Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Míawɔ Anɔ Te Ðe Dzimaɖitsitsi Nu

Ale Si Míawɔ Anɔ Te Ðe Dzimaɖitsitsi Nu

DZIMAÐITSITSI ate ŋu anɔ abe agba kpekpe aɖe si míetsɔ ene. (Lod. 12:25) Ðe nane dzɔ le wò agbe me kpɔ, si na nètsi dzimaɖi veviea? Ðe nèse le ɖokuiwò me kpɔ be nuwo wu tsɔtsɔ na yea? Ne nenemae la, ke nyae be menye wò ɖekae o. Mía dometɔ geɖe le be lém na dɔnɔ alo dzila tsitsi aɖe, ame vevi aɖe ku na mí, dzɔdzɔmefɔku aɖe dzɔ le míaƒe nutoa me, alo míele kuxi bubu aɖewo me tom, si na nu te mía ŋu le ŋutilã me, seselelãme kple susu me. Gake nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nɔnɔme siawo nu? *

Míate ŋu asrɔ̃ ale si míawɔ anɔ te ɖe dzimaɖitsitsi nu tso Fia David gbɔ. Eto nɔnɔme sesẽ geɖewo me le agbe me, eye wòdze ŋgɔ ku gɔ̃ hã ɣeaɖewoɣi. (1 Sam. 17:34, 35; 18:10, 11) Nu kae kpe ɖe David ŋu wòte ŋu nɔ te ɖe dzimaɖitsitsi nu? Aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu?

ALE SI DAVID TE ŊU NƆ TE ÐE DZIMAÐITSITSI NU

Xaxa vovovowo va David dzi le ɣeyiɣi ɖeka me. Le kpɔɖeŋu me, bu nu si dzɔ esime wònɔ sisim le Fia Saul si di be yeawui nu ŋu kpɔ. Gbe ɖeka esi David kple eŋumewo trɔ tso aʋagbedzi gbɔa, wova kpɔe be adzoha aɖe va lɔ yewoƒe nuwo katã, tɔ dzo yewoƒe aƒe, eye wokplɔ yewo srɔ̃wo kple yewo viwo dzoe. Nu kae David wɔ? Biblia gblɔ be: “David kple ame siwo le eŋu la fa avi kple ɣli, va se ɖe esime avia meganya le fafam na wo o.” Nu si gagblẽ nyaa ɖe edzi na David ye nye be, exɔlɔ̃awo “gblɔ be yewoaƒu kpee.” (1 Sam. 30:1-6) Kuxi etɔ̃ sɔŋ ye nye ema David dze ŋgɔe le ɣeyiɣi ma ke me: Wokplɔ eƒe ƒomea dzoe, ele vɔvɔ̃m be ye xɔlɔ̃wo awu ye, eye Fia Saul hã nɔ eƒe agbe dim be yeaɖe ɖa. Bu ale si gbegbe David atsi dzimaɖii ŋu kpɔ!

Nu kae David awɔ fifia? Enumake David “tsɔ Yehowa eƒe Mawu la do ŋusẽ eɖokui.” Aleke wòwɔ esiae? Le nɔnɔme ɖe sia ɖe mea, edoa gbe ɖa na Yehowa biaa eƒe kpekpeɖeŋu, edea ŋugble le ale si wòkpe ɖe eŋu va yia ŋu, eye esia tututue wògawɔ fifia hã. (1 Sam. 17:37; Ps. 18:2, 6) David kpɔe be, ehiã be yeadi Yehowa ƒe mɔfiame, eya ta ebia Yehowa nu si yeawɔ tso nɔnɔmea ŋu. Esi David xɔ mɔfiame tso Yehowa gbɔ vɔa, ewɔ ɖe edzi enumake. Esia wɔe be Yehowa kpe ɖe wo ŋu wote ŋu yi va gbugbɔ xɔ woƒe nunɔamesiwo, wo srɔ̃wo kple wo viwo. (1 Sam. 30:7-9, 18, 19) Ède dzesi afɔ vevi etɔ̃ siwo David ɖea? Woawoe nye be edo gbe ɖa bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu, ede ŋugble le ale si Yehowa kpe ɖe eŋu va yia ŋu, eye wòwɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi enumake. Aleke míawo hã míate ŋu asrɔ̃ David? Na míade ŋugble le mɔ etɔ̃ aɖewo ŋu kpɔ.

SRƆ̃ DAVID NE ÈTSI DZIMAÐI

1. Do gbe ɖa. Ɣesiaɣi si wòwɔ na mí be míele dzimaɖi tsima, míate ŋu atrɔ ɖe Yehowa ŋu enumake abia be wòakpe ɖe mía ŋu afia mɔ mí. Míate ŋu ado gbe ɖa nɛ ɣeyiɣi didi agblɔ míaƒe dzimenyawo katã nɛ, eye esia aɖe míaƒe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ. Alo míate ŋu ado gbe ɖa kpuie le susu me ne emae míate ŋu awɔ le ɣeyiɣi ma me. Ɣesiaɣi si míetrɔ ɖe Yehowa ŋu bia eƒe kpekpeɖeŋua, efia be míaƒe susu sɔ kple David tɔ, esi wògblɔ be: “Yehowae nye nye agakpe, nye mɔ́ sesẽ, kple nye Xɔnametɔ. Nye Mawue nye nye agakpe, eyae mesi tso.” (Ps. 18:2) Ke ɖe gbedodoɖa ɖea vi ŋutɔŋutɔa? Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Kahlia gblɔ be: “Ne medo gbe ɖa vɔa, nye dzi dzea eme. Gbedodoɖa kpena ɖe ŋunye be nye susu sɔna kple Yehowa ƒe susu, eye wònana megakana ɖe eya amea dzi geɖe wu.” Nyateƒee, gbedodoɖa nye nunana wɔnuku aɖe tso Yehowa gbɔ, si kpena ɖe mía ŋu míenɔa te ɖe dzimaɖitsitsi nu.

2. De ŋugble. Ne ètrɔ kpɔ megbea, ɖe nèkpɔe be Yehowa kpe ɖe ye ŋu le nɔnɔme sesẽ aɖewo me be yete ŋu do dzi va yia? Ne míedea ŋugble le ale si Yehowa kpe ɖe mía ŋu kple ale si wòkpe ɖe esubɔlawo ŋu va yi ŋua, esia doa ŋusẽ mí, eye wònana míegakana ɖe eya amea dzi geɖe wu. (Ps. 18:17-19) Hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Joshua gblɔ be: “Meŋlɔ gbedodoɖa siwo ŋu Yehowa ɖo nam la ɖi, eye esia kpena ɖe ŋunye meɖoa ŋku ɣeyiɣi siwo me mebia nanewo Yehowa, eye wònam nu siwo tututu mebiae la dzi.” Ne míedea ŋugble tso nu siwo Yehowa wɔ na mí va yi ŋua, esia doa ŋusẽ mí míetea ŋu nɔa te ɖe dzimaɖitsitsi nu.

3. Wɔ ɖe mɔfiamea dzi. Hafi míatso nya me le nya aɖe ŋua, anyo be míatrɔ ɖe Mawu ƒe Nyaa ŋu, elabe eyae afia mɔ nyuitɔ mí. (Ps. 19:7, 11) Ame geɖe kpɔe be ne yewoku nu me tso mawunyakpukpui aɖe ŋua, ekpena ɖe yewo ŋu yewogasea egɔme ɖe edzi, eye yewokpɔa mɔ siwo dzi yewoato awɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi le agbe me. Hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Jarrod gblɔ be: “Ne meku nu me tso mawunyakpukpui aɖewo ŋua, ekpena ɖe ŋunye mesea nya bliboa katã gɔme, eye mekpɔa nu si gblɔm Yehowa le nam. Esia nana nyaawo tsia dzi me nam, ale be mate ŋu awɔ ɖe wo dzi.” Eya ta ne míedia Yehowa ƒe mɔfiame le Ŋɔŋlɔawo me, eye míewɔna ɖe edzia, enana wònɔa bɔbɔe na mí be míanɔ te ɖe dzimaɖitsitsiwo nu.

YEHOWA AKPE ÐE ŊUWÒ

David kpɔe be Yehowa koe ate ŋu akpe ɖe ye ŋu yeanɔ te ɖe yeƒe dzimaɖitsitsiwo nu. Ekpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si Yehowa nae ŋu ale gbegbe be wògblɔ be: “Le Mawu ƒe ŋusẽ me la, mate ŋu aflɔ gli. Mawu vavã lae doa ŋusẽm.” (Ps. 18:29, 32) Ate ŋu awɔ na míawo hã be míaƒe xaxawo le abe gli kɔkɔ aɖe ene, gake Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaflɔ gli kɔkɔ ɖe sia ɖe! Eya ta ne míedoa gbe ɖa biaa Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu, míedea ŋugble le nu siwo wòwɔ na mí va yi ŋu, eye míewɔna ɖe eƒe mɔfiamewo dzia, míate ŋu aka ɖe edzi be, ado ŋusẽ mí, eye wòafia mɔ nyuitɔ si dzi míato anɔ te ɖe míaƒe dzimaɖitsitsiwo nua mí!

^ mm. 2 Anyo be ame si dzimaɖitsitsi le fu ɖem na vevie nayi kɔ dzi.