Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Nu ka tae wònyo be Yehowa ɖe mɔ be Israel-viwo ate ŋu azã akpakpa alo ahɔnɛ atsɔ asa vɔ na ye?

LE SEA tea, Yehowa ɖe mɔ be Israel-viwo nazã akpakpa alo ahɔnɛ atsɔ asa vɔ na ye. Zi geɖe ne wole nu ƒom tso vɔsawo ŋu le sea mea, woyɔa xevi ƒomevi eve siawo ɖe du, eye woate ŋu atsɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe asa vɔe. (3 Mose 1:14; 12:8; 14:30) Aleke esia ɖe vi na Israel-viwo? Eɖe vi na wo le mɔ sia nu be menye ɣesiaɣie wokpɔa akpakpawo o. Nu ka tae?

Akpakpa

Akpakpawo nɔa anyi le Israel le dzomeŋɔli. Le kele mea, woʋuna yia dukɔ siwo me dzoxɔxɔ le, eye wotrɔna gbɔna vaa Israel le adame. (Haw. 2:11, 12; Yer. 8:7) Eya ta asesẽ na Israel-viwo be woakpɔ akpakpa atsɔ asa vɔ le vuvɔŋɔli me.

Ahɔnɛ

Gake ahɔnɛwo ya meʋuna o, eya ta wonɔa Israel ƒea katã. Azɔ hã, wotea ŋu mlaa ahɔnɛwo wonɔa aƒe me. Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso ati kple lã siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ŋu (Bible Plants and Animals) la gblɔ be: “Ahɔnɛ nɔ kɔƒe kple du siwo katã nɔ Palestina me. Xɔtula ɖe sia ɖe wɔa xɔ alo do le gli me afi si ahɔnɛwo ate ŋu anɔ.”—Tsɔe sɔ kple Yesaya 60:8.

Ahɔnɛ aɖe le do me

Eya ta Yehowa ɖe nugɔmesese kple lɔlɔ̃ fia esi wòɖe mɔ be Israel-viwo natsɔ xevi siwo kpɔkpɔ le bɔbɔe le ƒea mea asa vɔe.