Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 17

Vidadawo—Misrɔ̃ Eunike Ƒe Kpɔɖeŋu

Vidadawo—Misrɔ̃ Eunike Ƒe Kpɔɖeŋu

“Mègagbe dawò ƒe nufiame o. .  . . Seƒoƒotsihe dzeani wònye na wò ta kple kɔgɛ nyui na wò kɔ.”—LOD. 1:8, 9.

HADZIDZI 137 Nyɔnu Nuteƒewɔlawo, Nɔvinyɔnu Kristotɔwo

NYA VEVIAWO *

Timoteo nɔ Eunike, kple mamaa Lois, kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esime Timoteo xɔ nyɔnyrɔ va zu Kristotɔ (Kpɔ memama 1)

1-2. (a) Ame kae nye Eunike, eye kuxi kawoe wòdo goe esime wònɔ hehe nam via be wòava nye Yesu ƒe nusrɔ̃la? (b) Ƒo nu tso nɔnɔmetata si le akpaa dzi ŋu.

 TOGBƆ be Biblia meƒo nu tso Timoteo ƒe nyɔnyrɔxɔgbe ŋu o hã, míate ŋu akpɔ ale si nɔa Eunike anya kpɔ dzidzɔ gbe ma gbe ɖaa le susu me. (Lod. 23:25) Dzi anya dzɔe esi via Timoteo ge ɖe tsia me. Ðewohĩ Timoteo mama Lois tɔ ɖe nɔa gbɔ, eye wo ame evea wolé wo nɔewo. Ðewohĩ esi wonyrɔ Timoteo ɖe tsia mea, nɔa Eunike anya gbɔ fũu. Eye esi Timoteo fɔ tso tsia me, eye wòle alɔgbɔnu koma, nɔa fa dzidzɔvi. Togbɔ be menɔ bɔbɔe o hã, Eunike te ŋu fia nu via Timoteo wòva lɔ̃ Yehowa kple Via, Yesu Kristo. Kuxi kawoe wòdo goe esime wònɔ via hem?

2 Timoteo dzilawo nɔ subɔsubɔha vovovo me. Tɔa nye Helatɔ, eye nɔa kple mamaa nye Yudatɔwo. (Dɔw. 16:1) Anɔ eme be Timoteo nye sɔhɛ esime nɔa Eunike kple mamaa Lois va zu Kristotɔwo. Gake fofoa ya meva zu Kristotɔ o. Fifia Timoteo tsi atso nya me na eɖokui. Subɔsubɔha ka mee wòanɔ fifia? Ðe wòadze tɔa yomea? Ðe wòayi edzi anɔ Yuda subɔsubɔha si wònya tso eƒe ɖevime la mea, alo ɖe wòatiae be yeava nye Yesu ƒe nusrɔ̃laa?

3. Le Lododowo 1:8, 9 ƒe nya nua, aleke Yehowa bua agbagba siwo vidadawo dzena be yewoakpe ɖe yewo viwo ŋu be woava lɔ̃ ye?

3 Vidada Kristotɔ siwo li egbea hã lɔ̃ woƒe ƒomea. Wodi vevie be yewoakpe ɖe yewo viwo ŋu woava nye Yehowa xɔlɔ̃wo, eye Yehowa dea asixɔxɔ gã vidada siawo ƒe agbagbadzedzewo ŋu. (Xlẽ Lododowo 1:8, 9.) Yehowa kpe ɖe vidada geɖe ŋu wokpe ɖe wo viwo ŋu wova lɔ̃e eye wole esubɔm.

4. Kuxi kawoe vidada aɖewo doa goe egbea?

4 Anɔ wɔwɔm na vidada geɖe be ɖe yewo viwo atsi ava subɔ Yehowa abe ale si Timoteo wɔe ene hãa. Eye megblẽ be woase le wo ɖokui me nenema o, elabe wonya nu si gbegbe me ɖeviwo tona le Satana ƒe xexe sia me. (1 Pet. 5:8) Azɔ hã, vidada geɖewo srɔ̃ meli o, alo ne eli hã, menye Yehowa subɔla o. Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Christine * gblɔ be: “Srɔ̃nye nye vifofo nyui, ke hã, medi kura be mahe ɖeviawo woava nye Yehowa Ðasefowo o. Mefaa avi zi geɖe, eye mebiaa ɖokuinye be aleke vinyewo awɔ ava subɔ Yehowa.”

5. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

5 Ne vidada Kristotɔe nènyea, wò hã àte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu woalɔ̃ Yehowa ava subɔe, abe ale si Eunike wɔe ene. Le nyati sia mea, míakpɔ ale si nàte ŋu asrɔ̃ Eunike ƒe kpɔɖeŋu, kple ale si nàte ŋu ato nya siwo nègblɔna kple nu siwo nèwɔna dzi ahe viwò.

FIA NU VIWÒWO TO NYA SIWO NÈGBLƆNA ME

6. Abe ale si wòdze le 2 Timoteo 3:14, 15 enea, aleke Timoteo wɔ va zu Kristotɔ?

6 Esime Timoteo nye ɖevi dzaa la, nɔa wɔ etɔ sinu fia Hebri Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawoe. Ɣemaɣia, nɔa menya naneke tso Yesu Kristo ŋu o. Ke hã, nu siwo wòfia Timoteo tso Ŋɔŋlɔawo me la ate ŋu ana wòava zu Kristotɔ. Gake tiatia mae Timoteo awɔa? Elabe fifia, esi wòva zu ɖekakpuia, nyametsotsoa le egbɔ be wòatiae nenye be wòava nye Kristotɔ. Ðikeke mele eme o be, nɔa ƒe agbagbadzedzewo hã wɔe be Timoteo va ‘kpɔ kakaɖedzi’ le nu siwo wòva srɔ̃ tso Yesu ŋua ŋu. (Xlẽ 2 Timoteo 3:14, 15.) Dzi anya dzɔ Eunike ŋutɔ be yete ŋu ɖu kuxi ɖe sia ɖe dzi, eye yehe ye via wòva le Yehowa subɔm! Eunike gɔmee nye “ɖu kuxi dzi,” eye ŋkɔa ɖi eŋu hã.

7. Aleke Eunike kpe ɖe via ŋu esi wòxɔ nyɔnyrɔ vɔ megbe?

7 Togbɔ be afɔ vevi aɖee wònye Timoteo ɖe esime wòxɔ nyɔnyrɔ hãa, nɔa Eunike gakpɔtɔ tsi dzi ɖe eŋu. Aleke via azã eƒe agbee? Ðe wòava dze xɔlɔ̃ ame siwo akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe edzia? Ðe wòava de suku le Atene, eye wòava xɔ trɔ̃subɔla xexemenunyala siwo le afi ma ƒe nufiafiawo dzi asea? Ðe wòava zã eƒe ɣeyiɣi katã, eƒe ŋusẽ, kple eƒe ŋutete be yeadi ga ava nye kesinɔtɔa? Eunike mate ŋu atso nya me na Timoteo ya o, ke hã, ate ŋu akpe ɖe eŋu wòatso nya me nyuie. Aleke Eunike awɔe? Ate ŋu ayi edzi akpe ɖe via ŋu wòalɔ̃ Yehowa, eye wòakpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yehowa kple Yesu wɔ na woƒe ƒomea ŋu. Ne dzila evea siaa nye Yehowa subɔlawo gɔ̃ hãa, menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be woakpe ɖe wo viwo ŋu woava nye Yehowa subɔla wɔnuteƒewo o. Nu kae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso Eunike gbɔ?

8. Aleke vidada ate ŋu akpe asi ɖe srɔ̃a ŋu woafia nu wo viwo tso Yehowa ŋu?

8 Misrɔ̃ Biblia kple mia viwo. Nɔvinyɔnuwo, ne mia srɔ̃ le nyateƒea mea, Yehowa di be miakpe asi ɖe eŋu be miahe mia viwo woava subɔ Yehowa. Àte ŋu awɔ esia ne èkpe asi ɖe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe ƒometadedeagua ŋu. Ƒo nu nyui tso ƒometadedeagua ŋu, eye le nua srɔ̃ɣia, wɔ nu siwo nàte ŋui be ame sia ame naɖe dzi ɖi, eye wòakpɔ dzidzɔ. Ðewohĩ àte ŋu akpe asi ɖe srɔ̃wò ŋu miatrɔ asi le nane si miawɔ le ƒometadedeagua me ŋu. Azɔ hã, ne ɖeviawo dometɔ aɖewo tsi ɖo afi si miate ŋu asrɔ̃ Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa kpli woa, àte ŋu akpe asi ɖe srɔ̃wò ŋu be nusɔsrɔ̃a natsɔ afɔ.

9. Nu kae ate ŋu akpe ɖe vidada si srɔ̃ menye Yehowa subɔla o ŋu?

9 Eva hiã be vidada aɖewo nasrɔ̃ nu kple wo viwo le esi wonye dzilaɖekɛ alo wo srɔ̃ menye Yehowa subɔla o ta. Ne alea wòle le gowòmea, mègatsi dzi fũu akpa o. Yehowa akpe ɖe ŋuwò. Zã dɔwɔnu nyui siwo wòto eƒe habɔbɔa dzi na mí nàtsɔ afia nu viwòwo. Àte ŋu aɖo dze kple dzila siwo bi ɖe dɔwɔnu siawo zazã me, be woakpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàzãe atsɔ awɔ ƒometadedeagu. * (Lod. 11:14) Azɔ hã, Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàɖo dze kple viwòwo. Biae be wòakpe ɖe ŋuwò nànya nya siwo nàbia wo, ale be nànya nu si tututu le woƒe dzi kple susu me. (Lod. 20:5) Le kpɔɖeŋu me, nyabiase abe, ‘Nu kae ɖea fu na wò le suku?’ ene ate ŋu ana wò kple viwò miaɖo dze.

10. Nu bubu kae nàgate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe viwòwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu?

10 Wɔ mɔnukpɔkpɔ vovovowo ŋu dɔ nàtsɔ afia nu viwòwo tso Yehowa ŋu. Ƒo nu tso Yehowa kple nu nyui geɖe siwo wòwɔ na wòa ŋu na wo. (5 Mose 6:6, 7; Yes. 63:7) Esia le vevie ŋutɔ ne manya wɔ be nàsrɔ̃ nu kple viwòwo edziedzi le aƒe me o. Christine, si ŋu míeƒo nu tsoe va yia, gblɔ be: “Esi manya wɔ be masrɔ̃ nu kple vinyewo edziedzi le aƒe me o taa, mewɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si su asinyea ŋu dɔ tsɔ fiaa nu ɖeviawo tso Yehowa ŋu. Mekplɔa wo ɖia tsa, alo míeɖoa akro yia teƒeteƒewo, eye míeɖoa dze tso nu wɔnuku siwo Yehowa wɔa ŋu. Azɔ hã, megblɔa nu bubu siwo akpe ɖe wo ŋu woava nye Yehowa xɔlɔ̃wo na wo. Esi wotsi viea, mede dzi ƒo na wo be woasrɔ̃ Biblia le wo ɖokui si.” Nu bubu si nàgate ŋu awɔe nye be, nàƒo nu nyui tso Yehowa ƒe habɔbɔa kple nɔviawo ŋu le ɖeviawo gbɔ. Mègaƒo nu gbegblẽ tso hamemetsitsiawo ŋu o, elabe nya siwo nègblɔna le ɖeviawo gbɔ awɔe be woate ɖe hamemetsitsiawo ŋu ne wohiã kpekpeɖeŋu loo alo womate ɖe wo ŋu o.

11. Le Yakobo 3:18 ƒe nya nua, nu ka tae wòle vevie be míana ŋutifafa nanɔ aƒea me?

11 Na ŋutifafa nanɔ aƒea me. Gblɔ na srɔ̃wò kple viwòwo edziedzi be yelɔ̃ wo. Ƒo nu nyui tso srɔ̃wò ŋu, de bubu eŋu, eye nàfia viwòwo hã be woawɔe nenema. Ne èwɔe alea, tomefafa anɔ aƒea me, eye wòanɔ bɔbɔe na ɖeviawo be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. (Xlẽ Yakobo 3:18.) Bu Jozsef, si nye mɔɖela vevi le Romania ŋu kpɔ. Esi wònɔ tsitsima, tɔa ƒe nuwɔna wɔe be, menɔ bɔbɔe na eya, nɔa, kple nɔviawo be woasubɔ Yehowa o. Egblɔ be: “Nɔnye ku kutri vevie be ŋutifafa nanɔ aƒea me. Ne mía tɔ ƒe ŋlɔmiwɔwɔa le sesẽm ɖe edzia, mía nɔ hã ƒe tufafa nɔa to dem ɖe edzi. Ne ede dzesii be ele sesẽm na mí be míaɖo to mía tɔ alo ade bubu eŋua, edzroa Efesotɔwo 6:1-3 me kpli mí. Eyome eɖoa ŋku nɔnɔme nyui siwo le mía tɔ si dzi na mí, eye wòkpena ɖe mía ŋu míekpɔa nu si ta wòle be míayi edzi alɔ̃e. Nɔnye to mɔ siawo dzi na ŋutifafa nɔ aƒea me.”

FIA NU VIWÒWO TO WÒ NUWƆNA ME

12. Le 2 Timoteo 1:5 ƒe nya nua, vi kae Eunike ƒe kpɔɖeŋua ɖe na Timoteo?

12 Xlẽ 2 Timoteo 1:5. Timoteo nɔ Eunike ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi nɛ. Anɔ eme be efiae be míeɖea xɔse fiana to míaƒe nuwɔnawo me. (Yak. 2:26) Ðikeke mele eme o be, Timoteo kpɔnɛ le nɔa ƒe nuwɔnawo me be elɔ̃ Yehowa vevie, eye ekpɔa ale si Yehowa subɔsubɔ nana nɔa kpɔa dzidzɔ le agbe me. Vi kae Eunike ƒe kpɔɖeŋu nyui sia ɖe na via? Apostolo Paulo gblɔ be xɔse sẽŋu nɔ Timoteo si abe nɔa ene. Esia meva le eɖokui si o. Ke boŋ esi Timoteo lé ŋku ɖe nɔa ƒe kpɔɖeŋu nyuia ŋu, eye wòsrɔ̃ eƒe xɔse tae. Nenema kee egbea vidada geɖe kpe ɖe woƒe ƒometɔwo ŋu “nya aɖeke magblɔmagblɔe” wova subɔ Yehowa. (1 Pet. 3:1, 2) Wò hã àte ŋu awɔe nenema. Aleke nàwɔe?

13. Nu ka tae wòle be vidada nana eya kple Yehowa dome ƒomedodoa nanye nu vevitɔ nɛ?

13 Na ƒomedodo si le wò kple Yehowa dome nanye nu vevitɔ na wò. (5 Mose 6:5, 6) Abe vidada bubuwo enea, wò hã ètsɔa wò ɣeyiɣi, wò nunɔamesiwo kple nu bubuwo saa vɔe be nàte ŋu akpɔ ɖeviawo ƒe ŋutilãme nuhiahiãwo gbɔ, eye ɣeaɖewoɣia, ètsia zãdomadɔlɔ̃e gɔ̃ hã. Gake mele be esia wɔwɔ naxɔ wò ɣeyiɣi katã, ale be màkpɔ ɣeyiɣi ɖe nu siwo wɔwɔ ana mia kple Yehowa dome nanɔ kplikplikplia ŋu o. Dze agbagba nàdi ɣeyiɣi anɔ gbe dom ɖa, anɔ Biblia srɔ̃m, eye nànɔ hamea ƒe kpekpewo dem. Ne èwɔe alea, wò kple Yehowa dome aganɔ kplikplikpli, eye àɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na wò ƒomea kple ame bubuwo.

14-15. Nu kae nèsrɔ̃ tso Leanne, Maria, kple João ƒe nyawo me?

14 Sɔhɛ geɖe srɔ̃ ale si woalɔ̃ Yehowa eye woaka ɖe edzi tso wo nɔ gbɔ. Nya siwo wo dometɔ ʋɛ aɖewo gblɔe nye esi. Christine si ŋu míeƒo nu tsoe va yi vinyɔnu Leanne gblɔ be: “Ne mía tɔ le aƒe mea, míetea ŋu srɔ̃a Biblia o. Ke hã, mía nɔ dzea agbagba dea kpekpeawo ɣesiaɣi. Togbɔ be míenya nu geɖe le Biblia me ɣemaɣi o hãa, mía nɔ ƒe kpɔɖeŋue wɔe be xɔse sẽŋu va su mía si. Hafi míava dze kpekpeawo dede gɔme gɔ̃ hãa, míenya xoxoxo be Yehowa Ðasefowoe fiaa nyateƒea.”

15 Maria, si fofo hea to na wo ɣesiaɣi si wode kpekpea, gblɔ be: “Dzi le nɔnye ƒo ale gbegbe. Esime menye ɖevia, mevɔ̃na na ale si amewo awɔ nu ɖe ŋunye; eya ta ɣeaɖewoɣia, megbena be nyemawɔ nanewo o. Gake esi mekpɔ ale si dzi le nɔnye ƒo, kple ale si wòna Yehowa nye ame vevitɔ nɛ le agbe mea, ekpe ɖe ŋunye mete ŋu ɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi.” João, si tɔ melɔ̃na kura be woaƒo nu tso Yehowa alo Biblia ŋu le aƒe me oa, gblɔ be: “Nu si wɔ dɔ ɖe dzinye wue nye be, Dada lɔ̃ faa be yeatsɔ nu sia nu asa vɔe, negbe Yehowa subɔsubɔ ko, be yeadze tɔnye ŋu.”

16. Aleke vidada ƒe kpɔɖeŋu nyui ate ŋu ade dzi ƒo na ame bubuwo?

16 Vidadawo, miɖo ŋku edzi be kpɔɖeŋu nyui si mieɖona dea dzi ƒo na ame bubuwo. Le mɔ ka nu? Bu ale si Eunike ƒe kpɔɖeŋu nyuia wɔ dɔ ɖe apostolo Paulo dzii ŋu kpɔ. Egblɔ be Timoteo ƒe xɔse si me alakpa mele o la “nɔ . . . Eunike me gbã.” (2 Tim. 1:5) Ke ɣekaɣie Paulo de dzesi Eunike ƒe xɔse zi gbãtɔ? Anɔ eme be, ede dzesi esia le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ gbãtɔa me, esime wòdo go Lois kple Eunike le Listra, eye anɔ eme be ekpe ɖe wo ŋu wova zu Kristotɔwo. (Dɔw. 14:4-18) Wò ya bu eŋu kpɔ: Esi Paulo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Timoteo ƒe 15 megbe gɔ̃ hãa, egakpɔtɔ ɖoa ŋku Eunike ƒe nuteƒewɔwɔ dzi, eye wògblɔ be enye kpɔɖeŋu nyui si woate ŋu asrɔ̃! Edze ƒãa be, Eunike ƒe kpɔɖeŋu nyuia de dzi ƒo na apostolo Paulo kple Kristotɔ geɖe siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ale gbegbe. Eya ta ne dzilaɖekɛ ye nènye, alo srɔ̃wò menye Yehowa Ðasefo oa, ka ɖe edzi be agbagba siwo dzem nèle be nàhe viwòwo woava subɔ Yehowa la dea dzi ƒo na ame bubuwo.

Viwo hehe be woava subɔ Yehowa xɔa ɣeyiɣi. Eya ta mègana ta o! (Kpɔ memama 17 lia)

17. Ne edze abe nu nyuiwo mele dodom tso agbagba siwo dzem nèle be yeakpe ɖe ye vi ŋu wòasubɔ Yehowa me o la, nu kae wòle be nàwɔ?

17 Ke ne edze abe nu nyuiwo mele dodom tso agbagba siwo dzem nèle be yeakpe ɖe ye via ŋu wòava subɔ Yehowa me o ya ɖe? Ðo ŋku edzi be, vihehe xɔa ɣeyiɣi. Abe ale si wòdze le fotoa me enea, ne èdo nukua, mànya nenye be atsi ava tse ku o. Ke hã, èyia edzi dea tsii, kple susu be wòava tsi atse ku. (Marko 4:26-29) Nenema kee abe vidada enea, ɣeaɖewoɣi àse le ɖokuiwò me be, ɖe agbagba siwo dzem yele awɔe be ɖeviawo nava subɔ Yehowa hã. Togbɔ be màte ŋu anya ale si wòava nɔ o hã, ne èwɔ nu sia nu si nàte ŋui tsɔ na hehe woa, ke èʋu mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ ɖi na wo be woava nye Yehowa xɔlɔ̃wo.—Lod. 22:6.

ÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU BE WÒAKPE ÐE ŊUWÒ

18. Aleke Yehowa ate ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu be woava nye ye xɔlɔ̃wo?

18 Tso Biblia ŋlɔɣi kea, Yehowa kpe ɖe sɔhɛ gbogbo aɖewo ŋu wova nye exɔlɔ̃wo. (Ps. 22:9, 10) Ate ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu be woawo hã woava nye exɔlɔ̃wo ne emae nye woƒe didi. (1 Kor. 3:6, 7) Ne edze abe wole tatram ene hãa, Yehowa ayi edzi alɔ̃ wo eye eƒe ŋku akpɔtɔ anɔ wo ŋu. (Ps. 11:4) Gake emegbe ne wova ɖee fia le mɔ suetɔ kekeake nu be ‘dzi nyui’ le yewo sia, Yehowa akpe ɖe wo ŋu. (Dɔw. 13:48; 2 Kron. 16:9) Azɔ hã, Yehowa akpe ɖe ŋuwò nànya nya si tututu nàgblɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu. (Lod. 15:23) Alo ate ŋu ato nɔvi aɖe si le hamea me dzi be wòakpe ɖe wo ŋu. Eye ne wova tsi gɔ̃ hã, Yehowa ate ŋu ana woaɖo ŋku nane si nèfia wo le ɖevimea dzi. (Yoh. 14:26) Ne èyi edzi to wò nyagbɔgblɔ kple nuwɔna dzi fiaa nu viwòwoa, Yehowa aɖo eteƒe na wò.

19. Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi be wò nu dzea Yehowa ŋu?

19 Yehowa lɔ̃ wò, elabe wò hã èlɔ̃e. Eya ta tiatia siwo viwòwo wɔna mana Yehowa nadzudzɔ wò lɔlɔ̃ o. Ne dzilaɖekɛ ye nènyea, Yehowa do ŋugbe be yeazu Fofo na viwòwo, eye yeakpɔ wò ŋutɔ tawò. (Ps. 68:5) Enye nyateƒe be, ɖeviawo ŋutɔe atiae nenye be woasubɔ Yehowa loo alo womasubɔe o. Gake ne èɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò, eye nèwɔ tɔwò sinua, wò nu adze eŋu.

HADZIDZI 134 Ðeviwo Nye Domenyinu Tso Yehowa Gbɔ

^ mm. 5 Le nyati sia mea, míakpɔ ale si vidada Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃ nu tso Timoteo nɔ Eunike gbɔ, kple nu si akpe ɖe woawo hã ŋu be woakpe ɖe wo viwo ŋu woava nya Yehowa, eye woalɔ̃e.

^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 9 Le kpɔɖeŋu me, kpɔ agbalẽ si nye Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! ƒe nusɔsrɔ̃ 50 lia, kple nyati si nye “Ƒometadedeagu Kple Ðokuisinusɔsrɔ̃ Ƒe Mɔnu Vovovowo” le August 15, 2011 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 6-7.