Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Meke Ðe Nu Si Nyo Wu Ðɔktadɔ Ŋu

Meke Ðe Nu Si Nyo Wu Ðɔktadɔ Ŋu

“NU SI tututu medi be mawɔ tso nye ɖevime kee nye ema gblɔm nèle nam.” Nya mae metsɔ dzidzɔ gblɔ na dɔnɔ eve aɖewo siwo va gbɔnye le ƒe 1971 me. Ðeko nye ŋutɔ meɖo kɔdzi eye medze ɖɔktadɔ wɔwɔ teti koe nye ema. Ame kawoe nye dɔnɔ eve mawo, eye nu kae nye dɔ si medi be mawɔ tso nye ɖevime? Na magblɔ nu si tae dzeɖoɖo ma na metrɔ nu si le vevie nam le agbe me kple ale si mesusui be nuwo ava ɖɔ ɖo le etsɔme tso nye ɖevimea na wò.

Wodzim le ƒe 1941 me, le Paris, France, eye ganyawo mede dzinyelawo dzi tututu o. Nusɔsrɔ̃ dzɔa dzi nam. Gake esi mexɔ ƒe ewoa, melé kpedɔ sesẽ aɖe si na wòva hiã be madzudzɔ suku. Esi ɖɔktawo gblɔ nam be matsi aƒe me ale be ɖeɖi nagate nye dzitodzitowo ŋu fũu akpa oa, dzi ɖe le ƒonye. Menɔ aƒe me ɣleti geɖe eye mezãa ɣeyiɣia tsɔ xlẽa nyagɔmeɖegbalẽ eye meɖoa to yunivɛsiti aɖe si le Paris ƒe radio dzi wɔnawo. Esi nye ɖɔkta va gblɔ nam mlɔeba be nye dɔa vɔ nam eye mate ŋu atrɔ ayi sukua, dzi dzɔm ale gbegbe. Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Ðɔktawo le dɔ vevi aɖe wɔm!’ Tso ɣemaɣia, medina be makpe ɖe amewo ŋu ada dɔ na wo. Eya ta ɣesiaɣi si tɔnye biam be dɔ kae madi be mawɔ ne metsia, meɖoa eŋu be, “Medi be mazu ɖɔkta.” Eya ta didi ma nu va sẽ ɖe menye.

NU SIWO MESRƆ̃ TSO DZƆDZƆMEŊUTINUNYA ŊU NA METE ÐE MAWU ŊU

Katolikotɔwoe míaƒe ƒomea nye. Gake nyemenya nu boo aɖeke tso Mawu ŋu o, eye nyabiase gbogbo aɖewo nɔ asinye siwo nyemekpɔ ŋuɖoɖo na o. Esi meva te nusɔsrɔ̃ tso atikewo ŋu le yunivɛsiti hafi meva kpɔe be Ame aɖee wɔ nuwo.

Meɖo ŋku zi gbãtɔ si mekpɔ nugbagbevi sue si le ati me (plant cell alo cellule d’une plante) si nana ati tsina la le nusuekpɔmɔ̃ me. Ale si nugbagbevi ma trɔna ɖe dzoxɔxɔ kple fafa ŋua, wɔ nuku nam. Mede dzesii hã be nane si le nugbagbevi sue ma mea, miãna ne wodee dzetsi me, eye wòʋuna ne wodee tsi ŋutɔ me. Ŋutete sia kple bubu siwo le lãmenugbagbeviwo mea, nana wote ŋu trɔna ɖe yame ƒe nɔnɔme vovovowo ŋu. Esi mekpɔ ale si nugbagbevi siawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe wɔwɔme wɔ nukui la, mekpɔe be menye ɖeko agbea dzɔ ko o.

Le nye sukunusɔsrɔ̃ ƒe ƒe evelia mea, megava kpɔ nu siwo ɖo kpe edzi be Mawu li. Esi míenɔ nu srɔ̃m tso amegbetɔ ƒe ŋutilã ŋua, míesrɔ̃e be míaƒe abɔ wɔa akpa ɖe be míaƒe asibidɛwo ŋlɔ́na eye wogadzɔna. Ale si lãkusia kple lãmekawo lé ɖe ƒuawo ŋu eye ɖe sia ɖe wɔa dɔ la wɔ nuku ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, mesrɔ̃e be ka aɖe to míaƒe abɔ me yi ɖe ƒu evelia si le míaƒe asibidɛwo me la gbɔ. Ka sia mana ɖe akpa eve, si wɔnɛ be ka bubu aɖe te ŋu toa ete yina ɖe asibidɛawo ƒe nu gbɔ. Lãmeka bubuwo hã léa lãmeka siawo ɖe ƒuawo ŋu. Ne womewɔ míaƒe asibidɛwo alea o la, lãmekawo alia eye woadzɔ, eye míaƒe asibidɛwo mate ŋu awɔ dɔ nyuie o. Eme va kɔ nam nyuie be nunya si de ŋgɔ le Ame si wɔ amegbetɔ ƒe ŋutilã la si.

Esi meva srɔ̃ nu tso amegbetɔwo ƒe vidzidzi ŋua, ena megava ka ɖe Wɔlaa dzi geɖe wu. Meva srɔ̃e be ne vi le dɔmea, egbɔa ya tso nɔa gbɔ to eƒe ƒoƒolika me. Eya ta le ɣeyiɣi sia mea, ya mekpɔ ɖo ɖevia ƒe dzitodzito me haɖe o. Gake ne esusɔ vie woadzi ɖevia, lãmetsi tɔxɛ aɖe va nɔa eƒe dzitodzitowo me. Emegbe ne wodzi ɖevia eye wògbɔ ya zi gbãtɔa, nu wɔnuku aɖewo dzɔna. Do aɖe si le ɖevia ŋutɔ ƒe dzi mea xena, si wɔnɛ be ʋu sina yia dzitodzitoawo me. Le ɣeyiɣi vevi sia mea, lãmetsi tɔxɛa wɔnɛ be dzitodzitoa me ʋuna, ya tea ŋu ɖoa eme, si wɔnɛ be enumakea, ɖevia ŋutɔ te ŋu gbɔna le eɖokui si.

Medi be maganya nu geɖe tso Ame si wɔ nu wɔnuku siawo ŋu, eya ta meva te Biblia xexlẽ moveviɖoɖotɔe. Se siwo Mawu na Israel-viwo ƒe 3,000 kple edzivɔ aɖewoe nye esi ku ɖe dzadzɛnyenye ŋua wɔ nuku nam ale gbegbe. Mawu de se na Israel-viwo be woaɖi woƒe nugodo ɖe do me, woanɔ tsi lém edziedzi, eye woaɖe ame sia ame si ŋu dɔxɔleameŋu aɖe le la ɖe aga. (3 Mose 13:50; 15:11; 5 Mose 23:13) Biblia ƒo nu tso nya siawo ŋu do ŋgɔ ƒe alafa gbogbowo hafi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va nya ale si dɔlélewo wɔna kakana nyitsɔ laa. Meva kpɔe be se siwo le Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia me ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋua kpe ɖe Israel-viwo ŋu wonɔ lãmesẽ me. (3 Mose 12:1-6; 15:16-24) Meva kpɔe hã be Wɔlaa tsɔ se siawo na Israel-viwo be wòaɖe vi na woawo ŋutɔwo, eye eyraa ame siwo ɖoa to eye wowɔna ɖe sedede mawo dzi. Meva srɔ̃e be Mawu, si ƒe ŋkɔ nyemenya ɣemaɣi oa, ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ Biblia.

MEÐE SRƆ̃ EYE MEVA NYA YEHOWA

Nye kple Lydie, le míaƒe srɔ̃ɖegbe, le April 3, 1965 dzi

Esi menɔ atikeŋutinunya srɔ̃m le yunivɛsiti la, medo go ɖetugbui aɖe si ŋkɔe nye Lydie, eye melɔ̃e vevie. Le nye sukudedea ƒe domedome lɔƒo le ƒe 1965 mea, míeɖe srɔ̃. Kaka ƒe 1971 naɖoa, míedzi mía vi adeawo dometɔ etɔ̃. Menye ɖeko Lydie kpena ɖe ŋunye le nye ɖɔktadɔa me o, ke boŋ ekpena ɖe ƒome bliboa katã ŋu.

Mewɔ dɔ le kɔ aɖe dzi ƒe etɔ̃; emegbea, nye ŋutɔ meva ɖo nye kɔdzi. Ema megbe kpuiea, atsu kple asi si ŋu meƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedzea va dɔdaƒe le kɔa dzi. Esi mebe maŋlɔ atike na ŋutsua, nyɔnua gblɔ be: “Ðɔkta, meɖe kuku mègaŋlɔ atike si me ʋu le na mí o.” Nyaa dzem kpo, eya ta mebia be: “Nyateƒea? Nu ka tae?” Nyɔnua ɖo eŋu be: “Yehowa Ðasefowoe míenye.” Nyemese Yehowa Ðasefowo ŋu nya kpɔ alo nya be womezãa ʋu o. Nyɔnua ɖe eƒe Biblia ɖe go eye wòtsɔ nu si tae womezãa ʋu oa fiam le Biblia me. (Dɔw. 15:28, 29) Eye eya kple srɔ̃a tsɔ ale si Mawu Fiaɖuƒea ava ɖe fukpekpe, dɔléle kple ku ɖa la fiam le Biblia me. (Nyaɖ. 21:3, 4) Megblɔ enumake be: “Nu si tututu medi be mawɔ tso nye ɖevime kee nye ema gblɔm nèle nam! Nu si ta meva zu ɖɔkta ɖoe nye be maɖe amewo ƒe fukpekpe dzi kpɔtɔ.” Nyaa dzɔ dzi nam ale gbegbe be míeɖo dze gaƒoƒo ɖeka kple afã sɔŋ. Kaka atsu kple asia nadzoa, megblɔ le nye dzi me be nyemedi be maganye Katolikotɔ o. Meva kpɔe be ŋkɔ le Wɔla si menɔ didim xoxoxo be manya la si; ŋkɔ mae nye Yehowa!

Ðasefo atsu kple asia va gbɔnye zi etɔ̃ le kɔa dzi eye míeɖoa dze hena gaƒoƒo ɖeka kple edzivɔ. Mekpe wo be woava nye aƒe me ale be míagakpɔ ɣeyiɣi geɖe aɖo dze tso Biblia ŋu. Togbɔ be Lydie lɔ̃ be yeanɔ Biblia nusɔsrɔ̃a me nɔm hã, medina be yealɔ̃ ɖe edzi be Katolikotɔwo ƒe nufiafia aɖewo menye nyateƒe o. Eya ta mekpe Fada aɖe va aƒea me. Míezã Biblia ɖeɖe tsɔ nɔ tsɔtsia ƒe nufiafia aɖewo me dzrom va se ɖe zãtiƒe. Numedzodzro ma na Lydie va ka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowoe nɔ nyateƒea fiam. Ema wɔe be lɔlɔ̃ si nɔ mía si na Yehowa Mawua, nɔ dzidzim ɖe edzi. Eya ta le ƒe 1974 mea, mí ame evea míexɔ nyɔnyrɔ.

METSƆ YEHOWA ÐO NƆƑE GBÃTƆ

Esi meva srɔ̃ nu tso tame si Mawu ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu la ŋua, ewɔe be meva tsɔ nu vevi bubu aɖe ɖo nɔƒe gbãtɔ. Nye kple Lydie míeɖoe be Yehowa subɔsubɔ nanye nu vevitɔ na mí le agbe me. Míeɖoe be míazã Biblia ƒe mɔfiamewo atsɔ ahe mía viawo. Míefia mía viawo be woalɔ̃ Mawu, kple amewo, eye esia wɔe be míaƒe ƒomea wɔ ɖeka.—Mat. 22:37-39.

Ne nye kple Lydie míetrɔ kpɔ megbe eye míebu ale si mía viwo kpɔnɛ be míaƒe nu sɔna ɣesiaɣi ŋua, ɖeko míekoa nu. Mía viawo nyae be Yesu ƒe mɔfiame si gblɔ be “mina miaƒe ‘Ɛ̃’ nanye ɛ̃, eye miaƒe ‘Ao’ nanye ao” dzie míewɔna ɖo le aƒea me. (Mat. 5:37) Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka esime mía vinyɔnuviawo dometɔ ɖeka xɔ ƒe 17 la, Lydie meɖe mɔ nɛ be wòado go kple etɔ sɔhɛ bubuwo ayi teƒe aɖe o. Sɔhɛawo dometɔ ɖeka gblɔ na mía via be, “Ne nɔwò malɔ̃ oa, ke gblɔe na tɔwò kpɔ!” Mía via ɖo eŋu be: “Ema matrɔ naneke o. Woƒe nu sɔna ɣesiaɣi.” Nyae nye be, mía vi adeawo kpɔe be míaƒe nu sɔna eye míewɔna ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi ɣesiaɣi. Dzidzɔnyae nye be egbea, ƒome gã aɖe le mía si eye wo katã wonye Yehowa subɔlawo.

Nyateƒe si meva srɔ̃ wɔe be nyemegatsɔ atikeŋutinunya ɖo nɔƒe gbãtɔ o. Ke hã, ale si melɔ̃ dɔ sia ta, mezãnɛ tsɔ kpena ɖe Mawu ƒe amewo ŋu. Eya ta metsɔ ɖokuinye na vae wɔa ɖɔktadɔ le Betel si le Paris, kple emegbe yeyetɔ si wova tu ɖe Louviers. Metsoa aƒe me vae wɔa dɔ le Betel ƒe 50 kloe ye nye esia. Medze xɔlɔ̃ nyui aɖewo le Betel-ƒomea me, eye xɔlɔ̃ mawo dometɔ aɖewo xɔ ƒe 90 kple edzivɔwo fifia. Nu dodzidzɔname aɖe hã dzɔ esi medo go Betel-ƒomea me tɔ yeye aɖe gbe ɖeka. Mènya o ɖe, nyee xee na dadaa esime wònɔ edzim ƒe 20 aɖewoe nye esi va yi!

MEKPƆ ALE SI GBEGBE YEHOWA LÉA BE NA EƑE AMEWO

Le ƒe siawo katã me esi mekpɔ ale si Yehowa toa eƒe habɔbɔa dzi fiaa mɔ eƒe amewo eye wòkpɔa wo taa, megava lɔ̃ Yehowa ɖe edzi. Le ƒe 1980-awo mea, Dɔdzikpɔhaa de ɖoɖo aɖe to me le Amerika be wòate ŋu anɔ bɔbɔe na Yehowa Ðasefowo be woaɖe nu si tae womezãa ʋu o la me na atikewɔlawo.

Emegbe le ƒe 1988 mea, Dɔdzikpɔhaa ɖo dɔwɔƒe yeye aɖe ɖe Betel, si ŋkɔe nye Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakakadɔwɔƒe. Le gɔmedzedzea, dɔwɔƒe siae kpɔa Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitiwo (HLC alo CLH) siwo woɖo ɖe Amerika ƒe dɔwo dzi. Kadododzikpɔkɔmitiwo ƒe dɔe nye be woakpe ɖe Ðasefo siwo nye dɔnɔwo, siwo medi be woado ʋu na yewo o la ŋu. Esi wova nɔ kɔmiti siawo ɖom ɖe xexea ƒe akpa vovovowoa, woɖo ɖe ɖe France hã. Ne mekpɔ ale si lɔlɔ̃ ʋãa Yehowa ƒe habɔbɔa wòkpena ɖe nɔvi siwo dze dɔ ŋua, ewɔa nuku nam ale gbegbe!

NYE DIDIA VA EME

Gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia gadzɔa dzi na mí

Medina be mada dɔ na amewo. Gake esi meva de ŋugble tso nu siwo wòle be matsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ ŋua, meva kpɔe be dɔdada vavãtɔ ye nye esi ate amewo ɖe Yehowa Mawu, Ame si gbɔ agbea dzɔ tso la ŋu. Esi mexɔ dzudzɔ le dɔmea, nye kple Lydie míezu gbesiagbe mɔɖelawo eye míezãa gaƒoƒo geɖe ɣleti sia ɣleti tsɔ ƒoa nu tso Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ŋu na amewo. Míegawɔa mía tɔ sinua le dɔ vevi sia me.

Nye kple Lydie, le ƒe 2021 me

Megawɔa nu si mate ŋui tsɔ kpena ɖe dɔnɔwo ŋu. Gake menyae be ɖɔkta nyuitɔ kekeake gɔ̃ hã mate ŋu ada dɔlélewo katã alo aɖe ku ɖa o. Eya ta mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me vevesese, dɔléle, kple ku maganɔ anyi o. Le xexe yeye ma si le aƒe tum kabakaba mea, manɔ agbe tegbee ale be mate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ƒe nuwɔwɔwo kple ale si wòwɔ amegbetɔ wòwɔ nuku la ŋu. Ɣemaɣia, nu si medi be mawɔ tso nye ɖevime kea, ava eme bliboe. Meka ɖe edzi be nu nyuiwo le ŋgɔ gbɔna!