Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 12

Ðe Nèle Nu Si Zakariya Kpɔ La Kpɔma?

Ðe Nèle Nu Si Zakariya Kpɔ La Kpɔma?

“‘Ava eme to nye gbɔgbɔ dzi,’ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.”—ZAK. 4:6.

HADZIDZI 73 Na Dzi Nanɔ Mía Ƒo

NYA VEVIAWO *

1. Nu dodzidzɔname kae le ŋgɔ na Yudatɔ siwo nɔ aboyo me?

 YUDATƆWO gli kple dzidzɔ, elabe Yehowa Mawu “nyɔ Persia-fia Kores ƒe gbɔgbɔ” wòde se be woaɖe asi le Israel-vi siwo nɔ aboyo me le Babilon ƒe geɖe la ŋu. Fia la ɖe gbeƒã be Yudatɔwo natrɔ ayi wo de ‘ne woagbugbɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe xɔa atu.’ (Ezra 1:1, 3) Sedede sia na dzi dzɔ wo ale gbegbe! Awɔe be woagate ŋu asubɔ Mawu vavã la le woƒe anyigba dzi ake.

2. Esi aboyomeawo va ɖo Yerusalem la, nu kae wote ŋu wɔ?

2 Le ƒe 537 D.Y. mea, Yudatɔ aboyome gbãtɔwo trɔ va Yerusalem, si nye anyiehe fiaɖuƒea ƒe dugã me. Wotso ɖe gbedoxɔa tutu ŋu enumake, eye kaka ƒe 536 D.Y. mea, woɖo egɔme anyi!

3. Ame kawoe tsi tre ɖe Yudatɔwo ŋu, eye aleke wowɔe?

3 Gake esime Yudatɔwo nɔ gbedoxɔa tum la, amewo tsi tre ɖe wo ŋu vevie. Dukɔ siwo ƒo xlã wo la “ɖe dzi le Yuda dukɔ la ƒo, eye wodo vɔvɔ̃ na wo le xɔ la tutu me.” (Ezra 4:4) Nyaa gava gblẽ ɖe edzi kura le ƒe 522 D.Y. me esime Persia-fia Artasasta va zia dzi. * Tsitretsiɖeŋulawo kpɔe be esia nye mɔnukpɔkpɔ na yewo be ‘yewoazã se atsɔ awɔ fu’ Yudatɔwo, ale be woadzudzɔ dɔa kura. (Ps. 94:20) Eya ta woŋlɔ alakpanyawo tso Yudatɔwo ŋu ɖo ɖe Fia Artasasta; wo dometɔ ɖekae nye be wodi be yewoadze aglã. (Ezra 4:11-16) Fiaa xɔ alakpanya mawo dzi se eye wòde se be woaɖo asi xɔtudɔa dzi. (Ezra 4:17-23) Esia na be xɔtudɔ si Yudatɔwo tsɔ dzidzɔ nɔ wɔwɔm la va tsi akpo dzi.—Ezra 4:24.

4. Esi tsitretsiɖeŋulawo tɔ te gbedoxɔtutudɔa, nu kae Yehowa wɔ? (Yesaya 55:11)

4 Trɔ̃subɔdukɔmetɔ siwo nɔ anyigbaa dzi, kple Persia dziɖuɖua me tɔ aɖewo ɖoe kplikpaa be yewoatɔ te gbedoxɔtutudɔa. Gake Yehowa ɖoe be woatu gbedoxɔa awu enu, eye eƒe tameɖoɖowo vaa eme ɣesiaɣi. (Xlẽ Yesaya 55:11.) Eya ta eɖo nyagblɔɖila Zakariya, eye wòɖe ŋutega vovovo enyi fiae be wòatsɔ ade dzi ƒo na dukɔa. Ŋutega dodzidzɔname mawo na wokpɔe be mele be yewoavɔ̃ tsitretsiɖeŋulawo o, ke boŋ yewoalé fɔ ɖe Yehowa ƒe dɔa ŋu. Le ŋutega mawo ƒe atɔ̃lia mea, Zakariya kpɔ akaɖiti aɖe kple amiti eve.

5. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

5 Dzi ɖena le mí katã ƒo ɣeaɖewoɣi. Eya ta ŋutega atɔ̃lia si Yehowa ɖe fia Zakariya be wòatsɔ ade dzi ƒo na Israel-viwo la ate ŋu aɖe vi na míawo hã. Ne míese ŋutega sia gɔmea, akpe ɖe mía ŋu míayi edzi asubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ne amewo tsi tre ɖe mía ŋu, ne nuwo trɔ na mí le agbe me, alo ne wona mɔfiame aɖe mí si gɔme míese o.

NE AMEWO TSI TRE ÐE MÍA ŊU

Zakariya kpɔ ŋutega aɖe si me amiti eve le ami tsyɔm ɖe akaɖiti aɖe si dzi akaɖigbɛ adre le la me (Kpɔ nusɔsrɔ̃nyati 12 lia, memama 6 lia)

6. Aleke ŋutega si le Zakariya 4:1-3 ku ɖe akaɖiti kple amiti eveawo ŋu la de dzi ƒo na Yudatɔwo? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

6 Xlẽ Zakariya 4:1-3. Ŋutega si ku ɖe akaɖiti kple amiti eveawo ŋu la do ŋusẽ Yudatɔwo be woayi dɔa dzi togbɔ be amewo tsi tre ɖe wo ŋu hã. Le mɔ ka nu? Ède dzesii be ami si gena ɖe akaɖigbɛawo me la nu metsona gbeɖe oa? Amia tsoa amiti eve aɖewo me, eye wògena ɖe agba goboe aɖe me, eyome amia yina akaɖigbɛ adre siwo le akaɖitia dzi la me. Amia nana be akaɖigbɛawo metsina gbeɖe o. Zakariya bia be: “Nu kae nu siawo fia?” Mawudɔlaa gblɔ Yehowa ƒe gbedeasi tsɔ ɖo nyaa ŋu na Zakariya be: “‘Mava eme to aʋakɔ alo ŋusẽ me o, ke boŋ to nye gbɔgbɔ dzi,’ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.” (Zak. 4:4, 6) Ami si tso amitiawo me la le tsitre ɖi na Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔa, si mavɔ gbeɖe o. Ne wotsɔ Persia Fiaɖuƒea ƒe asrafowo katã ƒo ƒu hã, womeɖi naneke ne wotsɔ wo sɔ kple Mawu ƒe gbɔgbɔa o. Esi Yehowa de megbe na Yudatɔwo taa, woate ŋu ayi dɔa dzi eye woawu enu tsitretsiɖeŋu ka kee wodo goe o. Gbedeasi sia de dzi ƒo na Yudatɔwo ŋutɔ! Nu si wòhiã be woawɔ koe nye be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, ayi dɔa dzi. Nu ma tututu hãe wowɔ togbɔ be woɖo asi woƒe dɔa dzi gɔ̃ hã.

7. Nu kae dzɔ si kpe ɖe Yudatɔwo ŋu wote ŋu yi dɔa dzi?

7 Ke hã, nane va dzɔ si kpe ɖe Yudatɔwo ŋu wote ŋu yi dɔa dzi. Nu kae dzɔ? Le ƒe 520 D.Y. mea, woɖo Persia-fia yeye zi dzi, si ŋkɔe nye Dario Gbãtɔ. Le eƒe dziɖuɖu ƒe ƒe evelia mea, eva kpɔe be mesɔ be woɖo asi gbedoxɔtutudɔa dzi o. Eya ta eɖe gbe be woayi dɔa dzi awu enu. (Ezra 6:1-3) Nyaa wɔ nuku na amewo, gake mese ɖe afi ma o. Fia la gblɔ be dukɔ siwo ƒo xlã Yudatɔwo la nagaɖe fu na wo o, ke boŋ woadzɔ ga kple nu bubu siwo hiã atsɔ akpe asi ɖe dɔa ŋu. (Ezra 6:7-12) Esia wɔe be Yudatɔwo te ŋu wu gbedoxɔa tutu nu le ƒe ene aɖewo megbe, le ƒe 515 D.Y. me.—Ezra 6:15.

Na Yehowa nado ŋusẽ wò ne amewo tsi tre ɖe ŋuwò (Kpɔ memama 8 lia)

8. Nu ka tae wòle be dzi nanɔ ƒowò ne wotsi tre ɖe ŋuwò?

8 Egbea hã, wotsia tre ɖe Yehowa subɔla geɖe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, woɖo asi míaƒe dɔa dzi le dukɔ aɖewo me. Le dukɔ mawo mea, woléa mía nɔviwo eye ‘wokplɔa wo yia nutodziɖulawo kple dufiawo ŋkume,’ eye esia nyea ɖaseɖiɖi na wo. (Mat. 10:17, 18) Ɣeaɖewoɣi hã, ne woɖo dziɖula yeyea, wote ŋu ɖea mɔ ɖe míaƒe dɔa ŋu le dukɔa me. Alo ʋɔnudrɔ̃la aɖe si da sɔ la ate ŋu atso nya me nyuie, si awɔe be míayi míaƒe dɔa dzi le ablɔɖe me. Ðasefo bubu aɖewo hã doa go tsitretsiɖeŋu bubu. Togbɔ be womeɖo asi míaƒe dɔa dzi le woƒe dukɔa me o hã, woƒe ƒometɔwo tsia tsitre ɖe wo ŋu vevie be woadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. (Mat. 10:32-36) Zi geɖea, ne ƒometɔ mawo kpɔe be yewomate ŋu ana Ðasefoawo nadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ oa, womegatsia tsitre ɖe wo ŋu o. Eye ame aɖewo siwo tsi tre ɖe mía nɔviwo ŋu vevie va yi la ŋutɔ gɔ̃ hã va zu Ðasefowo fifia. Eya ta, ne amewo tsi tre ɖe ŋuwòa, mègana ta o! Dzi nenɔ ƒowò. Yehowa to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔa dzi le kpekpem ɖe ŋuwò; eya ta mehiã be nàvɔ̃ o!

NE NUWO TRƆ NA MÍ LE AGBE ME

9. Nu ka tae dzi ɖe le Yudatɔ aɖewo ƒo esi woɖo gbedoxɔ yeyea gɔme anyi?

9 Esi woɖo gbedoxɔa gɔme anyia, Yudatɔ siwo tsi la dometɔ aɖewo fa avi. (Ezra 3:12) Wokpɔ ale si gbegbe gbedoxɔ si Salomo tu la nya kpɔe, eye wokpɔe be esi tum yewole fifia la ‘maɖi naneke’ ne wotsɔe sɔ kple tsãtɔa o. (Hag. 2:2, 3) Vovototo gã si le gbedoxɔ evea dome la na dzi ɖe le wo ƒo. Zakariya ƒe ŋutegaa ana dzi nagaɖo wo ƒo. Le mɔ ka nu?

10. Aleke mawudɔlaa ƒe nya siwo dze le Zakariya 4:8-10 la de dzi ƒo na Yudatɔ siwo ƒo dzi ɖe le?

10 Xlẽ Zakariya 4:8-10. Nya si mawudɔlaa gblɔ be, Yudatɔwo “akpɔ dzidzɔ, eye woakpɔ tsumikpe si le [nutodziɖula] Zerubabel si” la gɔme ɖe? Tsumikpe nye dɔwɔnu aɖe si xɔtulawo zãna tsɔ kpɔnɛ ɖa be nane dzɔ kã hã. Eya ta, ɖe mawudɔlaa nɔ dzi dem ƒo na Mawu ƒe amewo be, togbɔ be gbedoxɔ yeyea madze wo dometɔ aɖewo ŋu abe xoxoa ene o hã, woatui awu enu eye adze Yehowa ŋu. Eye ne adze Yehowa ŋua, ke ele be wòadze woawo hã ŋu. Nu si nɔ vevie na Yehowae nye be woasubɔ ye ale si yedi, le gbedoxɔ yeyea me. Ne Yudatɔwo dze agbagba be yewoasubɔ Yehowa le mɔ nyuitɔ nu eye yewoawɔ nu si dzea eŋua, woagakpɔ dzidzɔ ake.

Na susu nyui nanɔ asiwò ne nuwo trɔ le wò agbe me (Kpɔ memama 11-12 lia) *

11. Kuxi kae dzea ŋgɔ Yehowa subɔla aɖewo egbea?

11 Menɔa bɔbɔe na ame geɖe be woatrɔ ɖe nɔnɔme yeyewo ŋu o. Ɣeaɖewoɣia, nɔvi siwo wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe geɖe la ƒe dɔdeasiwo trɔna. Eye eva hiãna be nɔvi aɖewo hã naɖe asi le dɔdeasi aɖe si dzɔa dzi na wo vevie la ŋu le tsitsi ta. Tɔtrɔ mawo ate ŋu ana dzi naɖe le wo ƒo. Ne esia dzɔa, gbãa, ɖewohĩ asesẽ na mí be míase nu si tae wowɔ tɔtrɔa ɖo la gɔme, alo alɔ̃ ɖe edzi. Eye míaƒe dɔdeasi xoxoa agate ŋu anɔ mía dzrom vevie. Esia ate ŋu ana dzi naɖe le mía ƒo eye míasusu be míaƒe subɔsubɔ fifitɔ menyo de tsãtɔ nu o. (Lod. 24:10) Aleke ŋutega si Zakariya kpɔ la akpe ɖe mía ŋu míayi edzi asubɔ Mawu ale si míate ŋui?

12. Ne nuwo trɔ le míaƒe agbe mea, aleke ŋutega si Zakariya kpɔ la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

12 Ne míebua míaƒe nɔnɔme yeyea ŋu abe ale si Yehowa bunɛ enea, ana wòanɔ bɔbɔe na mí be míatrɔ ɖe eŋu. Yehowa le dɔ geɖe wɔm egbea, eye enye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ na mí be míenye eƒe hadɔwɔlawo. (1 Kor. 3:9) Míaƒe dɔdeasiwo ate ŋu atrɔ, gake Yehowa ƒe lɔlɔ̃ na mí ya matrɔ o. Eya ta, ne habɔbɔa wɔ tɔtrɔ aɖe eye wòka wò tẽe la, mehiã be nànɔ eŋu bum fũu akpa be yease susu siwo katã tae wowɔ tɔtrɔawo la gɔme o. Le esi nànɔ didim be nuwo naganɔ na ye abe ‘tsã’ ene teƒea, do gbe ɖa na Yehowa boŋ be wòakpe ɖe ŋuwò nàde dzesi nu siwo nyo le tɔtrɔa ŋu. (Nyagb. 7:10) Mèganɔ nu siwo màgate ŋu awɔ fifia o la ŋu bum o, ke boŋ wò susu nenɔ nu siwo nàte ŋu awɔ fifia ŋu. Míesrɔ̃e le Zakariya ƒe ŋutegaa me be, ele be susu nyui nanɔ mía si. Esia awɔe be míayi edzi asubɔ Yehowa kple dzidzɔ, ne nuwo trɔ le míaƒe agbe me hã.

NE ESESẼ NA MÍ BE MÍAWƆ ÐE MƆFIAME AÐE DZI

13. Nu ka tae Yudatɔ aɖewo mekpɔe be susu le eme be yewoayi gbedoxɔa tutu dzi o?

13 Míegblɔe va yi be woɖo asi gbedoxɔ gbugbɔgatudɔa dzi. Ke hã, Nunɔlagã Yesua (alo Yosua) kple Nutodziɖula Zerubabel, siwo nye ŋutsu siwo woɖo be woaxɔ ŋgɔ la na ‘wogbugbɔ dze Mawu ƒe xɔa tutu gɔme.’ (Ezra 5:1, 2) Yudatɔ aɖewo manya se woƒe nuwɔna sia gɔme o, elabena womate ŋu awɔ dɔa le adzame o; evɔ ne futɔawo kpɔ wo hãa, babaa na wo. Eya ta Yosua kple Zerubabel hiã dzideƒonyawo tso Yehowa gbɔ be woaka ɖe edzi be eli kple yewo. Eye nu ma tututue Yehowa wɔ. Le mɔ ka nu?

14. Nya kae mawudɔlaa gblɔ le Zakariya 4:12, 14 si de dzi ƒo na Nunɔlagã Yosua kple Nutodziɖula Zerubabel?

14 Xlẽ Zakariya 4:12, 14. Le Zakariya ƒe ŋutegaa ƒe akpa sia, mawudɔlaa gblɔ na Mawu ƒe nyagblɔɖila wɔnuteƒea be amiti eveawo le tsitre ɖi na “amesiamina eve,” siwo nye Yosua kple Zerubabel. Ŋutsu eveawo “tɔ ɖe anyigba bliboa ƒe Aƒetɔ [Yehowa] gbɔ” le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee nye ema! Yehowa ka ɖe wo dzi. Eya ta, mɔfiame ka kee ŋutsu siawo na Israel-viwo o, ele be dukɔa naka ɖe edzi be etso Yehowa gbɔ, eye woawɔ ɖe edzi.

15. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ Yehowa ƒe mɔfiame siwo le Biblia me ŋu?

15 Egbea, Yehowa yi edzi le mɔ fiam eƒe amewo to eƒe Nya, Biblia, dzi. Biblia fia mí ale si míasubɔ Mawu wòadze eŋu. Aleke míaɖee afia be míedea asixɔxɔ mɔfiame si Mawu nana mí to Biblia dzi la ŋu? Eyae nye be míagbɔ dzi ɖi axlẽe nyuie, eye míadze agbagba be míase egɔme. Bia ɖokuiwò be: ‘Ne mexlẽ Biblia alo míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖea, ɖe metɔna sẽe dea ŋugble le eŋua? Ðe medzea agbagba be mase Biblia me nyateƒe siwo “gɔme sese sesẽ” la gɔmea? Alo ɖeko mexlẽnɛ dzradzradzra?’ (2 Pet. 3:16) Ne míedzea agbagba be míade ŋugble le nu siwo Yehowa fiana mí ŋua, ana míawɔ eƒe mɔfiamewo dzi eye míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa bliboe.—1 Tim. 4:15, 16.

Ka ɖe mɔfiame siwo tso ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa’ gbɔ la dzi (Kpɔ memama 16 lia) *

16. Ne míese mɔfiame aɖe si ‘kluvia’ na gɔme bliboe o la, nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ edzi?

16 Azɔ hã, Yehowa toa “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi fiaa mɔ mí. (Mat. 24:45) Ɣeaɖewoɣia, ate ŋu adzɔ be mímase mɔfiame si kluvia na la gɔme bliboe o. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ woana mɔfiame mí ku ɖe ale si míawɔ atsi agbe ne afɔku aɖe dzɔ ŋu, evɔ míawo ya míesusu be afɔku ma madzɔ le mía gbɔ o. Alo ɖewohĩ míasusu be mɔfiame siwo nam kluvia le le dɔvɔ̃ aɖe ƒe ɣeyiɣi me la fia be wogatsi dzi ɖe míaƒe dedienɔnɔ ŋu fũu akpa. Ne míese le mía ɖokui me be kluvia ƒe mɔfiame aɖewo mesɔ oa, nu kae wòle be míawɔ? Míate ŋu ade ŋugble le ale si Yosua kple Zerubabel ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ ɖe vi na Israel-viwo ŋu. Eye míate ŋu ade ŋugble le Biblia me ŋutinya bubu aɖewo siwo míexlẽ la hã ŋu. Ɣeaɖewoɣia, Mawu ƒe amewo wɔ ɖe mɔfiame aɖewo siwo amewo ya susu be womesɔ o la dzi, gake mɔfiame mawoe xɔ wo ɖe agbe.—Ʋɔn. 7:7; 8:10.

KPƆ NU SI ZAKARIYA KPƆ

17. Dɔ kae ŋutega si ku ɖe akaɖiti kple amiti eveawo ŋu la wɔ ɖe Yudatɔwo dzi?

17 Ŋutega atɔ̃lia si Zakariya kpɔ la nɔ kpuie, gake ede dzi ƒo na Yudatɔwo be woayi woƒe dɔa dzi eye woasubɔ Mawu kple dzidzɔ. Esi wowɔ ɖe nu si wosrɔ̃ tso ŋutegaa me dzia, wokpɔe be Yehowa fia mɔ yewo eye wòkpe ɖe yewo ŋu lɔlɔ̃tɔe. Yehowa to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔa dzi kpe ɖe wo ŋu woyi dɔa dzi eye wogakpɔ dzidzɔ ake.—Ezra 6:16.

18. Aleke ŋutega si Zakariya kpɔ la ate ŋu akpe ɖe ŋuwòe?

18 Ŋutega si Zakariya kpɔ ku ɖe akaɖiti kple amiti eveawo ŋu la ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe dziwò. Abe ale si míesrɔ̃e enea, ate ŋu ado ŋusẽ wò be dzi nanɔ ƒowò ne amewo tsi tre ɖe ŋuwò; ana nàkpɔ dzidzɔ ne nuwo trɔ le wò agbe me gɔ̃ hã; ana kakaɖedzi nasu asiwò be Yehowa ƒe mɔfiamewo nyo, eye nàwɔ wo dzi ne mèse wo gɔme o gɔ̃ hã. Ke nu kae wòle be nàwɔ ne èdo go kuxiwo le agbe me? Gbãa, dze agbagba nàkpɔ nu si Zakariya kpɔ, si fia be nàde dzesi nu si ɖee fia be Yehowa le be lém na Eƒe amewo. Eyome, na nu si nèkpɔ la naʋã wò nàka ɖe Yehowa dzi, eye nàyi edzi asubɔe kple dzi blibo. (Mat. 22:37) Ne èwɔe alea, Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi asubɔe kple dzidzɔ yi ɖe mavɔmavɔ me.—Kol. 1:10, 11.

HADZIDZI 7 Yehowa, Míaƒe Ŋusẽ

^ mm. 5 Yehowa na nyagblɔɖila Zakariya kpɔ ŋutega dodzidzɔname vovovowo. Ŋutega siwo Zakariya kpɔ la do ŋusẽ eya ŋutɔ kple Yehowa ƒe amewo, ale be woɖu kuxi siwo wodo goe esime wogbugbɔ nɔ tadedeagu dzadzɛa ɖom anyi la dzi. Ŋutega mawo akpe ɖe míawo hã ŋu be míayi edzi asubɔ Yehowa kuxi ka kee dze ŋgɔ mí o. Le nyati sia mea, míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso ŋutega siwo Zakariya kpɔ la dometɔ ɖeka me; ŋutegaa ku ɖe sikakaɖiti kple amitiwo ŋu.

^ mm. 3 Ƒe aɖewo megbe, le Nutodziɖula Nehemiya ƒe ŋkekea mea, Fia Artasasta bubu aɖe ya wɔ nu ɖe Yudatɔwo ŋu nyuie.

^ mm. 60 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔviŋutsu aɖe si tsi eye wòle dɔ lém la kpɔe be ehiã be yeatrɔ ɖe yeƒe nɔnɔme yeyea ŋu.

^ mm. 62 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔvinyɔnu aɖe le ŋugble dem le ale si Yehowa le ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa’ zãm egbea abe ale si wòzã Yosua kple Zerubabel le blema ene la ŋu.