Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 14

Hamemetsitsiwo, Miyi Edzi Miasrɔ̃ Apostolo Paulo

Hamemetsitsiwo, Miyi Edzi Miasrɔ̃ Apostolo Paulo

“Mizu srɔ̃nyelawo.”—1 KOR. 11:1.

HADZIDZI 99 Nɔvi Akpeakpewo

NYA VEVIAWO *

1-2. Aleke apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu egbea?

 APOSTOLO Paulo lɔ̃ nɔviawo. Eya ta eku kutri vevie kpe ɖe wo ŋu. (Dɔw. 20:31) Esia wɔe be, nɔviawo hã lɔ̃ Paulo vevie. Gbe ɖeka esi Paulo gblɔ na hamemetsitsi siwo le Efeso be womagakpɔ ye azɔ oa, “wo katã wofa avi ŋutɔ.” (Dɔw. 20:37) Hamemetsitsi siwo li egbea hã lɔ̃ nɔviawo vevie eye wowɔa woƒe ŋutete katã kpena ɖe wo ŋu. (Flp. 2:16, 17) Ke hã ɣeaɖewoɣia, menɔa bɔbɔe na hamemetsitsiwo o. Nu kae ate ŋu akpe ɖe wo ŋu?

2 Hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Paulo. (1 Kor. 11:1) Amegbetɔ koe Paulo hã nye. Eya ta eya hã wɔ avu kple eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. (Rom. 7:18-20) Eto nɔnɔme sesẽ geɖe me, ke hã, mena nu siawo ɖe dzi le eƒo o. Eyi edzi kpɔ dzidzɔ. Ne hamemetsitsiwo srɔ̃ Paulo la, esia akpe ɖe wo ŋu woaɖu nu siwo wɔnɛ be menɔa bɔbɔe be woawɔ woƒe dɔwo o la dzi, eye woasubɔ Yehowa kple dzidzɔ. Na míakpɔ ale si woate ŋu awɔe ɖa.

3. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

3 Le nyati sia mea, míadzro nu ene aɖewo siwo wɔnɛ be menɔa bɔbɔe na hamemetsitsiwo be woawɔ woƒe dɔwo o la me; woawoe nye: (1) ale si woawɔ akpɔ ɣeyiɣi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa kple woƒe dɔ bubuwo ŋu, (2) ale si woakpɔ ɣeyiɣi ade dzi ƒo na nɔviawo, (3) ale si woawɔ aɖu woawo ŋutɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi, kple (4) ale si woawɔ anɔ te ɖe nɔviwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu. Le wo dometɔ ɖe sia ɖe gomea, míakpɔ nu si kpe ɖe Paulo ŋu kple ale si hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua.

ALE SI WOAWƆ AKPƆ ƔEYIƔI ÐE GBEƑÃÐEÐEDƆA KPLE DƆ BUBUWO ŊU

4. Nu ka tae menɔa bɔbɔe na hamemetsitsiwo be woaxɔ ŋgɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɣesiaɣi o?

4 Nu si tae esia menɔa bɔbɔe o. Dɔ geɖe le hamemetsitsiwo dzi le hamea me. Le kpɔɖeŋu me, tsɔ kpe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋua, wo dometɔ geɖe kpɔa kwasiɖa domedome kpekpea kple Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃a dzi. Woƒoa dutoƒonuƒowo hã, wonaa hehe subɔsubɔdɔwɔlawo eye edzɔa dzi na wo be yewoade dzi ƒo na nɔviawo. (1 Pet. 5:2) Hamemetsitsiawo dometɔ aɖewo wɔa xɔtudɔwo eye woléa be na Fiaɖuƒe Akpatawo kple habɔbɔa ƒe xɔ bubuwo. Ke hã, abe gbeƒãɖela bubuwo ene la, hamemetsitsiwo ƒe dɔ vevitɔe nye be woaɖe gbeƒã nya nyuia.—Mat. 28:19, 20.

5. Kpɔɖeŋu kae Paulo ɖo le gbeƒãɖeɖedɔa me?

5 Kpɔɖeŋu si Paulo ɖo. Nu si koŋ kpe ɖe Paulo ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me la dze le Filipitɔwo 1:10; egblɔ le afi ma be ‘míakpɔ nu siwo le vevie wu la adze sii.’ Paulo ŋutɔ wɔ ɖe nya mawo dzi, elabe ebu subɔsubɔdɔ si wode esi la be eyae nye nu vevitɔ le yeƒe agbe me. Eɖe gbeƒã “le dutoƒo kple tso aƒe me yi aƒe me.” (Dɔw. 20:20) Menye ɣeyiɣi aɖe ko alo ŋkeke ɖeka aɖe le kwasiɖaa me koe wòɖea gbeƒã o. Ewɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si asu esi la ŋu dɔ tsɔ ɖea gbeƒã. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka esi wònɔ nɔvi aɖewo lalam le Atene la, ezã mɔnukpɔkpɔa tsɔ ɖe gbeƒã na ame ŋkuta aɖewo eye nu nyui geɖewo do tso eme. (Dɔw. 17:16, 17, 34) Esi Paulo nɔ ‘game’ gɔ̃ hã, eɖe gbeƒã na ame siwo nɔ egbɔ.—Flp. 1:13, 14; Dɔw. 28:16-24.

6. Hehe kae Paulo na amewo?

6 Paulo wɔ eƒe ɣeyiɣiwo ŋu dɔ nyuie. Zi geɖea, ewɔa dɔ kple amewo le gbeƒãɖeɖedɔa me. Le kpɔɖeŋu me, le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ gbãtɔ mea, ewɔ dɔ kple Yohanes si wogayɔna be Marko, eye le evelia mea, ewɔ dɔ kple Timoteo. (Dɔw. 12:25; 16:1-4) Ðikeke mele eme o be Paulo wɔ ɣeyiɣi mawo ŋu dɔ tsɔ fia ŋutsu siawo ale si woawɔ ɖoɖo le hamea me, ale si woasrã nɔviawo kpɔ, kple nu si woawɔ be woƒe nufiafia naganyo ɖe edzi.—1 Kor. 4:17.

Srɔ̃ Paulo nànɔ klalo be yeaɖe gbeƒã (Kpɔ memama 7 lia) *

7. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo le Efesotɔwo 6:14, 15 dzi?

7 Nufiamea. Hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Paulo ne woɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me, eye wowɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si asu wo si la ŋu dɔ tsɔ ɖia ɖase na amewo. (Xlẽ Efesotɔwo 6:14, 15.) Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu aɖi ɖase na amewo ne wole asi me, alo dɔ me. Eye ne wole Fiaɖuƒe Akpata aɖe tum la, woate ŋu aɖi ɖase na ame siwo le nutoa me kple asitsala siwo va dzraa nu na wo. Abe Paulo enea, ele be hamemetsitsiwo nazɔ kple nɔviawo kpakple subɔsubɔdɔwɔlawo hã le gbeadzi, eye woate ŋu awɔ ɣeyiɣi ma ŋu dɔ atsɔ ana hehe wo.

8. Nu kae wòva hiãna ɣeaɖewoɣi be hamemetsitsi nawɔ?

8 Mele be hamemetsitsiwo nazã woƒe ɣeyiɣiwo katã ɖe hamea alo nutome suea ƒe dɔwo ŋu ale gbegbe be womakpɔ ɣeyiɣi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu o. Be woada asɔa, ahiã be ɣeaɖewoɣia woagbe dɔ aɖewo xɔxɔ. Eya ta ne wodo gbe ɖa eye wode ŋugble le dɔa ŋu, eye wode dzesii be dɔa awɔe be yewomakpɔ ɣeyiɣi ɖe nu siwo le vevie wu ŋu oa, woate ŋu agbe exɔxɔ. Nu vevi siawo dometɔ aɖewoe nye, ƒometadedeagu wɔwɔ kwasiɖa sia kwasiɖa, kple ale si woalé fɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu eye woafia wo viwo ale si woaɖe gbeƒã. Esesẽna na hamemetsitsi aɖewo be woagbe dɔdeasi aɖewo xɔxɔ. Gake ne wogbe exɔxɔa, woate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa se egɔme na yewo be esi yewodi be yewoawɔ dɔ siwo wode yewo si xoxo la nyuie tae.

ALE SI WOAWƆ AKPƆ ƔEYIƔI ADE DZI ƑO NA NƆVIAWO

9. Dɔ vevi kae le hamemetsitsiwo dzi?

9 Nu si tae esia menɔa bɔbɔe o. Yehowa ƒe amewo toa nɔnɔme sesẽ geɖe me. Le ŋkeke mamlɛ siawo mea, mí katã míehiã na dzideƒo, kpekpeɖeŋu kple akɔfafa. Ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã, ehiãna be woakpe ɖe ame aɖewo ŋu ne woaƒo asa na nuwɔna gbegblẽwo. (1 Tes. 5:14) Ele eme be hamemetsitsiwo mate ŋu aɖe kuxi siwo me tom Yehowa ƒe amewo le la ɖa keŋkeŋ o. Ke hã, Yehowa di be hamemetsitsiwo nawɔ nu sia nu si woate ŋui atsɔ ade dzi ƒo na yeƒe amewo eye woakpɔ wo ta. Aleke hamemetsitsi siawo siwo dzi dɔ geɖe le xoxoa awɔ akpɔ ɣeyiɣi ade dzi ƒo na nɔviawo?

Kafu nɔviawo nàde dzi ƒo na wo (Kpɔ memama 10, 12 lia) *

10. Le 1 Tesalonikatɔwo 2:7 ƒe nya nua, aleke Paulo lé be na Yehowa ƒe amewo?

10 Kpɔɖeŋu si Paulo ɖo. Paulo nɔ klalo ɣesiaɣi be yeakafu nɔviawo eye yeade dzi ƒo na wo. Hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Paulo awɔ nu ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu le lɔlɔ̃ me. (Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 2:7.) Paulo na nɔviawo nya be yelɔ̃ wo eye wòka ɖe edzi na wo be Yehowa hã lɔ̃ wo. (2 Kor. 2:4; Ef. 2:4, 5) Edze xɔlɔ̃ nɔviawo eye wòzãa ɣeyiɣi tsɔ ɖoa dze kpli wo. Eka ɖe nɔviawo dzi, eya ta elɔ̃ faa ƒo nu tso nu siwo wòvɔ̃na na kple eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu na wo. (2 Kor. 7:5; 1 Tim. 1:15) Ke hã, Paulo metsɔ eƒe susu katã ɖo eƒe kuxiwo ŋu o, ke boŋ edi vevie be yeakpe ɖe nɔviawo ŋu.

11. Nu ka tae Paulo ɖo aɖaŋu na nɔviawo?

11 Eva hiãna ɣeaɖewoɣi be Paulo naɖo aɖaŋu na nɔviawo. Gake mewɔa esia le dziku me gbeɖe o. Esi wòlɔ̃ nɔviawo eye wòdi vevie be yeakpɔ wo ta tso afɔku me tae wòɖoa aɖaŋu na wo. Edze agbagba be yeƒe aɖaŋuɖoɖoa gɔme nanya se bɔbɔe na nɔviawo eye edi vevie be woawɔ ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, le lɛta aɖe si wòŋlɔ na Korinto nɔviawo mea, egbe nya na wo vevie. Esi Paulo di vevie be yeanya ale si nɔviawo wɔ nu esi woxɔ yeƒe lɛtaa ta la, edɔ Tito ɖe wo gbɔ. Esi wòva nya be wowɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzia, ekpɔ dzidzɔ ale gbegbe!—2 Kor. 7:6, 7.

12. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu ado ŋusẽ nɔviwo ƒe xɔse?

12 Nufiamea. Hamemetsitsiwo srɔ̃a Paulo ne wodia ɣeyiɣi ɖoa dze kple nɔviawo. Woate ŋu awɔ esia ne woyi hame ƒe kpekpe kaba be woate ŋu aɖo dze kple nɔviawo ade dzi ƒo na wo. Zi geɖea, dzideƒonya siwo míagblɔ le ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo ko me la tututue nɔviawo hiã. (Rom. 1:12; Ef. 5:16) Hamemetsitsiwo srɔ̃a Paulo ne wozãa Mawu ƒe Nyaa tsɔ doa ŋusẽ nɔviawo ƒe xɔse eye wokana ɖe edzi na wo be Yehowa lɔ̃ wo. Azɔ hã, ele be woaɖee afia nɔviawo be yewolɔ̃ wo, woaɖo dze kpli wo edziedzi, eye woakafu wo ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta. Ne ehiã be woaɖo aɖaŋua, wotua woƒe aɖaŋuɖoɖoa ɖe Biblia dzi. Woyia nyaa gbɔ tẽe, ke hã, wowɔa esia le lɔlɔ̃ me elabe wodi be nɔvia nawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi.—Gal. 6:1.

ALE SI WOAWƆ AÐU WOAWO ŊUTƆWO ƑE GBƆDZƆGBƆDZƆWO DZI

13. Aleke hamemetsitsi aɖewo sena le wo ɖokui me tso woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu?

13 Nu si tae esia menɔa bɔbɔe o. Hamemetsitsiwo mede blibo o. Woawo hã wowɔa vodada abe mía dometɔ ɖe sia ɖe ene. (Rom. 3:23) Eya ta ɣeaɖewoɣia, menɔa bɔbɔe na wo be woanɔ te ɖe woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu o. Ðewohĩ wo dometɔ aɖewo tsia dzi ɖe woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu ale gbegbe be dzi ɖena le wo ƒo. Eye ɖewohĩ bubuwo hã ŋea aɖaba ƒua woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi, eye wosusuna be mehiã be yewoawɔ tɔtrɔwo o.

14. Le Filipitɔwo 4:13 ƒe nya nua, aleke Paulo ƒe ɖokuibɔbɔ kpe ɖe eŋu wòte ŋu nɔ te ɖe eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu?

14 Kpɔɖeŋu si Paulo ɖo. Esi Paulo bɔbɔ eɖokui taa, elɔ̃ ɖe edzi be yemate ŋu aɖu yeƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi le ye ɖokui si o. Ahiã na Mawu ƒe kpekpeɖeŋu be wòate ŋu awɔ esia. Hafi Paulo nava zu Kristotɔ la, eti Kristotɔwo yome vevie. Gake emegbea, eva de dzesii be vodada gã aɖee wònye yewɔ, eya ta elɔ̃ trɔ eƒe nuwɔna. (1 Tim. 1:12-16) Yehowa kpe ɖe Paulo ŋu wòbɔbɔ eɖokui va zu hamemetsitsi lɔ̃ame, si sea veve ɖe ame nu. Paulo nya be gbɔdzɔgbɔdzɔ geɖe le ye ŋu; ke hã mena eƒe susu katã ku ɖe wo ŋu o. Le ema teƒea, eka ɖe edzi be Yehowa atsɔ wo ake ye. (Rom. 7:21-25) Mekpɔa mɔ be yeawɔ nu abe ame deblibo ene o. Ke boŋ eku kutri vevie be yeawɔ tɔtrɔ siwo hiã eye wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe ye ŋu yeawɔ eƒe dɔa.—1 Kor. 9:27; xlẽ Filipitɔwo 4:13.

Dze agbagba nàɖu wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi (Kpɔ memama 14-15 lia) *

15. Nu kae akpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu be woanɔ te ɖe woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu?

15 Nufiamea. Menye esi hamemetsitsiwo de blibo tae woɖo wo agbanɔamedzinɔƒewo o. Ke hã, Yehowa kpɔa mɔ be ne woda voa, woalɔ̃ ɖe edzi eye woatrɔ asi le woƒe amenyenye ŋu wòaganyo ɖe edzi. (Ef. 4:23, 24) Ele be hamemetsitsiwo natsɔ Biblia adzro wo ɖokui me eye woawɔ tɔtrɔ siwo hiã. Ne wowɔe alea, Yehowa akpe ɖe wo ŋu woanye hamemetsitsi nyuiwo eye woakpɔ dzidzɔ.—Yak. 1:25.

ALE SI WOAWƆ ANƆ TE ÐE NƆVIWO ƑE GBƆDZƆGBƆDZƆWO NU

16. Ne hamemetsitsi tsɔ susu ɖo nɔviwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu la, nu kae ate ŋu adzɔ?

16 Nu si tae esia menɔa bɔbɔe o. Esi hamemetsitsiwo wɔa dɔ kplikplikpli kple nɔvi siwo le hamea me taa, ele bɔbɔe be woade dzesi nɔviawo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Ne hamemetsitsiwo mekpɔ nyuie oa, nɔviwo ƒe nuwɔna ate ŋu ana woado dziku, anɔ nya hem ɖe wo ŋu alo anɔ vodada dim le wo ŋu. Do ŋgɔa, Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo katã be Satana adi be nu ma tɔgbi nadzɔ.—2 Kor. 2:10, 11.

17. Aleke Paulo bu nɔviawoe?

17 Kpɔɖeŋu si Paulo ɖo. Susu nyui nɔ Paulo si ɖe nɔviawo ŋu. Enya woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nyuie, elabe ɣeaɖewoɣia, wodaa vo ɖe eya ŋutɔ ŋu. Ke hã, enya be ne ame aɖe da voa, mefia be enye ame vɔ̃ɖi o. Elɔ̃ nɔviawo eye wòtsɔ susu ɖo woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Ne ede dzesii be ele sesẽm na nɔvi aɖe be wòawɔ nu si sɔ la, ekpɔnɛ be nɔvia le etɔ sinu wɔm; ɖeko wòhiã kpekpeɖeŋu be wòawɔ nu si sɔ.

18. Nu kae nèsrɔ̃ tso ale si Paulo wɔ nu ɖe Ewodia kple Sintike ŋu la me? (Filipitɔwo 4:1-3)

18 Bu ale si Paulo wɔ nu ɖe nɔvinyɔnu eve aɖewo siwo nɔ Filipi hamea me ŋu kpɔ. (Xlẽ Filipitɔwo 4:1-3.) Ewodia kple Sintike ɖe mɔ masɔmasɔ aɖe he mama de wo dome. Paulo mehe nya ɖe wo ŋu o; ke boŋ etsɔ eƒe susu ɖo woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Enyae be nɔvinyɔnu siawo subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ɣeyiɣi didi aɖe, eye Yehowa lɔ̃ wo. Esi susu nyui nɔ Paulo si ɖe nɔvinyɔnu siawo ŋu taa, ede dzi ƒo na wo be woakpɔ masɔmasɔa gbɔ. Susu nyui si nɔ Paulo si ɖe nɔviawo ŋu wɔe be ekpɔ dzidzɔ eye eya kple nɔviawo dome nɔ nyuie.

Gbɔ dzi ɖi na nɔviawo, mègahe nya ɖe wo ŋu o (Kpɔ memama 19 lia) *

19. (a) Nu kae akpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu be susu nyui nanɔ wo si ɖe nɔviawo ŋu? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso hamemetsitsi si le nɔnɔmetataa me si le Fiaɖuƒe Akpataa me dzram ɖo la gbɔ?

19 Nufiamea. Hamemetsitsiwo, miaƒe susu nenɔ nɔnɔme nyui siwo le nɔviawo si la ŋu. Womede blibo o; ke hã nɔnɔme nyuiwo le wo dometɔ ɖe sia ɖe si. (Flp. 2:3) Ele eme be eva hiãna ɣeaɖewoɣi be hamemetsitsiwo naɖɔ nɔvi aɖe ɖo. Gake abe Paulo enea, hamemetsitsiwo metsɔa susu ɖoa nɔviawo ƒe nɔnɔme manyomanyowo ɖeɖe ko ŋu o. Ke boŋ wodzea agbagba be yewoatsɔ susu aɖo ale si nɔvia lɔ̃ Yehowa eye wòle esubɔm nuteƒewɔwɔtɔea ŋu. Enɔa susu me na wo hã be ŋutete le nɔvia si be wòawɔ nu si sɔ. Ne wowɔe alea, ewɔnɛ be lɔlɔ̃ nɔa hamea me.

MIYI EDZI MIASRƆ̃ PAULO

20. Nu bubu kae akpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu woasrɔ̃ Paulo?

20 Hamemetsitsiwo, miakpɔe be ne mieyi edzi srɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua, aɖe vi geɖe na mi. Miagate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Paulo gbɔ ne mieyi Watch Tower Publications Index, le tanya si nye “Paul,” kple tanya sue si nye “example for elders” alo (exemple pour les anciens) te. Ne èle nyati siwo le tanya sue ma te xlẽma, bia ɖokuiwò be, ‘Aleke Paulo ƒe kpɔɖeŋua akpe ɖe ŋunye mayi edzi akpɔ dzidzɔ esime mele hamemetsitsi ƒe dɔa wɔm?’

21. Nu ka dzie hamemetsitsiwo ate ŋu aka ɖo?

21 Hamemetsitsiwo, miɖo ŋku edzi be Yehowa mele biabiam be miade blibo o; ke boŋ be miawɔ nuteƒe. (1 Kor. 4:2) Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe dɔ sesẽ siwo Paulo wɔ kple ale si wòwɔ nuteƒe nɛ la ŋu. Miawo hã miate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ agbagba siwo dzem miele be yewoasubɔe la ŋu. Maŋlɔ “miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta, esi miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm la be o.”—Heb. 6:10.

HADZIDZI 87 Miva, Ne Miakpɔ Gbɔdzɔe

^ mm. 5 Míekpɔa ŋudzedze ɖe dɔ vevi siwo hamemetsitsiwo wɔna tsɔ kpena ɖe mía ŋu la ŋu ale gbegbe! Le nyati sia mea, míakpɔ nu ene aɖewo siwo wɔnɛ be menɔa bɔbɔe na hamemetsitsiwo ɣeaɖewoɣi be woawɔ woƒe dɔwo o. Azɔ hã, míakpɔ ale si apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe wo ŋu le go mawo me. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu hã be míase veve ɖe hamemetsitsiwo nu, míalɔ̃ wo eye míakpe asi ɖe wo ŋu.

^ mm. 61 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔviŋutsu aɖe si kpã le dɔmea le gbeƒã ɖem na eƒe dɔwɔhati aɖe.

^ mm. 63 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Hamemetsitsi aɖe le dze ɖom kple nɔviŋutsu aɖe si lɔ̃a eɖokui ɖeɖe ɖe aga la vividoɖeameŋutɔe.

^ mm. 65 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔviŋutsu aɖe le aɖaŋu ɖom na nɔviŋutsu bubu aɖe si nane ve dɔme na.

^ mm. 67 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Esi nɔviŋutsu aɖe ɖe asi le dɔ si wòle be wòawɔ ŋu le nu bubu wɔm la, hamemetsitsi si le afi ma mehe nya ɖe eŋu o.