Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 10

Àte Ŋu ‘Aɖe Amenyenye Xoxoa Ða’

Àte Ŋu ‘Aɖe Amenyenye Xoxoa Ða’

“Miɖe amenyenye xoxo la kple eƒe nuwɔnawo ɖa.”—KOL. 3:9.

HADZIDZI 29 Míanɔ Agbe Wòasɔ Kple Míaƒe Ŋkɔ La

NYA VEVIAWO *

1. Hafi nàva dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔmea, aleke wò agbe nɔ?

 HAFI Yehowa Ðasefowo nava dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple wòa, aleke wò agbe nɔ? Mía dometɔ geɖe medina be míabu eŋu gɔ̃ hã o. Elabe ɣemaɣia, anɔ eme be ale si xexea bua nyui kple vɔ̃ ye kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nɔnɔme kple amenyenye dzi. Ne nenema yea, ke ‘mɔkpɔkpɔ aɖeke menɔ mía si o, eye míenɔ xexea me evɔ míenya Mawu o.’ (Ef. 2:12) Gake esi míedze Biblia sɔsrɔ̃ gɔmea, míaƒe agbenɔnɔ trɔ!

2. Nu kawoe nèva de dzesi esi nèle Biblia srɔ̃m?

2 Esi nènɔ Biblia srɔ̃ma, èva nyae be Fofo aɖe le asiwò le dziƒo, si lɔ̃ wò vevie. Èva kpɔe be hafi yeƒe nu nadze Yehowa ŋu eye yeava nye esubɔlaa, ele be yeatrɔ yeƒe agbenɔnɔ kple nuŋububu. Èva srɔ̃e hã be ele be yealɔ̃ nu siwo wòlɔ̃, eye yealé fu nu siwo wòlé fui.—Ef. 5:3-5.

3. Le Kolosetɔwo 3:9, 10 ƒe nya nua, nu kae Yehowa di be míawɔ, eye nu ka mee míadzro le nyati sia me?

3 Yehowae nye mía Wɔla kple mía Fofo si le dziƒo; eya ta ekpɔ mɔ agblɔ ale si wòle be míanɔ agbee la na mí. Edi tso mía si be hafi míadze axɔ nyɔnyrɔa, míadze agbagba ‘aɖe amenyenye xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa.’ * (Xlẽ Kolosetɔwo 3:9, 10.) Nyati sia akpe ɖe ame siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ ŋu woaɖo biabia etɔ̃ siawo ŋu: (1) Nu kae nye “amenyenye xoxo la”? (2) Nu ka tae Yehowa di be míaɖee ɖa? (3) Aleke míawɔ aɖee ɖa? Le mí ame siwo xɔ nyɔnyrɔ xoxo gomea, nusɔsrɔ̃ sia akpe ɖe mía ŋu be míaganɔ amenyenye xoxoa ƒe nɔnɔmewo ɖem fia o.

NU KAE NYE “AMENYENYE XOXO LA”?

4. Aleke ame si dzi ‘amenyenye xoxoa’ kpɔ ŋusẽ ɖo wɔa nui?

4 Zi geɖea, ame si dzi ‘amenyenye xoxoa’ kpɔ ŋusẽ ɖo la ɖea nɔnɔme aɖewo siwo mesɔ o fiana. Le kpɔɖeŋu me, edia eɖokui tɔ, edoa dziku kabakaba, mekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu o, eye wòdoa eɖokui ɖe dzi. Azɔ hã, ekpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo kple film siwo me gbɔdɔnuwɔnawo kple ŋutasesẽ bɔ ɖo. Anɔ eme be, nɔnɔme nyui aɖewo le esi, eye ɖewohĩ etena ɖe edzi be yewɔa nu gbegblẽ siawo. Edi be yeatrɔ ya, gake nu si aʋãe la meli o.—Gal. 5:19-21; 2 Tim. 3:2-5.

Ne míeɖe ‘amenyenye xoxoa’ ɖa la, ŋutilãme nudzodzrowo kple nuwɔnawo magakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o (Kpɔ memama 5 lia) *

5. Nu ka tae wòsesẽna ɣeaɖewoɣi be míaɖe amenyenye xoxoa ɖa? (Dɔw. 3:19)

5 Esi míede blibo o taa, míate ŋu aɖe nuŋububu kple dzodzro vɔ̃wo katã ɖa keŋkeŋ le míaƒe dzi kple susu me o. Ɣeaɖewoɣia, míewɔa nane alo gblɔa nya aɖe si va vea mí emegbe. (Yer. 17:9; Yak. 3:2) Gake ne míeɖe amenyenye xoxoa ɖaa, ŋutilãme nudzodzro kple nuwɔnawo magakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. Eye míaƒe nɔnɔme atrɔ kuraa.—Yes. 55:7; xlẽ Dɔwɔwɔwo 3:19.

6. Nu ka tae Yehowa di be míaɖe asi le míaƒe nuŋububu kple nɔnɔme gbegblẽwo ŋu?

6 Yehowa di be míaɖe asi le nuŋububu kple nuwɔna gbegblẽwo ŋu, elabe elɔ̃ mí vevie, eye wòdi be míase vivi na agbea. (Yes. 48:17, 18) Enyae be ame siwo wɔa nu gbegblẽ siawo la gblẽa nu le wo ɖokuiwo kple ame bubuwo ŋu. Etena ɖe Yehowa dzi vevie ne esia dzɔ.

7. Le Romatɔwo 12:1, 2 ƒe nya nua, tiatia kae dze ŋgɔ mí?

7 Mía xɔlɔ̃ kple ƒometɔ aɖewo ate ŋu aɖu fewu le mía ŋu ne míele agbagba dzem be míawɔ tɔtrɔwo. (1 Pet. 4:3, 4) Woate ŋu agblɔ be mele be míaɖe mɔ ame bubuwo naɖo nu na mí o, eye míekpɔ mɔ awɔ nu si míedi. Gake ame siwo gbe Yehowa ƒe susu le nyui kple vɔ̃ ŋu la mele wo ɖokui si ŋutɔŋutɔ o. Ke boŋ woɖe mɔ Satana ƒe xexea kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nuŋububu kple nuwɔna dzi. (Xlẽ Romatɔwo 12:1, 2.) Eya ta tiatia aɖe dze ŋgɔ mí katã: Ðe míayi edzi ado amenyenye xoxoa be Satana kple eƒe xexea nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi loo, alo ɖe míaɖe mɔ Yehowa natrɔ mí, ale be míaƒe nɔnɔme nanyo ɖe edzia?—Yes. 64:8.

ALEKE NÀWƆ ‘AÐE AMENYENYE XOXOA ÐA’?

8. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaɖe asi le nɔnɔme gbegblẽwo kple nuŋububu siwo mesɔ o ŋu?

8 Yehowa nyae be axɔ ɣeyiɣi eye wòabia kutrikuku geɖe hafi míate ŋu aɖe asi le nɔnɔme gbegblẽwo kple nuŋububu siwo mesɔ o ŋu. (Ps. 103:13, 14) Eya ta Yehowa toa eƒe Nya, eƒe gbɔgbɔa, kple eƒe habɔbɔa dzi naa nunya, ŋusẽ kple kpekpeɖeŋu si hiã la mí be míate ŋu awɔ tɔtrɔ siawo. Ðikeke mele eme o be, ena nu siwo akpe ɖe ŋuwò la wò. Na míakpɔ nu ŋutɔŋutɔ siwo nàte ŋu awɔ be nàɖe amenyenye xoxoa ɖa, eye nàdze axɔ nyɔnyrɔ.

9. Nu kae Mawu ƒe Nyaa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ?

9 Zã Biblia nàtsɔ adzro ɖokuiwò me. Mawu ƒe Nyaa le abe ahuhɔ̃e ene; ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàlé ŋku ɖe wò nuŋububu, wò nuƒoƒo kple wò nuwɔna ŋu. (Yak. 1:22-25) Wò Biblia fiala kple Kristotɔ tsitsi bubuwo akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia. Le kpɔɖeŋu me, woazã Ŋɔŋlɔawo atsɔ akpe ɖe ŋuwò nànya akpa siwo nèle agbagba dzem le kple akpa siwo nèhiã kpekpeɖeŋu le. Woafia wò ale si nàwɔ ake ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe ŋuwò nàwɔ tɔtrɔwo ŋu. Yehowa hã le klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe ŋuwò. Eyae nye ame si koŋ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò, elabe enya nu si le wò dzi me. (Lod. 14:10; 15:11) Eya ta nɔ gbe dom ɖa nɛ edziedzi, eye nànɔ eƒe Nyaa xlẽm gbe sia gbe.

10. Nu kae nèsrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe Elie dzi me?

10 Ka ɖe edzi be Yehowa ƒe nudidiwoe nye nyuitɔ kekeake. Nu sia nu si Yehowa bia tso mía si la ɖea vi na mí. Bubu nɔa ame siwo nɔa agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu la ŋu, taɖodzinu nɔa woƒe agbe ŋu, eye wokpɔa dzidzɔ vavãtɔ. (Ps. 19:7-11) Gake ame siwo gbe be yewomanɔ agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu o, eye wonɔa agbe ɖe ŋutilã nu la gblẽa nu le wo ɖokuiwo ŋu. De dzesi nya si ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Elie gblɔ tso nu si dona tso eme ne ame aɖe gbe be yemawɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo dzi o la ŋu. Edzilawo nye Yehowa subɔlawo. Gake esi Elie nɔ tsitsimaa, eva nɔ ha gbegblẽwo dem. Esia wɔe be eva nɔ atike vɔ̃ɖiwo zãm, enɔa gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ, eye wòfia fi. Elie va nɔ dziku dom kabakaba, eye wòwɔa ŋutasẽnu. Elie gblɔ be: “Ne míagblɔe la, nu siwo katã wofiam be mele be Kristotɔ nawɔ o lae mewɔna.” Ke hã, Elie meŋlɔ nu siwo wòsrɔ̃ le eƒe ɖevime be o. Emegbea, Elie gava dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Eku kutri vevie ɖe asi le eƒe nɔnɔme gbegblẽawo ŋu, eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 2000 me. Esi wòva nɔ agbe nɔm ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nua, aleke wòɖe vi nɛ? Egblɔ be: “Nye susu dze akɔ anyi, eye dzitsinya nyui le asinye azɔ.” * Kpɔɖeŋu sia fia mí be, ame siwo gbe be yewomanɔ agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu o la gblẽa nu le wo ɖokui ŋu. Ke hã, Yehowa le klalo be yeakpe ɖe ame siawo tɔgbi ŋu be woatrɔ.

11. Nu kawoe Yehowa lé fui?

11 Lé fu nu siwo Yehowa lé fui. (Ps. 97:10) Biblia gblɔ na mí be Yehowa lé fu “dadaŋkuwo, aʋatsoɖe, [kple] asi siwo kɔa ʋu maɖifɔ ɖi.” (Lod. 6:16, 17) Azɔ hã, ‘etsri ŋutasẽlawo kple ameblelawo.’ (Ps. 5:6) Yehowa lé fu nɔnɔme kple nuwɔna siawo ale gbegbe be, etsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi siwo katã nɔ anyi le Noa ƒe ŋkekea me, le esi wona ŋutasesẽ yɔ anyigba dzi ta. (1 Mose 6:13) Yehowa to nyagblɔɖila Malaki hã dzi gblɔ be, yelé fu ame siwo toa ayemɔ dzi gbea wo srɔ̃. Egblɔ hã be, woƒe subɔsubɔ medzea Mawu ŋu o, eye adrɔ̃ ʋɔnu wo le woƒe nuwɔna ta.—Mal. 2:13-16; Heb. 13:4.

Ele be nu si Yehowa lé fui wɔwɔ nanyɔ ŋu na mí abe ale si atikutsetse vóvo anyɔ ŋu na mí ene (Kpɔ memama 11-12 lia)

12. Nu kae wòfia be ‘míanyɔ ŋu nu vɔ̃ɖi’?

12 Yehowa di be ‘míanyɔ ŋu nu vɔ̃ɖi.’ (Rom. 12:9) Be ‘woanyɔ ŋu’ nane fia be woatsri nua vevie; womadi be yewoakpɔ nua alo ase eŋkɔ gɔ̃ hã o. Kpɔ ale si gbegbe nàse le ɖokuiwò me ne wotsɔ nu vóvo aɖe ɖo akɔme na wò be nàɖu ɖa. Ðewohĩ eŋububu ɖeɖe dzaa anyɔ ŋu na wò! Nenema kee wòle be nu si Yehowa lé fui ŋu bubu ɖeɖe dzaa nanyɔ ŋu na mí.

13. Nu ka tae wòle be míadzɔ míaƒe tamebubu ŋu?

13 Dzɔ wò tamebubu ŋu. Nu siwo ŋu míebuna kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nuwɔna dzi. Eya tae Yesu fia mí be míatsri nuŋububu siwo ana míawɔ nu vɔ̃ gã. (Mat. 5:21, 22, 28, 29) Míedi vevie be míawɔ nu si adze mía Fofo si le dziƒoa ŋu. Eya ta ɣesiaɣi si susu vɔ̃ va tame na mía, ele be míagbee enumake!

14. Nu kae míaƒe nuƒoƒo ɖena fiana le mía ŋu, eye nya kae wòle be míabia mía ɖokui?

14 Lé ŋku ɖe wò nuƒoƒo ŋu. Yesu gblɔ be: “Nu siwo doa go tso nu me la tsoa dzi la me.” (Mat. 15:18) Eya ta míaƒe nuƒoƒo ɖea ame si míenye le ememe fiana. Eya ta bia ɖokuiwò be: ‘Ðe metoa nyateƒe ne esia adem nya me gɔ̃ hã? Eye abe srɔ̃tɔ enea, ɖe meɖoa ahiãmo na ame si menye srɔ̃nye oa? Ðe nya ƒaƒãwo doa go tso nunye mea? Ðe meɖoa nya ŋu tufafatɔe ne ame aɖe do dziku namaa?’ Ne èbu nyabiaseawo ŋu nyuiea, akpe ɖe ŋuwò. Míate ŋu atsɔ wò nuƒoƒo asɔ kple ka si wotsɔna tɔa awu. Amedzudzu, alakpadada kple nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ le abe ka siwo nana amenyenye xoxoa léna ɖe mía ŋu ene. Eya ta ne míedi be míaɖe amenyenye xoxoa ɖaa, ele be míatu ka siawo, si fia be míadzudzɔ wo kuraa.

15. Nu kae wòfia be míahe míaƒe amenyenye xoxoa ‘ɖe ati ŋu’?

15 Lɔ̃ faa nàɖe afɔ siwo hiã. Apostolo Paulo zã kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe tsɔ fia mí ale si wòle be míabu tɔtrɔ siawo wɔwɔ ŋkubiãnyae. Egblɔ be ele be míahe amenyenye xoxoa ‘ɖe ati ŋu.’ (Rom. 6:6) Kpuie koa, eƒe nyawo fia be míasrɔ̃ Kristo. Nenema kee ele be míawo hã míaɖe nuwɔna siwo Yehowa lé fui ɖa keŋkeŋ, be míaƒe nu nadze eŋu. Ne míeɖe afɔ siawo ko hafi dzitsinya nyui asu mía si, eye míate ŋu ava kpɔ agbe mavɔ. (Yoh. 17:3; 1 Pet. 3:21) Ðo ŋku edzi be Yehowa matrɔ eƒe nudidiwo be wòasɔ na mí o. Ke boŋ míawoe wòle be míawɔ tɔtrɔwo, be wòasɔ ɖe eƒe nudidiwo nu.—Yes. 1:16-18; 55:9.

16. Nu ka tae wòle be míaɖoe kplikpaa awɔ avu kple dzodzro vɔ̃wo?

16 Yi edzi nàɖu dzodzro vɔ̃wo dzi. Le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe gɔ̃ hãa, ahiã be nàyi edzi awɔ avu aɖu dzodzro vɔ̃wo dzi. De dzesi nu si dzɔ ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Maurício dzi. Esi wònye sɔhɛa, edɔna kple ŋutsu. Emegbe Yehowa Ðasefowo va dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii. Ewɔ tɔtrɔ le eƒe agbe me, eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 2002 me. Togbɔ be Maurício le Yehowa subɔm ƒe geɖee nye esia hãa, egblɔ be: “Ele eme be megawɔa avu kple dzodzro vɔ̃wo ɣeaɖewoɣi ya.” Gake mena esia ɖe dzi le eƒo o. Ke boŋ egblɔ be: “Nye dzi dzea eme esi menyae be zi ale si nyemena dzodzro mawo ɖu dzinye o ko la, nye nu dzea Yehowa ŋu.” *

17. Nu kae nèsrɔ̃ tso Nabiha gbɔ?

17 Do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò, eye nàɖo ŋu ɖe eƒe gbɔgbɔa ŋu, ke menye ɖokuiwò ŋu o. (Gal. 5:22; Flp. 4:6) Ele be míaɖoe kplikpaa be míaɖe amenyenye xoxoa ɖa, eye míaɖe asi le eŋu keŋkeŋ. Bu nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Nabiha ŋu kpɔ. Tɔa gblẽe ɖi esime wòxɔ ƒe ade pɛ ko. Nabiha gblɔ be: “Ete ɖe dzinye ale gbegbe.” Esi Nabiha nɔ tsitsimaa, eva nɔ dziku dom kabakaba, eye wòwɔa adã. Eva te atike vɔ̃ɖi dzadzra, eye wolée de gaxɔ me be wòanɔ afi ma ƒe aɖewo. Ðasefo siwo va ɖea gbeƒã le gaxɔa mea va ke ɖe eŋu, eye wote Biblia sɔsrɔ̃ kplii. Nabiha wɔ tɔtrɔ gã aɖewo le eƒe agbe me. Egblɔ be: “Enɔ bɔbɔe nam be maɖe asi le nu gbegblẽ siwo mewɔna la dometɔ aɖewo ŋu. Gake esesẽ nam ŋutɔ be madzudzɔ atamanono.” Nabiha wɔ avu ʋuu ƒe ɖeka kple edzivɔ hafi te ŋu ɖu numame gbegblẽ ma dzi. Nu kae kpe ɖe eŋu? Egblɔ be: “Gbedodoɖa na Yehowa madzudzɔmadzudzɔe ye kpe ɖe ŋunye medzudzɔ.” Fifia egblɔna na amewo be: “Meka ɖe edzi be ame sia ame ate ŋu awɔ tɔtrɔ siwo ana eƒe nu nadze Yehowa ŋu, abe ale si ko nye hã mete ŋu wɔe ene!” *

ÀTE ŊU ADZE AXƆ NYƆNYRƆ!

18. Le 1 Korintotɔwo 6:9-11 ƒe nya nua, nu kae mawusubɔla geɖewo te ŋu wɔ?

18 Le ƒe alafa gbãtɔ mea, ame siwo Yehowa tia be woava ɖu fia kple Kristo la dometɔ aɖewo wɔ nu gbegblẽwo va yi. Le kpɔɖeŋu me, wo dometɔ aɖewo nye ahasiwɔlawo, ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo kple fiafitɔwo. Gake Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe wo ŋu wote ŋu trɔ woƒe agbenɔnɔ. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 6:9-11.) Nenema kee egbea hã, Biblia kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu wotrɔ woƒe agbenɔnɔ. * Wote ŋu ɖu numame vɔ̃ɖiwo dzi. Woƒe kpɔɖeŋua ɖo kpe edzi be, wò hã àte ŋu awɔ tɔtrɔ siwo hiã be nàdze axɔ nyɔnyrɔ.

19. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

19 Nu bubu si wòle be ame siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ nawɔ ne woɖe amenyenye xoxoa ɖa ye nye be, woaku kutri ado amenyenye yeyea. Le nyati si kplɔ esia ɖo mea, míadzro ale si woate ŋu awɔ esia kple ale si ame bubuwo akpe ɖe wo ŋu woawɔe la me.

HADZIDZI 41 Oo Mawu, Se Nye Gbedodoɖa

^ mm. 5 Hafi ame nadze axɔ nyɔnyrɔa, ele be wòalɔ̃ faa atrɔ asi le ame si ƒomevi wònye ŋu gbã. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu si amenyenye xoxoa nye, nu si tae wòle be míaɖee ɖa, kple ale si míawɔ aɖee ɖa. Le nyati si kplɔ esia ɖo mea, míakpɔ ale si míayi edzi ado amenyenye yeyea le míaƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe gɔ̃ hã.

^ mm. 3 NYA AÐEWO ME ÐEÐE: Be ‘míaɖe amenyenye xoxoa ɖa’ fia be míaɖe asi le nɔnɔme kple nudzodzro siwo Yehowa tsri la ŋu. Ele be míawɔ esia hafi míadze axɔ nyɔnyrɔ.—Ef. 4:22.

^ mm. 10 Àkpɔ eŋu nya bubuwo le April 1, 2012 ƒe Gbetakpɔxɔ nyati sia me: “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm—‘Ehiã Be Matrɔ Ava Yehowa Gbɔ.’

^ mm. 16 Àkpɔ eŋu nya bubuwo le May 1, 2012 ƒe Gbetakpɔxɔ nyati sia me: “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm—‘Wowɔ Nu Ðe Ŋunye Nyuie Ŋutɔ.’

^ mm. 17 Àkpɔ eŋu nya bubuwo le October 1, 2012 ƒe Gbetakpɔxɔ nyati sia me: “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm—‘Meva Zu Dzikume Si Wɔa Adã.’

^ mm. 64 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Asiɖeɖe le nɔnɔme kple nuwɔna manyomanyowo ŋu le abe ale si ko ame naɖe awu xoxo aƒu gbe ene.