Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 26

Ale Si Lɔlɔ̃ Kpena Ðe Mía Ŋu Míeɖua Vɔvɔ̃ Dzi

Ale Si Lɔlɔ̃ Kpena Ðe Mía Ŋu Míeɖua Vɔvɔ̃ Dzi

“Yehowa li kplim; nyemavɔ̃ o.”—PS. 118:6.

HADZIDZI 105 “Mawu Nye Lɔlɔ̃”

NYA VEVIAWO *

1. Nu kawoe nana míevɔ̃na?

 BU AGBEMENUDZƆDZƆ ŋutɔŋutɔ siawo ŋu kpɔ. Nestor kple srɔ̃a, María, di be yewoasubɔ le afi si gbeƒãɖela geɖewo hiã le. * Be woate ŋu awɔ esia, ele be woaɖe woƒe gazazã dzi kpɔtɔ. Gake wovɔ̃ be ne yewova le agbe tsɛ nɔma, yewomakpɔ dzidzɔ o. Esi Biniam va zu Yehowa Ðasefo le dukɔ aɖe si me wotsi tre ɖe míaƒe dɔa ŋu le mea, ekpɔe be woate ŋu ati ye yome. Ema na wòvɔ̃. Gake nu si na wògavɔ̃ wue nye ale si eƒe ƒometɔwo awɔ nui ne wova nya be ezu Ðasefo. Wokpɔ kansadɔ vɔ̃ɖi aɖe le Valérie ŋu, evɔa enɔ sesẽm be wòake ɖe ɖɔkta si ade bubu eƒe dzixɔsewo ŋu awɔ dɔ nɛ ʋumadomadoe la ŋu. Valérie vɔ̃ be yeava ku.

2. Nu ka tae wòle be míadze agbagba aɖu nu siwo nana míevɔ̃na dzi?

2 Ðe nu siawo tɔgbi dzɔ ɖe dziwò, si na nèvɔ̃ kpɔa? Edzɔ ɖe mía dometɔ geɖe dzi kpɔ. Ne mímedze agbagba ɖu vɔvɔ̃ dzi oa, ate ŋu awɔe be míava wɔ nyametsotso gbegblẽwo, eye wòagblẽ mía kple Yehowa dome gɔ̃ hã. Ema dim Satana le. Azɔ hã, Satana dina be vɔvɔ̃ nawɔe be míagaɖe gbeƒã, alo awɔ ɖe Yehowa ƒe se bubuawo dzi o. (Nyaɖ. 12:17) Satana vɔ̃ɖi, mekpɔa nublanui o, eye ŋusẽ le eŋu. Gake míate ŋu akpɔ mía ɖokuiwo ta tso Satana si me. Nu kae akpe ɖe mía ŋu?

3. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaɖu nu siwo míevɔ̃na na la dzi?

3 Ne míeka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí eye wòli kpli mí la, Satana ƒe nuwɔna aɖeke mado vɔvɔ̃ na mí o. (Ps. 118:6) Le kpɔɖeŋu me, Psalmo 118 lia ŋlɔla to nɔnɔme gbãdziname aɖewo me. Ame geɖe tsi tre ɖe eŋu; wo dometɔ aɖewo nye amegãwo (kpukpui 9, 10). Ɣeaɖewoɣia, nɔnɔmeawo sesẽ nɛ ale gbegbe (kpukpui 13). Eye ɣeaɖeɣia, Yehowa ŋutɔ hã he to nɛ vevie (kpukpui 18). Ke hã le esiawo katã mea, psalmo sia ŋlɔla dzi ha be: “Nyemavɔ̃ o.” Nu kae na be mevɔ̃ o? Elabe enyae be togbɔ be Yehowa he to na ye hã, elɔ̃ ye vevie. Eka ɖe edzi be nɔnɔme ka ke mee yeato o, ye Fofo lɔ̃amea akpe ɖe ye ŋu ɣesiaɣi.—Ps. 118:29.

4. Ne míeka ɖe edzi be Mawu lɔ̃ mía, vi kae esia aɖe na mí?

4 Ele be míawo hã míaka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí, elabe esia akpe ɖe mía ŋu be míaɖu nu etɔ̃ aɖewo siwo doa vɔvɔ̃ na mí zi geɖe la dzi. Woawoe nye: (1) vɔvɔ̃ be míate ŋu akpɔ míaƒe ƒomea dzi o, (2) amegbetɔvɔvɔ̃, kple (3) vɔvɔ̃ na ku. Nɔvi siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la te ŋu ɖu vɔvɔ̃ dzi elabe woka ɖe edzi be Mawu lɔ̃ yewo.

VƆVƆ̃ BE MÍATE ŊU AKPƆ MÍAƑE ƑOMEA DZI O

Nɔviŋutsu aɖe si nye tɔƒodela la le dɔ wɔm be yeatsɔ akpɔ yeƒe ƒomea dzi, eye viaŋutsuvi le egbɔ (Kpɔ memama 5 lia)

5. Nu kawoe ate ŋu ana ƒome ƒe ta natsi dzi vevie? (Kpɔ foto si le akpaa dzi.)

5 Kristotɔ ɖe sia ɖe si nye ƒome ƒe ta ƒe didie nye be yeakpɔ yeƒe ƒomea dzi. (1 Tim. 5:8) Ne ƒome ƒe tae nènyea, ɖewohĩ le dɔvɔ̃ɣia, ànya nɔ ɖokuiwò biam be, ɖe dɔ mele gbegblẽ ge na ye fia oa? Ðewohĩ, ànɔ vɔvɔ̃m be ne edzɔ nenema, aleke yeawɔ akpɔ ƒomea dzi alo axe xɔfetu? Àtsi dzi hã be ɖewohĩ ne dɔ gblẽ na yea, yemagakpɔ bubu o. Alo abe Nestor kple María si ŋu míeƒo nu tsoe va yi enea, ànɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ ne yewɔ asitɔtrɔ le yeƒe dɔwɔɖuia ŋua, ga si yeanɔ kpɔkpɔm la magade na yewo o. Satana te ŋu zã mɔ̃ ma tsɔ ɖe ame geɖe be womete ŋu yi Yehowa subɔsubɔ dzi o.

6. Nu kae Satana dina be míasusu?

6 Satana dina be míasusu be Yehowa metsɔ ɖeke le eme na mí o eye míaƒe ƒomea dzi kpɔkpɔ ƒe nya aɖeke mekae o. Esia ate ŋu awɔe be míava di be míaku ɖe míaƒe dɔ ŋu goŋgoŋ ale be wòagage le mía si o, ne esia abia be míaŋe aɖaba aƒu Biblia ƒe mɔfiame aɖewo dzi gɔ̃ hã.

7. Nu ka dzie Yesu di be míaka ɖo?

7 Yesu, ame si nya Fofo la wu ame bubu ɖe sia ɖe la ka ɖe edzi na mí be, mía Mawu la ‘nya nu siwo le mía hiãm hafi míebianɛ gɔ̃ hã.’ (Mat. 6:8) Eye Yesu nyae hã be Yehowa le klalo be yeakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí. Mí Yehowa subɔlawo míenye eƒe ƒomea me tɔwo. Esi Yehowa nye ƒome ƒe Ta nyui taa, akpɔ egbɔ be ye ŋutɔ yewɔ ɖe nu si yena woŋlɔ ɖe 1 Timoteo 5:8 na ƒome ƒe ta ɖe sia ɖea dzi.

Yehowa akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí. Ate ŋu ato mía nɔviwo dzi akpe ɖe mía ŋu (Kpɔ memama 8 lia) *

8. (a) Ne míetsi dzi be míate ŋu akpɔ míaƒe ƒomea dzi oa, nu kae akpe ɖe mía ŋu míaɖu vɔvɔ̃ ma dzi? (Mateo 6:31-33) (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ atsu kple asi si le fotoa me, siwo tsɔ nuɖuɖu vɛ na nɔvinyɔnu aɖe kple via lae?

8 Ne míeka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí eye wòlɔ̃ míaƒe ƒomea, míaka ɖe edzi bliboe be ana nu siwo míehiã la mí. (Xlẽ Mateo 6:31-33.) Yehowa dina be yeakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí, eye eʋua asi me wɔnɛ faa hã! Esi wòwɔ anyigbaa, menye ɖeko wòna nu siwo míehiã be míate ŋu anɔ agbe la mí ko o, ke boŋ ewɔ nu geɖewo hã be woana míase vivi na agbea. (1 Mose 2:9) Ele eme be ɣeaɖewoɣia, nu sue aɖe koe nɔa mía si, gake míalɔ̃ ɖe edzi be Yehowae na sue ma gɔ̃ hã mí. (Mat. 6:11) Ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa aɖo nu sia nu si míetsɔ sa vɔ le esubɔsubɔ ta la teƒe na mí zi gbɔ zi geɖe fifia. Eye le etsɔmea, ana agbe mavɔ mí. Nu ma tututue Nestor kple María va de dzesii.—Yes. 65:21, 22.

9. Nu kae nèsrɔ̃ tso Nestor kple María ƒe kpɔɖeŋua me?

9 Èɖo ŋku Nestor kple María dzia? Wonɔ aƒe nyui aɖe me le Colombia eye wonɔ dɔ nyui aɖe hã wɔm. Wogblɔ be: “Míedi be míanɔ agbe tsɛ ale be míate ŋu awɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me, gake míevɔ̃ be ne míeva le agbe tsɛ nɔma, míakpɔ dzidzɔ o.” Nu kae kpe ɖe wo ŋu woɖu vɔvɔ̃ ma dzi? Wode ŋugble tso nu siwo gbegbe Yehowa wɔ na wo tsɔ ɖee fia be yelɔ̃ wo la ŋu. Esia na wova ka ɖe edzi be Yehowa alé be na yewo ɣesiaɣi. Eya ta, woɖe asi le dɔ si me wokpɔa ga geɖe tsonɛa ŋu, wodzra woƒe aƒea, eye woʋu yi dukɔa ƒe akpa si Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖewo hiã le. Aleke wose le wo ɖokui me tso woƒe nyametsotsoa ŋu? Nestor gblɔ be: “Míekpɔe be nya siwo le Mateo 6:33 la va eme na mí. Naneke mehiã mí o. Eye míele dzidzɔ kpɔm fifia wu gbɔgblɔ.”

AMEGBETƆVƆVƆ̃

10. Nu ka tae mewɔ nuku be amegbetɔ vɔ̃na na nɔvia amegbetɔ o?

10 Amegbetɔwo le nu gbegblẽ wɔm ɖe wo nɔewo ŋu menye egbe o. (Nyagb. 8:9) Le kpɔɖeŋu me, amewo zãa woƒe ŋusẽ le mɔ gbegblẽ nu, nu vlo wɔlawo sẽa ŋuta le amewo ŋu, sukuviwo sẽa ŋuta le wo tɔ sukuvi bubuwo ŋu, eye ame aɖewo hã sẽa ŋuta le woawo ŋutɔwo ƒe ƒometɔwo ŋu gɔ̃ hã. Mewɔ nuku o be amegbetɔ vɔ̃na na nɔvia amegbetɔ! Aleke Satana wɔa amegbetɔvɔvɔ̃ ŋu dɔ be yeatsɔ agblẽ nu le mía ŋu?

11-12. Aleke Satana zãa amegbetɔvɔvɔ̃ tsɔ gblẽa nu le mía ŋui?

11 Satana zãa amegbetɔvɔvɔ̃ be yeatsɔ ana míadzudzɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ alo míaŋe aɖaba aƒu Yehowa ƒe sewo dzi. Satana na dziɖuɖu aɖewo ɖo asi míaƒe dɔa dzi eye wotia mía yome. (Luka 21:12; Nyaɖ. 2:10) Ewɔe hã be amewo kaka alakpanya vɔ̃ɖiwo tso mí Yehowa Ðasefowo ŋu. Eye ame siwo xɔa alakpanya mawo dzi sea ɖua fewu le mía ŋu alo dzea mía dzi gɔ̃ hã. (Mat. 10:36) Ðe Satana ƒe ayemɔ mawo wɔa nuku na mía? Kura o. Elabe ayemɔ mawo ke koe wòzã le ƒe alafa gbãtɔ me.—Dɔw. 5:27, 28, 40.

Ne míaƒe ƒometɔwo tsi tre ɖe mía ŋu gɔ̃ hã, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí (Kpɔ memama 12-14 lia) *

12 Gake menye vɔvɔ̃ na dziɖuɖuwo koe nye mɔ̃ si Satana zãna o. Le ame aɖewo gomea, nu si wovɔ̃na koŋue nye ale si woƒe ƒometɔwo awɔ nui ne wova se be yewozu Ðasefowo. Nu si tae nye be wolɔ̃ woƒe ƒometɔwo, wodi be woawo hã nava nya Yehowa eye woalɔ̃e. Etena ɖe wo dzi ne woƒe ƒometɔwo le nya manyomanyowo gblɔm tso Mawu vavã la kple esubɔlawo ŋu. Dzidzɔtɔea, ƒometɔ siwo tsi tre ɖe nyateƒea ŋu le gɔmedzedzea la dometɔ aɖewo va zu Ðasefowo. Gake mítsɔe be le míaƒe dzixɔsewo ta, míaƒe ƒometɔ aɖewo tso kadodo me kpli mí. Ne edzɔ alea, nu kae wòle be míawɔ?

13. Ne míeka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mía, aleke esia akpe ɖe mía ŋu ne míaƒe ƒometɔwo gbe mí? (Psalmo 27:10)

13 Nya siwo dze le Psalm 27:10 la faa akɔ na mí ŋutɔ. (Xlẽe.) Ne míeɖo ŋku ale si Yehowa lɔ̃ mí dzia, míase le mía ɖokui me be míele dedie ne ƒometɔwo gbe mí gɔ̃ hã. Eye míeka ɖe edzi be Yehowa aɖo eteƒe na mí ne míedo dzi. Yehowa akpɔ míaƒe nuhiahiãwo katã gbɔ na mí, akpe ɖe mía ŋu míaɖe dzi ɖi, eye wòana mí kplii dome nanɔ kplikplikpli! Nu siae Biniam si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la va de dzesii.

14. Nu kae nèsrɔ̃ tso Biniam ƒe kpɔɖeŋua me?

14 Biniam va zu Yehowa Ðasefo, togbɔ be enyae be esia ana dziɖuɖua nati ye yome vevie hã. Esi Biniam nyae be Yehowa lɔ̃ ye ta, esia kpe ɖe eŋu wòɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi. Egblɔ be: “Tsitretsiɖeŋua nu sẽ wu gbɔgblɔ. Ke hã, tsitretsiɖeŋu si atso ƒometɔwo gbɔa do vɔvɔ̃ nam wu. Mevɔ̃ be esi meva zu Ðasefoa, esia agbã dzi na tɔnye si menye Ðasefo o, eye ƒomea me tɔwo abum be medo kpo nu.” Ke hã, Biniam ka ɖe edzi be Yehowa léa be na ame siwo wòlɔ̃ la ɣesiaɣi. Egblɔ be: “Mede ŋugble tso ale si Yehowa kpe ɖe nɔvi bubuwo ŋu wonɔ te ɖe ganyawo ƒe sesẽ, nazãbubu, kple nu vlo wɔhawo ƒe amedzidzedze nua ŋu. Menya be ne meku ɖe Yehowa ŋua, ayram. Esi setɔwo lém zi geɖe eye wowɔ fum la, nye ŋutɔ mekpɔ ale si Yehowa léa be na mí ne míeyi edzi wɔ nuteƒe nɛ la dze sii.” Yehowa va zu Fofo ŋutɔŋutɔ na Biniam, eye Eƒe amewo va zu abe ƒome ene nɛ.

VƆVƆ̃ NA KU

15. Nu ka tae míevɔ̃na na ku?

15 Biblia gblɔ be ku nye futɔ. (1 Kor. 15:25, 26) Míevɔ̃na na ku, vevietɔ ne míawo ŋutɔ alo míaƒe ame vevi aɖe dze dɔ vevie. Nu ka tae míevɔ̃na na ku? Elabe Yehowa wɔ mí be míakpɔ dzidzɔ le agbe me tegbee. (Nyagb. 3:11) Vɔvɔ̃ na ku ate ŋu awɔe be míawɔ nu siwo akpɔ míaƒe agbe ta. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu awɔe be míaɖu nu nyuie, ade kame, ayi kɔdzi alo ano atike ne ehiã, eye míaƒo asa na nu siwo ade míaƒe agbe afɔku me.

16. Esi míedina be míaku o ta, aleke Satana wɔa esia ŋu dɔ be yeate mí akpɔ?

16 Satana nyae be míaƒe agbe le vevie na mí. Eya ta etsɔ nya ɖe mía ŋu be, míawɔ nu sia nu be míatsi agbe, ne esia abia be míagbe nu le Yehowa gbɔ gɔ̃ hã. (Hiob 2:4, 5) Satana da ƒu ŋutɔ! Gake esi Satana nye “ame si ate ŋu ahe ku vɛ,” eye wònya be míedina be míaku o ta, ewɔa esia ŋu dɔ tsɔ tea mí kpɔ be yeana míada le Yehowa ƒe se dzi. (Heb. 2:14, 15) Ɣeaɖewoɣia, ame siwo dea Satana dzi la doa vɔvɔ̃ na Yehowa subɔlawo be yewoawu wo ne womegbe nu le woƒe xɔse gbɔ o. Azɔ hã, ne míedze dɔ veviea, Satana ate ŋu awɔ esia ŋu dɔ be yeana míada le Yehowa ƒe se dzi. Ðɔktawo alo míaƒe ƒometɔ siwo menye Ðasefo oa ate ŋu aƒoe ɖe mía nu be míalɔ̃ woado ʋu na mí, evɔ esia anye Mawu ƒe se dzi dada. Alo ame aɖe ate ŋu able mía nu be míalɔ̃ woazã dɔdamɔnu aɖe si mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe mɔfiamewo o la na mí.

17. Le Romatɔwo 8:37-39 ƒe nya nua, nu ka tae mele be míavɔ̃ na ku o?

17 Ele eme be míedi be míaku o, gake míenya be Yehowa ayi edzi alɔ̃ mí ne míeku gɔ̃ hã. (Xlẽ Romatɔwo 8:37-39.) Ne Yehowa xɔlɔ̃wo kua, eyia edzi ɖoa ŋku wo dzi, abe ke ɖe wogakpɔtɔ le agbe ene. (Luka 20:37, 38) Ele edzrom vevie be yeafɔ wo ɖe tsitre. (Hiob 14:15) Yehowa tsɔ Via ƒe ʋu xɔasi la ƒle mí ale be ‘míakpɔ agbe mavɔ.’ (Yoh. 3:16) Míenya be Yehowa lɔ̃ mí vevie eye wòléa be na mí. Eya ta, ne míedze dɔ alo wotsɔ ku do ŋɔdzi na mía, míegbea nu le Yehowa gbɔ o, ke boŋ míeɖoa ŋu ɖe eŋu be wòafa akɔ na mí, wòana nunya mí, eye wòado ŋusẽ mí. Nu sia tututue Valérie kple srɔ̃a wɔ.—Ps. 41:3.

18. Nu kae nèsrɔ̃ tso Valérie ƒe kpɔɖeŋua me?

18 Esi Valérie xɔ ƒe 35 la, wokpɔ kansadɔ vɔ̃ɖi aɖe si mebɔ o la le eŋu. Valérie ka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ ye, eye esia kpe ɖe eŋu wòɖu vɔvɔ̃ na ku dzi. Egblɔ be: “Esi ɖɔkta gblɔ na nye kple srɔ̃nye be kansadɔ le ŋunyea, nyaa dze mí kpo! Ehiã be woawɔ dɔ nam hafi matsi agbe. Míeɖo dze kple ɖɔkta geɖewo, gake wo dometɔ aɖeke melɔ̃ be yeawɔ dɔ nam ʋumadomadoe o. Menɔ vɔvɔ̃m ŋutɔ, gake le se si Mawu de ku ɖe ʋu ŋu ta, meɖoe kplikpaa be nyemana woado ʋu nam o! Le nye agbe me katã la, Yehowa ɖe lɔlɔ̃ fiam le mɔ geɖe nu. Fifia, mɔnukpɔkpɔ su nye hã asinye be maɖee afiae be melɔ̃e. Ɣesiaɣi si nuwo meva yi nyuie o la, megaɖonɛ kplikpaa wu be mado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi, eye Satana ƒe alɔ nagade dzi o. Mlɔebaa, míeva kpɔ ɖɔkta aɖe si lɔ̃ wɔ dɔ nam ʋumadomadoe. Togbɔ be dɔa mevɔ nam keŋkeŋ o hã, Yehowa yi edzi le be lém na mí. Le kpɔɖeŋu me, esi míesrɔ̃ nyati si ƒe tanyae nye ‘Tenɔnɔ Ðe Egbekuxiwo Nu Dzinɔameƒotɔe’ * le kwasiɖanuwuwu ƒe kpekpe aɖe me megbe kpuie koe wokpɔ dɔa le ŋunye. Nyatia fa akɔ na mí ale gbegbe. Míexlẽe gaxlẽe zi geɖe. Nyati siawo tɔgbi, kple ale si míelé fɔ ɖe mawusubɔsubɔ ŋua kpe ɖe mía ŋu míaƒe dzi dze eme eye míete ŋu tso nya me nyuie.”

MÍATE ŊU AÐU VƆVƆ̃ DZI

19. Nu kawoe ava dzɔ kpuie?

19 Yehowa kpe ɖe esubɔlawo ŋu le xexea me godoo be wowɔ nuteƒe le nɔnɔme sesẽwo me eye wotsi tre ɖe Abosam ŋu. (1 Pet. 5:8, 9) Wò hã àte ŋui. Madidi o, Yehowa ato Yesu kple ehati dziɖulawo dzi “[agblẽ] Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me.” (1 Yoh. 3:8) Ema megbea, mawusubɔla siwo anɔ anyigba dzi la ‘magavɔ̃ na naneke o, eye naneke madzi ŋɔ na wo o.’ (Yes. 54:14; Mika 4:4) Gake hafi ɣemaɣi naɖoa, ehiã be míadze agbagba vevie aɖu vɔvɔ̃ dzi.

20. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaɖu vɔvɔ̃ dzi?

20 Ele be míayi edzi aka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ esubɔlawo eye wòkpɔa wo ta. Be míawɔ esia, ele be míanɔ ŋugble dem le ale si Yehowa kpɔ esubɔlawo ta le blema ŋu eye míanɔ nu ƒom tso esia ŋu na amewo. Azɔ hã, ele be míanɔ ŋku ɖom ale si wòkpe ɖe mía ŋu le nɔnɔme sesẽwo me va yia dzi. Ne míewɔ nu siawo la, le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu mea, míate ŋu aɖu vɔvɔ̃ dzi!—Ps. 34:4.

HADZIDZI 129 Míayi Edzi Ado Dzi

^ Mí katã míevɔ̃na ɣeaɖewoɣi, elabe vɔvɔ̃ ate ŋu akpɔ mía ta tso afɔku me. Gake le nɔnɔme aɖewo mea, vɔvɔ̃ ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu. Le mɔ ka nu? Elabe Satana ate ŋu ato edzi ana míawɔ nyametsotso gbegblẽ. Esi wòle alea ta, anyo be míadze agbagba vevie aɖu vɔvɔ̃ ma tɔgbi dzi. Nu kae akpe ɖe mía ŋu? Abe ale si míava kpɔe le nyati sia me enea, ne míeka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí eye wòli kpli mí la, míaɖu vɔvɔ̃ ɖe sia ɖe dzi.

^ Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Atsu kple asi aɖe tsɔ nuɖuɖu vɛ na nɔvinyɔnu zazɛ̃ aɖe kple via.

^ NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔviŋutsu ɖekakpui sia dzilawo medi be wòasubɔ Yehowa o, gake eka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ye ŋu.