Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 25

Yehowa Yraa Ame Siwo Tsɔna Kena

Yehowa Yraa Ame Siwo Tsɔna Kena

“Ale si ko Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.”—KOL. 3:13.

HADZIDZI 130 Lɔ̃ Tsɔtsɔke

NYA VEVIAWO *

1. Ŋugbe kae Yehowa do na nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me?

 TOGBƆ be Yehowae nye mía Wɔla, míaƒe Senala kple míaƒe Ʋɔnudrɔ̃la hãa, eya kee nye mía Fofo si le dziƒo, si lɔ̃ mí. (Ps. 100:3; Yes. 33:22) Ne míewɔ nu vɔ̃ ɖe eŋu eye míetrɔ dzi me ŋutɔŋutɔa, menye ɖeko wòate ŋu atsɔe ake mí ko o, ke edina vevie hã be yeatsɔe ake mí. (Ps. 86:5) Eto nyagblɔɖila Yesaya dzi do ŋugbe na mí lɔlɔ̃tɔe be: “Ne miaƒe nu vɔ̃wo biã helĩhelĩ hã la, woafu abe sno ene.”—Yes. 1:18.

2. Ne míedi be mía kple amewo dome nanɔ nyuiea, nu kae wòle be míawɔ?

2 Mía dometɔ aɖeke mede blibo o, eya ta míeƒoa nu alo wɔa nu wòtena ɖe amewo dzi. (Yak. 3:2) Gake ne míesrɔ̃ ale si míatsɔ akea, mía kple amewo dome akpɔtɔ anɔ nyuie. (Lod. 17:9; 19:11; Mat. 18:21, 22) Amewo adze agɔ suesuewo le mía dzi, gake Yehowa di be míatsɔ ake. (Kol. 3:13) Eye susu nyuiwo li siwo ta míawɔe nenema, elabena Yehowa ŋutɔ hã lɔ̃na faa tsɔna kea mí ‘le nu geɖe me.’—Yes. 55:7.

3. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Le nyati sia mea, míakpɔ ale si amegbetɔ madeblibowo ate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe tsɔtsɔke. Azɔ hã, míaɖo biabia siawo ŋu: Nu vɔ̃ kawoe wòle be míana hamemetsitsiwo nanya? Nu ka tae Yehowa de dzi ƒo na mí be míatsɔ ake amewo? Eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso mía nɔvi Kristotɔ siwo ŋu ame aɖewo ƒe nu vɔ̃wo gblẽ nu lea gbɔ?

NE KRISTOTƆ AÐE WƆ NU VƆ̃ GÃ

4. (a) Ne Yehowa subɔla aɖe wɔ nu vɔ̃ gãa, nu kae wòle be wòawɔ? (b) Ne hamemetsitsiwo kpe kple ame aɖe si wɔ nu vɔ̃a, nu kae nyea woƒe taɖodzinu?

4 Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ gã la, ele be wòana hamemetsitsiwo nanya. Woyɔ nu vɔ̃ mawo dometɔ aɖewo le 1 Korintotɔwo 6:9, 10. Ame si wɔ nu vɔ̃ gã la dze agɔ le Mawu dzi vevie. Ele be wòado gbe ɖa na Yehowa Mawu abia tsɔtsɔke, eye wòavae gblɔe na hamemetsitsiwo. (Ps. 32:5; Yak. 5:14) Akpa kae hamemetsitsiwo awɔ le nya sia me? Nya lae nye be, Yehowa koe ate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake bliboe, eye enɔa te ɖe Kristo ƒe tafevɔsaa dzi wɔa esia. * Gake Yehowa de dɔ asi na hamemetsitsiwo be woazã Ŋɔŋlɔawo atsɔ adae kpɔ nenye be ame si wɔ nu vɔ̃ la akpɔtɔ anɔ hamea me. (1 Kor. 5:12) Be woawɔ esia, wodea ŋugble le biabia aɖewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖe amea ɖoe koŋ wɔ nu vɔ̃a? Ðe wòdze agbagba be yeaɣlaea? Ðe wòwɔ nu vɔ̃a hena ɣeyiɣi didi aɖea? Vevietɔ wua, ɖe wòwɔ nu siwo ɖee fia be etrɔ dzi mea? Nu kae ɖee fia be Yehowa tsɔe kee?—Dɔw. 3:19.

5. Aleke hamemetsitsiwo ƒe dɔa ɖea vi?

5 Ne hamemetsitsiwo kpe kple ame aɖe si wɔ nu vɔ̃a, woƒe taɖodzinue nye be yewoƒe nyametsotsoa nawɔ ɖeka kple esi Yehowa wɔ le dziƒo. (Mat. 18:18) Aleke ɖoɖo sia ɖea vi na hamea? Ekpɔa hamea ta, elabe woɖea nu vɔ̃ wɔla si metrɔ dzi me o la ɖa le haa me be wòagagblẽ nu le Yehowa ƒe alẽ xɔasiawo ŋu o. (1 Kor. 5:6, 7, 11-13; Tito 3:10, 11) Ate ŋu akpe ɖe ame si wɔ nu vɔ̃a hã ŋu be wòatrɔ dzi me, ale be Yehowa natsɔ akee. (Luka 5:32) Hamemetsitsiwo doa gbe ɖa kple nu vɔ̃ wɔla si trɔ dzi me, ale be Yehowa nakpe ɖe eŋu ƒomedodo nyui nagava nɔ woa kplii dome.—Yak. 5:15.

6. Ne woɖe ame aɖe le haa mea, ɖe Yehowa agate ŋu atsɔ eƒe nu vɔ̃wo akeea? Ðe eme.

6 Tsɔe be hamemetsitsiwo kpe kple ame aɖe si wɔ nu vɔ̃, gake metrɔ dzi me o. Ne edzɔ nenemaa, woaɖee le haa me. Eye ne eda le dukɔa ƒe se aɖe dzia, hamemetsitsiwo makpɔ eta tso setɔwo si me o. Yehowa ɖe mɔ be dziɖuɖuwo nadrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame si da le dukɔa ƒe se dzi eye woahe to nɛ, amea ɖatrɔ dzi me alo metrɔ dzi me o. (Rom. 13:4) Gake ne ame si woɖe le haa me va nyɔ le eɖokui me emegbe, trɔ dzi me ŋutɔŋutɔ, eye wòwɔ tɔtrɔ siwo hiã la, Yehowa le klalo be yeatsɔ akee. (Luka 15:17-24) Atsɔ akee ne eƒe nu vɔ̃wo nyra ŋutɔ gɔ̃ hã.—2 Kron. 33:9, 12, 13; 1 Tim. 1:15.

7. Mɔ ka nue míate ŋu atsɔ ake ame si wɔ nu vɔ̃ ɖe mía ŋu le?

7 Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be Yehowa ye tsoa nya me be yeatsɔ ame aɖe ƒe nu vɔ̃ akee, ke menye míawoe o. Gake nane li si ŋu wòhiã be míatso nya me le. Nu kae? Ɣeaɖewoɣia, ate ŋu adzɔ be ame aɖe nadze agɔ le mía dzi, eye wòava ɖe kuku na mí be míatsɔ ake ye, alo ɖewohĩ maɖe kuku gɔ̃ hã o. Aleke kee wòle o, míate ŋu atiae be míatsɔ ake amea, le mɔ sia nu be míaɖe asi le dziku ɖe sia ɖe si míelé ɖe dɔ mea ŋu. Esia bia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe, vevietɔ ne nu si amea wɔ ɖe mía ŋu te ɖe mía dzi vevie. September 15, 1994 ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ be: “Ne ètsɔ ke ame aɖe si dze agɔ le dziwòa, mefia be èda asi ɖe eƒe nuwɔnaa dzi o. Kristotɔ si tsɔ ke la le eɖem fia be yegblẽ nyaa ɖe Yehowa si me. Eyae nye Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔetɔ le xexea me, eye akpɔ nyaa gbɔ nyuie le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.” Gake nu ka tae Yehowa de dzi ƒo na mí be míatsɔ ake eye míagblẽ nyaa ɖe ye si me?

SUSU SIWO TA YEHOWA DE DZI ƑO NA MÍ BE MÍATSƆ AKE

8. Ne míetsɔna kea amewoa, aleke esia ɖenɛ fiana be míeda akpe ɖe Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ta?

8 Ne míetsɔ ke amewoa, eɖenɛ fiana be míeda akpe ɖe Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ta. Le Yesu ƒe kpɔɖeŋu aɖe mea, etsɔ Yehowa sɔ kple fia aɖe. Fia la te fli ɖe fe gbogbo aɖe si eƒe kluvi nyi le eŋu, si mate ŋu axe o me. Gake kluvi ma mekpɔ nublanui na kluvi bubu aɖe si nyi fe sue aɖe le eya ŋu o. (Mat. 18:23-35) Nu kae Yesu di be yeafia mí? Eyae nye be ne míedaa akpe ɖe ale si gbegbe Yehowa kpɔ nublanui na mí taa, aʋã mí míatsɔ ake amewo. (Ps. 103:9) Gbetakpɔxɔ aɖe si do ƒe gbogbo aɖewo va yi gblɔ be: “Ne míetsɔ mía nɔvi aɖe ƒe nu vɔ̃ kee zi geɖe ŋutɔ hãa, mate ŋu ade zi gbɔ zi ale si Yehowa to Kristo ƒe vɔsaa dzi kpɔ nublanui na mí eye wòtsɔ ke mí la nu o.”

9. Ame kawoe Yehowa kpɔa nublanui na? (Mateo 6:14, 15)

9 Ne míetsɔ ke amewoa, Yehowa hã atsɔ ake mí. Ame siwo kpɔa nublanui na ame ye Yehowa kpɔa nublanui na. (Mat. 5:7; Yak. 2:13) Yesu na esia dze ƒãa le eƒe kpɔɖeŋugbedodoɖaa me. (Xlẽ Mateo 6:14, 15.) Ale si Yehowa wɔ nu ɖe esubɔla wɔnuteƒe Hiob ŋu le blema la ɖo kpe nya ma dzi. Ŋutsu etɔ̃ siwo nye Elifaz, Bildad, kple Zofar gblɔ nya tɔamewo ɖe Hiob ŋu, siwo gbã dzi nɛ vevie. Yehowa gblɔ na Hiob be wòado gbe ɖa ɖe wo ta. Esi Hiob wɔ esia vɔa, Yehowa yrae.—Hiob 42:8-10.

10. Nu ka tae ameléleɖedɔme agblẽ nu le mía ŋu? (Efesotɔwo 4:31, 32)

10 Ameléleɖedɔme agblẽ nu le mía ŋu. Ne míelé dziku ɖe dɔ mea, ɖeko wòle abe míedro agba kpekpe aɖe ɖe ta ene. Yehowa di be míadro agba ma ɖi ne míavo. (Xlẽ Efesotɔwo 4:31, 32.) Yehowa de dzi ƒo na mí be míana ‘míaƒe dɔmedzoe nu nafa, eye míadzudzɔ dzikudodo.’ (Ps. 37:8) Ne míewɔe alea la, aɖe vi na mí ŋutɔ. Elabe ne míelé dziku ɖe dɔ mea, ate ŋu agblẽ nu le míaƒe susu kple lãmesẽ ŋu. (Lod. 14:30) Ale si ko ame mate ŋu ano aɖi, evɔ wòanɔ mɔ kpɔm be wòagblẽ nu le ame bubu ŋu oa, nenema kee ne míelé ame aɖe ɖe dɔ mea, míawo ŋutɔ ŋue wòagblẽ nu le. Eya ta nu si aɖe vi na mí boŋue nye be míatsɔ ake. (Lod. 11:17) Ana míaƒe dzi nadze eme, míaƒe susu adze akɔ anyi, eye míayi edzi asubɔ Yehowa.

11. Nya kae Biblia gblɔ tso hlɔ̃biabia ŋu? (Romatɔwo 12:19-21)

11 Yehowa tɔe nye hlɔ̃biabia. Yehowa mena ŋusẽ mí be míabia hlɔ̃ o. (Xlẽ Romatɔwo 12:19-21.) Esi míede blibo o, eye míaƒe susu le nyawo ŋu medena ɣesiaɣi o taa, mímate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu le nya aɖe ŋu wòade pɛpɛpɛ abe ale si Mawu awɔe ene o. (Heb. 4:13) Eye ɣeaɖewoɣia, ale si míese le mía ɖokui me tso nya aɖe ŋu ate ŋu awɔe be míadrɔ̃ ʋɔnu nyuie o. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Yakobo wògblɔ be: “Ame ƒe dziku mewɔa nu si le dzɔdzɔe le Mawu ŋkume o.” (Yak. 1:20) Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa awɔ nu si sɔ, eye wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe godoo.

Mègalé dziku ɖe dɔ me o. Gblẽ nyaa ɖe Yehowa si me. Ava ɖɔ nu gbegblẽ siwo katã nu vɔ̃ he vɛ la ɖo (Kpɔ memama 12 lia)

12. Aleke míate ŋu aɖee afia be míeka ɖe Yehowa dzi?

12 Ne míetsɔ kea, eɖenɛ fiana be míeka ɖe Yehowa dzi be adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe. Ne míegblẽ nyaa ɖe Yehowa si mea, míele eɖem fia be míeka ɖe edzi be ava ɖɔ nu siwo katã nu vɔ̃ gblẽ le mía ŋua ɖo. Le Mawu ƒe xexe yeyea mea, veve siwo sem míele fifia katã nu ayi, eye ‘womagava susu me na mí alo ava míaƒe dzi me gbeɖe o.’ (Yes. 65:17) Ke ne ame aɖe wɔ nane ɖe mía ŋu wòve mí kaɖikaɖi ya ɖe? Ðe wòanya wɔ be míaɖe asi le dziku ŋu eye míagalée ɖe dɔ me oa? Na míakpɔ ale si nɔvi aɖewo te ŋu wɔe ɖa.

ALE SI WÒAÐE VI NA MÍ NE MÍETSƆ KE

13-14. Nu kae nèsrɔ̃ tso Tony kple José gbɔ ku ɖe tsɔtsɔke ŋu?

13 Ame aɖewo ƒe nuwɔna gblẽ nu le mía nɔvi Kristotɔ geɖe ŋu vevie, gake wotiae be yewoatsɔ ake. Aleke esia ɖe vi na wo?

14 Ƒe gbogbo aɖewo hafi Tony, * si le Philippines, nava xɔ nyateƒea, ese be ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye José wu ye fo. Ɣemaɣia, Tony wɔa adã ŋutɔ, eya ta eɖoe be yeabia hlɔ̃. Setɔwo lé José de gaxɔ me ɖe nu vlo si wòwɔa ta. Gake emegbe esi woɖe asi le José ŋua, Tony ɖoe kplikpaa be yeadii ake ɖe eŋu awui. Eƒle tu si wòatsɔ awui gɔ̃ hã. Ɣeyiɣi aɖe megbea, Yehowa Ðasefowo va te Biblia sɔsrɔ̃ kple Tony. Egblɔ be: “Esi meva nɔ Biblia srɔ̃maa, mede dzesii be ehiã be mawɔ tɔtrɔ aɖewo. Ðekae nye be madzudzɔ dzikuléleɖedɔme.” Ʋɛʋɛʋɛa, Tony va xɔ nyɔnyrɔ, eye emegbe wova ɖoe hamemetsitsi. Kpɔ ale si wòawɔ nuku nɛ esi wòse be José hã va xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa subɔla ɖa! Esi wo ame evea wodo goa, wowɔ atuu na wo nɔewo, eye Tony gblɔ na José be yetsɔe kee. Tony gblɔ be esi yetsɔ ke José la, dzidzɔ si gbegbe yekpɔ mele gbɔgblɔ me o. Ɛ̃, Yehowa yra Tony ɖe ale si wòlɔ̃ faa tsɔ ke ta.

Peter kple Sue ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be míate ŋu adzudzɔ dzikuléleɖedɔme (Kpɔ memama 15-16 lia)

15-16. Nu kae nèsrɔ̃ tso Peter kple Sue gbɔ le tsɔtsɔke ŋu?

15 Le ƒe 1985 mea, Peter kple Sue nɔ kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata me. Nɔviawo menya be ame aɖe si menye Ðasefo o va ɖi bɔmb ɖe Akpataa me o. Esi wonɔ kpekpea, bɔmb la wó. Sue xɔ abi vevie, eye esia gblẽ nu le eƒe ŋku kple to ŋu. Megate ŋu sea nu ƒe ʋeʋẽ hã o. * Peter kple Sue bia wo ɖokui zi geɖe be, ‘Ame ka gɔ̃e asẽ tame nenema?’ Ƒe geɖe megbea, setɔwo ƒe asi va su amea dzi, eye wolée de gaxɔ me be wòanɔ afi ma va se ɖe eƒe kugbe. Esi wobia Peter kple Sue be wotsɔ ke amea hã la, wogblɔ be: “Yehowa fia mí be ne míelé dziku ɖe dɔ mea, agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ, seselelãme kple susu ŋu. Eya ta esi afɔkua nya dzɔ koa, míebia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖe dziku ɖa le dɔ me, be míakpɔ ŋutifafa.”

16 Ðe wònɔ bɔbɔe na wo be woatsɔ ake ame si wɔ nu vlo ma? Ao. Wogblɔ be: “Ɣesiaɣi si Sue ƒe nɔnɔmea ganyraa, míeɖoa ŋku nudzɔdzɔ ma dzi, eye míaƒe dzi gahona. Gake míetsɔa susu ɖoa eŋu fũu o. Eya ta sẽe kple sẽe koa, míaƒe susu dzona le edzi. Le nyateƒe mea, míate ŋu agblɔ tso dzi me be ne ŋutsu ma va zu mía nɔvi gbe ɖekaa, míaxɔe alɔ eve. Nu si me míeto na míesrɔ̃e be Biblia ƒe mɔfiamewo ɖea vi ɣesiaɣi. Azɔ hã, efaa akɔ na mí be míanyae be Yehowa ava ɖɔ nu siwo katã gblẽ le mía ŋu la ɖo kpuie.”

17. Nu kae nèsrɔ̃ tso Myra gbɔ ku ɖe tsɔtsɔke ŋu?

17 Hafi nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Myra nava xɔ nyateƒea la, srɔ̃ kple viŋutsu sue eve nɔ esi xoxo. Gake srɔ̃a ya mexɔ nyateƒea o. Emegbe ŋutsua va wɔ ahasi, eye wòdzo gblẽ nyɔnua kple ɖeviawo ɖi. Myra gblɔ be: “Esi srɔ̃nye dzo le mía gbɔa, mese le ɖokuinye me be nye lɔlɔ̃tɔe ma gbe nu le gbɔnye. Ewɔ nuku nam ŋutɔ. Mexa nu vevie, mebu fɔ ɖokuinye, mese veve. Esesẽ be maxɔe ase be edzo, eye dzi kum ŋutɔ.” Woƒe srɔ̃ɖeɖea me gblẽ, gake nu si ŋutsua wɔa ganɔ tetem ɖe Myra dzi. Egblɔ be: “Nu te ɖe dzinye vevie ɣleti geɖe. Eye meva de dzesii be ele nu gblẽm le nye kple Yehowa kpakple nye kple amewo dome ƒomedodo ŋu.” Myra gblɔ be fifia yeɖe asi le dziku ma ŋu, eye yemegalé ŋutsua ɖe dɔ me o. Ele mɔ kpɔm be gbe ɖekaa, ava subɔ Yehowa. Myra kpɔ ŋgɔ tẽe, eye wòhe viawo wova zu Yehowa subɔlawo. Egbea, eya kpakple viawo kple woƒe ƒomewo le Yehowa subɔm ɖekae kple dzidzɔ.

YEHOWA DRƆ̃A ƲƆNU DZƆDZƆE

18. Esi Yehowa nye Ʋɔnudrɔ̃la Gãtɔ taa, nu kae míeka ɖe edzi be awɔ?

18 Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be míeva nyae be menye míawoe atso nya me le ale si woadrɔ̃ ʋɔnu amewoe ŋu o. Yehowa, si nye Ʋɔnudrɔ̃la Gãtɔ, ye awɔ dɔ vevi ma. (Rom. 14:10-12) Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be adrɔ̃ ʋɔnu wòawɔ ɖeka kple eƒe nudidi dzɔdzɔeawo ɣesiaɣi. (1 Mose 18:25; 1 Fia. 8:32) Mawɔ nu madzɔmadzɔ gbeɖe o!

19. Nu kae ado tso Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me?

19 Míele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me Yehowa aɖɔ nu gbegblẽ siwo blibomademade kple nu vɔ̃ he vɛ la ɖo keŋkeŋ. Ɣemaɣia, nu sia nu si gblẽ le mía ŋu, kple míaƒe vevesesewo katã nu ayi tegbee. (Ps. 72:12-14; Nyaɖ. 21:3, 4) Míagaɖo ŋku wo dzi gbeɖe o. Esi míele ɣeyiɣi wɔnuku ma lalama, mina míanɔ akpe dam na Yehowa ɖe ŋutete si wòna mí be míasrɔ̃ ye atsɔ ake faa la ta.

HADZIDZI 18 Akpedada Ðe Tafea Ta

^ Yehowa dina vevie be yeatsɔ ake nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me. Mí Kristotɔwo míedi be míasrɔ̃ Yehowa atsɔ ake ame siwo dze agɔ le mía dzi. Le nyati sia mea, míakpɔ nu vɔ̃ siwo mía ŋutɔwo míate ŋu atsɔ ake kple esiwo wòhiã be míana hamemetsitsiwo nanya. Azɔ hã, míade dzesi susu siwo ta Yehowa di be míatsɔ ake mía nɔewo kple ale si wòaɖe vi ne míewɔe nenema.

^ Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” le April 15, 1996 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ Kpɔ January 8, 1992 ƒe Nyɔ!, axa 9-13 (ele yevugbe me). Kpɔ video si nye Schulz Kple Srɔ̃a: Àte Ŋu Aɖu Dzidziƒoame Dzi, si le jw.org hã.