Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 9

Srɔ̃ Yesu Nàtsɔ Ðokuiwò Asa Vɔe Ðe Amewo Ta

Srɔ̃ Yesu Nàtsɔ Ðokuiwò Asa Vɔe Ðe Amewo Ta

“Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—DƆW. 20:35.

HADZIDZI 17 “Melɔ̃”

NYA VEVIAWO *

1. Nɔnɔme nyui kae Yehowa ƒe amewo ɖena fiana egbea?

 TSO blema kea, Biblia gblɔe ɖi be Mawu ƒe amewo “atsɔ wo ɖokuiwo ana faa” asubɔ Yehowa, eye woawɔe le Via ƒe mɔfiafia te. (Ps. 110:3) Edze ƒãa be nyagblɔɖi ma le eme vam egbea. Ƒe sia ƒea, Yehowa subɔlawo zãa gaƒoƒo miliɔn gbogbo aɖewo tsɔ ɖea gbeƒã dzonɔamemetɔe. Woawo ŋutɔwoe lɔ̃ faa le dɔ sia wɔm eye womexea fe na wo o. Azɔ hã, wokpena ɖe wo nɔvi Kristotɔwo ŋu, dea dzi ƒo na wo, eye wodoa ŋusẽ wo be woayi edzi asubɔ Yehowa. Hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo zãa gaƒoƒo geɖe tsɔ dzrana ɖo ɖe kpekpeawo ŋu, eye wosrãa nɔviawo kpɔ hedea dzi ƒo na wo. Nu kae ʋãa Yehowa ƒe amewo wowɔa dɔ siawo katã? Esi wolɔ̃ Yehowa kple wo haviwo tae.—Mat. 22:37-39.

2. Abe ale si Romatɔwo 15:1-3 gblɔe enea, kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi na mí?

2 Yesu ɖo ale si míatsɔ ame bubuwo ƒe nyonyo aɖo ŋgɔ na mía tɔ la ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi na mí. Eye míele agbagba dzem be míasrɔ̃ eƒe nɔnɔme sia. (Xlẽ Romatɔwo 15:1-3.) Nu nyui geɖe dona tsoa eme na ame siwo dze agbagba srɔ̃ Yesu. Yesu gblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔw. 20:35.

3. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Le nyati sia mea, míadzro nu siwo Yesu wɔ tsɔ kpe ɖe ame bubuwo ŋu, kple ale si míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua me. Azɔ hã, míadzro nu siwo míate ŋu awɔ ale be míakpe ɖe amewo ŋu geɖe wu la me.

SRƆ̃ YESU

Togbɔ be ɖeɖi te Yesu ŋu esime amehawo va egbɔ hã, nu kae wòwɔ? (Kpɔ memama 4 lia)

4. Aleke Yesu tsɔ ame bubuwo ƒe nyonyo ɖo ŋgɔ na eya ŋutɔ tɔ?

4 Togbɔ be ɖeɖi te Yesu ŋu hã, ekpe ɖe amewo ŋu. Bu ale si Yesu wɔ nui esime ameha aɖe vae do goe le to aɖe si anya te ɖe Kapernaum ŋu la ŋu kpɔ. Yesu do gbe ɖa zã bliboa, eye anɔ eme be ɖeɖi te eŋu belibeli. Gake esi wòkpɔ amehaa la, ame dahe kple dɔnɔ siwo nɔ wo domea ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ. Esia wɔe be, menye ɖeko wòda dɔ na dɔnɔawo ko evɔ o, ke boŋ eƒo nuƒo ʋãme aɖe hã, si wova yɔ emegbe be Todzimawunyaa.—Luka 6:12-20.

Mɔ kawo nue míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔa le? (Kpɔ memama 5 lia)

5. Aleke ƒome ƒe tawo srɔ̃a Yesu ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ne ɖeɖi te wo ŋu gɔ̃ hã?

5 Ale si ƒome ƒe tawo srɔ̃a Yesu. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ƒome ƒe ta aɖe gbɔ tso dɔme, eye ɖeɖi te eŋu belibeli. Ewɔ nɛ be yewoagli Ƒometadedeagua fiẽ ma, gake edo gbe ɖa na Yehowa be wòado ŋusẽ ye be yewoawɔe. Yehowa ɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu, eye wote ŋu wɔ Ƒometadedeagua fiẽ ma hã. Esia na ɖeviawo srɔ̃ nu vevi aɖe fiẽ ma be, Yehowa subɔsubɔ le vevie na yewo dzilawo wu nu sia nu.

6. Gblɔ ale si Yesu tsɔ eƒe ɣeyiɣi sa vɔ be yeakpe ɖe amewo ŋua ƒe kpɔɖeŋu.

6 Togbɔ be vovo menɔ Yesu ŋu o hã, ekpe ɖe amewo ŋu. Kpɔ ale si Yesu anya se le eɖokui me esi wòse be wotso ta le ye xɔlɔ̃, Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa, nu la le susu me ɖa. Esia anya te ɖe Yesu dzi ŋutɔ. Biblia gblɔ be: “Esi Yesu [se Yohanes ƒe ku ŋu nyaa], eya ɖeka ɖo tɔdziʋu dzo le afi ma yi teƒe tsoabo aɖe.” (Mat. 14:10-13) Míate ŋu ase nu si tae wòdi be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga ɖoa gɔme, elabe mía dometɔ geɖe medina be yeaxa nu le ame dome o. Gake nuwo meyi abe ale si Yesu di ene o. Kaka wòava ɖoa, ameha gã aɖe tre afi ma ɖoɖo nɛ. Aleke Yesu wɔ nui? Ebu ameawo ƒe hiahiãwo ŋu, eye “woƒe nu wɔ nublanui nɛ.” Ekpɔe be wohiã akɔfafa tso Mawu gbɔ, eya ta mehe ɖe megbe kura o, ‘ede asi nu geɖewo fiafia me wo.’—Marko 6:31-34; Luka 9:10, 11.

7-8. Gblɔ ale si hamemetsitsiwo ɖenɛ fiana be yewosrɔ̃a Yesu ne hiahiã aɖe do mo ɖa la ƒe kpɔɖeŋu.

7 Ale si hamemetsitsi lɔ̃amewo srɔ̃a Yesu. Míedea asixɔxɔ hamemetsitsi siwo tsɔ wo ɖokuiwo sa vɔ ɖe mía taa ŋu ŋutɔ! Dɔ siwo wowɔna la dometɔ geɖe medzena hamea me tɔwo kpɔna o. Le kpɔɖeŋu me, ne nɔvi aɖe dze dɔ kpataa, hamemetsitsi siwo le Kɔdzi Kadodo Dzikpɔkɔmitia mea tsona kpla kpena ɖe eŋu. Zi geɖea, esia dzɔna le zã me. Gake esi wònye hamemetsitsi mawo sea veve ɖe nɔvi si dzi nua dzɔ ɖo nu ta, woawo kple woƒe ƒomea tsɔa nɔvi ma ƒe hiahiãwo ɖoa ŋgɔ na woawo ŋutɔwo tɔwo.

8 Azɔ hã hamemetsitsiwo kpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata tutu kple habɔbɔa ƒe xɔtudɔ bubuwo ŋu eye wonaa kpekpeɖeŋu ne afɔku dzɔ. Azɔ hã hamemetsitsi siwo le míaƒe hamewo me la zãa gaƒoƒo geɖe tsɔ fiaa nu mí, dea dzi ƒo na mí, eye wokpena ɖe mía ŋu. Ele be míakafu hamemetsitsi siawo kple woƒe ƒomewo. Yehowa ayra wo ɖe woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔa ta! Ke hã, abe ame bubu ɖe sia ɖe enea, ele be hamemetsitsiwo hã nada asɔ. Mele be woavu ɖe dɔ mawo ŋu ale gbegbe be woagblẽ woƒe ƒomea ya ɖi o.

ALE SI MÍATU ÐOKUITSƆTSƆSAVƆ ƑE NƆNƆME ÐO

9. Le Filipitɔwo 2:4, 5 ƒe nya nu la, tamesusu ƒe nɔnɔme kae wòle be wòanɔ Kristotɔwo si?

9 Xlẽ Filipitɔwo 2:4, 5. Ele eme be menye mí katãe nye hamemetsitsiwo o, gake mí katã míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ. Biblia gblɔ be ewɔ eɖokui abe “kluvi” ene. (Flp. 2:7) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya ma me? Kluvi alo subɔvi adi be yeawɔ nu si adze yeƒe aƒetɔ nu. Esi míenye Yehowa ƒe kluviwo eye míesubɔa mía nɔviwo ta la, míedi be míawɔ nu siwo ana míagasubɔ Yehowa geɖe wu, eye míakpe ɖe mía nɔviwo ŋu. Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia.

10. Nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokui?

10 Bu nɔnɔme si nèɖena fiana ŋu. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe melɔ̃na faa be mazã nye ɣeyiɣi kple ŋusẽ atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋua? Le kpɔɖeŋu me, ne wobia tso asinye be masrã nɔviŋutsu tsitsi aɖe kpɔ le kɔdzi alo akplɔ nɔvinyɔnu tsitsi aɖe ava kpekpeawo la, aleke mewɔa nui? Ne míekpa le takpekpe alo kpekpe aɖe vɔa, ɖe melɔ̃na faa be matsɔ ɖokuinye ana akpe asi ɖe teƒea dzadzraɖo ŋua?’ Esi míeɖe adzɔgbe na Yehowa la, míedo ŋugbe be míazã míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesiwo atsɔ asubɔe. Eya ta ne míezã nu siawo tsɔ kpe ɖe nɔviwo ŋu la, edzea eŋu. Ne míede dzesii be ehiã be míawɔ tɔtrɔ aɖewo le go siawo me la, nu kae wòle be míawɔ?

11. Aleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadi be míakpe ɖe amewo ŋu geɖe wu?

11 Do gbe ɖa tso dzi me na Yehowa. Tsɔe be èva de dzesii be ehiã be yeatsɔ ye ɖokui asa vɔ geɖe wu, gake naneke mele wò ʋãm be nàwɔe o. Ne edzɔ alea la, do gbe ɖa na Yehowa tso dzi me nàgblɔ ale si tututu nèle sesem le ɖokuiwò me la nɛ be wòana “didia kple ŋusẽ la” wò be nàwɔ nu si adze eŋu.—Flp. 2:13.

12. Akpa kae nɔviŋutsu sɔhɛ xɔnyɔnyrɔwo ate ŋu awɔ le hamea me?

12 Ne ɖekakpui xɔnyɔnyrɔe nènye la, bia Yehowa be wòana didia wò nàwɔ geɖe le hamea me. Le dukɔ aɖewo mea, hamemetsitsiwo sɔ gbɔ wu subɔsubɔdɔwɔlawo eye subɔsubɔdɔwɔla mawo dometɔ geɖe tsi. Esi habɔbɔa le dzidzim ɖe edzi la, míehiã nɔviŋutsu sɔhɛ geɖewo be woalé be na Yehowa ƒe amewo. Ne èlɔ̃ faa be yeasubɔ le afi sia afi si hiahiã le la, àkpɔ dzidzɔ. Nu ka tae? Elabena wò nu adze Yehowa ŋu, nɔviawo ade bubu ŋuwò eye wò ŋutɔ hã àkpɔ dzidzɔ be yele kpekpem ɖe amewo ŋu.

Kristotɔ siwo si tso Yudea la tso Yordan Tɔsisia yi Pella. Wo dometɔ siwo do ŋgɔ yi afi ma la le nuɖuɖu nam wo nɔvi siwo va ɖo afi ma teti la (Kpɔ nusɔsrɔ̃nyati 9 lia, memama 13 lia)

13-14. Nu ŋutɔŋutɔ kawoe míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe mía nɔviwo ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

13 Nɔ ŋudzɔ ɖe ame bubuwo ƒe hiahiãwo ŋu. Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na Hebritɔwo be: “Migaŋlɔ nyuiwɔwɔ kple nunana amewo hã be o, elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu ŋutɔ.” (Heb. 13:16) Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖee nye ema! Esi woxɔ lɛta ma ɣeyiɣi kpui aɖe megbea, eva hiã be Kristotɔ siwo le Yudea nagblẽ woƒe aƒewo, woƒe dɔwo kple woƒe ƒometɔ siwo menye Kristotɔwo o la ɖi ‘asi ayi towo dzi.’ (Mat. 24:16) Ɣemaɣia, eva hiã vevie be woakpe ɖe wo nɔewo ŋu. Ne wowɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo na wo do ŋgɔ be woanɔ nu nam wo nɔewo dzi la, ke anɔ bɔbɔe na wo be woatrɔ ɖe agbea ŋu le afi si wova kpɔ wo ɖokuiwo le fifia.

14 Menye ɣesiaɣie mía nɔviwo agblɔe na mí ne nane hiã wo o. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be nɔvinyɔnu aɖe ku gblẽ srɔ̃a ɖi. Ðe nɔviŋutsua ahiã kpekpeɖeŋu le nuɖaɖa, ʋuɖonyawo alo aƒemedɔwo gbɔ kpɔkpɔ mea? Ðewohĩ magblɔe na mí o, elabe medi be yeaɖe fu na mí o. Gake ado dzidzɔ nɛ ŋutɔ ne míawo ŋutɔwo míeɖe afɔ kpe ɖe eŋu. Mele be míasusui be ame aɖe le kpekpem ɖe eŋu xoxo alo be ne ehiã kpekpeɖeŋua, eya ŋutɔ agblɔe na mí o. Bia ɖokuiwò be, ‘Ne nyee le nɔnɔme ma mea, nu ka madi be amewo nawɔ atsɔ akpe ɖe ŋunye?’

15. Ne míedi be míakpe ɖe amewo ŋu la, nu kae wòle be míawɔ?

15 Nye ame si ŋu woate ŋu ate ɖo bɔbɔe. Ðewohĩ ènya nɔvi aɖewo le hamea me siwo le klalo be yewoakpe ɖe amewo ŋu. Womewɔa nu wòdzena be nɔviwo nye agba na yewo o. Míeka ɖe wo dzi be woakpe ɖe mía ŋu ne hiahiãwo do mo ɖa eye míadi be míasrɔ̃ wo. Alan si nye hamemetsitsi si xɔ ƒe 45 la, di be yeanye ame si ŋu woate ŋu ate ɖo bɔbɔe. Esi wòde ŋugble tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua ŋu la, egblɔ be: “Vovo menɔ Yesu ŋu o, gake ɖeviwo kple tsitsiawo siaa tea ŋu tena ɖe eŋu faa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Wonya be etsɔ ɖe le eme na yewo. Esia ʋãm medi be masrɔ̃ Yesu ƒe nɔnɔme eye amewo nanyae be melɔ̃ yewo, metsɔ ɖe le eme na yewo, eye woate ŋu ate ɖe ŋunye bɔbɔe.”

16. Aleke Psalmo 119:59, 60 ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míagasrɔ̃ Yesu geɖe wu?

16 Mele be dzi naɖe le mía ƒo ne mímete ŋu srɔ̃ Yesu bliboe o. (Yak. 3:2) Ame si le dɔ srɔ̃m mate ŋu anya dɔ wu ame aɖe si nya dɔa nyuie o. Gake ne edze agbagba be yeasrɔ̃ nu tso yeƒe vodadawo me eye yeagasrɔ̃ ame si nya dɔa nyuie geɖe wu la, ayi ŋgɔ. Nenema kee ne míewɔna ɖe nu siwo míesrɔ̃na le Biblia me dzi eye míewɔa tɔtrɔ siwo hiã la, míate ŋu asrɔ̃ Yesu nyuie wu.​—Xlẽ Psalmo 119:59, 60.

YAYRA SIWO MÍAKPƆ NE MÍELƆ̃NA FAA KPENA ÐE AMEWO ŊU

Ne hamemetsitsiwo srɔ̃a Yesu ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔa, woawo hã woɖoa kpɔɖeŋu ɖi na sɔhɛwo be woasrɔ̃ (Kpɔ memama 17 lia) *

17-18. Ne míesrɔ̃ Yesu ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔa, yayra kawoe míakpɔ?

17 Ne míelɔ̃na faa kpena ɖe amewo ŋua, aʋã ame bubuwo hã woawɔe nenema. Hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Tim gblɔ be: “Esi nɔviŋutsu sɔhɛ siwo le míaƒe hamea me lé ŋku ɖe ale si amewo kpena ɖe wo nɔewo ŋui ŋu eye wodi be woasrɔ̃ wo la, ewɔe be wo dometɔ geɖe yi ŋgɔ va zu subɔsubɔdɔwɔlawo. Nɔviŋutsu siawo ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ɖea vi na hamea eye wokpena ɖe hamemetsitsiwo ŋu.”

18 Ðokuitɔdidi xɔ aƒe ɖe xexe sia me. Gake Yehowa ƒe amewo ya to vovo. Yesu ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ye ʋãa mí eye míeɖoe kplikpaa be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua. Ele eme be míate ŋu asrɔ̃ Yesu bliboe o, gake míate ŋu ‘adze eƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.’ (1 Pet. 2:21) Ne míewɔ mía tɔ sinua be míasrɔ̃ Yesu ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔa, Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu eye míakpɔ dzidzɔ.

HADZIDZI 13 Kristo, Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola

^ mm. 5 Yesu tsɔa ame bubuwo ƒe nyonyo ɖoa ŋgɔ na eya ŋutɔ tɔ ɣesiaɣi. Le nyati sia mea, míadzro mɔ vovovo siwo nu míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua le la me. Azɔ hã, míakpɔ ale si wòaɖe vi na mí ne míesrɔ̃ Yesu ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe nɔnɔmea.

^ mm. 57 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Dan de dzesi ale si hamemetsitsi eve va srã tɔa kpɔ esime wònɔ kɔdzi. Esia wɔ dɔ ɖe Dan dzi wòdi be yeasrɔ̃ hamemetsitsi eve mawo ƒe kpɔɖeŋu. Esia ʋã Dan wòva le ŋudzɔ ɖe ame bubuwo ƒe hiahiãwo ŋu le hamea me. Sɔhɛ bubu si ŋkɔe nye Ben lé ŋku ɖe ale si Dan tsɔa ɖe le eme na amewo le hamea me la ŋu. Dan ƒe kpɔɖeŋua ʋã Ben hã wòva le Fiaɖuƒe Akpataa me dzram ɖo.