒenyawo la, bometsitsi kple ŋukpe wònye nɛ.” Eya ta anyo wu be hamemetsitsia nabia gbe amea ŋutɔ, eye wòaɖo to ase eƒe nyawo hafi aƒo nu. Èɖo ŋku hamemetsitsi si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze dzia? Ede dzesii be le esi yeatsi dzi be yeaɖo aɖaŋu na nɔvinyɔnua teƒea, ɖe wòle be yeabia nya aɖewoe boŋ. Le kpɔɖeŋu me, yeate ŋu abiae be: “Nu kawo me tom nèle?” “Aleke mate ŋu akpe ɖe ŋuwò?” Ne hamemetsitsiwo dze agbagba nya nɔnɔme si me tom nɔviawo le nyuiea, esia awɔe be woate ŋu akpe ɖe wo ŋu eye woade dzi ƒo na wo geɖe wu.

15. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖe mɔfiame si le Lododowo 27:23 la dzi?

15 Nya wò alẽawo nyuie. Abe ale si míegblɔe va yi ene la, be woaɖo aɖaŋu wòade edeƒe mefia be míaxlẽ mawunyakpukpui aɖewo alo ana mɔfiame ɖeka eve aɖewo ko evɔ o. Be míaƒe aɖaŋuɖoɖo naɖe via, ele be nɔviawo nade dzesii be míetsɔ ɖe le eme na yewo, míese nu gɔme na yewo eye míedi be míakpe ɖe yewo ŋu. (Xlẽ Lododowo 27:23.) Ele be hamemetsitsiwo nadze agbagba be xɔlɔ̃wɔwɔ nanɔ yewo kple nɔviawo dome.

Nu kae hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ be wòanɔ bɔbɔe na wo be woaɖo aɖaŋu na nɔviawo? (Kpɔ memama 16 lia)

16. Aɖaŋuɖoɖo ka dzie wòle be hamemetsitsiwo nawɔ ɖo, eye aleke wòaɖe vi?

16 Mele be hamemetsitsiwo ƒe nuwɔna nana nɔviawo nase le wo ɖokui me be ne yewowɔ nane eye wòhiã be woaɖo aɖaŋu na yewo ko hafi hamemetsitsiwo tena ɖe yewo ŋu o. Ke boŋ ele be woanɔ dze ɖom kple nɔviawo edziedzi eye woatsɔ ɖe le eme na wo, vevietɔ ne wole kuxiwo me tom. Hamemetsitsi kpɔnuteƒe aɖe gblɔ be: “Ne èwɔe alea, wò kple nɔviawo dome anɔ nyuie. Eya ta ne eva hiã be nàɖo aɖaŋu na woa, anɔ bɔbɔe na wò ŋutɔ.” Eye anɔ bɔbɔe na ame si wole aɖaŋua ɖom na hã be wòaxɔe.

Nu ka tae wòle be hamemetsitsi nagbɔ dzi ɖi eye wòafa tu ne ele aɖaŋu ɖom na ame aɖe? (Kpɔ memama 17 lia)

17. Ɣekaɣi koŋue wòahiã be hamemetsitsi nagbɔ dzi ɖi eye wòafa tu?

17 Gbɔ dzi ɖi eye nàfa tu. Esia hiã vevietɔ ne amea mewɔ ɖe aɖaŋu si míeɖo nɛ tso Biblia me la dzi kaba o. Ele be hamemetsitsi naɖu eɖokui dzi eye wòagado dziku ne womexɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo alo wɔ ɖe edzi enumake o. Biblia gblɔ tso Yesu ŋu be: “Maɖe aƒla si ŋe vɔ kloe la ɖa le enu o, eye matsi ɖovu bibi si le tsitsim la o.” (Mat. 12:20) Eya ta hamemetsitsia ate ŋu ado gbe ɖa le eɖokui si be Yehowa nakpe ɖe ame si wòɖo aɖaŋua na ŋu be wòade dzesi nu si ta wòhiã aɖaŋuɖoɖoa eye wòawɔ ɖe edzi. Azɔ hã nɔvi si woɖo aɖaŋua na la hiã ɣeyiɣi be wòade ŋugble le aɖaŋuɖoɖoa ŋu. Ne hamemetsitsia gbɔ dzi ɖi eye wòɖo aɖaŋu na nɔvia tufafatɔe la, ana wòanɔ bɔbɔe na nɔvia be wòalɔ̃ axɔe. Ele be míaɖo ŋku edzi be ele be míatu míaƒe aɖaŋuɖoɖoa ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi ɣesiaɣi.

18. (a) Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe aɖaŋuɖoɖo ŋu? (b) Abe ale si wòdze le foto si ku ɖe aɖakaa ŋu me enea, anye be nu ka me dzrom dzilawo le?

18 Srɔ̃ nu tso wò vodadawo me. Esi míede blibo o ta la, mímate ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le nyati sia me dzi bliboe ɣesiaɣi o. (Yak. 3:2) Míada vo ɣeaɖewoɣi, gake ele be míadze agbagba be míasrɔ̃ nu tso míaƒe vodadawo me. Ne mía nɔviwo de dzesii be míelɔ̃ yewo la, anɔ bɔbɔe na wo be ne míegblɔ nya aɖe alo wɔ nane si te ɖe wo dzi la, woaŋe aɖaba aƒu edzi.—Kpɔ aɖaka si nye “ Dzilawo Nade Dzesii.”

NU KAE MÍESRƆ̃?

19. Nu kawoe míate ŋu awɔ be míaƒe aɖaŋuɖoɖowo nado dzidzɔ na mía nɔviwo ƒe dzi?

19 Abe ale si míekpɔe enea, mele bɔbɔe be woaɖo aɖaŋu na ame o. Míede blibo o, eye ame siwo míele aɖaŋua ɖom na hã mede blibo o. Eya ta na nu siwo me míedzro le nyati sia me la nanɔ susu me na wò. Kpɔ egbɔ be lɔlɔ̃e ʋã ye yedi be yeaɖo aɖaŋua. Ele hã be nàka ɖe edzi be aɖaŋuɖoɖoa hiã kokoko eye be yee dze aɖo aɖaŋua. Hafi nàɖo aɖaŋua, bia nya amea eye nàɖo toe nyuie be nàte ŋu ase eƒe nɔnɔmea gɔme nyuie. Tsɔ ɖokuiwò ɖo eteƒe eye nàse veve ɖe enu. Fa tu eye nàdze xɔlɔ̃ nɔviawo. Ðo ŋku edzi be míaƒe taɖodzinu vevitɔe nye be míaƒe aɖaŋuɖoɖowo nasɔ eye ‘woado dzidzɔ na dzi.’—Lod. 27:9.

HADZIDZI 103 Alẽkplɔlawo​—Nunana Siwo Nye Amewo

^ mm. 5 Menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be woaɖo aɖaŋu na ame o. Ne ehiã be míaɖo aɖaŋu na ame aɖea, aleke míate ŋu awɔe be wòaɖe vi nɛ? Le nyati sia mea, míakpɔ ale si hamemetsitsiwo koŋ ate ŋu aɖo aɖaŋu be wòanya xɔ bɔbɔe.

^ mm. 11 Kpɔ nyati si nye, “Nu Si Tanyenye Fia Le Hamea Me,” si dze le February 2021 ƒe Gbetakpɔxɔ me.