Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 13

Yehowa Subɔsubɔ Ana Nàkpɔ Dzidzɔ Geɖe Wu

Yehowa Subɔsubɔ Ana Nàkpɔ Dzidzɔ Geɖe Wu

“Yehowa, mía Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ.”—NYAÐ. 4:11.

HADZIDZI 31 Oo, Zɔ Kple Mawu!

NYA VEVIAWO *

1-2. Nu kae ana míaƒe subɔsubɔ nadze Mawu ŋu?

 NE ÈSE nya “subɔsubɔ” la, nu kae vaa susu me na wò? Ðewohĩ wò susu ayi nɔviŋutsu aɖe si dze klo ɖe eƒe abati gbɔ le gbe dom ɖa vevie dzi. Alo ɖewohĩ wò susu ayi ƒome aɖe si le Biblia srɔ̃m vevie eye wole dzidzɔ kpɔm la dzi.

2 Le kpɔɖeŋu evea siaa mea, wole nane wɔm le mawusubɔsubɔ me. Gake ɖe woƒe subɔsubɔ adze Yehowa ŋua? Adze eŋu nenye be wowɔa nu si wòdi, wolɔ̃e eye wodea bubu eŋu. Míelɔ̃ Yehowa vevie. Míenya be eyae wòle be míasubɔ eye míedi be míawɔ míaƒe ŋutete katã asubɔe.

3. Nu ka me míadzro le nyati sia me?

3 Le nyati sia mea, míakpɔ ale si amewo subɔ Yehowa le blema wòdze eŋu. Eye míadzro nu enyi aɖewo siwo Yehowa di be míawɔ le ye subɔsubɔ me egbea hã me. Esi míele wo me dzrom la, bu nu siwo nàte ŋu awɔ be nàgasubɔ Yehowa nyuie wu la ŋu. Míava kpɔe hã be ne míesubɔ Yehowa le mɔ nyuitɔ nua, míakpɔ dzidzɔ geɖe.

ALE SI AMEWO SUBƆ YEHOWA LE BLEMA WÒDZE EŊU

4. Hafi Yesu nava anyigba dzia, aleke ame siwo lɔ̃ Yehowa la subɔe?

4 Hafi Yesu nava anyigba dzia, nuteƒewɔlawo abe Abel, Noa, Abraham, kple Hiob ene, lɔ̃ Yehowa eye wosubɔe. Le mɔ ka nu? Woɖo toe, woxɔ edzi se, eye wosa vɔ siwo dze eŋu. Biblia megblɔ nu siwo wowɔ tsɔ subɔ Mawu la na mí tsitotsito o. Ke hã, edze ƒãa be wodze agbagba de bubu Yehowa ŋu eye woƒe subɔsubɔ dze eŋu. Emegbe Yehowa to Mose dzi de se vovovowo na Israel-viwo be wòakpe ɖe wo ŋu woasubɔe ale si wòdi.

5. Aleke Yehowa di be Yesu yomedzelawo nasubɔ ye?

5 Le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi megbea, Yehowa megabia tso esubɔlawo si be woawɔ ɖe Mose Ƒe Sea dzi o. (Rom. 10:4) Ke boŋ ebia tso Kristotɔwo si be woawɔ ɖe se yeye aɖe dzi; se mae nye “Kristo la ƒe se la.” (Gal. 6:2) Se sia mele abe Mose Ƒe Sea si wòle be woasrɔ̃ eye woawɔ ɖe nudidi gbogbo aɖewo dzi ene o. Ke boŋ nu si wòbia ye nye be woasrɔ̃ Yesu eye woawɔ ɖe eƒe nufiafiawo dzi. Egbea hã, mí Kristotɔwo míedzea agbagba be míasrɔ̃ Kristo ale be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu. Esia ana ‘míakpɔ gbɔdzɔe.’—Mat. 11:29.

6. Aleke nyati sia me dzodzro aɖe vi na wòe?

6 Ne míele míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa vovovoawo dometɔ ɖe sia ɖe me dzroma, bia ɖokuiwò be, ‘Ðe mele vevie dom nu le esia mea?’ ‘Nu kae mate ŋu awɔ be nye subɔsubɔ naganyo ɖe edzi?’ Ðikeke mele eme o be, àkpɔ dzidzɔ ɖe agbagba siwo dzem nèle la ŋu, ke hã anyo be nàdo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàgawɔe geɖe wu.

NU SIWO MÍEWƆNA LE YEHOWA SUBƆSUBƆ ME

7. Aleke Yehowa bua míaƒe gbedodoɖa siwo tso dzi me?

7 Yehowa subɔsubɔ ƒe akpa aɖee nye be míado gbe ɖa nɛ. Ŋɔŋlɔawo tsɔ míaƒe gbedodoɖawo sɔ kple dzudzɔ ʋeʋĩ, si ŋu wotrɔ asi le nyuie, si wodona na Yehowa le blema. (Ps. 141:2) Dzudzɔ ʋeʋĩ ma dzea Yehowa ŋu ŋutɔ. Nenema kee míaƒe gbedodoɖa siwo tso dzi me la ‘dzea Yehowa ŋu,’ ne míezã nyagãnyagãwo o gɔ̃ hã. (Lod. 15:8; 5 Mose 33:10) Míate ŋu aka ɖe edzi be edzɔa dzi na Yehowa be yease míaƒe gbedodoɖawo kple akpedanyawo. Edi be míagblɔ míaƒe dzimenyawo kple seselelãmewo na ye faa. Eya ta hafi nàdo gbe ɖa na Yehowa la, ɖe manyo be nàde ŋugble le nya si nèdi be yeagblɔ nɛ la ŋu nyuie do ŋgɔ oa? Esia awɔe be wò gbedodoɖawo anɔ abe ‘dzudzɔ ʋeʋĩ’ nyui aɖe ene na Yehowa.

8. Mɔnukpɔkpɔ kae ʋu ɖi na mí be míakafu Mawu?

8 Yehowa subɔsubɔ ƒe akpa aɖee nye be míakafui. (Ps. 34:1) Míekafua Yehowa ne míeƒoa nu tso eƒe nɔnɔme nyoameŋuwo kple eƒe nuwɔwɔwo ŋu na amewo. Be míawɔ esia, ele be míade ŋugble le nu nyui siwo katã Yehowa wɔ na mí la ŋu. Esia ana míakpɔ nu nyui geɖe siwo ŋu míaƒo nu tsoe, elabe nya si wu dzia ye nu gblɔna. Gbeƒãɖeɖedɔa ʋua mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe ɖi na mí be ‘míato míaƒe nuyiwo dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam.’ (Heb. 13:15) Ale si ko wòhiã be míade ŋugble le míaƒe nyawo ŋu nyuie hafi ado gbe ɖa na Yehowa la, nenema kee wòle be míabu míaƒe nyawo ŋu nyuie hafi aɖe gbeƒã na amewo. Esi míedi be míaƒe “kafukafuvɔsa” nanye nyuitɔ kekeake ta, míeƒoa nu tso dzi me ne míele gbeƒã ɖem nyateƒea.

9. Abe blema Israel-viwo enea, aleke kpekpeawo dede ɖea vi na mí? Gblɔ ale si kpekpeawo dede ɖe vi na wò ŋutɔ kpuie.

9 Yehowa subɔsubɔ ƒe akpa aɖee nye be míade kpekpeawo. Mawu gblɔ na blema Israel-viwo be: “Wò ŋutsuwo katã nava Yehowa wò Mawu la ŋkume zi etɔ̃ le ƒea me le teƒe si wòatia.” (5 Mose 16:16) Esia abia be woagblẽ woƒe aƒewo kple woƒe agblewo ɖi adzo. Gake Yehowa do ŋugbe na wo be: “Ne èyi be yeado ɖe Yehowa wò Mawu ŋkume . . . la, wò anyigba mabiã ŋu na ame aɖeke o.” (2 Mose 34:24) Esi Israel-viwo xɔ Yehowa dzi se bliboe ta la, wodea azã mawo ɖuƒe, eye esia ɖe vi na wo le mɔ geɖe nu. Le kpɔɖeŋu me, wova se Mawu ƒe seawo gɔme nyuie, wode ŋugble tso nu nyui siwo wòwɔ na wo ŋu eye wode ha tuameɖowo kple wo nɔewo. (5 Mose 16:15) Nenema kee wòɖea vi na míawo hã ne míedzea agbagba ɖe sia ɖe be míade kpekpeawo. Eye ne míedzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu be míaɖo nya ŋu kpuiea, edzea Yehowa ŋu.

10. Akpa vevi kae hadzidzi wɔna le míaƒe subɔsubɔ me?

10 Yehowa subɔsubɔ ƒe akpa aɖee nye be míadzi ha akafui. (Ps. 28:7) Blema Israel-viwo bu hadzidzi be enye yewoƒe subɔsubɔ ƒe akpa vevi aɖe. Fia David tia Lewi-vi 288 be woadzi ha le gbedoxɔa me. (1 Kron. 25:1, 6-8) Egbea hã, míedzia kafukafuhawo na Mawu tsɔ ɖenɛ fiana be míelɔ̃e. Mehiã be míanye hadzila bibiwo hafi adzi ha akafu Yehowa o. Bu nya sia ŋu kpɔ: “Mí katã míedaa vo zi geɖe” le nuƒoƒo me, gake míexana ɖe ema ta gbea nuƒoƒo le kpekpeawo alo gbeadzisubɔsubɔdɔa me o. (Yak. 3:2) Nenema kee míate ŋu adzi kafukafuhawo na Yehowa, ne ewɔna na mí be gbe vivi mele mía si o gɔ̃ hã.

11. Abe ale si Psalmo 48:13 gblɔe enea, nu ka tae wòle be ƒomewo nadi ɣeyiɣi anɔ Biblia srɔ̃m ɖekae?

11 Yehowa subɔsubɔ ƒe akpa aɖee nye be míasrɔ̃ eƒe Nyaa eye míafia nu mía viwo tso eyama ŋu. Le Sabat la dzia, Israel-viwo mewɔa dɔ o, ke boŋ wozãa ɣeyiɣia tsɔ doa ŋusẽ ƒomedodo si le wo kple Yehowa dome. (2 Mose 31:16, 17) Wo dometɔ geɖe zãa ɣeyiɣia tsɔ fiaa nu wo viwo tso Yehowa kple nu nyui siwo Yehowa wɔ la ŋu. Egbea hã, ele be míadi ɣeyiɣi anɔ Mawu ƒe Nyaa srɔ̃m. Elabe míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa aɖee wònye eye ewɔnɛ be mía kple Yehowa dome ganɔa kplikplikpli. (Ps. 73:28) Eye ne ƒomea srɔ̃a Biblia ɖekae la, esia akpe ɖe ɖeviawo ŋu be woawo hã woalɔ̃ Yehowa eye woava nye exɔlɔ̃wo.—Xlẽ Psalmo 48:13.

12. Aleke Yehowa bu avɔgbadɔa kple emenuwo wɔwɔ ƒe dɔ lae, eye nu kae míesrɔ̃ tso eme?

12 Yehowa subɔsubɔ ƒe akpa aɖee nye be míatu tadeaguƒewo eye míalé be na wo. Biblia gblɔ be avɔgbadɔa kple eŋudɔwo wɔwɔ nye ‘dɔ kɔkɔe.’ (2 Mose 36:1, 4) Egbea hã, Yehowa bua Fiaɖuƒe Akpatawo kple xɔ bubu siwo míezãna le Yehowa subɔsubɔ me la tutu be enye dɔ kɔkɔe. Mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo zãa woƒe ɣeyiɣi geɖe tsɔ wɔa dɔ siawo. Míekpɔa ŋudzedze ɖe dɔ vevi si mía nɔvi siawo wɔna ŋu ale gbegbe. To vovo na dɔ siawo la, nɔvi siawo wɔa gbeƒãɖeɖedɔa hã, eye wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã di be yewoawɔ mɔɖeɖedɔa. Hamemetsitsiwo ate ŋu akpe asi ɖe mía nɔvi xɔtudɔwɔla siawo ŋu eye woalɔ̃ faa aɖe mɔ na wo be woawɔ mɔɖeɖedɔa ne woɖo nudidi siwo hiã gbɔ. Míenye xɔtudɔwɔlawo loo alo míenya naneke tso xɔtudɔwo ŋu o, mí katã míate ŋu awɔ akpa vevi aɖe atsɔ alé be na míaƒe tadeaguƒewo.

13. Aleke wòle be míabu míaƒe nudzɔdzɔwoe?

13 Yehowa subɔsubɔ ƒe akpa aɖee nye be míadzɔ nu atsɔ akpe asi ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu. Le Mose Ƒe Sea mea, wogblɔ na Israel-viwo be mele be wo dometɔ aɖeke nava Yehowa ŋkume asi gbɔlo o. (5 Mose 16:16) Esia fia be woana nu Yehowa le woƒe ŋutete nu. Ne wowɔe alea, woaɖee afia be yewokpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo katã Yehowa wɔ na yewo la ŋu. Nu kae míawo hã míate ŋu awɔ atsɔ aɖee afia be míelɔ̃ Yehowa eye míedaa akpe ɖe nu nyui siwo katã wòwɔ na mí la ta? Míate ŋu adzɔ ga atsɔ akpe asi ɖe hamea ƒe dɔwo kple xexea me katã ƒe dɔa ŋu le míaƒe ŋutete nu. Apostolo Paulo gblɔ be: “Ne didia nya li ko la, wokpɔa ŋudzedze ɖe eŋu le nu si le ame si la nu, menye le nu si mele ame si o la nu o.” (2 Kor. 8:4, 12) Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe nudzɔdzɔwo ŋu, ne wole sue gɔ̃ hã.—Marko 12:42-44; 2 Kor. 9:7.

14. Le Lododowo 19:17 ƒe nya nua, aleke Yehowa bua kpekpeɖeŋu siwo míenana mía nɔvi siwo hiã tu lae?

14 Yehowa subɔsubɔ ƒe akpa aɖee nye be míakpe ɖe haxɔsetɔ siwo hiã tu la ŋu. Yehowa do ŋugbe na Israel-vi siwo naa nu ame dahewo faa la be yeaɖo eteƒe na wo. (5 Mose 15:7, 10) Ɛ̃, ɣesiaɣi si míenyo dɔme na haxɔsetɔ aɖe si hiã tu la, Yehowa bunɛ be yee míewɔe na. (Xlẽ Lododowo 19:17.) Le kpɔɖeŋu me, esime Kristotɔ siwo nɔ Filipi ɖo nunanawo ɖe Paulo si nɔ gaxɔ me la, Paulo yɔ nunana mawo be wonye “vɔsa nyui, si dzea Mawu ŋu.” (Flp. 4:18) Eya ta, lé ŋku ɖe nɔvi siwo le miaƒe hamea mea ŋu nàkpɔe ɖa be ame aɖe li si ŋu yeate ŋu akpe ɖo hã. Ne míezã míaƒe ɣeyiɣi, míaƒe ŋusẽ, míaƒe ŋutete kple míaƒe nunɔamesiwo tsɔ kpe ɖe ame siwo hiã tu ŋua, edzea Yehowa ŋu. Ebua esia be enye míaƒe subɔsubɔa ƒe akpa aɖe.—Yak. 1:27.

NE MÍESUBƆ YEHOWA LE MƆ NYUITƆ NUA, MÍAKPƆ DZIDZƆ GEÐE

15. Togbɔ be ebia ɣeyiɣi kple kutrikuku be míasubɔ Yehowa ale si wòdi hã, nu ka tae menye agba o?

15 Ebia ɣeyiɣi kple kutrikuku be míate ŋu asubɔ Yehowa ale si wòdi. Ke hã, esia menye agba o. (1 Yoh. 5:3) Nu ka tae? Elabe esi míelɔ̃ Yehowa tae míele esubɔm ɖo. Tsɔe be ɖevi sue aɖe di be yeana nu fofoa, eya ta edzra ga si wonanae la ƒe ɖe ɖo be yeatsɔ aƒle nane na ye fofo. Mavee be yedzra ga ɖo ŋkeke geɖe tsɔ ƒle nua o, elabe elɔ̃ fofoa eye enye dzidzɔ nɛ be yeana nui. Nenema kee míawo hã míelɔ̃ Yehowa. Eya ta enye dzidzɔ na mí be míazã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ atsɔ asubɔe.

16. Le Hebritɔwo 6:10 ƒe nya nua, aleke Yehowa bua agbagba siwo míedzena be míadze eŋu lae?

16 Dzila lɔ̃amewo mekpɔa mɔ be yewo vi ɖe sia ɖe nana nu ɖeka tɔgbi yewo o. Elabe wonya be ɖevi ɖe sia ɖe to vovo eye woƒe ŋutetewo hã le vovovo. Nenema kee mía Fofo si le dziƒo la nya mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋutete. Ðewohĩ àte ŋu awɔ geɖe wu ame aɖewo siwo nènya. Alo ɖewohĩ màte ŋu awɔ geɖe abe ame bubuwo ene o, le tsitsi, lãmegbegblẽ, alo ƒomegbanɔamedziwo ta. Gake dzi megaɖe le ƒowò o. (Gal. 6:4) Yehowa maŋlɔ dɔwɔwɔwo be o. Zi ale si lɔlɔ̃e ʋã wò eye nèle wò ŋutete katã wɔm koa, Yehowa akpɔ dzidzɔ ɖe eŋu. (Xlẽ Hebritɔwo 6:10.) Enya nu siwo nàdi be yeawɔ hafi. Eye edi be nàkpɔ dzidzɔ ɖe nu siwo nète ŋu wɔna le esubɔsubɔ me la ŋu.

17. (a) Ne Yehowa subɔsubɔ ƒe akpa aɖe le sesẽm na wòa, nu kae nàte ŋu awɔ? (b) Aleke Yehowa subɔsubɔ ƒe akpa siwo dze le aɖaka si nye “ Nu Siwo Ana Nàkpɔ Dzidzɔ Geɖe” me la dometɔ aɖe ɖe vi na wòe?

17 Ðe Yehowa subɔsubɔ ƒe akpa aɖe, abe ɖokuisinusɔsrɔ̃ alo gbeadzidede ene, le sesẽm na wòa? Ne nenemae la, dze agbagba nànɔ ewɔm edziedzi. Esia ana wòava ma wò eye àkpɔ dzidzɔ le ewɔwɔ me. Míate ŋu atsɔ míaƒe subɔsubɔ asɔ kple ale si ame aɖe adze agbagba be yeade kame alo asrɔ̃ haƒonu aɖe ƒoƒo. Ne mewɔnɛ edziedzi oa, mabi ɖe eme o. Gake tsɔe be ewɔnɛ gbe sia gbe, ɖewohĩ gbãa miniti ʋɛ aɖewo ko wòwɔnɛ, gake emegbea, eva didi ɣeyiɣi si wòzãnaa ɖe edzi. Ne ekpɔe be yele ŋgɔ yim la, agalé fɔ ɖe eŋu geɖe wu. Nenema kee ne míewɔe alea le subɔsubɔa ƒe akpa si wɔwɔ sesẽna na mí mea, aɖe vi na mí.

18. Nu kae nye nu vevitɔ si wòle be míawɔ le agbe me, eye aleke wòaɖe vi na mí?

18 Nu vevitɔ si míate ŋu awɔ le agbe mee nye be míasubɔ Yehowa. Esia nana míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme, eye mɔkpɔkpɔ sua mía si be míava subɔ Yehowa tegbee. (Lod. 10:22) Míenya be Yehowa kpena ɖe esubɔlawo ŋu ne wole nɔnɔme sesẽwo me tom, eye esia nana míeɖea dzi ɖi. (Yes. 41:9, 10) Eya ta, mina míakpɔ dzidzɔ le mía Fofo lɔ̃ame la subɔsubɔ me, elabe ‘eyae dze be nuwɔwɔwo katã natsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu na!’—Nyaɖ. 4:11.

HADZIDZI 24 Miva Yehowa Ƒe To La Dzi

^ mm. 5 Yehowae nye nuwo katã Wɔla, eya ta ele be míasubɔe. Ke hã, ne míewɔa eƒe sewo dzi ko hafi míaƒe subɔsubɔ adze eŋu. Le nyati sia mea, míadzro nu siwo míewɔna le Yehowa subɔsubɔ me la dometɔ enyi me. Azɔ hã nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míawɔ nu siawo geɖe wu kple ale si woana míakpɔ dzidzɔ ɖe edzi.