Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wona Akpɔnɔ Viviwo Nye Avuawo

Wona Akpɔnɔ Viviwo Nye Avuawo

NICK, si le Oregon, Amerika gblɔ be: “Le ƒe 2014 ƒe gɔmedzedzea, mekplɔa nye avuvi eveawo ɖia tsa le míaƒe nutoa me. Zi geɖea, mekpɔa Ðasefowo le dua me le woƒe kekevi si dzi woɖo agbalẽwo ɖoa gbɔ. Wodzrana ɖo nyuie eye wodoa vivi ɖe ame sia ame ŋu.

“Menye amewo ŋu koe wodoa vivi ɖo o, wodoa vivi ɖe nye avuviawo hã ŋu. Gbe ɖeka esi míetso eme va yinaa, Ðasefoawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Elaine na akpɔnɔ viviwo nye avuvi eveawo. Tso ema dzia, ɣesiaɣi si míeto afi ma va yinaa, avuviawo ʋlina be yewoate ɖe Ðasefoawo ŋu axɔ yewoƒe akpɔnɔ vivi.

“Nu ma yi edzi ɣleti aɖewo. Nye avuviawo kpɔa akpɔnɔ viviwo ɖuna eye wokpɔa dzidzɔ, eye Ðasefoawo ɖoa dze viviwo kple nye hã. Gake nyemedina be maɖo dze kple wo fũu o. Elabe ɣemaɣia, mexɔ ƒe 70 kple edzivɔ eye nyemenya nu si tututu dzi Ðasefowo xɔ se o. Subɔsubɔhawo ƒe nu va tim, eya ta mekpɔe be nyuitɔe nye be masrɔ̃ Biblia le ɖokuinye si.

“Medoa go Ðasefo siwo le woƒe kekevi gbɔ le dua ƒe akpa bubuwo hã. Woawo hã wodoa vivi ɖe ame ŋu ɣesiaɣi. Ðasefoawo zãa Biblia tsɔ ɖoa biabia siwo le asinyea ŋu ɣesiaɣi, eye esia wɔe be megava ka ɖe wo dzi geɖe wu.

“Gbe ɖekaa, Elaine biam be, ‘Ènya be lãwo nye nunana tso Mawu gbɔa?’ Meɖo eŋu be, ‘Ɛ̃, menya!’ Eyome Elaine xlẽ Yesaya 11:6-9 nam. Tso ema dzia, meva di be masrɔ̃ nu geɖe tso Biblia me, gake nyemedi be maxɔ woƒe agbalẽwo o.

“Le ŋkeke siwo kplɔe ɖo mea, Elaine kple srɔ̃a, Brent, woɖoa dze tso Biblia me kplim eye esia dzɔa dzi nam ŋutɔ. Wodoe ɖe gbɔnye be maxlẽ tso Mateo ƒe agbalẽa va se ɖe Dɔwɔwɔwo ne makpɔ nu si wòbia be ame nanye Kristotɔ. Eya ta mewɔe nenema. Esia wɔe be le ƒe 2016 ƒe domedomea, meva lɔ̃ be Brent kple Elaine nasrɔ̃ Biblia kplim.

“Kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia nusɔsrɔ̃a kple kpekpeawo dede le Fiaɖuƒe Akpataa me vivia nunye ŋutɔ. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be meva nɔ nu srɔ̃m tso nu si tututu Biblia fia la ŋu. Ƒe ɖeka megbea, mexɔ nyɔnyrɔ zu Ðasefo. Mexɔ ƒe 79 fifia, eye medaa akpe be meva ke ɖe subɔsubɔ vavãtɔ la ŋu. Yehowa yram ŋutɔ elabe ena meva le eƒe ƒome gã si le xexea me katã la me.”