Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 15

Ðe Nèɖoa ‘Kpɔɖeŋu Nyui Le Nuƒoƒo Mea’?

Ðe Nèɖoa ‘Kpɔɖeŋu Nyui Le Nuƒoƒo Mea’?

“[Nye] kpɔɖeŋu na nuteƒewɔlawo le nuƒoƒo me.”1 TIM. 4:12.

HADZIDZI 90 Mide Dzi Ƒo Na Mia Nɔewo

NYA VEVIAWO *

1. Ame kae na nuƒoƒo ƒe ŋutete amegbetɔwo?

 NUƑOƑO ƒe ŋutete si le amegbetɔwo si la nye nunana tso mía Mawu lɔ̃ame la gbɔ. Esi Mawu wɔ amegbetɔ gbãtɔ Adam ko la, ena ŋutetee be wòate ŋu azã nyagbewo atsɔ aƒo nu kple ye. Ena ŋutete Adam be wòate ŋu ato nyagbe yeyewo hã vɛ. Adam zã ŋutete ma tsɔ na ŋkɔ lãwo katã. (1 Mose 2:19) Bu ale si gbegbe Adam anya kpɔ dzidzɔe esi wòƒo nu kple Xawa, si nye srɔ̃a dzetugbea, zi gbãtɔ ŋu kpɔ!—1 Mose 2:22, 23.

2. Aleke amewo zã woƒe nuƒoƒo ƒe ŋutete le mɔ gbegblẽ nu le blema, eye aleke amewo le ezãm egbea?

2 Eteƒe medidi o, wova nɔ nuƒoƒo ƒe ŋutetea zãm le mɔ gbegblẽ nu. Satana Abosam va ble Xawa, eye esia wɔe be amegbetɔwo va zu nu vɔ̃ mewo kple ame madeblibowo. (1 Mose 3:1-4) Esi Adam wɔ nu vɔ̃a, ezã eƒe nuƒoƒo ƒe ŋutetea tsɔ da vodadaa ɖe Xawa kple Yehowa gɔ̃ hã dzi. (1 Mose 3:12) Esi Kain wu nɔvia Abel vɔa, eda alakpa na Yehowa. (1 Mose 4:9) Emegbea, Kain ƒe dzidzimevi aɖe si ŋkɔe nye Lamek la kpa ha aɖe si ɖee fia be amewo ƒe nɔnɔme vloe ŋutɔ le eƒe ŋkekea me. (1 Mose 4:23, 24) Ke aleke nɔnɔmeawo le egbea? Mekpea ŋu na dunyahelawo be woazã nya madzetowo le dutoƒo o. Eye nya ƒaƒãwo kple nya madzetowo bɔ ɖe filmwo me keŋ. Nya ƒaƒãwo bɔ ɖe sukuwo eye dɔwɔƒewo tɔ ya gavloe wu. Ale si nya ƒaƒãwo kple nya madzetowo bɔe la ɖee fia be agbe nyui nɔnɔ yi to kura le xexea me.

3. Nu ka ŋue wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖo, eye nu ka mee míadzro le nyati sia me?

3 Esi nya madzetowo bɔ ɖe afi sia afi taa, ne míekpɔ nyuie o la, nya mawo ava nɔ dodom le nu na míawo hã. Esi míenye Kristotɔwo eye míedi be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu ta la, mímadi be míazã nya ƒaƒãwo gbeɖe o. Míedi be míazã míaƒe nuƒoƒo ƒe nunana la le mɔ nyuitɔ nu atsɔ akafu Mawu. Le nyati sia mea, míakpɔ ale si míate ŋu awɔ esia (1) le gbeadzi, (2) le hame ƒe kpekpewo me, kple (3) le dzeɖoɖo kple amewo me. Gake gbãa, na míakpɔ nu si tae nya siwo míegblɔna le vevie na Yehowa.

NYA SIWO MÍEGBLƆNA LE VEVIE NA YEHOWA

Nu kae míaƒe nuƒoƒo ɖena fiana tso mía ŋu? (Kpɔ memama 4-5 lia) *

4. Le Malaki 3:16 ƒe nya nua, nu ka tae nya siwo míegblɔna le vevie na Yehowa?

4 Xlẽ Malaki 3:16. Ðe nènya susu si tae Yehowa aŋlɔ evɔ̃lawo kple ame siwo dea ŋugble le eƒe ŋkɔ ŋu la ƒe ŋkɔwo ɖe eƒe “ŋkuɖodzigbalẽ” mea? Nya siwo míegblɔna ɖea nu si le míaƒe dzi me fiana. Yesu gblɔ be: “Nya si wu dzi lae nu gblɔna.” (Mat. 12:34) Nu siwo ŋu míeƒoa nu tsoe la ɖea ale si gbegbe míelɔ̃ Yehowae fiana. Eye Yehowa di be ame siwo lɔ̃ ye nakpɔ dzidzɔ le xexe yeyea me tegbee.

5. (a) Kadodo kae le míaƒe nuƒoƒo kple subɔsubɔ dome? (b) Abe ale si wòdze le fotoa me enea, nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe míaƒe aɖea zazã ŋu?

5 Ale si míeƒoa nu ate ŋu awɔe be míaƒe subɔsubɔ nadze Yehowa ŋu loo alo madze eŋu o. (Yak. 1:26) Ame siwo melɔ̃ Mawu o la dometɔ aɖewo ƒoa nu adãtɔe, wodaa gbe ɖe ame gbɔ, eye woƒoa nu dadatɔe hã. (2 Tim. 3:1-5) Míadi gbeɖe be míawɔ nu abe woawo ene o. Ke boŋ míedi vevie be míaƒe nuƒoƒo nadze Yehowa ŋu. Gake ɖe míate ŋu adze Yehowa ŋu ne míezãa nya siwo sɔ le kpekpeawo kple gbeƒãɖeɖedɔa me, gake míedaa gbe ɖe míaƒe ƒometɔwo gbɔ ne míele aƒe mea?—1 Pet. 3:7.

6. Esi Nɔvinyɔnu Kimberly zã eƒe aɖe nyuiea, nu nyui kae do tso eme?

6 Ne míezãa nuƒoƒo ƒe nunanaa nyuie la, enana amewo dea dzesii be míenye Yehowa subɔlawo. Enana ame siwo dome míelea kpɔa “vovototo si le ame si subɔa Mawu kple ame si mesubɔnɛ o la dome.” (Mal. 3:18) Kpɔ ale si esia va eme le nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Kimberly * gomee ɖa. Wode dɔ asi na eya kple eƒe sukuhati aɖe. Esi wowɔ dɔ ɣeyiɣi aɖea, eƒe sukuhatia de dzesii be Kimberly to vovo kura tso sukuvi bubuawo gbɔ; megblɔa nya vɔ̃wo tso amewo ŋu o, eƒoa nu xɔlɔ̃tɔe, eye mezãa nya ƒaƒãwo o. Esia wɔ dɔ ɖe Kimberly ƒe sukuhatia dzi ale gbegbe be wòlɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Ne míaƒe nuƒoƒo te amewo ɖe nyateƒea ŋua, edzɔa dzi na Yehowa ale gbegbe!

7. Aleke nèɖoe be yeazã nuƒoƒo ƒe nunana si Mawu na wò lae?

7 Mí katã míedi be míaƒe nuƒoƒo nahe kafukafu vɛ na Yehowa, eye wòate mí ɖe mía nɔviwo ŋu. Azɔ na míadzro mɔ ŋutɔŋutɔ aɖewo siwo dzi míate ŋu ato ‘anye kpɔɖeŋu nyui le nuƒoƒo me’ la me.

NYE KPƆÐEŊU NYUI LE GBEADZI

Ne míeƒo nu na amewo bubutɔe le gbeadzia, edzea Yehowa ŋu (Kpɔ memama 8-9 lia)

8. Aleke Yesu zã eƒe nuƒoƒo ƒe ŋutetea nyuie le gbeƒãɖeɖedɔa me?

8 Ƒo nu dzigbɔɖitɔe eye nàde bubu amewo ŋu le gbeadzi ne wodo dziku na wò gɔ̃ hã. Esi Yesu nɔ anyigba dzia, amewo tsɔ nya ɖe eŋu be enye aha tsu nola, nu tsu ɖula, Abosam ƒe dɔla, Sabat Sea dzi dala kple busunyagblɔla gɔ̃ hã. (Mat. 11:19; 26:65; Luka 11:15; Yoh. 9:16) Gake Yesu medzu wo ɖe eteƒe o. Abe Yesu enea, ne amewo do nu ɖe mía gbɔ gɔ̃ hãa, mímatsɔ dziku aƒo nu na wo o. (1 Pet. 2:21-23) Gake mele bɔbɔe be míawɔ nu ɖe ame siwo dzu mí la ŋu nyuie ɣesiaɣi o. (Yak. 3:2) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

9. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míalé mía ɖokui eye míaƒo nu na amewo nyuie le gbeƒãɖeɖedɔa me?

9 Ne ame aɖe meƒo nu na wò nyuie le gbeƒãɖeɖedɔa me o la, mègado dziku o. Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Sam gblɔ be: “Ne edzɔ alea, meɖoa ŋku edzi be ehiã vevie be amea nase nya nyuia, eye be ate ŋu atrɔ.” Ɣeaɖewoɣia, nu si tae aƒemenɔla aɖewo doa dziku ye nye be ɣeyiɣi si míeva wo gbɔ la mesɔ na wo o. Ne aƒemenɔla aɖe do dziku ɖe mía ŋua, míate ŋu awɔ nu abe ale si nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Lucia wɔa nui ene. Míate ŋu ado gbe kpui aɖe ɖa le tame abia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míalé mía ɖokui eye míagagblɔ nya aɖeke si ave aƒemenɔlaa o.

10. Le 1 Timoteo 4:13 ƒe nya nua, nu kae wòle be míadze agbagba awɔ?

10 Nye nufiala nyui. Timoteo nye gbeƒãɖela bibi, ke hã ehiã be wòayi edzi ana eƒe nufiafia nanyo ɖe edzi. (Xlẽ 1 Timoteo 4:13.) Aleke míawɔ be míaƒe nufiafia naganyo ɖe edzi ne míele gbeadzi? Ele be míadzra ɖo nyuie. Dzidzɔtɔea, dɔwɔnu vovovowo le mía si siwo míate ŋu azã be míaƒe nufiafia naganyo ɖe edzi. Wo dometɔ aɖewoe nye Do Vevie Nuxlexlẽ Kple Nufiafia gbalẽ gbadzaa, kple Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ ƒe akpa si nye “Na Wò Subɔsubɔdɔa Nanyo Ðe Edzi.” Woɖo aɖaŋu nyui aɖewo le agbalẽ siawo me siwo aɖe vi na mí. Ðe nèle wo zãm nyuiea? Ne míedzra ɖo ɖe gbeadzi ŋu nyuiea, míavɔ̃ o. Ke boŋ míaɖe gbeƒã na amewo kple kakaɖedzi.

11. Nu kae kpe ɖe nɔvi aɖewo ŋu woƒe nufiafia va nyo ɖe edzi?

11 Nu bubu si akpe ɖe mía ŋu míaƒe nufiafia nanyo ɖe edzi ye nye be míalé ŋku ɖe nɔvi siwo le hamea mea ŋu asrɔ̃ nu tso wo gbɔ. Sam si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la biana eɖokui be, ‘Nu kae kpe ɖe nɔvi aɖewo ŋu wobi ɖe nufiafia me alea?’ Eɖoa to wo nyuie ne wole nu fiam eye wòdzea agbagba be yeasrɔ̃ wo. Nɔvinyɔnu Talia léa to ɖe ale si nuƒola bibiwo ƒoa dutoƒonuƒo kple ale si woɖea nyatia me ɖe ɖoɖo nu la ŋu. Esia wɔe be wòsrɔ̃ ale si wòaƒo nu eye wòaɖe nya siwo amewo lɔ̃a biabia le gbeadzi la me nyuie.

NYE KPƆÐEŊU NYUI LE KPEKPEAWO ME

Ne míedzi ha tso dzi me le kpekpeawo mea, esia kafua Yehowa (Kpɔ memama 12-13 lia)

12. Nu ka wɔwɔe sesẽna na nɔvi aɖewo?

12 Ne mí katã míekɔa gbe dzi dzia ha ɖekae eye míedzrana ɖo nyuie ɖoa nya ŋu le kpekpeawo mea, míekpea asi ɖe eŋu be kpekpea kpɔa dzidzedze. (Ps. 22:22) Gake esesẽna na nɔvi aɖewo be woadzi ha alo aɖo nya ŋu le kpekpea me. Ne aleae wòle le gowòmea, ke àdi be yeanya nu si kpe ɖe mía nɔvi aɖewo ŋu woɖu kuxi mawo dzi.

13. Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàdzi ha tso dzi me le kpekpeawo me?

13 Dzi ha tso dzi me. Susu vevi si tae míedzia míaƒe Fiaɖuƒehawoe nye be míakafu Yehowa. Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Sara gblɔna be yeƒe gbe mevivi o. Ke hã, edina be yeadzi ha akafu Yehowa. Le esia taa, edzrana ɖo ɖe hadzidzi ŋu abe ale si ko wòdzrana ɖo ɖe kpekpea ƒe akpa bubuawo ŋu ene. Ne ele hadzidziawo me tom la, edzea agbagba be yeakpɔ ale si wode nu kpekpea ƒe nusɔsrɔ̃awo me. Egblɔ be: “Esia wɔnɛ be nyemegatsia dzi ɖe nye gbea ŋu o. Ke boŋ nye susu nɔa hagbeawo dzi.”

14. Ne èvɔ̃na be yeaɖo nya ŋu le kpekpeawo mea, nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò?

14 Ðo nya ŋu edziedzi. Le nyateƒe mea, esia menɔa bɔbɔe na ame aɖewo kura o. Talia si ŋu míeƒo nu tsoe va yia gblɔ be: “Ne medi be maƒo nu le ame domea, nye dzi koe nɔa lalãm kpokpokpo. Eya ta nyaŋuɖoɖo le kpekpeawo me sesẽna nam ale gbegbe. Gake amewo medea dzesii o, elabe medzena le gbe me nam o.” Ke hã, Talia dzea agbagba ɖoa nya ŋu. Ne ele dzadzram ɖo ɖe kpekpeawo ŋua, eɖoa ŋku edzi be ele be nyaŋuɖoɖo gbãtɔa nanɔ kpuie eye wòayi nyaa gbɔ tẽe. Egblɔ be: “Naneke megblẽ le eŋu ne nye nyaŋuɖoɖo le kpuie eye wòyi nyaa gbɔ tẽe o, elabe ema tututue nusɔsrɔ̃a dzi kpɔla le mɔ kpɔm na.”

15. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe míaƒe nyaŋuɖoɖowo ŋu?

15 Nɔvi aɖewo siwo mevɔ̃na alo kpea ŋu o gɔ̃ hã meɖoa nya ŋu le kpekpea me ɣesiaɣi o. Nu ka tae? Nɔvinyɔnu Juliet gblɔ be, “Ɣeaɖewoɣia, nyemedina be maɖo nya ŋu o, elabe mevɔ̃na be nye nyaŋuɖoɖoa le kpuie akpa eye maɖe kpe o.” Ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa di be míaɖo nya ŋu le míaƒe ŋutete nu. * Ne míedzea agbagba be míaɖo nya ŋu le kpekpeawo me atsɔ akafu Yehowa, togbɔ be menɔa bɔbɔe na mí ɣesiaɣi o hãa, edzea eŋu ale gbegbe.

NYE KPƆÐEŊU NYUI LE WÒ DZEÐOÐOWO ME

16. Nu kae wòle be míaƒo asa na?

16 Ƒo asa na “nya veame” ɖe sia ɖe ƒomevi gbɔgblɔ. (Ef. 4:31) Abe ale si míekpɔe va yi enea, mele be nya ƒaƒãwo nado le mí Kristotɔwo nu gbeɖe o. Gake nya veamewo gbɔgblɔ ƒomevi aɖewo li siwo menya kpɔna dzea si bɔbɔe o, siwo wòle be míaƒo asa na. Le kpɔɖeŋu me, ele be míakpɔ nyuie be míagagblɔ nya manyomanyowo tso ame siwo ƒe dekɔnuwo to vovo na mía tɔ alo ame siwo tso du bubu me ŋu o. Azɔ hã, mele be míagblɔ nya siwo ada amewo ɖe anyi o. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣia, megblɔa nya aɖewo tso amewo ŋu tsɔ wɔa fefee, gake le nyateƒe mea, wonye nya veame siwo tena ɖe amewo dzi. Gake srɔ̃nye kpe ɖe ŋunye mete ŋu ɖe asi le nɔnɔme ma ŋu. Ɣesiaɣi si megblɔ nya veamewo na amewoa, ehea nye susu yia edzi ne míawo ɖeɖe míeli, eye wònana menyaa ale si gbegbe nye nyawo tɔa amee.”

17. Le Efesotɔwo 4:29 ƒe nya nua, aleke míate ŋu ade dzi ƒo na mía nɔviwo?

17 Gblɔ nya siwo atu amewo ɖo. Mèganɔ nya hem ɖe amewo ŋu anɔ vodada dim le wo ŋu o. Ke boŋ nɔ wo kafum. (Xlẽ Efesotɔwo 4:29.) Yehowa wɔ nu geɖe na Israel-viwo siwo ta wòle be woada akpe nɛ ɖo. Gake liʋiliʋĩlilĩ dzi ko wonɔna gbe sia gbe. Nuwɔwɔ alea kpɔa ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi. Ðo ŋku edzi be esi ŋkutsala ewoawo trɔ gbɔ va nɔ nya manyomanyowo gblɔma, wona “Israel-viwo katã lĩ Mose . . . ŋu.” (4 Mose 13:31–14:4) Gake ne míekafua mía nɔviwoa, mí katã míekpɔa dzidzɔ. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yefta vinyɔnua te ŋu yi edzi wɔ eƒe dɔdeasia, elabe exɔlɔ̃awo kafunɛ. (Ʋɔn. 11:40) Nɔvinyɔnu Sara si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔ be, “Ne míekafua nɔviwoa, enana wosena le wo ɖokui me be Yehowa lɔ̃ yewo eye yewole vevie le hamea me.” Eya ta lé ŋku ɖe nɔviwo ŋu eye nàkafu wo ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta.

18. Le Psalmo 15:1, 2 ƒe nya nua, nu ka tae wòle be míato nyateƒe, eye nu kae esia bia?

18 To nyateƒe. Ne míetoa nyateƒe o la, míaƒe nu madze Yehowa ŋu o. Elabe elé fu aʋatsokaka ɖe sia ɖe ƒomevi. (Lod. 6:16, 17) Togbɔ be egbea, ame geɖe susu be naneke megblẽ le alakpadada ŋu o hãa, míawo ya míebunɛ abe ale si Yehowa bunɛ ene. (Xlẽ Psalmo 15:1, 2.) Eya ta míetsria alakpadada keŋkeŋ. Azɔ hã, míetsria eɖoɖo koŋ aɣla nyatakaka vevi aɖewo evɔ anɔ nu ƒom abe nyateƒea katãe nye ema míegblɔ ene.

Ne míele dze ɖom eye dzeɖoɖoa zu ameŋugbegblẽ eye míetrɔ dzeɖoɖoa wòtu ame ɖoa, Yehowa ayra mí (Kpɔ memama 19 lia)

19. Nu bubu ka ŋue wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖo?

19 Ƒo asa na ameŋugbegblẽ. (Lod. 25:23; 2 Tes. 3:11) Juliet, si ŋu míeƒo nu tsoe va yia gblɔ be: “Ne ame aɖe gblẽ ame aɖe ŋu nama, esia ɖea dzi le ƒonye eye ewɔnɛ be nyemegakana ɖe ame si le amea ŋu gblẽm la dzi o. Elabe ale si wòle amea ŋu gblẽma, nenema kee wòava gblẽ nye hã ŋunye na ame bubu.” Eya ta ne miele dze ɖom eye dzeɖoɖoa va zu ameŋugbegblẽa, dze agbagba nàtrɔ mo na dzeɖoɖoa.—Kol. 4:6.

20. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

20 Esi míele xexe aɖe si me amewo ƒe nuƒoƒo medzea to o taa, ele be míawo ya míaku kutri vevie be míaƒe nuƒoƒo nadze Yehowa ŋu. Ðo ŋku edzi be nuƒoƒo nye nunana tso Yehowa gbɔ, eye ale si míele ezãm le vevie nɛ. Ne míedzea agbagba be míaƒe nyawo natu amewo ɖo le gbeadzi, le kpekpeawo kple le míaƒe dzeɖoɖowo mea, Yehowa ayra mí. Eye ne xexe sia va eƒe nuwuwua, anɔ bɔbɔe be míatsɔ míaƒe nuyiwo akafu Yehowa. (Yuda 15) Gake hafi ɣemaɣi naɖoa, ɖoe kplikpaa nàna ‘wò numenyawo’ nadze Yehowa ŋu.—Ps. 19:14.

HADZIDZI 121 Míehiã Ðokuidziɖuɖu

^ mm. 5 Yehowa na nunana wɔnuku aɖe mí. Eyae nye nuƒoƒo ƒe ŋutete. Nublanuitɔea, ame akpa gãtɔ mezãa nunana sia abe ale si Yehowa di ene o. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaƒe nuƒoƒo nadza, wòade dzi ƒo, eye wòadze Yehowa ŋu le xexe vɔ̃ɖi sia me. Nu kae míawɔ be míaƒe nuƒoƒo nadze Yehowa ŋu ne míele gbeƒã ɖem, ne míele hame ƒe kpekpewo me, alo ne míele dze ɖom kple amewo? Míaɖo biabia siawo ŋu le nyati sia me.

^ mm. 6 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 15 Àkpɔ nya bubuwo ku ɖe nyaŋuɖoɖo ŋu le January 2019 ƒe Gbetakpɔxɔ nyati sia me: “Mikafu Yehowa Le Hamea Me.”

^ mm. 61 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔviŋutsu aɖe si le gbeadzi mewɔ nu ɖe aƒemenɔla aɖe si do dziku la ŋu nyuie o; nɔviŋutsu aɖe mele ha dzim tso dzi me le kpekpea me o; eye nɔvinyɔnu aɖe le ame aɖe ŋu gblẽm.