Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 11

Yi Edzi Nàdo “Amenyenye Yeye La” Le Wò Nyɔnyrɔxɔxɔ Megbe

Yi Edzi Nàdo “Amenyenye Yeye La” Le Wò Nyɔnyrɔxɔxɔ Megbe

“Mido amenyenye yeye la.”—KOL. 3:10.

HADZIDZI 49 Míado Dzidzɔ Na Yehowa Ƒe Dzi

NYA VEVIAWO *

1. Nu ka koŋue kpɔa ŋusẽ ɖe ame si ƒomevi míenye dzi?

 NE NYITSƆ laa koe míexɔ nyɔnyrɔ alo ƒe geɖee nye esia míexɔ nyɔnyrɔ o, mí katã míedi be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu. Eya ta ele be míalé ŋku ɖe míaƒe nuŋububuwo ŋu. Nu ka tae? Elabe nu siwo ŋu míebuna kpɔa ŋusẽ ɖe ame si ƒomevi míenye dzi. Ne nu siwo míatsɔ aɖi kɔ na míaƒe ŋutilã ƒe dzodzrowo ŋu koe míebuna ɣesiaɣia, ke akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna dzi. (Ef. 4:17-19) Gake ne nu nyuiwo xɔ susu me na mía, awɔe be míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna nadze mía Fofo, Yehowa ŋu.—Gal. 5:16.

2. Biabia kawoe míakpɔ ŋuɖoɖo na le nyati sia me?

2 Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me enea, míate ŋu axe mɔ na susu gbegblẽwo keŋkeŋ be woagava ta me na mí o. Ke hã, míate ŋu atiae be míaɖu wo dzi. Hafi míaxɔ nyɔnyrɔa, míetrɔ asi le míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna ŋu be wòadze Yehowa ŋu. Emae nye nu gbãtɔ kple vevitɔ si wòle be míawɔ atsɔ aɖe amenyenye xoxoa ɖa. Ke hã, hafi míaƒe nu nadze Yehowa ŋu bliboea, ele be míawɔ sedede si nye be ‘míado amenyenye yeyea’ hã dzi. (Kol. 3:10) Le nyati sia mea, míadzro biabia siwo gbɔna me: Nu kae nye “amenyenye yeye la”? Aleke míawɔ ado amenyenye yeyea eye míana wòakpɔtɔ anɔ mía ŋu?

NU KAE NYE “AMENYENYE YEYE LA”?

3. Nu kae nye “amenyenye yeye la”? Le Galatiatɔwo 5:22, 23 ƒe nya nua, aleke míawɔ ado “amenyenye yeye la”?

3 “Amenyenye yeye la” fia nuŋububu kple nuwɔna si wɔ ɖeka kple Yehowa tɔ. Ame si do amenyenye yeyea ɖea Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea fiana, eye eɖea mɔ gbɔgbɔ kɔkɔea kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe nuŋububu, seselelãme kple nuwɔnawo dzi. (Xlẽ Galatiatɔwo 5:22, 23.) Le kpɔɖeŋu me, elɔ̃ Yehowa kple eƒe amewo. (Mat. 22:36-39) Ekpɔa dzidzɔ ne ele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã. (Yak. 1:2-4) Enye ame si wɔa ŋutifafa. (Mat. 5:9) Egbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme. (Kol. 3:13) Elɔ̃a nu nyui, eye wòwɔnɛ hã. (Luka 6:35) Eɖenɛ fiana le eƒe nuwɔnawo me be yexɔ ye Fofo si le dziƒoa dzi se bliboe. (Yak. 2:18) Ne ame aɖe do dziku nɛa, eléa eɖokui, eye wòfaa tu. Ne edo go tetekpɔa, eɖua eɖokui dzi.—1 Kor. 9:25, 27; Tito 3:2.

4. Nu ka tae wòle be míatu nɔnɔme nyui siwo dze le Galatiatɔwo 5:22, 23 kple esiwo dze le Biblia ƒe akpa bubuwo katã ɖo?

4 Be míado amenyenye yeyea, ele be míatu nɔnɔme siwo ŋu woƒo nu tsoe le Galatiatɔwo 5:22, 23 la katã ɖo; esiwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia ƒe akpa bubuwo hã le eme. * Nɔnɔme siawo mele abe ale si ame ado awu hafi ado bubu ɖe edzi ene o. Ke boŋ ehiã be woado nɔnɔme siawo katã le ɣeyiɣi ɖeka me. Le nyateƒe mea, nɔnɔmeawo do ƒome kple wo nɔewo. Le kpɔɖeŋu me, ne èlɔ̃ hawòvi vavãa, àgbɔ dzi ɖi nɛ, eye ànyo dɔme nɛ. Eye tufafa kple ɖokuidziɖuɖu le vevie hafi míate ŋu awɔ nu nyui na mía havi.

ALEKE MÍAWƆ ADO AMENYENYE YEYEA?

Ne míedzea agbagba be míasrɔ̃ ale si Yesu bua nuwo ŋuia, anɔ bɔbɔe na mí be míawɔ nu abe eya ene (Kpɔ memama 5, 8, 10, 12, 14 lia)

5. Nu kae wòfia be ‘Kristo ƒe tamesusu nanɔ mía si,’ eye nu ka tae wòle be míasrɔ̃ nu tso Yesu ŋu? (1 Korintotɔwo 2:16)

5 Xlẽ 1 Korintotɔwo 2:16. Hafi míado amenyenye yeyea, ele be “Kristo ƒe tamesusu” nanɔ mía si. Esia fia be míasrɔ̃ Yesu, eye míabu nuwo ŋu abe eya ene. Yesu ɖea Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea fiana bliboe. Eye wòɖea Yehowa ƒe nɔnɔmewo fiana pɛpɛpɛ. (Heb. 1:3) Ne míesrɔ̃a nu tso Yesu ŋua, awɔe be míava nɔ nuwo ŋu bum eye míanɔ nu wɔm abe eya ene. Esia akpe ɖe mía ŋu be míaɖe amenyenye yeyea afia geɖe wu.—Flp. 2:5.

6. Nu vevi kawo dzie wòle be míaɖo ŋkui esi míele agbagba dzem be míado amenyenye yeyea?

6 Ðe wòanya wɔ ŋutɔŋutɔ be míasrɔ̃ kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖia? Ðewohĩ àgblɔ be: ‘Yesu ya de blibo. Eya ta manya wɔ be masrɔ̃e bliboe o!’ Ne èsena le ɖokuiwò me nenemaa, ekema ɖo ŋku nya vevi siawo dzi. Gbãa, Yehowa wɔ wò ale be nàte ŋu asrɔ̃ ye kple ye Via. Eya ta anya wɔ be nàsrɔ̃ wo va se ɖe afi aɖe ya teti. (1 Mose 1:26) Evelia, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔeae nye ŋusẽ triakɔ kekeake le xexea me. Yehowa azãe atsɔ akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nu siwo nèsusu be yemate ŋu awɔ o. Etɔ̃lia, Yehowa mekpɔa mɔ be nàɖe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea afia bliboe fifia o. Nyateƒeae nye be, mía Fofo lɔ̃amea ɖo ƒe 1,000 ɖi be yeatsɔ akpe ɖe ame siwo ava nɔ anyigba dzi ŋu be woade blibo. (Nyaɖ. 20:1-3) Nu si Yehowa di tso mía si fifia koe nye be míawɔ mía tɔ sinua eye míaɖo ŋu ɖe ye ŋu.

7. Nu ka mee míadzro azɔ?

7 Nu ŋutɔŋutɔ kawo mee míate ŋu asrɔ̃ Yesu le? Míadzro Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa ene me kpuie. Le wo dometɔ ɖe sia ɖe mea, míakpɔ ale si Yesu ɖe nɔnɔme ma fia kple nu si míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ. Ne míele wo me dzrom la, míabia nya aɖewo mía ɖokuiwo atsɔ akpɔe ɖa be aleke míele amenyenye yeyea domee hã.

8. Aleke Yesu ɖee fia be yelɔ̃ Mawu kple amewo?

8 Esi Yesu lɔ̃ Fofoa Yehowa kple amegbetɔwo vevie taa, etsɔ nanewo sa vɔe. (Yoh. 14:31; 15:13) Ale si Yesu wɔ nui esime wònɔ anyigba dzia ɖee fia be elɔ̃ amegbetɔwo ale gbegbe. Eɖe lɔlɔ̃ sia fia gbe sia gbe, eye wòse veve ɖe amewo nu, ne wotsi tsitre ɖe eŋu gɔ̃ hã. Mɔ vevi aɖe si dzi wòto ɖee fia be yelɔ̃ amewoe nye be, efia nu wo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu. (Luka 4:43, 44) Mɔ bubu si dzi Yesu to ɖee fia be yelɔ̃ Mawu kple amegbetɔwoe nye be, elɔ̃ faa kpe fu le nu vɔ̃ wɔlawo si me, eye wòku. Eto esia dzi ʋu mɔ ɖi na amegbetɔwo be woakpɔ agbe mavɔ.

9. Aleke míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ amewo abe Yesu ene?

9 Esi míelɔ̃ mía Fofo Yehowa si le dziƒo tae míetsɔ mía ɖokuiwo ɖe adzɔgbe nɛ, eye míexɔ nyɔnyrɔ. Abe Yesu enea, míetoa ale si míewɔa nu ɖe amewo ŋu me ɖenɛ fiana be míelɔ̃ Yehowa. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Ame si melɔ̃a nɔvia si kpɔm wòle o la, mate ŋu alɔ̃ Mawu si kpɔm mele o la o.” (1 Yoh. 4:20) Míate ŋu abia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe melɔ̃ amewo tso dzi mea? Ðe mesea veve ɖe amewo nu ne womewɔ nu ɖe ŋunye nyuie o gɔ̃ hã? Ðe lɔlɔ̃ ʋãam mezãa nye ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo tsɔ kpena ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋua? Ðe malɔ̃ awɔe alea ne ame aɖewo mekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu o alo tsia tsitre ɖe ŋunyea? Ðe mate ŋu adi mɔ siwo dzi mato akpe ɖe ame geɖe ŋu woava zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawoa?’—Ef. 5:15, 16.

10. Nu kae fia be Yesu nye ŋutifafawɔla?

10 Yesu nye ŋutifafawɔla. Esime amewo mewɔ nu ɖe eŋu nyuie oa, metsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe o. Gake ewɔ nu si yi ŋgɔ wu ema. Edze agbagba wɔ ŋutifafa, eye wòde dzi ƒo na amewo be woakpɔ masɔmasɔ siwo le wo domea gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, efia wo be hafi woƒe subɔsubɔ nadze Yehowa ŋua, ele be woawɔ ŋutifafa kple wo nɔviwo. (Mat. 5:9, 23, 24) Enuenua, ekpe ɖe eƒe apostoloawo ŋu be woakpɔ nyaʋiʋli si le wo dome ku ɖe ame si nye gãtɔ ŋu la gbɔ.—Luka 9:46-48; 22:24-27.

11. Aleke míate ŋu awɔ ŋutifafae?

11 Menye ɖeko míaƒo asa na masɔmasɔwo o, ele be míanye ŋutifafawɔlawo hã. Ele be míadze agbagba awɔ ŋutifafa, eye míade dzi ƒo na mía nɔvi siwo dome masɔmasɔwo le be woakpɔ nyaawo gbɔ. (Flp. 4:2, 3; Yak. 3:17, 18) Míate ŋu abia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe mate ŋu atsɔ nanewo asa vɔe, ale be mawɔ ŋutifafa kple amewoa? Ne nɔvi aɖe wɔ nu wòvem la, ɖe melénɛ ɖe dɔmea? Ðe melalana be ame si dze agɔa navaa, alo ɖe meɖea afɔa gbã wɔa ŋutifafaa? Ne anya wɔa, ɖe medea dzi ƒo na ame siwo dome masɔmasɔwo le be woawɔ ŋutifafaa?’

12. Aleke Yesu wɔ nu ɖe amewo ŋu dɔmenyotɔe?

12 Yesu wɔ nu ɖe amewo ŋu dɔmenyotɔe. (Mat. 11:28-30) Yesu wɔ esia esi wòfa tu, eye wòse nu gɔme na amewo. Le kpɔɖeŋu me, esime Foinike-nyɔnu aɖe ɖe kuku nɛ be wòada dɔ na ye via, gbãa, egbe. Gake esi nyɔnua ɖe xɔse fia taa, enyo dɔme nɛ da dɔ na via. (Mat. 15:22-28) Togbɔ be Yesu ƒe dɔme nyo hã, megbea aɖaŋuɖoɖo na amewo o. Ɣeaɖewoɣia, etɔa afɔ to ɖoa aɖaŋu na ame siwo wòlɔ̃ la dɔmenyotɔe. Le kpɔɖeŋu me, esi Petro dze agbagba be yeagbe na Yesu be wòagawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu oa, Yesu ɖɔe ɖo le nusrɔ̃la mamlɛawo ŋkume. (Marko 8:32, 33) Menye ɖe wòwɔ esia be yeatsɔ ado ŋukpe Petro o, ke boŋ be yeatsɔ ana hehee eye wòanye nuxlɔ̃ame na nusrɔ̃la bubuawo hã. Anɔ eme be ŋu kpe Petro ya, gake esrɔ̃ nane tso ɖɔɖɔɖoa me.

13. Aleke míate ŋu awɔ nu ɖe amewo ŋu dɔmenyotɔe ŋutɔŋutɔ?

13 Ɣeaɖewoɣia, dɔmenyonyo na amewo abia be míaɖo aɖaŋu na wo. Ne míele aɖaŋu ɖom na amewoa, ele be míasrɔ̃ Yesu, eye míatu aɖaŋuɖoɖoawo ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi. Ele be míafa tu, susu nyui nanɔ mía si ɖe amewo ŋu, eye míaka ɖe edzi be, ame siwo lɔ̃ mí eye wolɔ̃ Yehowa la awɔ ɖe aɖaŋu si míeɖo na wo le lɔlɔ̃ mea dzi. Bia ɖokuiwò be: ‘Ne mekpɔ be ame si melɔ̃ le nu gbegblẽ wɔmaa, ɖe dzi nɔa ƒonye be maɖo aɖaŋu nɛa? Ne ehiã be maɖo aɖaŋu nɛa, ɖe meƒoa nu nɛ nyuiea, alo ɖe medaa gbe ɖe egbɔa? Susu ka tae mele aɖaŋua ɖom? Ðe mele aɖaŋua ɖom nɛ elabe edo dziku nam loo, alo esi medi be makpe ɖe eŋu taea?’

14. Aleke Yesu ɖo nyuiwɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí?

14 Menye ɖeko Yesu nya nu si nyo o, ke boŋ ewɔnɛ hã. Yesu lɔ̃ Fofoa vevie, eya ta enana susu nyui ʋãnɛ wòwɔa nu nyuitɔ ɣesiaɣi. Nyuiwɔwɔ dzena le nuwɔna siwo ɖea vi na amewoa me. Ame si wɔa nyui la dzea agbagba be yeato mɔ vovovowo dzi akpe ɖe amewo ŋu. Eya ta menye ɖeko míanya nu nyuitɔ si wòle be míawɔ ko evɔ o, ele be míawɔe hã, eye míana susu nyuitɔ naʋã mí míawɔe. Ame aɖe abia be: ‘Ðe wòate ŋu adzɔ be ame aɖe nawɔ nu nyui, evɔ menye susu nyui ye ʋãe oa?’ Ɛ̃, ate ŋu adzɔ. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ be ame aɖewo na nu ame dahewo, gake wowɔe be amewo nakpɔ eye woakafu yewo. Togbɔ be wowɔ nyui hã, woƒe nu medze Yehowa ŋu o.—Mat. 6:1-4.

15. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nyui na amewo?

15 Ne susu nyuitɔ ye ʋãa mí míekpena ɖe amewo ŋu ko hafi míate ŋu agblɔ be míewɔa nyui na amewo nyateƒe. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe medzea agbagba be manya nu nyuitɔ si wòle be mawɔa? Eye ne menyae la, ɖe medzea agbagba wɔnɛa? Nu kae ʋãam be mawɔ nyui na amewo?’

ALEKE MÍAKPƆ MÍAƑE AMENYENYE YEYEA TA?

16. Nu kae wòle be míadze agbagba awɔ gbe sia gbe, eye nu ka tae?

16 Mele be míasusui be, ne míenya xɔ nyɔnyrɔ koa, megahiã be míayi edzi ado amenyenye yeyea o. Amenyenye yeyea le abe awu yeye aɖe si wòhiã be míalé be na ene. Mɔ aɖe si dzi míato awɔ esiae nye be, míadze agbagba aɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea afia gbe sia gbe. Nu ka tae? Elabe Yehowa nye Mawu si lɔ̃a dɔwɔwɔ, eye eƒe gbɔgbɔa hã nye dɔwɔŋusẽ. (1 Mose 1:2) Eya ta gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa ɖe sia ɖe ate ŋu aʋã mí míawɔ nu, eye ele be míaɖe mɔ wòaʋã mí hã. Le kpɔɖeŋu me, nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui . . . nye nu kuku.” (Yak. 2:26) Nenemae wòle le gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa susɔeawo hã gome. Ɣesiaɣi si míeɖe wo fiaa, efia be Mawu ƒe gbɔgbɔ le dɔ wɔm le mía dzi.

17. Ne edzɔ be míete ŋu ɖe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea fia oa, aleke wòle be míawɔ nui?

17 Etea ŋu dzɔna be, ɣeaɖewoɣia, Kristotɔ aɖe si xɔ nyɔnyrɔ ƒe gbogbo aɖewo va yi gɔ̃ hã maɖe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea afia o. Ke hã, nu vevitɔe nye be, míagana ta o. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Tsɔe be mèɖɔ ŋu ɖo o, si wɔe be wò awu si gbɔ mèlɔ̃a nu le o si nèdoa ƒe akpa aɖe vuvu. Ðe nàtsɔe aƒu gbea? Ao. Ke boŋ àtɔ afi si vuvu la, eye ne ègadoe akea, àɖɔ ŋu ɖo. Nenema kee ne eva dzɔ ɣeaɖeɣi be mègbɔ dzi ɖi na ame aɖe alo wɔ nu ɖe eŋu le dɔmenyo alo lɔlɔ̃ me oa, mègana ema naɖe dzi le ƒowò o. Ðe kuku nɛ tso dzi me. Ne èwɔe alea, ana wò kplii dome nagavivi ake. Azɔ hã, ɖoe kplikpaa be, nu ma tɔgbi nagadzɔ azɔ o.

18. Nu ka dzie míate ŋu aka ɖo?

18 Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na mí! Ne míedzea agbagba be míasrɔ̃ Yesu ƒe nuŋububu kple eƒe nɔnɔmewoa, anɔ bɔbɔe na mí be míawɔ nu abe eya ene, eye míate ŋu ado amenyenye yeyea. Le nyati sia mea, míeƒo nu tso gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa ene aɖewo ko ŋu. Anyo be nàdi ɣeyiɣi adzro gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa bubuwo me, eye nàkpɔe ɖa be ɖe nèle wo ɖem fia bliboe hã. Àkpɔ nyati vovovo siwo ku ɖe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ŋu le Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo me. Yi akpa si nye “Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ,” eye nàdi “Gbɔgbɔ La Ƒe Kutsetsea.” Ne èwɔ tɔwò sinua, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàdo amenyenye yeyea, eye wòakpɔtɔ anɔ ŋuwò.

HADZIDZI 127 Ame Si Ƒomevi Wòle Be Manye

^ mm. 5 Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu ado ‘amenyenye yeyea.’ Míate ŋu awɔ esia ne míetrɔ míaƒe nuŋububu, eye míedze agbagba srɔ̃ Yesu. Le nyati sia mea, míasrɔ̃ ale si Yesu bua nuwo ŋu kple ale si wòwɔa nui. Azɔ hã, míakpɔ ale si míayi edzi asrɔ̃ Yesu ne míexɔ nyɔnyrɔ hã.

^ mm. 4 Galatiatɔwo 5:22, 23 meƒo nu tso nɔnɔme nyui siwo Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatu ɖo la katã ŋu o. Be nàkpɔ numekɔkɔ geɖe tso nya sia ŋua, àte ŋu akpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” le June 2020 ƒe Gbetakpɔxɔ me.