Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 16

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Ne Èle Wò Ŋutete Katã Wɔm Na Yehowa

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Ne Èle Wò Ŋutete Katã Wɔm Na Yehowa

“Ame sia ame nadzro eya ŋutɔ ƒe nuwɔnawo me kpɔ.”​GAL. 6:4.

HADZIDZI 37 Subɔ Yehowa Kple Luʋɔ Blibo

NYA VEVIAWO *

1. Nu kawoe nana míekpɔa dzidzɔ geɖe?

 YEHOWA di be míakpɔ dzidzɔ. Míenya esia elabe dzidzɔ nye gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetse ƒe akpa aɖe. (Gal. 5:22) Esi dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ taa, ne míeƒo mía ɖokui ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe, eye míekpe ɖe mía nɔviwo ŋu le mɔ vovovowo nua, míekpɔa dzidzɔ geɖe.—Dɔw. 20:35.

2-3. (a) Le Galatiatɔwo 6:4 ƒe nya nua, nu eve kawoe akpe ɖe mía ŋu míanɔ dzidzɔ kpɔm le Yehowa subɔsubɔ me? (b) Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

2 Le Galatiatɔwo 6:4 la, apostolo Paulo ƒo nu tso nu eve siwo akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ dzidzɔ ŋu. (Xlẽe.) Gbã, ele be míawɔ míaƒe ŋutete katã le Yehowa subɔsubɔ me. Ele be dzi nadzɔ mí ne míewɔa míaƒe ŋutete katã. (Mat. 22:36-38) Evelia, mele be míatsɔ mía ɖokuiwo anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo o. Ele be míada akpe na Yehowa ɖe nu sia nu si míaƒe lãmesẽ, hehe si míexɔ, kple dzɔdzɔmeŋutetewo ɖea mɔ na mí be míawɔ na Yehowa ta, elabe nu sia nu si le mía sia, eya gbɔe wòtso. Gake ne mía nɔvi aɖewo dzea agbagba le subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖewo wu mía, ele be míakpɔ dzidzɔ be wole ŋutete mawo zãm tsɔ le Yehowa kafum, ke menye be woadi wo ɖokui tɔ o. Eya ta mele be míava nɔ ho ʋlim kpli wo o, ke boŋ míasrɔ̃ nu tso wo gbɔ.

3 Le nyati sia mea, míakpɔ nu si akpe ɖe mía ŋu ne míesena le mía ɖokui me be míele geɖe wɔm abe ale si míedii ene o. Azɔ hã, míakpɔ ale si míate ŋu azã ŋutete ɖe sia ɖe si le mía si la nyuie, kple nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso ame bubuwo gbɔ.

NE EWƆ NA MÍ BE MÍETE ŊU LE GEÐE WƆM O

Ne míewɔ míaƒe ŋutete katã le míaƒe agbe me katã la, edzea Yehowa ŋu (Kpɔ memama 4-6 lia) *

4. Nu kawoe ate ŋu ana dzi naɖe le mía ƒo? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

4 Mía dometɔ aɖewo magate ŋu awɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me abe ale si míedii ene o le tsitsi kple lãmegbegblẽ ta, eye esia ate ŋu aɖe dzi le ame ƒo. Aleae wòdzɔ le Nɔvinyɔnu Carol gome. Mɔnukpɔkpɔ su esi wòvae subɔ le afi si gbeƒãɖela geɖewo hiã le. Ɣemaɣia, Biblia nusrɔ̃vi 35 ye nɔ esi, eye wòte ŋu kpe ɖe wo dometɔ geɖe ŋu woyi ŋgɔ ɖe adzɔgbe xɔ nyɔnyrɔ. Nu nyuiwo do tso Carol ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me. Gake eva dze dɔ, si wɔe be wòva tsi teƒe ɖeka. Carol gblɔ be: “Menya be dɔléleae wɔe be nyemegatea ŋu wɔa geɖe abe ame bubuwo ene o, gake ewɔna nam be nyemele nuteƒe wɔm abe woawo ene o. Nyemegatea ŋu wɔa nu sia nu si medi be mawɔ o, eye esia nana dzi ɖena le ƒonye.” Carol di be yeawɔ yeƒe ŋutete katã na Yehowa, eye enyo be wòdi be yeawɔe nenema! Eye míate ŋu aka ɖe edzi be, mía Mawu si sea veve ɖe ame nu la kpɔa dzidzɔ ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu.

5. (a) Ne le kuxi aɖe ta míegatea ŋu wɔa geɖe o, si nana dzi ɖena le mía ƒoa, nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui? (b) Abe ale si wòdze le fotoawo me enea, aleke nɔviŋutsua yi edzi le eƒe ŋutete ɖe sia ɖe wɔm na Yehowa?

5 Ne le kuxi aɖe ta mègate ŋu le geɖe wɔm le Yehowa subɔsubɔ me o, si nana dzi ɖena le ƒowòa, bia ɖokuiwò be: ‘Nu ka dim Yehowa le tso asinye?’ Eyae nye nu si nàte ŋu awɔ fifia. Kpɔ nɔnɔme sia le susu me ɖa: Dzi ɖe le nɔvinyɔnu aɖe si xɔ ƒe 80 kple edzivɔ ƒo, elabe megatea ŋu wɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me abe ale si wòwɔnɛ esime wònɔ eƒe ƒe 40-awo me ene o. Esena le eɖokui me be togbɔ be yele yeƒe ŋutete katã wɔm hãa, medzea Yehowa ŋu o. Gake nyateƒeea? Bu eŋu kpɔ. Ne nɔvinyɔnu sia wɔ eƒe ŋutete katã esime wòxɔ ƒe 40, eye wògakpɔtɔ le eƒe ŋutete katã wɔm esi wòxɔ ƒe 80 kple edzivɔ fifia, esia fia be medzudzɔ eƒe ŋutete katã wɔwɔ o. Ne ele wɔwɔm na mí be, míaƒe subɔsubɔ megadzea Yehowa ŋu oa, ele be míaɖo ŋku edzi be, mía ŋutɔwo míaƒe susu koe le wɔwɔm na mí nenema; menye nenemae Yehowa bunɛ o. Ne emae nye wò ŋutete katã koa, Yehowa agblɔ be: “Wòe wɔ dɔ kakaka!”—Tsɔe sɔ kple Mateo 25:20-23.

6. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Nɔvinyɔnu Maria gbɔ?

6 Ne míeɖe susu ɖa le nu siwo míate ŋu awɔ o ŋu, eye míetsɔ susu ɖo nu siwo míate ŋu awɔ ŋua, míakpɔ dzidzɔ. Bu nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Maria, si ŋu dɔléle aɖe le, si wɔe be metea ŋu wɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me abe ale si wòdi ene o ŋu kpɔ. Gbãa, dzi ɖe le eƒo, eye wòsena le eɖokui me be, viɖe aɖeke megale ye ŋu o. Gake Maria ƒe susu yi nɔvinyɔnu aɖe si le woƒe hamea me, si tsi teƒe ɖekaa dzi, eye wòɖoe be yeakpe ɖe eŋu. Maria gblɔ be: “Mewɔ ɖoɖo kple nɔvinyɔnua be nye kplii míato telefon kple lɛtaŋɔŋlɔ dzi aɖi ɖase na amewo. Ɣesiaɣi si míewɔ dɔ le gbeadzia, nye dzi dzea eme, eye mekpɔa dzidzɔ be mete ŋu wɔ nane tsɔ kpe ɖe nɔvinyɔnua ŋu.” Ne míawo hã míeɖe susu ɖa le nu siwo míegate ŋu wɔna o ŋu, eye míetrɔ susu ɖe nu siwo míetea ŋu wɔna ŋua, míakpɔ dzidzɔ. Ke ne míagate ŋu awɔ geɖe wu, alo míedzea agbagba le Yehowa subɔsubɔ ƒe akpa aɖe xoxo ya ɖe?

ZÃ NUNANA SI LE ASIWÒ LA!

7. Aɖaŋu nyui kae apostolo Petro ɖo na Kristotɔwo?

7 Le lɛta gbãtɔ si apostolo Petro ŋlɔ na nɔviawo mea, ede dzi ƒo na wo be woazã nunana alo ŋutete ɖe sia ɖe si le wo si la atsɔ atu wo nɔviwo ɖo. Petro gblɔ be: “Nunana ale si nu ame sia ame xɔ le Mawu ƒe amenuveve si wòɖe fia le mɔ vovovowo nui la, mitsɔe subɔ mia nɔewo abe aƒedzikpɔla nyuiwo ene.” (1 Pet. 4:10) Mele be míagbe míaƒe ŋutete katã wɔwɔ le esi míevɔ̃ be ana ame bubuwo naʋã ŋu mí, alo ana dzi naɖe le wo ƒo ta o. Elabe ne míehe ɖe megbe le ale si amewo awɔ nui taa, awɔe be mímanɔ míaƒe ŋutete katã wɔm na Yehowa o.

8. Abe ale si wòdze le 1 Korintotɔwo 4:6, 7 enea, nu ka tae mele be míazã nunana siwo le mía si atsɔ anɔ adegbe ƒom o?

8 Ele be míazã ŋutete siwo le mía si la bliboe, ke hã, ele be míakpɔ nyuie be, míagava nɔ adegbe ƒom o. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 4:6, 7.) Ðewohĩ ètea ŋu dzea Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme bɔbɔe. Efia be nunanae nye ema le asiwò. Yi edzi nàzãe! Gake nu si ƒe dzi ƒo wode na mí ye nye be, míazãe, ke menye be míatsɔe anɔ adegbe ƒom o. Tsɔe be ète ŋu dze Biblia nusɔsrɔ̃ yeye aɖe gɔme, eye dzi le wò dzɔm be yeagblɔe na gbeadziƒuƒoƒoa me tɔwo. Gake esi mieva kpe le ƒuƒoƒoa mea, èkpɔe be nɔvinyɔnu aɖe le ale si wòte ŋu na magazine aɖe le gbeadzi gblɔm na nɔviawo dzidzɔtɔe. Eya na magazine, gake wò ya ète ŋu dze Biblia nusɔsrɔ̃ yeye gɔme. Nu kae nàwɔ fifia? Èkpɔe be yeƒe nuteƒekpɔkpɔa ade dzi ƒo na nɔviawo, gake èɖoe be yemagblɔe le ɣeyiɣi ma me o, ale be nɔvinyɔnu si na magazinea nagase le eɖokui me be ye tɔ mele ɖeke me o. Ameŋububue ma. Togbɔ be mète ŋu gblɔe o hãa, yi edzi nàzã ŋutete si le asiwòa, be nusrɔ̃vi geɖe nasu asiwò!

9. Aleke wòle be míazã nunana siwo le mía si?

9 Ele be míaɖo ŋku edzi be, ŋutete siwo katã le mía si la nye nunana tso Mawu gbɔ. Ele be míazã nunana mawo atsɔ atu mía nɔviwo ɖo le hamea me, ke menye be míatsɔ adi bubu dzodzro na mía ɖokuiwo o. (Flp. 2:3) Ne míezã míaƒe ŋusẽ kple míaƒe ŋutete tsɔ wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nua, míakpɔ dzidzɔ, menye esi míele geɖe wɔm wu ame bubuwo alo susu be míele ŋgɔ na wo ta o, ke boŋ esi míele nunana mawo zãm be míatsɔ akafu Yehowa ta.

10. Nu ka tae masɔ be ne nɔvi aɖe dzea agbagba le nane mea, wòatsɔ eɖokui anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo o?

10 Ne míekpɔ nyuie oa, míava tsɔ nu siwo me míedzea agbagba lea anɔ sɔsɔm kple nu siwo me nɔvi bubuwo medzea agbagba le o. Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu aɖe ate ŋu abi ɖe dutoƒonuƒoƒoƒo me. Eƒe nunanae nye ema. Gake ne mekpɔ nyuie oa, ate ŋu ava nɔ nɔvi bubu aɖe si mebi ɖe dutoƒonuƒoƒoƒo me o la dam ɖe anyi le eƒe dzi me. Gake ɖewohĩ nɔvi ma si wòtsɔ eɖokui le sɔsɔm kplii la nyoa dɔme, hea viawo nyuie, eye wòtsɔa dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Akpe na Yehowa be nɔvi gbogbo aɖewo le hamea me, siwo si ŋutete vovovowo le, eye wo katã wole ezãm be yewoatsɔe asubɔ Yehowa, eye yewoakpe ɖe yewo nɔviwo ŋu!

SRƆ̃ NU TSO AME BUBUWO GBƆ

11. Nu ka tae wòle be míadze agbagba asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu?

11 Be míagatsɔ mía ɖokuiwo anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo o mefia be míagasrɔ̃ nu tso mawusubɔla wɔnuteƒewo gbɔ o. Le kpɔɖeŋu me, na míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ ɖa. Míawo míede blibo abe Yesu ene o, ke hã, míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso eƒe nɔnɔme nyuiwo kple nuwɔnawo me. (1 Pet. 2:21) Ne míedze agbagba srɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua nyuie ale si míate ŋui la, míaƒe subɔsubɔ adze Yehowa ŋu wu, eye míagabi ɖe edzi le gbeƒãɖeɖedɔa me.

12-13. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Fia David gbɔ?

12 Le Mawu ƒe Nyaa mea, ŋutsu kple nyɔnu wɔnuteƒe geɖewo li siwo mede blibo o, gake woɖo kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi na mí. (Heb. 6:12) Bu Fia David ŋu kpɔ. Yehowa gblɔ tso eŋu be enye “ŋutsu si ƒe nu dze nye dzi ŋu.” Biblia bubu aɖe ɖe nya sia gɔme be: “Enye ame si tɔgbi tututu dim mele.” (Dɔw. 13:22) David mede blibo o. Eda vo gãwo. Ke hã, eɖo kpɔɖeŋu nyui aɖewo ɖi na mí. Nu si tae nye be, esime woɖɔe ɖoa, medze agbagba be yeaʋli ye ɖokui ta o. Ke boŋ nu si wòwɔa te ɖe edzi vevie, eye wòlɔ̃ faa woɖɔe ɖo. Esia na Yehowa tsɔe kee.—Ps. 51:3, 4, 10-12.

13 Míate ŋu asrɔ̃ David ne míebiaa nya siawo mía ɖokui: ‘Aleke mewɔa nui ne woɖo aɖaŋu nam? Ðe melɔ̃na ɖe nye vodadawo dzi enumakea, alo ɖe menɔa ɖokuinye nu ɖema? Ðe medaa fɔbubua ɖe ame bubuwo dzia? Ðe medzea agbagba be magawɔ vodada mawo ake oa?’ Àte ŋu abia nya siawo tɔgbi ɖokuiwò ne èle nu xlẽm tso ŋutsu kple nyɔnu wɔnuteƒe siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoea ŋu. Ðe kuxi siwo me tom nèle sɔ kple wo tɔwoa? Nɔnɔme nyui kawoe woɖe fia? Ne èle nu xlẽm tso Yehowa subɔla wɔnuteƒe siawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋua, bia ɖokuiwò be: ‘Nu kae akpe ɖe ŋunye be mawɔ nuteƒe abe eya ene?’

14. Ne míelé ŋku ɖe mía nɔviwo ƒe kpɔɖeŋuwo ŋua, vi kae wòaɖe na mí?

14 Ne míelé ŋku ɖe mía nɔvi haxɔsetɔwo—tsitsiawo kple ɖeviawo siaa—ŋua, míate ŋu asrɔ̃ nu tso wo gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nɔvi aɖe le miaƒe hamea me, si le dodokpɔ sesẽ me tom, ɖewohĩ hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu, ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu, alo dɔlényawo, gake wòle dzi doma? Ðe nèkpɔ nɔnɔme nyui aɖewo le nɔvi ma me, siwo nàdi be yeasrɔ̃a? Ne èlé ŋku ɖe kpɔɖeŋu nyui si ɖom wòle ŋua, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò hã nàdo dzi ne èle dodokpɔwo me tom. Ðewohĩ àsrɔ̃ nanewo tso egbɔ, siwo akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi. Míedaa akpe na Yehowa be nɔvi gbogbo aɖewo le mía dome, siwo ɖo kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi na mí míasrɔ̃!—Heb. 13:7; Yak. 1:2, 3.

KPƆ DZIDZƆ ÐE SUBƆSUBƆDƆ SI WƆM NÈLE NA YEHOWA ŊU

15. Aɖaŋu kae apostolo Paulo ɖo, si akpe ɖe mía ŋu míanɔ dzidzɔ kpɔm le subɔsubɔdɔ si wɔm míele na Yehowa me?

15 Be míana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nayi edzi anɔ hamea mea, ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ eƒe ŋutete katã na Yehowa. Bu ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ŋu kpɔ. Nunana vovovowo kple dɔdeasi vovovowoe nɔ wo si. (1 Kor. 12:4, 7-11) Gake esia mena woʋli ho kple wo nɔewo alo de mama wo dome o. Paulo de dzi ƒo na wo dometɔ ɖe sia ɖe be wòawɔ nu si hiã “na Kristo la ƒe ŋutilã tutu ɖo.” Le agbalẽ si Paulo ŋlɔ na Efesotɔwo mea, egblɔ be: “Ne ŋutinu ɖe sia ɖe wɔa eƒe dɔ nyuie la, ewɔnɛ be ŋutilã la tsina le esi wòtua eɖokui ɖo le lɔlɔ̃ me ta.” (Ef. 4:1-3, 11, 12, 16) Ame siwo wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi la na ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nɔ hamea me, eye alea tututue wòle le míaƒe hamewo me egbea hã.

16. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ? (Hebritɔwo 6:10)

16 Ðoe kplikpaa be yematsɔ ye ɖokui anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo o. Ke boŋ dze agbagba nàsrɔ̃ Yesu. Srɔ̃ nu tso ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me kple mía nɔvi haxɔsetɔ siwo li egbea gbɔ. Yi edzi nàwɔ wò ŋutete katã, eye nàka ɖe edzi be Yehowa ‘menye madzɔmadzɔtɔ, be wòaŋlɔ wò dɔwɔwɔ be o.’ (Xlẽ Hebritɔwo 6:10.) Ðo ŋku edzi be, Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo katã dzem nèle be yeasubɔe tso luʋɔ blibo mea ŋu, eye na esia nana nàkpɔ dzidzɔ le Yehowa subɔsubɔ me!

HADZIDZI 65 Yi Ŋgɔgbe!

^ mm. 5 Mí katã míate ŋu asrɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu si ame bubuwo ɖo me. Gake afɔku aɖewo hã li wòle be míaƒo asa na. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzɔ ɖe akpa si wɔm míele ŋu, eye wòakpe ɖe mía ŋu hã be míagatsɔ mía ɖokuiwo anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo o, elabe ate ŋu ana míava nɔ dadam alo dzi naɖe le mía ƒo.

^ mm. 49 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔviŋutsu aɖe subɔ le Betel le eƒe ɖekakpui me. Emegbe eɖe srɔ̃ eye woa kple srɔ̃a wowɔ mɔɖeɖedɔa. Esi viawo nɔ tsitsima, ena hehe wo le gbeƒãɖeɖedɔa me. Fifia, eku amegã, gake eyi edzi le eƒe ŋutete katã wɔm le gbeadzi to lɛtaŋɔŋlɔ dzi.